Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

‘Nane Si Nyo Wu Ŋuti Nyanyui Tsɔtsɔ Yi Na Amewo’

‘Nane Si Nyo Wu Ŋuti Nyanyui Tsɔtsɔ Yi Na Amewo’

‘Nane Si Nyo Wu Ŋuti Nyanyui Tsɔtsɔ Yi Na Amewo’

‘Amesi tsɔa nane si nyo wu ŋuti nyanyui yina na amewo la ƒe afɔwo nyo le towo dzi loo’​—YESAYA 52:7.

1, 2. (a) Nu dziŋɔ kawoe le dzɔdzɔm gbesiagbe? (b) Aleke ame geɖe wɔa nui le nya vɔ̃wo sese edziedzi ta?

LE XEXEAME godoo la, ewɔ na amewo be nya vɔ̃wo ɖeɖe sɔŋ ko sem yewova le egbea. Ne woʋu radio la, wosea nyatakaka doŋɔdzinamewo ku ɖe dɔléle vɔ̃ɖi siwo le anyigba dzi vam ŋu. Ne woʋu television be yewoakpɔ nudzɔdzɔwo la, ekema ɖevi siwo ŋu dɔ ɖi tsi ɖo siwo le kpekpeɖeŋu dim la ƒe foto siwo womaŋlɔ be gbeɖe o koe woakpɔ. Ne wotsɔ nyadzɔdzɔgbalẽ be yewoaxlẽ la, ke bɔmb siwo wó hegbã xɔwo, eye wowu ame maɖifɔ geɖe ŋu nyawoe woaxlẽ.

2 Nyateƒee, nu dziŋɔwo le dzɔdzɔm gbesiagbe. Xexe sia ƒe nɔnɔme le tɔtrɔm hele gbegblẽm ɖe edzi. (Korintotɔwo I, 7:31) Ɣetoɖoƒe Europa nyadzɔdzɔgbalẽ aɖe gblɔ be ɣeaɖewoɣi la, ɖeko wòwɔna abe ɖe xexeme bliboa “le dzo lé ge” ene. Eyata mewɔ nuku o be ame geɖe wu va lé blanui! Wobia gbe amewo le television dzi nyadzɔdzɔwo ŋuti numekuku aɖe me le United States, eye seselelãme si ame aɖe ɖe gblɔ la sɔ kple ame geɖe tɔ esime wògblɔ be: ‘Ne mekpɔ nudzɔdzɔwo le television dzi vɔ la, meléa blanui ŋutɔ. Nya vɔ̃wo ɖeɖe sɔŋ ko wonye. Wowua tsɔtsɔ na ame.’

Nya si Wòhiã Be Amesiame Nase

3. (a) Nyanyui ka ŋu nyae Biblia gblɔ? (b) Nukatae nèdea asixɔxɔ Fiaɖuƒe ŋuti nyanyuia ŋu?

3 Le xexe sia si na woléa blanui me la, ɖe woate ŋu ake ɖe nyanyui aɖe ŋua? Ẽ, woate ŋui! Efaa akɔ na ame be woanya be Biblia gblɔ nyanyui aɖe ŋu nya. Nyanyui lae nye be Mawu ƒe Fiaɖuƒe aɖe dɔléle, dɔwuame, nuvlowɔwɔ, aʋawɔwɔ, kple ameteteɖeanyi ƒomevi ɖesiaɖe ɖa. (Psalmo 46:10; 72:12) Ðe menye nyanyui mae wòhiã be amesiame nase oa? Yehowa Ðasefowo susui nenema. Eyata wonya wo le afisiafi be wodzea agbagba ɣesiaɣi ƒoa nu tso Mawu ƒe Fiaɖuƒea ŋuti nyanyuia ŋu na dukɔ ɖesiaɖe me tɔwo.—Mateo 24:14.

4. Míaƒe subɔsubɔdɔa ƒe akpa kawo mee míadzro le nyati sia kple nyati si kplɔe ɖo me?

4 Gake nukae míate ŋu awɔ ale be míayi edzi akpɔ gome le gbeƒãɖeɖe nyanyuia me geɖe wòanyo ɖe edzi wu—le anyigbamama siwo me amewo meɖea ɖetsɔleme boo aɖeke fiana le o gɔ̃ hã me? (Luka 8:15) Míaƒe gbeƒãɖeɖedɔa ƒe akpa vevi etɔ̃ aɖewo me dzodzro kpuie akpe ɖe mía ŋu godoo be míawɔ ema. Míate ŋu adzro (1) susu si le mía si, alo nusita míeɖea gbeƒã; (2) míaƒe gbedasia, alo nusi míeɖea gbeƒãe; kple (3) mɔnu siwo míezãna, alo alesi míeɖea gbeƒãe me. Ne míena susu nyuiwo le mía si, míaƒe gbedasia me kɔ, eye mɔnu siwo míezãna la ɖea vi la, ekema míate ŋu ana mɔnukpɔkpɔ ame gbogbo aɖewo le anyigba dzi be woaɖo to nya nyuitɔ kekeake si li—si nye Mawu ƒe Fiaɖuƒe ŋuti nyanyui—la. *

Nusita Míeɖea Gbeƒã Nyanyuia

5. (a) Nu vevi kae ʋãa mí míekpɔa gome le subɔsubɔdɔa me? (b) Nukatae míate ŋu agblɔ be wɔwɔ ɖe Biblia ƒe se be míaɖe gbeƒã dzi nye lɔlɔ̃ si le mía si na Mawu ɖeɖe fia?

5 Mina míade ŋugble le akpa gbãtɔ ŋu—susu si le mía si. Nukatae míeɖea gbeƒã nyanyuia ɖo? Susu si ta Yesu ɖe gbeƒãe ɖo la tae míawo hã míeɖenɛ ɖo. Egblɔ be: “Melɔ̃a Fofo la.” (Yohanes 14:31; Psalmo 40:9) Susu vevitɔe nye be, lɔlɔ̃ na Mawue ʋãa mí míewɔa esia. (Mateo 22:37, 38) Biblia ɖe ƒomedodo si le lɔlɔ̃ na Mawu kple míaƒe subɔsubɔdɔa dome fia elabena egblɔ be: “Lɔlɔ̃ na Mawu enye si bena, míalé eƒe seawo me ɖe asi.” (Yohanes I, 5:3; Yohanes 14:21) Ðe sedede be ‘míayi aɖawɔ nusrɔ̃lawo’ hã le Mawu ƒe sedede siawo mea? (Mateo 28:19) Ẽ. Ele eme be Yesue gblɔ nya mawo ya, gake Yehowa ƒe nyawoe. Le susu ka nu? Yesu ɖe eme be: “Nyemewɔa naneke le ɖokuinye si o, ke boŋ abe alesi Fofonye fiam ene la, nu mawo ke megblɔna.” (Yohanes 8:28; Mateo 17:5) Eyata ne míewɔa se si nye be míaɖe gbeƒã dzi la, ekema míele eɖem fia Yehowa be míelɔ̃e.

6. Mɔ kawo nue lɔlɔ̃ na Mawu ʋãna mí míeɖea gbeƒã le?

6 Hekpe ɖe eŋu la, lɔlɔ̃ na Mawu ʋãna mí míeɖea gbeƒã elabena míedi be míatsi aʋatso siwo kakam Satana le tso eŋu la nu. (Korintotɔwo II, 4:4) Satana tsɔ nya ɖe Mawu ŋu be meɖua dzi le mɔ dzɔdzɔe nu o. (Mose I, 3:1-5) Mí Yehowa Ðasefowo míedi vevie be míakpɔ gome le nu koklo le Satana ƒe ameŋugblẽnyawo dzi me kple le Mawu ƒe ŋkɔ ŋuti kɔkɔ be ameƒomea katã nakpɔ me. (Yesaya 43:10-12) Gawu la, míekpɔa gome le subɔsubɔdɔa me elabena míeva nya Yehowa ƒe nɔnɔmewo kple eƒe mɔwo. Míesena le mía ɖokui me be míete ɖe eŋu kplikplikpli eye míedi vevie be míaƒo nu tso mía Mawu la ŋu na amewo. Le nyateƒe me la, Yehowa ƒe nyuiwɔwɔ kple eƒe mɔ dzɔdzɔewo dzi zɔzɔ na míekpɔa dzidzɔ ale gbegbe be míate ŋu adzudzɔ nuƒoƒo tso eyama ŋu o. (Psalmo 145:7-12) Míedina vevie be míagblɔ eƒe kafukafu afia eye míagblɔ eƒe “nutsuwɔwɔwo” na amesiwo aɖo to mí.—Petro I, 2:9; Yesaya 43:21.

7. Hekpe ɖe lɔlɔ̃ na Mawu ŋu la, susu vevi bubu ka tae míekpɔa gome le gbeƒãɖeɖedɔa me ɖo?

7 Susu vevi bubu aɖe gali si ta wòle be míayi edzi akpɔ gome le subɔsubɔdɔa me: Míedi vevie be míana gbɔdzɔe amesiwo nya vɔ̃wo sese madzudzɔmadzudzɔe do agba na kple amesiwo le fu kpem le susu aɖewo ta. Le esia wɔwɔ me la, míedzea agbagba srɔ̃a Yesu. Le kpɔɖeŋu me, kpɔ nusi ŋu woƒo nu tsoe le Marko ta 6 lia me ɖa.

8. Nukae nuŋlɔɖi si le Marko ta 6 lia me ɖe fia le seselelãme si nɔ Yesu me na amewo ŋuti?

8 Apostoloawo trɔ gbɔ tso gbeƒãɖeƒe eye wova gblɔ nusiwo katã wowɔ hefia la na Yesu. Yesu de dzesii be ɖeɖi te apostoloawo ŋu, eyata egblɔ na wo be woakplɔ ye ɖo ne ‘yewoaɖaɖi ɖe eme vie.’ Eyata woɖo tɔdziʋu aɖe be yewoayi teƒe aɖe si ɖoɖoezizi le. Amewo si du to ƒua ta kplɔ wo ɖo, eye eteƒe medidi o, wova tu wo le afima. Nukae Yesu wɔ? Nuŋlɔɖia gblɔ be: ‘Ekpɔ ameha gã aɖe, eye eƒe dɔme trɔ ɖe wo ŋuti, elabena wole abe alẽ, siwo nu kplɔla mele o ene, eye wòde asi nu geɖe fiafia me wo.’ (Marko 6:34) Dɔmetɔtrɔ ʋã Yesu wòyi edzi gblɔ nyanyuia na amewo togbɔ be nu ti kɔ nɛ hã. Edze ƒã be Yesu tsɔ ɖe le ame siawo me vavã. Ese veve ɖe wo nu.

9. Nukae míesrɔ̃ le nuŋlɔɖi si le Marko ta 6 lia me ku ɖe susu nyui si tae míeɖea gbeƒã ɖo ŋu?

9 Nukae míesrɔ̃ tso nuŋlɔɖi sia me? Esi míenye Kristotɔwo ta la, míesenɛ le mía ɖokui me be enye míaƒe dɔ be míaɖe gbeƒã nyanyuia ahawɔ nusrɔ̃lawo. Míenyae be enye míaƒe agbanɔamedzi be míagblɔ nyanyuia na amewo, esi Mawu ƒe lɔlɔ̃nue wònye be “woaxɔ amewo katã” ɖe agbe ta. (Timoteo I, 2:4) Gake menye esi subɔsubɔdɔa nye agbanɔamedzi na mí ta koe míewɔnɛ ɖo o; veve si míesena ɖe amewo nu hã tae. Ne míesea veve ɖe amewo nu vevie abe Yesu ene la, ekema míaƒe dzi aʋã mí míawɔ nusianu si míate ŋui be míayi edzi anɔ nyanyuia gblɔm na wo. (Mateo 22:39) Ne susu nyui siawo le mía si le subɔsubɔdɔa wɔwɔ me la, ekema aʋã mí be míaɖe gbeƒã nyanyuia madzudzɔmadzudzɔe.

Míaƒe Gbedasia—Mawu ƒe Fiaɖuƒe Ŋuti Nyanyuia

10, 11. (a) Aleke Yesaya ƒo nu tso gbedasi si míeɖea gbeƒãe ŋui? (b) Aleke Yesu tsɔ ‘nane si nyo wu ŋuti nyanyui’ vɛ, eye aleke Mawu subɔla siwo li egbea srɔ̃a Yesu ƒe kpɔɖeŋui?

10 Ke míaƒe subɔsubɔdɔa ƒe akpa evelia—si nye míaƒe gbedasia—ya ɖe? Nukae míeɖea gbeƒãe? Nyagblɔɖila Yesaya ƒo nu tso gbedasi si míele gbeƒã ɖemee ŋu nyuie ale: “Du nyui xɔla ƒe afɔwo nyo le towo dzi loo! Eya, amesi ɖea gbeƒã ŋutifafa, eye wòtoa gbe nyui, eɖea gbeƒã xɔname, eye wòle gbɔgblɔm na Zion be: Wò Mawu enye fia!”—Yesaya 52:7.

11 Nya vevitɔ si le kpukpui sia me, si nye “wò Mawu enye fia,” ɖoa ŋku gbedasi si wòle be míaɖe gbeƒãe dzi na mí, si nye Mawu ƒe Fiaɖuƒe ŋuti nyanyuia. (Marko 13:10) De dzesii hã be kpukpui sia ɖe tanya nyui si le míaƒe gbedasia ŋu fia. Yesaya zã nyagbɔgblɔ siwo nye “xɔname,” “du nyui,” “ŋutifafa,” kple “gbe nyui.” Ƒe alafa aɖewo le Yesaya ƒe ŋkekeawo megbe la, Yesu Kristo na nyagblɔɖi sia va eme le mɔ wɔdɔɖeamedzi aɖe nu le ƒe alafa gbãtɔ M.Ŋ. me, esi wòɖo dzonɔameme kpɔɖeŋu aɖe ɖi le gbeƒãɖeɖe nane si nyo wu—si nye Mawu ƒe Fiaɖuƒea—ŋuti me. (Luka 4:43) Le egbeŋkekeawo me, vevietɔ tso ƒe 1919 me la, Yehowa Ðasefowo dze Yesu ƒe kpɔɖeŋua yome to gbeƒã ɖeɖe Mawu ƒe Fiaɖuƒe si woɖo anyi kple yayra siwo wòahe vɛ ŋuti nyanyuia gbɔgblɔ dzonɔamemetɔe me.

12. Ŋusẽ kae Fiaɖuƒe ŋuti nyanyuia kpɔna ɖe amesiwo xɔnɛ dzi?

12 Ŋusẽ kae Fiaɖuƒe ŋuti nyanyui sia kpɔna ɖe amesiwo ɖoa toe dzi? Egbea, abe alesi ko wònɔ le Yesu ƒe ŋkekea me ene la, nyanyuia naa mɔkpɔkpɔ kple akɔfafa amewo. (Romatɔwo 12:12; 15:4) Enaa mɔkpɔkpɔ dzianukwaretɔwo elabena wova srɔ̃nɛ be susu nyuiwo li si ta woaxɔe ase be ɣeyiɣi nyuiwo le ŋgɔ gbɔna. (Mateo 6:9, 10; Petro II, 3:13) Mɔkpɔkpɔ sia kpena ɖe mawuvɔ̃lawo ŋu ŋutɔ be nukpɔsusu nyui nɔa wo si. Hakpala la gblɔ be “nya vɔ̃ sese aɖeke madzi ŋɔ” na wo o.—Psalmo 112:1, 7.

Gbedasi Si ‘Ada Gbe le Amesiwo ƒe Dzi Gbã Ŋu’

13. Aleke nyagblɔɖila Yesaya ƒo nu tso yayra siwo amesiwo xɔa nyanyuia kpɔna fifi laa la ŋui?

13 Hekpe ɖe eŋu la, nyanyui si míeɖea gbeƒãe la nana akɔfafa kple yayra amesiwo senɛ la fifia. Le mɔ ka nu? Nyagblɔɖila Yesaya ƒo nu tso yayra siawo dometɔ aɖewo ŋu esime wògblɔe ɖi be: “Aƒetɔ Yehowa ƒe gbɔgbɔ le dzinye, elabena Yehowa si ami nam, be mahe du nyui la ayi na amesiwo wote ɖe anyi; eɖom ɖa, be mada gbe le amesiwo ƒe dzi gbã la ŋu, maɖe gbeƒã ablɔɖe na gatɔwo, ne woaɖe ga amesiwo wode gae; maɖe gbeƒã Yehowa ƒe amenuveƒe kple mía Mawu ƒe hlɔ̃biaŋkeke la, ne mafa akɔ na konyifalawo katã.”—Yesaya 61:1, 2, Luka 4:16-21.

14. (a) Nukae nyagbɔgblɔ ‘ada gbe le amesiwo ƒe dzi gbã ŋu’ ɖe fia tso Fiaɖuƒegbedasia ŋu? (b) Aleke míesrɔ̃a Yehowa ƒe beléle na amesiwo ƒe dzi gbã lae?

14 Le nyagblɔɖi sia nu la, Yesu ato gbeƒã ɖeɖe nyanyuia dzi “[ada] gbe le amesiwo ƒe dzi gbã la ŋu.” Nya wɔdɔɖeamedzi kawo gbegbee nye si Yesaya zã! Biblia me nyawo gɔmeɖegbalẽ aɖe gblɔ ku ɖe Hebrigbe me nya si gɔme woɖe be ‘da gbe’ ŋu be “wozãna nya sia zi geɖe tsɔ fiaa alesi wotsɔa abiblavɔ ‘blaa’ abii, eye le esia ta eku ɖe atikewɔwɔ na ame aɖe si xɔ abi kple abia babla nɛ ŋu.” Dɔnɔdzikpɔla lébename atsɔ abiblavɔ aɖo ŋutilã ƒe akpa si xɔ abi la dzi bene wòana kpekpeɖeŋu si hiã lae. Nenema kee ne gbeƒãɖela lébenamewo le gbeƒã ɖem Fiaɖuƒegbedasia la, wonaa kpekpeɖeŋu amesiwo ɖoa toe gake hele fu kpem la le mɔ aɖe nu. Eye ne wokpe ɖe amesiwo le hiã me ŋu la, wole Yehowa ƒe belélename srɔ̃m. (Xezekiel 34:15, 16) Hakpala la gblɔ tso Mawu ŋu be: “[Edaa] gbe le amesiwo ƒe dzi gbã la ŋu, eye wòblaa woƒe abiwo.”—Psalmo 147:3.

Tɔtrɔ Siwo Fiaɖuƒegbedasia Hena Vaa Amewo ƒe Agbe Me

15, 16. Agbe me kpɔɖeŋu ŋutɔŋutɔ kawoe ɖee fia be Fiaɖuƒegbedasia kpena ɖe amesiwo le hiã me ŋu?

15 Nuteƒekpɔkpɔ ŋutɔŋutɔ gbogbowo li siwo ɖee fia be le nyateƒe me la, Fiaɖuƒegbedasia kpena ɖe amesiwo ƒe dzi gbã ŋu hedoa ŋusẽ wo. Bu nyɔnu tsitsi aɖe si ŋkɔe nye Oreanna, si le Anyiehe Amerika, si agbenɔnɔ va ti kɔ na ŋu kpɔ. Yehowa Ðasefo aɖe va te Oreanna gbɔ yiyi ɖanɔa Biblia kple agbalẽ si nye Nye Agbalẽ si Nye Biblia Ŋutinyawo xlẽm nɛ. * Le gɔmedzedzea me la, ɖeko nyɔnu sia, si ƒo dzi ɖe le la, mlɔa anyi ɖe aba dzi hemiaa ŋku nɔa nuxexlẽa sem, eye sẽ kple sẽ ko la, eɖe hũ. Gake eteƒe medidi o, edzea agbagba fɔna nɔa anyi ne wole nua xlẽm. Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, eva nɔa anyi ɖe zikpui me le akpata me nɔa eƒe Biblia nufialaa lalam. Nusi nyɔnua wɔ kplɔe ɖoe nye be ete Kristotɔwo ƒe kpekpewo dede le Fiaɖuƒe Akpata me. Esi nusiwo wòsrɔ̃ le kpekpe mawo me na dzi ɖo eƒo ta la, edze Biblia-srɔ̃gbalẽwo mama na amesiame si vaa eƒeme. Emegbe Oreanna xɔ nyɔnyrɔ zu Yehowa Ðasefo, eye ɣemaɣi la, exɔ ƒe 93. Fiaɖuƒegbedasia na wògava di vevie be yeanɔ agbe.—Lododowo 15:30; 16:24.

16 Fiaɖuƒegbedasia kpena ɖe amesiwo nyae be dɔléle atso yewoƒe agbe dzi kpuie kura gɔ̃ hã ŋu le mɔ vevi aɖe nu. Le kpɔɖeŋu me, bu Maria si tso Ɣetoɖoƒe Europa dukɔ aɖe me ŋu kpɔ. Nyɔnu sia dze dɔlémafɔe aɖe, si wɔe be mɔkpɔkpɔ bu ɖee keŋkeŋ. Elé blanui ale gbegbe esime Yehowa Ðasefowo yi egbɔ. Gake esi wòsrɔ̃ nu tso Mawu ƒe tameɖoɖowo ŋu la, mɔkpɔkpɔ gava su esi le agbe me. Exɔ nyɔnyrɔ eye wòkpɔ gome le gbeƒãɖeɖedɔa me vevie. Le eƒe agbenɔƒe eve mamlɛawo me la, mɔkpɔkpɔ kple dzidzɔ dzena le eƒe mo. Tsitretsitsia ŋuti mɔkpɔkpɔ sẽŋu nɔ Maria si hafi wòku.—Romatɔwo 8:38, 39.

17. (a) Aleke Fiaɖuƒegbedasia le amesiwo xɔe la ƒe agbenɔnɔ trɔmee? (b) Aleke wò ŋutɔ nèkpɔe be Yehowa le ‘amesiwo katã wobɔbɔ ɖe anyi la fɔm ɖe tsitrenui’?

17 Nyatakaka siawo ɖo kpe edzi be Fiaɖuƒegbedasia ate ŋu ana amesiwo le Biblia me nyateƒeawo dim la nawɔ tɔtrɔ le woƒe agbenɔnɔ me. Ne amesiwo le konyi fam le woƒe ame vevi aɖe ƒe ku ta va srɔ̃ nu tso tsitretsitsi mɔkpɔkpɔa ŋu la, ŋusẽ yeye gaɖoa wo ŋu. (Tesalonikatɔwo I, 4:13) Ne amesiwo da ahe, siwo tsoa hlolui be yewoanyi yewoƒe ƒomea, va srɔ̃e be Yehowa maŋlɔ yewo be akpɔ o ne yewowɔ nuteƒe nɛ la, agbe kple dzideƒo gaɖoa wo me. (Psalmo 37:28) Yehowa kpena ɖe ame geɖe siwo lé blanui vevie la ŋu wogadoa ŋusẽ wo ɖokui vivivi bene woate ŋu anɔ te ɖe enu eye le go aɖewo me la, wote ŋu ɖua blanuilélea dzi keŋkeŋ gɔ̃ hã. (Psalmo 40:2, 3) Ẽ, Yehowa to ŋusẽ si wònana, to eƒe Nya la me, dzi le ‘amesiwo katã wobɔbɔ ɖe anyi la fɔm ɖe tsitrenu’ fifia. (Psalmo 145:14) Ne míekpɔ alesi Mawu ƒe Fiaɖuƒe ŋuti nyanyuia faa akɔ na amesiwo ƒe dzi gbã le míaƒe anyigbamamaa me kple le hamea me la, eɖoa ŋku edzi na mí zi geɖe be nya nyuitɔ kekeake si li egbea lae le mía si!—Psalmo 51:19.

‘Kuku si Meɖena na Mawu ɖe Wo Ta’

18. Dɔ kae Yudatɔwo ƒe nyanyuia gbegbe wɔ ɖe Paulo dzi, eye nukatae?

18 Togbɔ be nya nyuitɔ kekeakee nye gbedasi si le mía si hã la, ame geɖe gbenɛ. Dɔ kae esia ate ŋu awɔ ɖe mía dzi? Dɔ si wòwɔ ɖe apostolo Paulo dzi la tɔgbe kee. Eɖe gbeƒã na Yudatɔwo zi geɖe, gake wo dometɔ akpa gãtɔ gbe xɔxɔgbedasia. Alesi wogbe nya la ɖe fu na Paulo vevie. Elɔ̃ ɖe edzi be: “Mele nu xam geɖe, eye nye dzi le veve sem ɖaasi.” (Romatɔwo 9:2) Paulo se veve ɖe Yudatɔ siwo wònɔ gbeƒã ɖem na nu. Ete ɖe edzi be wogbe nyanyuia.

19. (a) Nukatae eme kɔ be ɣeaɖewoɣi la, dzi ɖena le mía ƒo? (b) Nukae kpe ɖe Paulo ŋu wòyi edzi ɖe gbeƒã?

19 Veve si míesena ɖe amewo nu tae míawo hã míeɖea gbeƒã ɖo. Eyata eme kɔ be dzi ɖena le mía ƒo ne ame geɖe gbe Fiaɖuƒegbedasia. Seselelãme sia ɖenɛ fiana be míetsɔ ɖe le amesiwo míeɖea gbeƒã na la ƒe gbɔgbɔmenyonyo me vevie ŋutɔ. Gake anyo be míaɖo ŋku apostolo Paulo ƒe kpɔɖeŋua dzi. Nukae kpe ɖe eŋu wòyi gbeƒãɖeɖedɔa dzi? Togbɔ be Yudatɔwo ƒe nyanyuia gbegbe do nuxaxa kple vevesese geɖe na Paulo hã la, meɖe asi le Yudatɔwo katã ŋu, hesusui be womagate ŋu axɔ kpekpeɖeŋu aɖeke o. Mɔkpɔkpɔ nɔ esi be ame aɖewo gali kokoko siwo axɔ Kristo. Eyata Paulo ŋlɔ tso alesi wòse le eɖokui me le Yudatɔ ɖekaɖekawo ŋuti la ŋu be: “Nye dzimedidi kple nye kukuɖeɖe, si meɖena na Mawu ɖe Israel ta la, enye si bena, woakpɔ xɔxɔ.”—Romatɔwo 10:1.

20, 21. (a) Aleke míate ŋu asrɔ̃ Paulo ƒe kpɔɖeŋu le míaƒe subɔsubɔdɔa mee? (b) Míaƒe subɔsubɔdɔa ƒe akpa ka mee míadzro le nyati si kplɔe ɖo me?

20 De dzesi nu eve siwo dzi Paulo te gbe ɖo. Enye eƒe dzimedidi be ame aɖewo nakpɔ xɔxɔ, eye eɖe kuku na Mawu ɖe eta. Míesrɔ̃a Paulo ƒe kpɔɖeŋua egbea. Míedina vevie tso dzime be míake ɖe amesiame si aganɔ didim be yease nyanyuia ŋu. Míeyia edzi doa gbe ɖa na Yehowa be míake ɖe amesiawo ŋu ale be míate ŋu akpe ɖe wo ŋu woanɔ agbe si ana woakpɔ xɔxɔ.—Lododowo 11:30; Xezekiel 33:11; Yohanes 6:44.

21 Gake hafi míate ŋu aɖo ame gbogbotɔ kekeake gbɔ kple Fiaɖuƒegbedasia la, menye nusita kple nusi míeɖea gbeƒãe ko ŋue wòhiã be míalé ŋku ɖo o, ke alesi míeɖea gbeƒãe hãe. Míadzro nya sia me le nyati si kplɔe ɖo me.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 4 Míadzro akpa eve gbãtɔwo me le nyati sia me. Nyati evelia adzro akpa etɔ̃lia me.

^ mm. 15 Yehowa Ðasefowoe tae.

Nukae Nèsrɔ̃?

• Susu kawo tae míekpɔa gome le subɔsubɔdɔa me ɖo?

• Gbedasi vevi kae míeɖea gbeƒãe?

• Yayra kawoe amesiwo xɔa Fiaɖuƒegbedasia kpɔna?

• Nukae akpe ɖe mía ŋu míayi subɔsubɔdɔa dzi?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata siwo le axa 18]

Fiaɖuƒegbedasia doa ŋusẽ amesiwo ƒe dzi gbã

[Nɔnɔmetata siwo le axa 20]

Gbedodoɖa kpena ɖe mía ŋu míedoa dzi le subɔsubɔdɔa me