Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nyanyui Na Dukɔ Ðesiaɖe Me Tɔwo

Nyanyui Na Dukɔ Ðesiaɖe Me Tɔwo

Nyanyui Na Dukɔ Ðesiaɖe Me Tɔwo

“Mianye nye ɖaseɖilawo . . . vaseɖe anyigba ƒe seƒe ke.”​—DƆWƆWƆWO 1:8.

1. Esi míenye Biblia fialawo ta la, nukawo ŋue míeléa ŋku ɖo, eye nukatae?

MENYE nusi woafia sukuviwo ŋu koe nufiala bibiwo nɔa ŋudzɔ ɖo o, ke wonɔa ŋudzɔ ɖe alesi woafia nuae hã ŋu. Nu ma kee mí Biblia me nyateƒea fialawo hã míewɔna. Míeléa ŋku ɖe gbedasi si míeɖea gbeƒãe kple mɔnu siwo míezãna siaa ŋu. Míaƒe gbedasia, si nye Mawu ƒe Fiaɖuƒe ŋuti nyanyuia, metrɔ o, gake míetrɔa mɔnu siwo míezãna ya. Nukatae? Be míaɖo ame gbogbotɔ kekeake gbɔ tae.

2. Ne míetrɔ asi le mɔnu siwo míezãna le gbeƒãɖeɖedɔa me ŋu la, ekema ameka srɔ̃mee míele?

2 Ne míetrɔa asi le mɔnu siwo dzi míetona ɖea gbeƒãe ŋu la, ekema míele Mawu subɔla siwo nɔ anyi tsã la srɔ̃m. Le kpɔɖeŋu me, bu apostolo Paulo ŋu kpɔ. Egblɔ be: “Mezu abe Yudatɔ ene hena Yudatɔwo . . . mezu abe semanɔsitɔ ene hena semanɔsitɔwo . . . Mezu gbɔdzɔgbɔdzɔtɔ na gbɔdzɔgbɔdzɔtɔwo, bene asinye nasu gbɔdzɔgbɔdzɔtɔwo dzi; amewo katã mezu nusianu na, bene maɖe wo dome ame aɖewo kokoko.” (Korintotɔwo I, 9:19-23) Alesi Paulo trɔ mɔnu siwo wòzã la ɖe vi. Ne míebua amesiwo míeɖia ɖase na ƒe nɔnɔmewo ŋu hetrɔ míaƒe dzeɖonyawo ɖe wo ŋu la, nu nyui geɖe ado tso eme na míawo hã.

Vaseɖe “Anyigba ƒe Mlɔenuwo”

3. (a) Kuxi kae míedoa goe le gbeƒãɖeɖedɔa me? (b) Aleke nya siwo le Yesaya 45:22 la le eme vam egbea?

3 Kuxi gã aɖe si nyanyuigbeƒãɖelawo doa goe ye nye anyigbamamaa ƒe lolome—“xexe blibo la katã.” (Mateo 24:14) Le ƒe alafa ɖeka siwo va yi me la, Mawu subɔla geɖe wɔ dɔ vevie be yewoatsɔ nyanyuia ayi ɖe dukɔ bubuwo me. Nukae do tso eme? Nyanyuia ɖo xexeame ƒe teƒe geɖe wòwɔ nuku. Le ƒe 1900-awo ƒe gɔmedzedze la, dukɔ ʋɛ aɖewo ko mee wonɔ gbeƒã ɖem le, gake egbea la, Yehowa Ðasefowo le dɔ dzi vevie le dukɔ 235 sɔŋ me! Nyateƒee, wole gbeƒã ɖem Fiaɖuƒenyanyuia vaseɖe “anyigba ƒe mlɔenuwo” ke hã.—Yesaya 45:22.

4, 5. (a) Amekawoe wɔ akpa vevi aɖe le nyanyuia kaka me? (b) Aleke alɔdzedɔwɔƒe aɖewo ɖe woƒe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe nɔvi siwo tso duta va le subɔsubɔm le woƒe alɔdzea ƒe anyigbamamaa me ŋu gblɔe?

4 Nukae na dzidziɖedzi le vavam alea gbegbe? Nu geɖewoe. Dutanyanyuigblɔla siwo xɔ hehe le Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe Gilead Biblia Suku, kple ame 20,000 kple edzivɔ siwo de Subɔsubɔdɔ ƒe Hehenasuku le ƒe siawo me la wɔ akpa vevi aɖe le esia me. Nenema kee Ðasefo geɖe siwo zã woa ŋutɔwo ƒe ga ʋu yi dukɔ siwo me Fiaɖuƒegbeƒãɖelawo hiã geɖe wu le hã wɔ akpa aɖe. Kristotɔ ɖokuitsɔsavɔla siawo—siwo nye ŋutsuwo kple nyɔnuwo, sɔhɛwo kple tsitsiawo, trewo kple srɔ̃tɔwo—kpe asi ɖe gbeƒã ɖeɖe Fiaɖuƒegbedasia le anyigba katã dzi ŋu le mɔ vevi aɖe nu. (Psalmo 110:3; Romatɔwo 10:18) Míekpɔa ŋudzedze ɖe wo ŋu ŋutɔ. Se nusi alɔdzedɔwɔƒe aɖewo ŋlɔ le amesiwo tso duta va le subɔsubɔm le alɔdzea ƒe anyigbamama siwo me hiahiã geɖe le ŋu me ɖa.

5 “Ðasefo vevi siawo xɔa ŋgɔ le gbeƒã ɖem le nuto siwo sa ɖe aga me, wokpea asi ɖe hame yeyewo ɖoɖo ŋu, eye wokpena ɖe nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu siwo le nuto mawo me ŋu wotsina le gbɔgbɔ me.” (Ecuador) “Ne amedzro alafa geɖe siwo le subɔsubɔm le afisia adzo la, agblẽ nu le hameawo ƒe kelili ŋu. Yayrae wònye na mí be wole mía gbɔ.” (Dominican Republic) “Le míaƒe hame geɖe me la, nɔvinyɔnuwoe sɔ gbɔ wu, eye ɣeaɖewoɣi la, wodea ame 70 le alafa me. (Psalmo 68:12) Wo dometɔ akpa gãtɔ nye ame yeyewo le nyateƒea me, gake nɔvinyɔnu mɔɖela tre siwo tso dukɔ bubuwo me va la naa kpekpeɖeŋu manyagblɔ aɖe le hehe nana ame yeye siawo me. Nɔvinyɔnu siawo siwo tso duta la nye nunana vavã aɖe na mí!” (Ɣedzeƒe Europa dukɔ aɖe) Ède ŋugble le subɔsubɔ le dukɔ bubu aɖe me ŋu kpɔa? *Dɔwɔwɔwo 16:9, 10.

‘Ŋutsu Ewo tso Gbegbɔgblɔwo Katã Me’

6. Aleke Zaxarya 8:23 he susu yi gbegbɔgblɔ ŋuti kuxi si míado goe le gbeƒãɖeɖedɔa me dzii?

6 Kuxi gã bubue nye gbegbɔgblɔ gbogbo siwo wodona le anyigbaa dzi. Mawu ƒe Nya la gblɔe ɖi be: “Ɣemaɣi la ŋutsu ewo atso dukɔwo ƒe gbegbɔgblɔwo katã me alé Yuda-ŋutsu ɖeka ƒe awu toga agblɔ bena: Míayi kpli mi, elabena míese be, Mawu li kpli mi.” (Zaxarya 8:23) Le nyagblɔɖi sia me vava le egbeŋkekea me nu la, ŋutsu ewo la tsi tre ɖi na ameha gã si ŋu nya wogblɔ ɖi le Nyaɖeɖefia 7:9. Gake de dzesii be le Zaxarya ƒe nyagblɔɖia nu la, menye ɖekoe “ŋutsu ewo” la atso dukɔwo katã me ko o, ke woatso ‘dukɔwo ƒe gbegbɔgblɔwo katã’ me hã. Ðe míele nyagblɔɖia ƒe nya vevi sia mevava teƒe kpɔm egbea? Míele eteƒe kpɔm kaka glo.

7. Akɔntabubu kawoe ɖee fia be míele “gbegbɔgblɔwo katã me” tɔwo gbɔ ɖom kple nyanyuia?

7 De ŋugble tso akɔntabubu aɖewo ŋu kpɔ. Ƒe 50 aɖewoe nye esia la, gbegbɔgblɔ 90 mee wotana míaƒe agbalẽwo ɖo. Gake egbea gbegbɔgblɔ mawo dzi ɖe edzi va wu 400. “Dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” dze agbagba ɖesiaɖe na wole agbalẽwo tam ɖe gbegbɔgblɔ siwo ame ʋɛ aɖewo ko dona gɔ̃ hã me. (Mateo 24:45) Le kpɔɖeŋu me, Biblia-srɔ̃gbalẽwo le gbegbɔgblɔ siwo nye Greenlandic (si ame 47,000 dona), Palauan (si ame 15,000 dona), kple Yapese (siwo dolawo mede 7,000 o) me fifia.

“Ʋɔtru Gã” si Na Mɔnukpɔkpɔ Yeyewo Va Li

8, 9. Nukawoe na “ʋɔtru gã” aɖe va ʋu na mí, eye aleke Ðasefo akpe geɖe wɔ nu ɖe enui?

8 Gake mehiã egbea be míaʋu ayi duta hafi agblɔ nyanyuia na gbegbɔgblɔ ɖesiaɖe me tɔwo o. Ame miliɔn gbogbo siwo ʋu, kple sitsoƒedila siwo va dukɔ siwo me ganyawo le ame dzi dem le me, na woɖo dutagbedolawo ƒe ƒuƒoƒo geɖe. Le kpɔɖeŋu me, le Paris, France, la, wodoa gbegbɔgblɔ siwo ade 100 kloe. Le Toronto, Canada la, wodoa gbegbɔgblɔ 125; eye le London, England la, wodoa dutagbe siwo wu 300! Amedzro siwo ʋu va hame geɖe ƒe anyigbamama me la ʋu “ʋɔtru gã” aɖe na mí si ana mɔnukpɔkpɔ yeyewo mí be míagblɔ nyanyuia na dukɔwo katã me tɔwo.—Korintotɔwo I, 16:9.

9 Ðasefo akpe geɖe le kuxia gbɔ kpɔm to gbe bubu sɔsrɔ̃ me. Mele bɔbɔe na wo dometɔ akpa gãtɔ ya o; gake ne wobu dzidzɔ si wokpɔna le kpekpe ɖe ʋuʋula kple sitsoƒedilawo ŋu be woasrɔ̃ nyateƒe si le Mawu ƒe Nya la me ŋu la, agbagbadzedze siawo meɖia naneke o. Nyitsɔ laa la, amesiwo katã xɔ nyɔnyrɔ le ƒe ɖeka aɖe me le nutome gã takpekpe siwo wowɔ le Ɣetoɖoƒe Europa dukɔ aɖe me la dometɔ 40 le alafa me nye dukɔ bubu me tɔwo.

10. Aleke nèle Good News for People of All Nations gbalẽvia zãmee? (Kpɔ aɖaka si nye “Good News for People of All Nations Gbalẽvia me Nu Veviwo,” le axa 26.)

10 Enye nyateƒe be mía dometɔ akpa gãtɔ mate ŋu asrɔ̃ dutagbe o. Ne ele alea hã la, míate ŋu akpɔ gome le kpekpe ɖe ʋuʋulawo ŋu me ne míewɔ Good News for People of All Nations (Une bonne nouvelle pour des gens de toutes nations) * (Nyanyui na Dukɔ Ðesiaɖe me Tɔwo) gbalẽvi yeye si woɖe ɖe go, si me Biblia me gbedasi ʋãme aɖe le le gbegbɔgblɔ vovovo geɖe me la, ŋudɔ nyuie. (Yohanes 4:37) Èle agbalẽvi sia zãm le gbeadzia?

Ne Amewo Melɔ̃na Ðoa To O

11. Kuxi bubu ka hãe le anyigbamama aɖewo me?

11 Esi Satana yi edzi le ŋusẽ kpɔm ɖe xexeame dzi geɖe wu ta la, míedoa go kuxi bubu aɖe hã zi geɖe—amewo melɔ̃na ɖoa to le anyigbamama aɖewo me o. Nɔnɔme sia mewɔa moyaa na mí o, elabena Yesu gblɔe ɖi be aleae wòanɔ. Egblɔ tso míaƒe ŋkekea ŋu be: “Ame geɖewo ƒe lɔlɔ̃ nu latsi.” (Mateo 24:12) Le nyateƒe me la, ame geɖe megava le Mawu dzi xɔm le sesem alo le bubu dem Biblia ŋu o. (Petro II, 3:3, 4) Eyata le xexeame ƒe teƒe aɖewo la, ame ʋɛ aɖewo koe va zua Kristo ƒe nusrɔ̃lawo. Gake ema mefia be agbagba siwo dzem mía nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu Kristotɔ veviwo le nuteƒewɔwɔtɔe le gbeƒã ɖem le anyigbamama siawo siwo me womelɔ̃na ɖoa to o le la zu dzodzro o. (Hebritɔwo 6:10) Nukatae menye nu dzodzro o? Bu nya siwo gbɔna ŋu kpɔ.

12. Taɖodzinu eve kawoe le míaƒe gbeƒãɖeɖedɔa ŋu?

12 Mateo ƒe Nyanyuia he susu yi taɖodzinu vevi eve siwo le míaƒe gbeƒãɖeɖedɔa wɔwɔ ŋu dzi. Gbãtɔe nye be ‘míawɔ dukɔwo me tɔwo katã ne woanye nusrɔ̃lawo.’ (Mateo 28:19) Eveliae nye be Fiaɖuƒegbedasia nye “ɖaseɖiɖi.” (Mateo 24:14) Taɖodzinu eveawo katã le vevie, gake evelia ya gale vevie wu. Nukatae?

13, 14. (a) Kristo ƒe anyinɔnɔ ƒe dzesia ƒe akpa vevi aɖee nye ka? (b) Nukae wòle be wòanɔ susu me na mí, vevietɔ ne míele gbeƒã ɖem le anyigbamama siwo me womelɔ̃na ɖoa to o le me?

13 Biblia-ŋlɔla Mateo gblɔ be apostoloawo bia Yesu be: “Ka enye wò vava la kple xexeame ƒe nuwuwu la ƒe dzesii?” (Mateo 24:3) Le ŋuɖoɖo si Yesu na me la, egblɔ be dzesi ma ƒe akpa vevi aɖe anye gbeƒãɖeɖedɔ si woawɔ le xexeame godoo. Nusrɔ̃lawo wɔwɔe nɔ susu me nɛa? Ao. Egblɔ be: ‘Woaɖe gbeƒã fiaɖuƒeŋutinya nyui sia afia amewo le xexe blibo la katã me, bena wòanye ɖaseɖiɖi na dukɔwo katã.’ (Mateo 24:14) Eyata Yesu ɖee fia be Fiaɖuƒe gbeƒãɖeɖedɔa ŋutɔ nye dzesia ƒe akpa vevi aɖe.

14 Eyata ne míele gbeƒã ɖem Fiaɖuƒea la, míeɖoa ŋku edzi be ne míete ŋu wɔ nusrɔ̃lawo ɣesiaɣi o hã la, míekpɔa dzidzedze le “ɖaseɖiɖi” ya me. Aleke kee amewo awɔ nui o, wonya dɔ si wɔm míele, eye le esia ta míena Yesu ƒe nyagblɔɖia le eme vam. (Yesaya 52:7; Nyaɖeɖefia 14:6, 7) Jordy, si nye sɔhɛ Ðasefo le Ɣetoɖoƒe Europa, gblɔ be: “Nyanya be Yehowa le zãyem be makpɔ gome le Mateo 24:14 mevava me la na dzi dzɔam ale gbegbe.” (Korintotɔwo II, 2:15-17) Wò hã ànya sena le ɖokuiwò me nenema.

Ne Wotsi Tre Ðe Míaƒe Gbedasia Ŋu

15. (a) Nuka ŋue Yesu xlɔ̃ nu eyomedzelawo le do ŋgɔ? (b) Nukae kpena ɖe mía ŋu míeɖea gbeƒã togbɔ be wotsia tre ɖe mía ŋu hã?

15 Nɔnɔme sesẽwo hã nye kuxi bubu si míedoa goe le gbeƒãɖeɖe Fiaɖuƒe ŋuti nyanyuia me. Yesu xlɔ̃ nu eyomedzelawo do ŋgɔ be: “Dukɔwo katã woalé fu mi le nye ŋkɔ ŋuti.” (Mateo 24:9) Woléa fu Yesu yomedzela siwo li egbea, tsia tre ɖe wo ŋu, hetia wo yome abe alesi wowɔ na Kristotɔ gbãtɔwo ene. (Dɔwɔwɔwo 5:17, 18, 40; Timoteo II, 3:12; Nyaɖeɖefia 12:12, 17) Dziɖuɖuwo xe mɔ ɖe wo nu le dukɔ aɖewo me fifia. Gake esi Kristotɔ vavã siwo le dukɔ mawo me di be yewoaɖo to Mawu ta la, woyi edzi le gbeƒã ɖem Fiaɖuƒe ŋuti nyanyuia. (Amos 3:8; Dɔwɔwɔwo 5:29; Petro I, 2:21) Nukae na woa kple Ðasefo bubu siwo le xexeame godoo te ŋu le esia wɔm? Yehowae to eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea dzi le ŋusẽ dom wo.—Zaxarya 4:6; Efesotɔwo 3:16; Timoteo II, 4:17.

16. Aleke Yesu ɖe akpa si Mawu ƒe gbɔgbɔa wɔna le gbeƒãɖeɖedɔa me fiae?

16 Yesu te gbe ɖe akpa si Mawu ƒe gbɔgbɔa wɔna le ɖaseɖiɖidɔa me dzi esime wògblɔ na eyomedzelawo be: ‘Miaxɔ gbɔgbɔ kɔkɔe, si le mia dzi va ge la, ƒe ŋusẽ, eye mianye nye ɖaseɖilawo vaseɖe anyigba ƒe seƒe ke.’ (Dɔwɔwɔwo 1:8; Nyaɖeɖefia 22:17) Gɔmesese vevi aɖe le ɖoɖo si nu wogblɔ nyawo ɖo le kpukpui sia me la ŋu. Gbã la, nusrɔ̃lawo xɔ gbɔgbɔ kɔkɔea, eye emegbe wowɔ ɖaseɖiɖidɔa le xexeame godoo. Mawu ƒe gbɔgbɔa koe ate ŋu ado ŋusẽ wo woado dzi le “ɖaseɖiɖi na dukɔwo katã” me. (Mateo 24:13, 14; Yesaya 61:1, 2) Eyata esɔ be Yesu yɔ gbɔgbɔ kɔkɔea be “nyaxɔɖakɔla,” alo kpeɖeŋutɔ. (Yohanes 15:26) Egblɔ be Mawu ƒe gbɔgbɔa afia nu nusrɔ̃lawo ahafia mɔ wo.—Yohanes 14:16, 26; 16:13.

17. Ne wole tsitre tsim ɖe mía ŋu vevie la, aleke gbɔgbɔ kɔkɔea kpena ɖe mía ŋui?

17 Mɔ kawo nue Mawu ƒe gbɔgbɔa kpena ɖe mía ŋu le egbea ne wotsi tre ɖe míaƒe gbeƒãɖeɖe nyanyuia ŋu vevie? Mawu ƒe gbɔgbɔa doa ŋusẽ mí, eye etsia tre ɖe amesiwo le mía yome tim la ŋu. Mina míatsɔ nane, si dzɔ ɖe Fia Saul dzi le eƒe agbe me, awɔ esia ƒe kpɔɖeŋui.

Mawu ƒe Gbɔgbɔa Tsi Tre Ðe Eŋu

18. (a) Aleke Saul ƒe nɔnɔme va trɔ vɔ̃ɖitɔe? (b) Mɔnu kawoe Saul zã tsɔ ti Dawid yome?

18 Saul nye Israel-fia gbãtɔ si dze dziɖuɖu gɔme nyuie, gake emegbe eva gbe toɖoɖo Yehowa. (Samuel I, 10:1, 24; 11:14, 15; 15:17-23) Esia wɔe be Mawu ƒe gbɔgbɔa megava nɔ kpekpem ɖe eŋu o. Wosi ami na Dawid be wòanye fia si aɖu dzi ɖe eyome eye Mawu ƒe gbɔgbɔa nɔ kpekpem ɖe eyama ŋu. Nusia na Saul va do dziku vevie ɖe Dawid ŋu. (Samuel I, 16:1, 13, 14) Edze abe eƒe asi ate ŋu asu Dawid dzi bɔbɔe ene. Gawu la, saŋku koe nɔ Dawid si evɔ akplɔe nɔ Saul ya si. Eyata gbeɖeka esi Dawid nɔ saŋku ƒom la, “Saul da akplɔ la, be yeatɔ Dawid amimi ɖe gli ŋu; ke Dawid de axa zi eve.” (Samuel I, 18:10, 11) Emegbe Saul va ɖo to via Yonatan, si nye Dawid xɔlɔ̃, heka atam be: “Meta Yehowa ƒe agbe, ne [woawu Dawid] fĩ!” Gake emegbe Saul “[gadi] be, yeatɔ akplɔ Dawid amimi ɖe gli ŋu.” Ke hã, Dawid “[de] axa na Saul, eye akplɔ la yi ɖatɔ gli.” Dawid si, gake Saul ti eyome. Le ɣeyiɣi sesẽ ma me la, Mawu ƒe gbɔgbɔa va tsi tre ɖe Saul ŋu. Le mɔ ka nu?—Samuel I, 19:6, 10.

19. Aleke Mawu ƒe gbɔgbɔa kpɔ Dawidtae?

19 Dawid si yi nyagblɔɖila Samuel gbɔ, gake Saul dɔ eƒe amewo be woaɖalée vɛ. Gake esi wova ɖo afisi Dawid be ɖo la, “Mawu ƒe gbɔgbɔ va Saul ƒe dɔlawo dzi, ale be woawo hã gblɔ nya ɖi.” Mawu ƒe gbɔgbɔa wɔ dɔ ɖe wo dzi ale gbegbe be woŋlɔ nusita wodɔ wo ɖa la be. Saul gadɔ amewo be woaɖakplɔ Dawid vɛ zi eve sɔŋ, gake nu ma kee gadzɔ zi eveawo. Mlɔeba Fia Saul ŋutɔ yi Dawid di ge, gake eya ŋutɔ hã mete ŋu nɔ te ɖe Mawu ƒe gbɔgbɔa ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi nu o. Le nyateƒe me la, gbɔgbɔ kɔkɔea na wòtsi teƒe ɖeka “ŋkeke blibo ma kple zã blibo la”—si wɔe be Dawid kpɔ ɣeyiɣi si dzo.—Samuel I, 19:20-24.

20. Nukae míate ŋu asrɔ̃ tso Saul ƒe Dawid yome titi ŋuti nuŋlɔɖia me?

20 Nufiame sẽŋu aɖe le Saul kple Dawid ŋuti nuŋlɔɖi sia me na mí: Amesiwo tia Mawu ƒe subɔlawo yome la mate ŋu akpɔ dzidzedze le tsitre tsitsi ɖe Mawu ƒe gbɔgbɔa ŋu me o. (Psalmo 46:12; 125:2) Yehowa ɖoe be Dawid naɖu fia ɖe Israel dzi. Ame aɖeke mate ŋu atrɔ tameɖoɖo ma o. Yehowa ɖoe be ‘woaɖe gbeƒã fiaɖuƒeŋutinya nyui sia’ egbea. Ame aɖeke mate ŋu axe mɔ na esia wɔwɔ o.—Dɔwɔwɔwo 5:40, 42.

21. (a) Aleke tsitretsiɖeŋula aɖewo wɔa nui egbea? (b) Nuka dzie míeka ɖo?

21 Subɔsubɔhakplɔla kple dunyaheha ŋgɔnɔla aɖewo toa alakpadada kple ŋutasesẽ gɔ̃ hã dzi dzea agbagba be yewoaxe mɔ na mí. Gake abe alesi ko Yehowa kpɔ Dawid ta le gbɔgbɔ mee ene la, nenema kee Wòakpɔ Eƒe amewo ta egbea hãe. (Maleaxi 3:6) Eyata, abe Dawid ene la, míegblɔna kakaɖedzitɔe be: “Mawu ŋu mele ŋu ɖom ɖo, nyemavɔ̃ o; nuka amegbetɔ awɔm ma?” (Psalmo 56:12; 121:1-8; Romatɔwo 8:31) Yehowa nekpe ɖe mía ŋu míayi edzi anɔ te ɖe kuxiwo katã nu, esi míele dɔ si wòde mía si be míaɖe gbeƒã Fiaɖuƒe ŋuti nyanyuia na dukɔ ɖesiaɖe me tɔwo la wɔm.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 5 Kpɔ aɖaka si nye “Dzidzeme Blibo,” le axa 22.

^ mm. 10 Yehowa Ðasefowoe tae.

Àte Ŋu Aɖo Ŋku Wo Dzia?

• Nukatae míetrɔa asi le mɔnu siwo míezãna le gbeƒãɖeɖedɔa me ŋu ɖo?

• “Ʋɔtru gã” kae woʋu ɖi na mí eye mɔnukpɔkpɔ yeye kawoe wòana?

• Nukawoe do tso míaƒe gbeƒãɖeɖedɔa me le anyigbamama siwo me womelɔ̃na ɖoa to o le gɔ̃ hã me?

• Nukatae tsitretsiɖeŋula aɖeke mate ŋu atɔ te gbeƒãɖeɖe Fiaɖuƒe ŋuti nyanyuia o?

[Biabiawo]

[Aɖaka si le axa 22]

Dzidzeme Blibo

“Wole dzidzɔ kpɔm le Yehowa subɔsubɔ me ɖekae.” Nya mawoe ɖɔ alesi gbegbe ƒome aɖe si ʋu tso Spain yi Bolivia la ƒe seselelãme le. Ŋutsuvi ɖeka dzo le ƒomea me va na kpekpeɖeŋu le ƒuƒoƒo aɖe si sa ɖe aga me le afima. Dzidzɔ si kpɔm wònɔ la wɔ dɔ ɖe edzilawo dzi ale gbegbe be eteƒe medidi o, ƒome bliboa—si me ŋutsuvi ene siwo xɔ tso ƒe 14 vaseɖe 25 le—ʋu va nɔ subɔsubɔm le afima. Ŋutsuviawo dometɔ etɔ̃ nye mɔɖelawo fifia, eye wo dometɔ gbãtɔ si yi afima la de Subɔsubɔdɔ ƒe Hehenasuku nyitsɔ laa.

Angelica si xɔ ƒe 30, si tso Canada, hele subɔsubɔm le Ɣedzeƒe Europa, gblɔ be: “Kuxiawo sɔ gbɔ, gake kpekpe ɖe amewo ŋu le subɔsubɔdɔa me na nye dzi dze eme. Ðasefo siwo le nutoa me, siwo daa akpe nam zi geɖe ɖe alesi meva be makpe ɖe yewo ŋu ta, ƒe ŋudzedzekpɔkpɔnyawo doa ŋusẽm ale gbegbe.”

Dadavi eve, siwo gogo ƒe 30 hetso United States, hele subɔsubɔm le Dominican Republic gblɔ be: “Dekɔnu geɖe to vovo na mía tɔ siwo ŋu wòle be míatrɔ ɖo. Gake míeku kutri le míaƒe dɔdasia me, eye míaƒe Biblia-nusrɔ̃vi adre le kpekpeawo dem fifia.” Nɔvinyɔnu eve siawo wɔ akpa vevi aɖe le Fiaɖuƒegbeƒãɖelawo ƒe ƒuƒoƒo aɖe ɖoɖo anyi le du aɖe si me hame aɖeke mele o me.

Laura, si nye nɔvinyɔnu aɖe si gogo ƒe 30, le subɔsubɔm le duta ƒe ene kple edzivɔe nye esia. Egblɔ be: “Meɖoe be manɔ agbe tsɛ togbɔ be nu le asinye hã. Esia kpena ɖe gbeƒãɖelawo ŋu wokpɔnɛ be ame ŋutɔe tianɛ be yeanɔ agbe tsɛ eye be enana ame nɔa ŋudzɔ, ke menye ahedada tae o. Kpekpe ɖe amewo, vevietɔ sɔhɛwo, ŋu na mekpɔ dzidzɔ ale gbegbe be meŋlɔ fukpekpe ŋutɔŋutɔ siwo le subɔsubɔ le duta me la be. Nyematsɔ subɔsubɔdɔ si wɔm mele le afisia la aɖɔ li naneke o, eye manɔ dɔa dzi zi alesi Yehowa aɖe mɔ ko.”

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 26]

Good News for People of All Nations Gbalẽvia me Nu Veviwo

Gbedasi aɖe si xɔ axa ɖeka la le gbegbɔgblɔ vovovo 92 sɔŋ me le agbalẽvi si nye Good News for People of All Nations (Une bonne nouvelle pour des gens de toutes nations) me. Woŋlɔ gbedasia me nyawo wòle abe wòe le nyaa gblɔm ene. Eyata ne aƒemenɔlaa le gbedasia xlẽm la, awɔ nɛ be wòe le nua ƒom nɛ.

Xexeame ƒe anyigbatata aɖe dze le agbalẽvia ƒe akpaa ƒe axa si le eme la dzi. Zã anyigbatata sia nàtsɔ adze xɔ̃ aƒemenɔlaa. Ðewohĩ àte ŋu afia asi dukɔ si me nètso ahagblɔ be yeadi be yeanya du si me eya tso. To mɔ sia dzi la, àte ŋu ana wòaƒo nu ahana wòakpɔe be èdi be yeadze xɔlɔ̃ ye, eye wòaɖe dzi ɖi.

Agbalẽvia ƒe ŋgɔdonyaa gblɔ afɔ geɖe siwo wòle be míaɖe be míakpe ɖe amesiwo doa gbe bubu la ŋu nyuie wu. Taflatse xlẽ afɔɖeɖe siawo nyuie eye nàzɔ ɖe wo dzi pɛpɛpɛ.

Menye gbegbɔgblɔwo koe dze le agbalẽvia me nyawo diƒea o, ke gbegbɔgblɔawo ƒe dzesiwo hã. Esia akpe ɖe ŋuwò nàkpɔ dzesi siwo woŋlɔna ɖe míaƒe traktwo kple agbalẽ bubu siwo le gbegbɔgblɔ vovovo me dzi la adze sii.

[Nɔnɔmetata]

Èle agbalẽvi sia zãm le subɔsubɔdɔa mea?

[Nɔnɔmetata siwo le axa 23]

Míaƒe Biblia-srɔ̃gbalẽwo le gbegbɔgblɔ siwo wu 400 me fifia

GHANA

LAPLAND (SWEDEN)

PHILIPPINES

[Nɔnɔmetata siwo le axa 24, 25]

Àte ŋu asubɔ le afisi Fiaɖuƒegbeƒãɖelawo ƒe hiahiã geɖe wu lea?

ECUADOR

DOMINICAN REPUBLIC