Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Xexe si me Ahedada Manɔ O Tu Aƒe

Xexe si me Ahedada Manɔ O Tu Aƒe

Xexe si me Ahedada Manɔ O Tu Aƒe

PARADISO ƒe nɔnɔmetatawo, abe esi le magazine sia ƒe akpa dzi ene la, wɔa dɔ ɖe amesiwo ahedada le fu ɖem na dzi. Atsu kple asi gbãtɔ, Adam kple Xawa, nɔ paradiso ŋutɔŋutɔ me. Eden-bɔa ye nye woƒe aƒe. (Mose I, 2:7-23) Togbɔ be Paradiso ma bu hã la, menye drɔ̃e gbɔlo wònye be woaxɔ paradiso aɖe si gbɔna le etsɔme—le xexe yeye si me ahedada manɔ o me—dzi ase kura o. Wotui ɖe ŋugbedodo siwo le Biblia me dzi bliboe.

Bu ŋugbe si Yesu Kristo do le eƒe anyigbadzigbenɔnɔ ƒe ŋkeke mamlɛtɔ dzi ŋu kpɔ. Nuvɔ̃wɔla siwo ku kple Yesu la dometɔ ɖeka xɔe se be ŋutete le Mawu si be wòakpɔ ameƒomea ƒe kuxiwo gbɔ. Egblɔ be: “Yesu, ɖo ŋku dzinye, ne èva ɖo wò fiaɖuƒe la me.” Nya siawo fia be nuvɔ̃wɔla la xɔe se be Yesu ava ɖu dzi abe Fia ene eye woagbɔ agbe ame kukuwo. Yesu ɖo eŋuti nɛ be: “Vavã mele egblɔm na wò [egbea be, ànɔ, NW] Paradiso la me kplim.”—Luka 23:42, 43.

Esi Biblia le nu ƒom tso amesiwo anɔ agbe le Paradisoa me ŋu la, egblɔ be: “Woatu xɔ anɔ eme, eye woade weingble aɖu eme kutsetse.” (Yesaya 65:21) Ẽ, “wo dome amesiame abɔbɔ nɔ anyi ɖe eƒe weinka kple eƒe gboti te bɔkɔɔ; elabena Yehowa Zebaot ƒe nue gblɔe.”—Mixa 4:4.

Ekema, nukatae woɖe mɔ ahedada li egbea ɖo? Kpekpeɖeŋu kae Mawu naa ame dahewo? Ɣekaɣie ahedada maganɔ anyi o?

Nukata Woɖe Mɔ Ahedada Li Ðo?

Aglãdzedze si mawudɔla vɔ̃ɖi aɖe, si nye Satana Abosam he vɛ ye wɔe be Paradiso si me woda Adam kple Xawa ɖo la bu. Satana ƒo nu to da aɖe dzi ble Xawa wòda le Mawu ƒe se, si nye be womegaɖu ati aɖe ƒe kutsetse o, la dzi. Eflui wòxɔe se be ye ɖokui ɖeɖe ɖa tso Mawu gbɔ ahe agbenɔnɔ si nyo wu vɛ na ye. Esi Xawa tsɔ atikutsetse si nu wode se ɖo la na Adam la, eya hã xɔe ɖu, hegbe nu le Mawu gbɔ le esi wòdi be yeadze ye srɔ̃ ŋu ta.—Mose I, 3:1-6; Timoteo I, 2:14.

Wonyã srɔ̃tɔ aglãdzela eveawo ɖa le Paradisoa me wòsɔ, eye tso ɣemaɣi dzi ele na wo be woaʋli sesĩe be woalé agbea ɖe te. Yehowa ɖe mɔ Satana ɖu ameƒome wɔnuvɔ̃ la dzi vaseɖe egbea, ale be aglãdzedze ɖe Mawu ŋu metsonuwo nadze ƒã. Ameƒomea ƒe ŋutinya ɖo kpe edzi be amegbetɔwo mate ŋu ahe Paradiso va anyigba dzi o. (Yeremya 10:23) Ke boŋ, ɖee ame ɖokui ɖeɖe ɖa tso Mawu gbɔ he emetsonu gblẽku, siwo dome ahedada hã le la vɛ.—Nyagblɔla 8:9.

Gake womegblẽ hiãtɔwo ɖi wotsi ya me le xexe si me yɔ fũ kple dzɔgbevɔ̃e la me o. Mɔfiame nyuiwo le Mawu ƒe Nya, Biblia, si tso gbɔgbɔ me la me na wo.

‘Migatsi Dzimaɖi O’

Esime Yesu nɔ nu ƒom na ameha gã aɖe siwo dome ame dahe geɖe hã nɔ la, egblɔ be: “Mikpɔ dziƒoxeviwo ɖa, womeƒãa nu o, womeŋea nu hã o, eye womeƒoa nuwo ƒu ɖe avawo me hã o, ke mia Fofo, si le dziƒo la, nyia wo. Alo ɖe mia tɔ mevena wua woawo tɔ o mahã? . . . Eyaŋuti [migatsi dzimaɖi] agblɔ bena: Nuka míaɖu, nuka míano, alo nuka míatsɔ ata mahã o. Elabena nenem nusiawo katã tɔgbe trɔ̃subɔlawo dina; ke mia Fofo, si le dziƒo la, nyae bena, nenem nusiawo katã hiãa mi. Midi mawufiaɖuƒe la kple eƒe dzɔdzɔenyenye gbãgbiagbã, eye woatsɔ nusiawo katã akpe ɖe eŋuti na mi.”—Mateo 6:26-33.

Mehiã be ame dahe nafi fi o. (Lododowo 6:30, 31) Ne etsɔ Mawu ɖo nɔƒe gbãtɔ le eƒe agbe me la, akpɔ eƒe nuhiahiãwo gbɔ nɛ. Bu Tukiso, ŋutsu aɖe si le Lesotho, anyiehe Afrika la, tɔ ŋu kpɔ. Le ƒe 1998 me la, duta asrafohawo ge ɖe Lesotho be woatɔ te aglãdzedze ɖe dziɖuɖua ŋu. Nusi do tso aʋa ma mee nye be, woha fiasewo, dɔ ge le amewo si, eye nuɖuɖu kpɔkpɔ va sesẽ ŋutɔ.

Tukiso nɔ dugãa ƒe akpa si dɔwuamea nu sẽ le wu. Eƒe aƒelika geɖe ha fiasewo be woate ŋu atsi agbe. Esi Tukiso gbɔ va eƒe xɔnu ɖekɛ me la, ekpɔ be Maseiso, si nye nyɔnu si wo kpli woli la, ha nuɖuɖu gbogbo aɖe ɖi. Tukiso gblɔ be: “Ðe nusiawo do go,” eye wòɖe eme be etsi tre ɖe Mawu ƒe se si gblɔ be womegafi fi o la ŋu. Maseiso wɔ ɖe edzi. Aƒelikawo ɖu fewu le wo ŋu eye wova lɔ finuawo na wo ɖokui.

Nusiwo Tukiso srɔ̃ le Biblia-nusɔsrɔ̃ si Yehowa Ðasefowo wɔ kplii me ye na wòwɔ nyametsotso sia. Ðe eƒe toɖoɖo Mawu ƒe se na be wotsi dɔa? Ao. Ɣeyiɣi aɖe megbe la, hamemegã siwo le Yehowa Ðasefowo ƒe hame si Tukiso bɔa ha kpli me la te ɖe eŋu eye wohe nuɖuɖu aɖewo ɖe asi vɛ nɛ. Le nyateƒe me la, Yehowa Ðasefo siwo te ɖe South Africa ŋu la ɖo kpekpeɖeŋununana siwo wu tɔn eve ɖo ɖe wo nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu Kristotɔwo le Lesotho. Tukiso ƒe toɖoɖo Mawu kple hamea ƒe lɔlɔ̃ kpekpeɖeŋununanaa wɔ dɔ ɖe Maseiso dzi. Eya hã dze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme. Mlɔeba, wova ɖe wo nɔewo le se nu eye wova dze be woana nyɔnyrɔ wo abe Yehowa Ðasefowo ene. Wogale Mawu subɔm nuteƒewɔwɔtɔe fifia.

Yehowa Mawu léa be na ame dahewo. (Kpɔ aɖaka si ƒe tanyae nye “Aleke Mawu Bua Ame Dahewoe?”) Ewɔ ɖoɖo lɔlɔ̃tɔe be woakpe ɖe amewo abe Tukiso kple Maseiso ene ŋu woasrɔ̃ nu tso ye ŋu. Eye ena aɖaŋuɖoɖo nyui siwo nyo na gbesiagbegbenɔnɔ le eƒe Nya la me.

Kpekpeɖeŋunana Mɔnu Nyui Aɖe

Yehowa Ðasefowo dzea agbagba ɣesiaɣi be yewoasrɔ̃ alesi Mawu tsɔa ɖe le eme na ame dahewoe. (Galatiatɔwo 2:10) Zi geɖe ne afɔku dzɔ le afi aɖe eye wòlɔ Kristotɔ vavãwo ɖe eme la, wowɔa ɖoɖowo be woana kpekpeɖeŋu si hiã. Nusi le vevie wu, si ŋu Ðasefowo tsia dzi ɖo na amewo katã, amesiwo dome ame dahewo hã le, ye nye woƒe gbɔgbɔ me nuhiahiãwo. (Mateo 9:36-38) Le ƒe 60 siwo va yi me la, subɔla akpe nane siwo wona hehee lɔ̃ faa be yewoasubɔ abe dutanyanyuigblɔlawo ene le dutanyigbawo dzi. Le kpɔɖeŋu me, dutanyanyuigblɔla atsu kple asi aɖe siwo tso Finland woe srɔ̃ Sesotho gbe ale be wote ŋu fia nu Tukiso kple Maseiso wova zu Yesu ƒe nusrɔ̃lawo. (Mateo 28:19, 20) Dutanyanyuigbɔgblɔdɔ sia biana zi geɖe be ame naɖe asi le agbe si me dzidzeme le, le dukɔ de ŋgɔ me ŋu ava dukɔ dahe aɖe me.

Ne esesẽ aleke gbegbe hã, Kristotɔ vavãwo mefia fi be yewoatsɔ alé agbea ɖe te o. Ðe esia teƒe la, woxɔe se be ŋutete le Yehowa Mawu si be ana yewoƒe nuhiahiã yewo. (Hebritɔwo 13:5, 6) Mɔ siwo dzi Yehowa tona kpɔa eƒe amewo ƒe nuhiahiãwo gbɔ na wo dometɔ ɖekae nye, to eƒe subɔla siwo léa be na wo nɔewo ƒe xexeame katã ƒe habɔbɔa dzi.

Mɔ bubu si dzi Yehowa tona kpena ɖe hiãtɔwo ŋue nye be enaa aɖaŋuɖoɖo nyui siwo ku ɖe gbesiagbegbenɔnɔ ŋu la wo. Le kpɔɖeŋu me, Biblia de se be: “Fiafitɔ la nagafi fi o, ke boŋ nedze agbagba, ne wòatsɔ eƒe asiwo awɔ dɔ nyui, bene wòakpɔ nane aɖana hiãtɔwo.” (Efesotɔwo 4:28) Ame geɖe siwo si dɔwɔɖui mele o la dze agbagba dze dɔ aɖewo gɔme le wo ɖokuiwo si, to dɔ sesẽ wɔwɔ me, abe abɔ me nuwo dodo kple beléle na wo ene. Biblia gakpena ɖe hiãtɔwo ŋu hã be woalé be na ga, esi wòfiaa nu wo be woatsri numame gbegblẽwo, abe ahatsunono ene ta.—Efesotɔwo 5:18.

Xexe si me Ahedada Manɔ O—Ɣekaɣie?

Biblia ɖee fia be míele agbe le Satana ƒe dziɖuɖua ƒe “ŋkeke mamlɛawo” me. (Timoteo II, 3:1) Eteƒe madidi o, Yehowa Mawu adɔ Yesu Kristo ɖa be wòadrɔ̃ ʋɔnu ameƒomea. Nukae adzɔ ɣemaɣi? Yesu na ŋuɖoɖoa le eƒe lododowo dometɔ ɖeka me. Egblɔ be: “Ke ne Amegbetɔvi la ava le eƒe ŋutikɔkɔe me, eye dɔlawo katã akpe ɖe eŋuti la, ekema abɔbɔ nɔ eƒe ŋutikɔkɔezikpui la dzi; eye woaƒo dukɔwo katã nu ƒu ɖe eƒe ŋku me, eye wòama wo me atso wo nɔewo gbɔ, abe alesi alẽkplɔla maa alẽwo kple gbɔ̃wo mee ene.”—Mateo 25:31-33.

Le lododo sia me la, alẽawo nye amesiwo bɔbɔ wo ɖokui ɖe Yesu ƒe fianyenye te. Yesu tsɔ wo sɔ kple alẽwo elabena wodzea eyome abe woƒe Kplɔla ene. (Yohanes 10:16) Amesiawo siwo le abe alẽwo ene la akpɔ agbe le Yesu ƒe dziɖuɖu debliboa te. Anye agbe si me dzidzɔ anɔ, le xexe yeye si me ahedada manɔ o la me. Woatsrɔ̃ amesiwo le abe gbɔ̃wo ene, amesiwo gbe Yesu ƒe dziɖuɖua la ɖa tegbee.—Mateo 25:46.

Mawu ƒe Fiaɖuƒea ahe vɔ̃ɖinyenye va nuwuwui. Ekema ahedada azu gbaɖegbenya. Anyigba dzi ayɔ kple amesiwo lɔ̃a ame eye woléa be na wo nɔewo. Nusi ɖee fia be xexeme yeye sia ava la dze le Yehowa Ðasefowo ƒe dukɔwo dome nɔviwo ƒe habɔbɔ si me lɔlɔ̃ le la me, elabena Yesu gblɔ be: “Esia me amewo katã woanyae le bena, nye nusrɔ̃lawo mienye, ne lɔlɔ̃ le mia dome.”—Yohanes 13:35.

[Aɖaka/Nɔnɔmetata siwo le axa 6, 7]

ALEKE MAWU BUA AME DAHEWOE?

Biblia gblɔ le ameƒomea Wɔla ŋu be enye “[Amesi] naa abolo dɔwuitɔwo.” (Psalmo 146:7) Kpukpuiwo le eme wu alafa ɖeka siwo te gbe ɖe alesi Mawu tsɔa ɖe le eme na ame dahewoe la dzi.

Le kpɔɖeŋu me, esime Yehowa na eƒe Sea blema Israel-dukɔa la, ede se na Israel-vi agbledelawo be womegaxa nukuwo le woƒe agblewo ƒe liƒowo dzi ƒiaƒiaƒia o. Mele be woato amiti alo weingble aɖe me zi evelia afɔ nuku siwo hlẽ la o. Se siawo nye lɔlɔ̃ ƒe ɖoɖo na amedzrowo, tsyɔ̃eviwo, ahosiwo, kple ame bubu siwo hiã tu la.—Mose III, 19:9, 10; Mose V, 24:19-21.

Gakpe ɖe eŋu la, Mawu de se na Israel-viwo bena: “Migate ahosiwo kple tsyɔ̃eviwo ɖe anyi o. Ne ète wo ɖe anyi, eye wodo ɣli yɔm la, ekema maɖo to woƒe ɣlidodo la, eye nye dɔmedzoe abi ɖe mia ŋu, eye mawu mi kple yi, ale be mia srɔ̃wo atrɔ azu ahosiwo, eye mia viwo azu tsyɔ̃eviwo.” (Mose II, 22:21-23) Nublanuitɔe la, Israel-vi kesinɔtɔ geɖe ŋe aɖaba ƒu nya mawo dzi. Le esia kple nugbegblẽwɔwɔ bubuwo ta la, Yehowa Mawu na nuxlɔ̃ame vovovowo Israel-viwo to eƒe nyagblɔɖilawo dzi. (Yesaya 10:1, 2; Yeremya 5:28; Amos 4:1-3) Mlɔeba, Mawu ɖe mɔ Asiriatɔwo kple emegbe Babilontɔwo hã va ɖu Israel-viwo ƒe anyigbaa dzi. Wowu Israel-vi geɖe, eye woɖe aboyo agbetsilawo yi ɖe dzronyigbawo dzi.

Yesu Kristo, Mawu ƒe Vi lɔlɔ̃a, ɖe alesi Fofoa tsɔa ɖe le eme na hiãtɔwo lɔlɔ̃tɔe la fia. Esi Yesu nɔ taɖodzinu si le eƒe subɔsubɔdɔa ŋu me ɖem la, egblɔ be: “[Yehowa] ƒe gbɔgbɔ le dzinye, le esi ta wosi ami nam ɖo, bena magblɔ Nyanyui afia ame dahewo.” (Luka 4:18) Esia mefia be ame dahewo ŋu ko Yesu ƒe subɔsubɔdɔa ku ɖo o. Ekpe ɖe kesinɔtɔwo hã ŋu lɔlɔ̃tɔe. Gake, ne Yesu le esia wɔm la, eɖea eƒe ɖetsɔleme na ame dahewo fiana edziedzi. Le kpɔɖeŋu me, eɖo aɖaŋu sia na kesinɔtɔ dziɖuɖumegã aɖe be: “Dzra nusiwo katã le asiwò la, eye namã wo na ame dahewo, eye nu nyui anɔ dziƒo na wò; eye nava adze yonyeme.”—Luka 14:1, 12-14; 18:18, 22; 19:1-10.

Yehowa Mawu kple Via tsɔa ɖe le eme na ame dahewo vevie ŋutɔ. (Marko 12:41-44; Yakobo 2:1-6) Yehowa ɖe alesi wòtsɔa ɖe le eme na ame dahewo fia, to ame dahe miliɔn nane siwo ku léle ɖe susu me la me. Woafɔ amesiawo ɖe tsitre le xexe yeye si me ahedada manɔ o la me.—Dɔwɔwɔwo 24:15.

[Nɔnɔmetatawo]

Yehowa Ðasefowo ƒe dukɔwo dome nɔviwo ƒe habɔbɔa ɖee fia be xexeme yeyea ava

[Nɔnɔmetata si le axa 5]

Tukiso kple Maseiso kpakple dutanyanyuigblɔla si srɔ̃ Biblia kple Tukiso

[Nɔnɔmetata si le axa 5]

Maseiso le eƒe aƒe ƒe ʋɔtru nu kple dutanyanyuigblɔla si srɔ̃ Biblia kplii