Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Èɖoa Dze Kple Wò Ame Veviwoa?

Èɖoa Dze Kple Wò Ame Veviwoa?

Èɖoa Dze Kple Wò Ame Veviwoa?

POLANDTƆWO ƒe nyadzɔdzɔgbalẽ si nye Polityka ka nya ta be: “Ðzeɖoɖo kple míaƒe ame veviwo dzi le ɖeɖem kpɔtɔ kabakaba ŋutɔ.” Le United States la, wobu akɔnta be miniti ade pɛ koe srɔ̃tɔwo tsɔ ɖoa dze gbagbe kple wo nɔewo le ŋkekea me. Numekula aɖewo susui be nusia gbɔe srɔ̃tɔwo ƒe kaklã kple srɔ̃gbegbewo katã ƒe afã tsona.

Ke dzilawo kple ɖeviwo dome dzeɖoɖoa ya ɖe? Nyadzɔdzɔgbalẽ si míeyɔ ɖe etame la ke gblɔ be zi geɖe la, “menye dzee woɖona kpli wo o ke boŋ gbee wobiana wo be: Alekee nye sukua? Xɔ̃wòwo fɔa?” Nyadzɔdzɔgbalẽa bia be: “Aleke mía viwo awɔ asrɔ̃ alesi woatu ƒomekadodo si ɖoa dzigbɔ na ame la ɖoe mahã?”

Esi wònye be wometsɔa dze tuameɖowo ɖoɖo dzia amee o ta la, aleke míawɔ ana míaƒe dzeɖoɖowo nanyo ɖe edzi? Kristotɔ nusrɔ̃la Yakobo ɖo aɖaŋu vevi aɖe na mí be: “Amesiame naɖe abla le nusese me, nanɔ blewu le nuƒoƒo me, nanɔ blewu hã le dziku me.” (Yakobo 1:19) Ẽ, be míaɖo dze tuameɖowo la, ehiã be míaɖo to nyuie eye míagatsɔ dzitsitsi atso nya le ame nu loo alo aƒo nya tae o. Mèganɔ ɖeklemi ɖem o elabena esia ate ŋu ana dzeɖoɖoa natsi akpo dzi. Gawu la, Yesu zã nyabiasewo ŋuɖɔɖotɔe, menye be wòatsɔ ate eƒe nyaselawo ƒe nu me ase o, ke boŋ be yeatsɔ ana be woaɖe woƒe dzimenyawo agblɔ eye be wòana ye kple wo dome ƒomedodo me nagasẽ ɖe edzi.—Lododowo 20:5; Mateo 16:13-17;17:24-27.

Wɔ ɖe gɔmeɖose nyui siwo le Biblia me dzi, eye nàɖe afɔ siwo ana be nàɖo dze ahadzro nu me kple wò ame veviwo. Esia ate ŋu ana ƒomedodo nyui si gbɔ míalɔ̃ nu le o la naɖo mia kpli wo dome hena ƒe geɖe—le míaƒe agbenɔŋkekewo katã me gɔ̃ hã.