Wonye Trewo ke Woƒe Dzi Dze Eme le Yehowa Subɔsubɔ Me
‘Nye Xɔname Atso Yehowa Gbɔ’
Wonye Trewo ke Woƒe Dzi Dze Eme le Yehowa Subɔsubɔ Me
NYƆNU Kristotɔ aɖe si le Spain gblɔ be: “Mía dometɔ geɖe kpɔa dzidzɔ blibo togbɔ be míeɖe srɔ̃ o hã.” Nukae na eƒe dzi dze eme? “Míedzea agbagba be míaƒe susu navo tso dzimaɖitsitsi geɖewo me ale be míate ŋu asubɔ mía Mawu, Yehowa, bliboe wu.”
Seselelãme siawo wɔ ɖeka kple nusi Mawu ƒe Nya gblɔ ku ɖe trenɔnɔ ŋu. Esime apostolo Paulo nɔ srɔ̃ɖeɖe me nyawo me dzrom la, etsɔ gbɔgbɔmenya sia kɔ nu me be: “Megblɔ na trewo kple ahosiwo bena, ne woanɔ abe alesi nye hã mele ene la, ekema anyo na wo.” Paulo ŋutɔ meɖe srɔ̃ o. Gake susu ka tae wòde trenɔnɔ ƒe dzi ƒo ɖo? Eɖee fia be srɔ̃tɔ la le vedomesi, ke amesi meɖe srɔ̃ o la “léa be na nusiwo nye Aƒetɔ la tɔ.” (Korintotɔwo I, 7:8, 32-34) Yehowa subɔsubɔe nye nu vevi si koŋ nana amesi meɖe srɔ̃ o la kpɔa dzidzɔ eye eƒe dzi dzea eme.
Trenɔnɔ Kple Taɖodzinu si Ŋu Bubu Le
Paulo ƒe nyawo awɔ moya na amesiwo le afisi wobua srɔ̃ɖeɖe kple vidzidzi be ehiã godoo le la. Ke hã, Yesu Kristo—amesi ŋutɔ hã meɖe srɔ̃ o gake dzi dzɔnɛ eye eƒe dzi dzea eme la—ƒo nu tso taɖodzinu aɖe si ŋu bubu le ŋu na Kristotɔ siwo nye trewo. Egblɔ be: “Ame tata aɖewo li, siwo ta wo ɖokui le dziƒofiaɖuƒe la ŋuti. Amesi ke ate ŋu ase eme la, nesee.”—Mateo 19:12.
Le ɖekawɔwɔ me kple nya mawo la, ame geɖewo va de dzesii be trenɔnɔ na yewote ŋu subɔa Mawu eye kuxi siwo ɖea fu na srɔ̃tɔwo zi geɖe la meɖea fu na yewo o. (Korintotɔwo I, 7:35) Kristotɔ akpe geɖe siwo nye trewo le Yehowa subɔm dzidzɔtɔe, eye wosea vivi le kpekpe ɖe ame bubuwo ŋu dzonɔamemetɔe me. *
Kristotɔ geɖe siwo nye trewo kpɔe be menye srɔ̃tɔwo ɖeɖekoe kpɔa dzidzɔ o eye menye trewo katãe léa blanui o. Le ƒuƒoƒo evea siaa dome la wo dometɔ aɖewo kpɔa dzidzɔ eye wo dometɔ aɖewo léa blanui hã. Le nyateƒe me la, Biblia gblɔe tẽ be srɔ̃ɖeɖe ŋutɔ hea “xaxa le ŋutilã me” vɛ.—Korintotɔwo I, 7:28.
Amesiwo Nɔnɔmeawo na Wozu Trewo
Ame geɖewo nye trewo menye le woawo ŋutɔ ƒe lɔlɔ̃nu ta o ke boŋ nɔnɔmeawoe wɔe nenema. Vividoɖeameŋu, hadede, kple lɔlɔ̃ si le srɔ̃ɖeɖoɖoa me adzro wo. Ke hã le ame aɖewo gome la, ganyawo kple nu bubuwo ŋu bubu axe mɔ na woƒe srɔ̃ɖeɖe fifia. Kristotɔ aɖewo—siwo dometɔ geɖewo nye gbɔgbɔ me nɔvinyɔnu lɔlɔ̃awo—kpɔtɔ nye tre le esi woɖoe kplikpaa be yewoawɔ ɖe Biblia ƒe nuxlɔ̃ame be woaɖe srɔ̃ ‘le Aƒetɔ la ɖeɖeko me’ dzi ta. (Korintotɔwo I, 7:39) Wotsɔa nuteƒewɔwɔ dia kpeɖeŋutɔ le Yehowa subɔla ɖeadzɔgbe, xɔnyɔnyrɔ̃wo ɖeɖeko dome.
Ɣeaɖewoɣi la, amesiawo dometɔ aɖewo tsia akogo. Esime nɔvinyɔnu Kristotɔ aɖe si nye tre ʋu eme be aleae yesena se le ye ɖokui me vɔ la, egblɔ be: “Míenya Yehowa ƒe sea eye míedi be míawɔ nusi madze Yehowa ŋu o la gbeɖe o. Míadi kpeɖeŋutɔ si míade ha kplii ya, gake aleke kee amesiwo le xexeame ƒoe ɖe mía nu be yewoana kpeɖeŋutɔ mí o, míana ta gbeɖe o. Míedi be míade ha gɔ̃ hã kple ŋutsu alo nyɔnu dzimaxɔsetɔwo o.” Ele be míakafu Kristotɔ siawo be wowɔ ɖe Biblia ƒe nuxlɔ̃amenyawo dzi eye wolé agbenyuinɔnɔ ƒe dzidzenu kɔkɔ me ɖe asi kple susu be yewoate ŋu adze Yehowa ŋu togbɔ be wotoa nuxaxa geɖewo me hã.
Mawu Nana Kpekpeɖeŋu Geɖe
Yehowa wɔa nuteƒe na amesiwo wɔa nuteƒe nɛ le nyawo abe gbegbe be yewomaɖe amesiwo mesubɔnɛ o ene me. Fia Dawid te ŋu ɖi ɖase le esia ŋu tso eƒe nuteƒekpɔkpɔ me be: “[Yehowa,] àwɔ nuteƒe na amesi wɔa nuteƒe.” (Psalmo 18:25, NW) Eye Mawu do ŋugbe na amesiwo ɖoa toe nuteƒewɔwɔtɔe be: “Nyemele asi ɖe ge le mia ŋu o, eye nyemele mia gblẽ ge ɖi akpɔ o.” (Hebritɔwo 13:5) Míate ŋu asrɔ̃ Yehowa atso dzime akafu Kristotɔ srɔ̃manɔsitɔwo katã siwo lé Mawu ƒe Nya la me ɖe asi nuteƒewɔwɔtɔe. Míate ŋu ado gbe ɖa ɖe wo ta hã be Yehowa nado ŋusẽ wo ne woate ŋu anɔ te ɖe woƒe gbetɔamewo nu.—Ʋɔnudrɔ̃lawo 11:30-40.
Kristotɔ siwo nye trewo dometɔ geɖewo kpɔe be yewo ɖokui ƒoƒo ɖe Biblia-fiafiadɔa me bliboe na gɔmesese geɖe va le yewoƒe agbe ŋu. Le kpɔɖeŋu me, bu Patricia, nyɔnu srɔ̃manɔsitɔ si xɔ ƒe 35 lɔƒo si nye mɔɖela, alo ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔla ŋu kpɔ. Egblɔ be: “Togbɔ be dodokpɔ geɖewo le trenɔnɔ me hã la, ekpe ɖe ŋunye meva zu gbesiagbe mɔɖela. Esi menye tre ta la, nye ɖoɖowo le bɔbɔe, eye ena mete ŋu kpɔa ɣeyiɣi geɖe na nusɔsrɔ̃. Mesrɔ̃ alesi maɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu geɖe, vevietɔ le dodokpɔwo me.”
Nukpɔsusu siawo tso Biblia ƒe ŋugbedodo si dea dzi ƒo na ame me be: “Tsɔ wò mɔwo gblẽ ɖe Yehowa dzi, eye naɖo ŋu ɖe eŋu, ekema awɔe ade goe.” (Psalmo 37:5) Nyateƒee, Yehowa subɔla wɔnuteƒe ɖesiaɖe, eɖanye srɔ̃tɔ alo tre o, ate ŋu akpɔ akɔfafa le gbɔgbɔ me nya siawo me be: ‘Nye xɔname atso Yehowa gbɔ.’—Psalmo 121:2.
[Etenuŋɔŋlɔ]
^ mm. 7 Kpɔ ƒe 2005 Calendar of Jehovah’s Witnesses, July/August.
[Nya si ɖe dzesi si le axa 9]
“Amesi meɖe srɔ̃ o la, léa be na nusiwo nye Aƒetɔ la tɔ la, alesi wòawɔ adze Aƒetɔ la ŋu.”—KORINTOTƆWO I, 7:32
[Aɖaka si le axa 8]
ALESI WOAWƆ VIÐE NANƆ TRENƆNƆ ME
Yesu, si meɖe srɔ̃ kpɔ o la, gblɔ be: “Nye nuɖuɖu enye bena, mawɔ amesi dɔm ɖa la ƒe lɔlɔ̃nu, eye mawu eƒe dɔwɔwɔ la nu.”—Yohanes 4:34.
Filipo vinyɔnu ene siwo meɖe srɔ̃ o la lé ‘nyagbɔgblɔɖidɔ’ me ɖe asi vevie.—Dɔwɔwɔwo 21:8, 9.
Kristotɔ nyɔnu tre siwo ɖea gbeƒã Fiaɖuƒegbedasia nye ‘nyɔnuwo ƒe aʋakɔ gã siwo le nyanyuia gblɔm’ la ƒe akpa aɖe.—Psalmo 68:11.