Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nya Vevi Siwo Tso Fiawo ƒe Agbalẽ Gbãtɔ Me

Nya Vevi Siwo Tso Fiawo ƒe Agbalẽ Gbãtɔ Me

Yehowa ƒe Nya la Le Agbe

Nya Vevi Siwo Tso Fiawo ƒe Agbalẽ Gbãtɔ Me

“NE AME dzɔdzɔewo dzi ɖe dzi la, dukɔ kpɔa dzidzɔ; ke ne ame vɔ̃ɖi le fia ɖum la, dukɔ ɖua tse.” (Lododowo 29:2) Biblia-gbalẽ si nye Fiawo ƒe agbalẽ Gbãtɔ ɖe lododo sia ƒe nyateƒenyenye fia nyuie ŋutɔ. Eƒo nu tso Salomo, amesi ƒe dziɖuɣi blema Israel nɔ tomefafa kple dedienɔnɔ gã aɖe me, ƒe agbemeŋutinya ŋu. Wogblɔ alesi dukɔa me va ma le Salomo ƒe ku megbe kple fia 14 siwo ɖu dzi ɖe eyome, ɖewo ɖe Israel dzi eye ɖewo hã ɖe Yuda dzi, hã ŋu nya ɖe Fiawo ƒe agbalẽ Gbãtɔ me. Fia siawo dometɔ eve pɛ koe wɔ nuteƒe na Yehowa bliboe. Gakpe ɖe eŋu la, agbalẽa gblɔ nyagblɔɖila ade, siwo dome Eliya le, ƒe dɔwɔnawo ŋu nya.

Agbalẽ sia, si nyagblɔɖila Yeremya ŋlɔ le Yerusalem kple Yuda la, ɖe nu me ku ɖe ƒe 129—tso 1040 D.M.Ŋ. vaseɖe 911 D.M.Ŋ.—me nudzɔdzɔwo ŋu. Anɔ eme be esime Yeremya nɔ agbalẽa ŋlɔm la, ewɔ numekuku le blema nuŋlɔɖiwo abe “Salomo ƒe ŋutinyagbalẽ” ene me. Nuŋlɔɖi mawo megali fiafia o.—Fiawo I, 11:41; 14:19; 15:7.

FIA NYANU AÐE NA ŊUTIFAFA KPLE DZIDZEME AMEWO

(Fiawo I, 1:1–11:43)

Wodze Fiawo ƒe agbalẽ Gbãtɔa gɔme kple ŋutinya wɔdɔɖeamedzi aɖe si ku ɖe alesi Fia Dawid ƒe vi, Adoniya, te kpɔ be yeaɖe ye fofo le zia dzi akpasesẽe, ŋu. Nyagblɔɖila Natan ƒe afɔ si wòɖe kaba la gblẽ tameɖoɖo sia me, eye woɖo Dawid ƒe vi Salomo boŋ fiae. Dzi dzɔ Yehowa ɖe “dzi nyanu, si sea nu gɔme” si fia yeyea biae la ŋu, eye wòtsɔ “kesinɔnu kple bubu” kpe ɖe eŋu nɛ. (Fiawo I, 3:12, 13) Fia la ƒe nunya mele gbɔgblɔ me o, eye ame aɖeke ƒe kesinɔnuwo mede etɔ enu o. Dzidzɔɣi kple nudzedzinameɣiwoe wònye na Israel-viwo.

Yehowa ƒe gbedoxɔ kple dziɖuɖu ƒe xɔ vovovowo nye xɔtudɔ siwo nu Salomo wu la dometɔ aɖewo. Zi alesi Salomo nya yi edzi ɖo to Yehowa ko la, eka ɖe edzi nɛ bena: “Mana wò fiaɖuƒe ƒe fiazikpui nali ke ɖe Israel dzi tegbee.” (Fiawo I, 9:4, 5) Mawu vavã la na wònya tomaɖomaɖo metsonuwo hã. Gake mlɔeba la, Salomo va ɖe duta nyɔnu geɖe. Nyɔnu siawo ƒe nyaƒoɖeamenuwo wɔe be wòva ƒo eɖokui ɖe alakpasubɔsubɔ me le eƒe amegãkuɣi. Yehowa gblɔe ɖi be woama eƒe fiaɖuƒea me. Salomo ku le ƒe 997 D.M.Ŋ. me, si he eƒe ƒe 40 ƒe fiaɖuɖua va nuwuwui. Viaŋutsu Rexabeam va zia dzi azɔ.

Ŋɔŋlɔawo me Biabiawo Ŋuɖoɖo:

1:5—Nukata Adoniya te kpɔ be yeaxɔ zia evɔ Dawid mekpɔ ku o? Biblia megblɔe o. Gake susu le eme be míaƒo nya ta be esi wònye be Adoniya foawo, Amnon kple Absalom, eye ɖewohĩ Xileab hã, ku xoxo ta la, Adoniya bui be esi wònye yee nye Dawid ƒe viŋutsu siwo gale agbe ƒe xoxoetɔ ta la, ye koe dze axɔ zia. (Samuel II, 3:2-4; 13:28, 29; 18:14-17) Esi aʋafia sẽŋu Yoab kple nunɔlagã Abyatar, si ŋu wodea bubui ŋutɔ, nɔ megbe na Adoniya ta la, anya ka ɖe edzi be yeƒe ɖoɖoa adze edzi godoo. Adoniya ɖanya be Dawid ɖoe be Salomo nava ɖu fia ɖe ye teƒe loo alo meɖanya o, Biblia megblɔe o. Gake Adoniya mekpe Salomo kple ame bubu siwo wɔa nuteƒe na Dawid la va ‘vɔ si wòsa’ la teƒe o. (Fiawo I, 1:9, 10) Esia ɖee fia be ɖewohĩ ebu Salomo be ele zia ʋlim kpli ye.

1:49-53; 2:13-25—Nukata Salomo wu Adoniya esi wòxɔ kuku si wòɖe nɛ vɔ megbe? Togbɔ be Bat-Seba menya susu si tututu tae Adoniya bia be woatsɔ Abisag na ye yeaɖe o hã la, Salomo ya nyae. Togbɔ be Dawid medɔ Abisag, si dze tugbe ŋutɔ, gbɔ kpɔ o hã la, wobunɛ Dawid ƒe ahiãvie. Le kɔnu si nɔ anyi ɣemaɣi nu la, amesi dze aɖu fia ɖe Dawid teƒe koe dze aɖe Abisag. Adoniya anya susui be ne yeɖe Abisag ko la, yeagate ŋu ate zia xɔxɔ akpɔ. Esi Salomo susu nusi Adoniya bia ŋu eye wòkpɔe dze sii be enye eƒe didi vevie be yeaxɔ fianyenyea ta la, Salomo megalɔ̃ ɖe kuku si wòɖe nɛ la dzi o.

6:37–8:2—Ɣekaɣie wokɔ gbedoxɔa ŋu? Wowu gbedoxɔa tutu nu le ƒe 1027 D.M.Ŋ. ƒe ɣleti enyilia, si nye Salomo ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe wuiɖekɛlia, me. Edze abe gbedoxɔa me nuwo tsɔtsɔ vɛ kpakple dzadzraɖodɔ bubuwo xɔ ɣleti 11 ene. Woanya kɔ gbedoxɔa ŋu le ƒe 1026 D.M.Ŋ. ƒe ɣleti adrelia me. Ŋutinya ƒo nu tso xɔtudɔ bubu siwo wowɔ le gbedoxɔa nuwuwu vɔ megbe ŋu hafi gblɔ eŋu kɔkɔ ŋu nyawo, ɖewohĩ kple susua be woatsɔ ana xɔtudɔwo ŋu numeɖeɖea nasɔ nyuie wu.—Kronika II, 5:1-3.

9:10-13—Ðe dugã 20 siwo nɔ Galilea-nyigba dzi si Salomo tsɔ na Tiro-fia Xiram wɔ ɖeka kple Mose ƒe Sea? Ðewohĩ wobu Se si wode le Mose III, 25:23, 24 la be eku ɖe anyigba ƒe teƒe si Israel-viwo nɔ la ko ŋu. Anye be amesiwo menye Israel-viwo o ye nɔ dugã siwo Salomo tsɔ na Xiram me, togbɔ be du mawo nɔ Ŋugbedodonyigbaa dzi hã. (Mose II, 23:31) Nusia si Salomo wɔ ate ŋu anye Sea dzi mawɔmawɔ bliboe hã, abe alesi ko wòda le se si nye be ‘woagana sɔ geɖe nanɔ ame si o’ dzi heɖe srɔ̃ geɖe hã, ene. (Mose V, 17:16, 17) Aleke kee nya ɖale o, Xiram mekpɔ ŋudzedze ɖe nunana la ŋu o. Ðewohĩ trɔ̃subɔla siwo nɔ duawo me la melé be na duawo o, alo ate ŋu anɔ eme be duawo menɔ teƒe si de ame dzi o.

11:4—Salomo ƒe susu ye va tɔtɔ le eƒe amegãkuɣi si tae mete ŋu va wɔ nuteƒe mlɔeba oa? Edze abe menye nenemae o ene. Salomo metsi hafi dze fiaɖuɖu gɔme o, eye togbɔ be eɖu fia ƒe 40 hã la, metsi ku amegãɖeɖi nenema gbegbe o. Gawu la, meɖe asi le Yehowa subɔsubɔ ŋu keŋkeŋ o. Anye be xɔsetsakatsaka subɔsubɔ mee wòƒo eɖokui ɖo.

Nusɔsrɔ̃ Siwo Le Eme na Mí:

2:26, 27, 35. Nusianu si Yehowa gblɔ ɖi la vana eme ɣesiaɣi. Abyatar, si nye Eli ƒe dzidzimevi, ɖeɖeɖa le eƒe ɖoƒea nye “Yehowa ƒe nya si wògblɔ ɖe Eli ƒe aƒe ŋu” la mevava. Abyatar ƒe ɖoƒea tsɔtsɔ na Zadok, si nye Pinehas ƒe dzidzimevi la, nye nya si le Mose IV, 25:10-13 la mevava.—Mose II, 6:25; Samuel I, 2:31; 3:12; Kronika I, 24:3.

2:37, 41-46. Aleke gbegbee afɔku le eme enye esi be ame aɖe nabui be yeate ŋu ada le se dzi tomahemahee! Amesiwo ɖoe koŋ te ɖa le “mɔ [xaxɛ] si kplɔa amewo yina ɖe agbe la me” dzi akpe nyametsotso manyomanyo ma metsonuwo ƒe fu.—Mateo 7:14.

3:9, 12-14. Yehowa ɖoa to gbe si esubɔlawo dona ɖa tso dzi me tsɔ biaa nunya, gɔmesese, kple mɔfiame hena eƒe subɔsubɔdɔa wɔwɔ la.—Yakobo 1:5.

8:22-53. Ŋudzedzekpɔkpɔ si tso dzime kae nye si Salomo ɖe gblɔ na Yehowa—be enye amenuveve ƒe Mawu, Amesi naa ŋugbedodowo vaa eme, kple Gbedodoɖasela! Ŋugbledede le gbe si Salomo do ɖa tsɔ kɔ xɔa ŋui ŋu adzi míaƒe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe Mawu ƒe amenyenye siawo kple bubuawo ŋu la ɖe edzi.

11:9-14, 23, 26. Esi Salomo meɖo to le eƒe tsitsi me o ta la, Yehowa kplɔ tsitretsiɖeŋulawo dee. Apostolo Petro gblɔ be: “Mawu tsia tre ɖe dadalawo ŋuti, ke evea ɖokuibɔbɔlawo nu.”—Petro I, 5:5.

11:30-40. Fia Salomo di be yeawu Yerobeam le nya si Axiya gblɔ ɖi ku ɖe Yerobeam ŋu ta. Aleke gbegbee fia la ƒe nɔnɔmewo trɔ kura tso ƒe 40 siwo do ŋgɔ me tɔ gbɔ, esime wògbe be yemabia hlɔ̃ Adoniya kple nugbeɖola bubuawo o enye esi! (Fiawo I, 1:50-53) Eƒe nɔnɔme si va trɔ la nye alesi wòtra ɖa tso Yehowa gbɔ la metsonu.

FIAÐUƑE WƆÐEKA AÐE ME VA MA

(Fiawo I, 12:1–22:53)

Yerobeam kple amewo va Fia Rexabeam gbɔ hebia be wòaɖe fofoa, Salomo, ƒe ameteteɖeanyi dzi akpɔtɔ na yewo. Le esi teƒe be Rexabeam nawɔ ɖe nya sia dzi na wo la, edo ŋɔdzi na wo be yeana nuwo nasesẽ na wo wu tsã boŋ. To ewo dze aglã eye woɖo Yerobeam fiae ɖe wo ɖokuiwo nu. Fiaɖuƒea me ma. Rexabeam nɔ fia ɖum ɖe fiaɖuƒea ƒe anyiehekpa dzi, afisi Yuda kple Benyamin towo nɔ, eye Yerobeam nɔ Israel ƒe dziehe to ewo fiaɖuƒea dzi ɖum.

Yerobeam wɔ sikanyivi eve—ɖeka ɖe Dan eye evelia ɖe Betel—be yeatsɔ ana be amewo naganɔ Yerusalem yim be yewoaɖa de ta agu le afima o. Fia siwo ɖu Israel dzi ɖe Yerobeam yome la dometɔ aɖewoe nye Nadab, Baesa, Ela, Zimri, Tibni, Omri, Axab, kple Axazya. Abiyam, Asa, Yosafat kple Yoram ye ɖu fia ɖe wo nɔewo yome ɖe Rexabeam teƒe le Yuda. Nyagblɔɖila siwo gblɔ nya ɖi le fia siawo ŋɔli la dometɔ aɖewoe nye Axiya, Semaya kple Mawu ƒe ame aɖe si ŋkɔ womeyɔ o, kpakple Yehu, Eliya, kple Mixaya.

Ŋɔŋlɔawo me Biabiawo Ŋuɖoɖo:

18:21—Esi Eliya bia ameawo be woatiae ne Yehowa yomee woadze loo alo Baal yomee la, nukatae wozi kpi ɖo? Ðewohĩ woa ŋutɔwo wode dzesi alesi wodo kpo nu le dzi blibo tsɔtsɔ asubɔ Yehowa ɖeɖeko me, si wɔe be wokpɔe be yewodze agɔ. Alo ɖewohĩ woƒe dzitsinya ku atri ale gbegbe be womekpɔe be naneke gblẽ le alesi yewogblɔna be Yehowa subɔlawoe yewonye gake hesubɔna Baal la ŋu o. Ðe Yehowa ɖe eƒe ŋusẽ fia hafi wogblɔ be: “Yehowae nye Mawu [vavã la], Yehowae nye Mawu [vavã la]!”—Fiawo I, 18:39.

20:34—Esi Yehowa na Axab ɖu Siriatɔwo dzi vɔ la, nukatae Axab mewu woƒe fia Ben-Hadad o? Le esi teƒe be Axab nawu Ben-Hadad la, ebla nu kplii boŋ ale be wòtsɔ mɔtonyigba siwo nɔ Siriatɔwo ƒe fiadu, Damasko, me la na Axab, ɖewohĩ bene wòatu fiasewo alo asiƒleƒewo ɖe wo dzi. Do ŋgɔ na esia la, Ben-Hadad fofo hã xɔ Samaria mɔtonyigbawo sesẽe bene woatu dɔwɔƒewo kple asiwo ɖe wo dzi. Le esia ta la, woɖe asi le Ben-Hadad ŋu ale be Axab nate ŋu atu asitsaƒewo kple dɔwɔƒewo ɖe Damasko.

Nusɔsrɔ̃ Siwo Le Eme na Mí:

12:13, 14. Ne míele nyametsotso vevi aɖewo wɔm le agbe me la, ele be míabia aɖaŋuɖoɖo tso ame tsitsi siwo nya Ŋɔŋlɔawo nyuie eye wodea bubu deto mawumegɔmeɖosewo ŋu la gbɔ.

13:11-24. Ele be míatsɔ mɔfiame nyui siwo le Mawu ƒe Nya la me la ada aɖaŋuɖoɖo alo susu aɖe si wodo ɖa si ŋu kpɔtsɔtsɔ aɖe le la akpɔ nyuie, ne eɖanye haxɔsetɔ aɖe si tsɔa ɖe le eme na mí gbɔe wòtso gɔ̃ hã.—Yohanes I, 4:1.

14:13. Yehowa dzroa mía me be yeakpɔ míaƒe nɔnɔme nyuiwo. Eɖanye aleke kee nɔnɔme nyui ma ɖale sue o, ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be wòanyo ɖe edzi esi míele nusianu si míate ŋui la wɔm be míasubɔe.

15:10-13. Ele be míagbe nu le xɔsegbegbe gbɔ dzinɔameƒotɔe eye míado nyateƒe tadedeagu ɖe ŋgɔ boŋ.

17:10-16. Ahosi si tso Zarpat kpɔe be nyagblɔɖilae Eliya nye eye wòwɔ amedzro nɛ alesi dze, eye Yehowa yra ɖe xɔse si wòɖe fia la dzi. Yehowa dea dzesi míaƒe xɔse dɔwɔwɔwo egbea hã, eye wòɖoa eteƒe na amesiwo doa alɔ Fiaɖuƒedɔa le mɔ vovovowo nu.—Mateo 6:33; 10:41, 42; Hebritɔwo 6:10.

19:1-8. Ne wotsi tre ɖe mía ŋu vevie la, míate ŋu aka ɖe edzi be Yehowa akpe ɖe mía ŋu.—Korintotɔwo II, 4:7-9.

19:10, 14, 18. Tadeagula vavãwo metsi akogo le mɔ aɖeke nu o. Yehowa kple xexeame katã ƒe nɔviwo ƒe habɔbɔa li na wo.

19:11-13. Menye dzɔdzɔmeŋusẽ dzro aɖe koe Yehowa nye o.

20:11. Esi Ben-Hadad ƒo adegbe be yele Samaria tsrɔ̃ ge la, Israel-fia ɖo eŋu nɛ be: ‘Amesi ke bla ali dzi hele klalo na aʋawɔwɔ la, meƒoa adegbe o, negbe amesi ke’ gbɔ tso aʋa heɖu dzi eye ‘wòtu ali dzi la ko.’ Ne wode dɔ yeye aɖe asi na mí la, mele be míada ahaka ɖe mía ɖokui dzi fũ akpa o.—Lododowo 27:1; Yakobo 4:13-16.

Viɖe Gã aɖe Le Eŋu na Mí

Esi Mose nɔ Sea xlẽm na Israel-viwo le Sinai-toa gbɔ la, egblɔ na wo be: “Kpɔ ɖa, metsɔ yayra kple fiƒode ɖo mia ŋku me egbea. Ne mieɖo to Yehowa, mia Mawu ƒe se, siwo mede na mi egbe la, anye yayra na mi. Ke ne mieɖo to Yehowa, mia Mawu ƒe seawo o, eye miete ɖa le mɔ, si meɖo na mi egbe dzi . . . la, anye fiƒode na mi.”—Mose V, 11:26-28.

Aleke gbegbee woɖe nyateƒenya sia me wòkɔ nyuie na mí le Fiawo ƒe agbalẽ Gbãtɔ mee enye si! Abe alesi míeva kpɔe ene la, agbalẽ sia fia nu nyui bubu geɖewo hã mí. Nyateƒee, gbedasi si le eme la sẽa ŋu ŋutɔ.—Hebritɔwo 4:12.

[Nɔnɔmetata si le axa 29]

Gbedoxɔa kple xɔ bubu siwo Salomo tu

[Nɔnɔmetata si le axa 30]

Esi Yehowa ɖe eƒe ŋusẽ fia megbe la, ameawo do ɣli be: “Yehowae nye Mawu [vavã la!]”