Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Biblia Ate Ŋu Akpe Ðe Ŋuwò Nàkpɔ Dzidzɔ

Biblia Ate Ŋu Akpe Ðe Ŋuwò Nàkpɔ Dzidzɔ

Biblia Ate Ŋu Akpe Ðe Ŋuwò Nàkpɔ Dzidzɔ

TOGBƆ be Biblia menye dɔdadaŋutinunyagbalẽ o hã la, eƒo nu tso ŋusẽ si seselelãmewo​—eɖanye nyuia alo gbegblẽa o—ate ŋu akpɔ ɖe ame ƒe susu kple lãmesẽ dzi ŋu. Biblia gblɔ be: “Dzi kpɔdzidzɔ nana lãme hayana, ke gbɔgbɔ xanu nana ƒuwo ƒuna kplakplakpla.” Míexlẽe yi edzi be: “Ne [dzi ɖe le ƒowò] le xaxaɣi la, ekema ŋusẽ boo mele ŋuwò o.” (Lododowo 17:22; 24:10) Dziɖeleameƒo ate ŋu axɔ ŋusẽ le mía si eye wòana míagbɔdzɔ eye wɔna navɔ le mía ŋu ale gbegbe be míagadi be míawɔ tɔtrɔ loo alo adi kpekpeɖeŋu o.

Dziɖeleameƒo ate ŋu agblẽ nu le ame ŋu le gbɔgbɔ me. Amesiwo sena le wo ɖokui me be viɖe aɖeke mele yewo ŋu o la bunɛ zi geɖe be yewomate ŋu anɔ ƒomedodo nyui me kple Mawu ne wòayra yewo gbeɖe o. Simone, si ƒe nya míegblɔ le nyati si do ŋgɔ me, meka ɖe edzi be “amesi ƒomevi ŋu Mawu akpɔ ŋudzedze ɖo” ye yenye o. Ke hã, ne míedzro Mawu ƒe Nya, Biblia, me la, míakpɔe be Mawu tsɔa susu nyui kpɔa amesiwo dzea agbagba be yewoawɔ nu wòadze eŋu.

Mawu Tsɔa Ðe Le Eme

Biblia gblɔ na mí be “Yehowa tsɔ ɖe amesiwo ƒe dzi gbã gudugudu la gbɔ, eye wòxɔna na amesiwo ƒe gbɔgbɔ woƒo ƒu anyi.” Mawu medoa vlo “dzi gbagbã, si tugu la o,” ke boŋ edo ŋugbe be ‘yeagbɔ agbe amesiwo wobɔbɔ ɖe anyi la ƒe gbɔgbɔ, eye yeagbɔ agbe amesiwo wogbã gudugudu la ƒe dzi.’​—Psalmo 34:18; 51:19; Yesaya 57:15.

Ɣeaɖeɣi la, Mawu ƒe Vi, Yesu, kpɔe be ehiã be yeahe yeƒe nusrɔ̃lawo ƒe susu ayi nyateƒe si wònye be Mawu bua Esubɔlawo ame nyuiwoe la dzi. Ezã kpɔɖeŋu aɖe tsɔ gblɔ be ne atsutsurɔe ɖeka dze ɖe anyigba—nusi ame akpa gãtɔ mabu nu vevii o—la, Mawu ya nyana. Ena wòdze ƒã hã be Mawu nya nu suetɔ kekeake tso amegbetɔwo ŋu henya woƒe taɖawo ƒe xexlẽme kura gɔ̃ hã. Yesu wu eƒe kpɔɖeŋua nu be: “Eyaŋuti migavɔ̃ o! Mia tɔ vena wu atsutsurɔe geɖewo tɔ.” (Mateo 10:29-31) * Yesu ɖee fia be aleke kee amewo ase le wo ɖokui me ku ɖe wo ɖokui ŋu o, amesiwo si xɔse le la xɔasi le Mawu ŋkume. Le nyateƒe me la, apostolo Petro ɖo ŋku edzi na mí be “Mawu mekpɔa ame ŋku me o, hafi boŋ le dukɔ sia dukɔ me, amesi ke vɔ̃nɛ, eye wòwɔa nu dzɔdzɔe la, eya dzea eŋu.”—Dɔwɔwɔwo 10:34, 35.

Nukpɔsusu Si Da Sɔ Nenɔ Asiwò

Mawu ƒe Nya de dzi ƒo na mí be míatu alesi míekpɔa mía ɖokuii ŋuti nukpɔsusu si da sɔ ɖo. Gbɔgbɔ ʋã apostolo Paulo wòŋlɔ bena: “To amenuveve, si wonam la me mele egblɔm na mia dome amesiame bena, negadi nu gã wu nusi dze ame be, wòadi o; ke nedi ɖokuidziɖuɖu yome boŋ, amesiame abe alesi Mawu dzidze xɔse ƒe dzidzenu nɛ ene la.”—Romatɔwo 12:3.

Le nyateƒe me la, míadi be míabu mía ɖokui ŋu kakaka ahayi dadalawo zu ge o; eye míadi hã be míaɖe mía ɖokui dzi akpɔtɔ kakaka ahasusui be viɖe aɖeke mele mía ŋu o. Ke boŋ, ele be wòanye míaƒe tameɖoɖo be míatu nukpɔsusu si da sɔ ɖo ku ɖe mía ɖokui ŋu, bene míanya míaƒe agbagbadzedzewo kple míaƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo siaa. Nyɔnu Kristotɔ aɖe gblɔe ale: “Nyemegblẽ nenema gbegbe o, eye menye ɖe menyo kakaka hã nenema gbegbe o. Nyuiƒewo kple gbegblẽƒewo siaa le ŋunye abe ame bubu ɖesiaɖe ke ene.”

Le nyateƒe me la, nukpɔsusu si da sɔ tutuɖo ƒe nya sia nya gblɔna bɔbɔe wu etutu ɖo ŋutɔŋutɔ. Ðewohĩ abia agbagbadzedze geɖe hafi míate ŋu aɖe asi le nukpɔsusu gbegblẽ siwo míanya tu ɖo tso mía ɖokui ŋu le ƒe geɖe siwo va yi me la ŋu. Ke hã, Mawu ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míatrɔ míaƒe amenyenye kpakple míaƒe nukpɔsusu le agbe ŋu. Ne míagblɔe tututu la, nusia tututue Mawu ƒe Nya de dzi ƒo na mí be míawɔ. Míexlẽ be: “Miaɖe ame xoxo, si nɔ anyi le agbenɔnɔ tsãtɔ la nu, si gblẽa eɖokui le amebeble ƒe nudzodzro me la ɖa; ke boŋ . . . woawɔ mi yeye le miaƒe tamesusu ƒe gbɔgbɔ la me, eye mido ame yeye, si wowɔ le Mawu ƒe nɔnɔme nu la, le nyateƒe la ƒe dzɔdzɔenyenye kple kɔkɔenyenye la me.”—Efesotɔwo 4:22-24.

To agbagbadzedze be ‘míawɔ míaƒe tamesusu ƒe gbɔgbɔ,’ si nye nusiwo ŋu míaƒe susu nɔna koŋ, yeyee me la, míate ŋu atrɔ míaƒe amenyenye tso esi ɖia gbɔ mí ŋutɔ la me wòava zu esi dea asixɔxɔ mía ŋu. Lena, si ƒe nya míegblɔ le nyati si do ŋgɔ me, va kpɔe dzesii be ne yemeɖe asi le susu si le ye si be ame aɖeke mate ŋu alɔ̃ ye alo akpe ɖe ye ŋu o ŋuti o la, naneke mate ŋu atrɔ alesi yeƒe seselelãmewo le ɖe ye ɖokui ŋu o. Biblia me ɖaŋuɖoɖo wɔdɔ kawoe kpe ɖe Lena, Simone, kple ame bubuwo ŋu wowɔ tɔtrɔ sia?

Biblia me Gɔmeɖose Siwo Dzia Dzidzɔkpɔkpɔ Ðe Edzi

“Tsɔ wò nyawo dro ɖe Yehowa dzi, eyae akpɔ tawò.” (Psalmo 55:23) Gbã la, gbedodoɖa ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míakpɔ dzidzɔ vavãtɔ. Simone gblɔ be: “Ɣesiaɣi si dzi ɖe le ƒonye la, metrɔna ɖe Yehowa ŋu le gbedodoɖa me hebia kpekpeɖeŋu tso egbɔ. Nyemeɖo nɔnɔme aɖeke me kpɔ si me medo ŋusẽm hefia mɔm le o.” Esi hakpala la nɔ dzi dem ƒo na mí be míadro míaƒe agbawo ɖe Yehowa dzi la, ɖee wònɔ ŋku ɖom edzi na mí be menye ɖeko Yehowa tsɔa ɖe le eme na mí ko o, ke ebua mí abe ame ɖekaɖeka siwo ŋu wòdze be yeakpe ɖo ahado alɔ wo hã ene. Le ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Ŋutitotoŋkekenyui ƒe zãme la, Yesu ƒe nusrɔ̃lawo xa nu le nya si Yesu gblɔ ku ɖe eƒe dzodzo si nɔ aƒe tum ŋu ta. Yesu de dzi ƒo na wo be woado gbe ɖa na Fofo la, eye wògblɔ kpee be: ‘Mibia, eye woana mí, bena miaƒe dzidzɔ la nayɔ fũ.’—Yohanes 16:23, 24.

“Nana enye yayra wu xɔxɔ.” (Dɔwɔwɔwo 20:35) Abe alesi Yesu fia nui ene la, nunana amewo dzie dzidzɔ vavãtɔ kpɔkpɔ le agbe me nɔ te ɖo. Biblia me nyateƒenya sia tsɔtsɔ de dɔwɔwɔ me wɔnɛ be míete ŋu ɖoa susu amewo ƒe nuhiahiãwo ŋu tsɔ wu mía ŋutɔwo ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo. Ne míekpe ɖe amewo ŋu eye míekpɔ alesi kpekpeɖeŋua dze wo ŋui la, míaƒe lãme kɔna. Lena xɔe se be Biblia me nyanyuia gbɔgblɔ na yeƒe aƒelikawo edziedzi kpena ɖe ye ŋu le mɔ eve nu. Egblɔ be: “Gbã la, ena mekpɔa dzidzɔ kple dzidzeme siwo ŋu nya Yesu gblɔ la. Evelia, amewo kafuam ɖe eta, si kpena ɖe ŋunye mekpɔa dzidzɔ.” Ne míelɔ̃ faa tsɔ mía ɖokui ɖo anyi na amewo la, míakpɔ Lododowo 11:25 ƒe nyateƒenyenye be: “Woana tsi amesi na tsi [amewo] wono.”

“Hiãtɔ ƒe ŋkekewo katã nye vɔ̃; ke dzi kpɔdzidzɔ enye aglotutu atraɖi.” (Lododowo 15:15) Mí katã míate ŋu atia alesi míabu mía ɖokui kple míaƒe nɔnɔmewoe. Míate ŋu anɔ abe amesi bua nɔnɔme ɖesiaɖe be womade ame dzi o, si na wòxaa nu la ene loo, alo míate ŋu atia be míatsɔ susu nyui abu nuwoe ahakpɔ ‘dzidzɔ’ abe aglo tumee míele le dzi me ene, eye míaƒe dzi nadze eme. Simone gblɔ be: “Medzea agbagba alesi mate ŋui be susu nyui nanɔ asinye. Mewɔa ɖokuisinusɔsrɔ̃ heyia gbeadzi ɣesiaɣi, eye medoa gbe ɖa atraɖii. Medzea agbagba hã be made ha kple amesiwo si susu nyui le, eye medzea agbagba be makpe ɖe ame bubuwo ŋu.” Dzi ƒe nɔnɔme sia tɔgbe nana ame kpɔa dzidzɔ vavãtɔ, eye abe alesi Biblia gɔ̃ hã xlɔ̃ nu mí ene be: “Mikpɔ dzidzɔ ɖe Yehowa ŋu, eye mitso aseye, mi ame dzɔdzɔewo! Migli kple dzidzɔ, mi amesiwo katã ƒe dzi to mɔ ɖeka!”—Psalmo 32:11.

“Xɔlɔ̃ lɔ̃a ame ɣesiaɣi, eye wòtrɔna dzɔa ame nɔvi le hiã me.” (Lododowo 17:17) Dzimenyawo gbɔgblɔ na ame vevi aɖe alo na aɖaŋuɖola aɖe si dzi míeka ɖo ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míaɖu ɖekememanɔmanɔ ƒe seselelãme dzi ahaɖe wo ɖa hafi woava wu tsɔtsɔ na mí. Dzeɖoɖo kple amewo ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míatsɔ susu nyui si da sɔ la akpɔ nuwoe. Simone lɔ̃ ɖe edzi be: “Nɔnɔmeawo me dzodzro kple amewo kpena ɖe ame ŋu ŋutɔ. Ehiã be nàgblɔ alesi nèsena le ɖokuiwò me na ame aɖe. Zi geɖe la, eɖeɖe agblɔ ɖeɖe dzaa koe hiã.” Esia wɔwɔ akpe ɖe ŋuwò nàkpɔ lododo sia ƒe nyateƒenyenye be: “Nuxaxa le dzi me tea ame ɖe anyi; ke xɔlɔ̃nya doa dzidzɔ na ame.”—Lododowo 12:25.

Nusi Nàte Ŋu Awɔ

Biblia me gɔmeɖose wɔnuku gbogbo siwo wɔa dɔ, siwo ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míaɖu ɖekememanɔmanɔ ƒe seselelãmewo dzi ahakpɔ dzidzɔ vavãtɔ la, dometɔ ʋe aɖewo me koe míedzro. Ne amesiwo viɖemanɔameŋu ƒe seselelãmewo wɔa fui la dometɔ ɖekae nènye la, míele dzi dem ƒo na wò be nàdzo Mawu ƒe Nya, Biblia, me nyuie. Srɔ̃ alesi nàtu seselelãme nyui si da sɔ la ɖo tso ɖokuiwò kpakple mia kple Mawu dome ƒomedodo ŋu. Míele mɔ kpɔm vevie be Mawu ƒe Nya me mɔfiamewo akpe ɖe ŋuwò nàkpɔ dzidzɔ vavãtɔ le wò agbagbadzedzewo katã me.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 6 Wodzro Ŋɔŋlɔa ƒe akpa sia me tsitotsito le axa 22 kple 23.

[Nɔnɔmetata si le axa 7]

Agbenɔnɔ ɖe Biblia me gɔmeɖosewo nu dzia dzidzɔkpɔkpɔ ɖe edzi