Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nukatae womewu Dawid kple Bat-Seba le ahasi si wowɔ la ta o, evɔ woƒe vidzĩa ya ku?

Mose ƒe Sea gblɔ be: “Ne wolé ŋutsu, si de asi nyɔnu srɔ̃tɔ aɖe ŋu la, ekema woawu ŋutsu, si de asi nyɔnua ŋu kpakple nyɔnu la siaa. Ale naɖe vɔ̃ la ɖa le Israel!” (Mose V, 22:22) Nenye ɖe Yehowa Mawu ɖe asi le Dawid kple Bat-Seba ƒe ʋɔnudrɔ̃nya sia ŋu na ʋɔnudrɔ̃la siwo nye amegbetɔwo be wòazã Mose ƒe Sea atsɔ akpɔ egbɔe la anye ne wowu atsu kple asi ahasitɔ siawo. Esi wònye be ʋɔnudrɔ̃la siwo nye amegbetɔwo mate ŋu anya nusi le amewo ƒe dzi me o ta la, ele na wo be woanɔ te ɖe nuvɔ̃wɔlawo ƒe nuwɔnawo kple nyateƒe siwo dze go ƒã dzi hafi atso nya me. Ahasiwɔwɔ ƒe tohehe enye ku. Sea meɖe mɔ na Israel ƒe ʋɔnudrɔ̃lawo be wòatsɔ nuvɔ̃ sia tɔgbe ake o.

Gake, Mawu vavã la ate ŋu anya nusi le amewo ƒe dzi me eye wòatsɔe ake nenye be ekpɔ nusi dzi wòanɔ te ɖo aɖe afɔ sia. Esi wònye be Yehowa bla Fiaɖuƒea ƒe nu kple Dawid amesi dzi nya sia dzɔ ɖo ta la, Etiae be ye ŋutɔ yeakpɔ nya la gbɔ etɔxɛe be womagazã se sia le nya sia ya me o. (Samuel II, 7: 12-16) ‘Xexeame katã ƒe Ʋɔnudrɔ̃la la’ kpɔ mɔ awɔ tiatia sia tɔgbe.—Mose I, 18:25.

Nukae Yehowa de dzesii esi wòdzro Dawid ƒe dzi me kpɔ? Psalmo 51 lia ƒe ŋgɔdonya ƒo nu le alesi ta sia ɖe Dawid ƒe seselelãme fiae ŋu, “esime wòde Bat-Seba gbɔ [vɔ megbe], eye nyagblɔɖila Natan va egbɔ.” Psalmo 51:3-6 gblɔ be: “Mawu, ve nunye le wò dɔmenyo la nu, eye le wò nublanuikpɔkpɔ sɔgbɔ la nu tutu nye dzidadawo ɖa. Le tsi nam keŋkeŋ tso nye vodada me, eye naklɔ ŋunye tso nye nuvɔ̃ me! Elabena nye dzidadawo la, medze si wo, eye nye nuvɔ̃ le ŋkunye me ɖaa. Wò ɖeka ɖeɖe ko ŋuti mewɔ nuvɔ̃ ɖo, eye nusi nye vɔ̃ le ŋkuwò me la, mewɔ.” Yehowa anya kpɔe dzesi le Dawid ƒe dzi me be ese veve ɖe eƒe nuvɔ̃ ta vevie eye wòatso nya me be enye dzimetɔtrɔ vavãtɔ ƒe dzesi si dzi yeanɔ te ɖo akpɔ nublanui na nuvɔ̃wɔla siawo. Gakpe ɖe eŋu la, Dawid ŋutɔ hã nye nublanuikpɔla, eye Yehowa kpɔa nublanui na nublanuikpɔlawo. (Samuel I, 24: 4-7; Mateo 5:7; Yakobo 2:13) Le esia ta, esi Dawid lɔ̃ ɖe eƒe vodada dzi ko la, Natan gblɔ nɛ be: “Yehowa hã ɖe wò nuvɔ̃ la ɖa; mèle kuku ge o.”—Samuel II, 12:13.

Dawid kple Bat-Seba medo le nuvɔ̃ si wowɔ la metsonuwo katã me o. Natan gblɔ na Dawid be “Ke esi nèwɔ nusia, eye nèna Yehowa ƒe futɔwo kpɔ fewuɖunu la, eyata ŋutsuvi, si wodzi na wò la, aku.” Togbɔ be Dawid fa konyi vevie hetsi nu dɔ ŋkeke adre sɔŋ hã la, wo via dze dɔ eye wòku.—Samuel II, 12:14-18.

Nusitae ɖevia boŋ ku, evɔ Mose V, 24:16 (NW) gblɔ be: “Mele be woawu viwo ɖe fofowo ƒe vodada ta o” la gɔmesese sesẽna na ame aɖewo. Gake ele be wòanɔ susume na mí hã be nenye amegbetɔe drɔ̃ ʋɔnu sia la, anye ne vinɔdɔme si womedzi haɖe o la kple edzilawo siaa ye abu woƒe agbe. Ðevia ƒe kua hã ate ŋu akpe ɖe Dawid ŋu wòakpɔ alesi gbegbe Yehowa lé fu nuvɔ̃ si woa kple Bat-Seba wowɔ la adze sii. Ele be kakaɖedzi nanɔ mía si be Yehowa kpɔ nya la gbɔ alesi dze, elabena “eƒe mɔ de blibo.”—Samuel II, 22:31.

[Nɔnɔmetata si le axa 31]

David ɖe dzimetɔtrɔ vavãtɔ fia