Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Yehowa Ðoa Eteƒe Na Amesiwo Wɔa Eƒe Sewo Dzi La Geɖe Ŋutɔ

Yehowa Ðoa Eteƒe Na Amesiwo Wɔa Eƒe Sewo Dzi La Geɖe Ŋutɔ

Agbemeŋutinya

Yehowa Ðoa Eteƒe Na Amesiwo Wɔa Eƒe Sewo Dzi La Geɖe Ŋutɔ

ABE ALESI ROMUALD STAWSKI GBLƆE ENE

Esi Xexemeʋa evelia dzɔ le September 1939 me la, enu sẽ le dziehe Poland nutoa me. Esi menye ŋutsuvi si xɔ ƒe asieke si kea ŋku ɖe nu me ta la, meyi ɖe aʋagbedzi si te ɖe mía ŋu be maɖakpɔ nu. Nusiwo mekpɔ dziŋɔ ŋutɔ—ame kukuwo kaka ɖe anyigba, eye dzudzɔ si naa gbɔgbɔtsixe tsia ame ƒo la xɔ yame kɔtɔɔ. Togbɔ be menɔ alesi mawɔ aɖo aƒeme dedie ŋu bum vevie hã la, nyabiase aɖewo va susu me nam: “Nukatae Mawu ɖea mɔ nu dziŋɔ siawo dzɔna ɖo? Amekawo dzi demee wòle?”

ESI AƲAA te keke la, wonɔ ɖekakpuiwo dzi zim be woazu Germany dziɖuɖua ƒe asrafowo. Wodea ka ve na amesiame si katse gbe be yemanye asrafo o la ɖe ati aɖe ŋu loo alo tɔdzisasrã aɖe ŋu eye woŋlɔna ɖe eƒe akɔta be “yomemɔfiala” alo “nudomegblẽla.” Míade, Gdynia, nɔ aʋalɔgo eveawo ƒe titina. Esi mía kple tsɛnye, Henryk, míeyi tɔme le dua ƒe gbɔto la, tukpewo kple bɔmbwo nɔ mía tame tom, eye tsɛnye ya tsi eme. Le nɔnɔme dziŋɔ siawo ta la, danye kplɔ mí ɖevi eneawo yi ɖaɣla ɖe xɔtexɔ aɖe me be míanɔ dedie. Esi míenɔ afima la, vemexexedɔ (diphtheria) wu tsɛnye, Eugeniusz, si xɔ ƒe eve la.

Megabia ɖokuinye ake be: “Afikae Mawu le? Nukatae wòɖea mɔ ɖe fukpekpe siawo katã ŋu ɖo?” Togbɔ be Katolikotɔ veviedonula si dena sɔleme edziedzie menye hã la, nyemekpɔ ŋuɖoɖoawo o.

Mexɔ Biblia me Nyateƒea

Nye nyabiaseawo ŋuɖoɖo tso afisi nyemebu o va. Aʋaa ke le ƒe 1945 me, eye le ƒe 1947 ƒe gɔmedzedze la, Yehowa Ðasefo aɖe va míaƒe aƒeme le Gdynia. Danye ƒo nu kple Ðasefoa, eye mese nya siwo wògblɔ la dometɔ aɖewo. Ewɔ na mí be susu nɔ nya siwo wogblɔ na mí me, eyata míeyi Kristotɔwo ƒe kpekpe aɖe si wòkpe mí na la. Le ɣleti ɖeka pɛ megbe la, togbɔ be nyemenya Biblia me nyateƒeawo nyuie o hã, mekpe ɖe Ðasefo siwo le míaƒe nutoa me ƒe ƒuƒoƒo aɖe ŋu yi ɖaɖe gbeƒã tso xexeme nyui aɖe, si me aʋawɔwɔ kple ŋutasẽnuwɔwɔwo manɔ o, ŋu na amewo. Esia na mekpɔ dzidzɔ ale gbegbe.

Le September 1947 me la, mexɔ nyɔnyrɔ le nutome sue takpekpe aɖe me le Sopot. Medze gbesiagbe mɔɖeɖedɔa wɔwɔ gɔme le ƒe si kplɔe ɖo ƒe May me, henɔ nye ɣeyiɣiwo ƒe akpa gãtɔ zãm tsɔ nɔ gbeƒã ɖem Biblia me gbedasia na amewo. Subɔsubɔhaŋgɔnɔla siwo nɔ nutoa me tsi tre ɖe míaƒe dɔa ŋu vevie eye woƒoe ɖe amewo nu be woawɔ ŋutasẽnuwo ɖe mía ŋu. Ɣeaɖeɣi la, nuvlowɔha aɖe dze mía dzi, ƒu kpewo mí, heƒo mí vevie ŋutɔ. Ɣebubuɣi la, nyɔnu saɖagaxɔmenɔlawo kple subɔsubɔhakplɔlawo ƒoe ɖe ameha aɖe nu be woava dze mía dzi. Míesi kpovitɔwo tso, gake nuvlowɔha la va ɖe to ɖe xɔa henɔ kakam be yewoaƒo mí. Mlɔeba la, kpovitɔwo ƒe hatsotso aɖe tso teƒe bubu va, eye wokplɔ mí dzoe le wo gbɔ.

Ɣemaɣi la, hame aɖeke menɔ míaƒe anyigbamamaa me o. Ɣeaɖewoɣi la, míetsia ave me dɔna ŋu kena. Dzi dzɔ mí be míete ŋu yi gbeƒãɖeɖedɔa dzi togbɔ be nɔnɔmeawo mede ame dzi o hã. Egbea, hame likewoe le nuto ma me.

Subɔsubɔ le Betel kple Mía Léle

Le ƒe 1949 me la, womia asim be mava wɔ dɔ le Betel, le Łódź. Mɔnukpɔkpɔ ka gbegbee nye si wònye be masubɔ le afima! Nublanuitɔe la, nyemenɔ afima wòdidi kura o. Le June 1950 me, si nye ɣleti ɖeka do ŋgɔ na dziɖuɖua ƒe mɔxexe ɖe míaƒe dɔa nu la, wova lé mía kple nɔvi bubuwo le Betel. Wokplɔm yi ɖade mɔ̃, eye abe alesi wòva yii ene la, mava dze ŋgɔ gbebiame nuwɔna vloe aɖe.

Esi wònye fofonye wɔa dɔ le meli aɖe si yia New York edziedzi me ta la, kpovitɔ siwo nɔ gbe biam la dze agbagba be yewoana magblɔ be ŋkutsalae wònye na United States dukɔa. Womekpɔ nublanui aɖeke kura nam le gbea biabiam me o. Hekpe ɖe eŋu la, kpovitɔ ene dze agbagba le ɣeyiɣi ɖeka me be yewoana mada alakpawo ɖe nɔviŋutsu Wilhelm Scheider, si nɔ dɔa dzi kpɔm ɣemaɣi le Poland, la si. Wotsɔ ati titriwo nɔ nye afɔkpodzi ƒomee. Esi metsi anyigba eye ʋu nɔ ɖuɖum le ŋunye hesusu be dzi meganye le dodoge nam o la, medo ɣli gblɔ be, “Yehowa xɔ nam!” Ewɔ moyaa na amesiwo nɔ fua wɔmem eye wodzudzɔ nye ƒoƒo. Le miniti ʋɛ aɖewo megbe la, wodɔ alɔ̃. Mekpɔ gbɔdzɔe eye ŋusẽ gaɖo ŋunye. Esia na meka ɖe edzi be Yehowa xɔna na esubɔla ɖeadzɔgbewo lɔlɔ̃tɔe ne wodo ɣli bia kpekpeɖeŋu tso egbɔ. Esia do ŋusẽ nye xɔse eye wòfiam be maɖo dzi ɖe Mawu ŋu bliboe.

Le numekukua ŋuti nyatakaka mamlea me la, wokpa alakpanya siwo wobe nyee gblɔ wo la ŋlɔ ɖe eme. Esi megblɔ be mele eme o la, kpovitɔ ɖeka gblɔ nam be, “Àɖe ɖokuiwo nu le ʋɔnu!” Hati gaxɔmenɔla ameŋubula aɖe gblɔ nam be magatsi dzi o, elabena kpovitɔwo ƒe ʋɔnudrɔ̃la aɖe le nyatakakaa me to ge kplim, si ana mɔnukpɔkpɔm be magbe aʋatso nutsotso la. Nenema tututue wòva yii.

Nutome Sue Dzikpɔkpɔdɔa kple Mɔ̃ Yiyi Ake

Woɖe asi le ŋunye le January 1951 me. Le ɣleti ɖeka megbe la, medze dzikpɔla mɔzɔla dɔa wɔwɔ gɔme. Togbɔ be woxe mɔ ɖe dɔa nu hã la, mewɔ dɔ kple nɔviwo tsɔ do ŋusẽ hameawo eye míekpe ɖe hati Ðasefowo siwo ƒo dzi ɖe le, le kpovitɔwo ƒe nuwɔnawo ta, la ŋu. Míede dzi ƒo na nɔviawo be woayi subɔsubɔdɔa dzi. Le ƒe aɖewo megbe la, nɔvi siawo tsɔ dzideƒo kpe asi ɖe dzikpɔla mɔzɔlawo ŋu eye wowɔ Biblia-srɔ̃gbalẽwo tata kple emama dɔa le adzame.

Esi metso Kristotɔwo ƒe kpekpe aɖe gbɔna gbeɖeka le April 1951 me la, kpovitɔ aɖewo siwo nɔ nye ɖiam vevie la lém le ablɔ dzi. Esi megbe woƒe nyawo ŋuɖoɖo ta la, wokplɔm yi ɖade mɔ̃ le Bydgoszcz eye wote gbe biabiam le zã ma me ke. Woɖe gbe nam be matsi tre ɖe gli ŋu zã kple keli ŋkeke ade, numaɖumaɖui, tsimanomanoe, le xɔ aɖe si me kpovitɔwo ƒe sigaret dzudzɔ yɔ taŋtaŋ la me. Woƒom kple kpo eye wotsɔ sigaretwo nɔ meyem. Esi meku ƒe nyi la, wokɔ tsi ɖe dzinye eye wogadze gbe biabiam gɔme. Meɖe kuku na Yehowa be wòado ŋusẽm ne mado dzi, eye wòkpe ɖe ŋunye hã.

Mɔ̃menɔnɔ le Bydgoszcz ɖe vi aɖewo. Mete ŋu gblɔ Biblia me nyateƒea na amesiwo ŋu womate ŋu ake ɖo bɔbɔe o la le gaxɔa me. Eye le nyateƒe me la, ɖaseɖiɖi ƒe mɔnukpɔkpɔ geɖe nɔ ʋuʋu ɖi. Le blanuiléle ƒe nɔnɔme si me gamenɔlawo le, si naa mɔkpɔkpɔ buna ɖe wo zi geɖe ta la, wokea to kple dzi ɖe nyanyuia sese ŋu.

Tɔtrɔ Vevi Eve

Esi woɖe asi le ŋunye le ƒe 1952 me teti la, medo go Nela, si nye nɔvinyɔnu mɔɖela veviedola aɖe. Enɔ mɔɖeɖedɔa wɔm le Poland ƒe anyiehe. Emegbe eva wɔ dɔ le “abolomeƒe,” si nye ɣaɣlaƒe si míetaa míaƒe agbalẽwo le. Esia nye dɔ sesẽ aɖe si hiã ŋudzɔnɔnɔ kple ɖokuitsɔtsɔna. Míeɖe mía nɔewo le ƒe 1954 me, eye míeyi ɣeyiɣiwo katã ƒe subɔsubɔdɔa dzi vaseɖe esime míedzi mía vinyɔnu, Lidia. Emegbe míetso nya me be hafi mate ŋu ayi edzi awɔ nutome sue dzikpɔla ƒe dɔ la, Nela atɔ te ɣeyiɣiwo katã ƒe subɔsubɔdɔa, ne wòanɔ aƒeme akpɔ mía vinyɔnuvia dzi.

Le ƒe ma ke me la, nyametsotso vevi bubu wɔwɔ dze ŋgɔ mí. Ne woma Poland ɖe akpa etɔ̃ la, wobia tso asinye be manye nutome gã dzikpɔla le eƒe akpa ɖeka me. Míede ŋugble tso nyaa ŋu gbedodoɖatɔe. Menya alesi wòle vevie be woado ŋusẽ nɔviawo le mɔxeɖenua ta. Wohiã na dzideƒo le gbɔgbɔ me elabena wolé wo dometɔ geɖe. Le Nela ƒe kpekpeɖeŋu me la, mexɔ dɔdasia. Yehowa kpe ɖe ŋunye mewɔ dɔ sia ƒe 38 sɔŋ.

“Abolomeƒeawo” Dzikpɔkpɔ

Le ŋkeke mawo me la, nutome gã dzikpɔla lae kpɔa “abolomeƒe” siwo le eƒe anyigbamama me dzi. Kpovitɔwo nɔ mía ɖiam ɣesiaɣi, henɔ agbagba dzem be yewoanya afisi míenɔ agbalẽawo tam le ne woatɔ tee. Ɣeaɖewoɣi la, wova kena ɖe ɖewo ŋu, gake gbɔgbɔmenu siwo hiã la metsi mía ŋu kpɔ gbeɖe o. Eɖe dzesi ƒaa be Yehowa nɔ be lém na mí.

Hafi woamia asi ame aɖe be wòava wɔ agbalẽtatadɔ sesẽ sia si me afɔku le la, ele be amea nanye nuteƒewɔla, ŋudzɔnɔla, amesi tsɔa eɖokui saa vɔe, kple toɖola. Nɔnɔme siawoe ana be “abolomeƒe” aɖe nanɔ dɔ dzi dedie. Ɣaɣlaƒe si sɔ hena agbalẽwo tata le adzame hã kpɔkpɔ nye kuxi bubu. Teƒe aɖewo dzena abe afisi ade ame dzi ene, gake nɔvi siwo wɔa dɔ le afima la medzea aɖaŋu tutu o. Le teƒe bubuwo la, teƒeawo ƒe nɔnɔmewo medea ame dzi o gake nɔviawo nyea ŋuɖɔɖolawo. Nɔviawo lɔ̃ faa be woatsɔ yewo ɖokui asa vɔe wu alesi dze gɔ̃ hã. Mekpɔ ŋudzedze ɖe nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu siwo katã mɔnukpɔkpɔ su asinye mewɔ dɔ kpli wo la ŋu ale gbegbe.

Nyanyuia Taʋiʋli

Le ɣeyiɣi sesẽ mawo me la, wonɔ mía nu tsom edziedzi be míele nu manɔsenu siwo gbãa du la wɔm eye wokplɔa mí yia ʋɔnui. Esia sesẽ ŋutɔ elabena senyala siwo aʋli mía ta menɔ mía si o. Senyala aɖewo se veve ɖe mía nu ya, gake akpa gãtɔ nɔ vɔvɔ̃m le alesi nya siawo de due ta eye womedi be yewoawɔ nu wòado dziku na dziɖuɖumegãwo o. Ke hã, Yehowa nya míaƒe hiahiãwo, eye wòtrɔ asi le nɔnɔmeawo ŋu alesi dze le eƒe ɣeyiɣiɖoɖi dzi.

Esime wonɔ gbe biam Alojzy Prostak, si nye dzikpɔla mɔzɔla tso Kraków la, wowɔ funyafunyae ale gbegbe be eva hiã be woakɔe ayi ɖe kɔdzi si le gakpɔa me. Eƒe tenɔnɔ sesĩe le susu me kple ŋutilã me le funyafunyawɔame sia me na be gaxɔmenɔla bubu siwo nɔ kɔa dzi la de bubu eŋu eye wokafui. Wo dometɔ ɖeka si dzi nɔviŋutsu Prostak ƒe dzideƒo wɔ dɔ ɖo vevie la nye senyala aɖe si ŋkɔe nye Witold Lis-Olszewski. Eɖo dze kple nɔviŋutsua zi geɖe hedo ŋugbe be, “Ne wonya ɖe asi le ŋunye heɖe mɔ nam be madze dɔwɔwɔ gɔme ko la, malɔ̃ be maʋli Yehowa Ðasefowo ta godoo.” Menye fefenya gblɔmee wònɔ o.

Senyalawo ƒe habɔbɔ aɖe nɔ aƒetɔ Olszewski ŋutɔ si, siwo ƒe ɖokuitsɔtsɔɖoanyi dze ame ŋu vavã. Esi tsitretsiɖeŋua ɖo eƒe sesẽaƒe la, woʋli nɔviwo ta le ʋɔnudrɔ̃nya si ade 30 me ɣleti ɖesiaɖe—ɖeka gbeɖeka! Esi wòhiã be Aƒetɔ Olszewski nanya nu tso nyaawo ŋu nyuie ta la, wobia tso asinye be manɔ nuwo me ɖem nɛ. Mewɔ dɔ kpli ƒe adrẽ sɔŋ le ƒe 1960-awo kple ƒe 1970-awo me.

Mesrɔ̃ nu geɖe tso ʋɔnudrɔ̃nyawo ŋu le ɣeyiɣi mawo me. Zi geɖe la, mekpɔa nya geɖewo dɔdrɔ̃ teƒe, sena senyalawo ƒe nyawo—esiwo le eme kple esiwo mele eme o—kpɔa alesi woʋlia ame tae le se nu, hesea haxɔsetɔ siwo ŋu wotsɔ nya ɖo ƒe ɖokuinuɖenyawo. Esiawo katã va ɖe vi ŋutɔ le kpekpe ɖe mía nɔviwo, vevietɔ wo dometɔ siwo si wobiana tso be woava ɖe wo ɖokuiwo nu la, ŋu be woanya nya si woagblɔ kple ɣeyiɣi si woazi kpi le ʋɔnu la.

Le nya drɔ̃ɣiwo la, aƒetɔ Olszewski tsia Yehowa Ðasefowo ƒe aƒewo me dɔna. Menye esi ga mele esi wòaɖadze amedzrodzeƒe tae o, ke boŋ abe alesi wògblɔ kpɔ ene la, “Hafi ʋɔnua naɖi anyi la, medi be tamesusu si le mia si ƒe ɖe nasu asinye.” Le eƒe kpekpeɖeŋu me la, míeɖu dzi le ʋɔnudrɔ̃nya geɖe me. Eʋli tanye zi geɖe, gake mexɔ ga aɖeke hã le asinye o. Ɣeaɖeɣi la, egbe be yemaxɔ naneke ɖe ʋɔnudrɔ̃nya 30 siwo me wòʋli mía ta le la ta o. Nukatae? Egblɔ be, “Medi be mado alɔ miaƒe dɔa le mɔ suetɔ kekeake nu.” Eye menye ga vie wònye hafi o. Dziɖuɖumegãwo de dzesi dɔ si wɔm Aƒetɔ Olszewski kple ehatiwo nɔ, ke hã ema meɖe dzi le eƒo be wòadzudzɔ kpekpe ɖe mía ŋu o.

Nyemate ŋu aɖɔ ɖase nyui si nɔviawo ɖi le ʋɔnudrɔ̃ɣi mawo me wòade edeƒe o. Wo dometɔ geɖe vana ʋɔnudrɔ̃ƒea bene yewoava kpɔ alesi wole nyawo drɔ̃mee eye be yewoade dzi ƒo na nɔvi siwo nu wotso la. Le ɣeyiɣi si me ʋɔnudrɔ̃nyawo sɔ gbɔ ŋutɔ la, amesiwo va de dzi ƒo na wo nɔviwo le ƒe ɖeka me la ade 30,000. Ðasefowo ƒe ameha gã aɖee nye ma nyateƒe!

Mexɔ Dɔdasi Yeye

Woɖe mɔxenua ɖa le míaƒe dɔa dzi le ƒe 1989 me. Ƒe etɔ̃ megbe la, wotu alɔdzedɔwɔƒe yeye heʋu enu. Womia asim be mava wɔ dɔ kple Atikewɔwɔ Ŋuti Nyatakakanalawo, eye meyi kple dzidzɔ. Míenɔ ame etɔ̃ eye míekpe ɖe mía nɔvi siwo dze ŋgɔ ʋudonyawo ŋu be woʋli woƒe nyametsotso si wonɔ te ɖe woƒe Kristotɔwo ƒe dzitsinya dzi wɔ la ta.—Dɔwɔwɔwo 15:29.

Mía kple srɔ̃nye míeda akpe ɖe mɔnukpɔkpɔ si su mía si be míasubɔ Yehowa le dutoƒosubɔsubɔdɔa wɔwɔ me la ta. Nela do alɔm hede dzi ƒo nam ɣesiaɣi. Medaa akpe nɛ ɖaa be le ɣeyiɣi siwo katã me menɔ teokrasidɔwo wɔm vevie le, alo wodem mɔ̃ la, mefa konyi tso nye aƒeme manɔmanɔ ŋu gbeɖe o. Le esi teƒe be dzi naɖe le eƒo le ɣeyiɣi sesẽwo me la, eya boŋ faa akɔ na amewo.

Le kpɔɖeŋu me, le ƒe 1974 me la, wolé mía kple dzikpɔla mɔzɔla aɖewo. Nɔvi siwo see la di be yewoaɖa gblɔe na srɔ̃nye aɖaŋudzedzetɔe. Esi wokpɔe la, wobiae be, “Nɔvinyɔnu Nela, dzigbãnya gã aɖe le mía si na wò, àte ŋuia?” Gbã la dzidzi ƒoe, le esi wòbui be meku ta. Esi wogblɔ nusi dzɔ ŋutɔŋutɔ nɛ la, egbɔ fuu hegblɔ be: “Oo ele agbe! Menye esiae nye zi gbãtɔ wòyi mɔ̃ o ɖe.” Nɔviawo gblɔ nam emegbe be dzideƒo si nɔ esi la wɔ dɔ ɖe yewo dzi ale gbegbe.

Togbɔ be míeto nɔnɔme sesẽ aɖewo me va yi hã la, Yehowa ɖo eteƒe na mí ɣesiaɣi le esi míeyi edzi wɔ eƒe sewo dzi ta. Aleke gbegbe wòdzɔa dzi na mí enye si be mía vinyɔnu Lidia kple srɔ̃a, Alfred DeRusha, zu atsu kple asi Kristotɔ siwo ɖoa kpɔɖeŋu nyui. Wohe wo vi ŋutsu siwo nye Christopher kple Jonathan be wova ɖe adzɔgbe na Mawu, si na be míaƒe dzidzɔkpɔkpɔ gadzi ɖe edzi. Tsɛnye, Ryszard, kple nɔvinye nyɔnu, Urszula, hã nye Kristotɔ nuteƒewɔlawo ƒe geɖe.

Yehowa megblẽ mí ɖi kpɔ o, eye míedi be míayi edzi asubɔe kple dzi blibo. Mía ŋutɔwo míekpɔ Psalm 37:34 menyawo ƒe nyateƒenyenye vavã be: “Kpɔ mɔ na Yehowa, eye nalé ŋku ɖe eƒe mɔwo ŋu, ekema ado wò ɖe dzi, ne nanyi anyigba la dome.” Míetsɔ míaƒe dzi blibo le mɔ kpɔm na ɣeyiɣi ma.

[Nɔnɔmetata si le axa 17]

Le takpekpe aɖe si míewɔ le nɔviŋutsu aɖe ƒe abɔ me le Kraków me, le ƒe 1964 me

[Nɔnɔmetata si le axa 18]

Mía kple srɔ̃nye, Nela, kple mía vinyɔnu, Lidia, le ƒe 1968 me

[Nɔnɔmetata si le axa 20]

Mía kple ŋutsuvi Ðasefo aɖe, hafi woako dzi nɛ ʋumadomadoe

[Nɔnɔmetata si le axa 20]

Mía kple Ðk. Wites, si nye ɖɔkta siwo koa ɖeviwo ʋumadomadoe la ƒe amegã, le kɔ aɖe dzi le Katowice

[Nɔnɔmetata si le axa 20]

Mía kple Nela, le ƒe 2002 me