Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ne Srɔ̃ɖeɖe me Masɔmasɔwo Do Mo Ða

Ne Srɔ̃ɖeɖe me Masɔmasɔwo Do Mo Ða

Ne Srɔ̃ɖeɖe me Masɔmasɔwo Do Mo Ða

SRƆ̃ŊUTSU alo srɔ̃nyɔnu mo kɔkɔetɔ aɖeke mekpɔa dzidzɔ ɖe srɔ̃ɖeɖe me masɔmasɔwo ŋu o, ke hã, enye nusi bɔ ŋutɔ. Alesi wòdoa mo ɖae nye be srɔ̃tɔawo dometɔ ɖeka gblɔa nya aɖe si kua dzi na nɔvia. Ekema wotea bublu ɖe wo nɔewo ta, eye dziku flana, ale be wozãa dzugbewo le nyaʋiʋli me. Emegbe ɖoɖoe zina le aƒea me toŋtoŋtoŋ, eye srɔ̃tɔawo gbea nuƒoƒo na wo nɔewo kura. Sẽ kple sẽ ko la, dzikua nu fana eye woɖea kuku na wo nɔewo. Ŋutifafa gaɖoa wo dome ɣeyiɣi kpui aɖe ya teti—vaseɖe esime masɔmasɔ bubu nagado mo ɖa ake.

Srɔ̃ɖeɖe me dzre viviviwoe wotsɔ kaa hatse le television dzi fefe akpa gãtɔ me, evɔ wònye le nyateƒe me la, menye fefenyae wònye kura hafi o. Le nyateƒe me la, Biblia me lododo aɖe gblɔ be: “Nyagbɔgblɔ eŋumabumabui ate ŋu ade abi ame ŋu abe yi ɖesiaɖe ko ene.” (Lododowo 12:18, Today’s English Version) Ẽ, nuƒo si tɔa ame la ate ŋu ana woase veve le ememe ɣiyiɣi didi aɖe le nyaʋiʋlia vɔ megbe. Glãkahehe ate ŋu ana woawɔ ŋutasẽnu gɔ̃ hã.—Mose II, 21:18.

Ele eme baa be le amegbetɔ ƒe blibomademade ta la, womate ŋu aƒo asa na srɔ̃ɖeɖemekuxiwo ɣeaɖewoɣi o. (Mose I, 3:16; Korintotɔwo I, 7:28) Ke hã, mele be woaŋe aɖaba aƒu nyaʋiʋli dzikutɔe enuenu dzi be nenema koe wòle le srɔ̃tɔ ɖesiaɖe dome o. Numekulawo de dzesii be dzrewɔwɔ edziedzi dzia alesi wòate ŋu adzɔe be srɔ̃tɔwo nava gbe wo nɔewo bɔbɔe mlɔeba la ɖe edzi. Eyata ele vevie be wò kple srɔ̃wò miasrɔ̃ alesi miakpɔ masɔmasɔwo gbɔe le ŋutifafa me.

Ŋkuléle Ðe Nɔnɔmea Ŋu

Ne glãkahehe le wò srɔ̃ɖeɖe me la, dze agbagba nàkpɔe ɖa be nuka koŋ gbɔ tsomee miaƒe nyaʋiʋlia le hã. Nuka tututue dzɔna ne wò kple srɔ̃wò mieda asi ɖe nya aɖe dzi o. Ðe numedzodzroa va trɔna sagaa zua dzugbewo kple fɔbuamewo dada ɖoɖe mía nɔewoa? Ne nenemae la, nukae nàte ŋu awɔ?

Gbã la, kɔ dzime nàkpɔ alesi ɖewohĩ wò ŋutɔŋutɔ anya nɔ dzo tum ɖo ɖe kuxia tee. Ðe nèdoa dziku kabakaba? Glãkahelae nènyea? Nukae srɔ̃wò agblɔ tso ŋuwò le nya sia ŋu? Ele vevie be nàbu biabia mamletɔ sia ŋu, elabena ɖewohĩ mia kple srɔ̃wò ƒe nukpɔsusu ato vovo le nusi glãkahelanyenye fia ŋu.

Le kpɔɖeŋu me, tsɔe be srɔ̃wò nye amesi melɔ̃a nuƒo o, evɔ wò ya èɖea wò seselelãmewo gblɔna enumake ko èvo. Ðewohĩ àgblɔ be: Esi menɔ tsitsim la, “nenema koe míaƒe ƒomeametɔ ɖesiaɖe ƒoa nui. Menye glãkahehee o!” Eye ɖewohĩ le gowòme la, menye glãkahehee o hã nyateƒe. Gake ɖewohĩ srɔ̃wò ya bua nusi wò ya nèbuna be enye nyawo ɖeɖegblɔ faa la be enye glãkahehe sẽŋu si vea ame. Enyanya ko be dzeɖoɖo ƒe mɔnu vovovoe le wò kple srɔ̃wò si ate ŋu awɔe be nugɔmemasemasewo mado mo ɖa o.

Ðo ŋku edzi hã be glãkahehe menyea ɣlidodo ɣesiaɣi o. Paulo ŋlɔ na Kristotɔwo bena: ‘Mina woaɖe ɣlidodo kple dzugbe katã ɖa le mia dome.’ (Efesotɔwo 4:31) “Ɣlidodo” fia be gbe nade dzi, gake “dzugbe” ya fia nyagbe siwo le nyaa me. Ne míebui alea la, efia be dalĩdonyawo gɔ̃ hã ate ŋu anye nyaʋiʋli ne nyaawo ku dzi na ame alo da ame ɖe anyigba.

Esi nya siawo le susu me na wò ta la, galé ŋku ɖe alesi nèkpɔa wò kple srɔ̃wò dome masɔmasɔwo gbɔe ŋu ake. Ðe nèhea glãkaa? Abe alesi míekpɔe ene la, nyabiase sia ƒe ŋuɖoɖo ŋutɔŋutɔ nɔ te ɖe alesi srɔ̃wò bui dzi koŋ. Le esi teƒe be nàŋe aɖaba aƒu srɔ̃wòa ƒe nukpɔsusu dzi be nenemtɔe wònye la, dze agbagba nàkpɔ ɖokuiwò abe alesi eya kpɔa wòe ene, eye nàwɔ asitɔtrɔ siwo hiã la. Paulo ŋlɔ bena: “Ame aɖeke nagadi ye ŋutɔ tɔ o, ke nusi nye ame bubu tɔ la boŋ.”—Korintotɔwo I, 10:24.

Nye Toɖola Nyui’

Masɔmasɔwo gbɔkpɔnu bubu dze le Yesu ƒe nya siawo me be: ‘Nye toɖola nyui.’ (Luka 8:18) Ele eme baa be Yesu menɔ nu ƒom tso srɔ̃ɖeɖe me kadodowo ŋu o. Ke hã, míate ŋu azã gɔmeɖose si le eme la. Alekee nèɖoa to srɔ̃wòe? Ðe nèɖoa to ŋutɔ ya? Alo ɖe nèxɔa nya le enu kple kuxi siwo ŋu menya nuwo katã le o la gbɔkpɔnu tsɛwoa? Biblia gblɔ be: “Ne ame aɖe mekpɔ se nya, hafi ɖo eŋu o la, bometsitsi kple ŋukpe wònye nɛ.” (Lododowo 18:13) Ekema ne masɔmasɔwo do mo ɖa la, ehiã be wò kple srɔ̃wò miadzro nyaa me eye mialé to ɖe mia nɔewo ŋu nyuie.

Le esi nàbu srɔ̃wò ƒe nukpɔsusu nu tsɛe teƒe la, dze agbagba nàna ‘ame nu nawɔ nublanui na wò.’ (Petro I, 3:8) Le Helagbe gbãtɔ me la, nusi nya sia fia koŋue nye vevesese ɖe ame ti. Ne nane do nuxaxa na srɔ̃wò la, ele be nàxa nu kplii. Dze agbagba nàbu nya la ŋu abe alesi wòle eŋu bumee ene.

Edze ƒã be mawuvɔ̃la Isak wɔe alea. Biblia gblɔ na mí be ƒomenya aɖe si ku ɖe via Yakob ŋu va nɔ fu ɖem na Isak srɔ̃, Rebeka. Egblɔ na Isak be: “Agbenɔnɔ tim le Xitivi-nyɔnuawo ta. Ne Yakob hã aɖe anyigba sia dzi tɔ, siwo nye Xitiviwo ƒe vinyɔnu aɖe la, ekema nukaŋuti megale agbe ɖo?”—Mose I, 27:46.

Nyateƒee wònye be anye be dzimaɖitsitsi wɔe be Rebeka gblɔ nyawo wògbɔ eme akpa. Le nyateƒe me la, ɖe agbe tii vavã? Ðe wòalɔ̃ be yeaku ŋutɔŋutɔ ne via ɖe Xiti-nyɔnu aɖea? Ðewohĩ malɔ̃ o. Ke hã, Isak mebu Rebeka ƒe seselelãmeawo nu tsɛe o. Ke boŋ Isak kpɔe be susu le nusi ŋu Rebeka tsi dzi ɖo la me, eye wòɖe afɔ ɖe enu wòsɔ. (Mose I, 28:1) Ne srɔ̃wò gatsi dzi ɖe nya aɖe ŋu ɣebubuɣi la, wɔ nenema ke. Le esi teƒe be nàbui nu tsɛe la, ɖo to srɔ̃wòa, de bubu eƒe nukpɔsusua ŋu, eye nàwɔ nu ɖe eŋu nublanuikpɔkpɔtɔe.

Toɖoɖo Kple Nugɔmesesename

Biblia me lododo aɖe gblɔ be: “Amesi gbɔa dzi blewu la, [nugɔmeselae, NW].” (Lododowo 19:11) Ne masɔmasɔ do mo ɖa la, enɔa bɔbɔe ŋutɔ be nàwɔ nu ɖe nyatɔame ɖesiaɖe si do le srɔ̃wò nu la ŋu. Gake zi geɖe la, ɖeko esia naa glãkahehea me gasẽna ɖe edzi. Le esia ta la, ne èle to ɖom srɔ̃wò ƒe nyawo la, ɖoe kplikpaa be menye nyagbe siwo zãm wòle la koe yease o, ke boŋ seselelãme si wòtsɔ le wo gblɔmee hãe. Nugɔmesese sia akpe ɖe ŋuwò nàkpɔ nu wòayi ŋgɔ wu dzi si le kuwòm la si ale be nàɖo kuxia ƒe ke gbɔ.

Le kpɔɖeŋu me, tsɔe be srɔ̃wò nyɔnu gblɔ na wò be, “Mevona ɖe ŋunye kura o!” Dzi ate ŋu aku wò ɖe eta eye nàgbe nya sia bɔbɔe. Ðewohĩ aɖo eŋu be: “Menɔ gbɔwò ŋkeke blibo le ɣleti si va yi me!” Gake ne èle to ɖe nyaa ŋu nyuie la, ɖewohĩ akpɔe be menye ɣeyiɣi agbɔsɔsɔ aɖee srɔ̃wòa di be nàgatsɔ akpee o. Ke boŋ kakaɖedzi aɖe biamee wòanya nɔ hele gbɔgblɔm na wò be ewɔna na ye be ègble ye ɖi eye be melɔ̃ ye o ene.

Tsɔe be srɔ̃nyɔnue nènye eye srɔ̃wo ŋutsu ɖe eƒe seselelãme gblɔ le nusiwo nèƒle nyitsɔ laa ŋu. Ewɔ nuku nɛ ale gbegbe be wòbia wò be: “Nukatae nàzã ga ma gbegbe ɖo?” Enumake la, àdi be yeaɖe ye ɖokui nu to ƒomea ƒe gazazãwo me ɖeɖe nɛ tsitotsito dzi alo to alesi nèzã ga lae tsɔtsɔ asɔ kple esi eya zã tsɔ ƒle nanee dzi. Gake nugɔmesese akpe ɖe ŋuwò nàkpɔe be manye ga home si nèzã la ŋutɔŋutɔ ƒe nya gblɔmee srɔ̃wò ŋutsua le o. Ke boŋ esi womebia eƒe nukpɔsusu le nu gã mawo ƒeƒle ŋu hafi ƒlee o lae anya ɖe fu nɛ.

Nyateƒee be mɔ aɖe anɔ srɔ̃tɔ ɖesiaɖe si, si dzi woato akpɔ ɣeyiɣi agbɔsɔsɔ me si wotsɔ nɔa wo nɔewo gbɔe kple alesi woawɔ nuƒeƒle ŋuti nyametsotsowo gbɔe. Nya lae nye be ne nyawo do ʋiʋli na mi la, nugɔmesese ana miagbɔ dzi blewu eye wòana miakpɔ nusi tututue nye nya la adze sii. Le esi teƒe be nàtso vlavo ko awɔ nu la, wɔ ɖe Biblia ŋlɔla Yakobo ƒe aɖaŋuɖoɖoa dzi be ‘nàɖe abla le nusese me, nànɔ blewu le nuƒoƒo me, nànɔ blewu hã le dziku me.’—Yakobo 1:19.

Ne àƒo nu hã la, ɖo ŋku edzi be alesi nàƒo nuae na srɔ̃wòa le vevie. Biblia gblɔ be: “Nunyalawo ƒe aɖe daa gbe le ame ŋu.” (Lododowo 12:18) Ne masɔmasɔ aɖe ɖo wò kple srɔ̃wò dome la, ɖe wò nyawo agbã dzi nɛ loo alo ɖe woada gbe le eŋua? Ðe nyawo dea mama mia dome loo alo ɖe wotana mɔ si dzi miato agawɔ ɖeka na mia? Abe alesi míekpɔe va yi ene la, ɖeko nyawo ŋuɖoɖo le dziku alo dzimagbɔɖi me dea dzre aƒe boŋ.—Lododowo 29:22.

Ne masɔmasɔ aɖe trɔ zu nyaʋawɔwɔ la, dze agbagba vevie be nya veviawo ŋu koe nàƒo nu tsoe. Wò nyawo neku ɖe nusi he masɔmasɔa vɛ ŋu, ke menye srɔ̃wòa ŋu o. Nusi anɔ vevie na wò wue nye nusi dze be wòawɔ ke menye amesi tɔe dzɔ o. Kpɔ nyuie be wò nyawo nagana glãkahehea nagafla ɖe edzi o. Biblia gblɔ be: “Gbe da ɖe ame gbɔ nana dɔmedzoe flana.” (Lododowo 15:1) Ẽ, nya si nàgblɔ kple alesi nàgblɔe ate ŋu ana srɔ̃wòa nase nu gɔme nawò loo alo wòagbe egɔmesese.

Ðoe be Yewoakpɔ Nyaa Gbɔ, Menye be Yeaɖu Dzi O

Le míaƒe masɔmasɔwo gbɔkpɔkpɔ me la, taɖodzinuae nyena be míakpɔ kuxia gbɔ, ke menye míakpɔ amesi ɖu dzi o. Aleke miawɔ akpɔ nya la gbɔe? Mɔ si ŋu kakaɖedzi le enye be míazã Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖowo, eye vevietɔ wu la, srɔ̃ŋutsuwo wòle na be woaxɔ ŋgɔ le esia wɔwɔ me. Le esi teƒe be nàtsi dzi ahanɔ kpaɖii le wò susuwo gbɔgblɔ me le kuxi siwo do mo ɖa ŋu la, nukatae màbu nyawo ŋu abe alesi Yehowa abu woe ene o? Do gbe ɖa na Mawu, eye nàdi eƒe ŋutifafa si adzɔ wò dzi kple tamesusuwo ŋu. (Efesotɔwo 6:18; Filipitɔwo 4:6, 7) Dze agbagba vevie be nàgakpɔ nusi nye wò ŋutɔ tɔwò ko dzi o ke boŋ nusi nye srɔ̃wò tɔ hã dzi.—Filipitɔwo 2:4.

Nusi ganana nɔnɔme gbegblẽ aɖe doa fievo ɖe edzi zi geɖe enye nana be dziku kple vevesese helĩhelĩ naɖu wò tamesusuwo kple nuwɔnawo dzi. Gake lɔlɔ̃ faa be aɖaŋuɖoɖo siwo le Mawu ƒe Nya la me natrɔ asi le ame ƒe nɔnɔme ŋu hea ŋutifafa, lɔlɔ̃ ɖe nu ɖeka dzi, kple Yehowa ƒe yayra vɛ. (Korintotɔwo II, 13:11) Eyata na “nunya, si tso dziƒo la” nafia mɔ wò, ɖe mawumenɔnɔmewo fia, eye nàxɔ “amesiwo wɔa ŋutifafa” ƒe viɖewo.—Yakobo 3:17, 18.

Le nyateƒe me la, ele be mí katã míasrɔ̃ alesi míakpɔ masɔmasɔwo gbɔe le ŋutifafa me, nenye be esia wɔwɔ abia be míatsɔ míaƒe nanewo asa vɔe hã. (Korintotɔwo I, 6:7) Ele be míawɔ ɖe Paulo ƒe nuxlɔ̃amea dzi be míaɖe ‘dziku, dɔmedzoe, nu tovo wɔwɔ, dzugbe, ŋukpenanyawo la ɖa tso miaƒe nu me. Míaɖe amenyenye xoxoa kple eƒe nuwɔnawo ɖa, eye míado amenyenye yeyea.’—Kolosetɔwo 3:8-10.

Ele eme baa be ɣeaɖewoɣi la, àgblɔ nya aɖewo siwo ava ve wò emegbe ya. (Yakobo 3:8) Ne edzɔ alea la, ɖe kuku na srɔ̃wòa. Yi edzi nànɔ vevie dom nu le go sia me. Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, alesi wò kple srɔ̃wòa siaa miava nɔ masɔmasɔwo gbɔ kpɔmee la ava nyo ɖe edzi.

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 22]

Afɔ Etɔ̃ Siwo Woaɖe be Glãkahehe Nu Nagasẽ O

• Ðo to srɔ̃wòa. Lododowo 10:19

• De bubu eƒe nukpɔsusua ŋu. Filipitɔwo 2:4

• Wɔ nu ɖe eŋu lɔlɔ̃tɔe. Korintotɔwo I, 13:4-7

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 23]

Nusi Nàte Ŋu Awɔ Azɔ

Bia nya siwo gbɔna la srɔ̃wò, eye nàɖo to ŋuɖoɖoawoa enumatsomatsoe. Ekema srɔ̃wòa hã ate ŋu abia nya siawo ke wò nàɖo eŋu.

• Ðe mehea glãkaa?

• Ðe meɖoa to wò ŋutɔŋutɔ ne èle wò nyawo gblɔma, alo ɖe metsoa nya le nuwò hafi nèwua wònyaa nu?

• Ðe nye nyawo lɔa wò ameŋumabumabutɔe alo dzikutɔea?

• Nukae mía kple evea míate ŋu awɔ be míaƒe dzeɖoɖo naganyo ɖe edzi—vevietɔ ne míaƒe susuwo mewɔ ɖeka le nya aɖe ŋu o?

[Nɔnɔmetata si le axa 21]

Ðe nèɖoa toa?

[Nɔnɔmetata si le axa 22]

‘Ewɔna nam be ègblem ɖi alo melɔ̃m o’

[Nɔnɔmetata si le axa 22]

“Mevona ɖe ŋunye kura o!”

[Nɔnɔmetata si le axa 22]

“Menɔ gbɔwò ŋkeke blibo le ɣleti si va yi me!”