Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Ðe Zefanya 2:3 me nyagbɔgblɔ si nye “ame aɖe menya nu o” fia be Mawu subɔlawo mate ŋu aka ɖe edzi be yewoakpɔ agbe mavɔ oa?

Mawunyakpukpui sia xlẽ be: “Midi Yehowa, mi amesiwo katã bɔbɔ mia ɖokui ɖe anyi le anyigba dzi, midi dzɔdzɔenyenye, eye midi ɖokuibɔbɔ yome mɔ, ame aɖe menya nu o woatsɔ mi aɣla le Yehowa ƒe dzikudogbe la hĩ.” Nukatae kpukpui sia gblɔ be “ame aɖe menya nu o” ɖo?

Be míase alesi Yehowa awɔ nui ɖe esubɔla wɔnuteƒewo ŋu le Harmagedon me gɔme la, anyo be míaɖo ŋku nusi Biblia fia ku ɖe nusi Mawu awɔ na amesiwo ku do ŋgɔ na ʋɔnudrɔ̃gbea ŋu dzi. Woafɔ wo dometɔ aɖewo ɖe tsitre woanye gbɔgbɔmenuwɔwɔ makumakuwo le dziƒo, eye woafɔ bubuwo ɖe tsitre ava anyigba dzi bene woava nɔ agbe tegbee le Paradiso me. (Yohanes 5:28, 29; Korintotɔwo I, 15:53, 54) Ne Yehowa aɖo ŋku esubɔla nuteƒewɔla siwo ku do ŋgɔ na Harmagedon dzi ahaɖo eteƒe na wo la, ekema awɔ nu ɖe esubɔla siwo le agbe le eƒe dzikudogbea dzi hã ŋu le mɔ ma ƒomevi ke nu godoo.

Apostolo Petro ƒe nya siwo tso gbɔgbɔ me hã faa akɔ na ame. Eŋlɔ be: ‘Negbe Noa, dzɔdzɔenyenye ƒe gbeƒãɖela la, hekpe ɖe ame adre bubuawo ŋu ko Mawu dzra ɖo, esime wòhe tɔɖɔɖɔ va ame mavɔ̃mawuwo ƒe xexeme dzi; eye wòna Sodom kple Gomora ƒe duwo zu afi, eye wòbu fɔ wo, eye wòɖe Lot dzɔdzɔetɔ la. Yehowa nya alesi wòaɖe mawumemewo atso tetekpɔwo me, eye wòadzra ame madzɔmadzɔwo ɖo hena ʋɔnudrɔ̃gbe, bene woatu fe vɔ̃ na wo.’ (Petro II, 2:5-9) Togbɔ be Yehowa tsrɔ̃ ame vɔ̃ɖiwo le blema hã la, ekpɔ Noa kple Lot, siwo subɔe nuteƒewɔwɔtɔe la, ta. Yehowa agakpɔ mawumemewo ta ne ele ame vɔ̃ɖiwo tsrɔ̃m le Harmagedon me. Ame dzɔdzɔewo ƒe “ameha gã” aɖe atsi agbe.—Nyaɖeɖefia 7:9, 14.

Eyata, edze abe menye esi kakaɖedzi meli tututu be Mawu ate ŋu akpɔ amesiwo ƒe nu dze eŋu la ta o tae wozã “ame aɖe menya nu o” le Zefanya 2:3 me ɖo o. Ke boŋ ne ame dze dzɔdzɔenyenye kple ɖokuibɔbɔ yome mɔ didi gɔme koe wòadzɔ be woate ŋu atsɔe aɣla le Yehowa ƒe dzikudogbea. Agbetsitsi anɔ te ɖe amea ƒe ɖokuibɔbɔ kple dzɔdzɔenyenye didi ɖaa dzi.—Zefanya 2:3.

[Nɔnɔmetata si le axa 31]

“Yehowa nya alesi wòaɖe mawumemewo atso tetekpɔwo me”