Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Anukwareɖilawo He Kafukafu vɛ na Yehowa

Anukwareɖilawo He Kafukafu vɛ na Yehowa

Fiaɖuƒe Gbeƒãɖelawo Ka Nya Ta

Anukwareɖilawo He Kafukafu vɛ na Yehowa

WONYA Yehowa Ðasefowo—ɖeviwo kple tsitsiawo siaa—le anyigba katã dzi ɖe woƒe anukwareɖiɖi ta. Se nudzɔdzɔ sia siwo tso anyigbagã etɔ̃ dzi la ɖa.

Gbeɖeka esi Olusola, si nye ƒe wuiadre vi si le Nigeria, tso suku gbɔna va aƒeme la, efɔ gakotoku aɖe le anyigba. Etsɔe yina sukua ƒe tatɔ, eye ga si wokpɔ le emee nye ₦6,200. (si ade United States ƒe dɔlar 45). Tatɔa tsɔe na nufiala si ƒe gakotokue bu la. Nufiala la na Olusola ₦1,000 (si ade United States ƒe dɔlar 7) tsɔ da akpee nɛ hegblɔ nɛ be netsɔe xe sukufee. Esi sukuvi bubuawo se nusi dzɔ la, woɖu fewu le Olusola ŋu. Sukuvi aɖe ƒe ga bu le kwasiɖa aɖewo megbe, esia ta wobia tso nufialawo si be woaka sukuvi ɖesiaɖe ŋu. Nufialawo dometɔ ɖeka gblɔ na Olusola be: “Wò ya tɔ ɖe afii. Menyae be esi nènye Yehowa Ðasefo ta la, mate ŋu afi fi o.” Wokpɔ gaa le ŋutsuvi eve siwo ɖu fewu le Olusola ŋu la ŋu, eye wohe to na wo vevie. Olusola ŋlɔ bena: “Edzɔ dzi nam ale gbegbe be wonyae be esi menye Yehowa Ðasefo ta la, nye ma fi fi gbeɖe o, eye nusia kɔ Yehowa ƒe ŋkɔ ŋuti.”

Gbeɖeka esi Marcelo, si nye Argentinatɔ, do go tso eƒe aƒeme teti ko la, efɔ akplo aɖe le anyigba le afisi medidi boo tso eƒe xɔmegbeʋɔtru nu o. Etsɔe yi aƒeme eye woa kple srɔ̃nyɔnua woʋui kple aɖaŋu. Nusiwo wokpɔ le eme wɔ nuku na wo ŋutɔ, wokpɔ ga ŋutɔŋutɔ home gbogbo aɖe, agbananuƒlegbalẽviwo, kple gaxɔgbalẽvi gbogbo aɖe siwo te wode asie siwo dometɔ ɖeka woatsɔ axɔ pesos miliɔn ɖekae. Wokpɔ telefon xexlẽdzesi aɖe le febugbalẽvi aɖe dzi. Woyɔ nuawo tɔ eye wowɔ ɖoɖo kplii be yewoado go le Marcelo ƒe dɔwɔƒe ne wòaxɔ eƒe akploa. Esime wòva la, etsi dzodzodzoe. Marcelo ƒe aƒetɔ gblɔ nɛ be eƒe dzi nedze eme elabena Yehowa Ðasefowoe Marcelo nye. Akploatɔ na Marcelo pesos 20 (si ade United States ƒe dɔlar 6) pɛ ko tsɔ da akpee nɛ ɖe akplo si wòfɔ nɛ la ta. Ga sue si akploatɔ na la do dziku na Marcelo ƒe aƒetɔ vevie ŋutɔ elabena Marcelo ƒe anukwareɖiɖia wɔ dɔ ɖe edzi ale gbegbe. Esia ʋu mɔnukpɔkpɔ na Marcelo be wòɖe eme be esi yenye Yehowa Ðasefo ta la, yedina ɣesiaɣi be yeaɖi anukware.

Nudzɔdzɔ sia tso Kyrgyzstan. Rinat, si nye ŋutsuvi ƒe ade vi aɖe, fɔ nyɔnu aɖe si le woƒe nutoa me ƒe gakotoku. Som 1,100 (si ade United States ƒe dɔlar 25) ye nɔ gakotokua me. Esime Rinat trɔ gakotokua na nyɔnua la, exlẽ ga si le eme la kpɔ eye wògblɔ na Rinat dada be som 200 bu le eŋu. Rinat gblɔ be yemeɖe gaa le eŋu o. Le esia ta la, wo katã wotrɔ yi ɖadi ga si bu la eye wokpɔe le teƒe si te ɖe afisi Rinat fɔ gakotokua le ŋu. Nyɔnu la ƒe nu ku. Eda akpe na Rinat kple edada, gbã ɖe ga si bu la tɔtrɔ vɛ ta eye evelia ɖe Kristotɔwo ƒe hehe si wona Rinat la ta.