Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

“Woti Eyome le Eƒe Dzixɔse Ta”

“Woti Eyome le Eƒe Dzixɔse Ta”

“Woti Eyome le Eƒe Dzixɔse Ta”

WOÐO teƒe aɖe ɖi na ŋkuɖoɖo amesiwo kpe fu le bubu mademade woƒe amegbetɔ ƒe gomenɔamesiwo ŋu ta la dzi, le dziehe Italy ƒe du si nye Cernobbio ƒe abɔ aɖe me. Narciso Riet ƒe ŋkɔ le ŋkuɖodzikpe siwo ŋu woɖe avɔ le, siwo wowɔ hena ŋkuɖoɖo wo dzi la dometɔ ɖeka dzi. Riet si dzilawo nye Italytɔwo la dzii le Germany eye eva zu Yehowa Ðasefo le ƒe 1930-awo me. Le Hitler ƒe dziɖuɣi la, woti Yehowa Ðasefowo yome le esi wogbe be yewomado Hitler ɖe dzi wu Mawu vavã, Yehowa, o ta.

Esime Adzamekpovitɔwo (Gestapo) va de dzesii be Riet nɔ asi kpem ɖe Gbetakpɔxɔ ƒe tatawo tsɔtsɔ yi fuwɔamesaɖawo me ŋuti la, esi yi Cernobbio. Le afima wobia tso esi be wòaɖe Gbetakpɔxɔ gɔme ɖe Italygbe me eye wòama wo na haxɔsetɔ siwo le afima nutowo me. Alesi wòdoa vevie nu le dɔa wɔwɔ me la na wova de dzesii. SS-srafomegã aɖe kple eƒe amewo lũ ɖe Riet dzi le aƒe me, wolée, eye woxɔ “sedzidada” ƒe kpeɖodzinu—siwo nye Biblia eve kple lɛta ʋɛ aɖewo—le esi! Wonyã Riet ɖo ɖe Germany, wodee gaxɔ me le Dachau-fuwɔamesaɖa me, eye wotso ku fia nɛ do ŋgɔ kpuie na Xexemeʋa II ƒe nuwuwu. Eyata woŋlɔ ɖe Cernobbio ŋkuɖodzikpea dzi be: “Woti eyome le eƒe dzixɔse ta.”

Narciso Riet kple Ðasefo alafa geɖe bubu siwo hã kpe fu le Nazitɔwo ƒe yometiti me ƒe xɔse nye dzideƒo na Kristotɔwo egbea be woayi edzi awɔ nuteƒe na Yehowa, Amesi ɖeka pɛ koe dze le xexeame godoo na woƒe tadedeagu. (Nyaɖeɖefia 4:11) Yesu gblɔ be: “Woayra amesiwo yome wotina le dzɔdzɔenyenye ŋuti la.” Mawu aɖo ŋku woƒe dɔwɔwɔwo dzi eye aɖo alesi wonɔ agbe dzinɔameƒotɔe teƒe na wo.—Mateo 5:10; Hebritɔwo 6:10.