Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

‘Do Dzi Le Vɔ̃ Me’

‘Do Dzi Le Vɔ̃ Me’

‘Do Dzi Le Vɔ̃ Me’

“Ele na Aƒetɔ la ƒe subɔla be, wòagawɔ dzre o, ke boŋ wòanye amesi nyoa dɔme na amewo katã, . . . amesi doa dzi le vɔ̃ me.”​—TIMOTEO II, 2:24.

1. Ne míele Kristotɔwo ƒe dɔa wɔm la, nukatae míedoa go amesiwo ƒoa nu kple adã ɣeaɖewoɣi?

ALEKE nèwɔa nui ne amesiwo melɔ̃a wò nya alo bua dɔ si wɔm nèle o he nya ɖe ŋuwò? Esi apostolo Paulo nɔ ŋkeke mamlɛawo ɖɔm la, egblɔe ɖi be amewo anye “busunyagblɔlawo, . . . ameŋuzɔlawo, amesiwo mete ŋu ɖua wo ɖokui dzi o, ame wɔadãwo.” (Timoteo II, 3:1-5, 12) Àdo go ame mawo tɔgbe le wò subɔsubɔdɔa me alo le dɔ bubuwo wɔwɔ me.

2. Ŋɔŋlɔ kawoe ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be míawɔ nu le nunya me ɖe amesiwo ƒoa nu adãtɔe ŋu?

2 Menye amesiame si daa gbe ɖe ame gbɔe metsɔa ɖeke le nusi nyo me o. Nɔnɔme sesẽwo me toto alo dziɖeleameƒo ate ŋu ana amewo nada gbe ɖe amesiame ko gbɔ. (Nyagblɔla 7:7, NW) Ame geɖe wɔa nu alea le esi amesiwo dome wole alo wɔa dɔ le ƒoa nu adãtɔe ta. Esia nyanya mefia be Kristotɔwo da asi ɖe nuƒoƒo mawo tɔgbe dzi ya o, gake ekpe ɖe mía ŋu míese nusitae amewo ƒoa nu nenema gɔme. Aleke wòle be míawɔ nui ne woda gbe ɖe mía gbɔ? Lododowo 19:11 gblɔ be: “Amesi gbɔa dzi blewu la, nunyalae,” si fia be ame ƒe nugɔmesese nana medoa dziku kaba o. Eye Romatɔwo 12:17, 18 hã xlɔ̃ nu be: “Migaɖo vɔ̃ vɔ̃ teƒe na ame aɖeke o, . . . ne ate ŋu anye, nusi ke atso mia gome la, minɔ anyi kple amewo katã le ŋutifafa me!”

3. Aleke ŋutifafamenyenye do ƒome kple gbedasi si míeɖea gbeƒãe?

3 Ne míenye ŋutifafamewo nyateƒe la, adze le nɔnɔme si míeɖena fiana me. Adze le míaƒe nuƒoƒo kple nuwɔna me, eye ɖewohĩ míaƒe mo ƒe dzedzeme kple míaƒe gbe hã aɖee afia. (Lododowo 17:27) Esi Yesu nɔ eƒe apostoloawo dɔm ɖa be woayi aɖaɖe gbeƒã la, exlɔ̃ nu wo be: “Ne mieyi aƒea me la, mido gbe na wo [“midi ŋutifafa na wo,” The New English Bible]. Ne aƒea dze la, miaƒe ŋutifafa lava edzi; ne medze o la, miaƒe ŋutifafa agagbugbɔ ava mia dzi.” (Mateo 10:12, 13) Míaƒe gbedasia nye nyanyui. Biblia yɔe be “ŋutifafa nyanyui la,” “Mawu ƒe amenuveve nyanyui la,” kple “fiaɖuƒeŋutinya nyui sia.” (Efesotɔwo 6:15; Dɔwɔwɔwo 20:24; Mateo 24:14) Menye míaƒe taɖodzinue nye be míaɖe ɖeklemi ame bubu ƒe dzixɔse alo ahe nya ɖe eƒe nukpɔsusuwo ŋu o, ke boŋ be míagblɔ nyanyui nɛ tso Mawu ƒe Nya me.

4. Nya kae nàte ŋu agblɔ ne wodo ŋgɔ gblɔ na wò be “Nyemedii mase o” hafi nàhayi susu si tae nèva la gblɔ ge?

4 Esi aƒemenɔla mekpɔ se nya aɖeke o la, ate ŋu agblɔ enumake be, “Nyemedii mase o.” Zi geɖe la, àte ŋu agblɔ be, “Ðe medi be maxlẽ nya kpui sia ko na wò le Biblia me.” Ðewohĩ magbe esese o. Alo àte ŋu agblɔ be: “Medi be magblɔ ɣeyiɣi si me numadzɔmadzɔwɔwɔ aɖeke maganɔ anyi o eye amewo katã asrɔ̃ alesi wòalɔ̃ wo nɔewo la ŋu nya na wò.” Ne meɖe ɖetsɔleme fia o la, àte ŋu agblɔ kpee be: “Gake mekpɔ be nɔnɔmea mede dziwò tututu o.” Ne aƒemenɔlaa mexɔ mí le ŋutifafa me o la, ɖe wòle be míaƒo nya ta be enye amesi ‘medze oa’? Eɖanye aleke kee wòwɔ nui o, ɖo ŋku Biblia ƒe nuxlɔ̃ame si nye be woanye ‘amesi nyoa dɔme na amewo katã, hedoa dzi le vɔ̃ me,’ la dzi.—Timoteo II, 2:24.

Enye Vlodoamela Gake Ewɔe le Manyamanya Me

5, 6. Aleke Saul wɔ nu ɖe Yesu yomedzelawo ŋui, eye nukatae wòwɔ nu nenema ɖo?

5 Le ƒe alafa gbãtɔ me la, ŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Saul xɔ ŋkɔ le bubumadeameŋunyawo gbɔgblɔ me, kple le ŋutasẽnuwɔwɔ gɔ̃ hã me. Biblia gblɔ be ‘elé ŋɔdzidodo kple hlɔ̃dodo ƒe gbɔgbɔtsixe ɖe ƒo ɖe Aƒetɔ la ƒe nusrɔ̃lawo ŋuti.’ (Dɔwɔwɔwo 9:1, 2) Eva lɔ̃ ɖe edzi emegbe be yenye “busunyagblɔla kple yometila kpakple vlodola” tsã. (Timoteo I, 1:13) Togbɔ be anɔ eme be eƒe ƒometɔ aɖewo zu Kristotɔwo xoxo hã la, egblɔ le nɔnɔme si nɔ eya ŋutɔ si ɖe Kristo yomedzelawo ŋuti ŋu be: “Esi meku tsu gɔ̃ hã ɖe wo ŋuti la, metia wo yome yia du bubuwo ke hã me.” (Dɔwɔwɔwo 23:16; 26:11; Romatɔwo 16:7, 11) Kpeɖodzi aɖeke meli be nusrɔ̃laawo dze agbagba be yewoahe glãka kple Saul esime wònɔ nu wɔm ɖe wo ŋu nenema o.

6 Nukatae Saul wɔ nu nenema? Le ƒe aɖewo megbe la, eŋlɔ bena: “Mewɔe le numanyamanya me, le dzimaxɔse me.” (Timoteo I, 1:13) Enye Farisitɔ, xɔ hehe ‘le wo fofowo ƒe se la nu pɛpɛpɛ.’ (Dɔwɔwɔwo 22:3) Togbɔ be edze ƒã be Saul ƒe nufiala Gamaliel nye amesi ƒe nya me mesẽ kpaɖii o hã la, nunɔlagã Kayafa, si ŋu wova nya Saul tɔ ɖo, ya nye zãzɛnyahela. Kayafa nye amesi xɔ ŋgɔ le nugbeɖoɖo si dzi woto wu Yesu Kristo la me. (Mateo 26:3, 4, 63-66; Dɔwɔwɔwo 5:34-39) Le ema megbe la, Kayafa kpɔ egbɔ be woƒo Yesu ƒe apostoloawo, eye wòde se na wo be woadzudzɔ gbeƒãɖeɖe le Yesu ƒe ŋkɔ me. Kayafae nɔ zi me na Sanhedrin la le nyadɔdrɔ̃ si me wotsɔ dziku kplɔ Stefano do goe yi ɖaƒu kpee wòku me. (Dɔwɔwɔwo 5:27, 28, 40; 7:1-60) Saul nɔ eteƒe esime wonɔ kpe ƒum Stefano, eye Kayafa na ŋusẽe be wòayi Damasko aɖatsi Yesu yomedzelawo ƒe dɔa nu ahalé wo vɛ. (Dɔwɔwɔwo 8:1; 9:1, 2) Ŋusẽ sia si wona Saul na wòbui be yeƒe nuwɔna nye ŋuʋaʋã ɖe Mawu nu, gake le nyateƒe me la xɔse vavãtɔ menɔ esi o. (Dɔwɔwɔwo 22:3-5) Esia ta Saul mete ŋu de dzesii be Yesue nye Mesia vavã la o. Gake Saul va nyɔ le eɖokui me emegbe esi Yesu si wofɔ ɖe tsitre ƒo nu nɛ nukutɔe le Damasko-mɔ dzi.—Dɔwɔwɔwo 9:3-6.

7. Nukae dzɔ ɖe Saul dzi esi Yesu ƒo nu nɛ le Damasko-mɔa dzi?

7 Le esia megbe kpuie la, wodɔ nusrɔ̃la Anania be wòayi ava ɖi ɖase na Saul. Nenye wòe ɖe àdi be yeayi dɔ sia gbea? Anania vɔ̃, ke hã eyi ɖaƒo nu na Saul le dɔmekɔkɔ me. Yesu ƒe nuƒoƒo nukutɔe na Saul le Damasko-mɔa dzi na Saul ƒe nɔnɔme trɔ. (Dɔwɔwɔwo 9:10-22) Emegbe wova yɔe be apostolo Paulo, eye wòva zu Kristotɔ dutanyanyuigblɔla dovevienu aɖe.

Efa Tu Gake Dzi Nɔ Eƒo

8. Aleke Yesu ɖe Fofoa ƒe nɔnɔme ɖe nuvɔ̃wɔlawo ŋu fiae?

8 Yesu nye Fiaɖuƒegbeƒãɖela dovevienu si fa tu gake ewɔ nu kple amewo dzinɔameƒotɔe. (Mateo 11:29) Eɖe Fofoa si le dziƒo, amesi xlɔ̃ nu ame vɔ̃ɖiwo be woatrɔ tso woƒe mɔ vɔ̃wo dzi, ƒe nɔnɔme fia. (Yesaya 55:6, 7) Le Yesu ƒe nuwɔwɔ ɖe nuvɔ̃wɔlawo ŋu gome la, edea dzesii ne ame siawo trɔ dzime, eye wòdea dzi ƒo na nenem me mawo. (Luka 7:37-50; 19:2-10) Le esi teƒe be Yesu nadrɔ̃ ʋɔnu amewo le gotagome nukpɔkpɔ nu la, esrɔ̃ Fofoa ƒe dɔmekɔkɔ, ɖokuidziɖuɖu, kple dzigbɔgbɔ blewu hekpɔa mɔ be woatrɔ dzi me. (Romatɔwo 2:4) Yehowa ƒe lɔlɔ̃nue nye be ame ƒomeviwo katã natrɔ dzi me eye woakpɔ xɔxɔ.—Timoteo I, 2:3, 4.

9. Nukae míate ŋu asrɔ̃ tso alesi Yesaya 42:1-4 va eme ɖe Yesu dzii la me?

9 Esi Nyanyuigbalẽŋlɔla Mateo nɔ nu ƒom tso alesi Yehowa bua Yesu Kristoe ŋu la, eyɔ nyagblɔɖinya siawo bena: “Kpɔ ɖa, nye dɔla, si metia; nye lɔlɔ̃tɔ, amesi dzea nye luʋɔ ŋu la; matsɔ nye gbɔgbɔ la ada ɖe eyama dzi, eye wòaka ʋɔnudɔdrɔ̃ ta na dukɔawo. Mele nya he ge alo ɣli do ge gbeɖe o; eye ame aɖeke mele eƒe gbe se ge le ablɔwo me hã o. Mele aƒla ŋeŋe la ɖe ge le enu o, eye mele ɖovu bibi fiɖifiɖi la tsi ge o, vaseɖe esime wòawu ʋɔnudɔdrɔ̃ nu hena dziɖuɖu o. Eye dukɔwo lakpɔ mɔ na eƒe ŋkɔ.” (Mateo 12:17-21; Yesaya 42:1-4) Le ɖekawɔwɔ me kple nya mawo la, Yesu meƒo eɖokui ɖe glãkahehe me o. Ne nɔnɔmewo te ɖe edzi gɔ̃ hã la, egblɔ nyateƒea wòlé dzi na dzianukwaretɔwo.—Yohanes 7:32, 40, 45, 46.

10, 11. (a) Togbɔ be Farisitɔwo nye amesiwo ƒoa nu tsia tre ɖe Yesu ŋu vevie la dometɔ aɖewo hã la, nukatae wòɖi ɖase na wo dometɔ aɖewo? (b) Nyaŋuɖoɖo ka tɔgbee Yesu nana tsitretsiɖeŋulawo ɣeaɖewoɣi, ke hã nukae mewɔ o?

10 Yesu ƒo nu na Farisitɔ geɖe le eƒe subɔsubɔdɔa me. Togbɔ be wo dometɔ aɖewo te kpɔ be yewoalée le eƒe nyagbɔgblɔ me hã la, Yesu meƒo nya ta be susu vɔ̃ le wo katã si o. Simon, si nye Farisitɔ aɖe si ƒe nya me sẽ vie, anya di vevie be yeanya Yesu nyuie wu eye wòkpee be wòava ɖu nu kpli ye. Yesu lɔ̃ yi eye wòɖi ɖase na amesiwo nɔ afima. (Luka 7:36-50) Le ɣebubuɣi la, Nikodemo si nye Farisitɔ xɔŋkɔ aɖe va Yesu gbɔ le adzame le zã. Yesu medo vloe le esi wòlala ʋuu zã do hafi wòva egbɔ ta o. Ke boŋ, eɖi ɖase na Nikodemo tso lɔlɔ̃ si Mawu ɖe fia to Via dɔdɔ ɖa be wòava ʋu ɖeɖekpɔkpɔ ƒe mɔ ɖi na amesiwo aɖe eyama dzixɔxɔse afia ŋu. Yesu ƒo nu tso alesi wɔwɔ ɖe Mawu ƒe ɖoɖo dzi le vevie la hã ŋu nɛ le dɔmekɔkɔ me. (Yohanes 3:1-21) Nikodemo ƒo nu de Yesu dzi esime Farisitɔwo ɖi gbɔ nyatakaka nyui aɖe si woxɔ tso Yesu ŋuti.—Yohanes 7:46-51.

11 Menye ɖe Yesu menya amesiwo dzena agbagba be yewoatre mɔ̃ nɛ ƒe alakpanuwɔwɔwo o. Ðe menana tsitretsiɖeŋulawo henɛ dea glãkahehe si me viɖe mele o me o. Gake afisi wòsɔ le la, etsɔa nya wɔdɔɖeamedzi ʋɛ aɖewo ɖoa nya ŋui na wo to gɔmeɖose aɖe zazã, kpɔɖeŋunya aɖe gbɔgblɔ, alo ŋɔŋlɔ aɖe yɔyɔ na wo me. (Mateo 12:38-42; 15:1-9; 16:1-4) Ɣebubuɣiwo la, Yesu zia ɖoɖoe ne edze ƒã be viɖe aɖeke mado tso nyaŋuɖoɖo na wo me o.—Marko 15:2-5; Luka 22:67-70.

12. Esi wodo ɣli ɖe Yesu ta gɔ̃ hã la, aleke wòte ŋu kpe ɖe amewo ŋui?

12 Ɣeaɖewoɣi la, amesiwo me gbɔgbɔ makɔmakɔwo le doa ɣli ɖe Yesu ta. Ne edzɔ nenema la, eɖua eɖokui dzi eye wòzãa ŋusẽ si Mawu nɛ la tsɔ naa gbɔdzɔe amesiawo tɔgbe. (Marko 1:23-28; 5:2-8, 15) Ne ame aɖewo do dziku heblu ɖe mía ta le míaƒe subɔsubɔdɔa me la, ehiã be míawo hã míaɖu mía ɖokui dzi, eye míadze agbagba akpɔ nɔnɔmea gbɔ le dɔmekɔkɔ kple ŋuɖɔɖɔɖo me.—Kolosetɔwo 4:6.

Le Ƒomea Me

13. Nukatae ɣeaɖewoɣi amewo tsia tre ɖe ƒomea me tɔ si dze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme kple Yehowa Ðasefowo la ŋu?

13 Alesi wòhiã be Yesu yomedzelawo naɖu wo ɖokui dzii dzena gaglã wu le ƒomea me zi geɖe. Amesi Biblia ƒe nyateƒea de dzi gbɔ na dina vevie be nyateƒea naʋã dzi na yeƒe ƒomea me tɔwo hã nenema ke. Gake abe alesi Yesu gblɔ ene la, ame ƒe ƒometɔwo ate ŋu atsi tre ɖe eŋu. (Mateo 10:32-37; Yohanes 15:20, 21) Susu vovovowo tae esia dzɔna ɖo. Le kpɔɖeŋu me, togbɔ be Biblia ƒe nufiafia ate ŋu ana míava nye anukwareɖilawo, toɖolawo, kple amesiwo dea bubu ame ŋu hã la, Ŋɔŋlɔawo fia mí hã be le nɔnɔme ɖesiaɖe me la, mía Wɔlae wòle be míaɖo toe wu ame bubu ɖesiaɖe. (Nyagblɔla 12:1, 13; Dɔwɔwɔwo 5:29) Ƒomea me tɔ aɖe ase le eɖokui me be ŋusẽ si le ye si le ƒomea me dzi le ɖeɖem kpɔtɔ le míaƒe nuteƒewɔwɔ me léle ɖe asi na Yehowa ta eye wòado dziku. Ne míele nɔnɔme mawo tɔgbe gbɔ kpɔm la, aleke gbegbee wòle vevie enye si be míasrɔ̃ Yesu ƒe kpɔɖeŋu le ɖokuidziɖuɖu me!—Petro I, 2:21-23; 3:1, 2.

14-16. Nukae na ame aɖewo siwo tsi tre ɖe woƒe ƒometɔwo ŋu tsã la va trɔ?

14 Amesiwo le Yehowa subɔm fifia dometɔ geɖe nye amesiwo ŋu wo srɔ̃ alo ƒometɔ aɖe tsitre ɖo kpɔ le tɔtrɔ si Biblia si wote sɔsrɔ̃ na wonɔ wɔwɔm ta. Ðewohĩ wogblɔ nya manyomanyowo ɖe Yehowa Ðasefowo ŋu tsitretsiɖeŋulaawo se, eye anɔ eme be wovɔ̃ be ava kpɔ ŋusẽ gbegblẽ aɖe ɖe ƒomea me tɔwo dzi. Nukae na wova trɔ nɔnɔme emegbe? Zi geɖe la, xɔsetɔa ƒe kpɔɖeŋu nyui ɖoɖo wɔ akpa vevi aɖe. Le esi xɔsetɔa lé Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖo dzi wɔwɔ me ɖe asi—wòdea Kristotɔwo ƒe kpekpe kple gbeadzi edziedzi esime wòle ƒomegbanɔamedziwo hã gbɔ kpɔm eye wòléa eɖokui le dzudzu ɖesiaɖe me—ta la, ƒometɔwo ƒe tsitretsiɖeŋu dzi va ɖena kpɔtɔna.—Petro I, 2:12.

15 Azɔ hã nazãbubu alo dada ate ŋu ana tsitretsiɖeŋula aɖe nagbe numeɖeɖe si tso Biblia me la sese. Aleae wònɔ le ŋutsu aɖe si le United States si be yelɔ̃ yewo dedukɔa vevie la gome. Ɣeaɖeɣi esime srɔ̃anyɔnu yi takpekpe la, ŋutsua fɔ eya ŋutɔ ƒe awuwo katã hedo le aƒea me. Ɣebubuɣi etsɔ tu ɖe asi gado le aƒea me ake eye wògblɔ be yeawu ye ɖokui. Ebu fɔ nyɔnua ƒe mawusubɔsubɔ ɖe susumanɔmenu ɖesiaɖe si eya ŋutɔ wɔ la ta. Gake nyɔnua dze agbagba lé Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖo me ɖe asi. Le nyɔnua ƒe Yehowa Ðasefo zuzu ƒe 20 sɔŋ megbe la, ŋutsua hã va zu Ðasefo. Le Albania la, nyɔnu aɖe do dziku le esi vianyɔnu srɔ̃ Biblia kple Yehowa Ðasefowo eye wòxɔ nyɔnyrɔ ta. Nyɔnu sia gblẽ vianyɔnua ƒe Biblia dome enuenu zi 12 sɔŋ. Gbeɖeka eʋu Biblia yeye aɖe si vianyɔnua gblẽ ɖe kplɔ̃ dzi. Nukutɔe la, Mateo 10:36 ye wòke, eye nyɔnua kpɔe dze sii be nusi wogblɔ ɖe afima la ku ɖe ye ŋu. Ke hã esi wòkpɔtɔ tsɔ ɖe le vianyɔnua ƒe dedienɔnɔ me ta la, ezɔ kple via yi tɔdziʋu aɖe si le ɖevia kple Ðasefo bubuwo tsɔ ge ayi takpekpe aɖe wɔƒe le Italy la gbɔ. Esi nyɔnuvia dada kpɔ ƒuƒoƒoa me tɔwo ƒe lɔlɔ̃ɖeɖefia, atuu wɔwɔ, kple nukomoɖoɖo kpakple nukoko dzidzɔtɔe teƒe la, eƒe seselelãme te tɔtrɔ. Eteƒe medidi o, elɔ̃ be woasrɔ̃ Biblia kpli ye. Egbea la, edzea agbagba be yeakpe ɖe ame bubu siwo tsia tre ɖe nyaa ŋu le gɔmedzedzea me la ŋu.

16 Le nudzɔdzɔ bubu me la, srɔ̃ŋutsu aɖe si lé hɛ ɖe asi ti nyɔnua yome nɔ nya vɔ̃wo gblɔm le eŋu ɖado ɖe Fiaɖuƒe Akpataa gbɔ. Nyɔnua gblɔ tufafatɔe be: “Ge ɖe Fiaɖuƒe Akpataa me, ne wò ŋutɔ nàkpɔ nusi yia edzi.” Ŋutsua ge ɖe eme, eye le ɣeyiɣi aɖe megbe eva zu Kristotɔ hamemegã.

17. Ne nɔnɔmeawo va sẽ le Kristotɔ ƒe aƒeme la, Ŋɔŋlɔawo ƒe aɖaŋuɖoɖo kae ate ŋu akpe ɖe ame ŋu?

17 Ne wò aƒemetɔwo katã nye Kristotɔwo gɔ̃ hã la, ete ŋu dzɔna ɣeɖewoɣi be nɔnɔme madeamedziwo nana be ƒomea me tɔ aɖewo daa gbe ɖe wo nɔewo gbɔ le blibomademade ta. Enyo be míade dzesii be woxlɔ̃ nu Kristotɔ siwo nɔ blema Efeso be: “Mina woaɖe veve heliheli kple dɔmedzoe kple dziku kple ɣlidodo kple busubɔbɔ katã kpakple nu tovo wɔwɔ katã hã ɖa le mia dome.” (Efesotɔwo 4:31) Edze ƒã be nɔnɔme siwo ƒo xlã Kristotɔwo le Efeso, woa ŋutɔwo ƒe blibomademade kple le go aɖewo me la, alesi wonɔ agbee tsã la katã kpɔ ŋusẽ ɖe wo dzi. Nukae akpe ɖe wo ŋu be woawɔ tɔtrɔ? Ehiã be ‘woawɔ wo yeye le woƒe tamesusu ƒe gbɔgbɔ la me.’ (Efesotɔwo 4:23) Esi wole Mawu ƒe Nya la srɔ̃m hedea ŋugble le alesi wòle be wòakpɔ ŋusẽ ɖe woƒe agbenɔnɔ dzii ŋu, dea ha kple Kristotɔ haxɔsetɔwo, eye wodoa gbe ɖa vevie la, Mawu ƒe gbɔgbɔ ƒe kutsetsea adze le woƒe agbenɔnɔ me nyuie wu. Woasrɔ̃ alesi ‘woakɔ dɔme ɖe wo nɔewo ŋu, woƒe dɔme natrɔ ɖe wo nɔewo ŋu, kple alesi woatsɔ ake wo nɔewo, abe alesi Mawu tsɔ ke wo le Kristo me la ene.’ (Efesotɔwo 4:32) Eɖanye nuka kee amewo awɔ o, ehiã be míaɖu mía ɖokui dzi, akɔ dɔme, akpɔ nublanui, atsɔ ake. Le nyateƒe me la, mele be ‘miaɖo vɔ̃ vɔ̃ teƒe na ame aɖeke o.’ (Romatɔwo 12:17, 18) Lɔlɔ̃ vavã ɖeɖe fia le Mawu sɔsrɔ̃ mee nye nu nyuitɔ si wòle be míawɔ.—Yohanes I, 4:8.

Aɖaŋuɖoɖo na Kristotɔwo Katã

18. Nukatae Timoteo II, 2:24 me ɖaŋuɖoɖoa sɔ na hamemegã le blema Efeso, eye aleke wòaɖe vi na Kristotɔwo katãe?

18 Aɖaŋu si woɖo be ‘woado dzi le vɔ̃ me’ yi na Kristotɔwo katã. (Timoteo II, 2:24) Gake Timoteo ye woɖo aɖaŋu sia na gbã, eye ehiã nɛ esime wòsubɔ le Efeso abe hamemegã ene. Ame aɖewo nɔ anyi le hamea me ɣemaɣi siwo tsɔa nusesẽ gblɔa woƒe nukpɔsusuwo eye wonɔ nudada fiam. Le esi womese taɖodzinu si nɔ Mose ƒe Sea ŋu me bliboe o ta la, womete ŋu kpɔ vevienyenye si le xɔse, lɔlɔ̃, kple dzitsinyanyui ŋu la dze sii o. Dada na dzre ɖo wo dome le glãkahehe ta, eye wodoa kpo susu vevi si le Kristo ƒe nufiafia me gɔmesese eye womenya mawusosroɖa ƒe vevienyenye o. Be Timoteo nakpɔ nɔnɔme sia gbɔ la, ele nɛ be wòalé Ŋɔŋlɔawo me nyateƒea me ɖe asi sesĩe, ke hã wòawɔ nu ɖe nɔviawo ŋu le tufafa me. Abe hamemegã siwo li egbea ene la, Timoteo nya be alẽha la menye ye ŋutɔ tɔ o eye ele be yeawɔ nu ɖe amewo ŋu le mɔ si ana lɔlɔ̃ kple ɖekawɔwɔ nanɔ Kristotɔwo dome la nu.—Efesotɔwo 4:1-3; Timoteo I, 1:3-11; 5:1, 2; 6:3-5.

19. Nukatae wòle vevie na mí katã be ‘míadi ɖokuibɔbɔ yome mɔ’?

19 Mawu xlɔ̃ nu eƒe amewo be ‘woadi ɖokuibɔbɔ yome mɔ.’ (Zefanya 2:3) Hebrigbe me nya si wozã na “ɖokuibɔbɔ” alo tufafa la fia nɔnɔme si naa ame doa dzi le vɔ̃ me dzigbɔɖitɔe, dzikumadomadoe kple wɔɖenui mawɔmawɔe ŋu. Mina míaɖe kuku na Yehowa vevie be wòakpe ɖe mía ŋu be míaɖu mía ɖokui dzi ado dzi eye bene míate ŋu anye eyama teƒenɔlawo le mɔ si sɔ nu, le nɔnɔme sesẽwo gɔ̃ hã me.

Nukae Nèsrɔ̃?

• Ne wogblɔ nya ɖe ŋuwò vlodoametɔe la, ŋɔŋlɔ kawoe ate ŋu akpe ɖe ŋuwò?

• Nukatae Saul wɔ nu vlodoametɔe?

• Aleke Yesu ƒe kpɔɖeŋu kpena ɖe mía ŋui be míawɔ nusi sɔ ɖe ameƒomeviwo katã ŋu?

• Viɖe kawoe ate ŋu ado tso eme ne míeƒo nu na míaƒe aƒemetɔwo tufafatɔe?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 26]

Togbɔ be ŋkɔ nyui menɔ Saul ŋu o hã la, Anania wɔ nu ɖe eŋu le dɔmekɔkɔ me

[Nɔnɔmetata si le axa 29]

Kristotɔ ƒe fɔléle ɖe eƒe agbanɔamedziwo tsɔtsɔ ŋu nuteƒewɔwɔtɔe ate ŋu ana ƒometɔwo ƒe tsitretsiɖeŋu dzi naɖe akpɔtɔ

[Nɔnɔmetata si le axa 30]

Kristotɔwo dea lɔlɔ̃ kple ɖekawɔwɔ ƒe dzi ƒo