Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Alesi Wole Dzidzeme Dimee

Alesi Wole Dzidzeme Dimee

Alesi Wole Dzidzeme Dimee

ALBERT nye srɔ̃ŋutsu kpɔdzidzɔ aɖe si si vi dodzidzɔname eve nɔ. Gake enɔ sesem le eɖokui me be nane mele ye si le agbe me o. Ɣeaɖeɣi si wòva hiã be wòadze agbagba adi dɔ aɖe awɔ la, eƒo eɖokui ɖe dunyahehe me helé Sosialisttɔnyenye me ɖe asi sesĩe. Eva zu Kɔmiunisttɔwo ƒe dunyahehabɔbɔ si le woƒe nutoa me la me tɔ veviedonula aɖe gɔ̃ hã.

Gake eteƒe medidi o, dzi va ɖe le Albert ƒo le Kɔmiunisttɔnyenye ŋu. Megakpɔa gome le dunyahehenuwɔna aɖeke me kura o, eye wòtsɔ eɖokui ɖo anyi bliboe hena eƒe ƒomea. Egbɔ kpɔkpɔ be yeƒe ƒomeametɔwo nanɔ dzidzɔ kpɔm ye va zu eƒe tameɖoɖo le agbeme. Ke hã, Albert gakpɔtɔ sena le eɖokui me be nane susɔ na ye kokoko; mete ŋu le dzidzeme vavãtɔ kpɔm o.

Menye Albert ɖeka koe sena le eɖokui me nenema o. Le tameɖoɖo ɖɔʋu si le agbe ŋu didi me la, ame miliɔn geɖe te amewo ƒe nukpɔsusuwo, xexemenunyawo kple subɔsubɔha vovovowo kpɔ. Le Ɣetoɖoƒedukɔwo me la, nutovowɔlawo ƒe ƒuƒoƒo si nɔ anyi le ƒe 1960-awo me la nye aglãdzedze ɖe dekɔnuwo kple hadome dzidzenu nyuiwo ŋu. Sɔhɛwo koŋue di dzidzɔkpɔkpɔ kple tameɖoɖo si le agbe ŋu to atikemuamewo zazã kple xexemenunya siwo ƒuƒoƒo ma ƒe yeaɖi akametiawo kple ƒuƒoƒoa ŋgɔnɔlawo do ɖe ŋgɔ la dzi. Ke hã, ablɔɖe gbadzaa kɔmama si ƒuƒoƒo ma dona ɖe ŋgɔ la do kpo dzidzɔkpɔkpɔ akuakua hehe vɛ. Ðe eteƒe la, ena atikevɔ̃ɖizãlawo kple sɔhɛ agbegbegblẽnɔlawo dzi ɖe edzi eye wòwɔe be amegbetɔƒomea ƒe agbenyuinɔnɔ ƒe toyiyi la tsɔ kabakaba.

Ƒe alafa geɖewoe nye esia si ame geɖe le dzidzɔkpɔkpɔ dim to kesinɔnuwo, ŋusẽ, alo suku gãwo dede dzi. Ðeko mɔ siawo zazã atsɔ adii la va tsia akpo dzi mlɔeba. Yesu gblɔ be: “Ame ƒe agbe menɔa eƒe nukpɔkpɔ vivivo la me o.” (Luka 12:15) Zi geɖe la, ɖeko kesinɔnuwo yometiti vivivo hea dzidzɔmakpɔmakpɔ vɛ boŋ. Biblia gblɔ be: “Amesiwo dina be, yewoazu kesinɔtɔwo la, gena ɖe tetekpɔwo kple mɔ̃tetrewo kpakple movidzɔdzɔ kple nuveviwɔame ƒe nudzodzro geɖe, siwo tsɔa amewo xlãna ɖe gbegblẽ kple tsɔtsrɔ̃ me la me. Elabena nuvɔ̃wo katã ƒe ke enye galɔlɔ̃, si yome mɔ ame aɖewo di, . . . eye wotsɔ nuxaxa geɖe ŋɔ wo ɖokui flofloflo.”—Timoteo I, 6:9, 10.

Ekema aleke ame ate ŋu awɔ akpɔ dzidzeme eye tameɖoɖo nasu esi le agbe me? Nutete akpɔ aɖe koe wònyea, abe ke akplɔ damee wole nane le tsizi me enea? Dzidzɔtɔe la, mele nenema kura o. Abe alesi míakpɔe le nyati si kplɔe ɖo me ene la, egbɔkpɔnua nɔ te ɖe nu vevi aɖe, si le vevie ŋutɔ na amegbetɔwo, ƒe amesisusu dzi.

[Nɔnɔmetata si le axa 3]

Ðe kesinɔnuwo, ŋusẽ, kple suku gã dede akpe ɖe ŋuwò nàkpɔ dzidzemea?