Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Woɖe Wo, Menye To Dɔwɔwɔ Ko Dzi o, Ke To Amenuveve Hã Dzi

Woɖe Wo, Menye To Dɔwɔwɔ Ko Dzi o, Ke To Amenuveve Hã Dzi

Woɖe Wo, Menye To Dɔwɔwɔ Ko Dzi o, Ke To Amenuveve Hã Dzi

“Amenuveve wotsɔ ɖe mi to xɔse me . . . Menye dɔwɔwɔ me wòtso o, bene ame aɖeke nagaƒo adegbe o.”​—EFESOTƆWO 2:8, 9.

1. Aleke Kristotɔwo to vovo na amewo le nusi ame ŋutɔ te ŋu wɔ ƒe nya la me, eye nukatae?

EGBEA, amewo dana ŋutɔ ɖe nusi woa ŋutɔwo te ŋu wɔ dzi, eye kasiaa ko la, wotea adegbeƒoƒo le wo ŋu. Kristotɔwo ya to vovo. Woƒoa asa na nusiwo woa ŋutɔwo te ŋu wɔ, le tadedeagu vavãtɔ gɔ̃ hã me, la tsɔtsɔ ƒo adegbee. Togbɔ be wokpɔa dzidzɔ ɖe nusi Yehowa ƒe amewo wɔna abe ƒuƒoƒo ene ŋu hã la, wometsɔa akpa si tututu woa ŋutɔwo wɔ le eme la nɔa nume wɔmee o. Wonyae be le Yehowa ƒe subɔsubɔdɔa me la, tamesusu nyui ƒe amesinɔnɔ le vevie wu nusiwo ame ŋutɔ te ŋu wɔ. Amesiame si woana woatsi agbe tegbee mlɔeba la, manye eya ŋutɔ ƒe nuwɔna aɖe dzie wòato atsii o, ke boŋ xɔse kple Mawu ƒe amenuveve si míedze na o dzie wòato atsi agbe.—Luka 17:10; Yohanes 3:16.

2, 3. Nuka ŋue Paulo ƒo adegbe le, eye nukatae?

2 Apostolo Paulo nya esia nyuie. Esi wòdo gbe ɖa zi gbɔ zi etɔ̃ be yeavo tso ‘ŋù si nɔ eƒe ŋutilã me’ si me megbe la, Yehowa ɖo eŋu nɛ ale: “Nye amenuveve sɔ gbɔ na wò; elabena nye ŋusẽ zu blibo le gbɔdzɔgbɔdzɔ me.” Paulo tsɔ ɖokuibɔbɔ xɔ Yehowa ƒe nyametsotsoae eye wògblɔ be: “Mele lɔlɔ̃m wu bena, maƒo adegbe le nye gbɔdzɔgbɔdzɔ ŋuti boŋ, bene Kristo ƒe ŋusẽ nanɔ dzinye.” Paulo ƒe ɖokuibɔbɔa nye esi wòle na mí be míasrɔ̃.—Korintotɔwo II, 12:7-9.

3 Togbɔ be Paulo ɖe dzesi ŋutɔ le Kristotɔwo ƒe dɔwo wɔwɔ me hã la, enyae be menye ye ŋutɔ yeƒe ŋutete aɖewo koŋ dzie nusiwo yewɔ la to o. Etsɔ ɖokuibɔbɔ gblɔ bena: “Nye amesi nye ame kɔkɔewo katã dome suetɔ la, wotsɔ amenuveve sia na, bene magblɔ Kristo ƒe kesinɔnu, si mele nyanya tsitotsito o la afia le trɔ̃subɔlawo dome.” (Efesotɔwo 3:8) Dadagbɔgbɔ loo alo ɖokuidodoɖedzi ƒe gbɔgbɔ aɖeke medze le nya sia me o. “Mawu tsia tre ɖe dadalawo ŋuti; ke evea ɖokuibɔbɔlawo nu.” (Yakobo 4:6; Petro I, 5:5) Ðe míesrɔ̃a Paulo ƒe kpɔɖeŋua hebua mía ɖokuiwo le ɖokuibɔbɔ me be míele sue wu mía nɔviwoa?

Amewo Bubu Gãe Wu Ame Ðokui’

4. Nukatae wòate ŋu asesẽ na mí ɣeaɖewoɣi be míabu ame bubuwo gãe wu mía ɖokui ɖo?

4 Apostolo Paulo ɖo aɖaŋu na Kristotɔwo be: “Migawɔ naneke le dzrewɔwɔ alo bubu dzodzro ta o, ke boŋ mia dome amesiame natsɔ ɖokuibɔbɔ abu nɔvia gã wu ye ŋutɔ ɖokui.” (Filipitɔwo 2:3) Nusia wɔwɔ ate ŋu asesẽ, vevietɔ ne wòdzɔ be míele agbanɔamedzinɔƒewo. Ðewohĩ nusi nana wòsesẽnae nye hoʋiʋli ƒe gbɔgbɔ si bɔ ŋutɔ ɖe xexeame egbea eye wòkpɔa ŋusẽ aɖe ƒomevi ɖe mía dzi la. Anye be le míaƒe ɖevimenɔɣi la, wofia alesi míaʋli hoe kple mía nɔviwo le aƒeme loo alo kple míaƒe sukuxɔmehatiwo le suku. Ðewohĩ woanya nɔ eƒom ɖe mía nu edziedzi be míaʋli sesĩe ava zu sukua ƒe kamedefefewɔla si ƒo ɖesiaɖe ta alo be míava zu sukuvi si ƒe tagbɔ ɖa wu. Le nyateƒe me la, míaƒe ŋutete ɖesiaɖe wɔwɔ le dɔ nyui ɖesiaɖe me dzena kafukafu. Gake Kristotɔwo wɔa esia, menye be woatsɔ ahe amewo ƒe susu ɖe wo ɖokui ŋu madzemadzee o, ke boŋ be wòakpɔ viɖe le nenem dɔ ma me bliboe eye ɖewohĩ be wòaɖe vi na ame bubuwo hã. Gake afɔku ate ŋu anɔ didi ɣesiaɣi be woakafu mí be míexɔ nɔƒe gbãtɔ me. Le mɔ ka nu?

5. Ne ame melé ŋku ɖe hoʋiʋligbɔgbɔ ŋu o la, nuka mee wòate ŋu akplɔe ayii?

5 Ne ame melé ŋku ɖe hoʋiʋli alo dada gbɔgbɔ ŋu o la, ate ŋu awɔe be wòava zu amemabuame kple akpasesẽnuwɔla. Ame bubuwo ƒe ŋutetewo kple woƒe ɖoƒewo ava nɔ ŋu biãm nɛ. Lododowo 28:22 gblɔ be: “Ŋubiãla le yɔyɔm ɖe kesinɔnu ŋu; ke menyae be, hiã le ye dzi va ge o.” Eya ŋutɔ ate ŋu ava nɔ didim be yeaxɔ ɖoƒe siwo yemedze na o la gɔ̃ hã. Bene wòaɖe eƒe wɔnawo nu la, ate liʋiliʋi lili le amewo ŋu ahanɔ fɔ bum wo—si nye nɔnɔme siwo wòle be Kristotɔwo natsri. (Yakobo 3:14-16) Aleke kee nya ɖale o, tɔnye-nenyo-gbã ƒe nɔnɔmee nye ma wòte tutuɖo.

6. Aleke Biblia xlɔ̃ nu ku ɖe hoʋiʋligbɔgbɔ ŋui?

6 Eyata Biblia de dzi ƒo na Kristotɔwo be: “Miganɛ míaƒe ŋkuwo nabiã le bubu dzodzro ŋuti o, ne míagadi ge le mía nɔewo ŋu, eye míaƒe nu nagave dɔme na mía nɔewo o.” (Galatiatɔwo 5:26) Apostolo Yohanes ƒo nu tso hati Kristotɔ aɖe si va ɖe nɔnɔme sia fia la ŋu. Yohanes gblɔ bena: “Meŋlɔ agbalẽ ɖo ɖe hame la; gake Diotrefo, si le didim be, yeaɖo tɔ ɖe wo nu la, mexɔ mí o. Eyata ne meva la, maɖo ŋku eƒe dɔwɔwɔ, siwo wòwɔna kple nya vɔ̃, siwo wònɔa gbɔgblɔm ɖe mía ŋuti la dzi.” Nɔnɔme wɔnublanui kae nye si ava su Kristotɔ si!—Yohanes III, 9, 10.

7. Ameka ƒomevie Kristotɔ madi be yeazu le egbe dɔwɔnyawo me hoʋiʋliwo me o?

7 Le nyateƒe me la, susu manɔ eme be woabui be Kristotɔ naƒo asa na hoʋiʋli nuwɔnawo katã keŋkeŋ. Le kpɔɖeŋu me, eƒe dɔwɔɖuia ate ŋu abia be wòaʋli ho kple ame alo dɔwɔƒe bubu siwo hã wɔa adzɔnu siwo wòwɔna alo dzraa nusiwo wòdzrana. Gake le nɔnɔme mawo gɔ̃ hã me la, Kristotɔ adi be yeaɖe bubu, lɔlɔ̃, kple ameŋububu afia le yeƒe dɔwɔɖuia wɔwɔ me. Malɔ̃ kura be yeada le se dzi loo alo awɔ nusiwo medze Kristotɔ o eye madi be yeazu amesi wonya koŋ ɖe hoʋiʋli, alo ze-wu-ze, ƒe nɔnɔme ta o. Masusui be ɖoƒe gbãtɔ nɔnɔ—eɖanye le nuka ke me o—ye nye nu vevitɔ kekeake le agbe me o. Ne aleae nya la le le dɔwɔɖui ƒe nyawo me ɖe, ke aleke gbegbee wòle vevie wu enye si le tadedeagu ƒe nyawo gome!

‘Metsɔa Eɖokui Sɔna Kple Ame Bubu O’

8, 9. (a) Nukata susu aɖeke mele Kristotɔ hamemegãwo si be woaʋli ho kple wo nɔewo o? (b) Nukata Petro I, 4:10 yi na Mawu subɔlawo katã?

8 Wogblɔ nɔnɔme si wòle be wòanɔ Kristotɔwo si la ɖe nya siawo siwo tso gbɔgbɔ me la me ale: “Ke amesiame nado ye ŋutɔ ƒe dɔwɔwɔ akpɔ, ekema akpɔ nu aƒo adegbe le ye ŋutɔ ɖokui ɖeɖeko me, eye menye le ame bubu me o.” (Galatiatɔwo 6:4) Esi hamemegãwo nyae be yewomele ho ʋlim kple yewo nɔewo le hamea me o ta la, wowɔa dɔ aduadu kple wo nɔewo kplikplikpli abe hamemegãwo ƒe ha ene. Wokpɔa dzidzɔ ɖe nusi wo dometɔ ɖesiaɖe te ŋu wɔna hena hamea ƒe ŋgɔgbedede ŋu. Esia wɔe be woƒoa asa na hoʋiʋli nuwɔna siwo gblẽa nu la eye woɖoa ɖekawɔwɔ ƒe kpɔɖeŋu nyui na hamea me tɔ mamleawo.

9 Le ƒexɔxɔ, nuteƒekpɔkpɔ, alo dzɔdzɔme ŋutete aɖewo ta la, hamemegã aɖewo ate ŋu abi, alo woƒe nugɔmesese nade to, wu. Esia wɔe be agba vovovowoe dzea hamemegãwo dzi le Yehowa ƒe habɔbɔa me. Le esi woatsɔ wo ɖokuiwo anɔ sɔsɔm kple wo nɔewo teƒe la, aɖaŋuɖoɖo sia nɔa susu me na wo be: “Misubɔ mia nɔewo le alesi amesiame xɔ amenuvevenunana la nu, abe Mawu ƒe amenuveve bubu ƒomevi geɖewo ƒe xɔnuvi nyuiwo ene.” (Petro I, 4:10) Le nyateƒe me la, mawunyakpukpui sia yi na Yehowa subɔlawo katã, elabena wo katã woxɔ nunana si nye sidzedze vavãtɔ la va ɖo afi aɖe eye wo katã wosea vivi le gomekpɔkpɔ le Kristotɔwo ƒe subɔsubɔdɔa me.

10. Nuka koe míatsɔ awɔ míaƒe subɔsubɔ kɔkɔea hafi wòadze Yehowa ŋu?

10 Ne míenya tsɔ lɔlɔ̃ kple dzi blibo wɔ míaƒe subɔsubɔ kɔkɔe lae eye menyanye kple susua be míado mía ɖokuiwo ɖe dzi ɖe ame bubuwo ŋu o ko la, edzea Yehowa ŋu. Eyata ele vevie be nukpɔsusu si da sɔ nanɔ mía si ɖe dɔ siwo míewɔna tsɔ doa nyateƒe tadedeagu ɖe ŋgɔ ŋu. Togbɔ be ame aɖeke mate ŋu anya nɔvia ƒe tamesusuwo pɛpɛpɛ o hã la, Yehowa ya ‘dana dziwo kpɔna.’ (Lododowo 24:12; Samuel I, 16:7) Le esia ta la, anyo be míabia mía ɖokui edziedzi be, ‘Susu ka tae mele xɔsedɔwo wɔm ɖo?’—Psalmo 24:3, 4; Mateo 5:8.

Míaƒe Dɔ la Ŋuti Nukpɔsusu Nyuitɔ

11. Míaƒe subɔsubɔdɔa ŋuti nyabiase kawo ŋui míate ŋu ade ŋugble le wòasɔ?

11 Nenye be susu si míetsɔ le dɔa wɔmee le vevie wu bene Yehowa nakpɔ ŋudzedze ɖe mía ŋu o la, ke afikae wòle be míatsɔ ɖe le míaƒe xɔsedɔwo wɔwɔ me ase ɖo? Ne míenya tsɔ tamesusu nyuitɔ le míaƒe subɔsubɔdɔa wɔmee ko la, ɖe wòagahiã nenema gbegbe be míawɔ nusiwo míewɔna alo agbɔsɔsɔ si míewɔ la ŋuti nuŋlɔɖiwoa? Nyabiase siawo sɔ, elabena míedi be nuŋlɔɖiawo nava nɔ vevie na mí wu xɔsedɔwo wɔwɔ o alo ana akɔnta nyui si míabu nava zu nusi ŋu míatsi dzi ɖo vevie wu le míaƒe Kristotɔwo ƒe dɔwɔnawo me o.

12, 13. (a) Susu siwo ta míebua akɔnta le míaƒe gbeadzisubɔsubɔ ŋu la dometɔ aɖewo ɖe? (b) Susu kawo tae dzi dzɔa mí ɖo ne míelé ŋku ɖe xexeame katã ƒe gbeƒãɖeɖedɔa ƒe akɔntabubua ŋu?

12 Se nya si agbalẽ si nye Ðoɖo Hena Yehowa ƒe Lɔlɔ̃nu Wɔwɔ gblɔ ɖa: “Yesu Kristo ƒe yomedzela gbãtɔwo tsɔ ɖe le gbeƒãɖeɖedɔa ƒe ŋgɔyiyi ŋuti nyatakakawo me. (Marko 6:30) Biblia-gbalẽ si nye Dɔwɔwɔwo gblɔ na mí be amesiwo anɔ 120 ye nɔ anyi esi wokɔ gbɔgbɔ kɔkɔe ɖe nusrɔ̃lawo dzi le Pentekoste-ŋkekea dzi. Eteƒe medidi o nusrɔ̃lawo ƒe xexlẽme dzi ɖe edzi ɖo 3,000 eye emegbe woɖo ame 5,000. . . . (Dɔwɔwɔwo 1:15; 2:5-11, 41, 47; 4:4; 6:7) Aleke gbegbe dzidziɖedzi siawo ŋuti nyatakaka ade dzi ƒo na nusrɔ̃la mawo enye si!” Le susu sia ke ta la, Yehowa Ðasefowo siwo li egbea dzea agbagba be yewoawɔ dɔ si wɔm yewole le xexeame katã la ŋuti nuŋlɔɖi siwo de pɛpɛpɛ be Yesu ƒe nya siawo nava eme be: “Woaɖe gbeƒã fiaɖuƒeŋutinya nyui sia afia amewo le xexe blibo la katã me, bena wòanye ɖaseɖiɖi na dukɔwo katã, eye ekema nuwuwu aɖo.” (Mateo 24:14) Akɔntabubu siawo nana wote ŋu kpɔa dɔ siwo wɔm wole le xexeme katã la ŋutɔŋutɔ. Enana wonyaa afisi kpekpeɖeŋu hiã le kpakple agbalẽ siwo hiã kple xexlẽme si hiã be woatsɔ akeke gbeƒãɖeɖedɔa ɖe enui la.

13 Eyata akɔntabubu le míaƒe gbeƒãɖeɖedɔa ŋu kpena ɖe mía ŋu bene míate ŋu awɔ dɔ si wode mía si be míaɖe gbeƒã Fiaɖuƒenyanyui la nyuie wu. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, ɖe medea dzi ƒo na mí ne míese dɔ siwo wɔm mía nɔviwo le le xexeame ƒe akpa bubuwo ŋu nyawo oa? Dzidziɖedzi kple kekeɖenudɔ siwo le edzi yim le xexeame katã ŋu nyawo na míekpɔa dzidzɔ, eʋãa mí be míagawɔ geɖe, eye enana míekana ɖe edzi be Yehowa le mía yram. Eye aleke gbegbee míaƒe dzi dzea eme enye esi be míanya be mía ŋutɔwo míaƒe akɔntabubuwo hã le xexeame katã ƒe akɔntabubu ma me! Míaƒe akɔntabubua nɔa sue ne míetsɔe sɔ kple xexeame katã tɔ, gake Yehowa mebunɛ nu tsɛe o. (Marko 12:42, 43) Nyae hã be, akɔntabubuwo manɔmee la, ke xexeame katã ƒe akɔntabubua made blibo o.

14. Tsɔ kpe ɖe gbeƒãɖeɖe kple nufiafiadɔ ŋu la, nuka hãe kpe ɖe míaƒe Yehowa subɔsubɔ ŋu?

14 Ele eme baa be, menye nusianu si Ðasefo aɖe wɔna le eƒe agbanɔamedzia tsɔtsɔ me abe Yehowa subɔla ɖeadzɔgbe ene ye dzena le eƒe akɔntabubua dzi o. Le kpɔɖeŋu me, ɖokuisi Biblia nusɔsrɔ̃ wɔwɔ edziedzi, Kristotɔwo ƒe kpekpewo dede kple gomekpɔkpɔ le wo me, hamea ƒe agbanɔamedziwo, kpekpeɖeŋu si hiã nana haxɔsetɔwo, gadzɔdzɔ atsɔ ado alɔ xexeame katã ƒe Fiaɖuƒedɔa, kple bubuawo medzena le akɔntabubu me o. Eyata, togbɔ be míaƒe gbeadzikɔntabubu wɔa etɔ gome eye wòkpena ɖe mía ŋu míeyia edzi wɔa gbeƒãɖeɖedɔa dzonɔamemetɔe eye menana míegbɔdzɔna o hã la, ele be nukpɔsusu si da sɔ nanɔ mía si ɖe eŋu. Mele be míabui be enye gbɔgbɔ me mɔɖegbalẽvi alo mɔzɔgbalẽ, si nye kpeɖodzi be míedze hena agbe mavɔ kpɔkpɔ o.

Veviedodonu le Dɔ Nyui Wɔwɔ Me’

15. Togbɔ be dɔwɔwɔwo ɖeɖe mate ŋu ana agbe mí o hã la, nukatae wole vevie ɖo?

15 Eme kɔ ƒã be togbɔ be dɔwɔwɔwo ɖeɖe mana míakpɔ agbe o hã la, wohiã kokoko. Susu ma tae woyɔ Kristotɔwo be “dukɔ, si doa vevie le dɔ nyui wɔwɔ me” ɖo eye susu ma tae wode dzi ƒo na wo be ‘woalé ŋku ɖe wo nɔewo ŋu, bena woade dzi ƒo na wo nɔewo le lɔlɔ̃ kple dɔ nyui wɔwɔ me’ ɖo. (Tito 2:14; Hebritɔwo 10:24) Biblia ŋlɔla bubu gblɔe kpui ale: “Abe alesi ŋutilã gbɔgbɔ manɔmee nye nu kuku la, nenema ke xɔse dɔwɔwɔ manɔŋui hã nye nu kuku.”—Yakobo 2:26.

16. Nukae le vevie gɔ̃ hã wu dɔwɔwɔwo, gake nuka hã ŋue wòle na mí be míakpɔ nyuie le?

16 Togbɔ be dɔ nyuiwo wɔwɔ anɔ vevie hã la, susu siwo tae wole ewɔm ɖo la le vevie wu. Eyata nunya le eme be míanɔ míaƒe tamesusuwo me dzrom kpɔ edziedzi. Gake esi wònye amegbetɔ aɖeke mate ŋu anya ame bubuwo ƒe tamesusuwo pɛpɛpɛ o ta la, ele be míakpɔ mía ɖokui dzi nyuie le ʋɔnudɔdrɔ̃ amewo ŋu me. Wobia mí be: ‘Ameka míenye be, míadrɔ̃ ʋɔnu ame bubu ƒe dɔla?’ eye woɖo eŋu eme kɔ nyuie be: “Ye ŋutɔ ƒe aƒetɔ wòle tsitre na.” (Romatɔwo 14:4) Yehowa, nuwo katã ƒe Tatɔ, kple eƒe Ʋɔnudrɔ̃la si wòtia, Kristo Yesu, adrɔ̃ ʋɔnu mí, menye ɖe míaƒe dɔwɔnawo ɖeɖeko ŋu o, ke boŋ ɖe míaƒe tamesusuwo, míaƒe mɔnukpɔkpɔwo, míaƒe lɔlɔ̃, kple míaƒe dzi blibo me subɔsubɔ hã ŋu. Yehowa kple Kristo Yesu koe ate ŋu anya nyuie be míewɔ ɖe nuxlɔ̃ame si wona Kristotɔwo le apostolo Paulo ƒe nyawo me la dzi be: ‘Mido vevie be, miatsɔ mia ɖokui afia Mawu abe amesiwo like kple dɔwɔla, siwo mehiã be, ŋu nakpe o, kpakple amesiwo mã nyateƒenya la me pɛpɛpɛ ene.’—Timoteo II, 2:15; Petro II, 1:10; 3:14.

17. Esi míele agbagba dzem be míawɔ míatɔ sinua la, nukatae wòle be Yakobo 3:17 nanɔ susu me na mí?

17 Yehowa zãa nunya le nusiwo wòbiana tsoa mía si me.Yakobo 3:17 gblɔ na mí be ‘nunya, si tso dziƒo la, sea nu gɔme na ame’ tsɔ kpe ɖe bubuawo ŋu. Ðe manye nusi me nunya le, kple dzidzedze vavã aɖe kpɔkpɔ, be míasrɔ̃ Yehowa le go sia me oa? Eyata mele be míadze agbagba be míaɖo taɖodzinu si me nunya mele o eye egbɔ manya ɖo na mí o la na mía ɖokui alo na mía nɔviwo o.

18. Nukae míate ŋu akpɔ mɔ na ne míaƒe xɔsedɔwo kple Yehowa ƒe amenuveve ƒe nukpɔsusu si da sɔ la le mía si?

18 Ne míena nukpɔsusu si da sɔ nya le mía si ɖe míaƒe xɔsedɔwo wɔwɔ kple Yehowa ƒe amenuveve ŋu ko la, dzidzɔ si dzena le Yehowa subɔla vavãwo ŋu la ayi edzi anɔ mía me. (Yesaya 65:13, 14) Míate ŋu adzɔ dzi ɖe yayra siwo Yehowa le kɔkɔm ɖe eƒe amewo ƒe ƒuƒoƒo bliboa dzi ŋu, metsɔ le dɔ si mía ŋutɔwo míete ŋu le wɔwɔm le eme la me o. Ne míeyi edzi ‘do gbe ɖa, ɖe kuku, heda akpe’ la, míaƒo koko na Mawu be wòakpe ɖe mía ŋu míawɔ míaƒe ŋutetewo katã. Ekema ɖikeke aɖeke manɔ eme o be ‘Mawu ƒe ŋutifafa, si ƒo gɔmesesewo katã ta la, adzɔ míaƒe dziwo kple míaƒe tamesusuwo ŋu adzra wo ɖo le Kristo Yesu me.’ (Filipitɔwo 4:4-7) Ẽ, enyanya be woate ŋu axɔ mí ɖe agbe, menye to míaƒe xɔsedɔwo ko dzi o, ke boŋ to Yehowa ƒe amenuveve hã dzi la ate ŋu afa akɔ na mí ahade dzi ƒo hã na mí!

Ate Aɖe Nusita Kristotɔwo

• meƒoa adegbe le woƒe dɔwɔwɔwo ŋu o mea?

• ƒoa asa na hoʋiʋligbɔgbɔ ɖeɖefia mea?

• bua akɔnta le Kristotɔwo ƒe dɔ si wowɔna le gbeadzisubɔsubɔdɔ ŋu mea?

• ƒoa asa na ʋɔnudɔdrɔ̃ wo hati Kristotɔwo mea?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 15]

“Nye amenuveve sɔ gbɔ na wò”

[Nɔnɔmetata siwo le axa 16, 17]

Hamemegãwo kpɔa dzidzɔ ɖe nusi wo dometɔ ɖesiaɖe ate ŋu awɔ hena hamea ƒe ŋgɔgbedede ŋu

[Nɔnɔmetata siwo le axa 18, 19]

Wò akɔntabubuwo manɔmee la, xexeame katã ƒe akɔntabubua made blibo o