Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Tsitretsitsi La—Nufiafia Si Ka Wòe Wònye

Tsitretsitsi La—Nufiafia Si Ka Wòe Wònye

Tsitretsitsi La—Nufiafia Si Ka Wòe Wònye

‘Mɔkpɔkpɔ le asinye na Mawu bena, tsitretsitsi li na ame dzɔdzɔewo kple ame madzɔmadzɔwo siaa.’​—DƆWƆWƆWO 24:15.

1. Aleke tsitretsitsia wɔ va zu nya le Sanhedrin la ŋkumee?

YERUSALEM ye apostolo Paulo nɔ hafi wu eƒe dutanyanyuigbɔgblɔ mɔzɔzɔ etɔ̃lia nu le ƒe 56 M.Ŋ. me. Esi Romatɔwo lée megbe la, wohee ɖe Yudatɔwo ƒe ʋɔnudrɔ̃ƒe kɔkɔtɔ, si nye Sanhedrin la, ŋkume. (Dɔwɔwɔwo 22:29, 30) Esi Paulo lé ŋku ɖe ʋɔnudrɔ̃laawo ŋu la, ede dzesii be wo dometɔ aɖewo nye Zadukitɔwo eye ɖewo hã nye Farisitɔwo. Ameha eve siawo to vovo le mɔ ɖedzesi aɖe nu. Zadukitɔwo mexɔ tsitretsitsia dzi se o; Farisitɔwo ya xɔ edzi se. Be Paulo nana woanya akpa si dzi yele le nya ma gome ta la, egblɔ be: “Ŋutsuwo, nɔviwo! Nye la farisitɔ kple farisitɔ ƒe vi menye, mɔkpɔkpɔ kple ame kukuwo ƒe tsitretsitsi ta wole ʋɔnu drɔ̃mem ɖo.” Eto nyagbɔgblɔ sia dzi de zi ameha la dome!—Dɔwɔwɔwo 23:6-9.

2. Nukata Paulo nɔ klalo be yeaʋli alesi yexɔ tsitretsitsia dzi see la ta?

2 Esi Paulo nɔ mɔ dzi yina Damasko ƒe aɖewo do ŋgɔ la, ekpɔ ŋutega aɖe si me wòse Yesu ƒe gbe le. Paulo bia Yesu gɔ̃ hã be: “Nuka mawɔ, Aƒetɔ?” Yesu ɖo eŋu be: “Tsi tre, ne nayi Damasko; eye afima woagblɔ nusiwo katã woɖo ɖi na wò be nawɔ la, na wò.” Esi Paulo ɖo Damasko la, eke ɖe Kristotɔ nusrɔ̃la kpekpeɖeŋunala aɖe si woyɔ be Anania ŋu, amesi gblɔ be: “Mía fofowo ƒe Mawu la ɖo wò be, nanya eƒe lɔlɔ̃nu, nakpɔ dzɔdzɔetɔ [Yesu si wofɔ ɖe tsitre] la, eye nase eƒe numegbe.” (Dɔwɔwɔwo 22:6-16) Eyata mewɔ nuku o be Paulo nɔ klalo be yeaʋli alesi wòtsɔ xɔ tsitretsitsia dzi see la ta.—Petro I, 3:15.

Gbeƒãɖeɖe Tsitretsitsia le Dutoƒo

3, 4. Aleke Paulo ɖee fiae be yenye tsitretsitsia taʋlila sẽŋu, eye nukae míate ŋu asrɔ̃ tso eƒe kpɔɖeŋua me?

3 Emegbe wokplɔ Paulo yi Mɔmefia Felike gbɔ. Gbemagbe la, “nyanuɖela” Tertulo, amesi ɖe Yudatɔwo ƒe nya si wotsɔ ɖe Paulo ŋu nu la, tso Paulo nu be vivimeha ɖe ƒe ŋgɔnɔlae wònye eye wòɖi aglãdzedze ƒe fɔ. Le nya sia ŋuɖoɖo me la, Paulo gblɔ tẽ be: “Mele esia me ʋum na wò bena, mele mía fofowo ƒe Mawu la subɔm le mɔ, si woyɔna be kɔmamã la nu.” Emegbe etrɔ ɖe nya la ŋutɔ ŋu heyi edzi be: “Mɔkpɔkpɔ, si le asinye na Mawu la, le [amesiawo ŋutɔ] hã si bena, tsitretsitsi li na ame dzɔdzɔewo kple ame madzɔmadzɔwo siaa.”—Dɔwɔwɔwo 23:23, 24; 24:1-8, 14, 15.

4 Anɔ abe ƒe eve megbe la, Porkio Festo, si va xɔ ɖe Felike teƒe, kpe Fia Herodes Agripa be wòava kpe ɖe ye ŋu yewoabia gbe gamenɔla Paulo. Festo gblɔ be amenutsolawo meda asi ɖe nya si gblɔm Paulo le be ‘Yesu aɖe, si ku la le agbe’ dzi o. Esi Paulo nɔ nya sia nu ɖem la, ebia be: “Ne Mawu fɔ ame kukuwo ɖe tsitre la, aleke wɔ miebu bena, enye nusi womate ŋu axɔ se oa?” Eye wògblɔ kpee be: “Esi mekpɔ xɔxɔ tso Mawu gbɔ vaseɖe egbe ŋkeke sia dzi la, mele tsitre hele ɖase ɖim na suewo kple gãwo, eye nyemele nu bubu aɖeke gblɔm o, negbe nusiwo nyagblɔɖilawo kple Mose wogblɔ ɖi bena, ava ve me la koe, bena Kristo lakpe fu, eye bena wòanye gbãtɔ le ame kukuwo ƒe tsitretsitsi la me, eye wòaɖe gbe ƒã kekeli afia dukɔ la kple trɔ̃subɔlawo siaa.” (Dɔwɔwɔwo 24:27; 25:13-22; 26:8, 22, 23) Tsitretsitsia taʋlila sẽŋu kae nye si Paulo nye! Abe Paulo ene la, míawo hã míate ŋu atsɔ kakaɖedzi aɖe gbeƒãe be woafɔ ame kukuwo ɖe tsitre. Gake aleke míakpɔ mɔe be amewo awɔ nu ɖe eŋui? Ðewohĩ anɔ abe alesi wowɔe ɖe Paulo ŋu ene.

5, 6. (a) Aleke amewo wɔ nui ɖe tsitretsitsi si apostoloa nɔ gbeƒã ɖemee ŋu? (b) Ne míele tsitretsitsi mɔkpɔkpɔ si le mía si gblɔm la, nukae le vevie?

5 Bu nusi dzɔ do ŋgɔ le Paulo ƒe dutanyanyuigbɔgblɔ mɔzɔzɔ evelia (le ƒe 49-52 M.Ŋ. lɔƒo) me esime wòyi Atene ŋu kpɔ. Edzro nu me kple amesiwo xɔ mawu geɖewo dzi se, eye wòxlɔ̃ nu wo be woanyae be Mawu ɖo tame be yeato ŋutsu aɖe si Yetia dzi adrɔ̃ ʋɔnu anyigbadzinɔlawo le dzɔdzɔenyenye me. Amesia menye ame bubu aɖeke wu Yesu o. Paulo ɖe eme be Mawu fɔ Yesu ɖe tsitre tsɔ ɖo kpe esia dzi. Aleke ameawo wɔ nui? Míexlẽ be: “Ke esi wose ame kukuwo ƒe tsitretsitsi ŋutinya la, ame aɖewo ɖe alɔme ɖe eŋuti, eye ɖewo gblɔ bena: Míagase ŋutinya sia ɣebubuɣi.”—Dɔwɔwɔwo 17:29-32.

6 Nuwɔna sia sɔ kple esi dzɔ ɖe Petro kple Yohanes dzi le ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Pentekoste megbe teti. Zadukitɔwo ƒe nya me gasẽ le glãkahehea me. Dɔwɔwɔwo 4:1-4 gblɔ nusi dzɔ be: “Ke esi wole nu ƒom na dukɔa la, nunɔlawo kple mawuxɔdzikpɔla kpakple zadukitɔwo do ɖe wo dzi, le esi wòve wo bena, wole nu fiam dukɔ la, eye wole tsitretsitsi tso ame kukuwo dome gblɔm fia le Yesu ŋuti la ta.” Gake edze ame aɖewo ya ŋu. “Amesiwo se nyaa la, dome geɖea xɔe se; eye ŋutsuawo ƒe xexlẽme anɔ akpe atɔ̃.” Edze ƒã be míate ŋu akpɔ mɔ be amewo aɖe nɔnɔme vovovowo afia ne míeƒo nu tso tsitretsitsi mɔkpɔkpɔa ŋu. Le esia ta la, ele vevie ŋutɔ be míado ŋusẽ míaƒe xɔse le nufiafia sia me.

Xɔse Kple Tsitretsitsi La

7, 8. (a) Abe alesi wòdze le lɛta gbãtɔ si woɖo ɖe Korinto-hamea me ene la, aleke xɔse ate ŋu anye nu dzodzroe? (b) Aleke tsitretsitsi mɔkpɔkpɔa ƒe gɔmesese nyuitɔ na Kristotɔ vavãwo to vovoe?

7 Menye amesiwo katã va zu Kristotɔwo le ƒe alafa gbãtɔ M.Ŋ. mee wònɔ bɔbɔe na be woaxɔ tsitretsitsi mɔkpɔkpɔa dzi ase o. Amesiwo wòsesẽna la dometɔ aɖewo nɔ hame si nɔ Korinto la me. Paulo ŋlɔ ɖo ɖe wo bena: “Nusi nye hã mexɔ la, metsɔ de asi na mi gbãgbiagbã bena, Kristo ku le mía nuvɔ̃ ŋuti le ŋɔŋlɔ la nu, eye bena woɖii, eye bena wogafɔe ɖe tsitre tso ame kukuwo dome le ŋkeke etɔ̃agbe le ŋɔŋlɔ la nu.” Emegbe Paulo ɖo kpe nyateƒenya sia dzi to gbɔgblɔ be Kristo si wofɔ ɖe tsitre la ‘ɖe eɖokui fia nɔvi siwo wu ame alafa atɔ̃,’ amesiwo dometɔ geɖeawo gakpɔtɔ nɔ agbe. (Korintotɔwo I, 15:3-8) Eyi edzi ɖe eme be: “Ne woɖe gbeƒã Kristo bena, etsi tre tso ame kukuwo dome la, aleke wɔ mia dome ame aɖewo gblɔ bena, ame kukuwo ƒe tsitretsitsi aɖeke meli o mahã? Ke ne ame kukuwo ƒe tsitretsitsi aɖeke meli o la, ekema Kristo hã metsi tre o. Ke ne Kristo metsi tre o la, ekema míaƒe gbeƒãɖeɖe enye dzodzro, eye miaƒe xɔse hã enye dzodzro.”—Korintotɔwo I, 15:12-14.

8 Nyateƒee, tsitretsitsia ŋuti nufiafia le vevie ale gbegbe be ne womexɔ tsitretsitsia dzi se be enye nu ŋutɔŋutɔ o la, ekema nu dzodzroe Kristotɔwo ƒe dzixɔsea nye. Le nyateƒe me la, tsitretsitsia ŋuti gɔmesese nyuitɔ na vovototo va le Kristotɔ vavãwo kple aʋatsotɔwo dome. (Mose I, 3:4; Xezekiel 18:4) Eyata Paulo tsɔ tsitretsitsi nufiafia la kpe ɖe Kristotɔwo ƒe ‘gɔmedzenufiafiawo’ ŋu. Neva eme be míaƒe taɖodzinu nanye be ‘míade ŋgɔgbe aɖo tsitsi gbɔ.’ Paulo de dzi ƒo be: “Eye míawɔ esia, ne Mawu ɖe mɔ.”—Hebritɔwo 6:1-3.

Tsitretsitsi Mɔkpɔkpɔ La

9, 10. Ne Biblia ƒo nu tso tsitretsitsia ŋu la, nukae wòwɔnɛ?

9 Be alesi míexɔ tsitretsitsia dzi see me nagasẽ ɖe edzi la, mína míadzro biabia siawo me akpɔ: Nukae Biblia wɔnɛ esime woyɔ tsitretsitsia? Aleke tsitretsitsi nufiafia la do Yehowa ƒe lɔlɔ̃ ɖe dzii? Biabia siawo ŋuɖoɖo ana míate ɖe Mawu ŋu wu eye, le ɣeyiɣi ma ke me la, woakpe ɖe mía ŋu míafiae ame bubuwo.—Timoteo II, 2:2; Yakobo 4:8.

10 Helagbe me nya si fia be “woagatsi tre” ŋutɔŋutɔ la gɔmee woɖe be “tsitretsitsi.” Nukae nyagbɔgblɔ ma fia? Le Biblia ƒe nya nu la, tsitretsitsi mɔkpɔkpɔa nye kakaɖedzi si anɔ ame si be ame kuku agate ŋu ava nɔ agbe ake. Biblia yi edzi fia be ne anyigba dzi nɔnɔ ƒe mɔkpɔkpɔe le amea si la, woagbɔ agbee ɖe amegbetɔ ŋutilã me alo ne dziƒoyiyi ƒe mɔkpɔkpɔe le esi la, ɖe gbɔgbɔ ŋutilã me. Yehowa ƒe lɔlɔ̃, nunya, kple ŋusẽ si dze le tsitretsitsi mɔkpɔkpɔ wɔnuku sia me la wɔa nuku na mí ŋutɔ!

11. Tsitretsitsi mɔkpɔkpɔ kae woɖo Mawu subɔla amesiaminawo ŋkume?

11 Yesu kple nɔvia amesiaminawo ƒe tsitretsitsia bia be woana gbɔgbɔmeŋutilã si sɔ hena dɔwɔwɔ le dziƒo la wo. (Korintotɔwo I, 15:35-38, 42-53) Wo katã woanye Mesia Fiaɖuƒe, si ana anyigba nazu Paradiso la, ƒe dziɖulawo. Amesiaminawo nye fia nunɔlawo le Yesu si nye Nunɔlagã la te. Woawɔ Kristo ƒe tafevɔsa ŋudɔ be wòaɖe vi na ameƒomea le dzɔdzɔenyenye xexe yeyea me. (Hebritɔwo 7:25, 26; 9:24; Petro I, 2:9; Nyaɖeɖefia 22:1, 2) Hafi ɣemaɣi naɖo la, amesiaminawo dometɔ siwo kpɔtɔ ɖe anyigba dzi la dina vevie be yewoayi edzi be yewoƒe nu nanɔ Mawu ŋu dzem. Ne woku la, woaxɔ woƒe ‘nunana’ to tsitretsitsi yi gbɔgbɔmegbenɔnɔ me le dziƒo me. (Korintotɔwo II, 5:1-3, 6-8, 10; Korintotɔwo I, 15:51, 52; Nyaɖeɖefia 14:13) Paulo ŋlɔ bena: “Ne míezu ɖeka kplii hena sɔsɔ kplii le eƒe ku me la, ekema míasɔ kplii le eƒe tsitretsitsi hã me.” (Romatɔwo 6:5) Ke amesiwo woafɔ ɖe tsitre woanye amegbetɔwo ava anyigba dzi ya ɖe? Aleke tsitretsitsi mɔkpɔkpɔa ate ŋu ate wo ɖe Mawu ŋu wui? Míate ŋu asrɔ̃ nu geɖe tso Abraham ƒe kpɔɖeŋua me.

Tsitretsitsia Kpakple Ƒomedodo me Nɔnɔ Kple Yehowa

12, 13. Gɔmeɖokpe sẽŋu kae nɔ Abraham si ɖe tsitretsitsia ŋu?

12 Abraham, amesi woyɔ be “Mawu xɔlɔ,” nye amesi ƒe xɔse ɖedzesi etɔxɛe. (Yakobo 2:23) Paulo ƒo nu tso Abraham ƒe xɔse ŋu zi etɔ̃ esime wònɔ ŋutsu kple nyɔnu nuteƒewɔla siwo woyɔ ɖe Hebritɔwo ta 11 lia la ŋu nya gblɔm. (Hebritɔwo 11:8, 9, 17) Le zi etɔ̃lia me la, eƒo nu tso xɔse si Abraham ɖe fia esime wòdzra ɖo be yeatsɔ via Isak asa vɔe toɖoɖotɔe la ŋu. Abraham ka ɖe edzi be Yehowa da megbe na dzidzimevi aɖe si ƒe ŋugbe wodo be ava to Isak dzi la. Nenye be Isak aku vɔsaku gɔ̃ hã la, Abraham ‘bui be Mawu ate ŋu afɔe ɖe tsitre hã tso ame kukuwo dome.’

13 Abe alesi nuwo va yii ene la, esime Yehowa kpɔ alesi gbegbe Abraham ƒe xɔse sẽe la, ewɔ ɖoɖo be wòatsɔ lã aɖe asa vɔe ɖe eteƒe. Ke hã, nusi me Isak to la nye tsitretsitsia ƒe kpɔɖeŋu, abe alesi Paulo ɖe emee ene be: ‘Eyaŋuti Abraham gaxɔ Isak le kpɔɖeŋumɔnu hã.’ (Hebritɔwo 11:19) Esi wu emae nye be, gɔmeɖokpe sẽŋu aɖe nɔ Abraham si xoxo, si tae wòxɔ tsitretsitsia dzi se ɖo. Ðe Yehowa megagbɔ agbe Abraham ƒe vidziŋusẽ esime woa kple srɔ̃a, Sara, nɔ anyi le woƒe tsitsi me hedzi woƒe vi, Isak, oa?—Mose I, 18:10-14; 21:1-3; Romatɔwo 4:19-21.

14. (a) Le Hebritɔwo 11:9, 10 ƒe nya nu la, nukae Abraham nɔ mɔ kpɔm na? (b) Ne Fiaɖuƒea aɖe vi na Abraham la, nukae woava wɔ nɛ? (d) Aleke míawɔ axɔ Fiaɖuƒea ƒe yayrawo?

14 Paulo ɖɔ Abraham be enye amedzro kple agbadɔmenɔla si nɔ “[mɔ kpɔm] na du, si gɔmeɖoɖoanyi li na, esi ƒe aɖaŋuwɔla kple tula enye Mawu.” (Hebritɔwo 11:9, 10) Ema menye du ŋutɔŋutɔ abe Yerusalem, afisi Mawu ƒe gbedoxɔa nɔ, ene o. Ao, kpɔɖeŋu due esia ya nye. Enye Mawu ƒe Dziƒofiaɖuƒea si me Kristo Yesu kple ehati dziɖula 144,000 le la. Woyɔ ame 144,000 le woƒe dziƒo ŋutikɔkɔe me be “du kɔkɔe, si nye Yerusalem yeye la,” Kristo ƒe “ŋugbetɔ” la. (Nyaɖeɖefia 21:2) Le ƒe 1914 me la, Yehowa ɖo Yesu zi dzi wònye Dziƒofiaɖuƒea ƒe Mesia Fia eye wòna ŋusẽe be wòaɖu dzi le eƒe futɔwo titina. (Psalmo 110:1, 2; Nyaɖeɖefia 11:15) Be Fiaɖuƒedziɖuɖua naɖe vi na “Mawu xɔlɔ̃,” Abraham, la, ele be wòagagbɔ agbe ake. Nenema kee ne Fiaɖuƒea aɖe vi na mí la, ele be míanɔ agbe le ameha gã si atsi agbe le Harmagedon me loo alo amesiwo woafɔ ɖe tsitre tso ame kukuwo dome la dome le Mawu ƒe xexeme yeyea me. (Nyaɖeɖefia 7:9, 14) Gake nuka dzie wotu tsitretsitsi mɔkpɔkpɔa ɖo?

Mawu ƒe Lɔlɔ̃—Nusi Dzi Tsitretsitsia Nɔ Te Ðo

15, 16. (a) Aleke Biblia me nyagblɔɖi gbãtɔ nye gɔmeɖokpe na míaƒe tsitretsitsi mɔkpɔkpɔ lae? (b) Aleke tsitretsitsia dzixɔxɔse ate ŋu ate mí ɖe Yehowa ŋu kplikplikplii?

15 Míaƒe ƒomedodo kplikplikpli me nɔnɔ kple míaƒe Dziƒofofo lɔlɔ̃tɔ la, míaƒe xɔse sẽŋu si le abe Abraham tɔ ene, kple míaƒe toɖoɖo Mawu ƒe sededewo wɔnɛ be woyɔa mí be ame dzɔdzɔewo eye Yehowa bua mí be míenye ye xɔlɔ̃wo. Esia naa mɔnukpɔkpɔ mí be Fiaɖuƒedziɖuɖua naɖe vi na mí. Le nyateƒe me la, nyagblɔɖi gbãtɔ si woŋlɔ ɖe Mawu ƒe Nya me, le Mose I, 3:15, dzie tsitretsitsi mɔkpɔkpɔa kple xɔlɔ̃dzedze Mawu nɔ te ɖo. Menye ta gbagbã na Satana ŋutinya koe wògblɔ ɖi o, ke boŋ, to vovo na ema la, egblɔ afɔkpodzi ɖuɖu na Mawu ƒe nyɔnu la ƒe dzidzime hã ɖi. Yesu ƒe kuku le ati ŋu nye afɔkpodzi ɖuɖua ƒe kpɔɖeŋu. Eƒe tsitretsitsi le ŋkeke etɔ̃a gbe na be abi ma ku eye wòʋu mɔ be wòatso ɖe “amesi si ku ƒe ŋusẽ le, si nye Abosam la” ŋu.—Hebritɔwo 2:14.

16 Paulo ɖo ŋku edzi na mí be “Mawu ɖe ye ŋutɔ ƒe lɔlɔ̃, si wòtsɔ lɔ̃ mí la fia bena, esime míeganye nuvɔ̃wɔlawo la, Kristo ku ɖe mía ta.” (Romatɔwo 5:8) Ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe amenuveve sia ŋu tea mí ɖe Yesu kple míaƒe Dziƒofofo lɔlɔ̃tɔ la ŋu kplikplikpli.—Korintotɔwo II, 5:14, 15.

17. (a) Mɔkpɔkpɔ ka ƒe nyae Hiob ɖe gblɔ? (b) Nukae Hiob 14:15 ɖe fia le Yehowa ŋu, eye aleke esia nana míesena le mía ɖokui me?

17 Nuteƒewɔla Hiob si nɔ anyi do ŋgɔ na Kristotɔwo ƒe ɣeyiɣia hã kpɔ mɔ na tsitretsitsia. Ekpe fu ŋutɔ le Satana si me. To vovo na exɔlɔ̃ alakpatɔawo, siwo meƒo nu aɖeke tso tsitretsitsia ŋu o la, Hiob ya tsɔ mɔkpɔkpɔ sia fa akɔ na eɖokui hebia be: “Ne ŋutsu ku la, ɖe wògagbɔa agbea?” Hiob ŋutɔ ɖo eŋu gblɔ be: “Le nye aʋamenɔɣiwo katã la manɔ asiɖeɖe le ŋunye lalam.” Esi wònɔ nu ƒom tso eƒe Mawu, Yehowa, ŋu la, egblɔ be: “Àyɔm, eye matɔ na wò.” Hiob gblɔ le alesi wòse le eɖokui me ku ɖe mía Wɔla lɔlɔ̃tɔa ŋu be: “Wò asinudɔwɔwɔ ƒe nu le dzrowòm.” (Hiob 14:14, 15) Ẽ, Yehowa kpɔa mɔ na ɣeyiɣi si me nuteƒewɔlawo katã agbɔ agbe le tsitretsitsia me la vevie. Ne míede ŋugble le lɔlɔ̃ kple amenuveve si wòɖe fia mí ŋu togbɔ be míede blibo o hã la, aleke esia tea mí ɖe eŋu wui enye si!—Romatɔwo 5:21; Yakobo 4:8.

18, 19. (a) Mɔkpɔkpɔ kae nɔ Daniel si ɖe agbenɔnɔ ake ŋu? (b) Nuka mee míadzro le nyati si kplɔe ɖo me?

18 Nyagblɔɖila Daniel, si mawudɔla yɔ be “ame malɔ̃nugbɔa,” nɔ agbe didi nuteƒewɔwɔtɔe. (Daniel 10:11, 19) Ewɔ nuteƒe na Yehowa tso esime wòyi aboyo me le ƒe 617 D.M.Ŋ. me vaseɖe esime wòku le ƒe 536 D.M.Ŋ., le ŋutega aɖe kpɔkpɔ megbe, le Persia-fia Kores ƒe ƒe etɔ̃lia me. (Daniel 1:1; 10:1) Le Kores ƒe ƒe etɔ̃lia ma ƒe domedome afi aɖe la, Daniel kpɔ xexemeŋusẽ siwo aɖu dzi ɖe wo nɔewo yome wòava wu enu ɖe xaxa gã si gbɔna me la ƒe ŋutega aɖe le Mediatɔ Dario ƒe dziɖuƒe gbãtɔ me. (Daniel 11:1–12:13) Esi Daniel mete ŋu se ŋutegaa gɔme tututu o ta la, ebia mawudɔla si ɖee fiae la be: “Nye aƒetɔ, nusiawo ƒe nuwuwu ɖe?” Le eŋuɖoɖo me la, mawudɔla la he eƒe susu yi “nuwuɣi,” si me “nunyalawo ase egɔme” la dzi. Le Daniel ŋutɔ gome la, nukawoe wònɔ mɔ kpɔm na? Mawudɔla la gblɔ nɛ be: “Wò la heyi, vaseɖe esime nuwuwu naɖo, gbɔ ɖe eme, eye nafɔ le ŋkekeawo ƒe nuwuwu naxɔ wò gome.” (Daniel 12:8-10, 13) Daniel atrɔ agbɔ le “ame dzɔdzɔewo ƒe tsitretsitsia me,” le Kristo ƒe Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua me.—Luka 14:14.

19 Míele nuwuɣia ƒe yɔyrɔea nu eye míete ɖe Kristo ƒe Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua ƒe gɔmedzedze ŋu wu esime míeva zu xɔsetɔwo. Eyata ele be míabia mía ɖokui be, ‘Ðe manɔ xexe yeyea me ade ha kple Abraham, Hiob, Daniel, kple ŋutsu kple nyɔnu nuteƒewɔla bubuwoa?’ Míanɔ afima ne míenɔ Yehowa ŋu kplikplikpli hewɔ ɖe eƒe sededewo dzi. Le míaƒe nyati si kplɔe ɖo me la, míadzro tsitretsitsi mɔkpɔkpɔa me ayi ŋgɔe bene míakpɔ amesiwo woafɔ ɖe tsitre la.

Èɖo Ŋku Wo Dzia?

• Aleke wowɔ nui ɖe Paulo ŋu esime wòɖe mɔkpɔkpɔ si le esi ɖe tsitretsitsia ŋu gblɔ?

• Nukatae tsitretsitsi mɔkpɔkpɔa na Kristotɔ vavãwo to vovo tso aʋatsotɔwo gbɔ?

• Aleke míewɔ nya be Abraham, Hiob, kple Daniel xɔ tsitretsitsia dzi se?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 8]

Paulo ƒo nu tso tsitretsitsi mɔkpɔkpɔa ŋu kakaɖedzitɔe le Mɔmefia Felike ŋkume

[Nɔnɔmetata si le axa 10]

Nukatae Abraham xɔ tsitretsitsia dzi se ɖo?

[Nɔnɔmetata si le axa 12]

Tsitretsitsi mɔkpɔkpɔa fa akɔ na Hiob

[Nɔnɔmetata si le axa 12]

Daniel atrɔ agbɔ le ame dzɔdzɔewo ƒe tsitretsitsia me