Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

‘Dzidzɔtɔwoe Nye Amesiwo Tsɔa Ðe Le Woƒe Gbɔgbɔmenuhiahiã Me’

‘Dzidzɔtɔwoe Nye Amesiwo Tsɔa Ðe Le Woƒe Gbɔgbɔmenuhiahiã Me’

‘Dzidzɔtɔwoe Nye Amesiwo Tsɔa Ðe Le Woƒe Gbɔgbɔmenuhiahiã Me’

NE XEVIWO fɔ le ŋdi me la, zi geɖe la, woxlɔ̃na sẽ kple sẽ ko dzona yi ɖadia nuɖuɖu. Le fiẽ me la, wotrɔna gbɔna vaa woƒe atɔwo me, gaxlɔ̃na sẽe ko dɔa alɔ̃. Le ɣeyiɣi aɖewo me la, woyɔa asi, ɖaa azi, heƒoa vi. Alea ke koe lã bubuwo hã wɔa nui.

Mí amegbetɔwo tɔ ya to vovo. Nyateƒee wònye be míawo hã míeɖua nu, dɔa alɔ̃, hedzia vi, gake nu mawo ko menaa mía dometɔ akpa gãtɔ ƒe dzi dzea eme o. Míedina be míanya nusitae míele afisia ɖo. Míedina be míanya tameɖoɖo si le míaƒe agbe ŋu. Míedina hã be etsɔme mɔkpɔkpɔ aɖe nanɔ mía si. Nuhiahiã vevi siawo ɖe nɔnɔme aɖe si le amegbetɔwo ko si la fia—si nye gbɔgbɔmemenyenye, alo dzitsitsi ɖe gbɔgbɔmenuwo ŋu.

Wowɔ Mí ɖe Mawu ƒe Nɔnɔme Nu

Biblia ɖe susu si tae amegbetɔ tsia dzi ɖe gbɔgbɔmenuwo ŋu ɖo la gblɔ be: “Mawu wɔ ame ɖe ye ŋutɔ ƒe nɔnɔme, Mawu ƒe nɔnɔme nue wòwɔe ɖo; ŋutsu kple nyɔnu wòwɔ.” (Mose I, 1:27) Mía wɔwɔ ɖe “Mawu ƒe nɔnɔme” nu fia be togbɔ be nuvɔ̃ kple blibomademade lé ɖe mía ŋu hã la, míate ŋu aɖe Mawu ƒe nɔnɔme aɖewo afia. (Romatɔwo 5:12) Le kpɔɖeŋu me, aɖaŋu le tagbɔ na mí. Nunya aɖe sinu le mía si, míedia nya dzɔdzɔe dɔdrɔ̃, eye míete ŋu lɔ̃na be míatsɔ mía ɖokui asa vɔe ɖe mía nɔewo ta. Gawu la, míate ŋu ade ŋugble le ɣeyiɣi siwo va yi ŋu ahawɔ ɖoɖo ɖe etsɔme ŋu.—Lododowo 4:7; Nyagblɔla 3:1, 11; Mixa 6:8; Yohanes 13:34; Yohanes I, 4:8.

Alesi míetsia dzi ɖe gbɔgbɔmenuwo ŋui la dzena nyuie le alesi míesea dzɔdzɔme dzodzro si nye be míasubɔ Mawu le mía ɖokui me me. Ne míekpɔ dzodzro vevi si le mía me be kadodo nanɔ mía kple mía Wɔla la dome gbɔ nyuie o la, míate ŋu ake ɖe dzidzɔkpɔkpɔ vavãtɔ si nɔa anyi didi la ŋu o. Yesu gblɔ be: ‘Dzidzɔtɔwoe nye amesiwo tsɔa ɖe le woƒe gbɔgbɔmenuhiahiã me.’ (Mateo 5:3) Gake ele be míakpɔ egbɔ be míetsɔ nyateƒe si tso gbɔgbɔ me—si nye Mawu, eƒe dzidzenuwo, kple eƒe tameɖoɖo na ameƒomea ŋuti nyateƒewo—kpɔ didi ma gbɔe. Afikae míakpɔ gbɔgbɔmenyateƒea le? Biblia mee.

“Wò Nya la Enye Nyateƒe”

Apostolo Paulo ŋlɔ bena: “Ŋɔŋlɔ sia ŋɔŋlɔ, si tso Mawu ƒe gbɔgbɔ me la, enyo hã na nufiafia, na mokaka, na ɖɔɖɔɖo.” (Timoteo II, 3:16) Paulo ƒe nyawo wɔ ɖeka kple nya siwo Yesu tsɔ do gbe ɖae na Mawu be: “Wò nya la nye nyateƒe.” Egbea, míenyae be Nya mae nye Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe la, eye míanye nunyalawo ne míekpɔ egbɔ be míaƒe dzixɔsewo kple dzidzenuwo sɔ ɖe enu.—Yohanes 17:17.

To míaƒe dzixɔsewo tsɔtsɔ asɔ kple Mawu ƒe Nya dzi la, míesrɔ̃a blema Beroiatɔwo, amesiwo dzro Paulo ƒe nufiafiawo me hekpɔ kakaɖedzi be wosɔ ɖe Ŋɔŋlɔawo nu. Le esi teƒe be Luka nahe nya ɖe Beroiatɔwo ŋu ɖe woƒe nɔnɔmea ta la, ekafu wo boŋ. Eŋlɔ bena: “Woxɔ nya la kple dzi faa, eye wole ŋɔŋlɔawo me dzrom gbesiagbe be, nusiawo le eme hã.” (Dɔwɔwɔwo 17:11) Le subɔsubɔhawo kple agbenɔnɔ ŋuti nufiafia gbogbo siwo tsi tre ɖe wo nɔewo ŋu egbea ta la, ele vevie be míasrɔ̃ Beroiatɔ ɖɔʋuawo ƒe kpɔɖeŋu.

Mɔ bubu si dzi míato ade dzesi nyateƒe si tso gbɔgbɔ me lae nye be míakpɔ alesi wòkpɔa ŋusẽ ɖe amewo ƒe agbe dzii. (Mateo 7:17) Le kpɔɖeŋu me, ele be agbenɔnɔ ɖe Biblia ƒe nyateƒea nu nana ame nanye srɔ̃ŋutsu nyui, vifofo nyui, srɔ̃nyɔnu nyui, alo vidada nyui, si naa ƒomea ƒe dzidzɔ dzina ɖe edzi eye wònana ame ƒe dzi dzea eme wu. Yesu gblɔ be: ‘Dzidzɔtɔwoe nye amesiwo le mawunya la sem, eye wole edzi wɔm.’—Luka 11:28.

Yesu ƒe nyawo na míeɖo ŋku Fofoa si le dziƒo la tɔ dzi, amesi gblɔ na blema Israel-viwo be: “Nye Yehowa, wò Mawu, enye amesi fia nusi nyo na wò la wò, nyee akplɔ wò to mɔ, si dzi nato la. Ðe wònye ɖe nèɖo to nye seawo la, anye ne wò ŋutifafa anɔ abe tɔsisi ene, eye wò dzɔdzɔenyenye anɔ abe ƒutsotsoewo ene.” (Yesaya 48:17, 18) Kokoƒoƒo ʋãdziname sia awɔ dɔ ɖe amesiwo katã lɔ̃a nyuiwɔwɔ kple nudzɔdzɔewɔwɔ la dzi godoo!

Ame Aɖewo Di be ‘Woaku Tome’ na Yewo

Mawu ƒo koko na Israel-viwo vevie alea le esi subɔsubɔhawo ƒe alakpanyawo nɔ wo kplɔm nɔ tatramee ta. (Psalmo 106:35-40) Ele be míawo hã míanɔ ŋudzɔ ɖe alakpanyawo ŋu. Paulo ŋlɔ tso amesiwo gblɔna be Kristotɔwoe yewonye ŋu be: “Ɣeyiɣi le vava ge, esime womaxɔ nufiafia, si le blibo la o; ke boŋ, le alesi tome fiẽ wo nu la, woaƒo nufialawo nu ƒu na wo ɖokui le woa ŋutɔwo ƒe nudzodzrowo la nu. Eye woaɖe to ɖa le nyateƒe la ŋuti.”—Timoteo II, 4:3, 4.

Subɔsubɔhakplɔlawo kua tome na amewo to asi dada ɖe nuwɔna siwo dea dzodzro vɔ̃wo dzi, abe amesi menye ame srɔ̃ o gbɔ dɔdɔ, vidzinu ɖeka tɔgbe tɔwo ƒe gbɔdɔdɔ, kple ahamumu ene. Biblia gblɔe eme kɔ ƒã be amesiwo da asi ɖe nusiawo dzi kple amesiwo wɔa wo la ‘manyi mawufiaɖuƒe la ƒe dome o.’—Korintotɔwo I, 6:9, 10; Romatɔwo 1:24-32.

Ðikeke aɖeke mele eme o be ebia dzinɔameƒo hafi míate ŋu anɔ agbe ɖe Biblia ƒe dzidzenuwo nu, vevietɔ ne wole fewu ɖum le mía ŋu, gake anya wɔ. Amesiwo nye atikevɔ̃ɖizãlawo, ahanoxewo, ahasiwɔlawo, gbevuwo, fiafiwo, kple alakpatɔwo tsã la dometɔ geɖe le Yehowa Ðasefowo dome fifia. Ke hã, woxɔ Mawu ƒe Nya la dzi se eye gbɔgbɔ kɔkɔea kpe ɖe wo ŋu wowɔ tɔtrɔwo le woƒe agbe me bene woate ŋu ‘azɔ alesi dze Yehowa.’ (Kolosetɔwo 1:9, 10; Korintotɔwo I, 6:11) Esi ŋutifafa ɖo woa kple Mawu dome ko la, woawo hã ƒe dzi dze eme eye abe alesi míakpɔe ene la, etsɔme mɔkpɔkpɔ vavã su wo si.

Fiaɖuƒemɔkpɔkpɔa

Ŋutifafa mavɔ ƒe mɔkpɔkpɔ si Biblia na amegbetɔ toɖolawo la ato Mawufiaɖuƒea dzi ava. Yesu gblɔ le eƒe kpɔɖeŋu gbedodoɖa me be: “Wò fiaɖuƒe nava! Woawɔ wò lɔlɔ̃nu le anyigba dzi, sigbe alesi wowɔna le dziƒo ene!” (Mateo 6:10) Ẽ, Mawufiaɖuƒea koe ate ŋu akpɔ egbɔ be wowɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu le anyigba dzi. Nukatae? Elabena Dziƒofiaɖuƒe ma—si nye dziɖuɖu aɖe si wotsɔ de Yesu Kristo si la—ye nye mɔ si dzi Mawu ato aɖe eƒe dzedze be wòaɖu anyigba dzi afia.—Psalmo 2:7-12; Daniel 7:13, 14.

Yesu Kristo si nye Dziƒofiaɖuƒe ma ƒe Fia la atu nusianu si bla amegbetɔ toɖolawo, si me Adam ƒe nuvɔ̃ kpakple dɔléle kple ku siwo wòhena vɛ hã le la, ɖa le wo ŋu. Nyaɖeɖefia 21:3, 4 gblɔ be: “Kpɔ ɖa, Mawu ƒe agbadɔ la le amewo gbɔ . . . Eye [Yehowa] Mawu latutu aɖatsi sia aɖatsi ɖa le woƒe ŋku me, eye ku maganɔ anyi akpɔ o, eye konyifafa kple ɣlidodo kple veve aɖeke maganɔ anyi o; elabena nu gbãtɔwo nu va yi.”

Ŋutifafa mavɔ axɔ anyigba bliboa dzi. Nukatae míate ŋu aka ɖe nya sia dzi? Nusitae la dze le Yesaya 11:9, afisi gblɔ be: “[Fiaɖuƒea teviwo mawɔ] vɔ̃ aɖeke o, eye womahe gbegblẽ ava nye tonyigba kɔkɔe blibo la dzi o; elabena sidzedze Yehowa xɔ anyigba la dzi, abe alesi tsi yɔ atsiaƒu me ene.” Ẽ, Mawu ŋuti sidzedze vavãtɔ asu anyigbadzinɔla ɖesiaɖe si eye woaɖo to eyama. Ðe mɔkpɔkpɔ ma do dzidzɔ na wòa? Ne edo dzidzɔ na wò la, fifiae nye ɣeyiɣi si wòle be “sidzedze Yehowa” nate asiwò susu.

Àse Fiaɖuƒegbedasia?

To Fiaɖuƒea dzi la, Mawu aɖe Satana ƒe dɔwo katã ɖa eye wòafia Eƒe mɔ dzɔdzɔewo amewo. Eyata mewɔ nuku kura o be Fiaɖuƒeae nye nu vevitɔ si ŋu Yesu fia nu tsoe. Egblɔ be: “Ele nam be, magblɔ mawufiaɖuƒe la ŋu nyanyui afia du bubuawo hã; elabena eyata wodɔm ɖo.” (Luka 4:43) Kristo de se na eƒe nusrɔ̃lawo be woagblɔ gbedasi ma ke na amewo. (Mateo 28:19, 20) Egblɔe ɖi be: “Woaɖe gbeƒã fiaɖuƒeŋutinya nyui sia afia amewo le xexe blibo la katã me, bena wòanye ɖaseɖiɖi na dukɔwo katã, eye ekema nuwuwu aɖo.” (Mateo 24:14) Nuwuwu ma le aƒe tum kabakaba ŋutɔ. Ekema aleke wòle vevie nye si be dzianukwaretɔwo nase nyanyui si naa agbe la!

Albert, si ƒe nya míegblɔ le nyati si do ŋgɔ me, se Fiaɖuƒegbedasia esime Yehowa Ðasefowo te Biblia sɔsrɔ̃ kple srɔ̃a kpakple viaŋutsu. Gbã la, Albert ke ɖi vie. Ebia subɔsubɔhakplɔla aɖe si le nutoa me gɔ̃ hã be wòava dzro nu me kple ye srɔ̃a kpakple ye via bene wòaɖee afia be Ðasefoawo nye alakpatɔwo. Gake subɔsubɔhakplɔla la medi be yeaƒo ye ɖokui ɖe eme o. Eyata Albert ɖoe be yeanɔ Biblia me numedzodzroawo ƒe ɖe me bene yeatɔ asi vodada aɖe dzi na wo. Le numedzodzro ɖeka pɛ ko megbe la, eƒo eɖokui ɖe nusɔsrɔ̃a me, kple didi vevie be yeasrɔ̃ nu geɖe. Eɖe nusitae eƒe nɔnɔmea trɔ ɖo la me emegbe. Egblɔ be: “Esiae nye nusi dim menɔ tso gbaɖegbe ke.”

Mlɔeba, Albert te gbɔgbɔmenu si hiãe la kpɔkpɔ, eye megakpɔ megbe kura o. Biblia ƒe nyateƒea na nusi dim wònɔ le eƒe agbemeŋkekewo katã me lae—si nye madzɔmadzɔnyenye kple nufitifitiwɔwɔ si xɔ aƒe ɖe ameƒomea me la gbɔkpɔnu kple etsɔme mɔkpɔkpɔ aɖe. Biblia ƒe nyateƒea na dzidzemee. Ðe nèle gbɔgbɔmenu si hiã wò la kpɔma? Ekema ɖe masɔ ŋutɔ be nàzã ɣeyiɣi vi aɖe atsɔ adzro nyabiase siwo le aɖaka si le axa 6 me oa? Ne èdi be yeagase nya bubuwo gɔme la, adzɔ dzi na Yehowa Ðasefowo be yewoakpe ɖe ŋuwò.

[Aɖaka/Nɔnɔmetata siwo le axa 6]

GBƆGBƆMENU SI HIÃ WÒ LA LE ASIWÒ SUMAA?

Ðe gbɔgbɔmenu si nèɖuna la sua wòa? Míedi be nàbia nya siwo gbɔna la ɖokuiwò ahakpɔ be wo dometɔ neni ŋue nàte ŋu aɖo nyuie hã.

□ Amekae nye Mawu, eye eŋkɔ ɖe?

□ Amekae nye Yesu Kristo? Nukata wòku? Aleke eƒe kua ate ŋu aɖe vi na wòe?

□ Ðe Abosam aɖe lia? Ne eli la, afikae wòdzɔ tso?

□ Nukae dzɔna ɖe mía dzi ne míeku?

□ Nukae nye Mawu ƒe tameɖoɖo na anyigba kple na ameƒomea?

□ Nukae nye Mawufiaɖuƒea?

□ Nukawoe nye Mawu ƒe agbenyuinɔnɔ ƒe dzidzenuwo?

□ Le ƒomea me la, wɔƒe kae Mawu na srɔ̃ŋutsu kple srɔ̃nyɔnu? Biblia me gɔmeɖose siwo doa ƒomedzidzɔkpɔkpɔ ɖe ŋgɔ la dometɔ aɖewo ɖe?

Ne mènya nyabiase siawo dometɔ aɖewo ƒe ŋuɖoɖo tututu o la, àte ŋu abia be woaɖo agbalẽ gbadza si nye Nukae Mawu Di tso Mía Si? ɖe ye. Agbalẽ gbadza sia si Yehowa Ðasefowo ta ɖe gbegbɔgblɔ siwo ade 300 me la dzro Biblia me nyati vevi 16 me eye wòtsɔ Ŋɔŋlɔawo ɖo nyabiase siwo katã le etame la ŋui.

[Nɔnɔmetata si le axa 4]

To vovo na lãwo la, gbɔgbɔmenu hiãa amegbetɔwo

[Nɔnɔmetata si le axa 5]

“Le alesi tome fiẽ wo nu la, woaƒo nufialawo nu ƒu na wo ɖokui.”—Timoteo II, 4:3

[Nɔnɔmetata si le axa 7]

Mawu ato eƒe Mesia Fiaɖuƒea dzi ahe ŋutifafa mavɔ vɛ