Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Dɔwɔwɔ ƒe Nya Wɔmoya La

Dɔwɔwɔ ƒe Nya Wɔmoya La

Dɔwɔwɔ ƒe Nya Wɔmoya La

“Dɔwɔwɔ—abɔka drika! Edoa dzidzɔ na ame ale gbegbe be míanya be dɔ li kokoko be míawɔ.”—Katherine Mansfield (1888-1923), ye ŋlɔe.

DƆWƆWƆ ŋuti nukpɔsusu kɔkɔ ma si dze le etame la kee le wò hã sia? Aleke wò ŋutɔ nèbua dɔwɔwɔe? Ðe nèbunɛ be dɔwɔwɔ nye numadodzidzɔname si wɔwɔ ŋu wodagbana ɖo ʋuu hafi kwasiɖanuwuwu ƒe ɖiɖiɖemeɣiwo va tsoa eme viea? Alo èƒo ɖokuiwò ɖe wò dɔ me ale gbegbe be ède kluvi zu ge nɛa?

Ame geɖe zãna woƒe ɣeyiɣiwo ƒe akpa gãtɔ ɖe dɔwɔwɔ ŋu. Dɔwɔwɔ ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe afisi míanɔ kple agbe si ƒomevi míanɔ dzi. Tso ɖekakpui kple ɖetugbi me nɔɣi ʋuu va ɖo dzudzɔxɔledɔmeɣi la, ame geɖe kpɔe be dɔwɔwɔ ye nye nuwɔna si koŋ kpɔa ŋusẽ ɖe yewo ƒe agbe dzi wu. Mía dometɔ aɖewo kpɔa dzidzeme gã aɖe tsoa dɔwɔwɔ me. Ke hã ga agbɔsɔsɔme si woate ŋu akpɔ tso dɔ aɖe wɔwɔ me alo alesi dɔa ate ŋu ana woaxɔ ŋkɔe lae ame aɖewo tsɔ dzidzena asixɔxɔ si le dɔ ŋui, eye ame bubuwo hã bunɛ be, be woakpɔ nane anɔ wɔwɔm eye womanɔ anyi dzro ko o tae dɔwɔwɔ hiã ɖo alo wobui be enye nusi gblẽa ɣeyiɣi na ame gɔ̃ hã.

Ame aɖewo wɔa dɔ tsɔ léa woƒe agbe ɖe te eye ame bubuwo hã tsɔ wo ɖokui ke dɔwɔwɔ kura; eye ame aɖewo wɔa dɔ kaka kuna ɖe eme alo wokuna le woƒe dɔ ƒe nɔnɔme ta. Le kpɔɖeŋu me, Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe nyitsɔ laa nyatakaka aɖe gblɔ be, dɔwɔwɔ hea ku kple vevesese geɖe vɛ “wu aʋawɔwɔwo alo wu atikevɔ̃ɖizazã kple ahatsunono ƒokpli.” Esi London nyadzɔdzɔgbalẽ si nye The Guardian nɔ nu ƒom tso esia ŋu la, eka nya ta be: “Ame miliɔn eve kple edzivɔwo kuna le dɔwɔwɔmefɔkuwo kple dɔléle siwo woxɔna tsoa dɔwɔwɔ me la ta ƒe sia ƒe . . . Dɔwɔwɔ le teƒe siwo ʋuʋudedi, aɖitikewo, mɔ̃wo ƒe toɣliɖeɖe kple keklẽŋusẽ nɔna hea kansadɔ, dzidɔ, kple gbagbadɔwo vɛ.” Ðeviwo zazã le dɔsesẽwo wɔwɔ me kple amedzizizi be woawɔ dɔ nye nɔnɔme wɔnublanui siwo le edzi yim ŋutɔŋutɔ le dɔwɔwɔ me egbea la dometɔ eve ko.

Tsɔ kpe ɖe eŋu la, nusi susuŋutinunyala Steven Berglas na ŋkɔe be “nutikɔname ƒe afɔku vɔ̃ɖi” hã li. Eɖɔ dɔwɔla dovevienu si wɔ ŋgɔyiyi heva le ɖoƒe kɔkɔtɔ kekeake eye kasia eva se le eɖokui me be “vɔvɔ̃, nuteɖeamedzi, dziɖeleameƒo alo blanuiléle siwo nu metsona o, si tso esese le ame ɖokui me be yeƒe dɔ na yexaxa akpa, alo be yeva le ɖoƒe aɖe si na yede gbɔdzɔe loo alo susumekɔdzeanyi kpɔ ge do kpoe, gbɔ” ƒe afɔku mee yeva ge ɖo.

Dɔsesẽwɔwɔ Kple Dɔtsuwɔwɔ

Le xexe sia si me ame geɖe tsoa hloloe gaƒoƒo geɖe me la, anyo be woade vovototo dɔsesẽwɔlawo kple dɔtsuwɔlawo dome. Dɔtsuwɔlawo dometɔ geɖe buna dɔwɔƒe be enye dedienɔƒe na yewo le xexe si me afɔkuwo bɔ ɖo, eye nɔnɔmewo trɔna lena la me; ke dɔsesẽwɔlawo ya buna dɔwɔwɔ be enye nu vevi kple nusi hea dzidzeme vɛ na yewo ɣeaɖewoɣi. Dɔtsuwɔlawo megakpɔa ɣeyiɣi ɖe agbemenu bubu aɖeke wɔwɔ ŋu o; ke dɔsesẽwɔlawo ya nya ɣeyiɣi si me woaɖe asi le dɔ ŋu gbɔ, ahatrɔ susu ɖe nu bubu kura wɔwɔ ŋu, eye le kpɔɖeŋu me ne eɖo woƒe srɔ̃kpekpeŋkekenyui ɖuɣi la wogblẽa dɔwɔwɔ ɖi hevona ɖe eŋu. Dɔtsuwɔlawo sea vivi le wo ɖokui me le dɔwɔwɔ madzudzɔmadzudzɔe me eye dzo yeye aɖe ɖoa wo me; gake menye nenemae dɔsesẽwɔlawo ya sena le wo ɖokui me o.

Ameƒome si li egbea na vovototo si le dɔwɔlawo ƒe hatsotso eve siawo dome megadzena nyuie o le esi wonana wòdzena abe dɔtsuwɔwɔ nye nunyoameŋu ene ta. Asitelefonwo, kple nyatakakaxɔmɔ̃wo zazã ate ŋu ana vovototo dede dɔmenɔnɔ kple aƒemenɔnɔ dome manɔ bɔbɔe o. Le alesi teƒe ɖesiaɖe ate ŋu anye dɔwɔƒe eye ɣeyiɣi ɖesiaɖe ate ŋu anye dɔwɔɣi ta la, ame aɖewo aƒo wo ɖokui ɖe dɔwɔwɔ me madzudzɔmadzudzɔe ahagblẽ nu le wo ɖokui ŋu vevie.

Aleke ame aɖewo wɔa nu ɖe nɔnɔme manyomanyo sia ŋui? Hadomegbenɔnɔ ŋuti nunyalawo va le dzesi dem nɔnɔme aɖe le dɔwɔla siwo nu ti kɔ na eye nu te ɖe wo dzi gbɔ eme le dɔwɔwɔ ta la ŋu, si nye be wova le gome kpɔm le mawusubɔsubɔ dɔwɔnawo me tsɔ kpe ɖe woƒe dɔwɔwɔwo ŋu. Nyadzɔdzɔgbalẽ si nye San Francisco Examiner ka nya ta be “subɔsubɔnyawo tsɔtsɔ kpe ɖe dɔwɔwɔ ŋu va zu nuwɔna si va bɔ ŋutɔ.”

Nyitsɔ laa ƒe nyatakaka aɖe gblɔ le Silicon Valley, si nye mɔ̃ɖaŋudɔwo dodoɖeŋgɔ dɔwɔƒe vevi aɖe si le United States, ŋu be: “Le esime dɔdzikpɔlawo yi edzi le dɔwɔlawo dzi tsom si wɔe be ʋuwo ƒe agbɔsɔsɔme dzi le ɖeɖem kpɔtɔ le dɔwɔƒea ƒe ʋutɔɖoƒewo la, ʋutɔɖoƒe siwo le afisiwo wowɔa Biblia-nusɔsrɔ̃wo le ya yɔ gbagba.” Eɖanye nukae esia fia o, le xexeame godoo, ame geɖe va kpɔe be Biblia kpɔa ŋusẽ nyui ɖe yewoƒe nukpɔsusu le dɔwɔwɔ ŋu dzi, si wɔe be yewova da sɔ le alesi yewonɔa agbee gome wu.

Aleke Biblia ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be nukpɔsusu si da sɔ nanɔ mía si le dɔwɔwɔ ŋu? Ðe Ŋɔŋlɔawo me gɔmeɖose aɖewo li siwo ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be míanɔ te ɖe nyaƒoɖeamenu siwo le dɔwɔƒewo egbea la nu dzidzedzetɔea? Nyati si kplɔe ɖo aɖo biabia siawo ŋu.