Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Wotsɔ Wo Ðokuiwo Le Nanam Faa

Wotsɔ Wo Ðokuiwo Le Nanam Faa

Wotsɔ Wo Ðokuiwo Le Nanam Faa

‘WÒ AMEWO atsɔ wo ɖokuiwo ana faa.’ (Psalmo 110:3) Gɔmesese tɔxɛ aɖe le nya siawo ŋu na sukuvi 46 siwo de Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe Gilead Biblia Suku ƒe klass 118 lia. Aleke wodzra ɖo be yewoade suku sia, si nana hehe amewo be woava zu dutanyanyuigblɔlawo, aɖakpɔ dutadukɔ me tɔwo ƒe gbɔgbɔmenuhiahiãwo gbɔe? Mike kple Stacie siwo nye klass 118 lia me tɔwo ɖe eme ale: “Alesi míetso nya me be míanɔ agbe tsɛ la kpe ɖe mía ŋu be nu geɖe mehe míaƒe susu o, si wɔe be gbɔgbɔmenuwo va zu nu vevitɔ na mí le agbe me. Míeɖoe kplikpaa be míagana míaƒe dzidzedzekpɔkpɔ le xexeame ƒe asitsanyawo me nakpɔ ŋusẽ ɖe míaƒe gbɔgbɔmetaɖodzinuwo dzi gbeɖe o.” Klass sia ƒe sukuvi mamlɛawo hã tsɔ wo ɖokuiwo na faa abe Mike kple Stacie ke ene, eye wova zu Fiaɖuƒegbeƒãɖelawo le anyigbagã vovovo ene dzi.

Le Memleɖagbe, March 12, 2005, dzi la, nyaselawo 6,843 tsɔ dzidzɔ manyagblɔ ɖo to suku sia ƒe nuwuwu wɔna la. Theodore Jaracz, si nye Yehowa Ðasefowo ƒe Dziɖuha la me tɔ, ye nɔ zia me. Le dzaa dodo na vavala siwo tso dukɔ 28 me lɔlɔ̃tɔe vɔ megbe la, eƒo nu tso alesi Biblia sɔsrɔ̃ le vevie ŋutɔe ŋu. Nuƒola la gblɔ nya siwo Lyon Phelps, si nye Amerikatɔwo ƒe nufialagã aɖe, gblɔ kpɔ la be: “Woate ŋu ayɔ amesiame si si Biblia ŋuti sidzedze vavãtɔ su nyuie la be agbalẽnyala wòasɔ.” Togbɔ be xexeame ƒe sukudede dea ame dzi hã la, Biblia me nufiamewo xɔxɔ ƒe viɖewo ya wu gbɔgblɔ. Ekpena ɖe amewo ŋu be wova dzea si Mawu, eye agbe mavɔ mee sidzedze ma kplɔa ame yinae. (Yohanes 17:3) Nɔviŋutsu Jaracz kafu sukua nuwulawo ɖe woƒe lɔlɔ̃ faa be yewoadzi yewoƒe gomekpɔkpɔ le xexeame katã ƒe Biblia fiafiadɔ si Yehowa Ðasefowo ƒe hame 98,000 siwo le xexeame katã le wɔwɔm la ɖe edzi.

Dzideƒonamenya Siwo Sɔ Ðe Ɣeyiɣia Dzi na Sukua Nuwulawo

Le zimenɔla la ƒe ŋgɔdonyawo megbe la, William Samuelson ƒo nuƒo si ƒe tanyae nye “Alesi Nàwɔ Anye Amiti Dama Le Mawu Ƒeme,” si wòtu ɖe Psalmo 52:10 dzi. Eɖe eme be wozãa amiti le kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ nu le Biblia me wònyea kutsetse, nyonyo, kple atsyɔ̃ ƒe dzesi. (Yeremya 11:16) Esi nuƒola la tsɔ sukuviawo nɔ sɔsɔm kple amitiwo la, egblɔ be: “Yehowa abu mi be mienyo eye ade bubu mia ŋu esi mieyi edzi le Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔa wɔm nuteƒewɔwɔtɔe le miaƒe dutanyanyuigblɔdɔa me.” Abe alesi ko wòhiã be ke siwo yi to nyuie nanɔ amiti si bene wòagaku le kuɖiɣi o ene la, nenema kee wòhiãe be sukuviawo hã nana woƒe gbɔgbɔmekewo nasẽ nyuie ale be woate ŋu ado dzi le ɖekematsɔleme, tsitretsiɖeŋu, alo tetekpɔ bubu siwo woate ŋu ado goe le woƒe dutasubɔsubɔdɔa me la me.—Mateo 13:21; Kolosetɔwo 2:6, 7.

John E. Barr, si nye Dziɖuha me tɔ etɔ̃ siwo ƒo nuƒo le wɔnaa me la dometɔ ɖeka, ƒo nu tso tanya si nye “Miawoe Nye Anyigba Ƒe Dze” ŋu. (Mateo 5:13) Eɖe eme be, abe alesi dze kpɔa nuɖuɖu tae be megblẽna o ene la, nenema kee dutanyanyuigblɔlawo ƒe gbeƒãɖeɖe tso Mawu ƒe Fiaɖuƒea ŋu la hã kpɔa amesiwo ɖoa toe ƒe agbe ta, si wɔnɛ be nu megblẽna le wo ŋu le agbenɔnɔ kple gbɔgbɔ me o. Emegbe Nɔviŋutsu Barr de dzi ƒo na sukua nuwulawo lɔlɔ̃tɔe be woana “ŋutifafa nanɔ” woa kple amewo dome. (Marko 9:50) Nuƒola xlɔ̃ nu wo be: “Minɔ gbɔgbɔa ƒe ku tsem, eye mikpɔ egbɔ be miaƒe agbenɔnɔ kple miaƒe nuƒo nanye esi dzea ame ŋu heɖea ameŋububu fiana ɣesiaɣi.”

“Kpɔtɔ Nɔ Tɔdziʋua me le Tɔa ƒe Gogloƒe” ye nye nuƒo si Wallace Liverance, si nye Gilead sukua ƒe nufialawo dometɔ ɖeka, ƒo la ƒe tanya. Abe alesi ko tɔdziʋu si le zɔzɔm le tɔ ƒe gogloƒe ate ŋu akpɔtɔ anɔ mɔ si ɖo ta teƒe si yim wòle la dzi ene la, nenema kee “Mawu ƒe nu gogloawo”—siwo nye nyateƒenya siwo ku ɖe Mawu ƒe tameɖoɖo kple alesi wòana wòava emee ŋu—gɔmesese ate ŋu akpe ɖe ame ŋu be wòawɔ gbɔgbɔmeŋgɔyiyi. (Korintotɔwo I, 2:10) Gbɔgbɔmetsi ƒe teƒe siwo megoglo o zɔzɔ, si nye esusu be “nusiwo nye Mawu ƒe nyawo ƒe gɔmedzenuwo” nyanya ko sɔ gbɔ, mawɔe be míayi ŋgɔ le gbɔgbɔ me o eye wòate ŋu awɔe gɔ̃ hã be “[míadze] go le xɔse gome abe ʋu dzego ene.” (Hebritɔwo 5:12, 13; Timoteo I, 1:19) Nɔviŋutsu Liverance ƒo nuƒoa ta ale: “Mina ‘Mawu ƒe kesinɔnuwo kple nunya kpakple sidzedze gogloawo’ nalé mi ɖe te le miaƒe dutanyanyuigbɔgblɔdɔa me.”—Romatɔwo 11:33.

Mark Noumair, si nye Gilead sukua ƒe nufiala bubu, ƒo nuƒo si ƒe tanyae nye: “Ðe Miawɔ Nu Wòasɔ ɖe Miaƒe Domenyinu Nua?” Ƒe 60 kple edzivɔwoe nye esia si amewo nyae be Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe Gilead Biblia Sukua naa hehe nyui aɖe, eye wole ekafum elabena amesiwo do go le sukua le ‘ɖase nyui geɖe ɖim.’ (Mose I, 31:48) Wogblẽ Gilead sukua ƒe domenyinu sia ɖi na klass 118 lia me tɔwo hã. Nɔviŋutsu Noumair de dzi ƒo na sukuviawo be woasrɔ̃ blema Tekoatɔ siwo nɔ anyi le Nexemya ŋɔli, eye be woawɔ nu aduadu ɖokuibɔbɔtɔe kpakple hame si me woava nɔ kple wo hati dutanyanyuigblɔlawo hã. Woxlɔ̃ nu wo be woagada abe ‘bubume’ siwo ŋu Nexemya ƒo nu tsoe ene o, ke boŋ woalɔ̃ faa awɔ dɔ le tomefafa me, woaganɔ ʋiʋlim be yewoanye ŋgɔnɔlawo o.—Nexemya 3:5.

Nuteƒekpɔkpɔ Kple Gbebiame Tuameɖowo

Nuƒo si kplɔe ɖo ƒe tanyae nye “Mawunya la Keke Ta.” (Dɔwɔwɔwo 6:7) Le Gilead nufiala Lawrence Bowen ƒe mɔfiafia te la, sukuviawo wɔ gbeadzisubɔsubɔdɔ me nuteƒekpɔkpɔ siwo su wo si esime wonɔ sukua la ƒe wɔwɔfiawo. Nuteƒekpɔkpɔawo ɖee fia be sukuviawo ɖe gbe ƒã Mawu ƒe Nya la kple dzonɔameme eye be Yehowa yra ɖe woƒe agbagbadzedzewo dzi geɖe ŋutɔ.

Richard Ashe bia gbe Betel-ƒomea me tɔ siwo wɔ dɔ kplikplikpli kple sukua. Nya siwo wogblɔ la ɖe kpekpeɖeŋu si Betel-ƒomea nana Gilead sukuviwo bene woate ŋu aɖe vi bliboe tso woƒe sukudedea me la fia. Emegbe Geoffrey Jackson bia gbe nɔvi siwo wu Gilead nu va yi la dometɔ aɖewo. Wogblɔ alesi dutanyanyuigbɔgblɔdɔa wɔwɔ ʋua mɔnukpɔkpɔ geɖewo ɖi be woatsɔ akafu Yehowa ahade bubu eŋui la. Wo dometɔ ɖeka gblɔ be: “Abe dutanyanyuigblɔla enea, amewo léa ŋku ɖe nusianu si nàwɔ la ŋu. Woɖoa to, heléa ŋku ɖe nu ŋu, eye womeŋlɔnɛ be o.” Eyata wode dzi ƒo na sukuviawo be woanɔ ŋudzɔ ɖe kpɔɖeŋu nyui ɖoɖo ŋu ɣeawokatãɣi. Ðikeke mele eme o be aɖaŋuɖoɖo mawo aɖe vi geɖe na wo le etsɔme.

Stephen Lett, si nye Dziɖuha me tɔ, ƒo nuƒo mamlɛa si ƒe tanyae nye “Miyi Ŋgɔ, Mi Amesiwo Si ‘Agbetsi’ Le.” (Yohanes 7:38) Ede dzesii be, le ɣleti atɔ̃ siwo va yi me la, tsi si sukuviawo no wòɖi kɔ na wo nyuie tso Mawu ƒe Nyateƒenya la me la ɖe vi na wo ŋutɔ. Gake nukae dutanyanyuigblɔla yeyeawo awɔ kple nusiwo wosrɔ̃ la? Nɔviŋutsu Lett de dzi ƒo na sukua nuwulawo be woama gbɔgbɔmetsi sia ɖokuitɔmadimaditɔe ale be ame bubuwo hã nava se le wo ɖokuiwo be ‘tsivudo si anɔ dzidzim ɖe edzi yi ɖe agbe mavɔ me’ la le yewo me. (Yohanes 4:14) Nuƒola la gblɔ kpee be: “Migaŋlɔ bubu kple ŋutikɔkɔe si Yehowa, ‘amesi nye tsi gbagbe vudo la ƒe dzɔtsoƒe,’ dze na la tsɔtsɔ nɛ be gbeɖe o. Mixɔ dzigbɔɖi ne miele nu fiam amesiwo do tso Babilon Gã, si ŋu kuɖiɖi gblẽ nu le, la me.” (Yeremya 2:13) Nɔviŋutsu Lett ƒo eƒe nuƒoa ta kple dzi dede ƒo na sukua nuwulawo be woasrɔ̃ gbɔgbɔ la kple ŋugbetɔ la dzonɔamemetɔe eye woayi edzi anɔ gbɔgblɔm be: “Va! Eye amesi tsikɔ le ewum la, neva; amesi lɔ̃ la, nexɔ agbetsi la no faa.”—Nyaɖeɖefia 22:17.

Nɔviŋutsu Jaracz ƒo ɖoɖowɔɖia ta to gbedoname siwo woxɔ tso dukɔ vovovowo me la xexlẽ na nyaselawo me. Le esia megbe la, sukua nuwulawo dometɔ ɖeka xlẽ lɛta si sukua nuwulawo ŋlɔ tsɔ ɖe woƒe ŋudzedzekpɔkpɔ fiae la.

Ðe nàte ŋu atsɔ ɖokuiwò ana be nàsubɔ le teƒe siwo hiahiã lolo wu lea? Ne àte ŋui la, ke ti gbɔgbɔmetaɖodzinuwo yome abe alesi sukuvi siawo wɔe ene. Ekema àkpɔ dzidzɔ kple dzidzeme si sua ame si ne etsɔ eɖokui na faa be yeawɔ Mawu ƒe subɔsubɔdɔa—eɖanye abe dutanyanyuigblɔla ene loo alo abe subɔla ene le mia de.

[Nɔnɔmetata si le axa 13]

SUKUVIAWO ŊUTI NYATAKAKAWO

[Nɔnɔmetata si le axa 13]

Dukɔ siwo me wotso ƒe xexlẽme: 8

Dukɔ siwo me woɖo wo ɖo ƒe xexlẽme: 19

Sukuviawo ƒe xexlẽme: 46

Ƒe si woxɔ le mama dedie nu: 33.0

Ƒe si wole nyateƒea me le mama didie nu: 16.5

Ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔƒewo le mama didie nu: 12.9

[Nɔnɔmetata si le axa 15]

Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe Gilead Biblia Suku ƒe Klass 118 lia Nuwulawo

Ðoɖo si nu woŋlɔ ŋkɔawo ɖo le ete yi ale: Woxlẽ fliawo tso ŋgɔgbe yi megbee, eye woŋlɔ ŋkɔawo tso miame yi ɖusime le fli ɖesiaɖe dzi.

(1) Brockmeyer, A.; Moloney, S.; Symonds, N.; Lopez, Y.; Howard, C. (2) Jastrzebski, T.; Brown, D.; Hernandez, H.; Malagón, I.; Jones, A.; Connell, L. (3) Howard, J.; Lareau, E.; Shams, B.; Hayes, S.; Brown, O. (4) Burrell, J.; Hammer, M.; Mayer, A.; Kim, K.; Stanley, R.; Rainey, R. (5) Jastrzebski, P.; Zilavetz, K.; Ferris, S.; Torres, B.; Torres, F. (6) Connell, J.; Hernandez, R.; Moloney, M.; Malagón, J.; Shams, R.; Hayes, J. (7) Ferris, A.; Hammer, J.; Stanley, G.; Kim, C.; Symonds, S.; Lopez, D.; Burrell, D. (8) Brockmeyer, D.; Mayer, J.; Rainey, S.; Zilavetz, S.; Jones, R.; Lareau, J.