Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Mɔ Didi aɖe Zɔzɔ Ðe Vi

Mɔ Didi aɖe Zɔzɔ Ðe Vi

Mɔ Didi aɖe Zɔzɔ Ðe Vi

WOKA nya ta tso Democratic Republic of Congo be nyɔnuvi eve siwo nye dzɔɖewonɔewoyome ɖoe be yewoazɔ mɔ didi aɖe ato aʋawɔnuto aɖe me ayi “Mitsɔ Ŋutikɔkɔe Na Mawu” Nutome Gã Takpekpe le Lisala. Hekpe ɖe gbɔgbɔmenufiame si wonɔ mɔ kpɔm be yewoaxɔ le takpekpea me kple Kristotɔwo ƒe hadede si woase vivi na ŋu la, wodi hã be yewoakpɔ Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒe si le Kinshasa la teƒenɔlawo. Dukɔmeviʋa si nɔ edzi yim le dukɔa me wɔe be ƒe geɖe va yi si womegakpɔ amesiwo le alɔdzedɔwɔƒea dometɔ aɖeke kpɔ o, eyata wodi be yewoazã mɔnukpɔkpɔ sia atsɔ akpɔ woe.

Nɔvi eve siawo ɖo tɔdziʋu, alo akro, zɔ mɔ tso wo de, Basankusu, to tɔsisi gã eve dzi yi Lisala, si nye kilometa 300 ƒe mɔzɔzɔ to avewo me. Woƒe mɔzɔzɔa xɔ kwasiɖa etɔ̃. Esi woa kple evea siaa nye ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa wɔlawo, ɖeka le ewɔm ƒe 3 enye esia eye evelia hã le ewɔm ƒe 19 enye esia ta la, wowɔ mɔnukpɔkpɔa ŋudɔ kaka Fiaɖuƒe ŋuti nyanyuia le woƒe mɔzɔzɔa me. Wozã gaƒoƒo 110 tsɔ ɖe gbeƒã na amesiwo wodo goe le mɔa dzi, hena trakt 200 kple magazine 30.

Esi wonɔ tɔa dzi la, ehiã be woaku akroa ato tɔmenyi kple lo siwo bɔ ɖe nutoa me la dome. Womete ŋu zɔ tɔa dzi le zãme o—tɔa dzi menya zɔna ne viviti do o! Woto agbamekaƒe geɖe siwo asrafowo nɔ hã.

Togbɔ be esia nye mɔzɔzɔ didi aɖe si te ɖeɖi ame ŋu hã la, nɔvi siawo kpɔ dzidzɔ be yewote ŋu de. Ŋudzedzekpɔkpɔ kple dzidzɔ yɔ wo fũ be yewode takpekpea le Lisala. Woƒe dziwo yɔ fũ kple dzidzɔ ɖe nyateƒea ŋu, eye nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu 7,000 siwo va takpekpea domenɔnɔ de dzi ƒo na wo ŋutɔ. Esi wowu takpekpea nu la, wogato kuxi mawo ke me trɔ yi aƒe, eye wova kpɔ woƒe ƒometɔwo wole dedie le lãmesẽ nyui me.