Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Philo Si Tso Alexandria—Amesi Tsaka Ŋɔŋlɔawo Kple Nususugblɔ

Philo Si Tso Alexandria—Amesi Tsaka Ŋɔŋlɔawo Kple Nususugblɔ

Philo Si Tso Alexandria​—Amesi Tsaka Ŋɔŋlɔawo Kple Nususugblɔ

LE ƑE 332 D.M.Ŋ. me la, Aleksanda Gãtɔ kplɔ eƒe asrafowo yi Egipte. Hafi wòakplɔ wo woaɖo ta ɣedzeƒenutowo me le aʋa si wòho ɖe xexemedukɔwo ŋu me la, etso du aɖe hetsɔ ŋkɔ nɛ be Alexandria. Du ma mee Helatɔwo ƒe dekɔnu geɖe va dzɔ tso. Le ƒe 20 D.M.Ŋ. me lɔƒo la, wodzi aʋadziɖula bubu ɖe afima, amesi ƒe aʋawɔnuwo menye yi kple akplɔ o, ke boŋ nususugblɔ si wotu ɖe xexemenunya dzi. Aʋadziɖula sia ŋkɔe nye Philo si tso Alexandria, alo Philo Judaeus (Yudatɔ), esi edzilawo nye Yudatɔwo ta.

Yudatɔwo ƒe kaka ɖe Trɔ̃subɔdukɔwo dome, si Yerusalem ƒe tsɔtsrɔ̃ le ƒe 607 D.M.Ŋ. me he vɛ, na be Yudatɔ geɖe va nɔ Egipte. Wo dometɔ gbogbo aɖewo hã nɔ Alexandria. Gake kuxiwo nɔ Yudatɔwo kple Helatɔwo dome. Yudatɔwo melɔ̃na be yewoasubɔ Helatɔwo ƒe mawuwo o, eye Helatɔwo hã ɖua fewu le Hebri Ŋɔŋlɔawo ŋu. Esi Philo nye Yuda-vidzidzi, eye wòsrɔ̃ agbalẽ le Hela ta la, enya nu tso masɔmasɔ si nɔ akpa evea dome la ŋu. Exɔe se be Yuda-subɔsubɔe nye subɔsubɔ vavãtɔ. Gake to vovo na ame bubuwo la, Philo di mɔnu aɖe si me ʋunyaʋunyawɔwɔ manɔ o hena Trɔ̃subɔdukɔmetɔwo hehe va Mawu gbɔe. Edi be yeana woaxɔ Yuda-subɔsubɔ.

Gɔmesese Yeye na Ŋɔŋlɔ Xoxowo

Abe Yudatɔ siwo nɔ Alexandria dometɔ geɖe ene la, Hela gbee Philo se nyuie wu. Eyata Hebri Ŋɔŋlɔawo ƒe gɔmeɖeɖe si nye Helatɔwo ƒe Septuagint lae wòzã le eƒe nusɔsrɔ̃a me. Le ŋkuléle ɖe Septuagint gɔmeɖeɖea ŋu me la, Philo va kpɔe dze sii be nukpɔsusu deŋgɔwo le eme, eye wòsusui be Mose “nye xexemenunyala deŋgɔ.”

Ƒe alafawo do ŋgɔ la, esesẽ na Helatɔ agbalẽnyalawo be woalɔ̃ ɖe ŋutinya siwo wogblɔna le mawuwo kple mawunɔwo ŋu—siwo nye Helatɔwo ƒe blema nyakpakpa me ame kakowo kple gbɔgbɔ vɔ̃wo—la dzi. Eyata wote gɔmeɖeɖe bubuwo didi na blema nyakpakpa mawo. James Drummond, amesi de ŋgɔ ŋutɔ le Hela kple Roma nusɔsrɔ̃wo me, gblɔ tso mɔnu si wozãna le gɔmeɖeɖe yeye didi na ŋutinyakpakpaawo me ŋu be: “Xexemenunyalaa dzea agbagba kpɔnɛ ɖa be gɔmesese bubu kawoe ɣla ɖe ŋutinyaawo me yeagate ŋu akpɔ hã, eye be yeakpɔe ɖa be nufiame tuameɖo aɖewo be ɖe nyakpakpa madzeto wɔmoya ɖikokoe mawo siwo ekpalawo anya di be yewoagblɔ to nyamenya viviwo dzi la me hã.” Woyɔ mɔnu sia be alobalowo gɔmeɖeɖe, eye Philo dze agbagba be yeazãe atsɔ aɖe Ŋɔŋlɔawo mee.

Le kpɔɖeŋu me, bu Mose I, 3:22 ŋu kpɔ, le Bagster ƒe Septuagint Biblia-gɔmeɖeɖe me, afisi gblɔ be: “Aƒetɔ Mawu tsɔ lãgbalẽ wɔ awui do na Adam kple srɔ̃a.” Helatɔwo ƒe nukpɔsusue nye be, Mawu Gã la kɔkɔ akpa na awu tɔtɔ. Eyata Philo di gɔmesese na kpukpui ma, si yi ale: “Lãgbalẽwu la nye kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ si tsi tre ɖi na amegbetɔ ƒe ŋutigbalẽ; elabena ɖe Mawu do ŋgɔ wɔ ame ƒe susu hetsɔ ŋkɔ nɛ be Adam; ema megbe hafi wòwɔ eƒe ametia hetsɔ ŋkɔ nɛ be Agbe. Mlɔeba la, eva hiã be wòade ŋutigbalẽ ametia ŋu kokoko, eye eya yɔmee wòle le kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ me be lãgbalẽwu.” Aleae Philo te kpɔ di gɔmesese si nɔ te ɖe xexemenunya dzi na alesi Mawu wɔ awu na Adam kple Xawa lae nye si.

Lé ŋku ɖe Mose I, 2:10-14 hã ŋu, si ƒo nu tso tɔsisi aɖe si dzɔ tso Eden-bɔa me hedze ɖe alɔ ene me do ɖe abɔa godo ŋu. Philo te kpɔ be yeadi nya mawo siwo wogblɔ tsɔ ɖɔ abɔae la ŋuti gɔmesese ɣaɣla. Esi wòƒo nu tso anyigba la ŋutɔ ŋu vɔ la, egblɔ be: “Anye be gɔmesese aɖewo ɣla ɖe kpukpui siawo hã me; elabena tɔsisia ƒe alɔ eneawo nye nyuiwɔwɔ vovovo ene ƒe dzesi.” Esusui gblɔ be tɔsisia ƒe alɔdze si nye Pison, tsi tre ɖi na ŋuɖɔɖɔɖo, esi nye Gixon tsi tre ɖi na moveviɖoɖo, Xidekel tsi tre ɖi na dzideƒo, eye Frat tsi tre ɖi na dzɔdzɔenyenye. Ale wɔ nususugblɔ va xɔ ɖe anyigbaa ƒe nɔnɔme ŋutɔŋutɔ teƒee nye si.

Philo to alobalowo gɔmeɖeɖe ƒe mɔnu dzi dzro nuwɔwɔ ŋuti nuŋlɔɖia, Kain ƒe Abel wuwu ŋuti nuŋlɔɖia, Noa ƒe ŋkekea me Tsiɖɔɖɔa, gbegbɔgblɔwo tɔtɔ le Babel ŋutinyaa, kpakple Mose ƒe Sea me gɔmeɖose geɖewo me. Abe alesi kpɔɖeŋu si ŋu míeƒo nu tsoe le memama si do ŋgɔ me ɖee fia ene la, zi geɖe la, Philo lɔ̃na ɖe nya si tututu gblɔm mawunyakpukpuia le dzi gbã hafi dona gɔmesese ɣaɣla si wòbe eli nɛ la ɖa, le nyagbe siawo tɔgbe me be: “Ðewohĩ ele be míabu nya siawo be wonye alobalo.” Le Philo ƒe nuŋɔŋlɔwo me la, gɔmesese siwo wòhe ɖe go dzena kɔte, gake nublanuitɔe la, Ŋɔŋlɔawo ƒe gɔmesese tututu ya buna.

Amekae Nye Mawu?

Philo zã kpɔɖeŋu sẽŋu aɖe tsɔ do Mawu ƒe anyinɔnɔ dzixɔse ɖe ŋgɔe. Le nuƒoƒo tso anyigba, tɔsisiwo, ɣletinyigbawo, kple ɣletiviwo ŋu megbe la, ewu eƒe nyawo nu ale: “Anyigbae nye nuwɔwɔ si ŋu wotrɔ asi le aɖaŋutɔe wu ɖesiaɖe, ale be ɖeko nàkpɔe zi ɖeka be ame aɖe si de le nusianu me si si nunya deblibo le lae wɔe. Mɔ sia dzie míeto kpɔe dze sii be Mawu li nyateƒe.” Susu le nuŋububu sia me ŋutɔ.—Romatɔwo 1:20.

Gake esi Philo va nɔ Mawu Ŋusẽkatãtɔ la ƒe nɔnɔmewo me ɖem ya la, etra tso nyateƒea gbɔ kura. Philo gblɔ be “nɔnɔme ɖedzesi aɖeke mele” Mawu si “o” eye be “ame aɖeke mate ŋu ase amesi tututu” Mawu “nye gɔme o.” Philo ɖe dzi le amewo ƒo tso agbagbadzedze be woanya Mawu ŋu esime wògblɔ be “enye bometsitsi blibo be woadze agbagba be woaku nu me ayi ŋgɔe be woanya Mawu ƒe nɔnɔme ɖedzesiwo alo be woase wo gɔme.” Nukpɔsusu sia metso Biblia me o, ke boŋ xexemenunyala Plato, si nye trɔ̃subɔla, gbɔe wòtso.

Philo gblɔ be manyawɔ kura be woadze si Mawu o ʋuu keke woahayi ŋkɔ aɖeke yɔge nɛ o. Philo gblɔ be: “Eyata susu le eme be woagblɔ be womate ŋu ayɔ ŋkɔ aɖeke na amesi nye Mawu gbagbe ŋutɔŋutɔ la wòasɔ o.” Aleke gbegbe nya sia tsi tre ɖe nyateƒea ŋue nye si!

Biblia gblɔe kɔte be ŋkɔ le Mawu si. Psalmo 83:19 gblɔ be: “Ŋkɔwòe nye Yehowa, eye wò ɖeɖe koe ɖo kpo ɖe anyigba blibo la dzi!” Yesaya 42:8 gblɔ be Mawu gblɔ bena: “Nyee nye Yehowa, ŋkɔnyee.” Nukatae Philo, amesi nye Yudatɔ si nya mawunyakpukpui siawo fia nu be ŋkɔ mele Mawu si o ɖo? Elabena menye Mawu si tɔe Biblia nye la ŋue wònɔ nu ƒom le o, ke boŋ Helatɔwo ƒe xexemenunya mawu ŋkɔmanɔsitɔ manyamanya la ŋu nya gblɔmee wònɔ.

Nukae Nye Luʋɔ La?

Philo fia nu be luʋɔ kple ŋutilã la nye nu vovovowo. Egblɔ be nu eve siwo nye “ŋutilã kple luʋɔe ƒo ƒu” nye amegbetɔ. Ðe luʋɔ la ate ŋu akua? Se alesi Philo ɖe emee ɖa: “Ne míele agbe la, míaƒe ŋutilã le agbe, gake míaƒe luʋɔ ya ku woɖi ɖe míaƒe ŋutilã me, abe ɖe woɖii ɖe yɔdo me ene. Gake ne [ŋutilã] la ku la, ekema míaƒe luʋɔ la vo anɔ agbe azɔ, elabena woɖee tso ŋutilã kuku vɔ̃ɖi si me woblae ɖo la me.” Le Philo ya gbɔ la, kpɔɖeŋumɔ nue luʋɔ la kuna le. Mekuna ŋutɔŋutɔ gbeɖe o. Mate ŋu aku o.

Gake nukae Biblia fia ku ɖe luʋɔ ŋu? Mose I, 2:7 gblɔ be: “Yehowa Mawu tsɔ anyi mè ame, eye wògbɔ agbegbɔgbɔ ɖe eƒe ŋɔti me; ale ame la zu luʋɔ gbagbe.” Le Biblia ƒe nya nu la, luʋɔ mele amegbetɔwo si o; ke boŋ wonye luʋɔ.

Biblia fia nu hã be luʋɔ la kuna. Xezekiel 18:4 gblɔ be: “Luʋɔ, si wɔ nuvɔ̃ la, eyae aku.” Míate ŋu anɔ te ɖe ŋɔŋlɔ siawo dzi aƒo nya ta wòasɔ be: Ame la ŋutɔe nye luʋɔ. Eyata ne ame ku la, luʋɔe nye ma ku.—Mose I, 19:19. *

Le Philo ƒe ku megbe la, Yudatɔwo megava tsɔ ɖeke le eƒe nya siwo wòsusu gblɔ me o. Gake Kristodukɔa ya va lé wo me ɖe asi goŋgoŋ. Eusebius kple sɔlemehakplɔla bubuwo xɔe se be Philo va zu Kristotɔ. Jerome yɔe kpe ɖe Sɔlemeha Fofowo ŋu. Kristotɔ xɔsegbelawo boŋue va lé Philo ƒe nuŋɔŋlɔwo me ɖe asi ɖe Yudatɔwo teƒe.

Philo ƒe nuŋɔŋlɔwo he tɔtrɔ aɖe va mawusubɔsubɔ mee. Eƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi wɔe be amesiwo be Kristotɔwoe yewonye va xɔ luʋɔmakumaku ƒe nufiafia si metso ŋɔŋlɔawo me o la de eme. Eye nusi Philo fia ku ɖe “Logos” (alo, Nya la) ŋue he Kristotɔ xɔsegbelawo ƒe Mawuɖekaetɔ̃ nufiafia si menɔ te ɖe Biblia dzi o la vɛ.

Mègana Woable Wò O

Esi Philo nɔ Hebri Ŋɔŋlɔawo srɔ̃m la, ekpɔ egbɔ be “yemeŋe aɖaba ƒu gɔmesese siwo ate ŋu aɣla ɖe nya siwo wogblɔ gbadzaa me la dzi o.” Gake abe alesi míekpɔe le Mose V, 4:2 mee ene la, Mose gblɔ ku ɖe Mawu ƒe Sea ŋu be: “Migatsɔ nya aɖeke kpe se, siwo de ge mala na mi la o, eye migaɖe ɖeke le edzi o; ke boŋ miwɔ Yehowa, mia Mawu ƒe se, siwo de ge mala na mi la dzi.” Togbɔ be Philo susui be susu nyuiwoe nɔ ye si hã la, elɔ nususugblɔ geɖewo li kɔe ɖe Mawu ƒe Nya si tso gbɔgbɔ me la dzi, wòxe Mawu ƒe nufiame si me kɔ ŋutɔ la ŋkume abe afu dodo ene.

Apostolo Petro gblɔ be: “Menye gli, siwo wokpa kple aɖaŋu la, yome míedze, esime míena mienya mía Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe ŋusẽ kple eƒe vava la o.” (Petro II, 1:16) To vovo na Philo ƒe nuŋɔŋlɔwo la, Petro nɔ te ɖe nyateƒenya kple Mawu ƒe gbɔgbɔ, “si nye nyateƒegbɔgbɔ,” si kplɔ wo yi nyateƒe blibo la katã me la ƒe mɔfiafia dzi na nuxlɔ̃ame Kristo-hame gbãtɔ la.—Yohanes 16:13.

Ne Mawu si tɔe Biblia nye la subɔsubɔ doa dzidzɔ na wò la, ekema èhiã mɔfiame vavã, ke menye numeɖeɖe siwo wotu ɖe amegbetɔ ƒe nukpɔsusu dzi o. Èhiã Yehowa kple eƒe lɔlɔ̃nu ŋuti sidzedze vavãtɔ, eye èhiã ɖokuibɔbɔ be nàte ŋu anye nusrɔ̃vi anukwaretɔ. Ne nɔnɔme nyui siawo le asiwò nètsɔ srɔ̃ Bibliae la, àva nya ‘ŋɔŋlɔ kɔkɔeawo, si ate ŋu ana nunya wò hena agbexɔxɔ to xɔse, si le Kristo Yesu me la me.’ Àkpɔe be Mawu ƒe Nya la ate ŋu ana ‘yeade blibo, ahanɔ dzadzraɖoɖi hena dɔ nyui sia dɔ nyui wɔwɔ.’—Timoteo II, 3:15-17.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 18 The Jewish Encyclopedia, ƒe 1910 tɔ gblɔ le luʋɔ ŋu be: “Dzixɔse si nye be luʋɔ la kpɔtɔna yia edzi nɔa agbe le ŋutilã la ƒe kuku megbe la nye xexemenunya alo sɔlemehawo ƒe nususugblɔ, ke metso xɔse la me o, eyata womefiae le Ŋɔŋlɔ Kɔkɔea ƒe akpa aɖeke o.”

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 10]

DU SI ME PHILO NƆ

Egiptetɔwo ƒe Alexandria mee Philo nɔ hewɔ dɔ le. Du ma mee agbalẽwo nɔ wu du ɖesiaɖe le xexeame eye afimae agbalẽnyalagãwo wɔa numedzodzrowo le ƒe alafa geɖe.

Agbalẽnyalagã xɔŋkɔwo fia nu sukuviwo le dua me sukuwo me. Agbalẽdzraɖoƒe si nɔ Alexandria va xɔ ŋkɔ le xexeame katã. Agbalẽdzikpɔlawo ƒe agbagbadzedze be woaxɔ nuŋlɔɖi ɖesiaɖe ƒomevi ada ɖe agbalẽdzraɖoƒea na be agbalẽ siwo nɔ afima la va sɔ gbɔ ale gbegbe.

Vivivi le ɣeyiɣi aɖewo megbe la, alesi xexeame katã dea asixɔxɔ Alexandria-dua kpakple eme gbalẽ gbogboawo ŋui va yi to. Roma-fiagãwo va de asixɔxɔ woa ŋutɔwo ƒe du ŋu wu, ale wɔ Europa boŋ va zu agbalẽsrɔ̃ƒegã. Alexandria-dua va yi to kura mlɔeba le ƒe alafa adrelia M.Ŋ. me esime amewo va dze dua dzi heɖu wo dzi. Vaseɖe egbea la, ŋutinyaŋlɔlawo kpɔtɔ faa konyi le agbalẽdzraɖoƒe xɔŋkɔ sia ƒe bubu ŋu, eye wo dometɔ aɖewo gblɔna be ehe ŋkuʋuʋu yi megbee ƒe 1,000 sɔŋ.

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

L. Chapons/Illustrirte Familien-Bibel nach der deutschen Uebersetzung Dr. Martin Luthers

[Aɖaka si le axa 12]

ALOBALO GƆMEÐEÐE EGBEA

Zi geɖe alobalo nyea “nuƒoƒo le nyateƒenyawo ŋu to glimemewo, alo nya siwo ɖi nyateƒenya zazã le amegbetɔ ƒe anyinɔnɔ ŋuti nyawo gbɔgblɔ me.” Wogblɔna be gɔmesese vevi aɖewo ɣlana ɖe nuŋɔŋlɔ siwo nye alobalo me. Abe Philo si tso Alexandria ene la, mawunyafiala aɖewo zãa alobalowo gɔmeɖeɖe ƒe mɔnu sia tsɔ ɖea Biblia me nyawo mee.

De ŋugble le Mose ƒe Agbalẽ Gbãtɔ, ta 1-11, afisi amegbetɔwo ƒe ŋutinya, tso nuwɔwɔ dzi va ɖo amewo dome kaka le Babel-mɔ̃ la me dzi, ŋuti nuŋlɔɖi dze le la ŋuti kpɔ. The New American Bible, si nye Katolikotɔwo ƒe gɔmeɖeɖe gblɔ tso Biblia ƒe akpa ma ŋu be: “Be woana nyateƒenya siwo le ta siawo me gɔme nakɔ na Israel-viwo, amesiwo woɖo be woakpɔ wo ta la, ehiã be woazã nukpɔsusu siwo le nyanya na ameawo ɣemaɣi atsɔ aɖe wo mee. Le susu sia ta la, ele be vovototo si le nyateƒenya ŋutɔŋutɔwo kple kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ dome nadze ƒã.” Woƒe nyaa le fiafiam be mele be woabu Mose ƒe Agbalẽ Gbãtɔ, ta 1-11 me nyawo nyateƒenya ŋutɔŋutɔwoe o. Ke boŋ abe alesi wodoa awu wòtsyɔa ŋutilãa dzii ene la, nenemae nyaawo tsyɔ gɔmesese deto si le wo ŋu la dzii.

Gake Yesu ya fia nu be Mose ƒe Agbalẽ Gbãtɔ ƒe ta gbãtɔ mawo nye nyateƒenya ŋutɔŋutɔwo. (Mateo 19:4-6; 24:37-39) Nenemae apostolo Paulo kple Petro hã fia nui. (Dɔwɔwɔwo 17:24-26; Petro II, 2:5; 3:6, 7) Biblia-srɔ̃la ɖianukwarewo gbea nu le gɔmeɖeɖe siwo mewɔ ɖeka kple Mawu ƒe Nya bliboa o la gbɔ o.

[Nɔnɔmetata si le axa 9]

Alexandria ƒe akaɖixɔ gã la

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Archives Charmet/Bridgeman Art Library