Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðeɖi Megate Ŋuwò le Nu Nyui Wɔwɔ me O

Ðeɖi Megate Ŋuwò le Nu Nyui Wɔwɔ me O

Ðeɖi Megate Ŋuwò le Nu Nyui Wɔwɔ me O

APOSTOLO PETRO de dzi ƒo be: “Miaƒe anyinɔnɔ le trɔ̃subɔlawo dome nanɔ nyuie.” (Petro I, 2:12) Helagbe me nya si gɔme woɖe be “nyui” la fia “nu dzeani, nu dzeame, nusi dze bubu, nusi de ŋgɔ.” Le egbeŋkekeawo me la, adze abe nusi me susu mele kura o ene be woakpɔ mɔ be amewo nawɔ nu dzeame alo nusi dze bubu le woƒe agbenɔnɔ me. Gake le egbeŋkekeawo me la, edze ƒãa be Yehowa ƒe amewo kpɔ dzidzedze le zɔzɔ ɖe Petro ƒe nuxlɔ̃amea dzi me. Le nyateƒe me la, wonya Yehowa ƒe amewo le xexea katã me ɖe woƒe agbenyuinɔnɔ ta.

Esia ɖe dzesi ŋutɔ ne míede ŋugble le nuteɖeamedzi kple nuteameŋu siwo míedoa goe le ‘ɣeyiɣi vɔ̃ siawo siwo me nɔnɔ sesẽ ŋutɔ la’ me ŋu. (Timoteo II, 3: 1) Wotea mí kpɔna gbesiagbe, eye alesi wotsia tre ɖe alesi Kristotɔwo nɔa agbee ŋu la nye nusi bɔ ŋutɔ. Hekpe ɖe eŋu la, le esime tetekpɔ aɖewo nyea ɣeyiɣi kpui aɖe ko ƒe nu la, bubuawo ya nɔa anyi ɖaa eye wo nu nɔa sesem ɖe edzi gɔ̃ hã. Ke hã, apostolo Paulo de dzi ƒo be: “Migana ɖeɖi nate mía ŋu le nu nyui wɔwɔ me o; elabena ne míegbɔdzɔ le nu nyui wɔwɔ me o la, míaŋe nu le ye ŋutɔ ƒe azãgbe la dzi.” (Galatiatɔwo 6: 9) Ekema, aleke tututue nu nyui anya wɔ—eye woayi edzi awɔe—le tetekpɔ gbadzinamewo kple ŋutasẽnuwɔwɔ siwo nu metsina o mee?

Nusiwo Akpe Ðe Ame Ŋu be Wòawɔ Nu Nyui

Edze ƒã be “nudzeame, nusi dze bubu, nusi de ŋgɔ” wɔwɔ nɔa te ɖe alesi ame le le ememe, dzi si ƒomevi le esi, la dzi. Eyata agbenyuinɔnɔ me léle ɖe asi le tetekpɔwo kple ɣeyiɣi sesẽwo me, menye nusi wotsona vlavo ko wɔna o, ke boŋ enye nusi va sua ame si to Biblia ƒe gɔmeɖosewo dzi wɔwɔ le agbenɔnɔ ƒe akpa sia akpa me. Nukawoe ate ŋu akpe ɖe mía ŋu le go sia me? De ŋugble le nya siawo ŋu kpɔ.

Kristo ƒe tamesusu nenɔ asiwò. Be woado dzi le nusi adze abe numadzɔmadzɔ ene me la bia ɖokuibɔbɔ. Manɔ bɔbɔe na amesi bua eɖokui gãe la be wòana woawɔ nu numadzɔmadzɔ ɖe eŋu o. Gake Yesu ‘bɔbɔ eɖokui eye wòɖo to yiɖase ku me ke.’ (Filipitɔwo 2: 5, 8) Ne míesrɔ̃ eyama la, ‘ɖeɖi mate mía ŋu alo míana ta’ le míaƒe subɔsubɔ kɔkɔea me o. (Hebritɔwo 12: 2, 3) Nye toɖola si bɔbɔa eɖokui to lɔlɔ̃ faa be yeawɔ nu aduadu kple amesiwo le ŋgɔ xɔm le miaƒe hamea me la me. (Hebritɔwo 13:17) Srɔ̃ alesi nàbu ame bubuwo ‘gãe wu’ ɖokuiwòe eye nàtsɔ woƒe nyonyo aɖo ŋgɔ na tɔwò.—Filipitɔwo 2: 3, 4.

Nyae be Yehowa lɔ̃ wò. Ele be míaka ɖe edzi be Yehowa “li eye wònye teƒeɖola na amesiwo dinɛ vevie.” (Hebritɔwo 11:6) Eléa be na mí vevie eye wòdi be míakpɔ agbe mavɔ. (Timoteo I, 2:4; Petro I, 5:7) Enyanya be naneke mate ŋu ana Mawu nagbe mí lɔlɔ̃ o akpe ɖe mía ŋu be míana ta le tetekpɔwo me o.—Romatɔwo 8: 38, 39.

Ðo dzi ɖe Yehowa ŋu bliboe. Dziɖoɖo ɖe Yehowa ŋu le vevie, vevietɔ ne tetekpɔwo dze abe ɖee wo nu mele yiyim o alo be wole míaƒe agbe dem afɔku me ene. Ele be míaka ɖe edzi bliboe be Yehowa maɖe mɔ be woate mí akpɔ ‘wu alesi miate ŋui la o,’ eye be ana ‘gododo le eme hã akpe ɖe eŋuti’ na mí godoo. (Korintotɔwo I, 10:13) Ne míeɖo dzi ɖe Yehowa ŋu la, míate ŋu anɔ te ɖe ku ƒe ŋɔdzidonamewo gɔ̃ hã nu dzinɔameƒotɔe.—Korintotɔwo II, 1:8, 9.

Do gbe ɖa madzudzɔmadzudzɔe. Gbedodoɖa si tso dzi me la le vevie. (Romatɔwo 12:12) Gbedodoɖa le nyateƒe me nye mɔ siwo dzi míetona tena ɖe Yehowa ŋu la dometɔ ɖeka. (Yakobo 4:8) Mía ŋutɔwo ƒe nuteƒekpɔkpɔwo na míenyae be ‘nusianu si míabia la, aɖo to mí.’ (Yohanes I, 5: 14) Ne Yehowa ɖe mɔ míaƒe tetekpɔ nɔ anyi eteƒe didi wònye míaƒe nuteƒewɔwɔ nɛ dodo kpɔ la, míedoa gbe ɖa biaa eƒe kpekpeɖeŋu tsɔ nɔa te ɖe enui. (Luka 22:41-43) Gbedodoɖa nana míenyana be míetsi akogo o eye be esi Yehowa li kpli mi ta la, míato eme ado dziɖuɖutɔe godoo.—Romatɔwo 8: 31, 37.

Dɔ Nyuiwo—‘Enyea Bubu Kple Kafukafu’

Enuenu la, ‘tetekpɔ vovovowo doa nuxaxa na’ Kristotɔwo katã. Gake mele be ‘ɖeɖi nate mía ŋu le nu nyui wɔwɔ me o.’ Ne nuwo le tetem ɖe dziwò la, na be enyanya be wò nuteƒewɔwɔ ahe “kafukafu kple ŋutikɔkɔe kple bubu” vɛ mlɔeba la, nado ŋusẽ wò. (Petro I, 1:6, 7) Zã gbɔgbɔmenunana siwo katã tso Yehowa gbɔ la bliboe nàtsɔ atu ɖokuiwò ɖoe. Ne ehiã na kpekpeɖeŋu la, yi ɖe amesiwo nye dzikpɔlawo, nufialawo, kple aɖaŋuɖolawo le Kristo-hamea me la gbɔ. (Dɔwɔwɔwo 20:28) Nɔ hame ƒe kpekpewo katã, si ‘dea dzi ƒo na mí be míaɖe lɔlɔ̃ afia ahawɔ dɔ nyuiwo,’ la dem edziedzi. (Hebritɔwo 10:24) Ðoɖo si nàwɔ ɖe gbesiagbe Biblia xexlẽ kple ɖokuisinusɔsrɔ̃ ŋu akpe ɖe ŋuwò nànɔ ŋudzɔ eye nàsẽ ŋu le gbɔgbɔ me; eye nenema kee gomekpɔkpɔ le gbeadzisubɔsubɔdɔa me edziedzi hã akpe ɖe ŋuwòe.—Psalmo 1: 1-3; Mateo 24:14.

Zi alesi nèle esem le ɖokuiwò me be Yehowa lɔ̃ ye eye wòléa be na yee la, zi nenema hãe nànɔ didim vevie be ‘yeado vevie nu le dɔ nyui wɔwɔ mee.’ (Tito 2: 14) Nyae be “amesi ke lado dzi vaseɖe nuwuwu la, eya lakpɔ ɖeɖe.” (Mateo 24:13) Ẽ, ɖoe kplikpa be ‘yemana ɖeɖi nate ye ŋu le nu nyui wɔwɔ me o’!

[Nya si ɖe dzesi si le axa 29]

Ele be míaka ɖe edzi bliboe be Yehowa maɖe mɔ be woate mí akpɔ ‘wu alesi miate ŋui la o,’ eye be ana “gododo le eme hã akpe ɖe eŋuti” na mí ɣeawokatãɣi

[Nɔnɔmetata si le axa 30]

Veviedodonu le teokrasidɔwo wɔwɔ me ate ŋu adzra mí ɖo be míanɔ te ɖe tetekpɔwo nu