Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Yehowa Nya ‘Miaƒe Taɖawo Katã Ƒe Xexlẽme’

Yehowa Nya ‘Miaƒe Taɖawo Katã Ƒe Xexlẽme’

Yehowa Nya ‘Miaƒe Taɖawo Katã Ƒe Xexlẽme’

“Ne menye mia Fofo ƒe lɔlɔ̃nu o la, [atsutsurɔewo] dometɔ aɖeke mele dzedze ge ɖe anyigba o; ke miaƒe taɖawo katã hã woxlẽe!”​—MATEO 10:29, 30.

1, 2. (a) Nukata Hiob susui be Mawu gblẽ ye ɖi? (b) Ðe Hiob ƒe nyawo fia be etsi tre ɖe Yehowa ŋua? Ðe eme.

“OO MAWU, medo ɣli yɔ wò, ke mètɔ nam o; eye esi medo gbe ɖa la, mèɖo tom o. Èle ŋuta sẽm le ŋunye; ètsɔ wò ŋusẽ katã le yonyeme timee.” Ðikeke aɖeke mele eme kura o be ŋutsu si gblɔ nya mawo la tsi dzimaɖi ale gbegbe! Nusiwo katã le esi le agbe me la tsrɔ̃, afɔku manyatalenu aɖe wu viawo, eye azɔ la, dɔ vɔ̃ɖi aɖe dze eya ŋutɔ dzi. Ŋutsua ŋkɔe nye Hiob, eye woŋlɔ nu manyatalenu siwo dzɔ ɖe edzi la ɖe Biblia me bene wòaɖe vi na mí.—Hiob 30:20, 21, Today’s English Version.

2 Hiob ƒe nyawo adze abe ɖee wòtsi tre ɖe Mawu ŋu ene, gake menye nenemae o. Ðeko Hiob ɖe nuxaxa si gbegbe nɔ eƒe dzime la gblɔ. (Hiob 6:2, 3) Menyae be Satanae he yeƒe tetekpɔawo va ye dzi o, eyata eƒo nya ta vodadatɔe be Mawu gblẽ ye ɖi. Hiob bia Yehowa ɣeaɖeɣi gɔ̃ hã be: “Nukaŋuti nèɣla wò ŋku me ɖem, eye nèle buyem wò futɔe?” *Hiob 13:24.

3. Ne nɔnɔme sesẽwo do mo ɖa la, nukae ate ŋu ava susu me na mí?

3 Egbea, aʋawɔwɔwo, dunyahehe alo hadome ʋunyaʋunyawɔwɔwo, dzɔdzɔmefɔkuwo, amegãkuku, dɔléle, hiãkame kolikoli, kple dziɖuɖu ƒe mɔxeɖenuwo wɔe be Yehowa ƒe ame geɖewo le fu kpem atraɖii. Ðewohĩ wò hã ànya le tetekpɔ aɖewo ƒomevi me tom. Ðewohĩ àbui ɣeaɖewoɣi be Yehowa le eƒe ŋkume ɣlam ɖe ye. Ènya Yohanes 3:16 me nyawo nyuie be: “Ale gbegbe Mawu lɔ̃a xexeame bena, wòtsɔ ye ŋutɔ ƒe Tenuvi hena.” Ke hã, ne èle fu kpem eye mènya ne yeava kpɔ gbɔdzɔe aɖeke o la, ɖewohĩ àbia ɖokuiwò be: ‘Ðe Mawu lɔ̃m ŋutɔŋutɔa? Ðe wòle nusiwo me tom mele la kpɔma? Ðe wòtsɔ ɖe le eme nama?’

4. Nuka ƒe dzie wòhiã be Paulo nayi edzi ado, eye mɔ kawo nue nɔnɔme ma tɔgbe ate ŋu aka mí le?

4 De ŋugble tso nusi dzɔ ɖe apostolo Paulo dzi ŋu. Eŋlɔ bena: “Wode ŋù nye ŋutilã me, si nye Satana ƒe dɔla, bene wòaƒom kple kɔ,” eye wògblɔ kpee be “meyɔ Aƒetɔ la zi etɔ̃, bene wòadzo le ŋunye.” Yehowa se eƒe kokoƒoƒowo. Gake ena Paulo nya be yemato nukumɔ aɖe dzi akpɔ kuxia gbɔ nɛ o. Ðe eteƒe la, ahiã be Paulo naɖo ŋu ɖe Mawu ƒe ŋusẽ ŋu be wòakpe ɖe ye ŋu yeanɔ te ɖe ‘ŋù si le yeƒe lãme’ la nu. * (Korintotɔwo II, 12:7-9) Abe Paulo ene la, ɖewohĩ wò hã èle nɔnɔme sesẽ aɖe me tom. Ðewohĩ àbia be, ‘Ðe Yehowa ƒe naneke mawɔmawɔ tso nye nɔnɔmea ŋu fia be menya nu tso nye kuxia ŋu o loo alo be metsɔ ɖeke le eme nam oa?’ Menye nenemae kura o! Alesi gbegbe Yehowa tsɔa ɖe le eme na esubɔla wɔnuteƒewo dometɔ ɖesiaɖe la dze kɔte le nya si Yesu gblɔ na eƒe apostolowo le wo tiatia vɔ megbe teti me. Mina míakpɔ alesi eƒe nyawo ate ŋu ade dzi ƒo na mí egbeae ɖa.

“Migavɔ̃ O!”​—Nukatae?

5, 6. (a) Aleke Yesu kpe ɖe apostoloawo ŋu be woagavɔ̃ nusi me woava to la o? (b) Aleke Paulo ɖe kaka ɖe Yehowa ƒe ɖetsɔtsɔ le eyama me dzi fiae?

5 Apostolowo xɔ ŋusẽ tɔxɛwo tso Yesu gbɔ, si dometɔ aɖewoe nye “ŋusẽ [nana] wo ɖe gbɔgbɔ blibawo dzi bena, ne woanyã wo ado goe, eye ne woaɖe dɔlélewo kple lãmegbegblẽwo katã ƒomevi ɖa.” Ke hã, esia mefia be tetekpɔwo kple fukpekpe aɖeke mava wo dzi kura le agbe me o. Ke boŋ, Yesu ɖe nusiwo adzɔ ɖe wo dzi la dometɔ aɖewo me eme kɔ nyuie na wo. Ke hã, ede dzi ƒo na wo be: “Migavɔ̃ amesiwo le ŋutilã wum, eye womate ŋu awu luʋɔ o la o, ke boŋ mivɔ̃ amesi ate ŋu atsrɔ̃ luʋɔ kple ŋutilã siaa le [Gehenna, NW].”—Mateo 10:1, 16-22, 28.

6 Yesu wɔ kpɔɖeŋu eve be yeatsɔ akpe ɖe yeƒe apostolowo ŋu ne woase susu si tae mele be woavɔ̃ o ɖo la gɔme. Egblɔ na wo bena: “Alo wometsɔa atsutsurɔe eve ƒlena xɔa hotsui ewo oa? Eye ne menye mia Fofo ƒe lɔlɔ̃nu o la, wo dometɔ aɖeke mele dzedze ge ɖe anyigba o; ke miaƒe taɖawo katã hã woxlẽe! Eyaŋuti migavɔ̃ o! Mia tɔ vena wu atsutsurɔe geɖewo tɔ.” (Mateo 10:29-31) De dzesii be Yesu yɔ tenɔnɔ sesĩe le nɔnɔme sesẽwo me tɔ ɖe kaka ɖe edzi be Yehowa tsɔa ɖe le eme na mía ŋutɔwo nu. Edze ƒã be kakaɖedzi ma tɔgbe nɔ Paulo si. Eŋlɔ bena: “Ne Mawu le mía dzi la, ameka atsi tre ɖe mía ŋutii? Amesi mehe ye ŋutɔ ƒe Vi ɖe megbe o, ke wòtsɔe hena ɖe mí katã mía ta boŋ; aleke lawɔ, eye matsɔ nuwo katã hã akpe ɖe eŋuti na mí oa?” (Romatɔwo 8:31, 32) Kuxi ka ke me tomee nèɖale o, wò hã àte ŋu aka ɖe edzi be Yehowa tsɔa ɖe le eme na ye ŋutɔ, ne ènya yi edzi le nuteƒe wɔm nɛ ko. Esia me agakɔ nyuie ɖe edzi gɔ̃ hã ne míele nuxlɔ̃ame si Yesu na eƒe apostoloawo me dzrom yi ŋgɔe.

Asi si Atsutsurɔe Ðeka Xɔ

7, 8. (a) Aleke wobua atsutsurɔewo le Yesu ƒe ŋkekeawo mee? (b) Ðewohĩ anye nukatae Mateo 10:29 zã Helagbe me nya si fia “atsutsurɔe” siwo le sue ŋutɔ ɖo?

7 Yesu ƒe kpɔɖeŋuawo ɖe alesi gbegbe Yehowa tsɔa ɖe le eme na Esubɔla ɖesiaɖee fia nyuie. Gbã la, bu atsutsurɔeawo ƒe nyaa ŋu kpɔ. Le Yesu ƒe ŋkekea me la, xevi si woɖuna ye atsutsurɔewo nye, gake esi wònye wogblẽa agblemenuwo ta la, wobua wo zi geɖe be wonye xevi gblẽnuwo. Atsutsurɔewo bɔ heɖi ale gbegbe be woate ŋu atsɔ ga home si mede egbegbe United States ƒe cent atɔ̃ o aƒle atsutsurɔe evee. Wotsɔa ga home sia ƒe teƒe eve xɔa atsutsurɔe atɔ̃, ke menye ene o—wotsɔa xevi ɖeka dea edzi abe numaɖinu aɖe ko ene.—Luka 12:6.

8 Bu xevi sia ƒe lolome hã ŋu kpɔ. Ne wotsɔ atsutsurɔe si tsi nyuie sɔ kple xevi bubu geɖewo la, ele sue ŋutɔ. Ke hã, Helagbe me nya si gɔme woɖe be “atsutsurɔe” le Mateo 10:29 la ku ɖe atsutsurɔe suewo ŋu. Eme kɔ ƒã be ɖe Yesu di be yeƒe apostolowo nakpɔ xevi aɖe si womebuna ɖe ɖeke me kura o la le susu me ɖaa. Abe alesi numekugbalẽ aɖe gblɔe ene la, “Yesu zã xevi sue aɖe, eye wòzã nya si fia be xevi sia ƒe suetɔ gɔ̃ hã!”

9. Nusɔsrɔ̃ vevi kae le kpɔɖeŋu si Yesu wɔ ku ɖe atsutsurɔewo ŋu me?

9 Nusɔsrɔ̃ vevi aɖe le kpɔɖeŋu si Yesu wɔ ku ɖe atsutsurɔewo ŋu me ŋutɔ: Nusi dze numaɖinui na amegbetɔwo la nye nu vevi aɖe na Yehowa Mawu. Yesu yi edzi gaɖo kpe nyateƒenya sia dzi esime wògblɔ kpee be atsutsurɔe sue aɖeke ‘madze ɖe anyigba’ le Yehowa ƒe manyamanya me o. Nusi wòfia la me kɔ ƒã. Ne Yehowa Mawu ƒe ŋku nɔa xevi suetɔ kekeake si meɖi naneke o ŋu la, ke aleke gbegbee wòatsɔ ɖe le eme na amegbetɔ si tiae be yeasubɔe la ƒe kuxiwo me enye esi!

10. Gɔmesese ka tututue le nyagbɔgblɔ si nye, “Miaƒe taɖawo katã hã woxlẽe” la ŋu?

10 Tsɔ kpe ɖe atsutsurɔeawo ŋuti kpɔɖeŋua ŋu la, Yesu gblɔ be: “Ke miaƒe taɖawo katã hã woxlẽe!” (Mateo 10:30) Nya kpui sia si ɖe kpe ŋutɔ la na gɔmesese si le Yesu ƒe kpɔɖeŋu si wòwɔ ku ɖe atsutsurɔewo ŋu la gadze nyuie. Wò ya kpɔ ɖa lo: Le mama dedie nu la, ɖakui 100,000 kloe ye nɔa ta na ame. Zi geɖe la, ɖakui ɖesiaɖe nɔa abe esiwo ƒo xlãe la ko ene, eye ɖakui aɖeke medzena abe esi woatsɔ beléle tɔxɛ aɖeke na ene o. Ke hã, Yehowa Mawu ƒe ŋku ya nɔa ɖakui ɖesiaɖe ŋu eye wòxlẽnɛ. Esi nya la le alea ta la, ɖe míaƒe agbenɔnɔ ƒe akpa vevi aɖewo li si Yehowa mate ŋu anya oa? Ðikeke mele eme o be Yehowa nya alesi esubɔla ɖesiaɖe ƒe wɔwɔme le la tsitotsito. Le nyateƒe me la, ‘ekpɔa keke dzi me ke.’—Samuel I, 16:8.

11. Aleke Dawid ɖe alesi wòka ɖe Yehowa ƒe ɖetsɔleme na eyama dzi gblɔe?

11 Dawid, amesi to xaxawo me la, ka ɖe edzi be Yehowa nya ye. Eŋlɔ bena: “Yehowa èdzro menye, eye nèdze sim. Ènya nye anyinɔnɔ kple nye tsitretsitsi, eye nèdze si nye susuwo tso adzɔgedzɔgee ke.” (Psalmo 139:1, 2) Wò hã àte ŋu aka ɖe edzi be Yehowa nya ye ŋutɔŋutɔ. (Yeremya 17:10) Mègatso ko abui be yemeɖi naneke kura bene Yehowa, amesi ƒe ŋkuwo kpɔa nusianu la, nanya ye ŋutɔ o!

“De Nye Aɖatsiwo Wò Goe Me”

12. Aleke míewɔ nya be Yehowa nya fu siwo eƒe amewo kpena la nyuie?

12 Menye ɖeko Yehowa nyaa amesi ƒomevi esubɔla ɖesiaɖe nye ko o, ke enya fu siwo kpem wo dometɔ ɖesiaɖe le hã nyuie. Le kpɔɖeŋu me, esime wonɔ Israel-viwo tem ɖe anyi abe kluviwo ene la, Yehowa gblɔ na Mose be: “Mekpɔ alesi wole nye dukɔ tem ɖe anyi le Egipte keŋ, eye mese woƒe ɣli, si wodo, be yewoavo atso yewo dzikpɔlawo si me la; ẽ, menya woƒe fukpekpewo.” (Mose II, 3:7) Akɔfaname kae nye si wònye be míanyae be ne míele dzi dom le tetekpɔwo me la, Yehowa kpɔa nusi me tom míele eye wòsea míaƒe hũɖeɖewo! Menye Amesi metsɔa ɖeke le míaƒe fukpekpewo me o ye wònye kura o.

13. Nukae ɖee fia be Yehowa sea veve ɖe esubɔlawo nu nyateƒe?

13 Yehowa ƒe ɖetsɔtsɔ le eme na amesiwo le ƒomedodo me kplii la gadze ɖe edzi le alesi wòse le eɖokui me ɖe Israel-viwo ŋu me. Togbɔ be woa ŋutɔwo ƒe tomaɖomaɖoe wɔnɛ be wokpea fu zi geɖe hã la, Yesaya ŋlɔ tso Yehowa ŋu be: ‘Esi woxaxa la, ete ɖe edzi.’ (Yesaya 63:9) Eyata esi nènye Yehowa subɔla wɔnuteƒe ta la, àte ŋu aka ɖe edzi be ne èle veve sem la, Yehowa hã sea veve. Ðe ema meʋã wò be nàkpe akɔ kple fukpekpewo vɔvɔ̃manɔmee ahayi edzi anɔ wò ŋutete ɖesiaɖe wɔm atsɔ asubɔe oa?—Petro I, 5:6, 7.

14. Nɔnɔme kawo mee wokpa Psalmo 56 lia le?

14 Kakaɖedzi si nɔ Fia Dawid si be Yehowa tsɔa ɖe le eme na ye hesea veve ɖe ye nu la dze nyuie le Psalmo 56 lia, si Dawid kpa esime wònɔ sisim le Fia Saul si di be yeawui la nu, me. Dawid si yi Gat, gake esi Filistitɔwo kpɔ eyama dze sii la, evɔ̃ be wole ye lé ge. Eŋlɔ bena: “Nye ketɔwo lɔ gbɔgbɔtsixe ɖe ƒo ɖaa; eye amesiwo tsɔ dada le aʋa wɔm kplim la, sɔ gbɔ ŋutɔ.” Le ŋɔdzi si me Dawid ɖo ta la, edo gbe ɖa na Yehowa. Egblɔ be: “Wole nya trɔm nam gbesiagbe; eye woƒe susuwo katã nye be, woawɔ vɔ̃ ɖe ŋunye.”—Psalmo 56:3, 6.

15. (a) Nukae Dawid wɔnɛ esime wòbia Yehowa be wòade yeƒe aɖatsiwo lãgbalẽgoe me alo wòaŋlɔ wo ɖe agbalẽ me? (b) Ne míele dzi dom le nɔnɔme aɖe si le míaƒe xɔse dom kpɔ me la, nuka dzie míate ŋu aka ɖo?

15 Emegbe, abe alesi woŋlɔe ɖe Psalmo 56:8 ene la, Dawid gblɔ nya lédziname siawo be: “Wòe xlẽ nye sisiƒewo, ède nye aɖatsiwo wò goe me! Ðe mèŋlɔ wo ɖe wò agbalẽ me oa?” Aleke wòɖɔ Yehowa ƒe belélename wòlé dzi na amee nye esi! Ne nu te ɖe mía dzi la, míate ŋu afa avi ayɔ Yehowa. Ame deblibo Yesu gɔ̃ hã wɔe. (Hebritɔwo 5:7) Dawid ka ɖe edzi be Yehowa lé ŋku ɖe ye ŋu eye aɖo ŋku yeƒe vevesese helĩhelĩa dzi, abe ɖee wòde yeƒe aɖatsiwo lãgbalẽgoe me loo alo ŋlɔ wo ɖe agbalẽ me ene. * Ðewohĩ àsusui be yeƒe aɖatsiwo ayɔ lãgbalẽgoe la alo axɔ agbalẽa ƒe axa gbogbowo. Ne nenemae la, àte ŋu alé dzi ɖe ƒo. Biblia ka ɖe edzi na mí be: “Yehowa tsɔ ɖe amesiwo ƒe dzi gbã gudugudu la gbɔ, eye wòxɔna na amesiwo ƒe gbɔgbɔ woƒo ƒu anyi.”—Psalmo 34:19.

Mawu ƒe Zɔhɛ Kplikplikpli Zuzu

16, 17. (a) Aleke míewɔ nya be Yehowa tsɔa ɖe le kuxi siwo me eƒe amewo tona me? (b) Nukae Yehowa wɔ bene amewo nate ŋu anɔ ƒomedodo kplikplikpli me kplii?

16 Nyateƒe si wònye be Yehowa ‘nya míaƒe taɖawo’ ƒe xexlẽme la na míenya Mawu, ŋkuléɖenuŋula kple ɖetsɔlemetɔ, si mɔnukpɔkpɔ su mía si be míasubɔ la va ɖo afi aɖe. Togbɔ be ahiã be míalala xexe yeye si ƒe ŋugbe wòdo la bene vevesesewo kple fukpekpewo katã nu nava yi hã la, Yehowa le nuwɔnuku aɖe wɔm na eƒe amewo fifia. Dawid ŋlɔ bena: “Yehowa bɔa ha kple amesiwo vɔ̃nɛ la, eye wònana wonyaa eƒe nubabla.”—Psalmo 25:14.

17 ‘Be Yehowa nabɔ ha kple ame.’ Edze abe eŋu bubu ɖeɖe dzaa gɔ̃ hã manya wɔ na amegbetɔ madeblibowo o ene! Gake Yehowa le amesiwo vɔ̃nɛ la kpem be woava dze yeƒe agbadɔ me. (Psalmo 15:1-5) Eye nukae Yehowa wɔna na eƒe amedzroawo? Dawid gblɔ be enana wonyaa eƒe nubabla. Yehowa ɖea eƒe tamenyawo gblɔna na wo, heɖea “eƒe tameɖoɖo” gblɔna na nyagblɔɖilawo ale be woanya eƒe tameɖoɖowo kple nusi woawɔ bene woanɔ agbe ɖe wo nu.—Amos 3:7.

18. Aleke míewɔ nya be Yehowa di be ƒomedodo kplikplikpli nanɔ mía kple ye dome

18 Le nyateƒe me la, nya dodzidzɔnamee wònye be míase be mí ame madeblibowo míate ŋu ava zu Dziƒoʋĩtɔ, Yehowa Mawu, ƒe zɔhɛwo. Ne míagblɔe tututu la, ede dzi ƒo na mí be míawɔ nenema. Biblia gblɔ na mí be: “Mite ɖe Mawu ŋu, eye wòate ɖe mia ŋu.” (Yakobo 4:8) Yehowa di be míanɔ ƒomedodo kplikplikpli me kpli ye. Le nyateƒe me la, eɖe afɔ aɖewo xoxo be esia nanya wɔ. Yesu ƒe tafevɔsa ʋu mɔ ɖi na mí be míate ŋu adze xɔlɔ̃ Mawu Ŋusẽkatãtɔ la. Biblia gblɔ be: “Minɛ míalɔ̃e, elabena etre mí lɔlɔ̃!”—Yohanes I, 4:19.

19. Aleke dzidodo ate ŋu ana mía kple Yehowa dome ƒomedodo me nasẽ ɖe edzii?

19 Ƒomedodo kplikplikpli ma me va sẽna ɖe edzi ne míedo dzi le nɔnɔme sesẽwo me. Nusrɔ̃la Yakobo ŋlɔ bena: “Dzidodo la nakpɔ eƒe dɔwɔwɔ blibo, bena mianye ame blibowo keŋkeŋ, eye naneke nagahiã mi o.” (Yakobo 1:4) ‘Dɔ’ kae míaƒe dzidodo le xaxawo me wɔna? Ðo ŋku ‘ŋù si nɔ Paulo ƒe lãme’ dzi. Nukae dzidodo wɔ le eƒe nɔnɔmea me? Paulo gblɔ le eƒe xaxawo ŋu be: “Eyata mele lɔlɔ̃m wu bena, maƒo adegbe le nye gbɔdzɔgbɔdzɔ ŋuti boŋ, bene Kristo ƒe ŋusẽ nanɔ dzinye. Eyata mekpɔa ŋudzedze nyui le gbɔdzɔgbɔdzɔwo me, le ŋutasesẽwo me, le hiãkamewo me, le yometitiwo me, le xaxawo me le Kristo ŋuti; elabena ne megbɔdzɔ la, ekema mesẽa ŋu.” (Korintotɔwo II, 12:9, 10) Nusi Paulo va kpɔe nye be Yehowa ana ŋusẽ si hiã la ye—ne ehiã la, ana “ŋusẽ si gbɔ dzɔdzɔme tɔ ŋu” (NW) la ye—bene yeate ŋu ado dzi. Ema wɔe be wòte ɖe Kristo kple Yehowa Mawu ŋu wu.—Korintotɔwo II, 4:7; Filipitɔwo 4:11-13.

20. Aleke míate ŋu aka ɖe edzi be Yehowa akpe ɖe mía ŋu ahafa akɔ na mí le nɔnɔme sesẽwo me?

20 Ðewohĩ Yehowa ɖe mɔ wò tetekpɔwo gakpɔtɔ li. Ne nenemae la, ke na be ŋugbe si wòdo na amesiwo vɔ̃nɛ be, ‘Yemele asi ɖe ge le wo ŋu o, eye yemele wo gblẽ ge ɖi akpɔ o’ la nafa akɔ na wò. (Hebritɔwo 13:5) Kpekpeɖeŋu kple akɔfafa ma tɔgbe ate ŋu asu asiwò. Yehowa nya ‘wò taɖawo katã’ ƒe xexlẽme. Dzi si dom nèle la le nyanya nɛ. Esea veve kpli wò. Etsɔa ɖe le eme na wò vavã. Eye ‘maŋlɔ wò dɔwɔwɔ kple lɔlɔ̃, si nèɖe fia le eƒe ŋkɔ la ta be gbeɖe o.’—Hebritɔwo 6:10.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 2 Ame dzɔdzɔe Dawid kple Korax ƒe vi nuteƒewɔlawo hã gblɔ nya siawo tɔgbe.—Psalmo 10:1; 44:24.

^ mm. 4 Biblia megblɔ nusi tututue ‘ŋù si nɔ Paulo ƒe ŋutilã me’ la nye kãŋ o. Ate ŋu anye ŋutilã me dɔléle aɖee, abe ŋku ƒe numakpɔmakpɔ nyuie ene. Alo nyagbɔgblɔ ‘ŋù si le lãme’ ate ŋu anye aʋatso apostolowo kple amesiwo tɔa gbe Paulo ƒe apostolonyenye kple eƒe subɔsubɔdɔa.—Korintotɔwo II, 11:6, 13-15; Galatiatɔwo 4:15; 6:11.

^ mm. 15 Le blema la, wotrɔa asi le alẽwo, gbɔ̃wo, kple nyiwo ƒe ayi ŋu tsɔ wɔa lãgbalẽgoewo. Wokɔa nyinotsi, notsi kpeke, nyinotsibabla, alo tsi, ɖe goe mawo tɔgbe me. Wote ŋu kɔa ami alo wein ɖe lãgbalẽ siwo wotrɔa asi le memie la ƒe goewo me.

Èɖo Ŋku Wo Dzia?

• Nukawoe ate ŋu ana ame nasusui be Mawu gblẽ ye ɖi?

• Nukawoe míesrɔ̃ tso kpɔɖeŋu siwo Yesu wɔ ku ɖe atsutsurɔewo kple míaƒe taɖa si woxlẽ ŋu la me?

• Nukae ame ƒe aɖatsiwo dede Yehowa ƒe ‘lãgbalẽgoe’ alo wo ŋɔŋlɔ ɖe eƒe “agbalẽ” me la fia?

• Alekee míawɔ ‘ava nɔ ƒomedodo kplikplikpli me kple Yehowa’?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 22]

Nukata Yehowa meɖe ‘ŋù si nɔ Paulo ƒe lãme’ la nɛ o?

[Nɔnɔmetata si le axa 23]

Nukae míate ŋu asrɔ̃ tso kpɔɖeŋu si Yesu wɔ ku ɖe atsutsurɔewo ŋu me?

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

© J. Heidecker/VIREO

[Nɔnɔmetata si le axa 25]

To Biblia xexlẽ edziedzi dzi la, míate ŋu aka ɖe edzi be Mawu tsɔa ɖe le eme na mía ŋutɔwo