Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nya Vevi Siwo Tso Samuel ƒe Agbalẽ Evelia Me

Nya Vevi Siwo Tso Samuel ƒe Agbalẽ Evelia Me

Yehowa ƒe Nya la Le Agbe

Nya Vevi Siwo Tso Samuel ƒe Agbalẽ Evelia Me

ÐE LƆLƆ̃ ɖe Yehowa ƒe dziɖulanyenye dzi bia be míaɖo toe bliboea? Ðe nuteƒewɔla wɔa nu nyui ɣesiaɣi le Mawu ŋkumea? Ameka ƒomeviwoe ‘dzea’ nyateƒe Mawu la ‘ŋu’? (Samuel I, 13:14) Biblia-gbalẽ si nye Samuel ƒe agbalẽ Evelia ɖo nya siawo ŋu wòde dzi gbɔ.

Nyagblɔɖila eve, Gad kple Natan siwo nɔ blema Israel-fia, Dawid, ŋu kplikplikpli woe ŋlɔ Samuel ƒe agbalẽ Evelia. * Wowu eŋɔŋlɔ nu le ƒe 1040 D.M.Ŋ. me lɔƒo, si nye Dawid ƒe ƒe 40 dziɖuɖua ƒe nuwuwu lɔƒo, eye Dawid ŋu nyawo kple woa kpli Yehowa dome ƒomedodo ŋu nyawo koŋue le eme. Ŋutinya wɔdɔɖeamedzi sia nye alesi dukɔ aɖe si ŋu aʋawɔwɔ gblẽ nu le la va zu fiaɖuƒe kpɔdzidzedze wɔɖeka aɖe le fia kalẽtɔ aɖe tee. Ŋutinya lédziname sia yɔ fũ kple amegbetɔ ƒe seselelãme detowo ɖeɖe fia.

DAWID ‘KPƆ ŊUSẼ ÐE EDZI’

(Samuel II, 1:1–10:19)

Alesi Dawid wɔ nui esi wòse Saul kple Yonatan ƒe kua ɖe alesi wòsena le eɖokui me ɖe woamawo ŋu kpakple ɖe Yehowa ŋu fia. Woɖo Dawid fia le Xebron ɖe Yuda toa dzi. Woɖo Saul viŋutsu Is-Boset fia ɖe Israel ƒe to kpɔtɔeawo dzi. Dawid nɔ “ŋusẽ kpɔm ɖe edzi,” eye le ƒe adre kple afã lɔƒo megbe la, woɖoe fiae ɖe Israel blibo la dzi.—Samuel II, 5:10.

Dawid xɔ Yerusalem le Yebusitɔwo si eye wòwɔe eƒe fiaɖuƒea ƒe fiadu. Afɔku dzɔ le eƒe agbagbadzedze gbãtɔ be yeatsɔ nubablaɖaka ava Yerusalem me. Ke hã Dawid kpɔ dzidzedze le eƒe agbagbadzedze evelia me, eye wòɖu ɣe dzidzɔtɔe. Yehowa bla nu kple Dawid be yeatsɔ fiaɖuƒe anɛ. Dawid ɖu eƒe futɔwo dzi esi Mawu yi edzi nɔ kplii.

Ŋɔŋlɔawo me Biabiawo Ŋuɖoɖo:

2:18—Nukatae wònye viwo dada, Zeruya ŋkɔe woyɔ tɔ ɖe via etɔ̃awo, Yoab kple nɔviaŋutsu eveawo ŋu ɖo? Zi geɖe le Hebri-ŋɔŋlɔawo me la, viwo tɔ gomee woxlẽa dzidzimewo le. Anye be Zeruya srɔ̃ ku kaba, alo wobui be medze woayɔ eƒe ŋkɔ le Ŋɔŋlɔ Kɔkɔea me o tae. Wote ŋu yɔ wo tɔ ɖe Zeruya ŋu le esi wònye Dawid nɔvinyɔnu kpamkpam alo dadaa ƒe vi ta. (Kronika I, 2:15, 16) Afisi woƒo nu tso nɔvi etɔ̃ siawo fofo ŋu le koe nye eɖiƒe le Betlexem.—Samuel II, 2:32.

3:29—Nukae nyagbɔgblɔ “ŋutsu ɖetitrela,”NW alo “amesi tɔna ɖe ati ŋu” fia? Nyɔnuwo koŋue lɔ̃a avɔ. Eyata nya sia ate ŋu afia ŋutsu siwo medze na dɔwɔnawo abe aʋawɔwɔ ene o si tae dɔ siwo nyɔnuwo wɔna zi geɖe koe wòle be woawɔ.

5:1, 2—Ɣeyiɣi didi kae tso Is-Boset wuwu kple Dawid ɖoɖo fia ɖe Israel katã dzi me? Edze abe esɔ be míaƒo nya ta be Is-Boset dze eƒe dziɖuɖu si xɔ ƒe eve la gɔme le Saul ƒe ku megbe kpuie ene, si nye ɣeyiɣi si hã me Dawid dze dziɖuɖu gɔme le Xebron. Dawid ɖu fia ɖe Yuda dzi tso Xebron ƒe adre kple afã. Esi woɖoe fia ɖe Israel katã dzi megbe kpuie la, eɖe eƒe fiadua yi Yerusalem. Eyata ƒe atɔ̃ lɔƒo va yi tso Is-Boset ƒe kua megbe hafi Dawid va zu fia ɖe Israel katã dzi.—Samuel II, 2:3, 4, 8-11; 5:4, 5.

8:2—Moabitɔ nenie wowu le woa kple Israel-viwo ƒe aʋa la wɔwɔ megbe? Anye be ɖee wokpɔ xexlẽmea to wo dzidzedzidze me ke menye to wo xexlẽ me o. Edze abe Dawid na Moabitɔawo mlɔ anyigba ɖe wo nɔewo xa le fli me ene. Emegbe ena wotsɔ ka dzidze flia. Anɔ eme be dzidzekaa ƒe teƒe eve, si nye Moabitɔwo mama ɖe etɔ̃ ƒe akpa eve, ye wowu eye wona ka ɖeka si nye woƒe akpa etɔ̃lia tsi agbe.

Nusɔsrɔ̃ Siwo Le Eme na Mí:

2:1; 5:19, 23. Dawid bia gbe Yehowa hafi va nɔ Xebron eye nenema ke wòbia gbee hafi ho ɖe eƒe futɔwo ŋu. Ele na míawo hã be míadi Yehowa ƒe mɔfiafia hafi awɔ nyametsotso siwo lɔ míaƒe gbɔgbɔmemenyenye ɖe eme.

3:26-30. Hlɔ̃biabia na ame ɖokui nana woŋea emetsonu vɔ̃wo.—Romatɔwo 12:17-19.

3:31-34; 4:9-12. Vɔ̃ maɖomaɖo vɔ̃ teƒe kpakple nya malémalé ɖe dɔme ƒe nɔnɔme si Dawid ɖe fia nye kpɔɖeŋu nyui na mí.

5:12. Mígaŋlɔ be gbeɖe be Yehowa fia eƒe mɔwo mí eye wòwɔe be míate ŋu anɔ ƒomedodo nyui me kplii o.

6:1-7. Togbɔ be taɖodzinu nyuie nɔ Dawid si hã la, eƒe agbagbadzedze be yeakɔ Aɖaka la ɖe tasiaɖam dzi nye dada le Mawu ƒe sedede dzi si na mekpɔ dzidzedze o. (Mose II, 25:13, 14; Mose IV, 4:15, 19; 7:7-9) Usa ƒe Aɖaka lélenyaa fia mí hã be taɖodzinu nyuiwo metrɔa Mawu ƒe nudidiwo o.

6:8, 9. Gbã la, Dawid do dɔmedzoe le nudzɔdzɔ ɖefuname sia me, emegbe vɔvɔ̃ ɖoe—ɖewohĩ ebu fɔ Yehowa gɔ̃ hã ɖe afɔkua ta. Ele be míakpɔ nyuie be míagabu fɔ Yehowa ɖe kuxi siwo dzɔna ɖe mía dzi le esi míegbe eƒe sewo dzi wɔwɔ ta o.

7:18, 22, 23, 26. Dawid ƒe ɖokuibɔbɔ, Yehowa ɖeɖe dzaa ko subɔsubɔ, kple eƒe ɖetsɔtsɔ le Mawu ƒe ŋkɔ dodoɖedzi me nye nɔnɔme nyui siwo wòle be míasrɔ̃.

8:2. Nyagblɔɖi aɖe si wogblɔ ɖi anɔ ƒe 400 do ŋgɔ va eme. (Mose IV, 24:17) Yehowa ƒe nyawo vaa eme godoo.

9:1, 6, 7. Dawid wɔ ɖe eƒe ŋugbedodo dzi. Ele be míawo hã míadze agbagba awɔ ɖe míaƒe nyawo dzi.

YEHOWA HE DZƆGBEVƆ̃E VA EƑE AMESIAMINA DZI

(Samuel II, 11:1–20:26)

Yehowa gblɔ na Dawid be: “Kpɔ ɖa, mana dzɔgbevɔ̃e natso aƒewò me ava dziwò, eye maxɔ srɔ̃wòwo le ŋkuwò me atsɔ na xɔ̃wòvi, eye wòadɔ srɔ̃wòwo gbɔ le ŋdɔkutsu dzatsɛ.” (Samuel II, 12:11) Susu ka tae wogblɔ nya siawo ɖo? Nuvɔ̃ si Dawid wɔ kple Bat-Seba tae. Togbɔ be wotsɔ nuvɔ̃ ke Dawid si trɔ dzi me hã la, mate ŋu aƒo asa na nuvɔ̃a me tsonuwo o.

Gbã ɖevi si Bat-Seba dzi la ku. Emegbe Dawid vi Amnon dɔ tɔvia Tamar si nye ɖetugbi nɔaƒe la gbɔ sesẽe. Tamar nɔvi Absalom bia hlɔ̃ hewu Amnon. Absalom ɖo nugbe ɖe ye ŋutɔ fofoa ŋu eye wòɖe gbeƒã eɖokui be yezu fia le Xebron. Wozi Dawid dzi wòsi le Yerusalem. Absalom dɔ fofoa ƒe ahiãvi ewo siwo wògblẽ ɖe megbe be woakpɔ aƒea dzi la gbɔ. Esi wowu Absalom megbe ko hafi Dawid te ŋu trɔ yi eƒe fiaɖuƒea me. Wowu Benyamintɔ Seba le eƒe aglãdzedze me.

Ŋɔŋlɔawo me Biabiawo Ŋuɖoɖo:

14:7—Nukae “nye dzoka” la tsi tre ɖi na? Wotsɔ dzoka si le xɔxɔm vivivi la wɔa dzidzimevi si le agbe la ƒe kpɔɖeŋui.

19:30—Nukatae Dawid ɖo Mefiboset ƒe numeɖeɖe ŋu nɛ nenema ɖo? Le toɖoɖo Mefiboset vɔ megbe la, Dawid anya de dzesii be yewɔ vodada esi yexɔ Ziba ƒe nyawo dzi se eŋumabumabu nyuie. (Samuel II, 16:1-4; 19:25-29) Anɔ eme be esia ku dzi na Dawid eye megadi be yease nya ma ƒe ɖeke o.

Nusɔsrɔ̃ Siwo Le Eme na Mí:

11:2-15. Dawid ƒe vodada si woŋlɔ ɖi anukwaretɔe ɖo kpe edzi be Biblia nye Mawu ƒe Nya si tso gbɔgbɔ me.

11:16-27. Ne míewɔ nuvɔ̃ gã aɖe la, mele be míadze agbagba be míatsyɔ nu edzi abe alesi Dawid wɔe ene o. Ke boŋ ele be míaʋu míaƒe nuvɔ̃ me na Yehowa eye míadi kpekpeɖeŋu tso hamemegãwo gbɔ le hamea me.—Lododowo 28:13; Yakobo 5:13-16.

12:1-14. Natan ɖo kpɔɖeŋu nyui aɖe na hamemegã siwo woɖo le hamea me. Woƒe dɔe nye be woakpe ɖe amesiwo dze nuvɔ̃ me ŋu ne woaɖɔ woƒe mɔ ɖo. Ele be hamemegãwo natsɔ aɖaŋudzedze awɔ dɔ siae.

12:15-23. Nusi dzɔ ɖe Dawid dzi ŋuti nukpɔsusu nyui si nɔ esi kpe ɖe eŋu be wòwɔ nusi dze le xaxa me.

15:12; 16:15, 21, 23. Esi wòdze abe Absalom axɔ fiazia ene la, dada kple nɔƒegãdidi na aɖaŋudela nyui Axitofel va zu yomemɔfiala. Nunya ƒe amesinɔnɔ si ŋu ɖokuibɔbɔ kple nuteƒewɔwɔ mekpe ɖo o ate ŋu azu mɔ̃ aɖe ame.

19:25, 31. Mefiboset kpɔ ŋudzedze ɖe Dawid ƒe amenuveve ŋu vavã. Elɔ̃ ɖe fia ƒe nyametsotso si wòwɔ ku ɖe Ziba ŋu dzi ɖokuibɔbɔtɔe. Ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe Yehowa kple eƒe habɔbɔ ŋu naʋã mí be míabɔbɔ mía ɖokui.

20:21, 22. Ame ɖeka ƒe aɖaŋudzedze ate ŋu aɖe ame geɖe tso afɔku me.—Nyagblɔla 9:14, 15.

NA MÍADZE “YEHOWA SI ME”

(Samuel II, 21:1–24:25)

Dɔ to ƒe etɔ̃ sɔŋ le Saul ƒe ʋufɔ si wòɖi esi wòwu Gibeontɔwo ta. (Yosua 9:15) Le hlɔ̃biabia nu la, Gibeontɔwo bia be woatsɔ Saul ƒe vi adre ana yewo yewoawu. Dawid tsɔ wo de asi na Gibeontɔwo, eye tsi gã aɖe dza eye kuɖiɖia nu tso. Filistitɔwo ƒe ame dzɔtsu ene ‘tsi Dawid kple eƒe dɔlawo si me.’—Samuel II, 21:22.

Dawid wɔ nuvɔ̃ gã aɖe esi wòde se be woaxlẽ dukɔa, si medze be wòawɔ o. Etrɔ dzime eye wòtia be yeadze “Yehowa si me.” (Samuel II, 24:14) Esia na dɔvɔ̃ wu ame 70,000. Dawid wɔ ɖe Yehowa ƒe sedede dzi eye dɔvɔ̃a nu tso.

Ŋɔŋlɔawo me Biabiawo Ŋuɖoɖo:

21:8, NW—Nukatae wogblɔ be viŋutsu atɔ̃ le Saul vinyɔnu Mixal si evɔ Samuel II, 6:23 gblɔ be etsi ko vaseɖe eƒe kugbe? Numeɖeɖe si dzi woda asi ɖo koŋue nye be viŋutsu siawo nye Mixal nɔvinyɔnu Merab, amesi srɔ̃ nye Adriel la ƒe viwo. Anɔ eme be Merab ku kaba, eye Mixal si nye konɔ la xɔ ŋutsuviawo nyi.

21:9, 10—Ɣeyiɣi didi kae Rizpa dzɔ viaŋutsu evea kple Saul tɔgbuiyɔvi atɔ̃ siwo Gibeontɔwo wu la ŋu? Wohe ame adreawo ɖe ati ŋu “le nuŋeɣi ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi”—March alo April. Wogblẽ woƒe ŋutilã kukuawo ɖe yame le to aɖe dzi. Rizpa dzɔ ame kuku adreawo ŋu zã kple keli ʋuu vaseɖe esime Yehowa ɖee fia be yeƒe dziku nu fa esi wòna kuɖiɖia nu tso. Anɔ eme be tsi gã aɖeke medza o vaseɖe esime nuŋeɣia wu enu le October me. Eyata anɔ eme be Rizpa dzɔ ame kukuawo ŋu ɣleti atɔ̃ alo ade sɔŋ. Emegbe, Dawid na wolɔ woƒe ƒuwo va ɖi.

24:1—Nukatae amexexlẽ zu nuvɔ̃ gã aɖe Dawid wɔ? Womede se ɖe amexexlẽ dzro ŋu le Sea me o. (Mose IV, 1:1-3; 26:1-4) Biblia megblɔ susu si ta Dawid yi ɖaxlẽ ameawo ɖo o. Ke hã Kronika I, 21:1 na míese egɔme be Satanae blee. Gakpe ɖe eŋu la, Dawid ƒe aʋafia Yoab nya be Dawid ƒe ɖoɖo be yeaxlẽ ameawo mesɔ o, eye wòdze agbagba be yeagbe nɛ.

Nusɔsrɔ̃ Siwo Le Eme na Mí:

22:2-51. Dawid ƒe hadzidziwo ɖee fia wònya se ŋutɔ be Yehowae nye Mawu vavã si ŋu wòdze be míaɖo ŋu ɖo bliboe!

23:15-17. Dawid dea bubu deto Mawu ƒe se si ku ɖe agbe kple ʋu ŋu ŋuti ale gbegbe be le ɣeyiɣi sia me la, egbe nusi dze abe sea dzi dada ene gɔ̃ hã wɔwɔ. Ele be míatu nɔnɔme sia ɖo ɖe Mawu ƒe sededewo katã dziwɔwɔ ŋu.

24:10. Dawid ƒe dzi ʋãe wòtrɔ dzime. Ðe míaƒe dzitsinya le agbe be wònana míete ŋu wɔa nu alea?

24:14. Dawid ka ɖe edzi be Yehowa kpɔa nublanui na ame wu amegbetɔwo. Ðe kakaɖedzi ma le mía sia?

24:17. Dawid xa nu be yeƒe nuvɔ̃ he fukpekpe va dukɔ blibloa dzi. Ele be nuvɔ̃wɔla si trɔ dzime naxa nu vevie ɖe vlodoame si eƒe nuwɔna he va hamea dzi ta.

Míate Ŋu Anye ‘Amesi Dze Mawu Ŋu’

Israel fia evelia nye ‘amesi dze Yehowa ŋu’ vavã. (Samuel I, 13:14) Dawid metɔ gbe Yehowa ƒe dzidzenu dzɔdzɔeawo kpɔ gbeɖe o, eye mete kpɔ be yealé ye ŋutɔ yeƒe mɔ atsɔ Mawu manɔmee o. Ɣesiaɣi si Dawid wɔ nuvɔ̃ la, elɔ̃na ɖe eƒe vodada dzi, exɔa amehehe, heɖɔa eƒe mɔwo ɖo. Dawid nye nuteƒewɔla. Ðe nunya mele eme be míanɔ abe eyama ene, vevietɔ ne míeda vo oa?

Dawid ƒe agbemeŋutinya ɖee fia eme kɔ be lɔlɔ̃ ɖe Yehowa ƒe dziɖulanyenye dzi bia be míalɔ̃ ɖe Eƒe dzidzenu siwo ku ɖe nyui kple vɔ̃ ŋuti la dzi ahadze agbagba be míawɔ ɖe wo dzi abe nuteƒewɔlawo ene. Enye nusi míate ŋu awɔ. Aleke gbegbe míekpɔ ŋudzedze ɖe nusiwo míesrɔ̃ tso Samuel ƒe agbalẽ Evelia me ŋue nye si! Emenya siwo tso gbɔgbɔ me la le agbe eye wòsẽa ŋu vavã.—Hebritɔwo 4:12.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 2 Togbɔ be Samuel mekpɔ gome le eŋɔŋlɔ me o hã la, wotsɔ eƒe ŋkɔ na agbalẽ la elabena tsã la, Samuel ƒe agbalẽ eveawo nye agbalẽ xatsaxatsa ɖeka le Hebri-ŋɔŋlɔawo dome. Samuel ye ŋlɔ Samuel ƒe agbalẽ Gbãtɔ ƒe akpa gãtɔ.

[Nɔnɔmetata si le axa 16]

Ŋkuɖoɖo amesi ɖoe fiae heli kee dzi kpe ɖe Dawid ŋu wòbɔbɔ eɖokui

[Nɔnɔmetata si le axa 18]

“Kpɔ ɖa, mana dzɔgbevɔ̃e natso aƒewò me ava dziwò”

Bat-Seba

Tamar

Amnon