Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nukatae Ðekawɔwɔ Mele Xexeame O?

Nukatae Ðekawɔwɔ Mele Xexeame O?

Nukatae Ðekawɔwɔ Mele Xexeame O?

“Esiae nye zi gbãtɔ si xexeame dukɔwo katã wɔ ɖeka le Xexemeʋa II megbe. . . . Eyata xexeame ate ŋu awɔ mɔnukpɔkpɔ sia ŋudɔ atsɔ ahe agbe yeye nɔnɔ le xexeame si ƒe ŋugbe wodo keke gbaɖegbe ke la vɛ.”

NYA SIAE United States dukplɔla aɖe gblɔ esi wòsusɔ ƒe ʋɛ aɖewo ko ne ƒe alafa 20 lia nawu enu. Ɣemaɣi la, dukɔwo dome nudzɔdzɔwo dze abe ɖe xexeame ƒe ɖekawɔwɔ gogo ene. Ŋutasẽdziɖuɖuwo mu ɖekaɖeka. Womu Berlin-glia wònye dzesi na Europa be ɣeyiɣi yeye aɖe le egɔme dzem. Soviet Union, si Ɣetoɖoƒedukɔ me tɔ geɖe buna be eyae le megbe na xexeame ƒe aʋawɔwɔwo la, bu vĩ wòwɔ nuku na xexea. Tomeʋa si nɔ dukɔwo dome la ke, eye wotsɔ kakaɖedzi ƒo nu tso asiɖeɖe le aʋawɔnu, siwo me nukliaʋawɔnuwo hã le, tutu ŋu. Ele eme baa be aʋa dzɔ le Persia-Ƒukɔme ya, gake ema dze abe ɣeyiɣi kpui aɖe ƒe kuxi ko ene si wɔe be xexeame nɔla geɖe gabla akpa sesĩe ɖe edzi be yewoati ŋutifafa yome.

Menye dunyahenyawo me koe wòdze le be nuwo nɔ kakam ɖe eme le o, ke edze le agbenɔnɔ ƒe akpa bubuwo hã me. Agbenɔnɔ nɔ nyonyom ɖe edzi le xexeame ƒe akpa geɖe. Ŋgɔyiyi siwo wowɔ le dɔdada me na wònɔ bɔbɔe na ɖɔktawo be woda dɔ siwo dada woayɔ le ƒe ʋɛ siwo do ŋgɔ me be wonye nukunuwo la. Dukɔ geɖe ƒe ganyawo tsɔ afɔ nyuie ale gbegbe be wòdze abe nuwo adze edzi na xexe bliboa ene. Edze abe nuwo nɔ zɔ ɖem nyuie abe alesi wodii ene.

Egbea, le ƒe ʋɛ aɖewo ko megbe la, ɖeko wòle be míabia be: ‘Nukae dzɔ? Afikae xexeame ƒe ɖekawɔwɔ si ƒe ŋugbe wodo la to?’ Ne míagblɔe tututu la, edze abe xexeame le megbemegbe yim boŋ ene. Amesiwo daa bɔmb wo ɖokuiwo le amewo dome, ŋɔdzidonamelawo ƒe amedzidzedze, aʋawɔnu siwo wua ame gbogbowo zi ɖeka ƒe dzidziɖedzi ŋuti nyatakakawo, kple nudzɔdzɔ bubu siwo doa ŋɔdzi na ame, va zu nusiwo ŋu nyatakakamɔnuwo ƒoa nu le edziedzi. Edze abe nudzɔdzɔ siawo yi edzi le xexeame hem ɖe megbe tso ɖekawɔwɔ gbɔ ene. Gadodoŋutinunyala xɔŋkɔ aɖe gblɔ nyitsɔ laa be: “Nuvlowɔwɔ ƒe dzidziɖedzi si le ta kekem ɖe enu la va le mía xaxam ɖo ale gbegbe.”

Xexeame ƒe Ðekawɔwɔ alo Xexeame ƒe Mamae?

Esi woɖo Dukɔ Ƒoƒuawo anyi la, eƒe taɖodzinuwo dometɔ ɖekae nye be “woanɔ te ɖe bubudede gomenɔamesi sɔsɔe kple ɖokuisinɔnɔ si le dukɔwo si ƒe gɔmeɖose ŋu dzi ana xɔlɔ̃wɔwɔ nanɔ dukɔwo dome.” Ƒe 60 kloe enye sia va yi la, ɖe woɖo taɖodzinu dzeameŋu ma gbɔa? Kura o! Ðe “xɔlɔ̃wɔwɔ” teƒe la, edze abe nyagbɔgblɔ si nye “ɖokuisinɔnɔ” boŋ ye va xɔ susu me na dukɔwo ene. Dukɔwo kple gbevovovodola siwo le ʋiʋlim sesĩe be woade dzesi yewo eye wotsɔ woa ŋutɔwo ɖokuidziɖuɖu tu tsitree la ma xexeame kakɛkakɛe ɖe edzi. Esi woɖo Dukɔ Ƒoƒuawo anyi la, dukɔ 51 ye nɔ eme. Fifia la, dukɔ 191 ye le eme.

Abe alesi míekpɔe ene la, le ƒe alafa 20 lia ƒe nuwuwu lɔƒo la, xexeame ƒe ɖekawɔwɔ si wonɔ mɔ kpɔm na la ŋutinya ɖi hoo. Tso ɣemaɣi la, mɔkpɔkpɔ ma bu nukutɔe eye ameƒomea le ekpɔm be dukɔwo dome le mamam ɖe edzi boŋ. Ʋunyaʋunyawɔwɔ si ma Yugoslavia kakɛkakɛe, dzre si nɔ Chechnya kple Russia dome ɖom enuenu, Iraq ʋa la, kple alesi woyi edzi nɔ ʋu kɔm ɖii le Titina Ɣedzeƒe la—katã nye kpeɖodzi be ɖekamawɔmawɔ le dzidzim ɖe edzi.

Ðikeke aɖeke mele eme o be agbagba siwo katã dzem wole be ŋutifafa nava la nye esi tso dzi blibo me eye susu nyuiwo hã tae. Ke hã, edze abe xexeame ƒe ɖekawɔwɔ gbɔ manya ɖo o ene. Ame geɖe le wo ɖokuiwo biam be: ‘Nukata xexeame ƒe ɖekawɔwɔ gbɔ menya le ɖoɖom o? Afikae xexeame ɖo tae?

[Picture Credit Lines on page 3]

AP Photo/Lionel Cironneau

Arlo K. Abrahamson/AFP/ Getty Images