Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Na Yehowa Nafia Eƒe Mɔwo Wò

Na Yehowa Nafia Eƒe Mɔwo Wò

Na Yehowa Nafia Eƒe Mɔwo Wò

“Na manya wò mɔwo, eye madze si wò.”​—MOSE II, 33:13.

1, 2. (a) Nukatae Mose yi ɖaxɔ na Hebri-vi aɖe esi wòkpɔe be Egiptetɔ aɖe nɔ ŋuta sẽm le eŋu? (b) Nukae hiã be Mose nasrɔ̃ be wòadze na Yehowa ƒe dɔ wɔwɔ?

WONYI Mose le Farao ƒe aƒeme eye wofia nunya si ŋu Egipte bubumewo dea asixɔxɔe ŋutɔ lae. Ke hã Mose nyae be menye Egiptetɔ yenye o. Edzilawo nye Hebritɔwo. Esi Mose xɔ ƒe 40 la, eyi ɖakpɔ nɔvia, siwo nye Israel-viwo ɖa. Esi Mose kpɔ Egiptetɔ aɖe wòsẽ ŋuta le Hebri-viawo dometɔ ɖeka ŋu la, mezi kpi kpɔe o. Ewu Egiptetɔ la. Mose de Yehowa ƒe amewo dzi eye wòsusui be Mawu nɔ ye zãm be yeaɖe ye nɔviwo. (Dɔwɔwɔwo 7:21-25; Hebritɔwo 11:24, 25) Esi nudzɔdzɔ sia ŋu nya ɖi wose la, Egipte fiaƒomea me ameŋkutawo bu Mose ame dzeaglãe, esia na wòle nɛ be wòasi ahakpɔ eƒe agbe ta. (Mose II, 2:11-15) Ne Mawu azã Mose la, ele be wòanya Yehowa ƒe mɔwo nyuie wu. Ðe Mose alɔ̃ faa woafia nuia?—Psalmo 25:9.

2 Le ƒe 40 siwo kplɔe ɖo me la, Mose zu amesi si le wo dedukɔ me henye alẽkplɔla. Le esi Mose nana nyaa nate ɖe edzi vevie kple susu be nɔvia Hebri-viwo mekpɔ ŋudzedze ɖe eŋu o ta teƒe la, ebɔbɔ eɖokui xɔ nusi ŋu Mawu ɖe mɔ ɖo. Togbɔ be ƒe geɖe va yi eye Mose mekpɔ dzesi aɖeke be wotiae o hã la, eɖe mɔ Yehowa na hehee. Emegbe le Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea ƒe ame ʋaʋã te, ke menye le ɖokuidodoɖedzi me o la, Mose ŋlɔ bena: “Mose fa wu amesiwo katã le anyigba dzi.” (Mose IV, 12:3) Yehowa zã Mose le mɔ siwo ɖe dzesi nu. Ne míawo hã míebɔbɔa mía ɖokui la, Yehowa ayra mí.—Zefanya 2:3.

Wode Dɔ aɖe Asi Nɛ

3, 4. (a) Dɔ kae Yehowa de Mose si? (b) Kpekpeɖeŋu kae wona Mose?

3 Gbeɖeka mawudɔla aɖe si nɔ Yehowa teƒe la ƒo nu na Mose le Xoreb-to si le Sanai-ƒukpo afã dzi la gbɔ. Egblɔ na Mose be: “Mekpɔ alesi wole nye dukɔ tem ɖe anyi le Egipte keŋ, eye mese woƒe ɣli, si wodo, be yewoavo atso yewo dzikpɔlawo si me la; ẽ, menya woƒe fukpekpewo. Eye meɖi va, be maɖe wo le Egiptetɔwo si me, eye makplɔ wo atso anyigba sia dzi ayi ɖe anyigba, si nyo, eye wòlolo la dzi, anyigba, si dzi notsi kple anyitsi bɔ ɖo.” (Mose II, 3:2, 7, 8) Esia fia be dɔ aɖe le Mawu si na Mose, gake ele be wòawɔe le Yehowa ƒe mɔfiafia te.

4 Yehowa ƒe dɔlaa yi edzi gblɔ be: “Mele dɔwòm ɖe Farao gbɔ, be nakplɔ nye dukɔ Israel-viwo adzoe tso Egipte.” Mose menɔ didim be yeayi o. Ebui be yemedze o, eye ne anye eya ŋutɔ ƒe ŋusẽ mee wòayi le la ne medze o. Gake Yehowa na kakaɖedzi Mose bena: “Manɔ anyi kpli wò!” (Mose II, 3:10-12) Yehowa na ŋusẽ Mose be wòawɔ nukunuwo wòanye kpeɖodzi be Mawue dɔe vavã. Mose nɔvi Aron ayi kplii anye nyanuɖela nɛ. Yehowa afia nusi woagblɔ kple nusi woawɔ la wo. (Mose II, 4:1-17) Ðe Mose awɔ dɔ sia si wode esi la ade goe nuteƒewɔwɔtɔea?

5. Nukatae Israel-viwo ƒe nɔnɔme nye gbetɔame na Mose?

5 Le gɔmedzedzea me la, Israel-metsitsiwo xɔ Mose kple Aron dzi se. (Mose II, 4:29-31) Gake eteƒe medidi o, “Israel-viwo ƒe dɔnunɔlawo” bu fɔ Mose kple nɔvia be wona ‘yewoʋẽ’ ɖe Farao kple eŋumewo alo na yewoƒe nu gblẽ wo ŋu. (Mose II, 5:19-21; 6:9) Esime Israel-viwo ʋu le Egipte dzo yina la, wova kpɔ be Egiptetɔwo ti yewo yome gbɔna kple tasiaɖamwo eye wovɔ̃ ŋutɔ. Esi Ƒudzĩa xe ŋgɔ na wo eye aʋatasiaɖamwo hã xe megbe na wo ta la, Israel-viawo kpɔe be yewoble, eye wodo dziku ɖe Mose ŋu. Ne wòe ɖe anye ne aleke nàwɔ nui? Togbɔ be tɔdziʋu aɖeke menɔ Israel-viawo si o hã la, Mose wɔ ɖe Yehowa ƒe mɔfiafia dzi hegblɔ na dukɔa be woaho adzo. Emegbe Mawu ma Ƒudzĩa me eye ƒuƒuiƒe dze, ale Israel-viwo zɔ to edzi to ƒu la me.—Mose II, 14:1-22.

Nya aɖe si Le Vevie Wu Ðeɖekpɔkpɔ

6. Nuka dzie Yehowa te gbe ɖo esime wònɔ dɔ dem asi na Mose?

6 Esi Yehowa nɔ dɔ dem asi na Mose la, ete gbe ɖe Eƒe ŋkɔ ƒe vevienyenye dzi. Bubudede ŋkɔ ma kple Amesi tɔ ŋkɔa ŋu le vevie ŋutɔ. Esi Mose bia Yehowa eŋkɔ la, egblɔ nɛ be: “Mava nye amesi mava nye.” Azɔ hã wobia tso Mose si be wòagblɔ na Israel-viwo be: “Yehowa, mia fofowo ƒe Mawu, Abraham ƒe Mawu, Isak ƒe Mawu kple Yakob ƒe Mawu la dɔm ɖe mia gbɔ.” Yehowa gblɔ kpee be: “Esia nye nye ŋkɔ tegbee, eye nye ŋkɔ sia dzidzimewo katã woayɔ.” (Mose II, 3:13-15, NW) Yehowa gakpɔtɔ nye ŋkɔ si Mawu ƒe subɔlawo nya nɛ le xexeame katã.—Yesaya 12:4, 5; 43:10-12.

7. Nukae Mawu bia tso Mose si be wòawɔ togbɔ be Farao do eɖokui ɖe dzi hã?

7 Esime Mose kple Aron do ɖe Farao ŋkume la, wogblɔ woƒe gbedasia nɛ le Yehowa ƒe ŋkɔ me. Gake Farao gblɔ dadatɔe be: “Ameka nye Yehowa, ne maɖo to eƒe gbe aɖe asi le Israel-viwo ŋuti woayi? Nyemenya Yehowa la o, eye nyemaɖe asi le Israel ŋuti wòayi hã o!” (Mose II, 5:1, 2) Farao ɖee fia be yenye dzimesesẽtɔ kple ameblela, gake Yehowa de gbe asi na Mose edziedzi be woaɖagblɔ nɛ. (Mose II, 7:14-16, 20-23; 8:1, 2, 20) Mose kpɔe be Farao do dziku vevie. Ðe nu nyui aɖe ado tso dodo ɖe eŋkume ake mea? Israel-viwo di vevie be woaɖe yewo. Farao hã ɖoe kplikpaa be yemaɖe asi le wo ŋu o. Ne wòe nye Mose ɖe, nukae nàwɔ?

8. Viɖe kae do tso alesi Yehowa kpɔ Farao ƒe nya la gbɔe me, eye aleke wòle be nudzɔdzɔ mawo nakpɔ ŋusẽ ɖe mía dzii?

8 Mose gayi ɖagblɔ gbedasi bubu bena: ‘Ale Yehowa, Hebritɔwo ƒe Mawu la, gblɔ esi: Ðe asi le nye dukɔ la ŋuti, bena wòaɖasubɔm!’ Mawu gblɔ hã be: “Mate ŋu ado nye asi ɖa atsɔ dɔvɔ̃ agblẽ wò ŋutɔ kple wò dukɔ, ale be natsrɔ̃ le anyigba la dzi xoxoxo hafi; gake megblẽ wò ɖi vaseɖe fifi, bena maɖe nye ŋusẽ afia wò, eye woakafu nye ŋkɔ le anyigba blibo la katã dzi.” (Mose II, 9:13-16) Yehowa ɖoe be yeato fɔbuʋɔnu si yeadrɔ̃ Faroa me aɖe yeƒe ŋusẽ afia le mɔ aɖe nu si anye nuxlɔ̃ame na amesiwo katã atsi tre ɖe eyama ŋu. Satana Abosam, amesi Yesu Kristo yɔ emegbe be “xexeamefia,” hã anɔ amesiawo dome. (Yohanes 14:30; Romatɔwo 9:17-24) Abe alesi wogblɔe ɖi ene la, Yehowa ƒe ŋkɔ ɖi le xexeame katã. Eƒe dzigbɔgbɔ blewu na be Israel-viwo kple amedzro geɖe siwo kpe ɖe wo ŋu be yewoade ta agu nɛ la tsi agbe. (Mose II, 9:20, 21; 12:37, 38) Tso ɣemaɣi vaseɖe fifi la, gbeƒãɖeɖe Yehowa ƒe ŋkɔ ɖe vi na ame miliɔn bubu geɖe siwo lɔ̃ xɔ tadedeagu vavãtɔ de eme la.

Tenɔnɔ Ðe Amesiwo ƒe Nya Me Sẽ Nu

9. Aleke Mose ŋutɔ ƒe amewo ɖe bubumademade Yehowa ŋu fiae?

9 Hebritɔwo nya Mawu ƒe ŋkɔa. Mose zãna ŋkɔ ma ne ele nu ƒom na wo, gake menye ɣesiaɣie wodea bubu si sɔ Amesi tɔ ŋkɔa ŋu o. Esi Yehowa ɖe Israel-viawo nukutɔe tso Egipte megbe teti la, nukae dzɔ esime womekpɔ tsi nyui no kaba o? Woli liʋĩliʋĩ le Mose ŋu. Emegbe woto nyatoƒoe le woƒe nuɖuɖu ŋu. Mose xlɔ̃ nu wo be menye ye kple Aron ko ŋue wonɔ liʋĩliʋĩ lĩm le o ke Yehowa hã ŋu lĩm wonɔ. (Mose II, 15:22-24; 16:2-12) Yehowa tsɔ Sea na Israel-viwo le Sinai-to gbɔ, eye wòna nu wɔnukuwo hã dzɔ le afima eteƒe mekɔ o. Gake tomaɖomaɖotɔe la, dukɔa wɔ sikanyivi hede ta agu nɛ gblɔ bena enye “ŋkekenyui na Yehowa!”—Mose II, 32:1-9.

10. Nukatae nusi Mose bia si woŋlɔ ɖe Mose II, 33:13 la nye nusi me wòle be Kristotɔ dzikpɔlawo natsɔ ɖe le vevie egbea?

10 Aleke Mose anɔ te ɖe dukɔ si ŋu Yehowa ŋutɔ gblɔ le be wonye kɔlialiatɔwo la nui? Mose ɖe kuku na Yehowa bena: “Ne ève nunye vavã la, ekema na manya wò mɔwo, eye madze si wò be, ève nunye.” (Mose II, 33:13) Yehowa Ðasefo siwo li egbea nye ameha siwo bɔbɔ wo ɖokui kura wu na Kristotɔ dzikpɔlawo. Ke hã woawo hã doa gbe ɖa nenema ke be: “Yehowa, ɖe wò mɔwo fiam, eye nafia wò toƒewòm!” (Psalmo 25:4) Sidzedze Yehowa ƒe mɔwo kpena ɖe dzikpɔlawo ŋu be wokpɔa nuwo gbɔ le mɔ si wɔ ɖeka kple Mawu ƒe Nya nu eye wòsɔna ɖe eƒe amenyenye nu hã.

Nusi Yehowa Dina Tsoa Eƒe Amewo Si

11. Mɔfiame kawoe Yehowa na Mose, eye nukatae míetsɔ ɖe le wo me ɖo?

11 Wogblɔ nusi Yehowa di tso eƒe amewo si na wo kple nu le Sinai-to la gbɔ. Emegbe Mose xɔ kpe eve siwo dzi woŋlɔ Se Ewoawo ɖo. Esi Mose ɖi tso toa dzi gbɔna la, ekpɔ Israel-viwo wonɔ ta dem agu na nyiviwɔwɔe eye dzi kui wòtsɔ kpeawo xlã ɖe anyi wogbã. Yehowa gaŋlɔ Se Ewoawo na Mose, ɖe kpe siwo Mose ŋutɔ kpa la dzi. (Mose II, 32:19; 34:1) Tso esime wotsɔ se siawo na wo zi gbãtɔ ko la, wometrɔe o. Ele na Mose be wòawɔ nu wòasɔ ɖe wo nu. Mawu na Mose dze si amesi tɔgbe wònye la nyuie, eye wòto esia me na Mose nya alesi wòawɔ nu abe Yehowa teƒenɔla ene. Kristotɔwo mele Mose ƒe Sea te o, gake gɔmeɖose vevi geɖewo le nya siwo Yehowa gblɔ na Mose me siwo metrɔ o eye wogakpɔtɔ nye nusiwo dzi wòle be Yehowa ƒe tadeagulawo katã nazɔ ɖo. (Romatɔwo 6:14; 13:8-10) Mina míadzro wo dometɔ ʋɛ aɖewo me.

12. Aleke wòle be Yehowa ɖeka ko subɔsubɔ le ɖokuitsɔtsɔna blibo me si wobia tso Israel-viwo si la nakpɔ ŋusẽ ɖe wo dzii?

12 Subɔ Yehowa ɖeka ko. Israel-dukɔa nɔ eteƒe esime Yehowa gblɔ be womegasubɔ nu bubu aɖeke kpe ɖe ye ŋu o. (Mose II, 20:2-5) Israel-viwo kpɔ kpeɖodzinu geɖe siwo fia be Yehowae nye Mawu vavãtɔ la. (Mose V, 4:33-35) Yehowa na wòdze ƒã be eɖanye nuka ke wɔmee dukɔ bubuwo le o, yemaɖe mɔ ɖe trɔ̃subɔsubɔ alo gbɔgbɔyɔyɔ ƒomevi aɖeke ŋu le yeƒe amewo dome o. Mele be woƒe subɔsubɔ tsɔtsɔ na eyama nanye nuwɔna dzro aɖe ko o. Ele na wo katã be woalɔ̃ Yehowa kple woƒe dzi blibo, woƒe luʋɔ blibo, kple woƒe ŋusẽ katã. (Mose V, 6:5, 6) Esia alɔ woƒe nuƒoƒo, woƒe agbenɔnɔ—le nyateƒe me la, woƒe agbemenuwɔnawo katã—ɖe eme. (Mose III, 20:27; 24:15, 16; 26:1) Yesu Kristo hã na eme kɔ ƒã be Yehowa di be míasubɔ ye ɖeka ko le ɖokuitsɔtsɔna blibo me.—Marko 12:28-30; Luka 4:8.

13. Nukatae se bla Israel-viwo be woaɖo to Mawu le nusianu me, eye nukae le be wòaʋã mí be míaɖo to eyama? (Nyagblɔla 12:13)

13 Toɖoɖo Yehowa ƒe sededewo. Ehiã be woaɖo ŋku edzi na Israel-viwo be esime woge ɖe nubabla me kple Yehowa la, woɖe adzɔgbe be yewoaɖo toe le nusianu me. Ablɔɖe geɖe nɔ wo dometɔ ɖesiaɖe si, gake le nusiwo ŋu Yehowa de se na wo le me la, ele na wo be woawɔ wo dzi pɛpɛpɛ. Ewɔwɔ nenema aɖo kpe edzi be wolɔ̃ Mawu eye wòaɖe vi na woa kple wo viwo elabena Yehowa ƒe nudidiwo katã li na woƒe nyonyo.—Mose II, 19:5-8; Mose V, 5:24-30; 11:22, 23.

14. Aleke Mawu te gbe ɖe gbɔgbɔmenuwo tsɔtsɔ ɖo nɔƒe gbãtɔ ƒe vevienyenye dzi na Israel-viwoe?

14 Tsɔ gbɔgbɔmenuwo ɖo nɔƒe gbãtɔ. Mele be Israel-dukɔa nana woƒe ŋutilãmenuhiahiãwo gbɔ kpɔkpɔ naxɔ woƒe ɣeyiɣi ale gbegbe be womagakpɔ ɣeyiɣi boo aɖeke na gbɔgbɔmedɔwo wɔwɔ o. Mele be Israel-viwo ƒe agbenɔnɔ naku ɖe ŋutilãmenuwo ko yometiti ŋu o. Yehowa ɖo ŋkeke aɖe ɖi le kwasiɖa ɖesiaɖe me si wòbu ŋkeke kɔkɔe aɖee, eye wònye ɣeyiɣi si woazã ɖe Mawu vavã la ƒe tadedeagu nuwɔnawo ɖeɖeko ŋu. (Mose II, 35:1-3; Mose IV, 15:32-36) Wogaɖo ɣeyiɣi bubu ɖi na takpekpe kɔkɔe aɖewo koŋ wɔwɔ ƒe sia ƒe. (Mose III, 23:4-44) Esia ana mɔnukpɔkpɔ woamawo be woaƒo nu tso Yehowa ƒe nukudɔwo ŋu, woaɖo ŋku eƒe mɔwo dzi na wo, eye be woaɖe woƒe ŋudzedzekpɔkpɔ afiae ɖe eƒe dɔmenyonyo ta. Ne dukɔa yi edzi le eɖem fia be yewotsɔ yewo ɖokui na Yehowa la, woatsi le mawuvɔvɔ̃ kple lɔlɔ̃ nɛ me eye wòakpe ɖe wo ŋu be woazɔ le eƒe mɔwo dzi. (Mose V, 10:12, 13) Gɔmeɖose nyui siwo le nufiame mawo me ɖea vi na Yehowa ƒe amewo egbea.—Hebritɔwo 10:24, 25.

Ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe Yehowa ƒe Nɔnɔmewo Ŋu

15. (a) Nukatae ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe Yehowa ƒe nɔnɔmewo ŋu ɖe vi na Mose? (b) Biabia kawoe ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be míade ŋugble le Yehowa ƒe nɔnɔmeawo dometɔ ɖesiaɖe ŋu nyuie?

15 Ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe Yehowa ƒe nɔnɔmewo ŋu akpe ɖe Mose ŋu le nuwɔwɔ kple ameawo me hã. Mose II, 34:5-7 gblɔ be Mawu va to Mose ŋkume yi heɖe gbe ƒã bena: “Yehowa, Yehowa, nublanuikpɔla kple amenuve Mawu, amesi gbɔa dzi blewu, eye eƒe amenuveve kple nuteƒewɔwɔ sɔ gbɔ, amesi dzra amenuveve ɖo na ame akpe nanewo, eye wòtsɔa vodada, dzidada, kple nuvɔ̃ kena; ke megbea tohehe o, boŋ etua fofowo ƒe vodada ŋuti fe na viwo kple wo viwo ƒe viwo, vaseɖe dzidzime etɔ̃lia kple enelia dzi.” Gbɔ dzi ɖi nàde ŋugble le nya mawo ŋu. Bia ɖokuiwò be: ‘Nukae nɔnɔmeawo dometɔ ɖesiaɖe fia? Aleke Yehowa ɖee fiae? Aleke Kristotɔ dzikpɔlawo awɔ aɖe nɔnɔme sia afiae? Aleke wòle be nɔnɔme ma nakpɔ ŋusẽ ɖe nusi mía dometɔ ɖesiaɖe wɔna dzii?’ Bu kpɔɖeŋu ʋɛ aɖewo ko ŋu kpɔ.

16. Aleke míate ŋu ana alesi míese Mawu ƒe nublanuikpɔkpɔ gɔme nade to ɖe edzii, eye nukatae esia wɔwɔ le vevie ɖo?

16 Yehowa nye “nublanuikpɔla kple amenuve Mawu.” Ne numekugbalẽ si nye Insight on the Scriptures le asiwò la, anyo be nàxlẽ nusi wògblɔ ku ɖe nya “Mercy” (nublanuikpɔkpɔ) ŋu. Alo zã Watch Tower Publications Index loo alo Watchtower Library (si le CD-ROM dzi) si wozãna le kɔmpiuta dzi * la atsɔ wɔ nya ma ŋuti numekukui. Zã nyadigbalẽ (concordance) nàtsɔ di ŋɔŋlɔ siwo ƒo nu tso nublanuikpɔkpɔ ŋu. Àkpɔe be tsɔ kpe ɖe tohehe dzi ɖeɖe kpɔtɔ na ame ɣeaɖewoɣi si wòfia ŋu la, nublanuikpɔkpɔ si Yehowa ɖena fiana lɔ dɔmetɔtrɔ veveseɖeamenutɔe hã ɖe eme. Eʋãa Mawu wòwɔa nu tsɔ naa gbɔdzɔe eƒe amewo. Eƒe kpeɖodzi ɖekae nye alesi Mawu nyi Israel-viwo le ŋutilã kple gbɔgbɔ me siaa esime wonɔ mɔ zɔm yina Ŋugbedodonyigbaa dzi. (Mose V, 1:30-33; 8:4) Ne wowɔ nuvɔ̃ la, Yehowa tsɔa vodadawo kena nublanuikpɔkpɔtɔe. Ekpɔ nublanui na esubɔla siwo nɔ anyi le blema. Ke aleke gbegbe wòle be esubɔla siwo li egbea naɖe dɔmetɔtrɔ afia wo nɔewo nenema kee enye si!—Mateo 9:13; 18:21-35.

17. Aleke Yehowa ƒe ameŋububu gɔmesese ate ŋu ado tadedeagu vavãtɔ ɖe ŋgɔe?

17 Ameŋububu nɔa Yehowa ƒe nublanuikpɔkpɔ me. Aleke nàɖe nya “ameŋububu” gɔmee? Tsɔ ema sɔ kple ŋɔŋlɔ siwo ƒo nu tso Yehowa ŋu be enye ameŋubula kpɔ. Biblia ɖee fia be Yehowa ƒe ameŋububu lɔ ɖetsɔtsɔ le eme lɔlɔ̃tɔe na esubɔlawo dometɔ siwo dzi nu mede o ɖe eme. (Mose II, 22:26, 27) Le dukɔ ɖesiaɖe me la, amedzrowo kple ame bubu aɖewo ate ŋu akpɔe be yewoxaxa. Esi Yehowa nɔ nu fiam eƒe amewo be woagakpɔ ame ŋkume o eye be woakpɔ nublanui na amesiwo dzi nu mede o la, eɖo ŋku edzi na wo be woawo hã wonye amedzrowo kpɔ—le Egipte. (Mose V, 24:17-22) Ke mí amesiwo nye Mawu ƒe amewo egbea ya ɖe? Míaƒe nuwɔwɔ ameŋububutɔe naa míewɔa ɖeka eye wòhea ame bubuwo vaa Yehowa ƒe tadedeagu mee.—Dɔwɔwɔwo 10:34, 35; Nyaɖeɖefia 7:9, 10.

18. Nukae míesrɔ̃ tso nusiwo Yehowa fia Israel-viwo be woatsri dukɔ bubu me tɔwo ƒe nuwɔnawo la me?

18 Gake mele be Israel-viwo natsi dzi ɖe ɖetsɔtsɔ le dukɔ bubu me tɔwo me dɔmenyotɔe ŋu wu lɔlɔ̃ na Yehowa kple eƒe agbenyuinɔnɔ dzidzenuwo o. Eyata wofia Israel-viwo be woaganɔ agbe abe dukɔ siwo ƒo xlã wo la ene o, eye woagatrɔ ɖe woƒe subɔsubɔkɔnyinyiwo kple agbegbegblẽnɔnɔ nuwɔnawo hã ŋu o. (Mose II, 34:11-16; Mose V, 7:1-4) Ele na mí be míawɔ ɖe gɔmeɖose mawo hã dzi egbea. Ele be míanye ame kɔkɔewo abe alesi mía Mawu, Yehowa, le kɔkɔe ene.—Petro I, 1:15, 16.

19. Aleke Yehowa ƒe nukpɔsusu le nugbegblẽwɔwɔ ŋu gɔmesese ate ŋu akpɔ eƒe amewo tae?

19 Be Yehowa nana Mose nase Eƒe mɔwo gɔme nyuie la, ena wòdze ƒã be togbɔ be yemeda asi ɖe nuvɔ̃ dzi o hã la, yemedoa dziku kabakaba o. Enana ɣeyiɣi amewo be woasrɔ̃ nu tso eƒe nudidiwo ŋu ahawɔ ɖe wo dzi. Yehowa tsɔa nuvɔ̃ kena ne woɖe dzimetɔtrɔ fia, gake megbea tohehe si dze nana amesiwo wɔ nuvɔ̃ gãwo o. Exlɔ̃ nu Mose be Israel-viwo ƒe nuwɔnawo ate ŋu aɖe vi na dzidzime siwo mekpɔ dzɔ haɖe o loo alo agblẽ nu le wo ŋu. Yehowa ƒe mɔwo gɔmesese ate ŋu akpɔ Eƒe amewo ta be womabu fɔe ɖe nɔnɔme siwo woa ŋutɔwo he va wo ɖokui dzi ta alo abui be Mawu le blewu o.

20. Nukae ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be míawɔ nusi sɔ ɖe mía haxɔsetɔwo kple amesiwo míedoa goe le míaƒe subɔsubɔdɔa me ŋu? (Psalmo 86:11)

20 Ne èdi be sidzedze si su ye si le Yehowa ƒe mɔwo ŋu nade to ɖe edzi la, ekema yi edzi nànɔ numekuku wɔm eye nàde ŋugble tso Biblia ƒe akpa si nàxlẽ ŋu. Dzro Yehowa ƒe nɔnɔme lédziname vovovoawo me beléletɔe. De ŋugble gbedodoɖatɔe le alesi nàsrɔ̃ Mawu kple alesi nàtrɔ wò agbenɔnɔ wòasɔ ɖe eƒe tameɖoɖo nu nyuie wu ŋu. Esia akpe ɖe ŋuwò be nàƒo asa na mɔtetrewo, nàwɔ nu ɖe haxɔsetɔwo ŋu wòasɔ, eye be nàkpe ɖe ame bubuwo ŋu be woava nya mía Mawu si wɔa nu dzɔtsuwo la eye woalɔ̃e.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 16 Yehowa Ðasefowoe ta wo katã.

Nukae Nèsrɔ̃?

• Nukatae ɖokuibɔbɔ nye nusi le vevie na Mose, eye nukatae wòle vevie na míawo hã?

• Viɖe kae do tso Yehowa ƒe nya tsɔtsɔ yi na Farao edziedzi me?

• Gɔmeɖose ɖedzesi siwo Mose srɔ̃ si ŋu viɖe le na míawo hã dometɔ aɖewo ɖe?

• Aleke míawɔ ana Yehowa ƒe nɔnɔmewo gɔmesese nade to ɖe edzi?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 21]

Mose wɔ nuteƒe le Yehowa ƒe nya tsɔtsɔ yi na Farao me

[Nɔnɔmetata si le axa 23]

Yehowa ɖe eƒe nudidiwo fia Mose

[Nɔnɔmetata si le axa 24, 25]

De ŋugble le Yehowa ƒe nɔnɔmewo ŋu