Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Yehowa Kpɔa Amesiwo Ðoa Ŋu Ðe Eŋu La Ta

Yehowa Kpɔa Amesiwo Ðoa Ŋu Ðe Eŋu La Ta

Yehowa Kpɔa Amesiwo Ðoa Ŋu Ðe Eŋu La Ta

‘Na wò amenuveve kple wò nyateƒe nakpɔ tanye ɖaa.’​—PSALMO 40:12.

1. Nukae Fia Dawid bia Yehowa, eye aleke wole biabia ma ŋu ɖom fifiae?

BLEMA Israel fia Dawid ‘kpɔ mɔ na Yehowa kakaka’ eye eƒe dzi ʋae wògblɔ be Yehowa ‘ziɔ to ɖe ye ŋu, eye wòse yeƒe ɣlidodo hena kpekpeɖeŋu.’ (Psalmo 40:2) Eya ŋutɔ kpɔ alesi Yehowa kpɔa amesiwo Lɔ̃nɛ la tae enuenu le eƒe agbe me. Eyata Dawid te ŋu bia Yehowa be woanɔ ye ta kpɔm ɖaa. (Psalmo 40:11) Esi woxlẽ Dawid ɖe ŋutsu kple nyɔnu wɔnuteƒe siwo wodo “tsitretsitsi, si nyo wu” ƒe ŋugbe na dome ta la, enye amesi ŋu kakaɖedzi le fifia be axɔ teƒeɖoɖo ma tso Yehowa gbɔ. (Hebritɔwo 11:32-35) Eyata etsɔme si ŋu kpeɖodzi adodoea le la li nɛ. Woŋlɔ eƒe ŋkɔ ɖe Yehowa ƒe “ŋkuɖodzigbalẽ” me.​—Maleaxi 3:16.

2. Aleke Ŋɔŋlɔawo kpe ɖe mía ŋu míese nusi Yehowa ƒe ametakpɔkpɔ fia la gɔmee?

2 Togbɔ be nuteƒewɔla siwo woyɔ ɖe Hebritɔwo ta 11 nɔ agbe do ŋgɔ na Yesu Kristo ƒe anyigbadzigbenɔnɔ hã la, wonɔ agbe wòsɔ ɖe nusi Yesu Kristo fia la nu, esime wògblɔ be: “Amesi ke lɔ̃a eƒe agbe la, abui; eye amesi ke léa fu eƒe agbe le xexe sia me la, adzrae ɖo ɖi hena agbe mavɔ.” (Yohanes 12:25) Eyata edze ƒã be Yehowa ƒe ametakpɔkpɔ mefia be woavo tso fukpekpe alo yometiti si me o. Ke boŋ efia be woakpɔ ame ta le gbɔgbɔ me ale be wòate ŋu ayi dzi anɔ te nyuie le Mawu ŋkume.

3. Kpeɖodzi kae li be Yehowa kpɔ Kristo Yesu ta, eye nukae do tso eme?

3 Woti Yesu ŋutɔ yome ŋutasesẽtɔe hedo vloe, eye eƒe futɔwo va kpɔ dzidzedze mlɔeba le ewuwu ŋukpenatɔe, si me wòse veve helĩhelĩ le la me. Gake esia mefia le mɔ aɖeke nu be Mawu mewɔ ɖe ŋugbe si wòdo be yeakpɔ Mesia ta la dzi o. (Yesaya 42:1-6) Yesu ƒe tsitretsitsi le ŋkeke etɔ̃agbe, le eƒe ŋukpenakua megbe, ɖe fia be Yehowa se kpekpeɖeŋu si wòbia la—abe alesi Yehowa see na Dawid ene. Le eŋu ɖoɖo me la, Yehowa do ŋusẽ Yesu be wòayi edzi awɔ nuteƒe. (Mateo 26:39) Esi wokpɔ Yesu ta alea ta la, makumakunyenye su esi le dziƒo, eye ame miliɔn geɖe siwo xɔ tafea dzi se va dze na agbe mavɔ kpɔkpɔ.

4. Kakaɖedzi kae wona Kristotɔ amesiaminawo, eye kae wona ‘alẽ bubuawo’?

4 Míate ŋu aka ɖe edzi be Yehowa le lɔlɔ̃m faa eye ŋutete le esi be wòakpɔ eƒe subɔla siwo li fifia hã ta abe alesi wòwɔe le Dawid kple Yesu ŋɔli ene. (Yakobo 1:17) Yesu nɔvi amesiamina ʋɛ siwo gakpɔtɔ le anyigba dzi la ate ŋu aɖo ŋu ɖe Yehowa ƒe ŋugbedodo sia ŋu be: “Domenyinyi magblẽmagblẽ, maƒoɖi, maluxe, si wodzra ɖo ɖi le dziƒo na [mi], amesiwo ŋu wodzɔ le Mawu ƒe ŋusẽ me to xɔse me hena xɔxɔ, si su te, bene woaɖee afia le ɣeyiɣi mamletɔ dzi.” (Petro I, 1:4, 5) ‘Alẽ bubuawo,’ siwo le mɔ kpɔm be yewoanɔ agbe le anyigba dzi la, hã ate ŋu aka ɖe Mawu kple eƒe ŋugbe si wòdo to hakpala la dzi be: “Milɔ̃ Yehowa, mi eƒe ame kɔkɔewo katã; Yehowa kpɔa anukwaretɔwo ta.”—Yohanes 10:16; Psalmo 31:24.

Wokpɔ Wo Ta le Gbɔgbɔ Me

5, 6. (a) Aleke wokpɔa Mawu ƒe amewo tae le egbeŋkekeawo me? (b) Ƒomedodo kae le amesiaminawo kple Yehowa dome, ke amesiwo le mɔ kpɔm na agbenɔnɔ le anyigba dzi ya ɖe?

5 Le egbeŋkekeawo me la, Yehowa wɔ ɖoɖowo be yeatsɔ anɔ yeƒe amewo ta kpɔmee le gbɔgbɔ me. Togbɔ be metsyɔa nu wo dzi be yometiti alo agbe me kuxiwo kple afɔkuwo nagadzɔ ɖe wo dzi o hã la, ekɔ dɔme na kpekpeɖeŋu kple ŋusẽdodo siwo hiã be woatsɔ akpɔ woa kpli ye dome ƒomedodo kplikplikpli ta la wo. Gɔmeɖokpe si dzi wotu ƒomedodo sia ɖoe nye tafea ƒe ɖoɖo si Mawu wɔ lɔlɔ̃tɔe la dzixɔxɔse. Wotsɔ Mawu ƒe gbɔgbɔ si ami na Kristotɔ wɔnuteƒe siawo dometɔ aɖewo be woava ɖu dzi kple Kristo le dziƒo. Wobu wo be wonye ame dzɔdzɔe siwo nye Mawu ƒe gbɔgbɔmeviwo, eye woawo ŋue nya sia ku ɖo be: “Amesi ɖe mí tso viviti ƒe ŋusẽ la me, eye wòtsɔ mí ɖo eƒe lɔlɔ̃vi ƒe fiaɖuƒe la me, amesi me míekpɔ fexexeɖeta, si nye nuvɔ̃keke la le.”—Kolosetɔwo 1:13, 14.

6 Woka ɖe edzi na Kristotɔ wɔnuteƒe miliɔn geɖewo hã be woawo hã ate ŋu akpɔ gome le tafe ƒe ɖoɖo si Mawu wɔ la me. Míexlẽ be: “Amegbetɔvi la hã menye ɖe wòva bena, woasubɔ ye o; ke boŋ bena, yeasubɔ, eye bena, yeatsɔ yeƒe agbe la ana le ame geɖewo ƒe xɔxɔ ta.” (Marko 10:45) Kristotɔ mawo le mɔ kpɔm be le ɣeyiɣiɖoɖi dzi la, yewoava nɔ agbe le “mawuviwo ƒe ŋutikɔkɔe ƒe ablɔɖe la me.” (Romatɔwo 8:21) Fifia gɔ̃ hã la, woléa be na xɔlɔ̃wɔwɔ si le woa kple Mawu dome eye wokɔa dzi me dzea agbagba be yewoado ŋusẽ ƒomedodo ma.

7. Mɔ ka dzie Yehowa tona egbea kpɔa eƒe amewo ƒe gbɔgbɔmededienɔnɔ ta?

7 Mɔ siwo dzi Yehowa tona kpɔa eƒe amewo ƒe gbɔgbɔmededienɔnɔ ta dometɔ ɖekae nye ɖoɖowɔwɔ be woanɔ hehe nam wo. Esia kpena ɖe wo ŋu be nyateƒea ƒe sidzedze vavãtɔ si de to wu la sua wo si. Yehowa nɔa mɔfiame hã nam wo to eƒe Nya, eƒe habɔbɔa, kple eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea dzi. Le “dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” ƒe mɔfiafia te la, Mawu ƒe amewo le abe dukɔwo dome ƒome ɖeka ene le xexeame godoo. Dɔla ƒe ha la kpɔa Yehowa subɔlawo ƒe ƒomea ƒe gbɔgbɔmenuhiahiãwo gbɔ eye ne ehiã la, ekpɔa eƒe ŋutilãmenuhiahiãwo hã gbɔ—metsɔ le du si me tɔ wonye loo alo hadomeɖoƒe si wo le me o.—Mateo 24:45.

8. Kakaɖedzi kae le Yehowa si ɖe amesiwo wɔa nuteƒe nɛ la ŋu, eye nuka dzie wòka ɖo na wo?

8 Abe alesi ko Yehowa metsyɔ nu Yesu dzi be eƒe futɔwo nagadze edzi o ene la, nenema kee Metsyɔa nu Kristotɔwo hã dzi le mɔ ma ke nu o egbea. Gake esia mefia kura be Mawu mekpɔa ŋudzedze ɖe wo ŋu o. Menye nenemae kura o! Ke boŋ eɖoa kpe edzi be eka ɖe wo dzi be woado yeƒe ta ɖe dzi le xexeame katã ƒe dziɖulanyenye ƒe nya si fɔ ɖe te la me. (Hiob 1:8-12; Lododowo 27:11) Yehowa magblẽ amesiwo wɔa nuteƒe nɛ la ɖi gbeɖe o, “elabena Yehowa lɔ̃a nya dzɔdzɔe, eye megblẽa eƒe mawumemewo ɖi o; akpɔ wo ta tegbee.”—Psalmo 37:28.

Amenuveve Kple Nyateƒe Kpɔa Wo Ta

9, 10. (a) Aleke Yehowa ƒe nyateƒetɔnyenye kpɔa eƒe amewo tae? (b) Aleke Biblia ɖee fia be Yehowa tsɔa eƒe amenuveve kpɔa amesiwo wɔa nuteƒe nɛ la tae?

9 Le Dawid ƒe gbedodoɖa si woŋlɔ ɖe Psalmo 40 lia me la, ebia be Yehowa ƒe amenuveve kple nyateƒe nakpɔ ye ta. Yehowa ƒe nyateƒetɔnyenye kple lɔlɔ̃ si le esi na dzɔdzɔenyenye bia be wòana eƒe dzidzenuwo me nakɔ nyuie. Wokpɔa amesiwo nɔa agbe ɖe dzidzenu siawo nu la ta wu le fukpekpe, dzodzodzoetsitsi, kple kuxi siwo me amesiwo gbea wo dziwɔwɔ la tona la me. Le kpɔɖeŋu me, míate ŋu akpɔ mía ɖokuiwo kple míaƒe ame veviwo ta tso kuxi geɖe siwo gbãa dzi na ame la me ne míetsri atikevɔ̃ɖi zazã kple ahatsunono, agbegbegblẽnɔnɔ, kple agbenɔnɔ si me adãwɔwɔ le. Eye kakaɖedzi le amesiwo tra mɔ tso Yehowa ƒe nyateƒemɔ la gbɔ—abe alesi Dawid trae ɣeaɖewoɣi ene—gɔ̃ hã si be Mawu gakpɔtɔ nye “bebeƒe” na nugbegblẽwɔla trɔdzimewo. Ame mawo ate ŋu atsɔ dzidzɔ agblɔ bena: “[Àkpɔ] tanye le xaxa me.” (Psalmo 32:7) Mawu ƒe amenuveve ɖeɖefia ka gbegbee nye esi!

10 Mawu ƒe amenuveve ƒe kpɔɖeŋu bubu enye be Mawu xlɔ̃a nu esubɔlawo be woaganye xexe vɔ̃ɖi, si woava tsrɔ̃ kpuie la, ƒe akpa aɖeke o. Míexlẽ bena: “Migalɔ̃ xexeame kple nusiwo le eme o. Ne ame aɖe lɔ̃ xexeame la, Fofoa ƒe lɔlɔ̃ mele eme o. Elabena nusianu, si le xexeame: ŋutilã ƒe nudzodzro kple ŋkuwo ƒe ŋubiabiã kple agbe ƒe adegbe ƒuƒlu ƒoƒo la, metso Fofo la gbɔ o, ke boŋ xexeame wotso.” To toɖoɖo aɖaŋuɖoɖo sia kple nuwɔwɔ wòasɔ ɖe enu dzi la, míate ŋu akpɔ míaƒe agbe ta ŋutɔŋutɔ yi ɖe mavɔmavɔ me, elabena mawunyakpukpuia yi edzi be: “Eye xexeame va yina kple eƒe nudzodzrowo; ke amesi wɔa Mawu ƒe lɔlɔ̃nu la, nɔa anyi yi ɖe mavɔmavɔ me.”—Yohanes I, 2:15-17.

Tamebubu Ŋutete, Gɔmesese, Kple Nunya Kpɔa Wo Ta

11, 12. Ðe alesi tamebubu ŋutete, gɔmesese, kple nunya kpɔa mía tae me.

11 Gbɔgbɔ ʋa Dawid vi, Salomo, woŋlɔ na amesiwo le mɔ kpɔm be Mawu nakpɔ ŋudzedze ɖe yewo ŋu la be: “Tamebubu akpɔ dziwò, eye gɔmesese adzɔ ŋuwò.” Ede dzi ƒo hã be: “Ƒle nunya . . . Megaɖe asi le eŋu o, ekema adzra wò ɖo; lɔ̃e, ekema akpɔ tawò.”—Lododowo 2:11; 4:5, 6.

12 Míeɖea tamebubu ŋutete fiana ne míede ŋugble le nusi míesrɔ̃ le Mawu ƒe Nya me ŋu. Esia wɔwɔ kpena ɖe mía ŋu be míase nuwo gɔme wu ale be míate ŋu aɖo taɖodzinu gbagbewo. Esia le vevie, elabena mía dometɔ akpa gãtɔ nyae—ɖewohĩ to nusiwo me mía ŋutɔwo míeto me—be kuxiwoe doa mo ɖa ne amewo ɖoe koŋ ɖo taɖodzinu manyomanyowo alo wo ɖoe le manyamanya me. Satana ƒe xexea tsɔa nuwo abe ŋutilãmekesinɔnuwo, gãnyenye, kple ŋusẽ ɖoa mía ŋkume be míaɖo wo wòanye míaƒe taɖodzinuwo, le esime Yehowa ya dea gbɔgbɔmenuwo tsɔtsɔ nu veviwoe ƒe dzi ƒo. Gbɔgbɔmenuwo matsɔmatsɔ aɖo ŋgɔ na ŋutilãmenuwo ate ŋu ana ƒomewo nagbã, xɔlɔ̃wo dome naklã, eye gbɔgbɔmetaɖodzinuwo magaɖi naneke o. Nusi ate ŋu ava do tso emee nye Yesu ƒe nya siwo aɖi ame ŋu nublanuitɔe be: “Viɖe ka wòanye na ame, ne xexeme blibo la katã zu etɔ, ke wòabu eƒe luʋɔ mahã?” (Marko 8:36) Nunya ŋudɔwɔwɔ bia be míawɔ ɖe Yesu ƒe aɖaŋuɖoɖo sia dzi be: “Midi mawufiaɖuƒe la kple eƒe dzɔdzɔenyenye gbãgbiagbã, eye woatsɔ nusiawo katã akpe ɖe eŋuti na mi.”—Mateo 6:33.

Nusiwo Ate Ŋu Awɔ Ame Ðokuitɔdilae

13, 14. Nukae ɖokuitɔdidi fia, eye nukata nunya mele be ame nava zu ɖokuitɔdila o?

13 Le dzɔdzɔme nu la, amegbetɔwo tsɔa ɖe le wo ɖokui me. Gake ne ame ŋutɔ ƒe dzodzrowo kple didiwo va zu nu vevitɔ kekeake nɛ le agbe me la, ehea kuxi vɛ. Eyata, be míakpɔ míaƒe xɔlɔ̃wɔwɔ kple Yehowa ta la, eɖo aɖaŋu na mí be míatsri ɖokuitɔdidi. Ðokuitɔdidi fia “ɖetsɔtsɔ le ame ŋutɔ ƒe dzodzrowo, hiahiãwo, alo didiwo ko me.” Ðe gɔmesese sia meɖe alesi tututu ame geɖe le egbea fia oa? Edze ƒã be Biblia gblɔe ɖi be, le Satana ƒe nuɖoanyi vɔ̃ɖia ƒe “ŋkeke mamlɛawo” me la, “ameawo lanye ɖokuilɔ̃lawo,” alo ɖokuitɔdilawo.—Timoteo II, 3:1, 2.

14 Kristotɔwo se nunya si le wɔwɔ ɖe se si Biblia de be woatsɔ ɖe le ame bubuwo me ahalɔ̃ wo abe alesi ame lɔ̃a eɖokuii ene dzi gɔme. (Luka 10:27; Filipitɔwo 2:4) Ame geɖewo asusui be esia manya wɔ o, gake ele vevie ne míedi be míase vivi le srɔ̃ɖeɖe kpɔdzidzedzewo, ƒome kadodo dodzidzɔnamewo, kple xɔlɔ̃wɔwɔ siwo me dzidzeme le la me. Eyata mele be Yehowa subɔla vavãtɔ naɖe mɔ gbeɖe be dzɔdzɔmenu si nye ɖetsɔtsɔ le ame ɖokui me naƒo ke ɖe to ɖe eme ale gbegbe be wòava ɖe asi le nusiwo le vevie wu la ŋu o. Nusi le vevie wu ɖesiaɖee nye be wòatsɔ ɖe le Yehowa Mawu si wòsubɔna la ƒe didiwo me.

15, 16. (a) Nukae ate ŋu ado tso ɖokuitɔdidi me, abe alesi amekawo ɖee fia ene? (b) Le nyateƒe me la, nuka wɔwɔe ʋɔnudɔdrɔ̃ amewo kabakaba nye na ame?

15 Ðokuitɔdidi ƒe nɔnɔme ate ŋu ana ame nava zu ɖokuiŋudzela, si hã ate ŋu ana ame nava zu nugɔmemasela, ɖokuisinuwɔla. Biblia gblɔe wòsɔ be: “Taflatsedodo aɖeke mele asiwò o, oo ame, amesi ke ƒomevi nènye le ʋɔnu drɔ̃m la! Elabena nusi ke nètsɔna drɔ̃a ʋɔnu ame bubu la, eya ke nètsɔna bua fɔ ɖokuiwò; elabena wò amesi le ʋɔnu drɔ̃m la, wò ŋutɔ èwɔa nu mawo ke.” (Romatɔwo 2:1; 14:4, 10) Subɔsubɔhakplɔla siwo nɔ anyi le Yesu ƒe ŋkekea me va nɔ wo ɖokuiwo bum ame dzɔdzɔewo ale gbegbe be wobui be yewodze aka mo na Yesu kple eyomedzelawo. Woto esia me wɔ wo ɖokuiwo ʋɔnudrɔ̃lawoe. Esi womekpɔ woa ŋutɔwo ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo dze sii o ta la, wohe fɔbuame va wo ɖokuiwo dzi.

16 Yuda, Yesu yomedzela si fia eyome mɔ la, ɖe mɔ le eɖokui ŋu ale be wòva zu amesi drɔ̃a ʋɔnu amewo. Esime Lazaro nɔvinyɔnu Maria si ami ʋeʋĩ ɖe Yesu ƒe tame le Betania, Yuda tsi tre ɖe eŋu vevie. Eɖe eƒe dzikua gblɔ le nyahehe me be: “Nukaŋuti womedzra ami sia xɔ denario alafa etɔ̃, eye woatsɔe ana ame dahewo o mahã?” Gake nuŋlɔɖia yi edzi be: “Ke egblɔ esia, menye ame dahewo nu vem wòle o, ke boŋ fiafitɔ wònye, eye gakotoku la le esi, eye wòfia nusiwo wotsɔna dana ɖe eme.” (Yohanes 12:1-6) Migana míava nɔ abe Yuda alo subɔsubɔhakplɔla, siwo kasia ko wodrɔ̃ ʋɔnu amewo gake wòtrɔna zua fɔ wobuna woa ŋutɔ wo ɖokui la, ene o.

17. Gblɔ afɔku si le adegbe ƒoƒo me alo le dzi ɖoɖo ɖe ame ɖokui ŋu fũ akpã me.

17 Nublanuitɔe la, Kristotɔ gbãtɔ aɖewo va nɔ dadam, henɔ adegbe ƒuƒlu ƒom, togbɔ be womenye fiafitɔwo abe Yuda ene o hã. Yakobo ŋlɔ tso wo ŋu bena: “Miekana ɖe nu ŋu le miaƒe adegbe ƒuƒlu ƒoƒo me.” Eye wògblɔ kpee be: “Kakaɖenuŋu sia katã la vɔ̃ wònye.” (Yakobo 4:16) Adegbe ƒoƒo le nusi míete ŋu wɔ alo mɔnukpɔkpɔ siwo su mía si le Yehowa ƒe subɔsubɔdɔa me ŋu nyea mía ɖokui dada ɖe anyi boŋ. (Lododowo 14:16) Esia na míeɖo ŋku nusi dzɔ ɖe apostolo Petro dzi la dzi, esime wòva ɖo dzi ɖe eɖokui ŋu fũ akpã ɣeaɖeɣi heƒo adegbe be: “Ne wo katã woakpɔ nuɖiaɖia le ŋutiwò la, nye la nyemele ekpɔ ge gbeɖe o. . . . Ne anɔ nam bena, maku kpli wò hã la, nyemele nu gbe ge le gbɔwò akpɔ o.” Le nyateƒe me la, naneke mele mía si, si ta míanɔ adegbe ƒom ɖo o. Yehowa ƒe amenuvevee wɔe be nusiwo le mía si la su mía si. Ŋkuɖoɖo esia dzi awɔe be míanɔ adegbe ƒom o.—Mateo 26:33-35, 69-75.

18. Aleke Yehowa sena le eɖokui me le dada ŋu?

18 Wogblɔ na mí be: “Dada doa ŋgɔ na gbegblẽ, eye ɖokuidodoɖedzi na anyidzedze.” Nukatae? Yehowa ɖo eŋu be: ‘Melé fu dada kple ɖokuidodoɖedzi.’ (Lododowo 8:13; 16:18) Mewɔ nuku o be Yehowa do dɔmedzoe ɖe “Asur-fia ƒe dada ƒe kutsetse kpakple eƒe dadaŋku ƒe adegbeƒoƒo” ŋu o! (Yesaya 10:12) Yehowa he to nɛ ɖe eta. Eteƒe madidi o la, woahe Satana ƒe xexea, tsɔ kpe ɖe edziɖula dadala, adegbeƒola, siwo wokpɔna kple esiwo womekpɔna o ŋu la, katã hã ava ʋɔnui. Megadzɔ gbeɖe be míaɖe Yehowa ƒe futɔwo ƒe ɖokuisinuwɔwɔ ƒe nɔnɔmea afia o!

19. Go ka mee Mawu ƒe amewo dana le gake ganyea ɖokuibɔbɔlawo le?

19 Susu nyui le Kristotɔ vavãwo si be woada ɖe Yehowa subɔla siwo wonye la dzi. (Yeremya 9:23) Le ɣeyiɣi ma ke me la, susu nyui le wo si be woanye ɖokuibɔbɔlawo. Nukatae? Elabena ‘mí katã míewɔ nuvɔ̃, eye Mawu ƒe ŋutikɔkɔe hiã mí tim.’ (Romatɔwo 3:23) Eyata be míakpɔ Yehowa subɔla siwo míenye ta la, ele be apostolo Paulo ƒe nɔnɔme nanɔ mía si, amesi gblɔ be: “Kristo Yesu va xexeame, nuvɔ̃wɔlawo ɖe ge,” eye wògblɔ kpee be: “Amesiwo dome menye gãtɔ le.”—Timoteo I, 1:15.

20. Aleke Yehowa kpɔa eƒe amewo ta fifiae, eye aleke woakpɔ wo ta le etsɔmee?

20 Esi Yehowa ƒe amewo tsɔa woa ŋutɔwo ƒe didiwo ɖoa nɔƒe evelia dzidzɔtɔe ale be woate ŋu atsɔ Mawu ƒe didiwo aɖɔ nɔƒe gbãtɔe ta la, míate ŋu aka ɖe edzi be Yehowa ayi edzi akpɔ wo ta le gbɔgbɔ me. Míate ŋu aka ɖe edzi hã be ne xaxa gã dze egɔme la, Yehowa akpɔ eƒe amewo ta menye le gbɔgbɔ me ɖeɖeko o, ke le ŋutilã me hã. Ne woge ɖe Mawu ƒe xexe yeyea me la, woate ŋu ado ɣli agblɔ bena: “Kpɔ ɖa, mía Mawu, amesi ŋu míeɖo ŋu ɖo be, aɖe mí la, enye si; Yehowa, amesi ŋu míeɖo ŋu ɖo la, enye si! Mina míatso aseye, eye míakpɔ dzidzɔ le eƒe xɔname ŋu!”—Yesaya 25:9.

Èɖo Ŋku Wo Dzia?

• Aleke wokpɔ Fia Dawid kple Yesu Kristo tae?

• Aleke wokpɔa Yehowa ƒe amewo ta egbeae?

• Nukatae wòle be míaƒo asa na adegbeƒoƒo akpa le mía ɖokui ŋu?

• Nuka dzie míate ŋu ada ɖo agakpɔtɔ anye ɖokuibɔbɔlawo?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata siwo le axa 9]

Aleke Yehowa kpɔ Dawid kple Yesu tae?

[Nɔnɔmetata siwo le axa 10, 11]

Mɔ kawo nue wokpɔa Mawu ƒe amewo ta le gbɔgbɔ me le egbea?

[Nɔnɔmetata siwo le axa 12]

Togbɔ be enyea dada na mí be míele Yehowa subɔm hã la, ele be míabɔbɔ mía ɖokui ɣesiaɣi