Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðeviwo, Mikafu Yehowa!

Ðeviwo, Mikafu Yehowa!

Ðeviwo, Mikafu Yehowa!

“Mikafu Yehowa tso anyigba dzi, mi . . . ɖekakpuiwo kple ɖetugbiwo siaa.”​—PSALMO 148:7, 12.

1, 2. (a) Mɔxeɖenu kawoe le nyanya na ɖevi geɖewo? (b) Nukatae mele be dzi naku ɖeviwo ɖe wo dzilawo ƒe mɔxeɖenuwo ta o?

ZI GEÐE la, nusiwo womekpɔ ɖe mɔ na ɖeviwo be woawɔ o nɔa nyanya me na wo nyuie. Wo dometɔ geɖewo ate ŋu agblɔ ƒe siwo wòle be woaxɔ hafi woaɖe mɔ na woawo ɖeɖe be woatso lɔrimɔ me alo woanɔ ŋu ase ɖo ne zã do alo aku ʋu, na wò bɔbɔe. Ɣeaɖewoɣi la, ɖevi ase le eɖokui me be nya ɖeka ma ko wotsɔ ɖoa yeƒe biabia ɖesiaɖe kloe alo veviawo ŋu na ye be, “Ne ètsi hafi.”

2 Mi ɖeviwo mienya be mia dzilawo ka ɖe edzi be nunya le eme be yewoaɖo asi mia dzi alea, ɖewohĩ na mia ŋutɔwo mia ta kpɔkpɔ. Mienya kakaɖedzitɔe hã be edoa dzidzɔ na Yehowa ne mieɖo to mia dzilawo. (Kolosetɔwo 3:20) Gake ɖe mɔxeɖenu siawo katã na wòdze na wò kpɔ abe mèdze agbe ŋutɔŋutɔ gɔme haɖe o enea? Ðe woxe mɔ ɖe nu veviawo katã nu be nàtsi hafia? Edze ƒã be menye nenemae o! Dɔ aɖe le edzi yim fifia si le vevie wu mɔnukpɔkpɔ ɖesiaɖe si nànɔ mɔ kpɔm na. Ðe woɖe mɔ na mi ɖeviwo be miakpɔ gome le dɔ sia wɔwɔ mea? Menye mɔɖeɖe dzro koe le eŋu na mi o—le nyateƒe me la, Dziƒoʋĩtɔ la ŋutɔe kpe mi be miava wɔe!

3. Mɔnukpɔkpɔ ka mee Yehowa kpe ɖeviwo be woakpɔ gome le, eye biabia kawo mee míadzro fifia?

3 Dɔ ka ƒe nya gblɔmee míele? De dzesi mawunyakpukpui si dzi wotu míaƒe nyatia ɖo: Mikafu Yehowa tso anyigba dzi, mi . . . ɖekakpuiwo kple ɖetugbiwo siaa, amegã ɖeɖiwo kple ɖeviwo!” (Psalmo 148:7, 12) Afisiae wogblɔ mɔnukpɔkpɔ gã si ate ŋu asu mia si ƒe nya la le: Miate ŋu akafu Yehowa. Abe ɖevi ene la, ɖe medo dzidzɔ na wò be nàkpɔ gome le dɔ sia wɔwɔ me oa? Edoa dzidzɔ na ɖevi geɖewo. Be míase nusita wònyo be wòado dzidzɔ na mi nenema gɔme la, mina míadzro biabia etɔ̃ me. Gbã la, nukatae wòle be nàkafu Yehowa? Evelia, aleke nàte ŋu akafui nyuie? Etɔ̃lia, ɣekaɣie nye ɣeyiɣi nyuitɔ si nàdze Yehowa kafukafu gɔme?

Nukatae Woakafu Yehowa?

4, 5. (a) Le Psalmo 148 lia ƒe nyawo nu la, nɔnɔme wɔnuku ka mee míele? (b) Aleke nuwɔwɔ siwo mete ŋu ƒoa nu alo bua tame o kura hã te ŋu kafua Yehowae?

4 Susu vevi aɖe si tae míakafu Yehowae nye be eyae nye Wɔla la. Psalmo 148 lia kpe ɖe mía ŋu esi wòhe míaƒe susu yi nyateƒenya sia dzi. Wò ya bu eŋu kpɔ: Ne èdo go ameha gã siwo wɔ ɖeka le ha vivi ʋãme aɖe dzim la, aleke nàse le ɖokuiwò me? Tsɔe be hadzidzia me nyawo nye esiwo nènya be wonye nyateƒe, wole nya siwo nènya be wonye nya veviwo gblɔm, wodoa dzi dzɔ na ame, hetuna ame ɖo? Ðe nàse le ɖokuiwò me be yeasrɔ̃ eme nyawo ahakpe asi ɖe edzidzi ŋua? Mía dometɔ geɖewo awɔe alea. Psalmo 148 lia ɖee fia be èle nɔnɔme ma tɔgbe me gake egawɔ nuku wu. Psalmo sia ƒo nu tso ameha gã aɖe siwo katã le Yehowa kafum ɖekae ŋu. Gake esime nèle psalmo la xlẽm la àde dzesi nu wɔnuku aɖe. Nukae wònye?

5 Mawukafula siwo ŋu woƒo nu le le Psalmo 148 lia me dometɔ geɖewo mate ŋu aƒo nu alo abu tame o. Le kpɔɖeŋu me, míexlẽ be ɣe, ɣleti, dzinuviwo, sno, ahom, towo, kple togbɛwo le Yehowa kafum. Aleke nusiawo siwo me agbe mele o ate ŋu akafu Yehowae? (Kpukpui 3, 8, 9) Le nyateƒe me la, wole ewɔm abe alesi atiwo, nuwɔwɔ siwo le atsiaƒu me, kple godzilãwo le ewɔmee ene. (Kpukpui 7, 9, 10) Ðe nèlé ŋku ɖe ɣe ƒe amigogbagba dzeani la ŋu alo kpɔ ɣleti si sɔ tegblẽe si va le yiyim to dzinuviwo ŋu le dziŋgɔli me alo ko nu le lãwo ƒe fefe dodzidzɔnamewo kpɔkpɔ ta alo wò nu ku le anyigba ƒe nɔnɔme dzeani aɖe ta kpɔa? Ekema “èse” kafukafuha si dzim nuwɔwɔwo le. Nusiwo katã Yehowa wɔ ɖoa ŋku edzi na mí be eyamae nye Wɔla ŋusẽkatãtɔ la, eye be ame aɖeke mele xexeame si si ŋusẽ, nunya, alo lɔlɔ̃ le de eyama nu o.—Romatɔwo 1:20; Nyaɖeɖefia 4:11.

6, 7. (a) Nuwɔwɔ siwo si nunya le ka ŋue Psalmo 148 lia ƒo nu tsoe be wole Yehowa kafum? (b) Nukatae wòaʋã mí be míakafu Yehowa? Gblɔ eƒe kpɔɖeŋu.

6 Psalmo 148 lia ƒo nu tso nuwɔwɔ siwo si nunya le hã ŋu be wole Yehowa kafum. Le kpukpui 2 lia me la, míekpɔ be Yehowa ƒe ‘dziƒoʋakɔ,’ siwo nye mawudɔlawo, le Mawu kafum. Le kpukpui 11 lia me la, wokpe amegãwo kple ameŋkutawo, abe fiawo kple ʋɔnudrɔ̃lawo ene be woava kpe asi ɖe kafukafuha la dzidzi ŋu. Ne dzi dzɔa mawudɔla sẽŋuwo le Yehowa kafukafu me ɖe, amegbetɔ tsɛ kae ate ŋu agblɔe wòasɔ be ye ya yele vevie akpa na ekafukafu? Emegbe le kpukpui 12 kple 13 me la, wokpe mi ɖeviwo be miawo hã miakpe asi ɖe Yehowa kafukafua ŋu. Ðe wòʋã wò be ye hã yeakafuia?

7 Bu kpɔɖeŋu si gbɔna ŋu kpɔ. Ne ŋutete wɔnuku aɖe le xɔ̃wò si mia kpli dome le kplikplikpli si—ɖewohĩ le kamedefefe, nutata, alo hadzidzi me la—ɖe nàƒo nu tso eŋu na miaƒe ƒomea kple xɔ̃wò bubuwoa? Àƒo nu tso eŋu na wo godoo. Nenema ke nusɔsrɔ̃ tso nusiwo katã Yehowa wɔ ŋu ate ŋu aʋã míi. Le kpɔɖeŋu me, Psalmo 19:1, 2 gblɔ le dziŋgɔli si me dzinuviwo yɔ fũ ŋu be “[edea] gbe asi” alo “toa nya.” Míawo ya ne míebu tame tso nu dzɔtsu siwo Yehowa wɔ ŋu la, míate ŋu agbe nuƒoƒo tso Mawu ŋu na ame bubuwo o.

8, 9. Susu kawo tae Yehowa di be míakafu ye?

8 Susu vevi bubu si tae míakafu Yehowae nye be edi be míaka fu ye. Nukatae? Ðe wònye be ehiã kafukafu tso amegbetɔwo gbɔ taea? Gbeɖe. Mí amegbetɔwo míehiã kafukafu ɣeaɖewoɣi, gake Yehowa ya kɔkɔ boo wu mí. (Yesaya 55:8) Eka ɖe eya ŋutɔ ɖokui kple eƒe nɔnɔmewo dzi. (Yesaya 45:5) Ke hã edi be míakafu ye eye edzea eŋu ne míewɔe nenema. Nukatae? Na míabu susu eve si tae ŋu kpɔ. Gbã la, enya be ele be míakafu ye. Ewɔ mí be míadi gbɔgbɔ me nuwo, si nye be míadi be míakafui. (Mateo 5:3) Ekpɔkpɔ be míele esia wɔm dzea Yehowa ŋu, abe alesi ko wòdzea mia dzilawo ŋu ne wokpɔ be miele nuɖuɖu si wonya be enyo na mi la ɖum ene.—Yohanes 4:34.

9 Evelia, Yehowa nyae be ehiã be ame bubuwo nasee be míele ye kafum. Apostolo Paulo ŋlɔ nya siawo na ɖekakpui Timoteo be: “Kpɔ ɖokuiwò kple wò nufiafia la dzi nyuie, nɔ nusiawo dzi; elabena ne èwɔ esia la, àxɔ ɖokuiwò kple amesiwo ɖoa to wò la, ɖe agbe.” (Timoteo I, 4:16) Ẽ, ne èfia nu ame bubuwo tso Yehowa Mawu ŋu, hekafui la, woawo hã woava nya Yehowa. Sidzedze sia ate ŋu akplɔ wo ayi ɖeɖekpɔkpɔ mavɔ me!—Yohanes 17:3.

10. Nukatae míedina vevie be míakafu Mawu?

10 Susu bubu aɖe gali si ta míakafu Yehowa. Ðo ŋku kpɔɖeŋu si ku ɖe xɔlɔ̃ bibi ma ŋu dzi. Ne èse be amewo le alakpanyawo gblɔm le eŋu, le eƒe ŋkɔ gblẽm la, ɖe màɖoe kplikpaa be yeakafui oa? Wogblẽ Yehowa ŋu ale gbegbe le xexeame. (Yohanes 8:44; Nyaɖeɖefia 12:9) Eyata eʋãna amesiwo lɔ̃e be woagblɔ nyateƒea ku ɖe eŋu, ahaɖɔ nyaa ɖo. Ðe wò hã àdi be yeaɖe yeƒe lɔlɔ̃ kple ŋudzedzekpɔkpɔ afia Yehowa atsɔ aɖo kpe edzi be eyae nye mía Dziɖula ke menye eƒe futɔ gãtɔ, Satana ye oa? Àte ŋu awɔ esiawo katã to Yehowa kafukafu me. Fifia biabia evelia ku ɖe alesi míakafui ŋu.

Alesi Ðevi Aɖewo Kafu Yehowae

11. Biblia me kpɔɖeŋu kawoe ɖee fia be ɖeviwo ate ŋu akafu Yehowa nyuie?

11 Biblia ɖee fia be zi geɖe la, ɖeviwo te ŋu kafua Yehowa nyuie. Le kpɔɖeŋu me, Israel-nyɔnuvi aɖe nɔ anyi, si Siriatɔwo lé yi aboyomee. Eɖi ɖase dzideƒotɔe ku ɖe Yehowa ƒe nyagblɔɖila Elisa ŋu na eƒe aƒenɔ. To nya siwo wògblɔ dzi la nukunu aɖe va eme, eye wòzu ɖaseɖiɖi sẽŋu aɖe. (Fiawo II, 5:1-17) Yesu hã ɖi ɖase dzideƒotɔe esime wònye ɖevi. Le eƒe ɖevimenɔɣi nudzɔdzɔ siwo katã woate ŋu aŋlɔ ɖe Ŋɔŋlɔa me dome la, Yehowa tia wo dometɔ ɖeka ko, eyae nye esime Yesu, si xɔ ƒe 12 la, tsɔ dzideƒo nɔ nyawo biam mawunyafialawo le gbedoxɔa me le Yerusalem si na alesi wòse Yehowa ƒe mɔwo gɔmee la wɔ moya na wo.—Luka 2:46-49.

12, 13. (a) Nukae Yesu wɔ le gbedoxɔa me ɣeyiɣi kpui aɖe do ŋgɔ na eƒe ku, eye aleke wòwɔ dɔ ɖe amesiwo nɔ afima la dzi? (b) Aleke Yesu bu kafukafunya si ɖeviwo nɔ gbɔgblɔm?

12 Esi Yesu va tsi la, ewɔ nu wòwɔ dɔ ɖe ɖeviwo hã dzi wokafu Yehowa. Le kpɔɖeŋu me, ŋkeke ʋɛ aɖewo do ŋgɔ na Yesu ƒe ku la, eyi ɖato gbedoxɔa me le Yerusalem. Biblia gblɔ be ewɔ ‘nukudɔwo’ le afima. Enyã amesiwo nɔ teƒe kɔkɔe la wɔm adzodalawo ƒe doe ɖa. Eda gbe le ŋkuagbãtɔwo kple tekunɔwo hã ŋu. Ele be wòaʋã amesiame, vevietɔ subɔsubɔhakplɔlawo, be woakafu Yehowa kple Via, Mesia la hafi. Ke hã nublanuitɔe la, amesiwo nɔ anyi ɣemaɣi dometɔ geɖe megblɔ kafukafunya siawo ƒe ɖeke o. Wonya be Mawue dɔ Yesu, gake wònɔ vɔvɔ̃m na subɔsubɔhakplɔlawo. Gake ƒuƒoƒo aɖe si le ameha la dome ƒo nu dzideƒotɔe. Ènya amesiwo wonyea? Biblia gblɔ be: “Esi nunɔlagãwo kple agbalẽfialawo kpɔ nukudɔ, siwo [Yesu] wɔ, kple ɖevi, siwo le ɣli dom le mawuƒe la me bena: Hosana na Dawid vi la! la, eve dɔme na wo. Eye wogblɔ [na Yesu] bena: Èse nusi amesiawo le gbɔgblɔm mahã?”—Mateo 21:15, 16; Yohanes 12:42.

13 Nunɔla mawo nɔ mɔ kpɔm be Yesu natsi nya ɖe ɖevi siwo nɔ ekafum la nu. Ðe wòwɔe nenema? Kura o! Yesu ɖo eŋu na nunɔlawo be: “Ẽ! Alo miexlẽe kpɔ bena: ‘Ðeviwo kple vi nonowo ƒe nu me nèdzra kafukafu ɖo’ o mahã?” Eme kɔ ƒã be Yesu kple Fofoa kpɔ ŋudzedze ɖe ɖeviawo ƒe kafukafu ŋuti. Nusiwo katã wòle be ame tsitsi siwo nɔ afima nawɔ lae ɖeviawo nɔ wɔwɔm. Togbɔ be ɖeviwo koe wonye hã la, nusianu me anya kɔ na wo nyuie le susu me. Wokpɔ ŋutsu sia wòwɔ nukudɔwo, wòtsɔ dzideƒo kple xɔse ƒo nui, eye wòɖe lɔlɔ̃ sẽŋu fia Mawu kple eƒe amewo. Amesi wòbe yenye lae wònye—“Dawid vi” si ƒe ŋugbe wodo, Mesia la. Woyra ɖeviawo ɖe woƒe xɔse ta, eye mɔnukpɔkpɔ gɔ̃ hã su wo si be wona nyagblɔɖi aɖe va eme.—Psalmo 8:3.

14. Aleke nunana siwo le ɖeviwo si de wo dzi le Mawu kafukafu mee?

14 Nukae míate ŋu asrɔ̃ tso kpɔɖeŋu siawo me? Efia be ɖeviwo ate ŋu anye Yehowa kafula nyuiwo. Zi geɖe la, nyateƒea gɔmesese bɔbɔe ƒe nunana nɔa ɖeviwo si, eye wotsɔa veviedodo kple dzonɔameme geɖe gblɔa woƒe xɔse fiana. Nunana si ƒe nya wogblɔ le Lododowo 20:29 hã le wo si be: “Ðekakpuiwo ƒe atsyɔ̃ enye woƒe ŋusẽ.” Ẽ, wotsɔ ŋusẽ kpakple dzonɔameme yra mi ɖeviwoe—nunana ŋutɔŋutɔ siwo miatsɔ akafu Yehowae. Aleke tututue miate ŋu awɔ nunana siawo ŋudɔ nyuie?

Aleke Nàte Ŋu Akafu Yehowae?

15. Be woakafu Yehowa nyuie la, dzimedidi kae hiã?

15 Yehowa kafukafu nyuie dzea egɔme tso dzi me. Màte ŋu akafu Yehowa nyuie nenye esi ame bubuwo be nàwɔe tae nèle ewɔm o. Ðo ŋku edzi be se vevitɔe enye be: “Lɔ̃ Aƒetɔ, wò Mawu, kple wò dzi blibo kple wò luʋɔ blibo kpakple wò tamesusu blibo.” (Mateo 22:37) Ðe nènya Yehowa nyuie to eƒe Nya sɔsrɔ̃ le ɖokuiwò si mea? Nu nyui si dona tso nusɔsrɔ̃ sia mee nye lɔlɔ̃ na Yehowa. Lɔlɔ̃ ma ɖeɖe fia le dzɔdzɔme nue nye be nàkafui. Ne wò dzimedidi dze ƒã hesẽ ŋu ko la, ke èle dzadzraɖoɖi na Yehowa kafukafu dzonɔamemetɔe.

16, 17. Akpa kae agbenɔnɔ wɔna le Yehowa kafukafu me. Gblɔ eƒe kpɔɖeŋu.

16 Azɔ hafi nàbu nya si nàgblɔ ŋu la, bu alesi nàwɔ nui ŋu. Ne ɖe Israel-nyɔnuvi si nɔ anyi le Elisa ŋɔli nye amesi daa gbe ɖe ame gbɔ ɣesiaɣi, amemabula, alo alakpatɔ la, ɖe nèsusu be Siriatɔ siwo lée la aɖo to nya siwo wògblɔ ku ɖe Yehowa ƒe nyagblɔɖila la ŋua? Anye ne womaɖo toe. Nenema kee amewo alɔ̃ be yewoaɖo to wò ne wokpɔ be èbua ame, mèdaa alakpa o, eye ènɔa agbe nyuie. (Romatɔwo 2:21) Na míade ŋugble le kpɔɖeŋu aɖe ŋu kpɔ.

17 Woƒo nya ɖe nyɔnuvi ƒe 11 vi aɖe si le Portugal nu le suku be wòaɖu ŋkekenyui siwo tsi tre ɖe eƒe dzitsinya si wotsɔ Biblia na hehee la ŋu. Eɖe nusita wògbe eɖuɖu me na eƒe nufiala bubutɔe, gake nufiala la ɖu fewu le eŋu. Esi ɣeyiɣiawo va le yiyim la nufiala la dze agbagba enuenu be yeado ŋukpee, henɔ fewu ɖum le eƒe subɔsubɔha ŋu. Ke hã nyɔnuvia lé eɖokui bubutɔe. Ƒe aɖewo megbe la, nyɔnuvia va zu gbesiagbe mɔɖela, si nye ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔla. Le takpekpe aɖe me la, elé ŋku ɖe amesiwo nɔ nyɔnyrɔ xɔm ŋu eye wòkpɔ wo dometɔ ɖeka dze sii. Amesi nye eƒe nufiala tsã lae! Esi wowɔ atuu na wo nɔewo kple aɖatsi vɔ la, nyɔnu tsitsia gblɔ na nyɔnuvia be yemeŋlɔ eƒe amebubu esime wònye sukuvi la be kpɔ gbeɖe o. Ðasefo aɖee yi egbɔ eye nufiala la gblɔ alesi eƒe sukuvi aɖe ƒe nɔnɔme nɔe la nɛ. Esia na wodze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme kplii, eye nyɔnu sia va xɔ Biblia me nyateƒea. Ẽ, wò agbenɔnɔ ate ŋu anye mɔ sẽŋua aɖe si nu nàto akafu Yehowa!

18. Nukae ɖevi ate ŋu awɔ ne ele vɔvɔ̃m na dzeɖoɖo gɔmedzedze tso Biblia kple Yehowa Mawu ŋu?

18 Ðe wòsesẽna na wò ɣeaɖewoɣi be nàdze dzeɖoɖo gɔme tso wò xɔse ŋu le sukua? Menye wò ɖeka ko dzie wòdzɔna ɖo alea o. Ke hã àte ŋu awɔe amewo nadi be yewoabia nya ku ɖe wò xɔse ŋu. Le kpɔɖeŋu me, ne ele se nu eye mɔɖeɖe li la, anyo be nàtsɔ Biblia-srɔ̃gbalẽ aɖewo ɖe asi ava xlẽ le ŋdɔnuɖuɣiwo alo ɣeyiɣi bubu siwo ŋu mɔɖeɖe le be woate ŋu awɔe alea. Wò sukuhatiwo abia nya wò ku ɖe nusi xlẽm nèle la ŋu. Ne èle eŋu ɖom na wo hegblɔ nusi nèxlẽ wòvivi na wò ku ɖe nyati alo agbalẽ si nèlé ɖe asi ŋu la, kaka nànya la, miele dze nyui aɖe ɖom. Ðo ŋku edzi nàbia nyawo, ahanya nusiwo wò sukuhatiwo xɔ se. Ðo to wo bubutɔe, nàgblɔ nusi nèsrɔ̃ tso Biblia me na wo. Abe alesi nuteƒekpɔkpɔ siwo le axa 29 ɖee fia ene la, ɖevi geɖewo le Mawu kafum le suku. Esia hea dzidzɔ geɖe vɛ na wo eye wòkpena ɖe ame geɖewo ŋu be woanya Yehowa.

19. Aleke ɖeviwo awɔ abi ɖe tso ʋɔtru nu yi ʋɔtru nu subɔsubɔdɔa me nyuie?

19 Ʋɔtru nu yi ʋɔtru nu subɔsubɔdɔa nye mɔ nyui aɖe si dzi nàto akafu Yehowa. Ne mèkpɔ ƒo ɖokuiwò ɖe eme o la, anyo be nàɖoe wò taɖodzinui. Ne èle gome kpɔm le eme xoxo la, ɖe taɖodzinu bubuwo li nàte ŋu aɖo na ɖokuiwòa? Le kpɔɖeŋu me, le esi teƒe be nànɔ nya ɖeka ma gblɔm le ʋɔtru sia ʋɔtru nu la, di mɔnu siwo nàto awɔe wòanyo ɖe edzi, eye nàbia aɖaŋuɖoɖo tso dziwòlawo kple ame bubu siwo bi ɖe eme gbɔ. Srɔ̃ alesi nàzã Biblia edziedzi, alesi nàwɔ tɔtrɔyi nyuiwo, kple alesi nàdze Biblia-nusɔsrɔ̃ gɔmee. (Timoteo I, 4:15) Zi alesi nèyi edzi le Yehowa kafum to mɔnu siawo dzi la, zi nenemae nàbi ɖe edzi, eye zi nenema kee nàse vivi le wò subɔsubɔdɔa mee.

Ɣekaɣie Wòle Be Nàdze Yehowa Kafukafu Gɔme?

20. Nukatae mele be ɖeviwo nase le wo ɖokui me be yewometsi akafu Yehowa o?

20 Le numedzodzro sia ƒe nyabiabia etɔ̃awo dome la, esia ƒe ŋuɖoɖoe nye bɔbɔetɔ kekeake. De dzesi alesi Biblia ɖo eŋu tẽe: “Ðo ŋku wɔwòla dzi le wò ɖekakpuiŋkekewo me.” (Nyagblɔla 12:1) Ẽ, ɣeyiɣi si me nàdze Yehowa kafukafu gɔmee nye fifia. Àgblɔ enumake be: “Nyemetsi akafu Yehowa o. Nuteƒekpɔkpɔ mele asinye o. Ele be malala vaseɖe esime metsi.” Menye wòe nye ame gbãtɔ si se le eɖokui me nenema kpɔ o. Le kpɔɖeŋu me, Yeremya si metsi o la gblɔ na Yehowa be: “Oo, Aƒetɔ Yehowa, kpɔ ɖa, nyemate ŋu aƒo nu o, elabena nyemetsi o.” Yehowa de dzi ƒo nɛ be mele be wòavɔ̃ o. (Yeremya 1:6, 7) Nenema kee ne míele Yehowa kafum la, mele be míavɔ̃ na naneke o. Nuvevi aɖeke meli woawɔ mí si Yehowa mate ŋu atrɔ o.—Psalmo 118:6.

21, 22. Nukatae wotsɔ ɖevi siwo kafua Yehowa sɔ kple zãmu, eye nukatae wotsɔtsɔ sɔ kplii dea dzi ƒo?

21 Eyata míele dzi dem ƒo na mi ɖeviwo be: Migahe ɖe megbe le Yehowa kafukafu me o! Fifia si nènye ɖevie nye ɣeyiɣi nyuitɔ si me nàkpe asi ɖe dɔ vevitɔ kekeake si wɔm wole le anyigba dzi ŋu. Ne èwɔe alea la, àva zu nu wɔnuku aɖe ƒe akpa aɖe—si nye dziƒo kple anyigba ƒe ƒome si me tɔwo le Yehowa kafum. Edoa dzidzɔ na Yehowa be nànɔ ƒome sia me. De dzesi gbɔgbɔmenya si hakpala la gblɔ ku ɖe Yehowa ŋu: “Wò dukɔ atsɔ eɖokui ake wò le wò aʋakpegbe, eye wò ɖekakpuiwo anɔ atsyɔ̃ɖoɖo kɔkɔe me ado na wò abe zãmu tso agudzedze ƒe dɔ me ene.”—Psalmo 110:3.

22 Alesi zãmu klẽna le ŋdikekeli me la nya kpɔna ŋutɔ? Wonana ame ƒe dzi dzea eme, woklẽna, eye womate ŋu axlẽ wo o le woƒe agbɔsɔsɔ ta. Alea Yehowa bua mi ɖevi siwo le ekafum le ɣeyiɣi vɔ̃ siawo mee. Eme kɔ ƒã be tiatia si nèwɔ be yeakafu Yehowa doa dzidzɔ na eƒe dzi. (Lododowo 27:11) Ekema mi, ɖeviwo, mikafu Yehowa!

Aleke Nàɖo Wo Ŋui?

• Susu vevi siwo ta míakafu Yehowa ƒe ɖewoe nye kawo?

• Biblia me kpɔɖeŋu kawoe ɖee fia be ɖeviwo ate ŋu anye Yehowa kafula nyuiwo?

• Aleke ɖeviwo ate ŋu akafu Yehowa egbeae?

• Ɣekaɣie wòle be ɖeviwo nadze Yehowa kafukafu gɔme, eye nukatae?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata siwo le axa 25]

Ne ŋutete tɔxɛ aɖe le xɔ̃wò si la, ɖe màgblɔe na ame bubuwo oa?

[Nɔnɔmetata si le axa 27]

Hatisukuviwo atsɔ ɖe le wò dzixɔsewo me

[Nɔnɔmetata si le axa 28]

Ne èdi be wò subɔsubɔdɔ nanyo ɖe edzi la, bia aɖaŋuɖoɖo tso Ðasefo siwo bi wu la gbɔ