Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Togbɔ Be Megbɔdzɔ Hã La, Ŋusẽ Le Ŋunye

Togbɔ Be Megbɔdzɔ Hã La, Ŋusẽ Le Ŋunye

Agbemeŋutinya

Togbɔ Be Megbɔdzɔ Hã La, Ŋusẽ Le Ŋunye

ABE ALESI LEOPOLD ENGLEITNER GBLƆE ENE

SS-srafomegã la ɖe eƒe tu, ɖoe ta dzi nam, hebia be: “Èle klalo be yeakua? Mele tua da ge elabena menye amesi ŋu woakpe ɖoe nènye o.” Medze agbagba be nye gbe nagaƒo o, eye meɖo ŋu be, “Mele klalo.” Melé ɖokuinye, mía ŋku henɔ edzɔm be wòada tua, gake medae o. Esi wònɔ tua ɖiɖim ɖe anyi la, edo ɣli gblɔ bena: “Etsi bome akpa gɔ̃ hã be woawu wò.” Aleke mewɔ hafi va ɖo nɔnɔme tsodzikaƒoname sia me?

WODZIM le July 23, 1905 dzi, le Aigen-Voglhub du si wotso ɖe Austria ƒe Alps-towo dome la me. Menye atidzela aɖe kple agbledela aɖe si nye duametɔ ƒe vinyɔnu ƒe viŋutsuvi tsitsitɔ. Ame dahewoe dzinyelawo nye gake wowɔa dɔ veviedodotɔe. Le nye ɖevime la, míenɔ Bad Ischl, si te ɖe Salzburg ŋu, afisi ta dzeaniwo kple to siwo nyakpɔ ŋutɔ la le.

Esi menye ɖevi la, mebua tame tso fukpekpe siwo le agbe me ŋu zi geɖe, menye le esi míaƒe ƒomea nye hiãtɔwo ta ko o, ke le esi nye dzimeƒu hã xa vie hafi wodzim la tae. Veve si mesena le alesi dzimea xae ta wɔe be nyemete ŋu tsia tre dzɔna kaŋ tututu o. Le suku la, womenaa mekpɔa gome le lãmesẽfefewo me o eye esia na be nye sukuxɔmehatiwo ɖua fewu le ŋunye ale gbegbe.

Esi Xexemeʋa I ke, esi mede ƒe 14 xɔ ge la, meɖoe be madi dɔ awɔ ale be mado le hiãkamea me. Dɔ wuam ɖia tsi ɖe ŋunye atraɖii, eye Spaniatɔwo ƒe dzamezã, si kplɔ ame miliɔn geɖe yi tsĩe la wɔe be asrãdɔ sesẽ léam edziedzi, bene megbɔdzɔ kura. Ne meyi dɔ diƒe le agblewo dzi la, agbletɔ akpa gãtɔ ɖoa nye dɔdinya ŋu nam be: “Dɔ kae li míana wò nuwɔametɔ beli sia?” Gake agbledela dɔmenyola aɖe ya xɔm ɖe eƒe agble dzi.

Mawu ƒe Lɔlɔ̃ Lé Dzi Nam

Togbɔ be mía Dada nye Katolikotɔ dovevienu hã la, ƒã hafi medea sɔleme, elabena fofonye metsi dzi boo ɖe subɔsubɔ nyawo ŋu o. Nye ya la, nɔnɔmewɔwɔ subɔsubɔ si bɔ ɖe Roma Katolikoha me la nye nusi ɖea fu nam.

Le October 1931 ƒe ŋkeke aɖe dzi la, xɔnye aɖe bia be makplɔ ye ayi subɔsubɔ kpekpe aɖe si Biblia Nusrɔ̃viwo, si nye alesi woyɔa Yehowa Ðasefowo ɣemaɣi, wɔna lae. Le kpekpea me la, wotsɔ Biblia ɖo nyabiase vevi aɖewo ŋu nam, siwo dometɔ aɖewoe nye: Ðe nɔnɔmewɔwɔwo subɔsubɔ dzea Mawu ŋua? (Mose II, 20:4, 5) Ðe dzomavɔ lia? (Nyagblɔla 9:5) Ðe woafɔ ame kukuwo ɖe tsitrea?—Yohanes 5:28, 29.

Nusi dze ŋunye wue nye nyateƒe si wònye be Mawu meda asi ɖe aʋawɔwɔ siwo me amewo le ʋu kɔm ɖi ŋutɔ le la dzi o, metsɔ le eme be Eƒe ŋkɔ mee wobe yewole ewɔm le gɔ̃ hã o. Mesrɔ̃e be “Mawu enye lɔlɔ̃” eye be etɔ ŋkɔ nyui aɖe be Yehowa. (Yohanes I, 4:8; Psalmo 83:18) Dzi dzɔm be manyae be to Yehowa ƒe Fiaɖuƒea dzi la, amegbetɔwo ate ŋu ava nɔ agbe tegbee le dzidzɔ me le paradisonyigba aɖe dzi. Meva srɔ̃ nu hã tso mɔkpɔkpɔ wɔnuku si woʋu ɖi na amegbetɔ madeblibo aɖewo siwo Mawu tia be woava ɖu fia kple Yesu le Mawu ƒe Dziƒofiaɖuƒea me ŋu. Menɔ klalo be matsɔ nye nusianu aɖo anyi na Fiaɖuƒe ma. Eyata le May 1932 me la, mexɔ nyɔnyrɔ eye me zu Yehowa Ðasefo. Afɔ ma ɖeɖe bia dzinɔameƒo, le esi subɔsubɔhawo menɔ mɔ ɖem kura le Austria dukɔ si me Katolikohaa xɔ aƒe ɖo koŋ ɣemaɣi o la ta.

Akɔkpekpe Kple Vlodoame Kple Tsitretsiɖeŋu

Dzinyelawo vɔ̃ ŋutɔ be medo le sɔlemeha la me, eye nunɔla la ɖe gbeƒãe enumake le kplɔ̃a ta. Ne aƒelikawo kpɔm la, woɖea ta ƒiaa ɖe anyigba tsɔ ɖea woƒe ŋudzedzemakpɔmakpɔ ɖe ŋunye fiana. Ke hã, meɖoe kplikpaa be maƒo ɖokuinye ɖe ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa me, eye medze mɔɖeɖedɔa wɔwɔ gɔme le January 1934 me.

Dunyahenyawo me va nɔ sesẽm ɖe edzi le ŋusẽ gã si Nazi dunyaheha va nɔ kpɔkpɔm le míaƒe nutoa me ta. Esi menɔ mɔɖeɖedɔa wɔm le Enns ƒe Styrian Valley la, kpovitɔwo nɔ adeklo dzi nam, eye wòhiã be ‘madze aɖaŋu abe da ene.’ (Mateo 10:16) Tso ƒe 1934 yi ƒe 1938 me la, yometiti va zu nye agbenɔnɔ ƒe akpa aɖe. Togbɔ be nyemekpɔ dɔ nɔ wɔwɔm o hã la, wogbe ga si wonaa amesiwo mekpɔ dɔ awɔ o la nanam, eye wodem mɔ̃ ɣeyiɣi kpui geɖewo kple ɣeyiɣi didi ene hã le nye gbeƒãɖeɖedɔa ta.

Hitler ƒe Asrafowo Xɔ Austria

Le March 1938 me la, Hitler ƒe asrafoha va dze Austria dzi. Le ŋkeke ʋe aɖewo ko me la, wolé amesiwo wu 90,000—si anɔ abe ame tsitsiwo ƒe xexlẽme eve le alafa me ene—siwo nu wotso be wotsi tre ɖe Nazi dziɖuɖua ŋu eye wokplɔ wo yi gakpɔwo kple fuwɔamegakpɔwo me. Yehowa Ðasefowo ya dzra ɖo afã kple afã ɖe nusi ava dzɔ la ŋu. Le ƒe 1937 ƒe dzomeŋɔli la, míaƒe hamea me tɔ geɖe do gasɔ kilometa 350 yi dukɔwo dome takpekpe aɖe le Prague. Le takpekpea me la, wose funyafunya manyagblɔ siwo me tom haxɔsetɔ siwo le Germany la nɔ. Eme kɔ ƒã be eɖo mía dzi azɔ.

Tso gbesigbe Hitler ƒe asrafohawo va dze Austria dzi la, eva hiã be Yehowa Ðasefowo nawɔ woƒe kpekpewo kple gbeƒãɖeɖedɔa le adzame. Togbɔ be woɣlaa Biblia-srɔ̃gbalẽwo tsɔ tsoa Switzerland dea gena ɖe dua me hã la, medena amesiame nu o. Esia wɔe be hati Kristotɔ siwo nɔ Vienna la taa agbalẽawo le adzame. Wodɔam metsɔa agbalẽawo yinae na Ðasefowo zi geɖe.

Fuwɔamegakpɔ aɖe me Yiyi

Le April 4, 1939 dzi la, adzamekpovitɔwo lé mía kple Kristotɔ haxɔsetɔ etɔ̃ esime míenɔ Kristo ƒe ku ƒe Ŋkuɖodzia ɖum le Bad Ischl. Wotsɔ mí katã ɖe ʋu me yi kpovitɔwo ƒe Dɔwɔƒegã le Linz. Emae nye zi gbãtɔ si meɖo ʋu kpɔ, gake fukpekpewo wɔe be nyemese vivi aɖeke nɛ o. Wowɔ funyafunya geɖem le nye Linz nɔɣi, gake nyemegbe nu le nye xɔse gbɔ o. Le ɣleti atɔ̃ megbe la, wokplɔm yi ʋɔnui le Dziehe Austria. Mɔmakpɔmakpɔe la, woɖe asi nuvlowɔʋɔnu si drɔ̃m wonɔm la ŋu, ke hã, nye fukpekpewo mese ɖe afima o. Gake woɖo nɔvi etɔ̃ bubuawo ya ɖe fuwɔamegakpɔwo me, afisi wowɔ nuteƒe vaseɖe ku me le.

Wodem gaxɔ me, eye le October 5, 1939 dzi la, wogblɔ nam be woatsɔm ayi Buchenwald fuwɔamegakpɔ me le Germany. Keteke tɔxɛ aɖe nɔ mí gamenɔlawo dzɔm le Linz ketekedzeƒea. Xɔvi siwo me woanɔ evevee lae wowɔ ɖe agbatsɔketekea me. Mía kple Dk. Heinrich Gleissner, amesi nye Dziehe Austria dziɖula tsã, lae nɔ xɔvi ɖeka me.

Mía kple Dk. Gleissner míete dze dodzidzɔname aɖe ɖoɖo gɔme. Nɔnɔme siwo me tom menɔ la te ɖe edzi ŋutɔ, eye wòwɔ nuku nɛ be le yeƒe dziɖuɣi gɔ̃ hã la, wotsɔ senya gbogbo aɖewo ɖe Yehowa Ðasefowo ŋu le yeƒe nutoa me. Egblɔ nuteɖeamedzitɔe be: “Aƒetɔ Engleitner, nyemate ŋu aɖɔ nu tovo siwo wowɔ ɖe mia ŋu va yi la ɖo o, gake medi vevie be maɖe kuku. Edze abe míaƒe dziɖuɖua mewɔ nusiwo le dzɔdzɔe hele eteƒe ɖe mia ŋu o ene. Ne miagadi kpekpeɖeŋu aɖe gbaɖegbe la, madi vevie be mawɔ nusianu si mate ŋui atsɔ akpe ɖe mia ŋu.” Míegado go ake le aʋa la megbe. Ekpe ɖe ŋunye míexɔ dzudzɔxɔxɔledɔmega na amesiwo ŋu Nazi ƒe nuwɔnawo gblẽ nu le la.

“Mele Tu Da Ge Wò”

Le October 9, 1939, dzi la, meva ɖo Buchenwald fuwɔamegakpɔ me. Ema megbe kpuie la, wona gakpɔa dzikpɔla nya be Ðasefo aɖe le ame yeye siwo wokplɔ vɛ la dome, eye wòtɔ ŋkum vevie. Eƒom nublanuimakpɔmakpɔtɔe. Emegbe esi wòde dzesii be yemate ŋu ana magbe nu le nye xɔse gbɔ o la, egblɔ be: “Engleitner, mele tu da ge wò. Gake hafi mada wò la, mana nàŋlɔ kaklãnagbalẽ na dziwòlawo.” Mede ŋugble tso akɔfanamenya siwo mate ŋu aŋlɔ aɖo ɖe dzinyelawo la ŋu, gake ne menya da nuŋlɔtia ɖe pɛpa dzi be maŋlɔ nyawo ko la, etua kɔ abɔkuglui nam, si wɔe be nyemete ŋu ŋlɔ nua wòdzɔ o. Eblu ɖe tanye fewuɖuɖutɔe be: “Asotɔ kae nye esi! Mate ŋu aŋlɔ nu woanɔ fli me teti hã o. Gake ema mexe mɔ nɛ be wòadzudzɔ Biblia xexlẽ o, alo meda alakpaa?”

Emegbe gakpɔa dzikpɔla ɖe eƒe tua ɖe go heɖoe ta dzi nam, eye wogblɔ nam be yele eda ge abe alesi megblɔe ɖe nyati sia ƒe gɔmedzedzee ene. Eye wòkplɔm yi ɖa te ɖe gaxɔ sue aɖe si me amewo sɔ gbɔ ɖo kpaŋkpaŋ la me. Menɔ tsitrenu kakaka ŋu ke. Ne menye tsitree menɔ o hã la, anye ne alɔ̃ hã manya dɔ nam o le esi nye lãme katã nɔ ɖuyem ta. “Akɔfanamenya” si hanyeti gamenɔlawo te ŋu gblɔna nam ye nye be “susu mele eme kura be woaku ɖe subɔsubɔha ɖigbɔ aɖe ta o.” Dk. Gleissner nɔ gaxɔ si tsia ɖe mía tɔ nu la me. Ese nusi dzɔ la eye wògblɔ nya si me susu le be, “Kristotɔwo yometiti gale eƒe mo gbegblẽa dom ɖa ake.”

Le ƒe 1940 ƒe dzomeŋɔli la, woɖe gbe na gamenɔlawo katã le Kwasiɖa aɖe gbe be míaɖafɔ kpewo, togbɔ be míewɔa dɔ le Kwasiɖagbewo o hã. Esia nye gamenɔla aɖewo ƒe ‘nutovowɔwɔwo’ ŋuti tohehe. Woɖe gbe na mí be míaɖafɔ kpe gãwo tso kpegbãƒea ava gakpɔa me. Gamenɔla eve nɔ agbagba dzem be yewoalé kpe gã loto eve nam, eye kpeawo ƒe kpekpe na meku ƒenyi kloe. Gake Arthur Rödl, si nye Lagerführer (gakpɔa dzikpɔla) si wovɔ̃na ŋutɔ la va tsom xɔ le vome. Esi wòkpɔ vevesese si metsɔ le agbagba dzem be makɔ kpeawo la, egblɔ nam be: “Màte ŋu akɔ kpe mawo ɖe me aɖo gakpɔa me o! Dae ɖi kaba!” Gbeɖeɖe siae nye esi dzi wɔwɔ mesesẽ nam kura o. Emegbe Rödl fia asi kpe aɖe si le sue wu la nam, hegblɔ be: “Tsɔ ema va gakpɔa me. Mele kpekpem o!” Emegbe etrɔ ɖe amesi le mía nu la ŋu hegblɔ nɛ bena: “Na Biblia Nusrɔ̃viawo natrɔ ayi gakpɔa me. Wowɔ dɔ geɖe egbea!”

Le dɔwɔŋkeke ɖesiaɖe megbe la, dzi dzɔam ŋutɔ be magawɔ ɖeka kple míaƒe gbɔgbɔmeƒomea. Gbɔgbɔmenuɖuɖu mamã ƒe ɖoɖowɔɖiwo nɔ mía si. Nɔviŋutsu ɖeka aŋlɔ mawunyakpukpui aɖe ɖe pɛpa kakɛ dzi aɖo ɖe nɔvi bubuawo be woakpɔ. Woɣla Biblia aɖe hã tsɔ va gakpɔa me. Wofli ɖe Biblia-gbalẽawo nu. Hiob ƒe agbalẽa nɔ gbɔnye ɣleti etɔ̃ sɔŋ. Meɣlae ɖe nye afɔwui me. Hiob ƒe ŋutinya la kpe ɖe ŋunye menɔ te sesĩe.

Mlɔeba, le March 7, 1941, dzi la, menɔ ame gbogbo siwo woɖe yi Niederhagen fuwɔamegakpɔ me la dome. Nye lãmegbegblẽa nu va nɔ sesẽm ɖe edzi tso ŋkeke yi ŋkeke. Gbeɖeka la, woɖe gbe na mía kple nɔviŋutsu eve be míaɖafɔ dɔwɔnu aɖewo ade woƒe aɖakawo me. Le ema wɔwɔ vɔ megbe la, míekplɔ gamenɔlawo ƒe ƒuƒoƒo aɖe ɖo trɔ gbɔ va gakpɔa me. SS srafo aɖe kpɔe be nye afɔ mele tsɔtsɔm ɖe azɔlia ŋu o. Dzi kui ale gbegbe be wòda afɔkpom vevie tso megbemegbee le nye ŋuɖeɖi me, afɔkpoa de abi ŋunye vevie ŋutɔ. Mese veve vevie, eye togbɔ be menɔ veve sem hã la, meyi dɔme le ŋufɔke.

Asiɖeɖe le Mía Ŋu Kpata

Le April 1943 me la, woɖe amesiame ɖa tso Niederhagen gakpɔa me mlɔeba. Le ema megbe la, woɖem yi fuwɔamegaxɔ si le Ravensbrück, si me woɖonɛ koŋ wua ame geɖe le. Eye le June 1943 me la, wodo asiɖeɖe le ŋunye le fuwɔamegakpɔa me ƒe nya ɖe gbɔnye. Fifia ya la, menye nu si magbe le xɔse ŋu dzie woanɔ te ɖo aɖe asi le ŋunye o. Nusi wobia tso asinye koe nye be malɔ̃ atsɔ nye agbemeŋkeke mamlɛa aɖawɔ dɔ sesẽ le agble dzi. Melɔ̃ be mawɔe nenema bene mate ŋu ado le funyafunyawɔame si yia edzi le gakpɔa me la me. Meyi ɖɔkta si le gakpɔa me la gbɔ be wòadom akpɔ zi mamlɛa. Ewɔ nuku na ɖɔktaa esi wòkpɔm. Edo ɣli be: “Aléle, ègakpɔtɔ nye Yehowa Ðasefo!” Meɖo eŋu nɛ be: “Nenemae, Aƒetɔ Ðɔkta.” Ðɔkta gblɔ be: “Ekema nyemenya nusita wòle be míaɖe asi le ŋuwò o. Ke hã, míakpɔ gbɔdzɔe ŋutɔ ne míeɖe nuwɔwɔ glaŋui abe wò ene la ɖa.”

Menye fefenya gblɔmee wònɔ o. Lãmesẽ menɔ asinye kura o. Yɔ ƒomevi aɖewo ɖu nye ŋutilã ƒe akpa aɖewo, ƒoƒo na nye to ɖeka ku, eye mexɔ abi siwo le tsi tsyɔm ɖe nye ŋuti katã. Le ɣleti 46 ƒe fufiame, dɔwuame atraɖii, kple dɔ sesẽ wɔwɔ megbe la, nye kpekpeme va nɔ kilogram 28 pɛ ko. Aleae menɔ woɖe asi le ŋunye le July 15, 1943, dzi.

Wodem keteke ɖo ɖe míade, womekpe ame aɖeke ɖe ŋunye be woakplɔm ayi o, eye metsɔ ɖokuinye yi ɖafia adzamekpovitɔwo le woƒe dɔwɔƒegã le Linz. Adzamekpovitɔwo ƒe amegã tsɔ nye asiɖeɖe le ŋunye ƒe agbalẽvi la nam hegblɔ tsɔ de se nam bena: “Ne èbui be ɖe míeɖe asi le ŋuwò bene nàte ŋu ayi wò adzamedɔa dzi la, ke eble ɖokuiwò ŋutɔ! Ne èle gbeƒã ɖem míelé la, ke Mawu koe axɔ na wò.”

Meɖo aƒe mlɔeba! Danye meda asi nye xɔme naneke ŋu tso esime wolém zi gbãtɔ le April 4, 1939, dzi o. Nye Biblia gɔ̃ hã gakpɔtɔ nɔ ʋuʋu ɖi le nye aba ŋu kplɔ̃ la dzi! Medze klo do akpedagbe ɖa tso dzime.

Eteƒe medidi o wode dɔ asi nam be maɖawɔ dɔ le todzigble aɖe dzi. Agbletɔa, si nye xɔ̃nye le ɖevime la, nɔ fe vivivi xem nam, togbɔ be mele nɛ be woaxe fe nam kokoko hafi o hã. Hafi aʋa nadzɔ la, xɔ̃nye sia na meɣla Biblia-srɔ̃gbalẽ aɖewo ɖe eƒe agblea me. Edzɔ dzi nam be mete ŋu zã agbalẽdzraɖoƒe sue ma tsɔ do ŋusẽ ɖokuinye le gbɔgbɔmee. Wokpɔa nye nuhiahiãwo katã gbɔ nam, eye meɖoe kplikpaa be mado dzi anɔ agblea dzi vaseɖe esime aʋa nake.

Bebe Ðe Towo Dzi

Gake ɣeyiɣi kpuie aɖe koe tomefafa nɔ anyi. Le August 1943 ƒe domedome la, wobia tso asinye be mayi aɖakpɔ asrafowo ƒe ɖɔkta aɖe ne wòadom akpɔ. Gbã la, egblɔ be nyemate ŋu awɔ asrafodɔ o le nye dzime masẽmasẽa ta. Gake le kwasiɖa ɖeka megbe la, ɖɔkta ma ke gbugbɔ ŋlɔ bena: “Ate ŋu awɔ asrafodɔ le aʋaa ƒe sesẽaƒe.” Asrafoawo dim dokpoe hena ɣeyiɣi aɖe, gake le April 17, 1945, dzi, esi wòsusɔ vie aʋaa nake la, wova ke ɖe ŋunye mlɔeba. Wokplɔm yi ɖe aʋaa ƒe sesẽaƒe de ge.

Metsɔ nuɖuɖu kple awu ʋɛ aɖewo kpakple Biblia hesi dzo yi ɖabe ɖe to siwo te ɖe afima ŋu dzi. Gbã la, mete ŋu mlɔa gota, gake yame ƒe nɔnɔmewo va fa ɖe edzi, eye sno dza li kɔ wòde meta afã. Meƒo tsi belébelé. Medze agbagba yi ɖaɖo totame xɔ sue aɖe, si le teƒe si kɔkɔ ade meta 1,200 kloe wu atsiaƒu ƒe sɔsɔme la, gbɔ. Togbɔ be menɔ ƒoƒom kpakpakpa hã la, medze agbagba do dzo ɖe xɔa me, eye meƒu dzoa hetsɔ nye awuawo hã haha dzoa woƒu. Ðeɖi te ŋunye eye medɔ alɔ̃ ɖe zikpui legbee aɖe dzi le dzoa ŋgɔ. Eteƒe medidi hafi vevesese helĩhelĩ aɖe na meɖi vo nyɔ o. Awu si nɔ ŋunye la lé dzo! Memli le anyigba tsɔ tsi dzoae. Nye dzime katã ɖo loholoho.

Metsɔ ŋɔdzi gã aɖe wɔ dzadzadza trɔ yi agble si le toa dzi la dzi hafi dzite tso, gake agbletɔa srɔ̃ vɔ̃ ale gbegbe be wònyam hegblɔ nam be kpovitɔwo le nye dim vevie. Eyata meyi dzinyelawo gbɔ. Gbã la, dzinyelawo gɔ̃ hã medi kura be yewoaxɔm ɖe aƒea me o, gake wova lɔ̃ mlɔeba be maɖamlɔ xɔ si me míetsoa gbe kɔna ɖo na lãwo la me, eye Dada bla abiawo nam. Gake le ŋkeke eve megbe la, dzinyelawo va tsi dzimaɖi ale gbegbe be meɖoe be anyo wu be maɖabe ɖe toawo dzi ake.

Le May 5, 1945, dzi la, toɣli sesẽ aɖe nyɔm. Mekpɔ dukɔ siwo wɔ ɖeka kple mía tɔ la ƒe yameʋuwo le yame. Enumake menyae be womu Hitler ƒe dziɖuɖua! Yehowa ƒe gbɔgbɔa do ŋusẽm be mete ŋu do dzi to nɔnɔme sesẽ siwo mele gbɔgblɔ me o la me. Mekpɔ Psalm 55:23 me nya siwo fa akɔ nam ŋutɔ le nye tetekpɔawo ƒe gɔmedzedze ƒe nyateƒenyenye dze sii. Metsɔ nye “nyawo dro ɖe Yehowa dzi,” eye togbɔ be lãmesẽ menɔ ŋunye o hã la, elém ɖe te esime menɔ “bali doblukɔ tsiɖitsiɖi” me zɔm.—Psalmo 23:4.

Yehowa ƒe Ŋusẽ “Zu Blibo le Gbɔdzɔgbɔdzɔ Me”

Le aʋa la megbe la, nuwo wɔ ɖɔɖɔɖɔ gava ɖɔ ɖo. Gbã la, menye apaɖila le xɔ̃nye agbletɔ la ƒe todzigble la dzi. Esime United States ƒe asrafowo va xɔ míaƒe dukɔa le April 1946 me ko hafie woɖe asi le ŋunye le agbledɔ sesẽ si wobe matsɔ nye agbemeŋkeke mamleawo awɔe la wɔwɔ me.

Esi aʋaa ke la, nɔvi Kristotɔ siwo nɔ Bad Ischl kple nuto siwo ƒo xlãe me la te kpekpeawo wɔwɔ edziedzi. Wotsɔ ŋusẽ yeye dze gbeƒãɖeɖe gɔme. Woxɔm ɖe adzɔnuwɔƒe aɖe be manye zãdzɔla eye esia wɔe be mete ŋu yi mɔɖeɖedɔa wɔwɔ dzi. Mlɔeba la, meva nɔ St. Wolfgang nutoa me, eye le ƒe 1949 me la, meɖe Theresia Kurz, si ŋu vinyɔnuvi ɖeka nɔ. Míenɔ srɔ̃gbe ƒe 32 sɔŋ vaseɖe esime srɔ̃nye si gbɔ nyemelɔ̃a nu le o va ku le ƒe 1981 me. Mekpɔ edzi le dɔléle sia me ƒe adre kple edzivɔ.

Le Theresia ƒe ku megbe la, megate mɔɖeɖedɔa wɔwɔ, si kpe ɖe ŋunye mete ŋu ɖu nuxaxa gã si srɔ̃nye ƒe kua do nam la dzi. Fifia la, menye mɔɖela kple hamemegã le míaƒe hamea me le Bad Ischl. Esi wònye be metsi bunɔkeke me ta la, menaa Biblia-srɔ̃gbalẽwo heƒoa nu tso Fiaɖuƒemɔkpɔkpɔa ŋu na amewo le Bad Ischl ƒe tsaɖibɔa me alo le nye ŋutɔ nye aƒe ŋgɔ. Biblia me numedzodzro si mewɔna kple amewo la nye nusi doa dzidzɔ nam.

Ne mebu ɣeyiɣi siwo va yi ŋu la, magblɔ be nu dziŋɔ siwo ƒe dzi wohiã be mado la mena medo dɔmedzoe o. Ele eme baa be tetekpɔawo na melé blanui ɣeaɖewoɣi ya. Gake ƒomedodo nyui si le mía kple Yehowa Mawu dome kpe ɖe ŋunye be mete ŋu ɖu nɔnɔme madeamedzi mawo dzi. Aƒetɔ ƒe aɖaŋu siwo wòɖo na Paulo be, yeƒe “ŋusẽ [zua] blibo le gbɔdzɔgbɔdzɔ me” va eme na nye hã. Fifia, si wòsusɔ vie ne maxɔ ƒe 100 la, mate ŋu awɔ ɖeka kple apostolo Paulo agblɔ be: “Mekpɔa ŋudzedze nyui le gbɔdzɔgbɔdzɔwo me, le ŋutasesẽwo me, le hiãkamewo me, le yometitiwo me, le xaxawo me le Kristo ŋuti; elabena ne megbɔdzɔ la, ekema mesẽa ŋu.”—Korintotɔwo II, 12:9, 10.

[Nɔnɔmetata siwo le axa 25]

Adzamekpovitɔwo lém le April 1939 me

Adzamekpovitɔwo ƒe agbalẽ si me wotso nunye le, le May 1939 me

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Tata eveawo tsoƒe: Privatarchiv; B. Rammerstorfer

[Nɔnɔmetata siwo le axa 26]

To siwo gbɔ medidi o lae zu bebeƒe nam

[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 23]

Foto Hofer, Bad Ischl, Austria