Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nya Vevi Siwo Tso Fiawo ƒe Agbalẽ Evelia Me

Nya Vevi Siwo Tso Fiawo ƒe Agbalẽ Evelia Me

Yehowa ƒe Nya la Le Agbe

Nya Vevi Siwo Tso Fiawo ƒe Agbalẽ Evelia Me

BIBLIA ƒe agbalẽ si nye Fiawo ƒe Agbalẽ Evelia la nye Fiawo ƒe Agbalẽ Gbãtɔ me nyawo dzi yiyi. Eƒo nu tso fia 29—Israel si nye dziehefiaɖuƒea ƒe fia 12 kple Yuda si nye anyiehefiaɖuƒea ƒe fia 17—ŋu. Fiawo ƒe Agbalẽ Evelia ƒo nu tso nyagblɔɖila Eliya, Elisa, kple Yesaya ƒe dɔwɔnawo hã ŋu. Togbɔ be megblɔ nudzɔdzɔawo ɖe ɖoɖo si nu wodzɔ ɖo nu pɛpɛpɛ o hã la, eɖe nu me yi ɖaɖo keke Samaria kple Yerusalem tsrɔ̃ɣi ke. Le yi katã me la, Fiawo ƒe Agbalẽ Evelia ƒo nu tso nusiwo dzɔ le ƒe 340 me—tso ƒe 920 D.M.Ŋ. va ɖo ƒe 580 D.M.Ŋ., esime nyagblɔɖila Yeremya wu agbalẽ sia ŋɔŋlɔ nu—ŋu.

Viɖe kae le Fiawo ƒe Agbalẽ Evelia ŋu na mí? Nukae wòfia mí tso Yehowa kple eƒe nuwɔnawo ŋu? Nukawoe míate ŋu asrɔ̃ tso fiawo, nyagblɔɖilawo, kple ame bubu siwo ŋu woƒo nu tsoe le agbalẽa me ƒe nuwɔnawo me? Mina míakpɔ nusi míate ŋu asrɔ̃ tso Fiawo ƒe Agbalẽ Evelia me ɖa.

ELISA XƆ ÐE ELIYA TEƑE

(Fiawo II, 1:1–8:29)

Israel-fia Axazya ge tso eƒe xɔ ta eye wòdze dɔ. Eliya gblɔ nɛ be ele kuku ge. Axazya ku, eye nɔvia Yoram xɔ zia. Le ɣeyiɣi siawo me la, Yosafat ye nɔ fia ɖum le Yuda. Wokɔ Eliya dzoe le ahom me, eye eƒe kpeɖeŋutɔ, Elisa, zu nyagblɔɖila ɖe eteƒe. Le ƒe si ade 60 siwo Elisa tsɔ wɔ eƒe nyagblɔɖidɔae me la, ewɔ nukunu geɖewo.—Kpɔ aɖaka si nye “Elisa ƒe Nukunuwo.”

Esi Moab-fia aɖe dze aglã ɖe Israel ŋu la, Yoram, Yosafat, kple Edom-fia yi ɖakpe aʋa kplii. Yosafat ƒe nuteƒewɔwɔ wɔe be woɖu dzi. Emegbe Aram-fia ɖoe be yeaɖadze Israel dzi le vome. Gake Elisa gblẽ nugbeɖoɖoa me. Dzi ku Aram-fia la eye “wòdɔ sɔwo kple tasiaɖamwo kple aʋakɔ gã aɖe ɖo ɖe afima” be woaɖalé Elisa. (Fiawo II, 6:14) Elisa wɔ nukunu eve hetrɔ Aramtɔawo ɖo ɖe aƒe le ŋutifafa me. Emegbe Aram-fia Ben-Hadad va ɖe to ɖe Samaria. Esia na dɔ to, gake Elisa gblɔe ɖi be dɔwuamea nu ayi.

Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, Elisa yi Damasko. Fia Ben-Hadad, si dze dɔ ɣemaɣi la, dɔ Xazael be wòaɖabia be yele hayahaya ge hã. Elisa gblɔ be fia la aku eye be Xazael aɖu fia ɖe eteƒe. Le ŋufɔke la, Xazael tsɔ “avɔ de tsi me” hetsyɔ mo na fia la, ale be wòku eye wòxɔ zia. (Fiawo II, 8:15) Le Yuda la, Yosafat vi Yoram zu fia, eye via Axazya va ɖu dzi ɖe eyome.—Kpɔ aɖaka si nye “Yuda kple Israel Fiawo.”

Ŋɔŋlɔawo me Biabiawo Ŋuɖoɖo:

2:9—Nukatae Elisa bia ‘Eliya ƒe gbɔgbɔ ƒe akpa eve nu’ ɖo? Be Elisa nate ŋu awɔ eƒe nyagblɔɖidɔa le Israel la, ahiã dzinɔameƒo kple kalẽwɔwɔ ƒe gbɔgbɔ si tututu Eliya ɖe fia la. Esi Elisa kpɔe alea ta la, ebia Eliya ƒe gbɔgbɔa ƒe akpa eve nu. Eliyae tia Elisa be wòaxɔ ɖe ye teƒe eye Elisa nye eƒe kpeɖeŋutɔ ƒe ade sɔŋ, eyata Elisa bua Eliya be enye yeƒe gbɔgbɔmefofo; Elisa nɔ abe Eliya ƒe gbɔgbɔmeŋgɔgbevi ene. (Fiawo I, 19:19-21; Fiawo II, 2:12) Le esia ta la, abe alesi ko ŋgɔgbeviwo xɔa wo fofo ƒe domenyinu ƒe akpa eve ŋutɔŋutɔ ene la, Elisa bia Eliya be wòatsɔ gbɔgbɔmedomenyinu la ƒe akpa eve na ye eye wòxɔe hã.

2:11—Afikae nye “dziƒo” si “Eliya to ahom me yi”? Menye yamenutome si ŋku te ŋu kpɔna ye loo alo gbɔgbɔ me teƒe si Mawu kple eƒe gbɔgbɔmeviwo le lae o. (Mose V, 4:19; Psalmo 11:4; Mateo 6:9; 18:10) “Dziƒo” si Eliya yi la nye dziŋgɔli si míekpɔna la. (Psalmo 78:26; Mateo 6:26) Edze ƒã be dzotasiaɖam siwo to dziŋgɔli me va yi la kɔ Eliya yi ɖada ɖe anyigba ƒe akpa bubu, afisi wòyi edzi nɔ agbe le vaseɖe ɣeaɖeɣi. Le nyateƒe me la, Eliya ŋlɔ lɛta ɖo ɖe Yuda-fia Yoram le ƒe aɖewo megbe.—Kronika II, 21:1, 12-15.

5:15, 16—Nukatae Elisa mexɔ Naeman ƒe nunanawo o? Elisa gbe nunanaawo xɔxɔ elabena enyae be menye yeƒe ŋusẽe yetsɔ da dɔ na Naeman nukutɔe o, ke boŋ Yehowa ƒe ŋusẽe. Susu manɔ eme kura be wòazã ɖoƒe si Mawu dae ɖo la atsɔ adi viɖee o. Tadeagula vavã siwo li egbea metoa Yehowa subɔsubɔ dzi tsɔ dia nuwo na wo ɖokui o. Wowɔna ɖe Yesu ƒe aɖaŋuɖoɖoa dzi be: “Faa miexɔe, faa minae.”—Mateo 10:8.

5:18, 19—Ðe Naeman nɔ tsɔtsɔke biam ɖe subɔsubɔnuwɔna si me wòava kpɔ gome le ta? Anɔ eme be Aram-fia ku amegãɖeɖi hegbɔdzɔ si na wòhiã be wòaziɔ ɖe Naeman ŋu. Ne fia la abɔbɔ ade ta agu na Rimon la, Naeman hã abɔbɔ. Gake le Naeman gome la, nu koe wòanye wòawɔ, kple susua ko be yeakpe ɖe fiaa ŋu wòabɔbɔ ade ta agu, ke menye yee le taa dem agu o. Naeman nɔ Yehowa biam be wòatsɔ ake ye ɖe dudɔ sia wɔwɔ ta. Esi Elisa xɔ Naeman ƒe nyaa dzi se ta la, egblɔ nɛ be: “Heyi le ŋutifafa me!”

Nusɔsrɔ̃ Siwo Le Eme na Mí:

1:13, 14. Nusɔsrɔ̃ tso nusi teƒe ame kpɔ me kple nuwɔwɔ ɖokuibɔbɔtɔe ate ŋu axɔ ame ɖe agbe.

2:2, 4, 6. Togbɔ be Elisa nɔ Eliya ŋu anɔ ƒe ade sɔŋ hã la, egbe be yemagblẽe ɖi o. Kukuɖeameŋu nuteƒewɔwɔtɔe kple xɔlɔ̃wɔwɔ ƒe kpɔɖeŋu nyui kae nye si!—Lododowo 18:24.

2:23, 24. Edze abe susu si ta koŋue wonɔ alɔme ɖem le Elisa ŋue nye be enye tabebetɔ si do Eliya ƒe awu ʋlaya la. Ðeviawo kpɔ Elisa dzesii be enye Yehowa ƒe dɔla eye womedi kura be wòava nutoa me o. Wogblɔ nɛ be ‘wòalia va,’ si fia be wòalia toa ava yi Betel loo alo be woakɔe adzoe abe alesi wokɔ Elisa dzoe ene. Edze ƒã be ɖeviawo ɖe tsitretsiɖeŋu ƒe nɔnɔme si le wo dzilawo si la fia. Aleke wòle vevie be dzilawo nafia wo viwo be woade bubu Mawu teƒenɔlawo ŋu enye si!

3:14, 18, 24. Yehowa ƒe nyawo vaa eme ɣesiaɣi.

3:22. Ɣe si klẽ ŋdi kanyaa la na tsi la dze abe ʋu ene, ɖewohĩ le esi anyi dzẽ ye le ʋe siwo woɖe yeyee la me ta. Yehowa ate ŋu atia be yeazã dzɔdzɔmenuwo atsɔ ana yeƒe tameɖoɖowo nava eme.

4:8-11. Esi Sunem nyɔnu aɖe kpɔe be Elisa nye “Mawu ƒe ame kɔkɔe aɖe” ta la, ewɔ amedzro nɛ. Ðe mele be míawɔ nenema ke na Yehowa subɔla wɔnuteƒewo oa?

5:3. Israel-nyɔnuvi suea xɔe se be Mawu ate ŋu awɔ nukunuwo. Ete ŋu ɖe eƒe dzixɔse hã gblɔ dzinɔameƒotɔe. Mi ɖeviwo la, ɖe miedzea agbagba be miana alesi miexɔ Yehowa ƒe ŋugbedodowo dzi see la me nasẽ ɖe edzi bene miatsɔ dzinɔameƒo agblɔ nyateƒea na miaƒe nufialawo kple sukuhatiwoa?

5:9-19. Ðe Naeman ƒe kpɔɖeŋua meɖee fia be dadala ate ŋu asrɔ̃ ɖokuibɔbɔ oa?—Petro I, 5:5.

5:20-27. Alakpadada metsonu wɔnublanui kawoe nye si! Dzigbagbã kple afɔku si agbe eve nɔnɔ ate ŋu ahe vɛ la ŋu bubu nyuie akpe ɖe mía ŋu be míaƒo asa na agbe ma tɔgbe nɔnɔ.

WOÐE ABOYO ISRAEL KPLE YUDA

(Fiawo II, 9:1–25:30)

Yehu ye wosi ami na tsɔ ɖo fiae le Israel. Megblẽ ɣeyiɣi kura le egbɔkpɔkpɔ be wowɔ nya si wogblɔ ɖi be woatsrɔ̃ Axab ƒe aƒe la dzi o. Yehu tsɔ aɖaŋudzedze “tsrɔ̃ Baal ɖa le Israel.” (Fiawo II, 10:28) Esi Axazya dada, Atalya, nya se be Yehu wu ye viŋutsua ko la, ‘etso, eye wòwu Yuda-fiaƒome blibo la’ hexɔ zia akpasesẽtɔe. (Fiawo II, 11:1) Axazya viŋutsu, Yoas, si nye vidzĩ la koe tsi agbe eye le ƒe ade si wotsɔe ɣla megbe la, woɖoe fiae le Yuda. Le nu siwo nunɔla Yehoyada fiae ta la, Yoas yi edzi wɔ nusi nyo le Yehowa ŋkume.

Le Yehu megbe la, fia siwo katã ɖu Israel dzi la wɔ nusi nye vɔ̃ le Yehowa ŋkume. Elisa tsi kakaka va ku le Yehu ƒe tɔgbuiyɔvi ƒe dziɖuɣi. Yuda-fia enelia si ɖu dzi ɖe Yoas yomee nye Axaz, eye ‘mewɔ nusi dze Yehowa ŋu o.’ (Fiawo II, 16:2) Gake via Xizkiya ya va zu fia si ‘ku ɖe Yehowa ŋu.’ (Fiawo II, 17:20; 18:6) Le ƒe 740 D.M.Ŋ. me, esime Xizkiya nye Yuda-fia eye Hosea nɔ Israel dzi ɖum la, Asur-fia Salmanaser ‘xɔ Samaria eye wòɖe aboyo Israel yi Asur.’ (Fiawo II, 17:6) Esia wɔe be amedzrowo va nɔ Israel-nyigba dzi heɖo Samariatɔwo ƒe subɔsubɔ anyi.

Le fia adre siwo ɖu dzi ɖe Xizkiya yome le Yuda dome la, Yosiya koe wɔ nu tsɔ ɖe alakpasubɔsubɔ ɖa le dukɔa me keŋkeŋ. Mlɔeba, le ƒe 607 D.M.Ŋ. me la, Babilontɔwo xɔ Yerusalem eye ‘woɖe Yuda aboyoe tso eƒe anyigba dzi.’—Fiawo II, 25:21.

Ŋɔŋlɔawo me Biabiawo Ŋuɖoɖo:

13:20, 21—Ðe nukunu sia da asi ɖe ame kɔkɔe siwo ku la ƒe ƒuwo alo wo ŋuti nuzazãwo subɔsubɔ dzia? Ao, meda asi ɖe edzi o. Biblia megblɔ kpɔ be wosubɔ Elisa ƒe ƒuwo o. Mawu ƒe ŋusẽe wɔ nukunu sia, abe alesi ko wònɔ le nukunu siwo katã Elisa wɔ esime wònɔ agbe la gome ene.

15:1-6—Nukatae Yehowa na Azarya (si wogayɔ be Uziya) dze anyi ɖo? “Esi ŋusẽ ɖo [Uziya ŋu] la, ede asi dàda me . . . ; meɖi anukware na Yehowa, eƒe Mawu la o, eye wòge ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ la me hedo dzudzɔ le dzudzɔdovɔsamlekpui la dzi.” Esi nunɔlawo ‘tsi tre ɖe Uziya ŋu’ hegblɔ nɛ be ‘wòado go le kɔkɔeƒe la,’ edo dɔmedzoe ɖe nunɔlawo ŋu eye wòdze anyi.—Kronika II, 26:16-20.

18:19-21, 25Ðe Xizkiya bla nu kple Egiptea? Ao. Aʋatsoe Rabsake ka ɖe esi, abe alesi ko wòka aʋatso be ‘Yehowae dɔ ye ɖa’ ene. Nuteƒewɔla Fia Xizkiya ɖo ŋu ɖe Yehowa ɖeɖeko ŋu.

Nusɔsrɔ̃ Siwo Le Eme na Mí:

9:7, 26. To si wohe na Axab ƒe aƒea vevie la ɖee fia be alakpasubɔsubɔ kple ame maɖifɔwo ƒe ʋukɔkɔɖi nyɔa ŋu na Yehowa.

9:20. Moveviɖoɖo si wonya be Yehu tsɔ doa tasiaɖam la ɖe dzonɔameme si wòtsɔ wɔ eƒe dɔdasiae fia. Ðe wonya wò hã be enye Fiaɖuƒegbeƒãɖela dovevienua?—Timoteo II, 4:2.

9:36, 37; 10:17; 13:18, 19, 25; 14:25; 19:20, 32-36; 20:16, 17; 24:13. Míate ŋu aka ɖe edzi be ‘nya si do tso Yehowa ƒe nu me la vaa eme godoo.’—Yesaya 55:10, 11.

10:15. Abe alesi ko Yonadab tsɔ dzi blibo wɔ ɖe Yehu ƒe amekpekpea dzi be wòaɖo tasiaɖam kpli ye ene la, “ameha gã” la lɔ̃ faa le kpekpem ɖe Yesu Kristo, si nye Yehu si li egbea, kple eyomedzela amesiaminawo ŋu.—Nyaɖeɖefia 7:9.

10:30, 31. Togbɔ be vodadawo megbe Yehu ƒe nuwɔnawo me nɔnɔ o hã la, Yehowa kpɔ ŋudzedze ɖe nusiwo katã wòwɔ la ŋu. Le nyateƒe me la, ‘Mawu menye madzɔmadzɔtɔ be, wòaŋlɔ míaƒe dɔwɔwɔ be o.’—Hebritɔwo 6:10.

13:14-19. Esi wònye Yehu ƒe tɔgbuiyɔvi Yoas medo vevie nu o eye wòtsɔ aŋutrɔwo ƒo anyi zi etɔ̃ pɛ ko ta la, mete ŋu ɖu Aramtɔwo dzi keŋkeŋ o. Yehowa kpɔa mɔ be míatsɔ dzi blibo kple dzonɔameme awɔ dɔ si yede mía si lae.

20:2-6. Yehowae nye ‘Gbedodoɖasela.’—Psalmo 65:2.

24:3, 4. Le ʋufɔ si Manase ɖi ta la, Yehowa “mebe, yeatsɔ ake” Yuda o. Mawu dea bubu ame maɖifɔwo ƒe ʋu ŋu. Míate ŋu aka ɖe edzi be Yehowa abia hlɔ̃ ɖe ame maɖifɔ ƒe ʋu ta to amesiwo kɔe ɖi la tsɔtsrɔ̃ me.—Psalmo 37:9-11; 145:20.

Exɔ Asi na Mí

Fiawo ƒe Agbalẽ Evelia ɖe Yehowa fia be enye ŋugbedodowo Dziwɔla. Fiaɖuƒe eveawo, Israel gbã eye emegbe Yuda, me tɔwo ƒe aboyo me yiyi na míeɖo ŋku alesi tohehe si ƒe nya wogblɔ ɖi le Mose V, 28:15–29:28 la va emee dzi nyuie. Fiawo ƒe Agbalẽ Evelia ɖɔ Elisa be enye nyagblɔɖila si tsɔa dzo ɖe Yehowa ƒe ŋkɔ kple eƒe tadedeagu vavãtɔ ŋu vevie. Eɖe Xizkiya kple Yosiya fia be wonye fia ɖokuibɔbɔla siwo de bubu Yehowa ƒe Sea ŋu.

Esi míede ŋugble le fiawo, nyagblɔɖilawo, kple bubuawo ƒe nɔnɔme kple nuwɔna siwo ƒe nya wogblɔ le Fiawo ƒe Agbalẽ Evelia me ŋu la, ɖe míesrɔ̃ nu veviwo tso nusiwo ŋu míadze agbagba le kple esiwo míaƒo asa na ŋu oa? (Romatɔwo 15:4; Korintotɔwo I, 10:11) Ẽ, “Mawu ƒe nya la le agbe, eye wòsẽa ŋu.”—Hebritɔwo 4:12.

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 10]

ELISA ƑE NUKUNUWO

1. Ena Yordan me tsi la mã ɖe akpa eve.—Fiawo II, 2:14

2. Ena Yerixo ƒe tsi manyomanyo la trɔ zu tsi nyui.—Fiawo II, 2:19-22

3. Ena sisiblisiwo vuvu ɖevi mabuamewo.—Fiawo II, 2:23, 24

4. Ena tsi asrafowo.—Fiawo II, 3:16-26

5. Ena ahosi aɖe xɔ ami si woɖuna.—Fiawo II, 4:1-7

6. Ena Sunem-nyɔnu konɔ aɖe fɔ fu.—Fiawo II, 4:8-17

7. Efɔ ɖevi aɖe ɖe tsitre tso ame kukuwo dome.—Fiawo II, 4:18-37

8. Eɖe aɖi le detsi aɖe me si na wote ŋu ɖui.—Fiawo II, 4:38-41

9. Etsɔ abolo 20 nyi ame 100.—Fiawo II, 4:42-44

10. Eda Naeman ƒe anyidɔa nɛ.—Fiawo II, 5:1-14

11. Ena Gexazi xɔ Naeman ƒe anyidɔa.—Fiawo II, 5:24-27

12. Ena fía aɖe ho ɖe tsi dzi.—Fiawo II, 6:5-7

13. Ena subɔla aɖe kpɔ tasiaɖam siwo dzi mawudɔlawo le.—Fiawo II, 6:15-17

14. Ena Aram-ʋakɔa ƒe ŋku gbã.—Fiawo II, 6:18

15. Ena Aram-ʋakɔa ƒe ŋku gaʋu.—Fiawo II 6:19-23

16. Ena ame kuku aɖe gbɔ agbe.—Fiawo II, 13:20, 21

[Chart/Pictures on page 12]

YUDA KPLE ISRAEL FIAWO

Saul/Dawid/Salomo: 1117/1077/1037 D.M.Ŋ. *

YUDA FIAÐUƑEAƑE DATE (D.M.Ŋ.) ISRAEL FIAÐUƑEA

Rexabeam ․ 997 ․ Yerobeam

Abiya/Asa ․ 980/978 ․

․ 976/975/952 ․ Nadab/Baesa/Ela

․ 951/951/951 ․ Zimri/Omri/Tibni

․ 940 ․ Axab

Yosafat ․ 937 ․

․ 920/917 ․ Axazya/Yoram

Yoram ․ 913 ․

Axazya ․ 906 ․

(Atalya) ․ 905 ․ Yehu

Yoas ․ 898 ․

․ 876/859 ․ Yoaxaz/Yoas

Amazya ․ 858 ․

․ 844 ․ Yerobeam II

Azarya (Uziya) ․ 829 ․

․ 803/791/791 ․ Zaxarya/Salum/Menaxem

․ 780/778 ․ Pekaxya/Pekax

Yotam/Axaz ․ 777/762 ․

․ 758 ․ Hosea

Xizkiya ․ 746 ․

․ 740 ․ Woɖe aboyo Samaria

Manase/Amon/Yosiya ․ 716/661/659 ․

Yoaxaz/Yoyakim ․ 628/628 ․

Yoyaxin/Zedekiya ․ 618/617 ․

Wotsrɔ̃ Yerusalem ․ 607 ․

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 66 Ƒe aɖewo nye esiwo me woanya dze dziɖuɖu gɔme.

[Nɔnɔmetata si le axa 8, 9]

Naeman bɔbɔ eɖokui eye woda dɔ nɛ le Yehowa ƒe ŋusẽ me

[Nɔnɔmetata si le axa 8, 9]

Nukae dzɔ ɖe Eliya dzi esime ‘wòto ahom me yi’?