Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Mose V, 14:21 gblɔ be: “Migaɖu lã kuku aɖeke o.” Ðe nya sia tsi tre ɖe Mose III, 11:40 si gblɔ be: “Amesi ɖu [lã kuku] la, nanyã eƒe avɔwo eye eŋu mekɔ o vaseɖe fiẽ” ŋua?

Mawunyakpukpui eve siawo metsi tre ɖe wo nɔewo ŋu le mɔ aɖeke nu o. Mawunyakpukpui gbãtɔa nye se si wode ku ɖe lã kuku, si ɖewohĩ lã wɔadãwo wu, ɖuɖu ŋu la gbugbɔgagblɔ ake. (Mose II, 22:30; Mose III, 22:8) Evelia ɖe nusi Israel-vi si da le se sia dzi, ɖewohĩ le manyamanya me, la awɔ me.

Se si wode ku ɖe nane ŋu mefia be sea dzi manya da le nɔnɔme aɖewo me o. Le kpɔɖeŋu me, wode se siwo tsi tre ɖe fififi, amewuwu, aʋatsoɖasefo ɖuɖu, kple bubuawo ŋu. Nenema kee wogblɔ tohehe siwo woana amesiwo da le Mawu ƒe se mawo ke dzi hã ŋu nya. Tohehe mawo na ŋusẽ va nɔa seawo ŋu eye woɖe alesi gbegbee wonye ŋkubiãnyae la hã fia.

Amesi da le se si tsi tre ɖe lã kuku ɖuɖu ŋu dzi la ŋu mekɔ le Yehowa ŋkume o, eye ele nɛ be wòawɔ ɖe ɖoɖo siwo li la dzi nyuie hafi eŋu nakɔ. Ne mekɔ eɖokui ŋuti le mɔ nyuitɔ nu o la, ekema “eya ŋutɔ ƒe fɔɖiɖi le edzi.”—Mose III, 17:15, 16.