Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

“Miyi Edzi Mianɔ Amesi Ƒomeviwo Mienye La Dom Kpɔ”

“Miyi Edzi Mianɔ Amesi Ƒomeviwo Mienye La Dom Kpɔ”

“Miyi Edzi Mianɔ Amesi Ƒomeviwo Mienye La Dom Kpɔ”

“Miyi edzi mianɔ mia ɖokui dom kpɔ be miele xɔse la me hã; miyi edzi mianɔ amesi ƒomeviwo mienye la dom kpɔ.”​—Korintotɔwo ii, 13:5, Nw.

1, 2. (a) Ŋusẽ kae ɖikeke si anɔ mía me ɖe míaƒe dzixɔsewo ŋu ate ŋu akpɔ ɖe mía dzi? (b) Nya kae do mo ɖa le Korinto le ƒe alafa gbãtɔ me si anya wɔe be ame aɖewo tsi vedomesi le mɔ si woato ŋu?

ŊUTSU aɖe si nɔ mɔ zɔm to kɔƒeduwo me la va ɖo mɔdzeve aɖe nu. Esi menya mɔawo dometɔ si wòatsɔ aɖo afisi yim wònɔ o ta la, ebia amesiwo nɔ eme tsom be woafia mɔ ye, gake mɔfiame siwo wonae la mele ɖeka o. Ale wɔ ŋutsua tɔtɔ ale gbegbe be megate ŋu yi mɔzɔzɔa dzi o. Nusia tɔgbe ate ŋu adzɔ ɖe mía dzi ne ɖikeke le mía me ɖe míaƒe dzixɔsewo ŋu. Kakaɖedzi manɔamesi ma ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe míaƒe nyametsotsowɔwɔ ŋutete dzi ahawɔe be míatsi vedomesi le mɔ si tututu wòle be míato la ŋu.

2 Nɔnɔme aɖe do mo ɖa le ƒe alafa gbãtɔ me Kristo-hame si nɔ Korinto Hela, la me, si ate ŋu ana hame sia me tɔ aɖewo natɔtɔ abe mɔzɔla ma ene. “Apostolo, siwo kɔ akpa” tɔ gbe apostolo Paulo ƒe ŋusẽ nɔ gbɔgblɔm be: “[Eƒe] agbalẽawo kpena, eye wosẽna; ke eya ŋutɔ nye ame beli, eye eƒe nyawo mele ɖeke me o.” (Korintotɔwo II, 10:7-12; 11:5, 6) Nukpɔsusu sia anya wɔe be Korinto-hamea me tɔ aɖewo tsi vedomesi le mɔ si woato la ŋu.

3, 4. Nukatae wòle be míatsɔ ɖe le aɖaŋu si Paulo ɖo na Korintotɔawo la me?

3 Pauloe nye amesi ɖo Korinto-hamea esime wòyi afima le ƒe 50 M.Ŋ. me. Enɔ Korinto “ƒe ɖeka kple ɣleti ade hele mawunya fiam le wo dome.” Le nyateƒe me la, “Korintotɔwo dome ame geɖe, siwo ɖo toe la, xɔe se, eye [wona nyɔnyrɔ] wo.” (Dɔwɔwɔwo 18:5-11) Paulo tsɔ ɖe le ehati xɔsetɔ siwo nɔ Korinto la ƒe gbɔgbɔmenyonyo me vevie. Gawu la, Korintotɔawo ŋlɔ agbalẽ na Paulo bia aɖaŋuɖoɖoe tso nya aɖewo ŋu. (Korintotɔwo I, 7:1) Eyata ena aɖaŋuɖoɖo nyui geɖe wo.

4 Paulo ŋlɔ na wo bena: “Miyi edzi mianɔ mia ɖokui dom kpɔ be miele xɔse la me hã; miyi edzi mianɔ amesi ƒomeviwo mienye la dom kpɔ.” (Korintotɔwo II, 13:5, NW) Aɖaŋuɖoɖo sia ŋudɔwɔwɔ anya kpe ɖe Korinto nɔvi mawo ŋu godoo be wometɔtɔ le mɔ si woato la ŋu o. Ate ŋu akpe ɖe míawo hã ŋu nenema ke egbea. Ekema aleke míate ŋu awɔ Paulo ƒe aɖaŋuɖoɖoa dzii? Aleke míate ŋu ado mía ɖokui akpɔe be míele xɔsea me hãe? Eye nukae amesi ƒomeviwo míenye dodo kpɔ lɔ ɖe eme?

“Miyi Edzi Mianɔ Mia Ðokui Dom Kpɔ Be Miele Xɔse la me Hã”

5, 6. Mɔfianu kae le mía si míatsɔ ado mía ɖokui akpɔ be míele xɔsea me hã, eye nukatae mɔfianu mae nye nyuitɔ kekeake?

5 Zi geɖe le nuwo dodo kpɔ me la, ame alo nu aɖee wodona kpɔ, eye mɔfianu alo dzidzenu, si ŋu wole amea alo nua dom kpɔ ɖo, hã nɔna anyi. Le nya sia me la, nusi dom kpɔ míele la menye xɔse—si nye nusiwo dzi míexɔ se—la o. Nusi dom kpɔ míelee nye mía ŋutɔwo mía ɖokui. Mɔfianu deblibo le mía si míatsɔ awɔ dodokpɔ lae. Ha aɖe si hakpala Dawid kpa me nyawo gblɔ ale: “Yehowa ƒe se de blibo, enana luʋɔ gbɔna ɖe eme; Yehowa ƒe ɖaseɖiɖi le eteƒe, enana bometsilawo dzea nunya. Yehowa ƒe ɖoɖowo dzɔ, wodoa dzidzɔ na dzi; Yehowa ƒe sewo dza, wonana ŋku dzi kɔna.” (Psalmo 19:8, 9) Biblia mee Yehowa ƒe se deblibo kple ɖoɖo dzɔdzɔewo, eƒe ŋkuɖodzinya siwo ŋu kakaɖedzi le, kpakple eƒe mɔfiame dzadzɛawo le. Nya siwo le eme lae nye dzidzenu nyuitɔ kekeake si míatsɔ ado mía ɖokui kpɔe.

6 Apostolo Paulo gblɔ le nya sia si Mawu to eƒe gbɔgbɔ dzi na woŋlɔ la ŋu be: “Mawu ƒe nya la le agbe, eye wòsẽa ŋu, eye wòɖana wua yi nuevee sia yi nuevee, eye wòƒona ɖe ame yina ɖe eme, halase esime wòmãa luʋɔ kple gbɔgbɔ kple ƒunukpeƒeewo kpakple ƒutomemi me, eye wònye tamesusuwo kple dzimedidiwo ƒe ʋɔnudrɔ̃la.” (Hebritɔwo 4:12) Ẽ, Mawu ƒe nya ate ŋu ado míaƒe dzi—si fia amesi tututu míenye le ememe—akpɔ. Aleke míate ŋu awɔ gbedasi ɖaɖɛ, sẽŋu sia ŋudɔ le míaƒe agbe mee? Hakpala na nusi esia wɔwɔ bia la me kɔ ƒã. Edzi ha be: “Woayra amesi . . . [kpɔa] dzidzɔ le Yehowa ƒe se la ŋu, eye wòdea ŋugble le eƒe se la ŋu zã kple keli.” (Psalmo 1:1, 2) Mawu ƒe Nya, Biblia, si woŋlɔ mee míakpɔ “Yehowa ƒe se” la le. Ele be Yehowa ƒe Nya la xexlẽ nadzɔ dzi na mí. Le nyateƒe me la, ele be míaɖo ɣeyiɣi ɖi axlẽe kple gbe blewuu, alo ade ŋugble le eŋu. Esi míele esia wɔm la, ele be míalɔ̃—aɖe mɔ le mía ɖokui ŋu—emenyawo nado mí akpɔ.

7. Mía ɖokui dodokpɔ be míele xɔsea me hã ƒe mɔnu vevitɔ enye ka?

7 Ekema mía ɖokui dodo akpɔ be míele xɔsea me hã ƒe mɔnu vevitɔ enye be míaxlẽ Mawu ƒe Nya la ade ŋugble le eŋu gbedodoɖatɔe, eye míadzro mía ɖokui me akpɔe ɖa be aleke míaƒe agbenɔnɔ sɔ ɖe nusi míesrɔ̃ nui hã. Enye dzidzɔ be nunana geɖe le mía si si akpe ɖe mía ŋu míase Mawu ƒe Nya la gɔme.

8. Aleke “dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” la ƒe agbalẽwo ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míado mía ɖokui akpɔ be míele xɔsea me hãe?

8 Yehowa toa “dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela,” ƒe agbalẽwo, siwo ɖea Ŋɔŋlɔawo me dzi, naa nufiame kple mɔfiame mí. (Mateo 24:45) Le kpɔɖeŋu me, bu Te Ðe Yehowa Ŋu * ƒe agbalẽa me ɖaka si le taawo dometɔ geɖe ƒe nuwuwu, si wona tanyae be “Biabiawo Hena Ŋugbledede” ŋu kpɔ. Mɔnukpɔkpɔ nyui ka gbegbee nye si agbalẽa ƒe akpa sia nana hena ŋugbledede! Nyati gbogbo siwo me wodzrona le míaƒe magazine siwo nye Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! me, hã kpena ɖe mía ŋu be míado mía ɖokui akpɔ be míele xɔsea me hã. Nyɔnu Kristotɔ aɖe gblɔ le nyati siwo dzro Lododowo ƒe agbalẽa me le Gbetakpɔxɔ ƒe tata siwo do nyitsɔ laa me ŋu be: “Mekpɔe be nyati siawo sɔ nam ŋutɔ. Wokpe ɖe ŋunye medo ɖokuinye kpɔ be nye nuƒo, nye agbenɔnɔ, kple nye nɔnɔme sɔ ɖe Yehowa ƒe dzidzenu dzɔdzɔeawo nu tututu hã.”

9, 10. Yehowa ƒe nunana kawoe kpena ɖe mía ŋu be míayi edzi anɔ mía ɖokui dom kpɔ be míele xɔsea me hã?

9 Míegaxɔa mɔfiame kple dzideƒoname geɖe le hamea ƒe kpekpewo kpakple takpekpe sue kple gãwo me. Kpekpe siawo hã nye Mawu ƒe gbɔgbɔmemɔnuɖoɖo siwo ƒe ɖoɖo wòwɔ na amesiwo ŋu Yesaya gblɔ nya ɖi le bena: “Ava me le ŋkeke mlɔeawo me be, Yehowa ƒe aƒe ƒe to la akɔ ta agbɔ towo ŋu, eye wòaƒo togbɛwo ta, eye anyigba dzi dukɔwo katã aƒo zi ɖe eŋu. Eye dukɔ geɖewo atso agblɔ bena: Mina míayi Yehowa ƒe to . . . la gbɔ, ne wòafia nu mí le eƒe mɔwo ŋu, eye míazɔ eƒe toƒewo.” (Yesaya 2:2, 3) Le nyateƒe me la, yayrae wònye be míaxɔ mɔfiame mawo tso Yehowa ƒe mɔwo ŋuti.

10 Nu bubu si míazã atsɔ ado mía ɖokui akpɔe enye nuxlɔ̃ame siwo míexɔna tsoa amesiwo nye gbɔgbɔmemewo kpakple Kristotɔ hamemegãwo gbɔ. Biblia gblɔ le wo ŋu be: “Nɔviwo, ne vodada aɖe ɖi ɖe ame aɖe hã la, mi amesiwo nye gbɔgbɔmemewo la, miɖɔ nenem me sia ɖo le dɔmefafa ƒe gbɔgbɔ la me; eye nɔ ɖokuiwò dzi kpɔm nyuie, bene woagate wò hã akpɔ o.” (Galatiatɔwo 6:1) Aleke gbegbe míada akpe ɖe mía ɖɔɖɔɖo ƒe mɔnuɖoɖo sia tae nye si!

11. Nukae mía ɖokui dodo kpɔ be míele xɔsea me hã gabia?

11 Míaƒe agbalẽwo, Kristotɔwo ƒe kpekpewo, ŋutsu siwo woɖo—esiawo katã nye nunana nyuiwo tso Yehowa gbɔ. Gake mía ɖokui dodo kpɔ be míele xɔsea me hã bia ame ɖokui me dzodzro. Eyata ne míele míaƒe agbalẽwo xlẽm alo le Ŋɔŋlɔawo me ɖaŋuɖoɖo sem la, ehiã be míabia mía ɖokui be: ‘Ðe nya sia lɔm ɖe emea? Ðe mewɔa nu nyui, alo nuvɔ̃ ma, si ŋu nya gblɔm wolea? Ðe mele agbe nɔm ɖe Kristotɔwo ƒe dzixɔse blibo la katã nua?’ Nɔnɔme si le mía si ɖe nyatakaka siwo míexɔna toa mɔnu siawo dzi ŋu hã kpɔa ŋusẽ ɖe míaƒe gbɔgbɔmemenyenye dzi. Biblia gblɔ be: “Dzɔdzɔmeme mexɔa Mawu ƒe [gbɔgbɔ] la ƒe nuwo o, elabena wonye bometsinuwo nɛ. . . . Ke gbɔgbɔmeme la [doa nuwo katã kpɔna, NW].” (Korintotɔwo I, 2:14, 15) Ðe mele be míayi edzi aɖe akpedada afia, ahayi edzi atsɔ gbɔgbɔmenukpɔsusu akpɔ nusiwo míexlẽna le míaƒe agbalẽwo, magazinewo, kple agbalẽ bubuwo me, kple nya siwo míesena le míaƒe kpekpewo me, kple tso hamemegãwo gbɔ oa?

“Miyi Edzi Mianɔ Amesi Ƒomeviwo Mienye la Dom Kpɔ”

12. Nukae amesi ƒomeviwo míenye dodo kpɔ lɔ ɖe eme?

12 Amesi ƒomeviwo míenye dodo kpɔ lɔ ame ɖokuimedzodzro ɖe eme. Ẽ, míele nyateƒea me, gake aleke gbegbee míena míaƒe agbenɔnɔ sɔ ɖe nyateƒea nui? Amesi ƒomeviwo míenye dodo kpɔ bia hã be míalé ŋku ɖe mía ɖokui ŋu akpɔe ɖa be kpeɖodziwo li siwo fia be míetsi le gbɔgbɔ me hekpɔa ŋudzedze ɖe gbɔgbɔmenunanawo ŋu ŋutɔŋutɔ hã.

13. Le Hebritɔwo 5:14 nu la, nukae ɖoa kpe edzi na mí be míetsi le gbɔgbɔ me?

13 Kristotɔwo ƒe gbɔgbɔmemetsitsi nyenye ŋuti kpeɖodzi kae míate ŋu adi le mía ɖokui ŋu? Apostolo Paulo ŋlɔ be: “Nuɖuɖu sesẽ li na amesiwo tsi zu blibo to ŋudɔwɔwɔ me kpɔ [nuŋububu ŋutete, NW] siwo nu mã wo, be woabu nyui kple vɔ̃ me kpɔ la.” (Hebritɔwo 5:14) Alesi míatsi dzi ɖe hehenana míaƒe nuŋububu ŋutete ŋui aɖee afia mí be míetsi le gbɔgbɔ me. Abe alesi wòhiãe be lãmesẽfefewɔla nana hehe eƒe lãmeka aɖewo to wo zazã edziedzi do ŋgɔ me hafi ate ŋu aɖu dzi le lãmesẽfefewɔgbea ene la, ele be míana hehe míaƒe nuŋububu ŋutete to ezazã le Biblia ƒe gɔmeɖosewo dzi wɔwɔ me me.

14, 15. Nukatae wòle be míadze agbagba vevie asrɔ̃ Mawu ƒe Nya la me nu goglowo?

14 Gake ele be sidzedze nasu mía si hafi míate ŋu ana hehe míaƒe nuŋububu ŋutete. Hafi wòasu mía si la, ɖokuisinusɔsrɔ̃ wɔwɔ hiã vevie. Ne míewɔa ɖokuisinusɔsrɔ̃ edziedzi—vevietɔ le Mawu ƒe Nya la me nu goglowo ŋu—la, míaƒe nuŋububu ŋutete ɖana ɖe edzi. Le ƒe siwo va yi me la, míedzro nyati goglo geɖewo me le Gbetakpɔxɔ me. Aleke míewɔa nui ne wònye be nyati siwo srɔ̃m míele la ku ɖe nyateƒenya goglowo ŋu? Ðe míeɖena asi le wo ŋu dana ɖi le esi wo me “nya aɖewo ƒe gɔmesese nye dɔ” ko taa? (Petro II, 3:16) Ao, agbagba boŋue míedzena vevie be míase nya si gblɔm wole la gɔme.—Efesotɔwo 3:18.

15 Ke ne ɖokuisinusɔsrɔ̃ wɔwɔ nyea dɔ na mí ɖe? Ele vevie be míadze agbagba asrɔ̃ alesi wowɔnɛ wòvivia ame nui? * (Petro I, 2:2) Gbɔgbɔmemetsitsi zuzu bia be míasrɔ̃ alesi woɖea nunyiame tsona nuɖuɖu sesẽwo, siwo nye Mawu ƒe Nya la me nyateƒenya goglowo, mee la. Gbɔgbɔmenunyiame sia manɔmee la, míaƒe nuŋububu ŋutete maɖe abla o. Gake menye nuŋububu ŋutete ƒe amesisusu ɖeɖe dzaa koe nye gbɔgbɔmemetsitsi nyenye ƒe kpeɖodzi o. Le míaƒe gbesiagbegbenɔnɔ me la, ele be míatsɔ sidzedze si míexɔ to ɖokuisinusɔsrɔ̃ wɔwɔ moveviɖoɖotɔe me la awɔ dɔe.

16, 17. Nuxlɔ̃ame kae nusrɔ̃la Yakobo na ku ɖe “nyadziwɔlawo” nyenye ŋu?

16 Amesi ƒomeviwo míenye ŋuti kpeɖodzi gadzena míekpɔna le nusiwo míewɔna tsɔ ɖenɛ fiana be míekpɔ ŋudzedze ɖe nyateƒea ŋu me—siwo nye míaƒe xɔsedɔwɔwɔwo. Nusrɔ̃la Yakobo wɔ kpɔɖeŋu wɔdɔɖeamedzi aɖe tsɔ ƒo nu tso amesi ƒomeviwo míenye dodo kpɔ le go sia me ŋu esime wògblɔ be: “Mizu nyadziwɔlawo, eye menye nyasela, siwo blea wo ɖokui ɖeɖeko o! Elabena ne ame aɖe nye nyasela, eye menye edziwɔla o la, eyama ɖi ŋutsu aɖe, si kpɔ eƒe dzɔdzɔmemo le ahũhɔ̃e me. Elabena ekpɔ eɖokui dze sii, eye wòdzo heyi, eye enumake la eŋlɔ alesi wòle la be. Ke amesi kpɔ se blibo, si nye ablɔɖese la me, eye wònɔ edzi la, eya menye nyasela, si ŋlɔa nu be o, ke boŋ dɔ ƒe wɔla, eye woayra eyama le eƒe nuwɔwɔ me.”—Yakobo 1:22-25.

17 Yakobo le gbɔgblɔm be: ‘Kpɔ ɖokuiwò le Mawu ƒe nya la ƒe ahũhɔ̃e me nàtsɔ ado ɖokuiwò akpɔ anya amesi ƒomevi nènye. Yi edzi nànɔ ahũhɔ̃ea me kpɔm, eye nàtsɔ nusi nèkpɔ le Mawu ƒe nya la me ado ɖokuiwò akpɔe tsitotsito. Gake mègaŋlɔ nusi nèkpɔ la be enumake o. Wɔ ɖɔɖɔɖo siwo hiã la enumake.’ Aɖaŋuɖoɖo sia dzi wɔwɔ ate ŋu asesẽ ɣeaɖewoɣi.

18. Nukatae Yakobo ƒe aɖaŋuɖoɖoa dzi wɔwɔ te ŋu sesẽna?

18 Le kpɔɖeŋu me, bu nudidi si nye be míakpɔ gome le Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔa me ŋu kpɔ. Paulo ŋlɔ be: “Wotsɔa dzi xɔna sena hena dzɔdzɔenyenye, eye wotsɔa nu ʋua eme hena agbexɔxɔ la.” (Romatɔwo 10:10) Ebia asitɔtrɔ geɖe wɔwɔ bena míate ŋu awɔ gaglãgbeɖaseɖiɖidɔa hena agbexɔxɔ. Gomekpɔkpɔ le gbeƒãɖeɖedɔa me mele bɔbɔe na mía dometɔ geɖe o. Be míate ŋu awɔe dzonɔamemetɔe ahatsɔe aɖo nɔƒe vevi le míaƒe agbe me bia asitɔtrɔ geɖe ŋutɔ wɔwɔ kpakple nu geɖewo tsɔtsɔ sa vɔe. (Mateo 6:33) Gake dzi dzɔa mí ne míewɔ dɔ sia si Mawu de asi na mí la, elabena ehea kafukafu vɛ na Yehowa. Ekema ɖe míenye Fiaɖuƒegbeƒãɖela dovevienuwoa?

19. Nuka gbegbee míaƒe xɔsedɔwɔwɔwo lɔ ɖe eme?

19 Nukawo gbegbee míaƒe xɔsedɔwɔwɔwo lɔ ɖe eme? Paulo gblɔ be: “Nusiwo hã miesrɔ̃, eye miexɔ, eye miese, eye miekpɔ le gbɔnye la, nusiawo ke miwɔ, eye ŋutifafa Mawu la anɔ anyi kpli mi.” (Filipitɔwo 4:9) Amesi ƒomeviwo míenye ŋuti kpeɖodzi dzena míekpɔna to nusiwo míesrɔ̃, nusiwo míexɔ, nusiwo míese, kple nusiwo míekpɔ la dzi wɔwɔ me—si lɔ míaƒe Kristotɔwo ƒe adzɔgbeɖeɖe kple nusrɔ̃lanyenye ƒe nudidi bliboa dzi wɔwɔ ɖe eme. Yehowa to nyagblɔɖila Yesaya dzi xlɔ̃ nu mí be: “Mɔ la enye si, mito edzi!”—Yesaya 30:21.

20. Ameka tɔgbewoe nyea yayra gã na hamea?

20 Ŋutsu kple nyɔnu siwo nye Mawu ƒe Nya la srɔ̃la dovevienuwo, amesiwo nye nyanyuigbeƒãɖela kutrikulawo, amesiwo léa nuteƒewɔwɔ me ɖe asi le nusianu me, eye wonye Fiaɖuƒea dzi dela wɔnuteƒewo la nye yayra gã aɖe na hamea. Wonyea ŋusẽdodo na hame siwo me wole. Wonye yayra gã na hamea nyateƒe, vevietɔ le esi ame yeye geɖewo li wòhiã be woana kpekpeɖeŋu wo ta. Ne míewɔ ɖe Paulo ƒe aɖaŋuɖoɖo be ‘míayi edzi anɔ mía ɖokui dom kpɔ be míele xɔsea me hã; kple be míayi edzi anɔ amesi ƒomeviwo míenye dom kpɔ’ dzi la, míawo hã míanye ŋusẽkpɔɖeamedzi nyui na ame bubuwo.

Mawu ƒe Lɔlɔ̃nu Wɔwɔ Nedzɔ Dzi na Wò

21, 22. Aleke Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ ado dzidzɔ na míi?

21 Blema Israel-fia Dawid dzi ha be: “Nye Mawu, wò lɔlɔ̃nu wɔwɔ enye nye dzidzɔ, eye wò se la le nye dzi me.” (Psalmo 40:9) Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ doa dzidzɔ na Dawid. Nukatae? Esi Yehowa ƒe sea le Dawid ƒe dzi me tae. Dawid metsi vedomesi le mɔ si wòato la ŋu o.

22 Ne Mawu ƒe sea le míaƒe dzi me la, míatsi vedomesi alo atɔtɔ le mɔ si míato ŋu o. Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ ado dzidzɔ na mí. Ekema godogodo la, mina ‘míaʋli vevie’ esi míele Yehowa subɔm tso dzi me.—Luka 13:24.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 8 Yehowa Ðasefowoe tae.

^ mm. 15 Kpɔ agbalẽ si nye Na Teokrasi Subɔsubɔ Suku ƒe Hehenana Naɖe Vi na Wò, si Yehowa Ðasefowo ta la ƒe axa 27-32, hena alesi woasrɔ̃ nui ŋuti ɖaŋuɖoɖo nyuiwo.

Èɖo Ŋku Wo Dzia?

• Aleke míado mía ɖokui akpɔe be míele xɔsea me hã?

• Nukae amesi ƒomeviwo míenye dodo kpɔ lɔ ɖe eme?

• Kpeɖodzi kawoe míate ŋu akpɔ wòaɖee afia mí be míenye Kristotɔ tsitsiwo?

• Aleke xɔsedɔ siwo míewɔna kpena ɖe mía ŋu le amesi ƒomeviwo míenye dodo kpɔ me?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 23]

Ènya mɔ vevitɔ si dzi nàto ado ɖokuiwò akpɔ be yele xɔsea me hãa?

[Nɔnɔmetata si le axa 24]

Míeɖoa kpe edzi na mía ɖokui be míenye Kristotɔ siwo tsi le gbɔgbɔ me to míaƒe nuŋububu ŋutete ŋudɔ wɔwɔ me

[Nɔnɔmetata siwo le axa 25]

Amesi ƒomeviwo míenye ŋuti kpeɖodzi dzena na mí ne ‘míezu nyasela maŋlɔnube siwo wɔa nya dzi’