Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ɣekaɣie Ame Ate Ŋu Ado Dziku Wòasɔ?

Ɣekaɣie Ame Ate Ŋu Ado Dziku Wòasɔ?

Ɣekaɣie Ame Ate Ŋu Ado Dziku Wòasɔ?

LE NYAGBLƆLA 7:9 la, Biblia gblɔ be: ‘Bometsilawoe doa dziku.’ Mawunyakpukpui sia fia be mele be dzi naku mí vevie ne ame aɖe dze agɔ le mía dzi o; ele be míatsɔ ake boŋ.

Gake, ɖe Nyagblɔla 7:9 le gbɔgblɔm be mele be míana naneke alo ame aɖeke nado dziku na mí gbeɖe o, eye be aleke kee agɔ si wodze le mía dzi loloe alo zi nenie woɖadze wo le mía dzii o, ele be míatsɔ wo katã ake eye míagawɔ naneke le wo ŋu oa? Ðe wòle be míawɔ nu ɖekematsɔlemetɔe ɖe dziku si míedona na amewo to míaƒe nyagbɔgblɔ alo nuwɔna dzi ŋu, le esi míenyae be ele be amea natsɔe ake mí taa? Menye nenemae o.

Yehowa Mawu ƒe lɔlɔ̃, nublanuikpɔkpɔ, tsɔtsɔke, kple dzigbɔgbɔ blewu, ye nye esi ƒo ɖesiaɖe ta. Ke hã, wogblɔ tso eŋu le Biblia me be edo dziku zi geɖe. Ne agɔdzedzea lolo la, ehea to na agɔa dzelawo. Bu kpɔɖeŋu aɖewo ŋu kpɔ.

Agɔ Siwo Wodze le Yehowa Dzi

Fiawo I, 15:30 me nyawo ƒo nu tso Yerobeam ƒe nuvɔ̃ “siwo wòwɔ hetsɔ ble Israel de nuvɔ̃ me, kple nusiwo wòwɔ hetsɔ do dziku na Yehowa” ŋu. Le Kronika II, 28:25 la, Biblia gblɔ ku ɖe Yuda-fia Axaz ŋu be: “Ewɔ nuxeƒewo . . . , ne woado dzudzɔ na du bubu me tɔwo ƒe mawuwo, eye wòdo dziku na Yehowa, fofoawo ƒe Mawu la.” Kpɔɖeŋu bubu aɖe le Ʋɔnudrɔ̃lawo 2:11-14: “Israel-viwo wɔ nusi medze Yehowa ŋu o, eye wosubɔ Baalwo . . . hetsɔ do dɔmedzɔe na Yehowa. . . . Eyata Yehowa do dɔmedzoe ɖe Israel ŋu, eye wòtsɔ wo de asi na adzowɔlawo woda adzo wo.”

Nu bubuwo hã li siwo do dziku na Yehowa eye wòbia be wòahe to na agɔdzelawo vevie ɖe wo ta. Le kpɔɖeŋu me, míexlẽ le Mose II, 22:17-19 bena: “Megana nyɔnu dzotɔwo nanɔ agbe o. Amesiame si adɔ lã aɖe gbɔ la, woawui. Amesi sa vɔ na mawu bubuwo, eye menye Yehowa ɖeɖe ko o la, [woatsrɔ̃e].”

Esi blema Israel nɔ agɔ gãwo dzem le Yehowa dzi atraɖii hegbe dzimetɔtrɔ vavãtɔ ɖeɖefia la, Yehowa meyi edzi tsɔ woƒe agɔdzedzeawo nɔ wo kem ɖaa o. Le go siwo me wometrɔ dzime vavãtɔ le o eye womeɖe afɔ aɖeke tsɔ fia be yewole tɔtrɔm bene yewoaɖo to Yehowa o me la, Mawu va tsrɔ̃a agɔdzelawo mlɔeba. Esia dzɔ ɖe dukɔ bliboa dzi le ƒe 607 D.M.Ŋ. me, esime Babilontɔwo va dze wo dzi, eye wògadzɔ ake esime Romatɔwo va dze wo dzi le ƒe 70 M.Ŋ. me.

Ẽ, Yehowa doa dziku le nu gbegblẽ siwo amewo gblɔna hewɔna la ta, eye etsrɔ̃ agɔdzela matrɔdzime siwo ƒe nuvɔ̃wo lolo la gɔ̃ hã. Gake ɖe esia de woa kple amesiwo ŋu Nyagblɔla 7:9 ƒo nu tsoe la agba ɖeka mea? Kura o. Etɔ dzɔ be wòado dziku ɖe nuvɔ̃ gãwo ta eye edrɔ̃a ʋɔnu dzɔdzɔe ɣesiaɣi. Biblia gblɔ le Yehowa ŋu be: “Eƒe nuwɔwɔ de blibo; elabena eƒe mɔwo katã dzɔ. Mawu nyateƒetɔ wònye, eye alakpa mele eme o, nuteƒewɔla kple dzɔdzɔetɔ wònye.”—Mose V, 32:4.

Agɔ Gãwo Dzedze le Amewo Dzi

Le Se si Mawu de na blema Israel me la, tohehe sesẽwo nɔ agɔ gãwo dzedze le amewo dzi ŋuti. Le kpɔɖeŋu me, ne fiafitɔ aɖe ge ɖe aƒe aɖe me le zã me eye aƒea tɔ wui la, aƒea tɔ meɖe hlɔ̃fe o. Eya boŋ ŋue wobe woawɔ hlɔ̃donu ɖo. Eyata míexlẽ be: “Ne wolé fiafitɔ aɖe le fi dzi, eye woƒoe wòku la, ekema [aƒea tɔ meɖe hlɔ̃fe aɖeke o].”—Mose II, 22:1.

Nyɔnu si gbɔ wodɔ sesẽe la kpɔ mɔ ado dziku vevie, le esi esia nye nu vlo gã aɖe wɔwɔ le Mawu ŋkume ta. Le Mose ƒe Sea me la, ŋutsu si dɔ nyɔnu aɖe gbɔ sesẽe la dze na ku ‘abe alesi wòanɔ ne ame aɖe adze nɔvia dzi awui la ene.’ (Mose V, 22:25, 26) Togbɔ be míegale Se ma te o hã la, ena míekpɔ alesi Yehowa bua amegbɔdɔdɔ akpasesẽe—si nye nugbegblẽ dziŋɔ aɖe.

Le míaƒe ɣeyiɣia me la, amegbɔdɔdɔ akpasesẽe nye hlɔ̃dodo gã aɖe si ta wohea to na ame ɖo vevie. Amesi gbɔ wodɔ sesẽe la kpɔ mɔ ade amea asi na kpovitɔwo. Esia awɔe be amesiwo wona ŋusẽe la nahe to na agɔdzela la. Eye ne ɖevi gbɔe wodɔ akpasesẽe la, dzilawo ate ŋu aɖe afɔ siawo.

Agɔdzedze Suewo

Gake menye agɔdzedzewo katãe wòahiã be woatsɔ ayi ŋusẽtɔwo gbɔe o. Le esia ta, míadi be míado dziku madzemadzee le vodada sue siwo amewo wɔna la ta o, ke boŋ ele be míatsɔe ake wo. Zi nenie wòle be míatsɔ ake? Apostolo Petro bia Yesu bena: “Aƒetɔ, zi nenie nɔvinye awɔ nuvɔ̃ ɖe ŋutinye, eye matsɔe akee mahã? Halase zi adre loo?” Yesu ɖo eŋu bena: “Nyemegblɔ na wò bena, vaseɖe zi adre o, ke boŋ vaseɖe zi adre teƒe blaadre.”—Mateo 18:21, 22.

Azɔ hã, egakpɔtɔ hiã be míayi edzi anɔ asi trɔm le míaƒe Kristotɔwo ƒe amenyenye ŋu bene míadze agbagba aɖe dzikudodoname dzi akpɔtɔ. Le kpɔɖeŋu me, ne èle nu wɔm kple amewo la, ɖe nyawo gena le nuwò ko ŋumaɖɔɖotɔe, eye dzugbewo nɔa emea? Esia ate ŋu ado dziku na ame. Le esi teƒe be míabui be mele be amea nado dziku hafi o, ahasusui be eyae wòle be wòatsɔ ake la, ele be agɔdzela la nase egɔme be yee do dziku na amea. Ðe wòle be agɔdzela la natrɔ asi le eƒe nuwɔnawo kple nuƒoƒo ŋu bene wòagado dziku na ame aɖeke o hafi. Agbagba dzedze alea awɔe be míaganɔ abi dem amewo ƒe seselelãmewo ŋu edziedzi o. Biblia ɖo ŋku edzi na mí be: “Ame aɖewo ƒe nuƒoƒo le abe yitɔame ene; ke nunyalawo ƒe aɖe daa gbe le ame ŋu.” (Lododowo 12:18) Ne míaƒe nyawo do dziku na amewo le manyamanya me gɔ̃ hã la, kuku si míaɖe awɔe be míate ŋu ava kpɔ kuxia gbɔ.

Mawu ƒe Nya fia mí be “míanɔ nusiwo nye ŋutifafatɔ kple nusiwo woatsɔ atu ame nɔewo la yome.” (Romatɔwo 14:19) Ne míeɖɔa ŋu ɖo henyoa dɔme la, ekema míele lododo sia me nyawo dzi wɔm be: “Nya, si wogblɔ ɖe egblɔɣi la, sikatɔtɔŋuti wònye le klosalogba me.” (Lododowo 25:11) Nɔnɔme nyoameŋu si doa dzidzɔ na ame kae nye esi esia ɖena fiana le mía ŋu! Nya si woɖɔ gbe ɖo gblɔ tufafatɔe la ate ŋu ana amewo natrɔ nɔnɔme sesẽ siwo le wo si: “Aɖe fafɛ gbãa ƒuwo.”—Lododowo 25:15.

Eyata Mawu ƒe Nya ɖo aɖaŋu na mí be: ‘Míana amenuveve kple dze nanɔ míaƒe nya me ɖaasi, bena míanya alesi wòdze be, míaɖo nya ŋuti na amesiame.’ (Kolosetɔwo 4:6) Be ‘dze nanɔ míaƒe nya me’ fia be míana míaƒe nyawo nanya se na amewo, bene wòaganɔ dziku dom na amewo o. Le nyagbɔgblɔ kple nuwɔna siaa me la, Kristotɔwo dzea agbagba be yewoawɔ ɖe Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖoa dzi be: ‘Midi ŋutifafa, eye miti eyome.’—Petro I, 3:11.

Le esia ta, edze ƒã be Nyagblɔla 7:9 ƒe nyawo fia be míaƒo asa na dzikudodo ɖe nuvɔ̃ vivivi siwo amewo awɔ ɖe mía ŋu la ta. Esiawo ate ŋu atso amegbetɔ ƒe blibomademade gbɔ loo alo ate ŋu anye nuɖowɔe gɔ̃ hã gake womenye nya gã nenema gbegbe o. Gake ne nuvɔ̃ gãe agɔdzedzea nye la, eme kɔ be amesi ŋu wowɔe ɖo la nado dziku eye wòate ŋu atiae be yeaɖe afɔ siwo sɔ la.—Mateo 18:15-17.

[Nɔnɔmetata si le axa 14]

Yehowa na Romatɔwo va tsrɔ̃ Israel matrɔdzime la le ƒe 70 M.Ŋ. me

[Nɔnɔmetata si le axa 15]

“Nya, si wogblɔ ɖe egblɔɣi la, sikatɔtɔŋuti wònye”