Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Dzi Dzɔam Ðe Akpa Si Mewɔ Le Xexeame Katã Ƒe Biblia Fiafia Dɔa Me Ta

Dzi Dzɔam Ðe Akpa Si Mewɔ Le Xexeame Katã Ƒe Biblia Fiafia Dɔa Me Ta

Agbemeŋutinya

Dzi Dzɔam Ðe Akpa Si Mewɔ Le Xexeame Katã Ƒe Biblia Fiafia Dɔa Me Ta

ABE ALESI ANNA MATHEAKIS GBLƆE ENE

Dzo dze meli la. Ne meli gã nyadri si didi meta 171 la nyrɔ la, ava nyrɔ kplim. Meƒu tsia sesĩe to ƒutsotsoe dzeagboawo me yi dedienɔƒe. Nusi mate ŋu awɔ bene nyemaganyrɔ o koe nye be maku ɖe awu si naa ame menyrɔna o, si nyɔnu aɖe do, ŋu goŋgoŋ. Medo gbe ɖa na Mawu be wòana ŋusẽ kple dzinɔameƒom. Ema koe mete ŋu wɔ.

ƑE 1971 mee, eye metrɔ yina Italy, afisi menɔ nye dutanyanyuigbɔgblɔdɔ etɔ̃lia wɔm le. Esi meli ma gbã la, nye nuwo katã kloe bu. Gake nye nu vevitɔ kekeakewo—nye agbe, nɔvi Kristotɔwo ƒe habɔbɔ si me lɔlɔ̃ le, kple mɔnukpɔkpɔ si su asinye be masubɔ Yehowa—ya mebu o. Subɔsubɔdɔ sia kplɔm de anyigbagã etɔ̃ dzi xoxo, eye meli me fɔkua nye nu gbogbo siwo dzɔ ɖe dzinye le agbe me la dometɔ ɖeka pɛ ko.

Wodzim le ƒe 1922 me. Míaƒe ƒomea nɔ Rām Allāh, si didi abe kilometa 16 ene tso Jerusalem ƒe dziehe. Dzinyelawo tso Crete-ƒukpo dzi, gake Nazareth ye fofonye nɔ tsi. Viŋutsu etɔ̃ kple vinyɔnu evee wodzi, eye nyee nye dɔmlɔea. Nɔvinyeŋutsu evelia, si tsi Jordan-tɔsisia me esime woƒe sukuviwo yi tsaɖiƒe la, ƒe ku ʋuʋu míaƒe ƒomea ale gbegbe. Le afɔku sia ƒe dzɔdzɔ megbe la, danye megadi be yeanɔ Rām Allāh o, si wɔe be míeʋu yi Athens, le Greece, esime mexɔ ƒe etɔ̃.

Biblia ƒe Nyateƒea Ðo Míaƒe Ƒomea Gbɔ

Esi míeɖo Greece eteƒe medidi o la, fonye tsitsitɔ, Nikos, si xɔ ƒe 22 ɣemaɣi la, do go Biblia Nusrɔ̃viawo, si nye alesi woyɔa Yehowa Ðasefowo ɣemaɣi. Biblia me sidzedze si va nɔ esi sum la do dzidzɔ nɛ ŋutɔ eye dzo ɖo eme vevie ɖe Kristotɔwo ƒe subɔsubɔdɔa wɔwɔ ŋu. Esia ku dzi na fofonye, eye wònyã Nikos le aƒea me. Gake ne fofonye zɔ mɔ yi Palestina la, mía kple danye kpakple nɔvinyenyɔnu tsitsia míekplɔa Nikos ɖo yia Kristotɔwo ƒe kpekpewo. Megate ŋu ɖoa ŋku alesi danye ƒoa nu tso nusiwo wòse le kpekpe mawo me ŋu dzonɔamemetɔe dzi kokoko. Gake le esia megbe kpuie la, kansa lée eye wòku esime wòxɔ ƒe 42. Le ɣeyiɣi sesẽ mawo me la, nɔvinyenyɔnu, Ariadne, dze ŋgɔ ƒomea ƒe agbanɔamedziwo lɔlɔ̃tɔe. Togbɔ be sɔhɛ koe wònye hã la, enɔ nam abe dada ene hena ƒe geɖe.

Fofonye kplɔam dea Orthodɔks Sɔleme esime wònɔ Athens, eye le eƒe ku megbe la, meyi edzi nɔ sɔlemea dem, togbɔ be menye edziedzi o hã. Esi nyemekpɔ mawusosroɖa ƒe nuwɔna aɖeke le sɔlemea me o ta la, meva dzudzɔ dede mlɔeba.

Le fofonye ƒe ku megbe la, mete ŋu kpɔ dɔ le dɔwɔƒe si kpɔa dukɔa ƒe ganyawo gbɔ. Gake fonye ya tsɔ eƒe agbe ɖo anyi na Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔa, henɔ subɔsubɔm ƒe geɖe le Greece. Le ƒe 1934 me la, eʋu yi Cyprus. Ɣemaɣi la, Yehowa Ðasefo xɔnyɔnyrɔ aɖeke menɔ ƒukpo ma dzi o, eyata mɔnukpɔkpɔ su esi be wòado gbeƒãɖeɖedɔa ɖe ŋgɔ le afima. Esi wòɖe srɔ̃ vɔ megbe la, srɔ̃a, Galatia, hã wɔ ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa ƒe geɖe. * Nikos ɖoa Biblia srɔ̃gbalẽwo kple magazinewo ɖe mí edziedzi, gake míekea wo kpɔna gɔ̃ hã o. Enɔ Cyprus vaseɖe esime wòku.

Biblia ƒe Nyateƒea Tsɔtsɔ Wɔ Dɔe

Le ƒe 1940 me la, George Douras, si nye Ðasefo veviedonula le Athens eye wònye Nikos xɔlɔ̃ la va srã mí kpɔ hekpe mí be míava kpe ɖe ƒuƒoƒo sue aɖe ŋu asrɔ̃ Biblia le ye ƒeme. Míetsɔ dzidzɔ wɔ ɖe amekpekpea dzi. Eteƒe medidi o míete nusiwo míenɔ sɔsrɔ̃m la gbɔgblɔ na amewo. Biblia me sidzedze xɔxɔ ʋã mía kple nɔvinyenyɔnua be míatsɔ mía ɖokui aɖe adzɔgbe na Yehowa. Ariadne xɔ nyɔnyrɔ le ƒe 1942 me, eye mexɔe le ƒe 1943 me.

Esi Xexemeʋa II ke la, Nikos kpe mí be míava Cyprus, eyata le ƒe 1945 me la, míeʋu yi Nicosia. Wometsi tre ɖe gbeƒãɖeɖedɔa ŋu le Cyprus abe alesi wònɔ le Greece ene o. Menye tso aƒeme yi aƒeme subɔsubɔdɔa me koe míekpɔ gome le o, ke míewɔa ablɔdziɖaseɖiɖidɔa hã.

Le ƒe eve megbe la, eva hiã be Ariadne natrɔ ayi Greece. Eyi ɖakpɔ ŋutsu aɖe, si hã nye Yehowa subɔla, le afima si va ɖee emegbe eye wòtsi Athens. Eteƒe medidi o nɔvinyenyɔnua kple srɔ̃a de dzi ƒo nam be matrɔ gbɔ va Greece, ava wɔ ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa le fiadua me. Esi wònye be mɔɖeɖedɔa wɔwɔ enye nye taɖodzinu tso gbaɖegbe ke ta la, metrɔ yi Athens, afisi hiahiã lolo wu le.

Mɔnukpɔkpɔ Yeyewo ƒe Ʋɔtruwo Ʋu

Le November 1, 1947, dzi la, mete mɔɖeɖedɔa wɔwɔ eye mezãa gaƒoƒo 150 le gbeƒãɖeɖedɔa me ɣleti sia ɣleti. Míaƒe hamea ƒe anyigbamama lolo, eyata ehiã be mazɔ azɔli legbewo. Ke hã, mexɔ yayra geɖewo. Enuenu la, kpovitɔwo léa Ðasefo si woakpɔ wòanɔ gbeƒã ɖem alo siwo le Kristotɔwo ƒe kpekpewo wɔm, eyata eteƒe medidi kura hafi wolém o.

Wotsɔ nya ɖe ŋunye be mele dzime trɔm na amewo akpa sesẽe, si nye agɔ gã aɖe dzedze ɣemaɣi. Wotso afia nam be woadem Nyɔnuwo ƒe Mɔ̃ ɣleti eve le Averof, Athens. Nyɔnu Ðasefo aɖe nɔ afima xoxo, eye mí ame evea míese vivi le Kristotɔwo ƒe hadede tuameɖo dodzidzɔname me togbɔ be míenɔ gakpɔ me hã. Esi medo le mɔ̃ la, metsɔ dzidzɔ yi mɔɖeɖedɔa dzi. Ame geɖe siwo mesrɔ̃ Biblia kplii la gakpɔtɔ nye Yehowa subɔla wɔnuteƒewo, eye ema naa dzidzɔam ale gbegbe.

Le ƒe 1949 me la, wokpem be mava de Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe Gilead Biblia Sukua ƒe klass 16 lia le United States, afisi wonaa hehe ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔlawo le hena dutanyanyuigbɔgblɔdɔa wɔwɔ. Edzɔ dzi na mía kple nye ƒometɔwo. Meɖoe be made dukɔwo dome takpekpe aɖe le New York City le ƒe 1950 ƒe dzomeŋɔli eye mato edzi ayi Gilead.

Esi meɖo United States la, mɔnukpɔkpɔ su asinye mewɔ aƒemedzadzraɖodɔ ɣleti ʋɛ aɖewo le Yehowa Ðasefowo ƒe xexeame katã ƒe dɔwɔƒegã le New York City. Teƒea nɔ dzadzɛ, enyo ame ŋu, eye wòtu ame ɖo, eye menɔ nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu kpɔdzidzɔwo dome. Matsɔ dzidzɔ anɔ ŋku ɖom ɣleti ade si menɔ afima la dzi ɖaa. Emegbe Gilead sukua deɣi ɖo eye ɣleti atɔ̃ ƒe nusɔsrɔ̃ kple nufiame xɔxɔ nu va yi ƒiam. Mí sukuviawo míeva kpɔ alesi gbegbe Ŋɔŋlɔawo me sidzedze xɔ asii, eye ema dzi míaƒe dzidzɔ kple míaƒe didi be míagblɔ nyateƒea ŋuti sidzedze si naa agbe la ŋu nya na amewo ɖe edzi.

Nye Dutanyanyuigbɔgblɔdɔ Gbãtɔ Wɔwɔ

Le Gilead sukua la, wona míetia míaƒe zɔhɛwo hafi fia afisi míaɖawɔ míaƒe dutanyanyuigbɔgblɔdɔa le la mí. Ruth Hemmig (si zu Bosshard fifia), si nye nɔvinyɔnu vavã aɖe lae nye nye zɔhɛ. Dzi dzɔ mía kple Ruth kakaka glo esime woɖo mí ɖe Istanbul, Turkey—si nye afisi Asia kple Europa ƒe mɔwo dze le! Míenya be womeɖe mɔ ɖe gbeƒãɖeɖedɔa ŋu le dukɔ ma me haɖe o, gake míeke ɖii kura be Yehowa akpe ɖe mía ŋu o.

Istanbul nye dugã dzeani aɖe si me gbevovovodolawo sɔ gbɔ ɖo. Míekpɔ fiase gbogbowo, xexeame ƒe nuɖuɖudzraƒe nyuitɔ kekeakewo, blemanudzraɖoƒe dodzidzɔnamewo, nuto siwo me nya kpɔ, kple tɔgba si nya kpɔna ɣesiaɣi la le afima. Vevietɔ wu la, míekpɔ dzianukwaretɔ siwo di be yewoasrɔ̃ nu tso Mawu ŋu. Ðasefowo ƒe ƒuƒoƒo sue si nɔ Istanbul la dometɔ akpa gãtɔ nye Armeniatɔwo, Greektɔwo, kple Yudatɔwo. Ke hã, dukɔ bubu me tɔ geɖewo nɔ anyi, eye eɖe vi ŋutɔ be míeva se gbe vovovowo, tsɔ kpe ɖe Turkeygbe ŋu. Míekpɔ dzidzɔ ŋutɔ le keke ɖe dukɔ vovovo me tɔ siwo nyateƒea ƒe tsikɔ nɔ wuwum ŋu me. Amesiawo dometɔ geɖe gakpɔtɔ le Yehowa subɔm nuteƒewɔwɔtɔe.

Nublanuitɔe la, wogbe dukɔa me nɔnɔ ƒe mɔɖegbalẽvi yeye nana Ruth, eye wòhiã be wòadzo le dukɔa me. Eyi ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa dzi le Switzerland. Le ɣeyiɣi didi sia katã megbe hã la, zɔhɛ dodzidzɔname tuameɖo si wònye nam la gadzroam kokoko.

Ʋuʋu Ayi Xexeame ƒe Akpa Bubu

Le ƒe 1963 me la, womegaɖɔli nye dukɔa me nɔnɔ ƒe mɔɖegbalẽvia nam o. Esesẽ nam ŋutɔ be magblẽ hati Kristotɔ siwo mekpɔ wole ŋgɔ yim le gbɔgbɔ me esime wole agbagba dzem be yewoaɖu nɔnɔme sesẽ geɖewo dzi la ɖi adzo. Be woatsɔ ade dzi ƒoe nam la, ƒonyemetɔwo ƒle yameʋuɖotikiti nam meyi ɖe New York City, bene mate ŋu ade takpekpe le afima. Womegaɖom ɖe afi aɖeke haɖe o.

Le takpekpea megbe la, woɖom ɖe Lima, Peru. Mía kple nɔvinyɔnu ɖetugbi aɖe si azu nye zɔhɛ la míetso le New York heyi ɖe afisi woɖo mí ɖo la tẽ. Mesrɔ̃ Spaingbe eye menɔ dutanyanyuigblɔlawo ƒe xɔ si le Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒea tame la me. Gbeƒãɖeɖe le afima, kpakple nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu siwo nɔ duame la nyanya, do dzidzɔ na ame ale gbegbe.

Dɔdasi Bubu, Gbegbɔgblɔ Bubu

Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, tsitsi kple lãmegbegblẽ va te fuɖeɖe na nye ƒometɔ siwo nɔ Greece. Womeɖe dzi le ƒonye gbeɖe be maɖe asi le nye ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa ŋu ahava nɔ agbe si wobe esɔ be ame nanɔ la atsɔ ado alɔ yewoe o. Gake, le ŋugbledede kple gbedodoɖa geɖe megbe la, meva kpɔe be anyo be masubɔ le afisi te ɖe ƒonyemeawo ŋu. Nɔvi siwo nɔ dɔa dzi kpɔm la lɔ̃ ɖe edzi lɔlɔ̃tɔe heɖom ɖe Italy, eye ƒonyemetɔwo lɔ̃ faa be yewoaxe nye gbɔgbɔ ŋu fewo. Le nyateƒe me la, nyanyuigblɔlawo hiã vevie le Italy.

Egahiã be masrɔ̃ gbegbɔgblɔ yeye ake—Italygbee. Afisi woɖom ɖo gbãe nye Foggia-dugã la me. Emegbe woɖem yi Naples, afisi hiahiã lolo wu le. Nye anyigbamamae nye Posilipo, si nye Naples ƒe nuto siwo me nya kpɔ ŋutɔ la dometɔ ɖeka. Anyigbamamaa lolo, eye Fiaɖuƒegbeƒãɖela ɖeka pɛ koe nɔ eme. Mese vivi na dɔa ŋutɔ, eye Yehowa kpe ɖe ŋunye medze Biblia nusɔsrɔ̃ geɖe gɔme. Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, hame gã aɖe va nɔ nuto ma me.

Nutoametɔ gbãtɔ siwo mesrɔ̃ Biblia kplii la dometɔ ɖeka nye vidada aɖe kple via ene. Woa kple vianyɔnu eve gakpɔtɔ nye Yehowa Ðasefowo. Mesrɔ̃ nu kple ŋutsu aɖe kple srɔ̃a hã siwo si vinyɔnuvi sue aɖe nɔ. Ƒome bliboa yi ŋgɔ le nyateƒea me hetsɔ nyɔnyrɔxɔxɔɖetsime ɖo kpe woƒe adzɔgbeɖeɖe dzii. Yehowa subɔla wɔnuteƒe aɖe ɖe wo vinyɔnu la fifia, eye wotsɔ dzonɔameme le Mawu subɔmee. Esime menɔ Biblia srɔ̃m kple ƒome gã aɖe la, ŋusẽ si le Mawu ƒe Nya ŋu la wɔ dɔ ɖe dzinye. Esi mexlẽ ŋɔŋlɔ geɖe siwo ɖee fia be Mawu mekpɔa ŋudzedze ɖe nɔnɔmewɔwɔ subɔsubɔ ŋu o la, vidada la melala gɔ̃ hã be míawu nusɔsrɔ̃a nu o. Enumake la, efɔ nɔnɔmewɔwɔwo katã le aƒea me ƒu gbe!

Meɖo Afɔku me le Atsiaƒu Dzi

Ne mele mɔ zɔm tso Italy yina Greece la, meli ye meɖona ɣesiaɣi. Mɔzɔzɔa vivina ŋutɔ zi geɖe. Gake mɔ siawo dometɔ ɖeka zɔzɔ, le ƒe 1971 ƒe dzomeŋɔli, ya to vovo. Meɖo meli si ŋkɔe nye Heleanna trɔ gbɔna va Italy. Le August 28 ƒe ŋdi kanyaa la, dzodoƒe si nɔ melia me la lé dzo. Dzoa nu va sẽ ɖe edzi si wɔe be ŋɔdzi lé ʋuamenɔlawo. Nyɔnuwo nɔ ƒenyi kum, ɖeviwo nɔ avi fam, eye ŋutsuwo nɔ nya hem henɔ ŋɔdzinuwo wɔm. Amewo ƒu du yi ɖe agbeɖeʋu siwo nɔ melia ƒe go eveawo dzi la gbɔ. Gake awu siwo naa ame menyrɔna o la mesɔ gbɔ kura o eye mɔ̃ siwo ɖiɖia agbeɖeʋuawo ɖe atsiaƒua dzi hã menɔ dɔ wɔm nyuie o. Nyemekpɔ awu si naa ame menyrɔna o la ƒe ɖeke o, gake dzoa nu nɔ sesẽm ɖe edzi, eyata nunyanu si ame ate ŋu awɔ koe nye be wòadzo adze tsia me.

Esi menya dze tsia me ko la, mekpɔ nyɔnu aɖe si do awu si naa ame menyrɔna o la le xanye. Ewɔ abe menya tsiƒuƒu o ene, eyata melé eƒe asi hehee ɖa tso meli si nɔ nyɔnyrɔm la gbɔ. Atsiaƒua nɔ agbo dzem ɖe edzi, eye alesi menɔ agbagba dzemee be nyemaganyrɔ o la na ɖeɖi te ŋunye ŋutɔ. Edze abe mɔkpɔkpɔ aɖeke megali o ene, gake meyi edzi nɔ dzinɔameƒo biam Yehowa, eye esia do ŋusẽm. Ðeko meɖo ŋku esime tɔdziʋu si me apostolo Paulo nɔ gbã dzi.—Dɔwɔwɔwo ta 27.

Melé nyɔnu sia ɖe asi hete kame kple ƒutsotsoeawo gaƒoƒo ene, eye ne ŋusẽ ɖo ŋunye la, meƒua tsia henɔa Yehowa yɔm be wòakpe ɖe ŋunye. Mlɔeba la, mekpɔ tɔdziʋu sue aɖe wògbɔna. Woɖem, gake nyɔnua ya ku xoxo. Esi míeɖo Bari-du me le Italy la, wokɔm yi kɔdzi ɖawɔ atike nam. Menɔ kɔa dzi ŋkeke ʋɛ aɖewo, eye Ðasefo geɖe va srãm kpɔ, wona nusiwo katã mehiã lam dɔmenyotɔe. Kristotɔwo ƒe lɔlɔ̃ si woɖe fia la wɔ dɔ ɖe amesiwo woxɔ ɖe kɔadzi la dzi ŋutɔ. *

Esi mehaya keŋkeŋ la, woɖom ɖe Rome. Wobia tso asinye be mawɔ dɔ le anyigbamama aɖe si me dɔwɔƒewo le le dugã la titina eye mewɔe ƒe atɔ̃ sɔŋ le Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu me. Ƒe 20 sɔŋ ye metsɔ se vivi le subɔsubɔdɔa wɔwɔ me le Italy, eye Italytɔwo ƒe nu va lé dzi nam.

Tɔtrɔ Gbɔ Va Afisi Medze Egɔme Tsoe

Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, Ariadne kple srɔ̃a ƒe lãmegbegblẽa va nɔ sesẽm ɖe edzi. Mekpɔe be ne meyi ɖanɔ afisi te ɖe wo ŋu la, mate ŋu aɖo nusiwo katã wowɔ nam lɔlɔ̃tɔe la ƒe ɖe teƒe na wo. Nyemable mi o be dzigbãnyae wònye nam be madzo le Italy. Ke hã, nɔvi siwo nɔ dɔa dzi kpɔm la lɔ̃ ɖe edzi, eye tso ƒe 1985 ƒe dzomeŋɔli ke la, mele mɔɖeɖedɔa wɔm le Athens, afisi medze ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa gɔme le ƒe 1947 me.

Meɖea gbeƒã le míaƒe hamea ƒe anyigbamama me, eye mebia nɔvi siwo le alɔdzedɔwɔƒea ne mate ŋu aɖe gbeƒã le afisi dɔwɔƒewo le le dugã me hã. Mía kple mɔɖela aɖe míewɔ esia ƒe etɔ̃ sɔŋ. Míete ŋu ɖi ɖase na amesiwo wometuna le aƒeme o la tsitotsito.

Esi ƒeawo va nɔ yiyim la, didi si nɔ menye ɖe subɔsubɔdɔa wɔwɔ ŋu la nu nɔ sesẽm ɖe edzi gake nye lãme ya nɔ gbɔdzɔgbɔdzɔm. Fifia la, nɔvinyenyɔnu srɔ̃a dɔ alɔ̃ ɖe ku me. Ariadne, si le abe danye ene la, tsi ŋku. Nye ya la, lãmesẽ nɔ ŋunye le ƒe siwo metsɔ wɔ ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa me. Gake nyitsɔ laa la, medze anyi le atrakpui aɖe dzi eye nye ɖusibɔ ŋe. Emegbe megadze anyi, ɖɔli ali. Wowɔ dɔ nam eye metsi aba dzi ɣeyiɣi didi aɖe. Fifia nyemete ŋu wɔa nanewo le ɖokuinye si o. Metɔa kpo eye ne ame aɖe le ŋunye ko hafi medoa go. Ke hã, mewɔa tɔnye sinua kple mɔkpɔkpɔ be nye lãmea ava ka ɖe eme. Gomekpɔkpɔ le Biblia fiafia dɔa me, le mɔ suetɔ kekeake nu gɔ̃ hã, gakpɔtɔ nye nusi koŋ naa mekpɔa dzidzɔ kple dzidzeme.

Ne meɖo ŋku ƒe dodzidzɔname siwo metsɔ wɔ ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔae dzi la, akpedada na Yehowa yɔa nye dzi me gbagbana. Yehowa kple eƒe habɔbɔa ƒe akpa si le anyigba dzi la yi edzi nana mɔfiame nyui kple kpekpeɖeŋu xɔasi edziedzi, siwo kpe ɖe ŋunye be mete ŋu wɔ nye ŋutetewo katã esi metsɔ nye agbe katã nɔ esubɔmee. Nye dzimedidie nye be Yehowa nado ŋusẽm be mayi eƒe subɔsubɔdɔa dzi. Dzi le dzɔyem ɖe akpa sue si mewɔ le xexeame katã ƒe Biblia fiafia dɔ si wòle mɔ fiamee me la ta.—Maleaxi 3:10.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 10 Kpɔ 1995 Yearbook of Jehovah’s Witnesses [Annuaire des Témoins de Jéhovah 1995] si Yehowa Ðasefowo ta la ƒe axa 73-89.

^ mm. 34 Ne èdi nyatakaka bubuwo la, kpɔ Eŋlisigbe me Nyɔ! February 8, 1972, alo Fransegbe me tɔ 8 juin 1972, axa 12-16.

[Nɔnɔmetata si le axa 9]

Mía kple nɔvinyenyɔnu, Ariadne, kple srɔ̃a, Michalis, esime medzo yina Gilead

[Nɔnɔmetata si le axa 10]

Woɖo mía kple Ruth Hemmig ɖe Istanbul, Turkey

[Nɔnɔmetata si le axa 11]

Le Italy, le ƒe 1970-awo ƒe gɔmedzedze

[Nɔnɔmetata si le axa 12]

Mía kple nɔvinyenyɔnu, Ariadne, egbea