Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Dzidziɖedzi le Afisi Kristotɔ Gbãtɔwo Kpɔ Dzidzedze le Va Yi

Dzidziɖedzi le Afisi Kristotɔ Gbãtɔwo Kpɔ Dzidzedze le Va Yi

Dzidziɖedzi le Afisi Kristotɔ Gbãtɔwo Kpɔ Dzidzedze le Va Yi

ITALY, dukɔ si nye ƒukpo afã si didi lɔbɔɔ ge ɖe Mediterranea-ƒua me, nye dukɔ aɖe si ƒe mawusubɔsubɔ kple dekɔnu wɔnawo ŋuti nuŋlɔɖi yɔ xexeame ƒe ŋutinya me. Alesi dukɔa ƒe anyigba ƒe teƒe vovovowo nya kpɔe, alesi woxɔ ŋkɔ le aɖaŋudɔ vovovowo wɔwɔ mee, kple alesi woƒe nuɖuɖuwo vivinae hea modzakaɖetsaɖila miliɔn geɖewo vaa emee abe alesi nuhekpe hea nui ene. Enye dukɔ si me Biblia-fiafiadɔ hã le dzidzedze geɖe kpɔm le.

Nyateƒe Kristotɔnyenye anya ɖo Roma—si nye xexemeŋusẽ si nɔ dzi ɖum ɣemaɣi ƒe fiadu me—zi gbãtɔ esime Yudatɔwo kple trɔ̃subɔla zu Yudatɔ siwo va zu Kristotɔwo le ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Pentekoste dzi la trɔ tso Yerusalem yi aƒe. Le ƒe 59 M.Ŋ. me lɔƒo la, apostolo Paulo yi Italy zi gbãtɔ. Le ƒutadu si nye Puteoli me la, ‘ekpɔ nɔvi’ haxɔsetɔwo.—Dɔwɔwɔwo 2:5-11; 28:11-16.

Kaka ƒe alafa gbãtɔ M.Ŋ. ƒe nuwuwu naɖo la, amesiwo gbe xɔsea va de megbe tso Kristotɔnyenye vavãtɔ gbɔ, abe alesi Yesu kple apostoloawo gblɔe ɖi ene. Gake hafi nuɖoanyi vɔ̃ɖi sia nava nuwuwu la, Yesu ƒe nusrɔ̃la vavãwo xɔ ŋgɔ le nyanyui gbeƒãɖeɖedɔa wɔwɔ me le xexeame katã—si me Italy hã le.—Mateo 13:36-43; Dɔwɔwɔwo 20:29, 30; Tesalonikatɔwo II, 2:3-8; Petro II, 2:1-3.

Dzidzedzekpɔkpɔ le Afima Mede Dzi Ƒo Gbã O

Le ƒe 1891 me la, Charles Taze Russell, amesi xɔ ŋgɔ na xexeame katã ƒe gbeƒãɖeɖedɔ si wɔm Biblia Nusrɔ̃viwo (si nye alesi woyɔa Yehowa Ðasefowo ɣemaɣii) nɔ la, ɖi tsa yi Italy-du aɖewo me zi gbãtɔ. Elɔ̃ ɖe edzi be subɔsubɔdɔ si yewɔ le afima la mekpɔ dzidzedze boo aɖeke o, esi wògblɔ be: “Míekpɔ naneke si de dzi ƒo na mí be míava kpɔ nane aŋe le Italy gbaɖegbe o.” Le ƒe 1910 ƒe ada me la, Nɔviŋutsu Russell gatrɔ yi Italy eye wòƒo Biblia me nuƒo aɖe le kamedeƒe aɖe si le Roma-dugãa titina. Nukae do tso eme? Eka nya ta be: “Dzi sɔŋ koe ɖe le ƒonye le kpekpe bliboa ŋu.”

Le nyateƒe me la, nyanyuigbeƒãɖeɖedɔa ƒe ŋgɔyiyi le Italy nɔ blewuu le gɔmedzedzea me, eye nusiwo tae dometɔ aɖee nye be Fasitɔwo ƒe dzizizidziɖuɖu ti Yehowa Ðasefowo yome. Ɣemaɣi la, Yehowa Ðasefo siwo nɔ dukɔa me mewu 150 o, eye wo dometɔ akpa gãtɔ srɔ̃ Biblia me nyateƒea tso wo nɔvi alo xɔlɔ̃ siwo nɔ duta la gbɔ.

Ŋgɔyiyi Ðedzesi

Le Xexemeʋa II megbe la, woɖo dutanyanyuigblɔla agbɔsɔsɔme aɖe ɖe Italy. Gake abe alesi lɛta aɖe si wokpɔ le Dukɔa ƒe nuŋlɔɖixoxodzraɖoƒe ɖee fiae ene la, Vatikan-megãwo bia tso dziɖuɖua si be wòanya dutanyanyuigblɔlaawo le dukɔa me. Ale wɔ wonya dutanyanyuigblɔlaawo le dukɔa me, negbe ʋɛ aɖewo koe kpɔtɔ.

Togbɔ be kplamatsedonuwo nɔ anyi hã la, ame gbogbo aɖewo le Italy te ziƒoƒo ɖe Yehowa ƒe tadedeagu ƒe “to la” ŋu. (Yesaya 2:2-4) Ðasefoawo ƒe dzidziɖedzi ɖe dzesi ŋutɔ. Le ƒe 2004 me la, nyanyuigbeƒãɖelawo ƒe agbɔsɔsɔ gbogbotɔ kekeake nye 233,527, si fia be ɖasefo 1 ɖesiaɖe aɖe gbeƒã na dukɔa me tɔ 248, eye ame 433,242 ye de Kristo ƒe ku ƒe Ŋkuɖodzia. Yehowa Ðasefowo ƒe hame 3,049 ye li, eye Fiaɖuƒe Akpata nyuiwo li wokpena le wo me. Le ɣeyiɣi siawo me la, dukɔa me nɔla aɖewo koŋ le dzidziɖedzi geɖe kpɔm.

Gbeƒãɖeɖe le Gbe Vovovodolawo Dome

Ame geɖewo ʋuna tsoa Afrika, Asia, kple Ɣetoɖoƒe Europa vana Italy be yewoadi dɔ awɔ alo bui be agbea anyo na yewo le afima awu afisi wotso, eye le ame aɖewo gome la, wosi tso afɔkuwo nu va. Mɔ ka nue woato akpe ɖe ame miliɔn siawo ŋu le gbɔgbɔ me?

Ðasefo siwo le Italy la dometɔ geɖe lɔ̃ be yewoaʋli vevie asrɔ̃ gbegbɔgblɔ sesẽ aɖewo, abe Albaniagbe, Amharagbe, Arabgbe, Bengalgbe, Chinagbe, Punjabgbe, Sinhalagbe, kple Tagaloggbe ene. Tso ƒe 2001 me la, wowɔ ɖoɖo ɖe gbesɔsrɔ̃ ŋu be woafia alesi woaɖi ɖase le dutagbewo me la amesiwo tsɔ wo ɖokui na. Le ƒe etɔ̃ siwo va yi me la, wowɔ klass 79, siwo me wosrɔ̃ gbegbɔgblɔ 17 le, eye Ðasefo 3,711 ye kpɔ gome le gbea sɔsrɔ̃ me. Esia na be wote ŋu ɖo hame 146 kple ƒuƒoƒo 274 ɖe gbegbɔgblɔ vovovo 25 me hedo ŋusẽ wo. Ale wɔ dzinyuitɔ geɖe te ŋu se nyanyuia hete Biblia sɔsrɔ̃. Nu nyui geɖewo dona tsoa eme zi geɖe.

Yehowa Ðasefo aɖe ƒo nu tso Biblia ŋu na George, si nye India-ŋutsu aɖe si dona Malayalamgbe. Togbɔ be George le kuxi sesẽwo me tom le dɔwɔnyawo me hã la, elɔ̃ kple dzidzɔ be woasrɔ̃ Biblia kpli ye. Le ŋkeke ʋɛ aɖewo megbe la, George xɔlɔ̃ Gil, si nye India-ŋutsu aɖe si dona Punjabgbe la va Fiaɖuƒe Akpata me, eye wodze Biblia-nusɔsrɔ̃ gɔme kplii. Gil gblɔ David, si nye Indiatɔ si dona Telugugbe, ŋu nya na Ðasefoawo. Eteƒe medidi o David te Biblia sɔsrɔ̃. Indiatɔ eve bubu aɖewo hã, Sonny kple Shubash, le aƒe si me David le me. Woa kple evea hã dze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme.

Kwasiɖa aɖewo megbe la, Ðasefoawo xɔ telefon kaƒoƒo tso Dalip, si nye India-ŋutsu aɖe si dona Marathigbe, la gbɔ. Ŋutsua gblɔ be: “George xɔlɔ̃e menye. Miate ŋu asrɔ̃ Biblia kplima?” Emegbe Sumit, si nye ŋutsu aɖe si dona Tamilgbe hã va. Emegbe George xɔlɔ̃ bubu hã ƒo ka hebia be woasrɔ̃ Biblia kpli ye. Mlɔeba George kplɔ ɖekakpui bubu aɖe si ŋkɔe nye Max, va Fiaɖuƒe Akpata mee. Eya hã bia be woasrɔ̃ Biblia kpli ye. Vaseɖe fifia la, wole Biblia-nusɔsrɔ̃ ade wɔm kple amewo, eye wole ɖoɖo wɔm hena nusɔsrɔ̃ ene bubu gɔmedzedze. Wowɔa nusɔsrɔ̃awo le Eŋlisigbe me, togbɔ be wozãa Hindi, Malayalam, Marathi, Punjab, Tamil, Telugu, kple Pakistan gbe me gbalẽ bubuwo hã.

Tokunɔwo le Nyanyuia “Sem”

Tokunɔ siwo le Italy la wu ame 90,000. Le ƒe 1970-awo ƒe domedome la, Ðasefowo te susu tɔtrɔ ɖe Biblia ƒe nyateƒea fiafia wo ŋu. Gbã la, Ðasefo siwo nye tokunɔwo la dometɔ aɖewo fia Italytɔwo ƒe Tokunɔgbe dodo ɖasefo bubu siwo lɔ̃ be yewoana kpekpeɖeŋu le go sia me. Eteƒe medidi o tokunɔ geɖewo va le ɖe tsɔm le Biblia me. Egbea la, ame 1,400 kple edzivɔ siwo doa Italytɔwo ƒe Tokunɔgbe la le Kristotɔwo ƒe kpekpewo dem. Hame 15 kple ƒuƒoƒo 52 wɔa kpekpewo ɖe Italytɔwo ƒe Tokunɔgbe me.

Le gɔmedzedzea la, Ðasefowo abe ame ɖekaɖekawo ene ŋutɔe dzea agbagba toa mɔ aɖewo nu ɖea gbeƒã na tokunɔwo. Gake le ƒe 1978 me la, Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒe si le Italy te ɖoɖowɔwɔ ɖe takpekpewo ŋu na tokunɔwo. Le ƒe ma ƒe May me la, woɖe gbeƒãe be le dukɔwo dome takpekpe si woawɔ le Milan me la, woaɖe nuƒoawo gɔme na tokunɔwo. Wowɔ nutome sue takpekpe gbãtɔ na tokunɔwo le Takpexɔ si le Milan me le February, ƒe 1979 me.

Tso ɣemaɣi la, alɔdzedɔwɔƒea léa fɔ ɖe gbɔgbɔmenunyiame nana tokunɔwo ŋu vevie to dzidede ƒo na nyanyuigblɔla geɖewo be woadzi woƒe ŋutete ɖe edzi le tokunɔgbea dodo me. Tso ƒe 1995 me la, woɖoa mɔɖela veviwo (ɣeyiɣiawo katã ƒe nyanyuigblɔlawo) ɖe ƒuƒoƒo aɖewo me be woana hehe Ðasefo siwo nye tokunɔwo hena subɔsubɔdɔa kple Kristotɔwo ƒe kpekpewo wɔwɔ. Wode videokpɔmɔ̃ deŋgɔwo Takpexɔ etɔ̃ me, bena woadzi wɔnawo kpɔkpɔ le wo dzi ƒe nyonyome ɖe edzi. Eye Kristotɔwo ƒe agbalẽwo le videokasɛtwo dzi hena gbɔgbɔmenuɖuɖu nana tokunɔwo.

Amesiwo léa ŋku ɖe nu ŋu de dzesii be Ðasefowo kpɔa tokunɔwo ƒe gbɔgbɔmenuhiahiãwo gbɔ na wo nyuie. P@role & Segni, si nye magazine aɖe si Italy Tokunɔwo ƒe Habɔbɔ tana la yɔ nya tso lɛta aɖe si Katolikoha ƒe nunɔla kɔkɔ aɖe ɖo ɖa me be: “Tokuname nye nu sesẽ ŋutɔ, elabena ehiã be woakpe ɖe amesi nye tokunɔ ŋu gaƒoƒo ɖesiaɖe. Le kpɔɖeŋu me, eya ɖeɖe te ŋu vana sɔleme bɔbɔe, gake ehiã ame be wòaɖe nusianu si woxlẽ, nya sia nya si wogblɔ, alo ha siwo wodzi le sɔlemea me ɖe tokunɔgbe me nɛ.” Magazinea gblɔ kpee be nunɔla kɔkɔa “lɔ̃ ɖe edzi be nublanuitɔe la, xɔseha la mekpɔ dzra ɖo akpɔ nuwɔame sia ƒe kuxia gbɔ o, eye wòɖee fia be wokpɔa tokunɔ geɖewo ƒe nuhiahiãwo gbɔ nyuie le Yehowa Ðasefowo ƒe Fiaɖuƒe Akpatawo me wu sɔlemexɔawo me.”

Wole Gbeƒã Ðem Nyanyuia na Gamenɔlawo

Ðe ame ate ŋu anɔ game evɔ wòanye ablɔɖemea? Ẽ, elabena ŋusẽ le Mawu ƒe Nya ŋu be ‘wòana ablɔɖe’ amesiwo xɔe hezãe le woƒe agbe me la. Gbedasi si Yesu ɖe gbeƒãe “na aboyomewo” la nye ablɔɖekpɔkpɔ tso nuvɔ̃ kple alakpasubɔsubɔ me ƒe gbedasi. (Yohanes 8:32; Luka 4:16-19) Le Italy la, nu nyui geɖewo le dodom tso gbeƒãɖeɖe le gaxɔwo me me. Dziɖuɖua ɖe mɔ na Yehowa Ðasefo siwo ade 400 sɔŋ be woasrã gamenɔlawo kpɔ ahana gbɔgbɔmekpekpeɖeŋu wo. Yehowa Ðasefowoe nye habɔbɔ gbãtɔ si menye Katolikoha o si bia hexɔ mɔɖeɖe sia.

Biblia me gbedasia te ŋu kakana toa mɔ si womekpɔ do ŋgɔ o nu. Gamenɔlawo ɖoa dze na wo hatiwo tso Biblia-fiafiadɔ si wɔm Yehowa Ðasefowo le ŋu. Ewɔnɛ be gamenɔla mawo dometɔ aɖewo hã biana be Ðasefo aɖe nava yewo gbɔ. Alo gamenɔla siwo ƒe ƒometɔwo dze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme la dea dzi ƒo na wo be woabia be Ðasefowo nava wo gbɔ. Gamenɔla siwo wode xɔ hena woƒe agbenɔƒe mamlɛa katã ɖe amewuwu alo nu vɔ̃ɖi bubuwo ta la dometɔ aɖewo trɔ dzime hewɔ tɔtrɔ gãwo le woƒe agbenɔnɔ me. Esia dzraa wo ɖo hena adzɔgbeɖeɖe na Yehowa Mawu kpakple nyɔnyrɔxɔxɔ.

Le gaxɔ geɖewo me la, wowɔ ɖoɖo bena woaƒo Biblia me nyatiwo ŋuti dutoƒonuƒowo, woaɖu Yesu ƒe ku ƒe Ŋkuɖodzizã, kple be woaɖe Biblia me nyawo ŋuti videokasɛt siwo Yehowa Ðasefowo wɔ afia. Zi geɖe la, gamenɔla gbogbo aɖewo vaa kpekpe siawo.

Be woakpe ɖe gamenɔlawo ŋu le mɔ ŋutɔŋutɔ aɖewo nu la, Ðasefoawo ma magazine siwo dzro nyati siwo aɖe vi na gamenɔlawo me la le gaxɔ geɖe me. Magazine mawo dometɔ ɖekae nye May 8, 2001 ƒe Nyɔ!, si dzro tanya si nye “Ðe Woate Ŋu Ana Gamenɔlawo Nazu Ame Ðɔʋuwoa?” me. April 8, 2003 ƒe tata ƒo nu tso tanya si nye be “Atikevɔ̃ɖizazã le Ƒomea Me—Nukae Nàte Ŋu Awɔ?” ŋu. Woma magazine siawo ƒe tata akpe geɖe na gamenɔlawo. Esia na be wole Biblia-nusɔsrɔ̃ gbogbo aɖewo wɔm. Gaxɔdzikpɔla aɖewo hã ɖe ɖetsɔleme fia ɖe Biblia me gbedasia ŋuti.

Le mɔɖegbalẽ tɔxɛ aɖe xɔxɔ tso tatɔwo gbɔ vɔ la, wona nyɔnyrɔ gamenɔla aɖe si ŋkɔe nye Costantino le Fiaɖuƒe Akpata me le San Remo, si teƒe Ðasefo 138 siwo le dua me la kpɔ. Nyɔnyrɔxɔxɔa wɔ dɔ ɖe Costantino dzi ale gbegbe be wògblɔ be: “Ðeko mese le ɖokuinye me abe amemalɔ̃nugbɔa ene.” Dua me nyadzɔdzɔgbalẽ aɖe ta gaxɔdzikpɔlaa ƒe nyagbɔgblɔ be: “Enye dzidzɔ gã aɖe . . . be míeda asi ɖe mɔbiabia sia dzi. Ele be woabu nusianu si ate ŋu ado asitɔtrɔ le gamenɔla ƒe hadomegbenɔnɔ, nɔnɔme ɣaɣlawo, kple gbɔgbɔmenyonyo ŋu ɖe ŋgɔ ŋu.” Alesi Biblia me sidzedze vavãtɔ kpɔ ŋusẽ ɖe Costantino ƒe agbe dzi la wɔ dɔ ɖe srɔ̃a kple vianyɔnu dzi ale gbegbe: “Tɔtrɔ siwo wòwɔ la dzɔ dzi na mí ale gbegbe. Eva zu ame fafa, eye eƒe ɖetsɔtsɔ le mía me le dzidzim ɖe edzi. Kakaɖedzi yeye ɖo mía me ɖe eŋu eye míedea bubu eŋu.” Woawo hã te Biblia sɔsrɔ̃ kple Kristotɔwo ƒe kpekpewo dede.

Wotso afia be Sergio, si wobu fɔe ɖe fififi, adzodada, atikevɔ̃ɖisitsatsa, kple amewuwu ta nanɔ mɔ vaseɖe ƒe 2024. Le Biblia sɔsrɔ̃ ƒe etɔ̃ kple tɔtrɔwɔwɔ le eƒe agbenɔnɔ me megbe la, Sergio tso nya me be yeaxɔ nyɔnyrɔ. Eyae nye gamenɔla 15 lia le Porto Azzurro gaxɔ, si le Elba-ƒukpo sue dzi me, si xɔ nyɔnyrɔ zu Yehowa Ðasefo. Wona nyɔnyrɔe ɖe tsita sue aɖe si wowɔ ɖe gaxɔa me kamedefefewɔƒe la me, eye ehati gamenɔla geɖewo kpɔ eteƒe.

Leonardo, amesi anɔ game ƒe 20 la xɔ mɔɖegbalẽ tɔxɛ bena wòaxɔ nyɔnyrɔ le Fiaɖuƒe Akpata me le Parma. Esi dua me nyadzɔdzɔŋlɔlawo bia gbe Leonardo la, egblɔ be “yedi be yeana wòadze kɔte be yetso nya me be yeazu Yehowa Ðasefo, menye mɔnu dim yele ado le gaxɔ ƒe bablawo me o, ke boŋ be yeakpɔ gbɔgbɔmenuhiahiã ƒe didi vevi aɖe gbɔ.” Leonardo gblɔ be: “Vodadawo yɔ nye agbe me fũ, ke hã medzudzɔ wo. Metrɔ, gake menye le zã ɖeka me o. Ehiã be mayi edzi awɔ nu dzɔdzɔe.”

Wode Salvatore, amesi wobu fɔe ɖe amewuwu ta, Spoleto gaxɔ sesẽ la me. Eƒe nyɔnyrɔxɔxɔ le gaxɔa me la wɔ dɔ ɖe ame geɖewo dzi. Gaxɔdzikpɔla si le afima la gblɔ be: “Ele be woade alesi wòle vevie be amewo nawɔ tiatia si naa ame ƒe agbenɔnɔ ɖe amesiame ŋu nyona la ƒe dzi ƒo, bena wòaɖe vi na gamenɔlawo kple ame bubu ɖesiaɖe.” Le tɔtrɔ siwo Salvatore wɔ ta la, srɔ̃a kple vianyɔnu le Yehowa Ðasefowo ƒe kpekpewo dem fifia. Gamenɔla aɖe si Salvatore ɖi ɖase na la ɖe adzɔgbe hexɔ nyɔnyrɔ zu Yehowa subɔla.

Kristotɔ gbãtɔwo ƒe dɔa ƒe takeke kple dzidziɖedzi ƒe akpa aɖe dzɔ le Italy. (Dɔwɔwɔwo 2:10; Romatɔwo 1:7) Le nuŋeɣi sia me la, gbɔgbɔmedzidziɖedzi kple takeke gale edzi yim le teƒe mawo, afisi Paulo kple ehati Kristotɔwo ku kutri ɖe gbeƒã nyanyuia le.—Dɔwɔwɔwo 23:11; 28:14-16.

[Anyigbatata si le axa 13]

(Edze nyuie le agbalẽa ŋutɔ me)

ITALY

Rome

[Nɔnɔmetata siwo le axa 15]

Bitonto Takpexɔ kple Italy Tokunɔgbe hame si le Rome

[Nɔnɔmetata si le axa 16]

Biblia me nyateƒea le ‘ablɔɖe nam’ gamenɔlawo

[Nɔnɔmetata siwo le axa 17]

Gbɔgbɔmedzidziɖedzi gale edzi yim le afisi Kristotɔ gbãtɔwo kpɔ dzidziɖedzi le va yi