Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Tsitretsitsi Mɔkpɔkpɔa—Ŋusẽ Kae Wòle Be Wòakpɔ Ðe Dziwò?

Tsitretsitsi Mɔkpɔkpɔa—Ŋusẽ Kae Wòle Be Wòakpɔ Ðe Dziwò?

Tsitretsitsi Mɔkpɔkpɔa​—Ŋusẽ Kae Wòle Be Wòakpɔ Ðe Dziwò?

“Èʋu wò asi me, eye nètsɔ nu gbagbewo katã ƒe nudidi ɖi ƒo na woe.”​—Psalmo 145:16.

1-3. Etsɔme mɔkpɔkpɔ kae nɔ ame aɖewo si? Gblɔ eƒe kpɔɖeŋu.

CHRISTOPHER, si xɔ ƒe asieke kple foa kpe ɖe wo nyrui kple srɔ̃a kpakple wo viŋutsu eve ŋu wowɔ woƒe Kristotɔwo ƒe subɔsubɔdɔa tso aƒeme yi aƒeme le ŋdime le afisi te ɖe Manchester, England, ŋu. Nyɔ!, si míetana kpena ɖe magazine sia ŋu gblɔ nusi dzɔ. “Le ɣetrɔ me la, wodze mɔ yina modzakaɖetsaɖiƒe aɖe le Blackpool, si nye mɔkekeɖuƒe aɖe si medidi tso wogbɔ ƒuta o. Wo ame 6 la katã nɔ ame 12 siwo ku enumake le ʋufɔku aɖe, si kpovitɔwo yɔ be ‘tsɔtsrɔ̃ manyatalenu,’ me la dome.”

2 Le zã si do ŋgɔ na afɔkua ƒe dzɔdzɔ me la, ƒomea yi Hame ƒe Agbalẽ me Nusrɔ̃ƒe, afisi wòsrɔ̃ nu tso ku ŋu le. Christopher fofo gblɔ be: “Christopher nye ɖevi aɖe si bua nu ŋu ŋutɔ. Le zã ma me la, eƒo nu tso xexeme yeye aɖe kple mɔkpɔkpɔ si le esi na etsɔme ŋu nyuie eme kɔ. Emegbe esi míaƒe numedzodzroa nɔ edzi yim la, Christopher gblɔ enumake be: ‘Nu ɖeka si le Yehowa Ðasefo nyenye ŋu enye be togbɔ be ku vena hã la, míenyae be míagakpɔ mía nɔewo ake gbeɖeka le anyigba dzi.’ Mí amesiwo nɔ eteƒe hafi wògblɔ nyaa la dometɔ aɖeke menya be nya mawo ava tsi susu me na mí nenema gbegbe o.” *

3 Ƒe aɖewo do ŋgɔ, le ƒe 1940 me la, wotso afia be woatso ta le Ðasefo Australiatɔ aɖe si ŋkɔe nye Franz nu, le esi wògbe be yemaɖe asi le yeƒe nuteƒewɔwɔ na Yehowa ŋu o ta. Franz nɔ gaxɔ me le Berlin ŋlɔ agbalẽ ɖo ɖe dada bena: “Le nusi menya nu la, ne ɖee meka [asrafowo] ƒe atam la, anye ne mewɔ nuvɔ̃ si dze ku. Ema made dzinye kura o. Tsitretsitsi aɖeke manɔe nam o. . . . Ke azɔ, danye lɔlɔ̃a kple nɔvinyeŋutsu kple nɔvinyenyɔnuwo katã, egbea wogblɔ afia si wotso nam la nam, eye megadzi ŋɔ na mi o, ku ƒe afiae, eye woawum etsɔ ŋdi. Mawu le ŋusẽ domem, abe alesi tututu wòdo ŋusẽ Kristotɔ vavãtɔ siwo katã nɔ agbe gbaɖegbe ʋĩ ke va yi la ene. . . . Ne mienɔ tsitre sesĩe yiɖase ku me la, míagado go ake le tsitretsitsia me. . . . Míagado do ake.” *

4. Aleke nudzɔdzɔ siwo wogblɔ le afisia la ʋã wòe, eye nuka mee míadzro azɔ?

4 Tsitretsitsi mɔkpɔkpɔa kpɔ ŋusẽ gã aɖe ɖe Christopher kple Franz siaa dzi. Enye nu ŋutɔŋutɔ na wo. Ðikeke mele eme o be nudzɔdzɔ siawo ʋã dzi na mí! Be míaƒe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe Yehowa ŋu nagade to ɖe edzi eye míaƒe tsitretsitsi mɔkpɔkpɔa me nagasẽ ɖe edzi la, mína míadzro nusitae woafɔ amewo ɖe tsitre ɖo kple alesi wòle be esia naʋã mía dometɔ ɖesiaɖee la me.

Anyigba Dzi Tsitretsitsi ƒe Ŋutega Aɖe

5, 6. Nukae ŋutega si apostolo Yohanes ŋlɔ ɖe Nyaɖeɖefia 20:12, 13 ɖe fia?

5 Le nusiwo adzɔ le Kristo Yesu ƒe Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua me ƒe ŋutega aɖe me la, apostolo Yohanes kpɔ wonɔ amewo fɔm ɖe tsitre le anyigba dzi. Egblɔ be: ‘Mekpɔ ame kukuwo, ame tsitsiwo kple ɖeviwo. Eye atsiaƒu ɖe ame kuku, siwo le eme la, hena, eye ku kple tsiẽƒe [alo Hades] woɖe ame kuku, siwo le wo si la, hena.’ (Nyaɖeɖefia 20:12, 13) Ðoƒe ka kee ɖanɔ wo si—woɖanye “amegãwo” loo alo “subɔviwo”—o, amesiwo katã le Hades (Sheol), si nye yɔdo si ko me woɖia ame ɖo, la ado go. Amesiwo ku ɖe atsiaƒu me la hã agbɔ agbe ɣemaɣi. Nudzɔdzɔ wɔnuku sia nye Yehowa ƒe tameɖoɖo ƒe akpa aɖe.

6 Kristo ƒe Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua adze egɔme kple Satana babla ade aʋlime. Satana mable amesiwo woafɔ ɖe tsitre la loo alo amesiwo to xaxa gã me do la dometɔ aɖeke le dziɖuɣi ma o, elabena woaxɔ ŋusẽ le esi. (Nyaɖeɖefia 20:1-3) Ƒe akpe ɖeka adze na wò abe ɣeyiɣi didi aɖe ene, gake le nyateƒe me la, Yehowa ya bunɛ abe “ŋkeke ɖeka ko ene.”—Petro II, 3:8.

7. Nuka dzie woanɔ te ɖo adrɔ̃ ʋɔnu le Kristo ƒe Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua me?

7 Le ŋutegaa nu la, Kristo ƒe Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua anye ʋɔnudrɔ̃ɣi. Apostolo Yohanes ŋlɔ bena: “Mekpɔ ame kukuwo, ame tsitsiwo kple ɖeviwo, le tsitre ɖe fiazikpui la ŋgɔ, eye woʋu agbalẽwo; eye woʋu agbalẽ bubu aɖe, si nye agbegbalẽ; eye wodrɔ̃ ʋɔnu ame kukuawo ɖe nusiwo woŋlɔ ɖe agbalẽawo me le woƒe dɔwɔwɔwo ŋuti la nu. . . . Eye wodrɔ̃ ʋɔnu amesiame ɖe eƒe dɔwɔwɔwo nu.” (Nyaɖeɖefia 20:12, 13) De dzesii be menye nusi amea wɔ alo amea mewɔ o hafi ku lae woakpɔ le ʋɔnu sia dɔdrɔ̃ me o. (Romatɔwo 6:7) Ke boŋ woanɔ te ɖe ‘agbalẽ siwo’ woaʋu la dzi. Nusiwo amea awɔ le agbalẽawo me nyawo sɔsrɔ̃ vɔ megbe dzie woanɔ te ɖo anya ne woaŋlɔ eŋkɔ ɖe “agbegbalẽa” me loo alo womaŋlɔe ɖi o.

“Agbe ƒe Tsitretsitsi” alo “Ʋɔnudɔdrɔ̃ ƒe Tsitretsitsi”

8. Gome eve kae ate ŋu anɔe na amesiwo woafɔ ɖe tsitre?

8 Woɖɔ Yesu le Yohanes ƒe ŋutegaa me do ŋgɔ be “ku kple tsiẽƒe [alo Hades] safuiwo” le esi. (Nyaɖeɖefia 1:18) Eyae nye Yehowa ƒe ‘Agbefia,’ si wòna ŋusẽe be wòadrɔ̃ ʋɔnu “ame gbagbewo kple ame kukuwo.” (Dɔwɔwɔwo 3:15; Timoteo II, 4:1) Aleke wòawɔ esiae? To agbe gbɔgbɔ amesiwo dɔ alɔ̃ ɖe ku me la dzi. Yesu gblɔ na ameha si wònɔ gbeƒã ɖem na la be: ‘Esia megawɔ mo yaa na mi o; elabena gaƒoƒo gbɔna, le esi me amesiwo katã le yɔdowo me la, woase eƒe gbe; eye woado go.’ Emegbe egblɔ kpee be: “Amesiwo wɔ nu nyuiwo la, woado go hena agbe ƒe tsitretsitsi, ke amesiwo wɔ nu vlowo la, hena ʋɔnudɔdrɔ̃ ƒe tsitretsitsi.” (Yohanes 5:28-30) Eyata etsɔme kae li na blema ŋutsu kple nyɔnu nuteƒewɔlawo?

9. (a) Ne wofɔ amewo ɖe tsitre la, nukae ame geɖe asrɔ̃ godoo? (b) Nufiafiadɔ gã kae woawɔ?

9 Ne wofɔ nuteƒewɔla siawo ɖe tsitre la, woakpɔe enumake be ŋugbedodo siwo dzi yewo ka ɖo la zu nu ŋutɔŋutɔ azɔ. Aleke woadi vevie be yewoanya amesi Mawu ƒe nyɔnua ƒe Dzidzime, si ƒe nya wogblɔ le Biblia me nyagblɔɖi gbãtɔ me le Mose I, 3:15, la nye enye si! Aleke dzi adzɔ wo enye si be woase be Yesu, Mesia, sia si ƒe ŋugbe wodo la wɔ nuteƒe yiɖase ku me, ale be wòtsɔ eƒe agbe sa tafevɔsae! (Mateo 20:28) Dzi anɔ amesiwo anɔ miɖo aƒe na wo va agbe me ake la dzɔm ŋutɔ le kpekpe ɖe wo ŋu be woase egɔme be tafe si Yehowa na la nye amenuveve kple nublanuikpɔkpɔ si wòɖe fia. Ne amesiwo wofɔ ɖe tsitre la kpɔ be nusi Mawu ƒe Fiaɖuƒea le wɔwɔm be Yehowa ƒe tameɖoɖo na anyigba nava eme la, ɖikeke mele eme o be kafukafunyawo ayɔ woƒe dziwo me fu na Yehowa. Mɔnukpɔkpɔ gbogbo aɖewo asu wo si be woaɖe woƒe nuteƒewɔwɔ na woƒe Dziƒofofo lɔ̃ame la kple Via afia. Amesiame si anɔ anyi ɣemaɣi la akpɔ dzidzɔ le gomekpɔkpɔ le nufiafiadɔ gã si hiã be woawɔ atsɔ afia nu ame biliɔn siwo le fɔfɔm tso yɔdo me, amesiwo hã wòle na be woaxɔ tafe si Mawu na la dzi ase, la wɔwɔ me.

10, 11. (a) Mɔnukpɔkpɔ kawoe Ƒe Akpe Ðeka la ana amesiwo katã ava anɔ anyigba la dzi? (b) Aleke wòle be esia naʋã míi?

10 Agbe vavã si Abraham si wofɔ ɖe tsitre la ava nɔ ŋutɔŋutɔ le “du” si wòkpɔ mɔ na me afa akɔ nɛ ŋutɔ. (Hebritɔwo 11:10) Aleke Hiob si nɔ anyi le blema ƒe dzi adze emee nye si ne ese be alesi yenɔ agbee la do ŋusẽ Yehowa subɔla bubu siwo ƒe nuteƒewɔwɔ wodo kpɔ la! Eye aleke gbegbe Daniel adi be yeanya nyagblɔɖi siwo gbɔgbɔ ʋã ye yeŋlɔ ɖi la ƒe mevava ŋu nyawo enye si!

11 Le nyateƒe me la, nu geɖe anɔ anyi amesiwo katã akpɔ agbe le dzɔdzɔenyenye xexe yeyea me, eɖanye ɖe wotsi agbe to tsitretsitsia dzi loo alo to agbetsitsi le xaxa gã me dzi o, la nasrɔ̃ tso Yehowa ƒe tameɖoɖo na anyigba kple edzinɔlawo ŋu. Agbe mavɔ nɔnɔ kple Yehowa kafukafu yi ɖe mavɔmavɔ me ƒe mɔkpɔkpɔa ana Ƒe Akpe Ðeka ƒe nufiafiadɔa wɔwɔ avivi ŋutɔ. Ke hã, alesi mía dometɔ ɖesiaɖe awɔ nui ne míele agbalẽawo me nyawo srɔ̃m lae anɔ vevie wu. Ðe míatsɔ nusiwo míasrɔ̃ la awɔ dɔea? Ðe míade ŋugble le wo ŋu ahana eme nya vevi siwo ado ŋusẽ mí be míatsi tre ɖe agbagba mamlɛ si Abosam adze be yeaɖe mí ɖa le nyateƒea ŋuti ŋu la naɖo dzi gbɔ na mía?

12. Nukae akpe ɖe amesiame ŋu be wòakpɔ gome bliboe le nufiafiadɔa wɔwɔ kple anyigbaa tɔtrɔ wòazu paradiso siaa me?

12 Nusi mele be míaŋlɔ be o enye yayra wɔnuku siwo Kristo ƒe tafevɔsaa me viɖewo ahe vɛ la. Lãmegbegblẽ alo wɔametɔnyenye siwo li egbea la manɔ amesiwo woagbɔ agbee le tsitretsitsia me ŋu o. (Yesaya 33:24) Ŋutilã si deblibo kple lãmesẽ deblibo ana xexeme yeyea me nɔlawo katã nakpɔ gome bliboe le nufiafiadɔ si me woafia agbe mɔa dzi nɔnɔ ame biliɔn geɖe siwo woafɔ ɖe tsitre la me. Woakpɔ gome hã le dɔ gãtɔ kekeake si woate kpɔ be woawɔ le amegbetɔ ƒe ŋutinya me—si nye ɣletinyigba bliboa tɔtrɔ wòazu paradiso hena Yehowa ƒe kafukafu—la wɔwɔ me.

13, 14. Susu ka tae woaɖe asi le Satana ŋu le dodokpɔ mamlɛa me ɖo, eye nukae ate ŋu ado tso esia me na mía dometɔ ɖesiaɖe?

13 Ne woɖe Satana tso aʋlime hena dodokpɔ mamlɛa la, agadze agbagba be yeakplɔ amewo atrae ake. Nyaɖeɖefia 20:7-9 gblɔ be woadrɔ̃ tsɔtsrɔ̃ ʋɔnu “dukɔ,” alo amewo ƒe ƒuƒoƒo, siwo katã Satana ‘able’ woage ɖe eƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi vɔ̃ɖi te la: ‘Dzo ahlẽ tso dziƒo ava fiã wo.’ Le wo dometɔ siwo wofɔ ɖe tsitre le Ƒe Akpe Ðekaa me gome la, tsɔtsrɔ̃ sia ana woƒe tsitretsitsia nanye ʋɔnudɔdrɔ̃ ƒe tsitretsitsi. To vovo na woawo la, tsitretsila wɔnuteƒewo axɔ agbe mavɔ ƒe nunana la. Le nyateƒe me la, woƒe tsitretsitsia anye “agbe ƒe tsitretsitsi.”—Yohanes 5:29.

14 Aleke tsitretsitsi mɔkpɔkpɔa ate ŋu afa akɔ na mí fifia kura gɔ̃ hãe? Vevietɔ la, nukae wòle be míawɔ bene wòaɖe vi na mí godoo le etsɔme?

Nusiwo Wòle be Míasrɔ̃ Fifia

15. Aleke tsitretsitsia dzixɔxɔse ate ŋu akpe ɖe ame ŋu fifiae?

15 Ðewohĩ wò ame vevi aɖe anya ku nyitsɔ laa eye ànya le te nɔm ɖe tɔtrɔ gã si ame vevi sia ƒe ku he va wò agbe mee la nu. Tsitretsitsi mɔkpɔkpɔa kpena ɖe ŋuwò be ememe akɔdzeanyi kple ŋusẽ aɖe sua asiwò si mesua amesiwo menya nyateƒea o si o. Paulo fa akɔ na Tesalonikatɔwo be: “Míele didim bena, mianɔ numanyamanya me le amesiwo dɔ alɔ̃ la ŋuti o, bene miagaxa nu, abe ame bubu, siwo mɔkpɔkpɔ meli na o ene o.” (Tesalonikatɔwo I, 4:13) Ðe nèkpɔa ɖokuiwo le susume ɖaa be yele xexeme yeyea me hele tsitretsitsia teƒe kpɔma? Ŋugbledede le mɔkpɔkpɔ si li be àgakpɔ wò ame veviwo ake ŋu nefa akɔ na wò fifia.

16. Aleke nàse le ɖokuiwò me ne wofɔ amewo ɖe tsitre?

16 Ðewohĩ Adam ƒe aglãdzedzea metsonuwo, si ate ŋu anye lãmegbegblẽ la, anɔ fu wɔm wò ŋutilã. Mègana nuxaxa si esia dona na wò nana nàŋlɔ mɔkpɔkpɔ dodzidzɔname si nye be woafɔ wò ŋutɔ ɖe tsitre eye nàgbɔ agbe ake le lãmesẽ kple ŋusẽ yeye me le xexeme yeyea me la be o. Ekema ne wò ŋkuwo ʋu eye nèkpɔ dzidzɔme siwo tsi dzi vevie be yewoakpɔ dzidzɔ kpli wò be wofɔ wò ɖe tsitre la, màgbe akpedada na Mawu ɖe eƒe amenuveve ta o.

17, 18. Nusɔsrɔ̃ eve kawoe wòle be wòade dzigbɔ na mí?

17 Hafi ɣemaɣi naɖo la, kpɔ nusɔsrɔ̃ eve siwo wòle be wòaɖo dzigbɔ na mí la ɖa. Ðekae nye alesi luʋɔ blibo tsɔtsɔ asubɔ Yehowa fifia le vevie. Le míaƒe Aƒetɔ, Kristo Yesu, sɔsrɔ̃ me la, ɖokuitsɔtsɔsavɔ ƒe agbe si míanɔ la ɖea lɔlɔ̃ na Yehowa kple na mía haviwo fiana. Ne tsitretsiɖeŋu alo yometiti wɔe be míaƒe nunɔamesiwo alo míaƒe ablɔɖe ge le mía si la, míeɖonɛ kplikpaa be míalé xɔse la me ɖe asi sesĩe aleke kee woɖa te mí kpɔe o. Ne yometilawo atsɔ ku ado ŋɔdzii na mí hã la, ekema tsitretsitsi mɔkpɔkpɔa afa akɔ na mí ahado ŋusẽ mí be míayi edzi awɔ nuteƒe na Yehowa kple na eƒe Fiaɖuƒea. Ẽ, dzo si anɔ mía me ɖe Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖe kple nusrɔ̃lawɔwɔ dɔa ŋu ana míaƒe asi asu yayra mavɔ si le Yehowa si na ame dzɔdzɔewo la dzi.

18 Nusɔsrɔ̃ evelia ku ɖe alesi míenɔa te ɖe tetekpɔ siwo míaƒe ŋutilã madebliboa hena vɛ nu ŋu. Tsitretsitsi mɔkpɔkpɔa ŋuti sidzedze si su mía si kple míaƒe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe Yehowa ƒe amenuveve ŋu nana míaƒe tameɖoɖo kplikpaa be míanɔ te sesĩe le xɔsea me la me gasẽna ɖe edzi. Apostolo Yohanes xlɔ̃ nu be: “Migalɔ̃ xexeame kple nusiwo le eme o. Ne ame aɖe lɔ̃ xexeame la, Fofoa ƒe lɔlɔ̃ mele eme o. Elabena nusianu, si le xexeame: ŋutilã ƒe nudzodzro kple ŋkuwo ƒe ŋubiabiã kple agbe ƒe adegbe ƒuƒlu ƒoƒo la, metso Fofo la gbɔ o, ke boŋ xexeame wotso. Eye xexeame va yina kple eƒe nudzodzrowo; ke amesi wɔa Mawu ƒe lɔlɔ̃nu la, nɔa anyi yi ɖe mavɔmavɔ me.” (Yohanes I, 2:15-17) Ne wotsɔ agbegbegblẽnɔnɔ te mí kpɔe la, míatsi tre ɖe eŋu sesĩe. Míenyae be ne adzɔ be míaku do ŋgɔ na Harmagedon la, agbe si medzea Yehowa ŋu o si míayi edzi anɔ nɔnɔm do ŋgɔ na míaƒe ku ate ŋu ade mía kple amesiwo tsitretsitsi mɔkpɔkpɔ aɖeke meli na o la agba ɖeka me.

19. Mɔnukpɔkpɔ si ɖeke mesɔ kpli o kae mele be míaŋlɔ be o?

19 Ƒo wo katã ta la, mígaŋlɔ mɔnukpɔkpɔ si ɖeke mesɔ kpli o, si su mía si be míado dzidzɔ na Yehowa ƒe dzi tso fifia yi ɖe mavɔmavɔ me, la be gbeɖe o. (Lododowo 27:11) Míaƒe nuteƒewɔwɔ yiɖase ku me alo fɔmaɖimaɖi si me míayi edzi anɔ vaseɖe nuɖoanyi vɔ̃ɖi sia ƒe nuwuwu nana Yehowa kpɔa amesi ƒe akpa dzi míele le xexeame katã ƒe dziɖulanyenye ƒe nya la me. Ekema dzidzɔ kae nye si wòanye be míanɔ agbe le anyigba dzi paradisoa me eɖanye to agbetsitsi le xaxa gã la me loo alo to mía fɔfɔ ɖe tsitre nukutɔe me o!

Míaƒe Didiwo Gbɔkpɔkpɔ

20, 21. Nukae akpe ɖe mía ŋu be míayi edzi awɔ nuteƒe ne míekpɔ ŋuɖoɖo na tsitretsitsia ŋu nyabiase aɖewo o hã? Ðe eme.

20 Míaƒe numedzodzro ku ɖe tsitretsitsia ŋu meɖo nyabiase aɖewo ŋu o. Aleke Yehowa akpɔ amesiwo ɖe srɔ̃ hafi ku la ƒe nyawo gbɔe? (Luka 20:34, 35) Ðe woafɔ ameawo ɖe tsitre le nuto si me woku lea? Ðe woafɔ ameawo ɖe tsitre le afisi te ɖe woƒe ƒometɔwo ŋua? Ðoɖo si nu tsitretsitsia anɔ la ŋuti nyabiase gbogbo bubuwo gakpɔtɔ li. Ke hã, ele be míana Yeremya ƒe nyawo nanɔ susu me na mí be: “Yehowa ƒe dɔme nyo ɖe amesi le dzi ɖom ɖe eŋu, kple luʋɔ, si le edim la ŋu. Enyo be, woanɔ anyi kpoo anɔ Yehowa ƒe xɔname sinu kpɔm.” (Konyifahawo 3:25, 26) Le Yehowa ƒe ɣeyiɣiɖoɖi dzi la, woaɖo esia katã ŋu eme nakɔ na mí nyuie. Nukatae míate ŋu aka ɖe esia dzi ɖo?

21 De ŋugble le hakpala la ƒe nya siwo tso gbɔgbɔ me ŋu kpɔ esime wòdzi ha le Yehowa ŋu be: “Èʋu wò asi me, eye nètsɔ nu gbagbewo katã ƒe nudidi ɖi ƒo na woe.” (Psalmo 145:16) Esi míele tsitsim la, míaƒe didiwo trɔna. Nusiwo míekpɔ mɔ na esi míenye ɖeviwo la meganye míaƒe didiwo egbea o. Nusiwo me míetona kpakple míaƒe mɔkpɔkpɔwo kpɔa ŋusẽ ɖe alesi míebua agbee dzi. Ke hã, nuka kee míaƒe didi ŋutɔŋutɔ la nye le xexeme yeyea me o, Yehowa atsɔ wo aɖi ƒoe na mí godoo.

22. Nukatae susu nyuiwo le mía si be míakafu Yehowa ɖo?

22 Nusi ka mía dometɔ ɖesiaɖe fifiae nye be míawɔ nuteƒe. “Wodina tsoa xɔnuviwo gbɔ, bene woakpɔ wo nuteƒewɔlawoe.” (Korintotɔwo I, 4:2) Míenye xɔnuviwo na Mawu Fiaɖuƒea ƒe ŋutikɔkɔe nyanyuia. Vevienyenye si míatsɔ aɖe gbeƒã nyanyui siae na amesiwo katã míedoa goe la akpe ɖe mía ŋu be míadze akpɔ agbe. Mègaŋlɔ nyateƒe si wònye be “azãgbe kple nuɖiɖeame” li na mí katã la be gbeɖe o. (Nyagblɔla 9:11) Be nàte ŋu aɖu dzimaɖitsitsi si kakaɖedzi si megava le agbenɔnɔ ŋu o hena vɛ madzemadzee dzi la, lé tsitretsitsi mɔkpɔkpɔ dodzidzɔnamea si le asiwò la me ɖe asi sesĩe. Nyae be ne edze abe àku hafi Kristo ƒe Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua nadze egɔme ene la, àte ŋu atsɔ kakaɖedzi si li be gbɔdzɔe ava godoo la afa akɔ na ɖokuiwòe. Le Yehowa ƒe ɣeyiɣiɖoɖi dzi la, àte ŋu agblɔ Hiob ƒe nya siwo wògblɔ na Wɔla la be: “Àyɔm, eye matɔ na wò.” Yehowa, amesi di vevie be yeagbɔ agbe amesiwo katã le eƒe susu me la, tɔ anye kafukafua ɖaa!—Hiob 14:15.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 2 Kpɔ Awake! July 8, 1988, axa 10, Yehowa Ðasefowoe tae.

^ mm. 3 Jehovah’s Witnesses—Proclaimers of God’s Kingdom, axa 662, Yehowa Ðasefowoe tae.

Èɖo Ŋku Wo Dzia?

• Nuka dzie woanɔ te ɖo adrɔ̃ ʋɔnu amewo le Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua me?

• Nukatae ame aɖewo akpɔ “agbe ƒe tsitretsitsi” eye bubuwo nakpɔ “ʋɔnudɔdrɔ̃ ƒe tsitretsitsi” ɖo?

• Aleke tsitretsitsi mɔkpɔkpɔa ate ŋu afa akɔ na mí fifiae?

• Aleke Psalmo 145:16 me nyawo kpe ɖe mía ŋu be míanɔ te ɖe tsitretsitsia ŋuti nyabiase siwo míekpɔ ŋuɖoɖo na o la nui?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata siwo le axa 21]

Aleke tsitretsitsia dzixɔxɔse ate ŋu akpe ɖe mía ŋu fifiae?