Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Viɖenu Aɖe Hena Gbegɔmeɖeɖe

Viɖenu Aɖe Hena Gbegɔmeɖeɖe

Viɖenu Aɖe Hena Gbegɔmeɖeɖe

YEHOWA MAWU, Amesi tɔ Biblia nye, ƒe didie nye be woagblɔ yeƒe Fiaɖuƒe ŋuti nyanyuia afia “trɔ̃subɔlawo katã kple to sia to kple gbegbɔgblɔ sia gbegbɔgblɔ kpakple dukɔ sia dukɔ.” (Nyaɖeɖefia 14:6) Edi be yeƒe Nya si woŋlɔ ɖi la nasu ameƒomea katã si. Esia tae, woɖe Biblia gɔme ɖe gbegbɔgblɔ geɖe me wu agbalẽ bubu ɖesiaɖe si le xexeame. Gbegɔmeɖela akpe geɖe ku kutri vevie zã ɣeyiɣi geɖe tsɔ ɖe Mawu ƒe tamesusuwo gɔme ɖe gbegbɔgblɔ bubuwo me.

Gake Biblia menye nuŋlɔɖi aɖe si gɔme wòle be woaɖe ko evɔ o. Zi geɖe la, ekpena ɖe ame ŋu le nuŋlɔɖi bubuwo hã gɔmeɖeɖe me. Gbegɔmeɖela geɖewo tsɔa Biblia me nyagbe siwo dze le gbegbɔgblɔ vovowo me sɔna kple wo nɔewo hafi te ŋu ɖea nya aɖewo gɔme nyuie. Asixɔxɔ si le Biblia ŋu be wòte ŋu kpena ɖe ame ŋu le gbegɔmeɖeɖe me wɔe be wole eŋudɔ wɔm fifia le gbegɔmeɖeɖe siwo kɔmpiuta wɔna le eɖokui si la hã me.

Nu sesẽ aɖe ŋutɔ wònye be woana kɔmpiuta naɖe gbe gɔme le eɖokui si wòasɔ nyuie. Eŋunyala aɖewo gɔ̃ hã se le wo ɖokuiwo me be gbegɔmeɖeɖe nyuitɔ menye kɔmpiuta gbɔ nya kura o. Nukatae wobui alea? Nya lae nye be, gbegbɔgblɔ menye nyawo nu ƒoƒoƒu dzro aɖe ko o. Ðoɖo le gbegbɔgblɔ ɖesiaɖe si na eƒe nyawo nu ƒoƒoƒu, eƒe gbeŋutisewo zazã kple afisi womazã wo le o, eƒe adaganawo kple kpɔɖeŋunyawo. Agbagbadzedze be woana kɔmpiuta nate ŋu awɔ esia mete ŋu kpɔ dzidzedze gobi aɖeke o. Gbegɔmeɖeɖe siwo kɔmpiuta wɔna le eɖokui si ƒe akpa gãtɔ gɔmesese sesẽna.

Gake fifia la, kɔmpiuta ŋuti nunyalawo le gbegɔmeɖeɖe ƒe mɔnu yeyewo dim. Franz Josef Och, si nye kɔmpiuta ƒe gbegɔmeɖeɖe ŋuti nunyala bibi aɖe si xɔ ŋgɔ le nusia wɔwɔ me gblɔ be: “Míawo ya míezãa nyagbewo tsɔtsɔ sɔ kple wo nɔewo ahatia esi sɔ wu ƒe mɔnu aɖe tsɔ dia gɔmeɖeɖe si sɔ wu.” Tsɔe be nèdi be yeaɖe Hindigbe me nya aɖe gɔme ɖe Eŋlisigbe me. Gbã la, di nuŋlɔɖi aɖe si li xoxo le gbe eveawo me. Emegbe de woa kple evea siaa kɔmpiuta me. Kɔmpiuta ŋutɔ atsɔ nuŋlɔɖi eve siawo asɔ kple wo nɔewo. Le kpɔɖeŋu me, ne ekpɔ nya aɖe le Hindigbe me nyagbewo me enuenu le teƒe geɖe eye wòde dzesii be le teƒe sia teƒe si wòdze le la, nya “house” hã dzena le Eŋlisigbe me tɔa hã ƒe nyagbe siwo sɔ ɖe enu me la, ekema kɔmpiuta la aƒo nya ta be Hindigbe me nya la gɔmee nye “house” le Eŋlisigbe me. Eye anɔ eme be nya siwo te ɖe eŋu nye nɔnɔmefianya aɖewo abe “gã,” “sue,” “xoxo,” alo “yeye” ene. Ekema kɔmpiuta la ƒoa nyagbe kple nyafɔkpewo nu ƒu hewɔa woƒe nuŋlɔɖiwo dana ɖi. Nuŋlɔɖi siawo wɔwɔ axɔ ŋkeke alo kwasiɖa ʋɛ aɖewo ko eye ne wo sɔ gbɔ la, kɔmpiuta la ate ŋu azãwo atsɔ aɖe nuŋlɔɖi yeyewo gɔme. Togbɔ be gbegɔmeɖeɖea mazɔ ɖe gbeŋutise kple atsyãwo dzi le ɖoɖo nyuitɔa nu o hã la, zi geɖe woate ŋu axlẽe ase egɔme ya eye wòate ŋu ahe numeɖeɖe veviawo ɖe go.

Gbegɔmeɖeɖe mawo ƒe nyonyome anɔ te ɖe nuŋlɔɖi siwo wode kɔmpiuta la me do ŋgɔ ƒe nyonyome kple woƒe agbɔsɔsɔme koŋ dzi. Afisiae Biblia ɖe vi le ŋutɔ. Wokpɔ egbɔ nyuie be woɖe Biblia gɔme ɖe gbegbɔgblɔ geɖe me eye wòbɔ, nuŋlɔɖi gbogbo aɖewo hã le eme. Esia tae ne numekulaa di be yeafia gbe yeye aɖe kɔmpiuta la, Bibliae nyea agbalẽ gbãtɔ si wòtiana.