Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

“Agbe, Si Li Fifi”—Eɖuɖu Bliboe!

“Agbe, Si Li Fifi”—Eɖuɖu Bliboe!

Agbemeŋutinya

“Agbe, Si Li Fifi”​—Eɖuɖu Bliboe!

ABE ALESI TED BUCKINGHAM GBLƆE ENE

Menɔ ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa wɔm ƒe ade enye ma eye meɖe srɔ̃ ɣleti ade koe nye ma medze tutudɔ le vo me. Ƒe 1950 mee, eye ƒe 24 koe mexɔ. Ɣleti asieke si menɔ kɔdzi la na ɣeyiɣi gbogbo aɖem metsɔ de ŋugble le nye agbe ŋu. Esi meva zu nuwɔametɔ la, aleke etsɔme ava nɔ na mía kple srɔ̃nye, Joyce?

LE ƑE 1938 me la, fofonye, si metsɔa ɖeke le subɔsubɔnyawo me o la, xɔ agbalẽ si ŋkɔe nye Government. * Ðewohĩ esi dunyahehe me nyawo tɔ zii eye dzesiwo nɔ fiafiam be aʋa ava dzɔ kpui lae ʋãe be wòxɔ agbalẽa. Nye ya menyae be mexlẽe o, gake danye si tsɔ ɖe le subɔsubɔnyawo me vevie la xlẽe. Ewɔ nu ɖe gbedasi si le eme la nu enumake. Edo le England Sɔlemehaa me, eye togbɔ be fofonye tsi tre ɖe eŋu hã la, eva zu Yehowa Ðasefo wɔnuteƒe eye wòyi edzi wɔ nuteƒe yi ɖaseɖe eƒe ku me le ƒe 1990 me.

Dada kplɔm yi Kristotɔwo ƒe kpekpe zi gbãtɔ le Fiaɖuƒe Akpata me le Epsom, le London ƒe anyiehe. Hamea wɔa kpekpewo le xɔ aɖe si nye fiase tsã la me, eye woƒo J. F. Rutherford, si nɔ Yehowa Ðasefowo ƒe dɔa dzi kpɔm ɣemaɣi la, ƒe nuƒowo le mɔ̃ dzi míese. Ewɔ dɔ ɖe dzinye ale gbegbe.

Alesi wodze London dzi le vome henɔ bɔmbwo dam anyrãtɔe la na ŋɔdzi galé ame ɖe edzi. Eyata le ƒe 1940 me la, fofonye tso nya me be míaʋu ayi teƒe aɖe si anɔ dedie wu—si nye du sue aɖe si ŋkɔe nye Maidenhead, si gbɔ didi kilometa 45 tso míagbɔ eye wòle London ƒe ɣetoɖoƒe la me. Esia ɖe vi ŋutɔ elabena ame 30 siwo nɔ hame si nɔ afima me la de dzi ƒo na mí ale gbegbe. Fred Smith, si nye Kristotɔ dovevienu aɖe si xɔ nyɔnyrɔ le ƒe 1917 me hem ɖe eɖokui ŋu ale gbegbe eye wòna hehe si ana be mava zu gbeƒãɖela bibi lam. Manɔ akpe dam ɖaa ɖe kpɔɖeŋu nyui si wòɖo nam kple kpekpeɖeŋu si wònam lɔlɔ̃tɔe la ta.

Ɣeyiɣiawo Katã ƒe Subɔsubɔdɔa Wɔwɔ

Le ƒe 1941 me, esime mexɔ ƒe 15 la, wonyrɔm ɖe Thames-tɔsisia me le March ƒe ŋkeke aɖe si me vuvɔ nɔ wɔwɔm ŋutɔ la dzi. Fonye, Jim, ya nye ɣeyiɣiawo katã ƒe nyanyuigblɔla ɣemaɣi. Fifia la, woa kple srɔ̃a, Madge, wole Birmingham, le woƒe agbenɔƒe akpa gãtɔ zazã le Yehowa ƒe subɔsubɔdɔa me le nutome sue kple nutome gã dzikpɔkpɔ ƒe dɔa me le Britain bliboa megbe. Tsɛnye, Robina, kple srɔ̃a, Frank, hã gakpɔtɔ le nuteƒe wɔm na Yehowa.

Menɔ dɔ wɔm le awutɔƒegã aɖe, eye nyee nye gadzikpɔla. Gbeɖeka la, dɔdzikpɔlaa yɔm yi eƒe ɔfis hetsɔ dɔ nyui aɖe, si nye nuwo ƒeƒle na dɔwɔƒea, ƒe mɔnukpɔkpɔ ɖo ŋkunyeme. Gake menɔ fonye ƒe kpɔɖeŋua yome dzedze ŋu bum ɣeyiɣi didi aɖee nye ma, eyata megbe mɔnukpɔkpɔ si dɔtɔa ɖo ŋkunyeme la xɔxɔ bubutɔe, heɖe nusitae megbe la me nɛ. Nukutɔe la, ekafum vividoɖeameŋutɔe le esi medi be mawɔ Kristotɔwo ƒe dɔ sia si ɖea vi la ta. Eyata le nutome gã takpekpe aɖe si míewɔ le Northampton le ƒe 1944 me megbe la, meva zu ɣeyiɣiawo katã ƒe nyanyuigblɔla.

Afisi woɖom ɖo gbãe nye Exeter, si le Devon nutowo me. Ɣemaɣi la, wogbugbɔ du sia si ŋu bɔmbwo dada gblẽ nu le le aʋawɔɣi la nɔ tsotsom vivivi. Meyi ɖanɔ aƒe aɖe si me mɔɖela eve, Frank kple Ruth Middleton, nɔ la me eye wonyo dɔme nam ŋutɔ. Ƒe 18 koe mexɔ eye nyemenya nunyanyã kple nuɖaɖa tututu o, gake nuwo va nyo ɖe edzi esime mesrɔ̃ nusiawo wɔwɔ.

Amesi medea gbeadzi kpli la nye Irelandtɔ, Victor Gurd, si xɔ ƒe 50, amesi dze ɖaseɖiɖi gɔme tso keke ƒe 1920-awo me ke. Efia alesi mawɔ ɖoɖo ɖe nye ɣeyiɣi ŋu ne wòaɖe vi, alesi mawɔ bene Biblia xexlẽ nadzɔ dzi nam wu, kple alesi makpɔ vevienyenye si le Biblia gɔmeɖeɖe vovovoawo ŋu lam. Le ƒe vevi mawo me la, Victor ƒe tenɔnɔ sesĩe ƒe kpɔɖeŋuae nye nusi tututu mehiã.

Akpaɖekedzimademade ƒe Kuxi La

Aʋaa nɔ kekem, gake dziɖuɖumegãwo gakpɔtɔ nɔ ɖekakpuiwo yome tim be woava ɖu asrafo. Wohem yi ʋɔnui le ƒe 1943 me le Maidenhead, afisi mena wose egɔme nyuie le be woagadem asrafodɔ me o elabena Nyanyuia ƒe gbeƒãɖelae menye. Togbɔ be womexɔ nye nya o hã la, metso nya me be maʋu ayi Exeter aɖawɔ nye subɔsubɔdɔa. Eyata Exeter ye menɔ hafi woɖe gbe nam be mava ʋɔnudrɔ̃ƒe si nɔ nutoa me. Esi ʋɔnudrɔ̃la la tso afia nam be mayi mɔ̃ ɣleti ade aɖawɔ dɔ sesẽ vɔ la, egblɔ nam be ete ɖe ye dzi ŋutɔ be womeɖe mɔ na ye be yeadem mɔ wòadidi wu nenema o. Le mɔ̃ me nɔnɔ ɣleti ade mawo megbe la, wogakplɔm yi ɖade mɔ̃ ake hena ɣleti ene.

Esi nye ɖeka koe nye Ðasefo le gakpɔa me ta la, gakpɔa dzikpɔlawo yɔam be Yehowa. Nyemete ŋu tɔna ɖe ŋkɔ sia dzi bɔbɔe abe alesi wòle be matɔe ene, ne wole míaƒe ŋkɔwo yɔm o, gake mɔnukpɔkpɔ kae nye si wònye be woanɔ Mawu ƒe ŋkɔ yɔm gbesiagbe manɔ sesem! Ena gamenɔla bubuwo nyae be nyametsotso si menɔ te ɖe nye dzitsinya dzi wɔ be manye Yehowa Ðasefo tae mele yewo dome ɖo. Emegbe la, wokplɔ Norman Castro va gakpɔ sia ke me, eye ŋkɔa trɔ. Wova nɔ mía yɔm be Mose kple Aron.

Woɖem tso gakpɔ si le Exeter me yi esi le Bristol me eye wogaɖem tso afima yi ɖade esi le Winchester me. Nɔnɔmeawo mede ame dzi ɣeaɖewoɣi kura o, gake nukokoedodonameɖokui kpe ɖe mía ŋu. Edzɔ dzi na mía kple Norman be míaɖu Ŋkuɖodzia ɖekae esime míenɔ Winchester. Francis Cooke, amesi va srã mí kpɔ le gakpɔa me la, ƒo nuƒo nyui aɖe na mí.

Tɔtrɔ Siwo Va le Aʋaa Megbe

Le takpekpe si míewɔ le Bristol le ƒe 1946 me, si me woɖe Biblia-srɔ̃gbalẽ si nye “Let God Be True” ɖe go le me la, medo go ɖetugbui dzetugbe aɖe, si ŋkɔe nye Joyce Moore, amesi hã nɔ mɔɖeɖedɔa wɔm le Devon. Míaƒe xɔlɔ̃wɔwɔa me va nɔ kplikplikpli, eye míeɖe srɔ̃ le ƒe ene megbe le Tiverton, afisi menɔ tso keke ƒe 1947 me ke. Míenɔ xɔ aɖe si míehaya, si ta míexea sili 15 (United States ƒe dɔlar 1.10) ɖo kwasiɖa ɖesiaɖe la, me. Dzi dzɔ mí ale gbegbe!

Le míaƒe srɔ̃ɖeɖea ƒe ƒe gbãtɔ me la, míeʋu yi Brixham-du si le anyiehe, si nye du dzeani aɖe si me meliwo dzena ɖo eye wònye afisi woto aɖaŋu si wotsɔ kplɔa ɖɔe vɛ le gbã, la me. Gake míenɔ afima eteƒe medidi hafi medze tutudɔ, esime míenɔ mɔ dzi yina takpekpe le London, o. Meyi ɖi me. Wova ɖe asi le ŋunye le kɔdzi mlɔeba—le ɣleti asieke megbe, abe alesi megblɔe do ŋgɔ ene. Nye ɖusibɔ kple nye afɔ eveawo tu, eye wotsi nenema, eye wòhiã be matɔ ɖe kpo ŋu. Srɔ̃nye lɔlɔ̃ae nye nye zɔhɛ si ŋu mekpɔa dzidzɔ ɖo ɣesiaɣi kple nye dzideƒonametɔ, vevietɔ le esi wòdze agbagba yi ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa dzi ta. Ke hã, nukae míawɔ azɔ? Eteƒe madidi hafi makpɔe adze sii be Yehowa ƒe asi meto ɖe eme kura o.

Le ƒe si kplɔe ɖo me la, míede nutome sue takpekpe aɖe le Wimbledon, London. Ɣemaɣi la, nyemeganɔ kpo tɔm o. Míedo go Pryce Hughes, amesi nɔ dɔa dzi kpɔm le Britain, le takpekpea me. Edo gbe nam enumake be: “Ŋutsu! Míedi be nàva zu nutome sue dzikpɔla!” Dzideƒoname aɖeke mede esia nu o! Ðe ŋusẽ nɔ ŋunye na dɔ sia wɔwɔa? Esia nye nusi ŋu mía kple Joyce míede ŋugble le, gake le kwasiɖa ɖeka ƒe hehexɔxɔ kple ŋuɖoɖo ɖe Yehowa ŋu bliboe megbe la, míedze mɔ trɔ ɖo ta England ƒe anyieheɣetoɖoƒe, afisi woɖom ɖo be maɖanye nutome sue dzikpɔla le. Ƒe 25 koe mexɔ ɣemaɣi, gake megaɖoa ŋku dɔmenyo kple dzigbɔɖi si Ðasefo mawo tsɔ kpe ɖe ŋunye ŋutɔ la dzi ŋudzedzekpɔkpɔtɔe.

Le teokrasidɔ vovovo siwo katã mía kple Joyce míewɔ me la, míekpɔe be hameawo sasrãkpɔ na be mía kple mía nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu Kristotɔwo dome va nɔ kplikplikpli wu. Ʋu menɔ mía si o, eyata míeɖoa keteke loo alo ɖoa bɔs. Togbɔ be megakpɔtɔ nɔ tɔtrɔm ɖe nusiwo ŋu nye dɔlélea xe mɔ ɖo nam ŋu hã la, míeyi edzi wɔ mɔnukpɔkpɔ siwo su mía si la ŋudɔ kakaka vaseɖe ƒe 1957 me. Enye agbenɔnɔ si me dzidzeme nɔ, gake le ƒe ma me la, agba aɖe gadze anyi.

Dutanyanyuigbɔgblɔdɔ La

Mía kpekpe be míava de Gilead sukua ƒe klass 30 lia do dzidzɔ na mí ale gbegbe. Menɔ te nɔm ɖe wɔametɔnyenyea nu nyuie, eyata mía kple Joyce míetsɔ dzidzɔ wɔ ɖe amekpekpea dzi. Nusiwo me míeto la na míedze sii be Yehowa doa ŋusẽ mí ɣesiaɣi ne míedi be míawɔ eƒe lɔlɔ̃nu. Eteƒe medidi hafi ɣleti atɔ̃ ƒe hehexɔxɔ le Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe Gilead Biblia Suku, afisi dzeani ŋutɔ le South Lansing, New York, U.S.A. la, wu enu o. Sukuviawo dometɔ akpa gãtɔ nye srɔ̃tɔ dzikpɔla mɔzɔlawo. Esi wobia mí be mía dometɔ aɖe adi be yeawɔ nyanyuigbɔgblɔdɔa le duta hã la, míekpe ɖe amesiwo lɔ̃ faa be yewoayi la ŋu. Afikae woaɖo mí ɖo? Woɖo mí ɖe Uganda, le Ɣedzeƒe Afrika!

Esi wònye be woɖo asi Yehowa Ðasefowo ƒe dɔa dzi le Uganda ɣemaɣi ta la, woɖo aɖaŋu nam be maɖanɔ dua me adi dɔ awɔ. Le keteke kple tɔdziʋuwo ɖoɖo atsɔ zɔ mɔ legbe siae megbe la, míeɖo Kampala, Uganda. Míaƒe vava medzɔ dzi na dutamɔzɔnyagbɔkpɔlawo o eyata ɣleti ʋɛ aɖewo koe wobe míanɔ dukɔa me. Emegbe wogblɔ na mí be míadzo. Le mɔfiame siwo míexɔ tso Yehowa Ðasefowo ƒe dɔwɔƒegã gbɔ nu la, míedzo yi Northern Rhodesia (si zu Zambia fifia). Dzi dzɔ mí ŋutɔ esi míeyi ɖado go míaƒe Gilead sukua ƒe klass me tɔ ene—Frank kple Carrie Lewis kpakple Hayes kple Harriet Hoskins—le afima. Emegbe kpuie la, woɖe mí tso afima ɖoɖe Southern Rhodesia (si zu Zimbabwe fifia).

Míeɖo keteke tsɔ zɔ mɔae eye míekpɔ Victoria Falls gã nyadri la zi gbãtɔ hafi ɖo Bulawayo. Míedze McLuckie ƒomea, siwo nye Ðasefo gbãtɔ siwo nɔ afima la dometɔ aɖewo, gbɔ vie. Mɔnukpɔkpɔa va ʋu ɖi na mí be míaganya wo ɖe edzi nyuie le ƒe 16 siwo kplɔe ɖo me.

Tɔtrɔ ɖe Tɔtrɔwo Ŋu

Le kwasiɖa eve ƒe hehe si mexɔ be matsɔ anya alesi dɔa le le Afrika nutowo me megbe la, woɖom nutome gã dzikpɔlae. Be woaɖi ɖase le Afrika ƒe avewo me bia be woatsɔ tsi, nuɖuɖu, abaɖonuwo, nuzazãwo, sinimaɖemɔ̃ kple elektrikŋusẽnamɔ̃, sinimaɖekpe gã aɖe, kple nuhiahiã bubuwo ɖe asi. Míefɔa nusiawo katã dea agbatsɔʋu aɖe si míeka ɖe edzi be ate ŋu ato mɔ glidzaglidzaa dzi la me yinae.

Mewɔa dɔ kple Afrika nutome sue dzikpɔlawo eye Joyce zɔna kple wo srɔ̃wo kpakple ɖevi siwo hã dea gbeadzi la. Afrika tagba zɔzɔ tea ɖeɖi ame ŋu ale gbegbe, vevietɔ ne ŋdɔa le ʋuʋum, gake eteƒe medidi hafi meva kpɔe be mete ŋu le te nɔm ɖe nye lãmegbegblẽa nu le yame ƒe nɔnɔme sia me wu o, eye meda akpe ɖe esia ta.

Ame akpa gãtɔ da ahe. Kɔnyinyiwo kple aʋatsodzixɔsewo kpakple srɔ̃geɖeɖeɖe ɖi ɖe ame geɖe me; ke hã, wodea bubu deto Biblia ŋu. Le nuto aɖewo me la, wowɔa hame ƒe kpekpewo le ati gã do vɔvɔliwo te, eye le fiẽwo me la, wosia gomekaɖiwo tina ɖe atia ŋu keŋ. Míaƒe lãme blaa fu ɣesiaɣi si míele dziƒoɣletivi siwo le keklẽm, siwo nye Mawu ƒe nuwɔwɔ gã wɔnuku ƒe akpa aɖe la, te hele Eƒe Nyaa srɔ̃m.

Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe sinimawo ɖeɖe le Afrika-vewo me hã nye nuteƒekpɔkpɔ siwo míaŋlɔ be o. Ðewohĩ Ðasefo 30 aɖewo koe anɔ hame aɖe me, gake le sinima siawo ɖeɣiwo la, míekpɔa mɔ be ekpɔlawo ade 1,000 alo awu nenema!

Le anyigba xɔdzowo dzi la, lãmegbegblẽ te ŋu nyea kuxi ya, gake ele vevie be nukpɔsusu nyui nanɔ ame si ɖe eŋu. Mía kple Joyce míesrɔ̃ alesi míanɔ te ɖe enui—asrã léam vevie ɣeaɖewoɣi, eye dɔ si amoeba-wo dea lãme na ame hã léa Joyce zi geɖe.

Emegbe woɖo mí ɖe alɔdzedɔwɔƒe si le Salisbury (si zu Harare fifia), afisi mɔnukpɔkpɔ su asinye le be mawɔ dɔ kple Yehowa subɔla wɔnuteƒe bubuwo, siwo dometɔ aɖewoe nye Lester Davey kpakple George kple Ruby Bradley. Dziɖuɖua tiam be manye srɔ̃ɖeɖewo dzikpɔla, si wɔe be meƒoa srɔ̃ɖeɖe nuƒowo le nɔvi Afrikatɔwo ƒe srɔ̃ɖeɣiwo eye esia na be Kristotɔwo ƒe srɔ̃ɖeɖe me kadodowo va nɔ kplikplikpli ɖe edzi le hamea me. Ƒe ʋɛ aɖewo megbe la, mɔnukpɔkpɔ bubu gaʋu nam. Wode dɔ asi nam be masrã gbetagbe hame siwo katã nɔ dukɔa me la akpɔ. Mía kple Joyce míetsɔ ƒe ewo kple edzivɔwo se vivi le mía nɔviwo nyanya to mɔ sia nu me, eye míekpɔa dzidzɔ ɖe gbɔgbɔmeŋgɔyiyi siwo wonɔ wɔwɔm la ta. Ɣemaɣi la, míesrãa mía nɔviwo hã kpɔna le Botswana kple Mozambique.

Ʋuʋu Ake

Le ƒe dodzidzɔname gbogbo aɖewo tsɔtsɔ nɔ anyiehe Afrikae megbe la, woɖe mí ɖoɖe Sierra Leone, si le Ɣetoɖoƒe Afrika, le ƒe 1975 me. Eteƒe medidi o míeyi ɖanɔ alɔdzedɔwɔƒea be míawɔ dɔ yeye si wode mía si la, gake míewɔ dɔ sia wòdidi o. Asrã sesẽ aɖe va lém ale gbegbe be megbɔdzɔ eye wòva hiã mlɔeba be woaɖada dɔ nam le London, eye wogblɔ nam le afima be nyemegatrɔ yi Afrika ake o. Esia na míelé blanui, gake London Betel-ƒomea xɔ mía kple Joyce alɔ evee. Nɔvi Afrikatɔ gbogbo siwo le hame geɖewo me le London hã xɔ mí atuu si wɔe míaƒe dzi dze eme ŋutɔ. Esi nye lãmea ka ɖe eme la, míegatrɔ ɖe gbesiagbedɔwɔna bubu ŋu, eye wode dɔ asi nam be makpɔ Betel ƒe Nuƒeƒle Dzikpɔƒea dzi. Ne míebu kekeɖenudɔ siwo katã yi edzi le ƒe siwo kplɔe ɖo me ŋu la, míede dzesii be esia nye dɔ sesẽ aɖe.

Le ƒe 1990-awo ƒe gɔmedzedze la, srɔ̃nye lɔlɔ̃a Joyce dze tutudɔ, eye wòku le ƒe 1994 me. Enye srɔ̃nyɔnu lɔ̃ame, nuteƒewɔla si nɔa klalo ɣesiaɣi be yeatrɔ ɖe nɔnɔme vovovo siwo me mía kple evea míeto la ŋu. Be mate ŋu anɔ te ɖe nu gã sia si bu nam nu la, mekpɔe be ele vevie be gbɔgbɔmenukpɔsusu nyui nanɔ asinye eye mayi edzi akpɔ ŋgɔ tẽ. Teokrasi ƒe ɖoɖowo, si me gbeƒãɖeɖedɔa hã le, dzi zɔzɔ gbedodoɖatɔe hã kpena ɖe ŋunye be nye susu nɔna nu geɖe ŋu.—Lododowo 3:5, 6.

Dɔwɔwɔ le Betel nye mɔnukpɔkpɔ aɖe kple agbenɔnɔmɔ nyui aɖe. Sɔhɛ gbogbo aɖewo li siwo mewɔa dɔ kpli eye míekpɔ dzidzɔ geɖe ɖekae. Yayrawo dometɔ ɖekae nye amedzro gbogbo siwo míexɔna le London afisia. Ɣeaɖewoɣi la, mekpɔa xɔlɔ̃ vevi aɖewo siwo medze esime menɔ dɔ wɔm le Afrika, eye meɖoa ŋku dzidzɔɣi mawo dzi. Esiawo katã kpena ɖe ŋunye be mayi edzi aɖu “agbe, si li fifi” la bliboe eye be matsɔ kakaɖedzi kple mɔkpɔkpɔ ade ŋugble le agbe “si le vava ge la” ŋu.—Timoteo I, 4:8.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 5 Yehowa Ðasefowoe tae le ƒe 1928 me, gake womegale etam o.

[Nɔnɔmetata si le axa 25]

Mía kple danye le ƒe 1946 me

[Nɔnɔmetata si le axa 26]

Mía kple Joyce le míaƒe srɔ̃kpegbe le ƒe 1950 me

[Nɔnɔmetata si le axa 26]

Le Bristol takpekpe aɖe me le ƒe 1953 me

[Nɔnɔmetata si le axa 27]

Saɖagaƒuƒoƒo aɖe (etame) kple hame aɖe (miame) subɔsubɔ le Southern Rhodesia, si zu Zimbabwe fifia