Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Afikae Xexeame Ðo Tae?

Afikae Xexeame Ðo Tae?

Afikae Xexeame Ðo Tae?

XEXEAME ƑE ÐEKAWƆWƆ. Nya nyui aɖee nye mae. Ðe medzroa amesiame oa? Ẽ, wogblɔ nya geɖe tso ɖekawɔwɔ ŋu ŋutɔ. Xexemekplɔlawo ƒo nu tso eŋu edziedzi le woƒe kpekpewo me. Le August 2000 me la, subɔsubɔhakplɔla siwo wu 1,000 kpe le Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe dɔwɔƒegã le New York wɔ Ƒe Akpe Ðeka Xexeme Ŋutifafa Takpekpe. Wodzro alesi woatsi xexeame ƒe aʋawɔwɔwo nui me. Ke hã, takpekpea ŋutɔ hã nye ŋutifafa si mele xexeame me o la ƒe kpɔɖeŋu. Moslemtɔwo ƒe senyala aɖe si tso Jerusalem gbe be yemava o le esi Yudatɔwo ƒe rabi aɖe nɔ takpekpea me ta. Medzɔ dzi na ame bubuwo be womekpe Dalai Lama [si nye Buddha subɔsubɔhaŋgɔnɔla] be wòade kpekpea ƒe ŋkeke eve gbãtɔwo o le esi wonɔ vɔvɔ̃m be dzre ava dzɔ ɖe woa kple Chinatɔwo dome ta.

Le October 2003 me la, Pasifik-ƒuta dukɔwo dzro xexeame ƒe dedienɔnɔ nyawo me le Asia kple Pasifik-ƒuta dukɔwo ƒe Ganyawo gbɔkpɔkpɔ Aduadui (APEC) ƒe takpekpe si wowɔ le Thailand la me. Dukɔ 21 siwo nɔ takpekpea me do ŋugbe be yewoagbã ŋɔdzidonamelawo ƒe habɔbɔwo heda asi ɖe mɔ aɖewo siwo dzi woato ado xexeame katã ƒe dedienɔnɔ ɖe ŋgɔ la dzi. Ke hã, esi takpekpea nɔ edzi yim la, amedɔdɔ vovovoawo li liʋiliʋi le dukplɔla aɖe ƒe nyawo, si wobe enye fɔbubu Yudatɔwo la, ŋu.

Nukatae Ðekawɔwɔ Meli O?

Togbɔ be woƒoa nu geɖe ŋutɔ tso xexeame ƒe ɖekawɔwɔ ŋu hã la, dzidzedze ŋutɔŋutɔ ʋe aɖewo koe míekpɔna. Togbɔ be ame geɖe kɔa dzime dzea agbagba hã la, nukatae ameƒomea mete ŋu le ɖeka wɔm o va ɖo ƒe alafa 21 lia me ke?

Ŋuɖoɖoa ƒe akpa aɖe dze le dukplɔla siwo de Asia kple Pasifik-ƒuta dukɔwo ƒe Ganyawo gbɔkpɔkpɔ Aduadui ƒe takpekpe la dometɔ ɖeka ƒe nuƒo me. Egblɔ be, “Nane li woyɔna be dulɔlɔ̃.” Ẽ, ameƒomea nyrɔ eɖokui ɖe dulɔlɔ̃ me vĩ. Dukɔ kple gbevovovodola ɖesiaɖe le ʋiʋlim sesĩe be yeanɔ ye ɖokuisi. Didi vevie be yewoaxɔ ɖokuisinɔnɔ sia tsɔ kpe ɖe hoʋiʋli kple ŋukeklẽ ƒe gbɔgbɔ ŋu wɔe be nu vi aɖe koe dea dzre wo dome. Enuenu la, ne dukɔa ƒe nuɖoɖowo mewɔ ɖeka kple xexeame katã tɔ o la, dukɔa tɔ kpea xexeame katã tɔ dzi.

Hakpala la ɖɔ dulɔlɔ̃ le eƒe nyawo me wòsɔ nyuie be enye, “dɔvɔ̃, si gblẽa nu.” (Psalmo 91:3) Ðeko wòle abe dɔvɔ̃ aɖee dze ameƒomea dzi hekplɔe ɖo ta fukpekpe manyagblɔwo me ene. Ƒe alafawo enye esia si dulɔlɔ̃ kple eƒe fu si wònana woléa amewo la li. Egbea, dulɔlɔ̃ ƒe gbɔgbɔ yi edzi le mama ƒe dzo ƒlɔm ɖo, eye amegbetɔ dziɖulawo mete ŋu le etsim o.

Agbalẽnyala geɖe de dzesii be dulɔlɔ̃ kple ɖokuitɔdidi gbɔe xexeame ƒe kuxiwo tso. Le kpɔɖeŋu me, U Thant, si nye Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe Dɔdzikpɔlagã kpɔ, gblɔ be: “Kuxi siwo míedoa goe egbea dometɔ geɖe tso nɔnɔme gbegblẽwo, alo wo metsonuwo, gbɔ. . . . Esiawo dometɔ ɖekae nye dulɔlɔ̃ tokunɔtɔe—‘be eɖanyo loo, meɖanyo o, mía de dukɔe.’” Vaseɖe egbegbe gɔ̃ hã la, dukɔ siwo ƒo wo ɖokuiwo ɖe ɖokuitɔdidi nuwɔnawo me la ƒe gbe le ɖiɖim sesĩe be yewoaxɔ ɖokusinɔnɔ. Amesiwo si ŋusẽa le hã mele lɔlɔ̃m be yewoaɖe asi le kakɛ aɖeke ŋu o. Le kpɔɖeŋu me, International Herald Tribune gblɔ tso Europa Dukɔwo ƒe Ðekawɔha ŋu be: “Hoʋiʋli kple makamakaɖeamedzi gakpɔtɔ le Europa dunyahehe me. Le Europa Dukɔwo ƒe Ðekawɔha me tɔ akpa gãtɔ gome la, wo hati aɖeke mekpɔ mɔ aɖo ŋusẽ wu nɔviawo ahaxɔ ŋgɔ le nuwo wɔwɔ me o.”

Mawu ƒe Nya, Biblia, ɖɔ nusi dona tsoa amegbetɔwo katã ƒe dziɖuɖu me wòsɔ nyuie be: “Amegbetɔ ɖua fia ɖe ame bubuwo dzi hena woƒe dzɔgbevɔ̃e.” (Nyagblɔla 8:9) To xexeame mama ɖe dukɔ vovovowo me me la, Biblia ƒe gɔmeɖose sia va eme ɖe amewo ƒe ƒuƒoƒowo kple ame ɖekaɖekawo dzi be: “Amesi ɖe eɖokui ɖe aga le eya ŋutɔ ƒe dzodzro yome dim la, etsia tre ɖe nunyanyawo katã ŋu.”—Lododowo 18:1.

Mía Wɔla, amesi nya nusi nye nyuitɔ kekeake na mí, meɖoe be amegbetɔwo naɖo woa ŋutɔwo ƒe dziɖuɖu anyi ahaɖu wo ɖokui dzi gbeɖe o. To nusia wɔwɔ me la, amegbetɔwo gbe Mawu ƒe tameɖoɖo kple nyateƒe si wònye be eya tɔe nuwo katã nye. Psalmo 95:3-5 gblɔ be: “Mawu gã enye Yehowa kple fia gã ɖe mawuwo katã dzi, eya si me anyigba ƒe globoƒewo le, eye etɔe nye towo ƒe tsutsuẽƒe; etɔe nye atsiaƒu, si wòwɔ, kple ƒuƒuiƒe, si eƒe asi wɔ.” Mawu ye nye Dziɖula si dze be amewo katã nadi be wòaɖu yewo dzi. Dukɔwo to woa ŋutɔwo ɖokui dziɖuɖu dzi le tsitre tsim ɖe eƒe lɔlɔ̃nu ŋu.—Psalmo 2:2.

Nukae Hiã?

Mɔ si ko dzi xexeame ato awɔ ɖekae nye be woaɖo xexeme dziɖuɖu ɖeka si atsɔ ɖe le eme na amewo katã la anyi. Tamebula geɖe de dzesi hiahiã sia. Amesiwo de dzesii hã la trɔna ɖe afisi womakpɔe le o la ŋu. Le kpɔɖeŋu me, nyadzɔdzɔŋlɔla geɖe, tsɔ kpe ɖe subɔsubɔhakplɔlawo ŋu, de dzi ƒo na amewo be woakpɔ Dukɔ Ƒoƒuawo si nu be wòahe xexeame ƒe ɖekawɔwɔ vɛ. Gake amegbetɔwo ƒe habɔbɔ aɖeke, tameɖoɖo nyui ka kee ɖale wo si o, mete ŋu kpɔ ameƒomea ƒe dukɔwo dome kuxiwo gbɔ gbeɖe o. Ke boŋ, ɖeko habɔbɔ siawo dometɔ akpa gãtɔ va ɖe ɖekamawɔmawɔ si le dukɔ vovovoawo dome la fia.

Biblia xlɔ̃ nu mí be mígaɖo ŋu ɖe amegbetɔ ƒe habɔbɔwo ŋu be woakpɔ kuxia gbɔ o, esi wògblɔ be: “Migaɖo ŋu ɖe amegãwo, amegbetɔvi, siwo mate ŋu axɔ na ame o la ŋu o.” (Psalmo 146:3) Ðe esia fia be mɔkpɔkpɔ aɖeke megali na mí be xexeame ava wɔ ɖeka gbaɖegbe oa? Kura o. Mɔ bubu aɖe li.

Ame geɖe menya be Mawu ɖo dziɖuɖu aɖe anyi xoxo si ate ŋu ana xexeame nawɔ ɖeka o. Biblia gblɔ le Yehowa Mawu ŋu be: “Ke nye la meɖo fianye le Zion, nye to kɔkɔe la dzi. Biam, eye matsɔ dukɔwo awɔ wò domenyinu kple anyigba ƒe mlɔenuwo awɔ tɔwòe!” (Psalmo 2:6, 8) De dzesii be ŋɔŋlɔa gblɔ le Yehowa Mawu ŋu be ‘eɖo eƒe fia,’ amesi wòyɔ le kpukpui 7 lia be “vinye.” Amesia menye ame bubu aɖeke tsɔ wu Mawu ƒe gbɔgbɔmevi gãtɔ kekeake, Yesu Kristo, o. Wona ŋusẽe be wòaɖu dukɔwo katã dzi.

Alesi Xexeame Awɔ Ðekae

Ame akpa gãtɔ mebua dziƒo dziɖulanyenye sia si Mawu ɖo anyi la ɖe ɖeke me o. Dukɔwo gakpɔtɔ lé ɖe woa ŋutɔwo ƒe dziɖulanyenye si wosusu be enyo la ŋu kokoko. Gake Mawu maɖe mɔ na amesiwo gbe bubudede eƒe dziɖulanyenye kple dziɖuɖu si wòɖo anyi ŋu o. Psalmo 2:9 gblɔ tso amesiwo gbe bubudede ɖoɖo sia ŋu be: “[Vi la, Yesu Kristo, atsɔ] gatikplɔ ato wo nyanyanya, eye agbã wo abe zemela ƒe ze ene!” Dukɔwo ɖanya alo womeɖanya o, wole azɔli dzi fifia yina ŋgo kpe ge kple Mawu. Biblia-gbalẽ mamletɔ ƒo nu tso “xexeame katã ƒe fiawo” nu ƒoƒoƒu “hena Mawu, ŋusẽkatãtɔ la, ƒe ŋkeke gã la ƒe aʋawɔwɔ” ŋu. (Nyaɖeɖefia 16:14) Woaɖe dukɔwo kple nuwɔna siwo wotsɔ dea mama wo nɔewo dome la ɖa keŋkeŋ. Esia ata mɔ na Mawu ƒe dziɖuɖu be wòawɔ eƒe dɔ kplamatsedodo aɖeke manɔmee.

Yehowa Mawu, si nye Xexeame Dziɖulagã la, ato Via dzi azã ŋusẽ kple nunya atsɔ awɔ tɔtrɔ siwo hiã bene xexeame nawɔ ɖeka. Mawu ƒe dziɖuɖu ahe ɖekawɔwɔ vavãtɔ vɛ eye ayra dzɔdzɔenyenyelɔ̃lawo katã. Nukata màtsɔ miniti ʋɛ aɖewo axlẽ Psalmo 72 me nyawo le wò Biblia me o? Le afima la, wowɔ nusi Mawu ƒe dziɖuɖu ato Via dzi awɔ na ameƒomea ƒe kpɔɖeŋu wònye nyagblɔɖi. Ðekawɔwɔ vavãtɔ aɖo amewo dome le xexeame, eye woƒe kuxiwo katã—ameteteɖeanyi, ŋutasesẽ, hiãkame, kple bubuawo—nu ayi.

Le egbe xexe sia si me mama le me la, ame geɖe bu be mɔkpɔkpɔ sia manya nye nu ŋutɔŋutɔ o. Ke hã, anye vodada be woasusui nenema. Mawu ƒe ŋugbedodowo medo kpo emevava kpɔ o, eye womado kpo emevava hã gbeɖe o. (Yesaya 55:10, 11) Ðe nàdi be yeakpɔ gome le tɔtrɔ sia mea? Àte ŋui. Le nyateƒe me la, ame aɖewo le dzadzram ɖo xoxo ɖe ɣemaɣi ŋu. Wotso dukɔwo katã me, gake le esi teƒe be woanɔ aʋa wɔm la, wotsɔ ɖekawɔwɔ le wo ɖokui bɔbɔm ɖe Mawu ƒe dziɖulanyenye te fifia. (Yesaya 2:2-4) Woawoe nye amekawo? Woyɔna wo be Yehowa Ðasefowo. Ne wokpe wò be nava yewoƒe kpekpewo la, dze agbagba nàyi. Àkpɔ dzidzɔ godoo le hadede kple amesiawo siwo ate ŋu akpe ɖe ŋuwò be nàbɔbɔ ɖokuiwò ɖe Mawu ƒe dziɖulanyenye te ahase vivi na ɖekawɔwɔ si nu mayi akpɔ gbeɖe o la.

[Nɔnɔmetata si le axa 4]

Saeed Khan/AFP/Getty Images

[Nɔnɔmetata si le axa 5]

Nyɔnu si le avi fam: Igor Dutina/AFP/Getty Images; Gbɔlɔlawo: Said Khatib/AFP/Getty Images; aʋawɔʋuwo: Joseph Barrak/AFP/Getty Images

[Nɔnɔmetata si le axa 7]

Amewo tso dukɔwo katã dome le dzadzram ɖo ɖe agbenɔnɔ le xexe si me ɖekawɔwɔ anɔ la ŋu