Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Esi nusrɔ̃lawo se be Petro si wolé de gaxɔ me va le agboa nu la, nukata wogblɔ be: “Eƒe Mawudɔlae”?—Dɔwɔwɔwo 12:15.

Nusrɔ̃lawo anya bui vodadatɔe be mawudɔla aɖee wodɔ ɖa wòva le Petro teƒe tɔ ɖe agboa nu. Bu nya siwo ƒo xlã nuŋlɔɖi sia ŋu kpɔ.

Herodes si na wowu Yakobo la kee na wolé Petro hã. Eyata nusrɔ̃lawo tɔ dzɔ be woaxɔe ase be Petro hã ƒe agbe awu enu nenema ke. Esi wode Petro gaxɔ me la, wode kɔsɔkɔsɔe eye asrafo wuiade siwo le hatsotso ene me la, ɖɔa li wo nɔewo nɔa eŋu dzɔm. Ke le zã aɖe me la, mawudɔla aɖe va ɖee le gaxɔa me nukutɔe. Esi Petro va de dzesi nusi le dzɔdzɔm mlɔeba la, egblɔ be: “Azɔ menyae vavã bena, Aƒetɔ la dɔ eƒe dɔla ɖa, eye wòɖem tso Herodes si me.”—Dɔwɔwɔwo 12:1-11.

Enumake Petro yi Yohanes, si wogayɔna be Marko, dada, Maria, ƒe aƒeme, afisi nusrɔ̃lawo dometɔ aɖewo ƒo ƒu ɖo. Esi wòƒo agboa la, nyɔnudɔla aɖe, si ŋkɔe nye Roda yi ɖatɔ gbee. Esi wòse Petro ƒe gbe la, egblẽe ɖe agboa godo hesi du va gblɔe na ame mamlɛawo! Nusrɔ̃lawo mete ŋu xɔe se enumake be Petro ye nɔ agboa nu o. Ke boŋ wobui vodadatɔe be: “Eƒe mawudɔlae.”—Dɔwɔwɔwo 12:12-15.

Ðe nusrɔ̃lawo susu be wowu Petro xoxo eye eƒe gbɔgbɔ si do le eme lae va le agboa nua? Manye susu mae wobu o, elabena Yesu yomedzelawo nya ŋɔŋlɔawo me nyateƒe si ku ɖe ame kukuwo ŋu—bena “womeganya naneke o.” (Nyagblɔla 9:5, 10) Ekema, anye nukae nusrɔ̃lawo wɔnɛ esime wogblɔ be: “Eƒe mawudɔlae”?

Yesu ƒe nusrɔ̃lawo nyae be tso blema ke la, mawudɔlawo naa kpekpeɖeŋu ŋutɔŋutɔ Mawu ƒe amewo. Le kpɔɖeŋu me, Yakob gblɔ be ‘mawudɔla aɖe ɖe ye tso yeƒe hiãwo katã me.’ (Mose I, 48:16) Eye Yesu gblɔ le ɖevi sue aɖe, si va woa kple eƒe nusrɔ̃lawo gbɔ, ŋu be: “Mikpɔ nyuie, ne miagado vlo nenem ɖevi sue siawo dometɔ ɖeka o; elabena mele egblɔm na mi bena: Woƒe mawudɔla, siwo le dziƒowo la, le Fofonye, si le dziƒowo la, ƒe mo kpɔm ɖaasi.”—Mateo 18:10.

Esɔ ŋutɔ be, Young’s Literal Translation of the Holy Bible ɖe nya agʹge·los (“angel” alo “mawudɔla”) gɔme be “dɔtsɔla.” Edze abe dzixɔse aɖe nɔ Yudatɔwo si, be mawudɔla—si nye “mawudɔla ametakpɔla”—aɖe le Mawu subɔla ɖesiaɖe si koŋ ene. Le nyateƒe me la, womefia nu sia tẽ le Mawu ƒe Nya me o. Ke hã, ate ŋu anye be esi nusrɔ̃lawo gblɔ be, “Eƒe mawudɔlae” la, wonɔ ebum be mawudɔla dɔtsɔla aɖee wodɔ ɖa wòva le Petro teƒe tɔ ɖe agboa nu.