Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Dzilawo, Mikpɔ Miaƒe Ƒomea Ƒe Nuhiahiãwo Gbɔ

Dzilawo, Mikpɔ Miaƒe Ƒomea Ƒe Nuhiahiãwo Gbɔ

Dzilawo, Mikpɔ Miaƒe Ƒomea Ƒe Nuhiahiãwo Gbɔ

“Ne ame aɖe melé be na ye ŋutɔ tɔwo o . . . la, egbe xɔse la.”​—TIMOTEO I, 5:8.

1, 2. (a) Nukatae wòdea dzi ƒo na ame be woakpɔ ƒomewo le Kristotɔwo ƒe kpekpewo me ɖekae? (b) Kuxi kawo mee ƒomewo tona hafi te ŋu vaa kpekpewo ɖe game dzi?

NE ÈLE ŋku ɖe Kristo-hamea me do ŋgɔ teti na kpekpe ƒe gɔmedzedze la, akpɔ ɖevi siwo do awu nyuie hele dzadzɛ le anyi nɔm ɖe wo dzilawo xa. Ðe lɔlɔ̃ si dzena le ƒome siawo ŋu teƒe kpɔkpɔ—si nye lɔlɔ̃ na Yehowa kple ame nɔewo—meléa dzi na mí oa? Ke hã mele bɔbɔe be míaɖo ŋku agbagba si wodze le ƒomea ŋu hafi te ŋu va kpekpeawo ɖe ɣeyiɣi dzi ya dzi o.

2 Zi geɖe la, dzilawo mevona ŋkeke bliboa katã o, eye ne eɖo kpekpeyiɣiwo le fiẽsiwo la, ƒomegbawo gasɔna gbɔ ɖe edzi. Ele be woaɖa nu, awɔ aƒemedɔwo, awɔ sukudɔdasiwo. Dzilawoe tsɔa agbanɔamedziawo ƒe akpa gãtɔ, wokpɔa egbɔ be amesiame le tsi, ɖu nu, hewu nusianu nu ɖe game dzi. Gake le ɖeviawo ya gome la, kuxiwo ate ŋu ado mo ɖa le ɣeyiɣi mamlɛa me. Ðevi tsitsitɔ ƒe atawui ate ŋu adze esi wòle fefe fem. Ðevi suetɔ ƒe nuɖuɖu aƒu gbe. Ðeviawo ate dzrewɔwɔ. (Lododowo 22:15) Nukae ado tso eme? Togbɔ be dzilawo wɔ ɖoɖo nyui hã la, nuwo mayi abe alesi wokpɔ mɔe ene o. Ke hã zi geɖe la, ƒomeawo ɖoa Fiaɖuƒe Akpata me xoxoxo hafi kpekpea dzea egɔme. Edea dzi ƒo na ame ale gbegbe be woakpɔ wo le afima kwasiɖa sia kwasiɖa, ƒe sia ƒe, ʋuu ɖeviawo nava tsi anɔ Yehowa subɔm!

3. Aleke míewɔ nya be Yehowa dea asixɔxɔ gã aɖe ƒomewo ŋui?

3 Togbɔ be wò dzilanyenye ƒe agbanɔamedziawo tsɔtsɔ sesẽna ɣeaɖewoɣi hã la, ànya ka ɖe edzi be Yehowa dea asixɔxɔ gã aɖe wò agbagbadzedze ŋu. Yehowae nye ƒomeɖoɖoa Gɔmeɖoanyila. Eyata eƒe Nya gblɔ na mí be ƒome sia ƒome “kpɔa eƒe ŋkɔ” tso Yehowa gbɔ, si fia be wodzɔ tso egbɔ. (Efesotɔwo 3:14, 15) Eyata ne mi dzilawo miele agbagba dzem be miakpɔ miaƒe agbanɔamedziwo gbɔ le mɔ nyuitɔ nu la, ke miele bubu dem xexeame katã ƒe Aƒetɔ Dziɖulagã la ŋu. (Korintotɔwo I, 10:31) Ðe esia menye mɔnukpɔkpɔ gã aɖe oa? Eyata esɔ be míadzro dɔdasi si Yehowa tsɔ na dzilawo me. Le nyati sia me la, míadzro eƒe akpa si nye ƒomea ƒe nuhiahiãwo gbɔ kpɔkpɔ me. Mina míadzro mɔnu etɔ̃ siwo me Mawu kpɔa mɔ be dzilawo nakpɔ ƒomea ƒe nuhiahiãwo gbɔ le me.

Ŋutilãmenuhiahiãwo Gbɔ Kpɔkpɔ

4. Ðoɖo kae Yehowa wɔ le ƒomea me be woakpɔ ɖeviwo ƒe nuhiahiãwo gbɔ?

4 Apostolo Paulo ŋlɔ bena: “Ne ame aɖe melé be na ye ŋutɔ tɔwo o, eye vevietɔ na ye ŋutɔ ƒe aƒemetɔwo o la, egbe xɔse la, eye wòvɔ̃ɖi wu dzimaxɔsetɔ.” (Timoteo I, 5:8) Amekawoe nɔ susu me na Paulo esime wògblɔ be “ame aɖe”? Ƒomea ƒe tae wòwɔnɛ, zi geɖe la enyea vifofoa. Mawu na bubunɔƒe nyɔnua hã be enye srɔ̃aŋutsua ƒe kpeɖeŋutɔ. (Mose I, 2:18) Zi geɖe la, nyɔnu siwo nɔ anyi le Biblia ƒe ɣeyiɣiwo me kpena ɖe wo srɔ̃ŋutsuwo ŋu woléa be na ƒomea. (Lododowo 31:13, 14, 16) Egbea dzilaɖekɛwo yi edzi le agbɔ sɔm ɖe edzi. * Kristotɔ dzilaɖekɛ geɖewo le agbagba dzem ŋutɔ le beléle na woƒe aƒemetɔwo me. Nyateƒee, enyo wu be dzila evea siaa nanɔ ƒomea si, si me vifofoa axɔ ŋgɔ le.

5, 6. (a) Kuxi siwo dzea ŋgɔ amesiwo dzea agbagba be yewoakpɔ yewo ŋutɔ yewo tɔwo ƒe ŋutilãmenuhiahiãwo gbɔ dometɔ aɖewo ɖe? (b) Dɔwɔɖui ŋu nukpɔsusu ka me léle ɖe asie akpe ɖe Kristotɔ aƒedzikpɔlawo ŋu be woado dzi?

5 Belélename ka ƒomevie nɔ susu me na Paulo le Timoteo I, 5:8? Nya siwo ƒo xlãe fia be enɔ nu ƒom tso ƒomea ƒe ŋutilãmenuhiahiãwo ŋu tẽ. Le egbexexea me la, aƒedzikpɔla ato kuxi geɖewo me hafi ate ŋu akpɔ nuhiahiã siawo gbɔ. Ganyawo ƒe sesẽ bɔ ɖe xexeame katã, eye nenema kee nye asiɖeɖeleameŋu le dɔme, dɔmakpɔwɔe, kple nuwo ƒe asi ƒe dzi yiyi hã. Nukae akpe ɖe aƒedzikpɔla ŋu wòado dzi le gbetɔame siawo me?

6 Enyo be wòanɔ susu me na aƒedzikpɔla nyuie be dɔdasi aɖe si tso Yehowa gbɔ wɔmee yele. Paulo ƒe nya siwo tso gbɔgbɔ me ɖee fia be ŋutsu si si ŋutete le be wòawɔ sedede sia dzi gake wògbe edziwɔwɔ la sɔ kple amesi ‘gbe xɔse la.’ Kristotɔ awɔ etɔ sinua be Mawu nagabui nenema o. Gake nublanuitɔe la, ame geɖewo le xexeame egbea siwo nye “amesiwo melɔ̃a ame ƒe nya o.” (Timoteo II, 3:1, 3) Le nyateƒe me la vifofo gbogbo aɖewo ƒoa asa na woƒe agbanɔamedziwo, hegblẽa woƒe ƒomea me tɔwo ɖe fukpekpe me. Srɔ̃ŋutsu Kristotɔwo melɔ̃na ɖe tagbɔsesẽ kple ɖekematsɔleme ƒe nukpɔsusu ma dzi le beléle na ame ŋutɔ tɔwo ƒe nya la me dzi o. Kristotɔ aƒedzikpɔlawo to vovo na wo hatidɔwɔla geɖewo elabena wobua dɔwɔɖui tsɛtɔ kekeake gɔ̃ hã be enye nusi ŋu bubu le hele vevie, nane si dzi yewoato adze Yehowa Mawu ŋu, le esi wòkpena ɖe wo ŋu be woakpɔ woƒe ame veviwo dzi ta.

7. Nukatae wònyo be dzilawo nade ŋugble le Yesu ƒe kpɔɖeŋua ŋu?

7 Ƒomewo ƒe ta akpɔe hã be aɖe vi na yewo ne yewode ŋugble tso Yesu ƒe kpɔɖeŋu debliboa ŋu. Ðo ŋku edzi be Biblia yɔ Yesu le nyagblɔɖi me be mía ‘Fofo Mavɔ.’ (Yesaya 9:5, 6) Esi wònye “Adam mamlɛtɔ” ta la, Yesu xɔ ɖe “ame gbãtɔ, Adam” teƒe wòsɔ nyuie abe ameƒomea me tɔ siwo ɖe xɔse fia la fofo ene. (Korintotɔwo I, 15:45) Yesu mele abe Adam, amesi va zu ɖokuitɔdila ene o, ke boŋ enye fofo nyuitɔ. Biblia gblɔ le eŋu be: “Esia me míedze si lɔlɔ̃a le bena, eyama tsɔ eƒe agbe ɖo anyi ɖe mía ta.” (Yohanes I, 3:16) Ẽ, Yesu lɔ̃ faa tsɔ eya ŋutɔ ƒe agbe ɖo anyi ɖe ame bubuwo ta. Le gbesiagbenuwɔna hã me la, etsɔa amewo ƒe nudidiwo gbɔ kpɔkpɔ ɖoa ŋgɔ na ye ŋutɔ tɔ le nu suewo gɔ̃ hã me. Anyo be mi dzilawo hã miasrɔ̃ ɖokuitsɔtsɔsavɔ ƒe gbɔgbɔ ma.

8, 9. (a) Nukae dzilawo ate ŋu asrɔ̃ tso xewo gbɔ le wo viwo dzi kpɔkpɔ ɖokuitɔmadimaditɔe me? (b) Aleke dzila Kristotɔ geɖewo le ɖokuitsɔtsɔsavɔ ƒe gbɔgbɔ ɖem fiae?

8 Dzilawo ate ŋu asrɔ̃ ɖokuitɔmadimadi ƒe lɔlɔ̃ tso Yesu ƒe nya siwo wògblɔ na Mawu ƒe ame siwo tra mɔ la me be: “Zi nenie medi bena, maƒo viwòwo nu ƒu, abe alesi koklonɔ ƒoa viawo nu ƒu ɖe eƒe aʋala te ene.” (Mateo 23:37) Le afisia la Yesu wɔ koklovinɔ si le viawo nu ƒom ƒu ɖe eƒe aʋala te ƒe kpɔɖeŋu si wɔa dɔ ɖe ame dzi. Le nyateƒe me, dzilawo ate ŋu asrɔ̃ nu geɖe tso dzɔdzɔme beléle si xenɔ tsɔna na viawo me, edea eɖokui afɔku me faa be yeakpɔ ye viwo ta be nuvevi nagawɔ wo o. Eye nusiwo xenɔwo gawɔna gbesiagbe hã dzena ƒã. Wodzona yina gbɔna madzudzɔmadzudzɔe le nuɖuɖu didi me. Ne nu te wo ŋu vɔ gɔ̃ hã la wogadoa nuɖuɖu na wo vi siwo ke woƒe nu da ɖi la, eye woxɔnɛ mina ganɔa xɔxlɔ̃m na bubu. Yehowa ƒe nuwɔwɔ geɖewo ‘dze nunya le dzɔdzɔme nu’ le beléle na wo vi suewo me.—Lododowo 30:24.

9 Le mɔ si sɔ kpli nu la, dzila Kristotɔ siwo le xexeame godo le ɖokuitsɔtsɔsavɔ ƒe gbɔgbɔ si dze na kafukafu ɖem fia. Èlɔ̃na be nuvevi nawɔ ye ŋutɔ tsɔ wu be nàɖe mɔ nuvevi nawɔ viwòwo. Gakpe ɖe eŋu la, ètsɔa ɖokuiwò saa vɔe faa be nàte ŋu akpɔ wò ŋutɔ tɔwòwo dzi. Mia dometɔ geɖe fɔa fɔŋli ɖawɔa dɔ teɖeɖiameŋuwo. Miekua kutri be miakpɔ nuɖuɖu siwo me nunyiame le na miaƒe ƒomea. Miedagbana be yeawoakpɔ egbɔ be nudodo dzadzɛwo, kple dɔƒe nyuiwo nanɔ mia viwo si, eye be woade suku alesi dze. Eye mienɔa esia dzi gbesiagbe, ƒe sia ƒe. Vavãe ɖokuitsɔtsɔsavɔ kple dzidodo alea dzea Yehowa ŋu! (Hebritɔwo 13:16) Togbɔ be esiawo katã le eteƒe hã la, mienyae be nusiwo gale vevie wu li siwo me wòle be mialé be na mia ŋutɔ mia tɔwo le.

Gbɔgbɔmenuwo Gbɔ Kpɔkpɔ

10, 11. Nukae nye amegbetɔ ƒe nuhiahiã vevitɔ, eye nukae wòle be dzila Kristotɔ nawɔ be wòate ŋu akpɔ viawo ƒe nuhiahiã sia gbɔ?

10 Nusi gale vevie wu ŋutilãmenuwo gɔ̃ hãe nye gbɔgbɔmenuwo gbɔ kpɔkpɔ. Yesu gblɔ be: “Menye abolo ɖeɖe ko ŋuti ame lanɔ agbe ɖo o, negbe ɖe nya sia nya, si dona tsoa Mawu ƒe nu me la ŋuti.” (Mateo 4:4; 5:3) Nukae mi dzilawo miate ŋu awɔ akpɔ gbɔgbɔmenuhiahiãwo gbɔ?

11 Le nya sia gome la, ɖewohĩ mawunyakpukpui si míezãna wu ɖesiaɖee nye Mose V, 6:5-7. Taflatse ʋu wò Biblia eye nàxlẽ kpukpui mawo. De dzesii be wogblɔ na dzilawo be woatu wo ɖokui ɖo le gbɔgbɔ me gbã, woatu lɔlɔ̃ ɖo na Yehowa awɔ ɖe eƒe nyawo dzi. Ẽ, ele be nànye Mawu ƒe Nya srɔ̃la dovevienu, amesi xlẽa Biblia edziedzi dea ŋugble le eŋu be yeatu Yehowa ƒe mɔwo, eƒe gɔmeɖosewo, kple eƒe sewo gɔmesese kple wo lɔlɔ̃ ɖo. Esia ana wò dzi nayɔ fũ kple Biblia me nyateƒenya dodzidzɔnamewo si aʋã wò be dzi nadzɔ wò, nàde bubu deto Yehowa ŋu ahalɔ̃e. Esia ana nu nyui geɖewo anɔ asiwò nàfia viwòwo.—Luka 6:45.

12. Mɔ ka nue dzilawo ate ŋu asrɔ̃ Yesu ƒe kpɔɖeŋu le ne wobe yewoaku Biblia ƒe nyateƒea ɖe wo viwo ƒe to me?

12 Dzila siwo sẽ ŋu le gbɔgbɔ me nɔa dzadzraɖoɖi be yewoawɔ ɖe nuxlɔ̃amenya si le Mose V, 6:7 la dzi, be ‘woaku’ Yehowa ƒe nya ‘ɖe to me’ na wo viwo le mɔnukpɔkpɔ ɖesiaɖe me. Be ‘woaku nya ɖe to me’ fia be woafia nu wòatsi susu me to egbɔgblɔ edziedzi me. Yehowa nyae be ehiã na mí katã—vevietɔ ɖeviwo—be woagblɔ nya ɖeka edziedzi hafi míate ŋu anyae. Eyatae Yesu zã nyagbugbɔgblɔ mɔnu le eƒe subɔsubɔdɔa me. Le kpɔɖeŋu me, esime Yesu nɔ nu fiam eƒe nusrɔ̃lawo be woanye ɖokuibɔbɔlawo ke woaganye dadala kple hoʋlilawo o la, eto mɔ vovovo nu gblɔ gɔmeɖose ɖeka ma na wo. Efia nu wo to nyaa ŋu bubu, kpɔɖeŋua gbɔgblɔ fia, kple ewɔwɔfia kura gɔ̃ hã me. (Mateo 18:1-4; 20:25-27; Yohanes 13:12-15) Gake nukutɔe la, Yesu meɖe dzimagbɔɖi fia o. Nenema ke wòle be dzilawo nadi mɔnuwo afia nyateƒe veviwo wo viwo, agbugbɔ Yehowa ƒe gɔmeɖosewo anɔ gbɔgblɔm na wo dzigbɔɖitɔe vaseɖe esime woatsi susu me na ɖeviawo eye be woatsɔe ade dɔwɔna me.

13, 14. Ɣeyiɣi si me dzilawo ate ŋu aku Biblia me nyateƒewo ɖe wo viwo ƒe tome dometɔ aɖewo ɖe, eye nukawoe woazã atsɔ awɔ esiae?

13 Ƒomenusrɔ̃ɣiwo nye ɣeyiɣi nyuitɔ siwo me woawɔ nufiafia siawo ŋudɔ le. Le nyateƒe me la, ƒome Biblia nusɔsrɔ̃ si woawɔ edziedzi, si tua ame ɖo, si me dzidzɔ lee nana ƒomea sẽa ŋu le gbɔgbɔ me. Kristotɔwo ƒe ƒomewo le xexeame godoo kpɔa dzidzɔ ɖe nusɔsrɔ̃ siawo ŋu, wowɔa agbalẽ siwo wona mí to Yehowa ƒe habɔbɔa dzi la ŋudɔ hetrɔa asi le eŋu wòsɔna ɖe ɖeviawo ƒe nuhiahiãwo nu. Srɔ̃ Nu tso Nufiala Gã la Gbɔ ƒe agbalẽa nye nunana nyui aɖe le esia me, abe alesi wòle le Questions Young People Ask—Answers That Work * ƒe agbalẽa gome ene. Ke hã menye ƒomenusɔsrɔ̃ ƒe ɣeyiɣi me ɖeɖekoe woafia nu ɖeviwo le o.

14 Abe alesi wòdze le Mose V, 6:7 me ene la, ɣeyiɣi vovovowo li siwo me mi dzilawo miate ŋu adzro gbɔgbɔmenuwo me kple mia viwo. Eɖanye mɔ zɔm miele ɖekae o, dɔ wɔm miele ɖekae o, alo ɖiɖim ɖe emee miele ɖekae o, mɔnukpɔkpɔ ate ŋu asu mia si be mianyi ɖeviawo le gbɔgbɔ me. Nyateƒee, mehiã be miafia Biblia me nyateƒea mia viwo madzudzɔmadzudzɔe ya o. Ke boŋ midze agbagba be dzeɖoɖo le ƒomea me nanye esi tua ame ɖo le gbɔgbɔ me. Le kpɔɖeŋu me, nyatiwo le Nyɔ! ƒe magazine me siwo dzro nya vovovowo me. Nyatiawo ate ŋu aʋu mɔ na dzeɖoɖo tso Yehowa ƒe nuwɔwɔ siwo nye lãwo, dzɔdzɔmeteƒe dzeaniwo le xexeame godoo, kple amewo ƒe dekɔnuwo kple woƒe agbenɔnɔ wɔnuku vovovoawo ŋu. Dzeɖoɖo siawo tɔgbe ate ŋu aʋã ɖeviwo be woaxlẽ agbalẽ siwo dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela ƒe ha la tana.—Mateo 24:45-47.

15. Aleke dzilawo ate ŋu akpe ɖe wo viwo ŋu be woabu Kristotɔwo ƒe subɔsubɔdɔa dɔ vivi kple esi me teƒeɖoɖo le?

15 Dze tuameɖowo ɖoɖo kple viwòwo akpe ɖe ŋuwò be nàgakpɔ gbɔgbɔmenuhiahiã bubu gbɔ. Ehiã be ɖevi Kristotɔwo nasrɔ̃ alesi woagblɔ woƒe xɔse ŋu nya na ame bubuwo nyuie. Le dzeɖoɖo tso nya aɖe si do dzidzɔ na wò le Gbetakpɔxɔ alo Nyɔ! me ŋu me la, miate ŋu ade ŋugble le alesi miazã nyatia le subɔsubɔdɔa me ŋu. Le kpɔɖeŋu me, àte ŋu abia be: “Ðe manyo ŋutɔ ne ame geɖewo nya esia ku ɖe Yehowa ŋu oa? Aleke miesusu be míawɔe be amewo natsɔ ɖe le nya sia me?” Numedzodzro siawo ate ŋu akpe ɖe ɖeviwo ŋu be woadi vevie be yewoagblɔ nusi yewosrɔ̃ na ame bubuwo. Emegbe ne viwòwo yi subɔsubɔdɔa wɔƒe kpli wo la, woanya afisi tututu woazã dzeɖoɖo mawo le. Woasrɔ̃e hã be subɔsubɔdɔa nye dɔ vivi kple dzidzɔdɔ aɖe, si hea dzidzeme kple dzidzɔ geɖe vɛ.—Dɔwɔwɔwo 20:35.

16. Nukae ɖeviwo ate ŋu asrɔ̃ tso toléle ɖe wo dzilawo ƒe gbedodoɖa ŋu me?

16 Dzilawo gakpɔa wo viwo ƒe gbɔgbɔmenuhiahiã gbɔ ne wole gbe dom ɖa. Yesu fia eƒe nusrɔ̃lawo be woado gbe ɖa, eye edo gbe ɖa kpli wo zi geɖe. (Luka 11:1-13) Wò ya bu nu gbogbo siwo woanya srɔ̃ esi wowɔ ɖeka kple Yehowa ŋutɔ Via le gbedodoɖa me ŋu kpɔ! Nenema kee viwòwo ate ŋu asrɔ̃ nu geɖe le wò gbedodoɖa me. Le kpɔɖeŋu me, woasrɔ̃e be Yehowa di tso mía si be míaƒo nu na ye faa tso dzime, ahatsɔ míaƒe dzimaɖitsitsi ɖesiaɖe aɖo eŋkume. Ẽ, wò gbedodoɖa ate ŋu akpe ɖe viwòwo ŋu be woasrɔ̃ gbɔgbɔ me nyateƒe vevi aɖe: Woate ŋu anɔ ƒomedodo me kple wo Fofo si le dziƒo la.—Petro I, 5:7.

Seselelãmenuhiahiãwo Gbɔ Kpɔkpɔ

17, 18. (a) Aleke Biblia ɖe lɔlɔ̃ɖeɖefia ɖeviwo ƒe vevienyenye la fiae? (b) Aleke wòle be vifofowo nasrɔ̃ Yehowae le lɔlɔ̃ɖeɖefia wo viwo me?

17 Nyateƒee wònye be seselelãmenuhiahiã veviwo le ɖeviwo hã ŋu. Mawu ƒe Nya na dzilawo nya alesi gbegbe wòhiã be woakpɔ nusia hã gbɔe. Le kpɔɖeŋu me, wode dzi ƒo na ɖetugbiwo be ‘woalɔ̃ wo viwo.’ Wogblɔe abe ŋkuɖoɖonudzi ene na vidada ɖetugbiwo. Le nyateƒe me la, nunya le eme be woaɖe lɔlɔ̃ afia ɖevi. (Tito 2:4) Esia naa ɖeviwo srɔ̃a lɔlɔ̃ɖeɖefia eye wòɖea vi na wo le woƒe agbemeŋkekewo katã me. Eye ne wodo kpo lɔlɔ̃ɖeɖefia ɖevi la enye numanyamanya. Ehea vevesese geɖe vɛ eye wònye kpododo Yehowa sɔsrɔ̃, amesi ɖe lɔlɔ̃ gã fia mí togbɔ be míede blibo o hã.—Psalmo 103:8-14.

18 Yehowa dona ŋgɔ ɖea lɔlɔ̃ fiaa via siwo le anyigba dzi gɔ̃ hã. Abe alesi Yohanes I, 4:19 gblɔe ene la, “etre mí lɔlɔ̃.” Ele be mi vifofowo koŋ miasrɔ̃ Yehowa ƒe kpɔɖeŋua, axɔ ŋgɔ atu kadodo si me lɔlɔ̃ le ɖo le mia kple mia viwo dome. Biblia xlɔ̃ nu vifofowo be woaƒo asa na dzikudodo na wo viwo, “bene dzika nagatso wo ƒo o.” (Kolosetɔwo 3:21) Nusi koŋ doa dziku na ɖeviwo wu enye ekpɔkpɔ be yewo dzila melɔ̃ yewo o alo womedea asixɔxɔ yewo ŋu o. Anyo be vifofo siwo melɔ̃na be yewoaɖe yewoƒe seselelãme afia o la naɖo ŋku Yehowa ƒe kpɔɖeŋu dzi. Yehowa ƒo nu tso dziƒo gɔ̃ hã tsɔ ɖe eƒe ŋudzedzekpɔkpɔ kple alesi wòlɔ̃ Viae fia. (Mateo 3:17; 17:5) Aleke wòanya de dzi ƒo na Yesue nye si! Nenema kee ɖeviwo kpɔa ŋusẽdodo kple dzideƒo geɖe ne wo dzilawo gblɔ alesi wolɔ̃ wo hekpɔa ŋudzedze ɖe wo ŋui na wo.

19. Nukatae amehehe le vevie, eye dadasɔ kae dzila Kristotɔwo dzea agbagba be yewoanya?

19 Nyateƒee, lɔlɔ̃ si le dzilawo si na wo viwo yi ŋgɔ boo wu egbɔgblɔ kple nu ko. Nuwɔwɔ me koŋue woɖea lɔlɔ̃ fiana le. Ŋutilãmenuwo kple gbɔgbɔmenuwo gbɔ kpɔkpɔ na ame ate ŋu anye dzilawo ƒe lɔlɔ̃ɖeɖefia, vevietɔ ne dzilawo wɔe le mɔ si fia be lɔlɔ̃ koŋue nye nusi ʋã wo nu. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, amehehe nye dzilawo ƒe lɔlɔ̃ɖeɖefia vevi aɖe. Le nyateƒe me la “amesi ke Aƒetɔ la lɔ̃na la, eya wòhea to na.” (Hebritɔwo 12:6) Eye dzila si do kpo viawo hehe ɖenɛ fia be yelé fu wo! (Lododowo 13:24) Yehowa nya alesi wòada asɔ nyuie ɣesiaɣi, ehea to ‘ɖe ɖoɖo nu.’ (Yeremya 46:28) Alesi woada asɔ nyanya menɔa bɔbɔe na dzila madeblibowo ɣesiaɣi o. Gake edea ame dzi be woadze agbagba anya alesi woada asɔ. Amehehe afɔteteɖeto lɔlɔ̃tɔe kpena ɖe ɖevi ŋu wòtsina va nɔa agbe ɖɔʋu si me dzidzɔ le. (Lododowo 22:6) Ðe menye esiae nye nusi dzila Kristotɔ ɖesiaɖe dina na via oa?

20. Aleke dzilawo ate ŋu ana mɔnukpɔkpɔ nyuitɔ kekeake wo viwo be ‘woatia agbee’?

20 Ne mi dzilawo miewɔ dɔ vevi si Yehowa de mia si—si nye mia viwo ƒe ŋutilãmenuhiahiã, gbɔgbɔmenuhiahiã, kple seselelãmenuhiahiãwo gbɔ kpɔkpɔ la—emetsonuwo sɔna gbɔ ŋutɔ. Ewɔwɔ alea fia be miena mɔnukpɔkpɔ nyuitɔ kekeake mia viwo be ‘woatia agbe’ eye ‘woayi edzi anɔ agbe.’ (Mose V, 30:19) Ðevi siwo tia be yewoasubɔ Yehowa ahanɔ agbemɔ la dzi esi wole tsitsim la hea dzidzɔ manyagblɔ vɛ na wo dzilawo. (Psalmo 127:3-5) Dzidzɔ sia anɔ anyi tegbee! Gake aleke ɖeviwo akafu Yehowa fifiae? Woadzro nya sia me le nyati si kplɔe ɖo me.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 4 Le numedzodzro sia me la, míaƒo nu tso aƒedzikpɔlaa ŋu gbadza abe ŋutsu ene. Ke hã gɔmeɖoseawo sɔ na nyɔnu Kristotɔ siwo va zu amesiwo ƒe ŋkume ƒomea dzi kpɔkpɔ dze ŋgɔe.

^ mm. 13 Yehowa Ðasefowoe tae.

Aleke Nàɖo Wo Ŋui?

Nukae dzilawo ate ŋu awɔ be woakpɔ wo viwo ƒe nuhiahiãwo gbɔ

• le ŋutilã me?

• le gbɔgbɔ me?

• le seselelãme gome?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 18]

Xe geɖewo kua kutri madzudzɔmadzudzɔe be woadi nuɖuɖu na wo vi suewo

[Nɔnɔmetata si le axa 20]

Ele be dzilawo natu woa ŋutɔwo ƒe gbɔgbɔmemenyenye ɖo gbã

[Nɔnɔmetata siwo le axa 20, 21]

Dzilawo ate ŋu azã ɣeyiɣi vovovowo afia nu wo viwo tso Wɔla la ŋu

[Nɔnɔmetata si le axa 22]

Ðeviwo kpɔa ŋusẽdodo kple dzideƒo ne wo dzilawo gblɔ na wo be yewokpɔ ŋudzedze ɖe wo ŋu