Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Susuŋudɔwɔwɔ Nyuie Nukata Mebɔ O?

Susuŋudɔwɔwɔ Nyuie Nukata Mebɔ O?

Susuŋudɔwɔwɔ Nyuie Nukata Mebɔ O?

“NUKAE nye eƒe kuxia? Ele be wòanya be mele be yeawɔ nu ma o ɖe,” nenemae nuteƒekpɔla aɖe gblɔ. Ame bubu ʋuʋu ta heɖe zɔ le nu ƒom le amea ŋu be, “Nenye ɖe wòwɔ susu ŋudɔ vi aɖe ko la, mawɔ nu ma gbeɖe o.” Ðe nèse nyagbɔgblɔ siawo tɔgbe kpɔa? Nuka koŋue nye “susuŋudɔwɔwɔ nyuie”?

Woɖe nya “susuŋudɔwɔwɔ” gɔme be enye “nusi sɔ wɔwɔ,” “nusi ŋu gɔmesese le wɔwɔ” kple “nuwɔwɔ le nunya me alo nyadadakpɔ nyuie.” Efiana be ŋutete le ame si be wòatso nya me le nunya me. Edze ƒã be susuŋudɔwɔwɔ nyuie bia be míazã tamebubu ŋutete. Le esia teƒe la, ame geɖe ɖea mɔ ame bubuwo wɔa woƒe nyametsotsowo na wo. Woɖea mɔ nyatakakamɔnuwo, hahoo nukpɔsusuwo, alo wo hatiwo tsoa nya me na wo.

Edze abe susuŋudɔwɔwɔ nyuie yi to le egbexexea me ale gbegbe be ame aɖe si léa ŋku ɖe nu ŋu gblɔ ɣeaɖeɣi be: ‘Le nyateƒe me la, susuŋudɔwɔwɔ nyuie mebɔ kura o.’ Aleke míawɔ ate ŋu awɔ susu ŋudɔ nyuie? Viɖe kawoe dona tsoa susuŋudɔwɔwɔ nyuie me?

Aleke Míawɔ Awɔ Susu Ŋudɔ Nyuie?

Togbɔ be susuŋudɔwɔwɔ ƒe ŋutete tutuɖo xɔa ɣeyiɣi hã la, to nu ŋu bubu tsitotsito, kple veviedodo nu be woatu susu nyui, kple nyametsotso nyui wɔwɔ ƒe ŋutete ɖo me míate ŋu atui ɖo. Na míabu nu etɔ̃ siwo ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míatu susuŋudɔwɔwɔ ƒe ŋutete ɖo ŋu kpɔ.

Srɔ̃ Biblia, eye nàwɔ ɖe eƒe aɖaŋuɖoɖowo dzi. Woŋlɔ Biblia kple nyagbe nyuitɔwo, eye susu le wo me, eyata enye kpekpeɖeŋunu nyuitɔ na ame be wòadze nunya eye wòawɔ susu ŋudɔ nyuie. (Efesotɔwo 1:8) Le kpɔɖeŋu me, apostolo Paulo xlɔ̃ nu ehati Kristotɔwo be: “Nusiwo nye nyateƒe, nusiwo dzea bubu, nusiwo le dzɔdzɔe, nusiwo le dzadzɛ, nusiwo dze na lɔlɔ̃, nusiwo dze na gbɔgblɔ, ne nudzeamewɔwɔ aɖe li, eye ne kafukafu aɖe li la, misusu nusiawo ŋuti!” (Filipitɔwo 4:8) Ne míeyi edzi wɔna ɖe aɖaŋuɖoɖo sia dzi la, míawɔ nyametsotso nyuitɔwo eye míadze aɖaŋu le míaƒe nuwɔnawo me.

Srɔ̃ nu tso nuteƒekpɔkpɔwo me. Esi Switzerlandtɔ hakpanyaŋlɔla aɖe tsɔ susuŋudɔwɔwɔ nyuie sɔ kple agbemenuteƒekpɔkpɔ la, egblɔ be: “Susuŋudɔwɔwɔ nyuie . . . lɔ agbemenuteƒekpɔkpɔ kple nuŋububu do ŋgɔ ɖe eme.” Nyateƒee, “ame bebewu xɔa nya sia nya dzi sena; ke nunyala léa ŋku ɖe eƒe afɔɖeɖe ŋu.” (Lododowo 14:15) Woate ŋu atu susuŋudɔwɔwɔ nyuie ƒe ŋutete ɖo to ŋkuléle ɖe nu ŋu, hehexɔxɔ, kple nuteƒekpɔkpɔ me. Míate ŋu abi ɖe nuwo wɔwɔ nyuie wu me ne míeyi edzi le nu mawo wɔm hena ɣeyiɣi aɖe. Gake, nusɔsrɔ̃ tso míaƒe vodadawo me bia ɖokuibɔbɔ kple tufafa. Adegbe ƒuƒlu ƒoƒo, dada, kple tosesẽ ƒe gbɔgbɔ si le amewo me le ŋkeke mamlɛ siawo me la menye susuŋudɔwɔwɔ nyuie o.—Timoteo II, 3:1-5.

Tia wò zɔhɛwo le nunya me. Zɔhɛ siwo míetia ate ŋu akpe ɖe mía ŋu alo ahe mi ɖe megbe le nunya kple susuŋudɔwɔwɔ tutuɖo me. Lododowo 13:20 gblɔ be: “Ne èzɔ kple nunyalawo la, àdze nunya; ke ne ède ha kple bometsilawo la, àzu ame gbegblẽ.” Medze be míaxɔ amesiwo meɖoa to Mawu o eye woŋea aɖaba ƒua eƒe Nya dzi la ƒe nukpɔsusuwo alo susuwo o. Lododowo 17:12 gblɔe le mɔ sia nu be: “Gododo sisiblisinɔ, si ŋu woɖe viwo le la, nyo wu gododo bometsila le eƒe bometsitsi me.”

Viɖe kae Le Susuŋudɔwɔwɔ Nyuie Me?

Susuŋudɔwɔwɔ tutuɖo ɖea vi geɖe. Enana agbea ganyona ɖe edzi wu eye ate ŋu ana be míagagblẽ míaƒe ɣeyiɣi o. Dziɖeleameƒo si tsoa míaƒe nuwo wɔwɔ tame mabumabutɔe me dzi ate ŋu aɖe akpɔtɔ to susuŋudɔwɔwɔ nyuie me. Amesiwo mete ŋu wɔa nyametsotso nyui o la nana be agbea gasesẽna ɖe edzi na wo ɖokui. Biblia gblɔ be: ‘Bometsilawo ƒe agbagbadzedze nana ɖeɖi tea wo ŋu.’ (Nyagblɔla 10:15) Amesiawo dzea agbagba atraɖii eye nu tia kɔ na wo; ke hã, woƒe agbagbadzedzea meɖea vi gobi aɖeke o.

Biblia ɖo aɖaŋu nyui gbogbo aɖewo siwo lɔ dzadzɛnyenye, dzeɖoɖo, dɔsesẽwɔwɔ, akɔkpekpe kple ahedada, kple agbenɔnɔ ƒe akpa bubu geɖe ɖe eme. Ame miliɔn geɖe ate ŋu aɖo kpe edzi be, ne yewoakpɔ dzidzedze la enɔ te ɖe alesi gbegbe yewotsɔ Biblia ƒe gɔmeɖosewo wɔ dɔe la dzi alo ne yewodo kpo nu la enɔ te ɖe alesi yewometsɔe wɔ dɔe o la dzi, eye esia kpe ɖe yewo ŋu yewowɔ nu le nunya me.

Susuŋudɔwɔwɔ kpena ɖe mía ŋu míewɔa nu geɖe wu be míazɔ ɖe mɔfiame alo se ƒe ɖoɖo aɖewo ko dzi. Ekpena ɖe mía ŋu míekpɔa míaƒe agbanɔamedziwo gbɔ nyuie. Gake susuŋudɔwɔwɔ meva xɔna ɖe alesi míaxɔ sidzedze de emee la teƒe o. Lododowo 1:5 gblɔ be: “Nunyala nasee, eye wòadzi eƒe nunya ɖe dzi.” Ele be míasrɔ̃ alesi míada nyatakaka siwo míexɔna la akpɔ, be míaɖo nyataƒoƒo nyuitɔ gbɔ. Esia kpena ɖe mía ŋu be ‘míazɔ le nunya me.’—Lododowo 28:26.

Kadodo kplikplikpli le ŋuɖɔɖɔɖo kple susuŋudɔwɔwɔ dome. Togbɔ be ɖewohĩ míadi be míaxɔ agbanɔamedzi geɖe hã la, ahiã be míabu nuwo ŋu nyuie eye míawɔ nu ase ɖe afisi míaƒe ŋusẽ aɖe mɔ ɖo. Nyateƒee, apostolo Paulo gblɔ na mí be ‘míagba go le Aƒetɔ la ƒe dɔwɔwɔ me.’ (Korintotɔwo I, 15:58) Ke hã, ele be nuxlɔ̃ame sia nada asɔ kple gɔmeɖose si woŋlɔ ɖe Nyagblɔla 9:4 be: “Avũ gbagbe nyo wu dzata kuku.” Ŋkuléle ɖe míaƒe lãmesẽ ŋu nyuie esime míele Yehowa subɔm la awɔe be míanɔ agbe wòadidi awu eye míakpɔtɔ anɔ dɔ dzi ɖaa. Susuŋudɔwɔwɔ ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be míakpɔ alesi míawɔ ada sɔ nyuie ale be míawɔ nusiwo le vevie esime míabu míaƒe dzidzɔkpɔkpɔ o. Ẽ, susuŋudɔwɔwɔ nyuie hea viɖe geɖe vɛ.

[Nɔnɔmetata si le axa 14]

Aɖaŋuɖoɖo vavãwo sɔ gbɔ ɖe Biblia me

[Nɔnɔmetata si le axa 15]

Susuŋudɔwɔwɔ nyuie ƒe ŋutete ate ŋu asu ame si to ŋkuléle ɖe nu ŋu, hehexɔxɔ, kple nuteƒekpɔkpɔ me