Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Míate Ŋu Anɔ Te Ðe Tetekpɔ Ðesiaɖe Nu!

Míate Ŋu Anɔ Te Ðe Tetekpɔ Ðesiaɖe Nu!

Míate Ŋu Anɔ Te Ðe Tetekpɔ Ðesiaɖe Nu!

ÐE NÈLE tetekpɔ aɖe me tom fiafia? Ðe nèsena le ɖokuiwo me be wɔna vɔ le ye ŋu eye yemagate ŋu anɔ te ɖe enu oa? Ðe nèsena le ɖokuiwo me ɣeaɖewoɣi be yeƒe kuxia le etɔxɛ eye be naneke meli woawɔ le eŋu oa? Ne nye nenemae la, ke lé dzi ɖe ƒo! Aleke kee tetekpɔa ɖale o Biblia ka ɖe edzi na mí be Mawu akpe ɖe mía ŋu míado le eme godoo.

Biblia lɔ̃ ɖe edzi be Mawu subɔlawo ‘gena ɖe tetekpɔ bubu ƒomeviwo me.’ (Yakobo 1:2) De dzesi nya si nye “ƒomeviwo” (si nye poi·kiʹlos le Helagbe me.) Le alesi wozã Helagbe me nya ma le gɔmedzedzea me nu la, efia “ƒomevi geɖe” alo “amadede vovowo” si ɖee fia be “tetekpɔawo doa mo ɖa le nɔnɔme vovovowo me.” Eyata “tetekpɔ bubu ƒomeviwo” nye tetekpɔ siwo vana le amadede vovovowo me, le kpɔɖeŋu nyagbɔgblɔ nu. Ke hã Yehowa kpena ɖe mía ŋu be míenɔa te ɖe wo dometɔ ɖesiaɖe nu. Aleke míawɔ aka ɖe esia dzi?

‘Mawu ƒe Amenuveve si Wòɖe Fia le Mɔ Ƒomevi Geɖewo Nu’

Apostolo Petro de dzesii be Kristotɔwo ‘xaa nu le tetekpɔ bubu ƒomeviwo me.’ (Petro I, 1:6) Le eƒe lɛta si gbɔgbɔ ʋãe wòŋlɔ emegbe me la, egblɔ be: “Mawu ƒe amenuveve” dzena le ‘mɔ ƒomevi geɖewo nu.’ (Petro I, 4: 10) Nyagbɔgblɔ si nye ‘le mɔ ƒomevi geɖewo nu’ nye Helagbe me nya ma ke ƒe gɔmeɖeɖewo dometɔ ɖeka. Esime Biblia-nyala aɖe nɔ nu ƒom tso nyagbe sia ŋu la, egblɔ be: “Nuƒoƒo le Mawu ƒe amenuveve ŋu alea si sɔ ɖe gɔmesese si le poikilos si nu nye nya wɔdɔɖeamedzi aɖe. . . . Esia fia be [le kpɔɖeŋu nyagbɔgblɔ nu la,] amadede ka ke mee tetekpɔawo ɖava ame dzi le o, Mawu ƒe amenuveve ate ŋu akpɔ egbɔ godoo.” Eyi edzi gblɔ bena: ‘Nɔnɔme aɖeke, vɔ̃ aɖeke, hiãkame aɖeke meli si Mawu ƒe amenuveve mate ŋu akpɔ egbɔ o. Poikilos, nya wɔdɔɖeamedzi sia he míaƒe susu yi Mawu ƒe amenuveve si le amadede vovovowo me dzi tẽ, esi su, le nyateƒe me, na nya ɖesiaɖe gbɔ kpɔkpɔ.’

Mawu ƒe Amenuveve Nana Míeɖua Tetekpɔwo Dzi

Le Petro ƒe nya nu la, mɔ siwo nu Mawu ɖena eƒe amenuveve fiana le dometɔ ɖekae nye to ame vovovo siwo le Kristo-hamea me la dzi. (Petro I, 4: 11) Gbɔgbɔ me nunanawo alo ŋutetewo le Mawu subɔla ɖesiaɖe si siwo ate ŋu anye dzideƒotsoƒe na amesiwo le tetekpɔwo me tom. (Romatɔwo 12: 6-8 ) Le kpɔɖeŋu me, hamea me tɔ aɖewo nye Biblia-fiala bibiwo. Woƒe nya siwo me nunya le la ʋãa ame hedea dzi ƒo na ame bubuwo be woado dzi. (Nexemya 8: 1-4, 8, 12) Ame aɖewo hã srãa alẽawo kpɔna edziedzi hedea dzi ƒo na amesiwo hiãna akɔfafa la le woƒe aƒewo me. Sasrãkpɔ siawo nyea dzideƒonameɣi siwo ‘faa akɔ na ame.’ (Kolosetɔwo 2:2) Ne dzikpɔlawo wɔ sasrãkpɔ tuameɖo siawo la, wotsɔa woƒe gbɔgbɔmenunanaa kpena ɖe amewo ŋu. (Yohanes 21:16) Amewo le hamea me gɔ̃ hã siwo tsia dzi ɖe ame ŋu, sea veve ɖe ame ti alo tsɔa ɖe le eme na haxɔsetɔ siwo le tetekpɔwo me tom. (Dɔwɔwɔwo 4: 36; Romatɔwo 12:10; Kolosetɔwo 3:10) Veveseseɖeamenu kple kpekpeɖeameŋu dzonɔamemetɔe si nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu lɔ̃ame siawo ɖena fiana nye Mawu ƒe amenuveve ƒe “amadede vovowo” ƒe akpa vevi aɖe.—Lododowo 12:25;17:17.

“Akɔfafawo Katã ƒe Mawu La”

Ƒo wo katã ta la, Yehowa faa akɔ na ame. Enye “akɔfafawo katã ƒe Mawu, amesi fa akɔ na mí le míaƒe xaxa blibo la katã me.” (Korintotɔwo II, 1:3, 4) Nunya si le Mawu ƒe Nya si tso gbɔgbɔ me me kple ŋusẽdoame si eƒe gbɔgbɔ kɔkɔe nana mí la nye mɔ vevi siwo dzi Yehowa tona ɖoa míaƒe gbe siwo míedona ɖa biaa eƒe kpekpeɖeŋu la ŋu. (Yesaya 30:18, 21; Luka 11:13; Yohanes 14:16) Ŋugbe si apostolo Paulo do le gbɔgbɔ kɔkɔe ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi te ate ŋu ade dzi ƒo na mí. Egblɔ be: “Nuteƒewɔla enye Mawu, amesi mana mɔ bena, woate mi akpɔ awu alesi miate ŋui la o; ke ana gododo le eme hã akpe ɖe tetekpɔ ŋuti, bene miate ŋu atsɔe.”—Korintotɔwo I, 10:13.

Ẽ, “amadede” ka ke mee míaƒe tetekpɔa ɖava le o, alo nɔnɔme ka ke mee wòɖava le o, Mawu ana “amadede” si sɔ kplii si nye eƒe amenuveve aɖe ŋudɔwɔwɔ hena tetekpɔa gbɔ kpɔkpɔ. (Yakobo 1:17) Yehowa ƒe ŋusẽdoame si vana le ɣeyiɣi nyuitɔ dzi na eƒe subɔlawo—eɖanye aleke kee woƒe tetekpɔawo alo kplamatsɛdonuawo ƒe nɔnɔme le o—la nye “Mawu ƒe nunya bubu ƒomevi geɖe la” ƒe kpeɖodziawo dometɔ ɖeka ko. (Efesotɔwo 3:10) Alo mele eme oa?

[Nɔnɔmetata si le axa 31]

Yehowa kpena ɖe mía ŋu míekpea akɔ kple tetekpɔ siwo vaa mía dzi la