Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Yehowa Kafukafu le Suku

Yehowa Kafukafu le Suku

Yehowa Kafukafu le Suku

LE XEXEAME godoo la, sɔhɛ Yehowa Ðasefowo dia mɔnuwo tsɔ kafua Mawu le suku—to woƒe nuƒoƒo kple woƒe agbenɔnɔ siaa dzi. Xlẽ nuteƒekpɔkpɔ siawo nàkpɔ alesi woɖe sɔhɛawo ƒe dzonɔameme fiae ɖa.

Wobia tso sɔhɛ Ðasefo, nyɔnuvi, aɖe si le Greece dukɔ me si be wòaŋlɔ nu tso alesi anyigba ƒe yamenutome ƒo ɖie ŋu. Ewɔ numekuku le Watch Tower Publications Index me, eye wòkpɔ numeɖeɖe nyuiwo le Nyɔ! magazine me, esi wòwɔ nuŋlɔɖia vɔ la, eƒo eta be Nyɔ! mee yekpɔ nyatakakaawo le. Eƒe nufiala gblɔ nɛ be esiae nye nuŋɔŋlɔ nyuitɔ kekeake si yexlẽ kpɔ. Emegbe nufialaa zã nyatakaka mawo le nufialawo ƒe takpekpe aɖe me, eye viɖe nyuiwo do tso eme. Eyata nɔvinyɔnu sɔhɛa gana Nyɔ! ƒe tata geɖe nufiala la, esiawo dometɔ ɖeka ɖe nyati vovovo me le tanya si nye “Nufialawo—Nukae Míawɔ Wo Manɔmee?” te. Emegbe nufialaa kafu Nyɔ! magazinea le sukuxɔ me, eye sukuvi bubu aɖewo bia be yewoaxɔ eƒe tata aɖewo. Eyata nɔvinyɔnuvia va nɔ magazinewo tsɔm yi sukui ale be sukuviawo nate ŋu axlẽ tata bubuwo.

Le Benin, Afrika la, sɔhɛ Kristotɔ aɖe kpe akɔ kple nyaƒoɖeamenu si tɔgbe mebɔ o. Abe alesi wowɔnɛ kokoko le wo gbɔe ene la, sukuvi aɖewo dzilawo ƒo ƒu haya nufialawo be woafia nusɔsrɔ̃ siwo sesẽ la sɔhɛawo be woatsɔ adzra wo ɖo na dodokpɔ wɔwɔ. Nufialawo tia Memleɖa ŋdi na nusɔsrɔ̃awo. Sɔhɛ Ðasefoa do taflatse gblɔ be: “Memleɖa ŋdi enye ɣeyiɣi si míaƒe hame bliboa ƒoa ƒu ɖea gbeƒã. Esiae nye ɣeyiɣi si me mekpɔa dzidzɔ le wu le kwasiɖaa me, eye nyemate ŋu atsɔe asa vɔ ɖe naneke ta o!” Fofoa, si ŋutɔ hã nye Ðasefo dzilaɖekɛ la, lɔ̃ ɖe edzi eye edze agbagba kpɔ dzilawo kpakple nufialawo ƒe ƒuƒoƒo ɖeka be woaɖɔli ŋkekea. Gake wo katã wogbe. Eyata sɔhɛ nyɔnuvia tso nya me be yemakpɔ gome le nusɔsrɔ̃a me o. Le esia teƒe la ewɔ ɖeka kple hamea le gbeƒãɖeɖedɔa me. Eƒe sukuxɔmehatiwo ɖu fewu le eŋu, wonɔ nya ƒom ɖe enu be wòaɖe asi le gbeƒãɖeɖedɔ ma ŋuti eye wòagbe nu le eƒe Mawu gbɔ gɔ̃ hã. Woka ɖe edzi bliboe be makpɔ dzidzedze le dodokpɔa me o. Ke hã, alesi nuwo va yii enye be, sukuviwo ƒe ƒuƒoƒo si wofia nui la katã mekpɔ dzidzedze o, gake mía nɔvinyɔnua ya kpɔ dzidzedze. Enumake fewuɖuɖua tɔ. Fifia sukuviawo gblɔna nɛ be, “Ele be nàyi edzi asubɔ wò Mawu.”

Le Czech Republic la, wobia tso nyɔnuvi ƒe 12 vi aɖe si be wòaŋlɔ nu tso agbalẽ aɖe ŋuti eye wòawɔ eŋuti numedzodzro. Dadaa de dzi ƒo nɛ be wòazã Ame Vevitɔ Kekeake Si Nɔ Anyi Kpɔ ƒe agbalẽa. Edze eƒe numedzodzroa gɔme kple nyabiabia siawo: “Nukae nèsusuna? Amekae ate ŋu anye ame vevitɔ kekeake si nɔ anyi kpɔ?” Eƒo nu tso Yesu ŋu, tso eƒe agbenɔnɔ le anyigba dzi, kple eƒe nufiafiawo ŋuti. Emegbe edzro tanya si nye “Tsɔtsɔke Ŋuti Nufiafia” me. Ewɔ nuku na eƒe nufiala wògblɔ be, “Esiae nye numedzodzro nyuitɔ kekeake si nèwɔ mese kpɔ!” eye wòxɔ agbalẽa ɖeka heda akpe ɖe eta. Sukuhati aɖewo hã di eƒe ɖe. Le ŋkeke si kplɔe ɖo dzi la, nyɔnuvia kpɔ dzidzɔ gbɔ eme elabena ena ɖekaɖeka 18 sɔŋ.

Sɔhɛ siawo tɔgbe le dzidzɔ geɖe kpɔm le Yehowa kafukafu me le suku. Anyo be mí katã míasrɔ̃ woƒe sɔhɛ me dzonɔameme la.