Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Yehowae Nye “Teƒeɖola Na Amesiwo Dinɛ Vevie”

Yehowae Nye “Teƒeɖola Na Amesiwo Dinɛ Vevie”

Yehowae Nye “Teƒeɖola Na Amesiwo Dinɛ Vevie”

“Amesi ke tena va Mawu gbɔ la, naxɔ ase be, Mawu li, eye wònye teƒeɖola na amesiwo dinɛ vevie.”​—HEBRITƆWO 11:6.

1, 2. Nukatae dziɖeleameƒo ƒe seselelãmewo ate ŋu awɔ fu Yehowa subɔla aɖewo ɖo?

BARBARA * gblɔ be: “Ƒe 30 kloe nye esia si menye Yehowa Ðasefo, gake nyemesenɛ le ɖokuinye me gbeɖe be medze be woayɔm nenema o. Togbɔ be mewɔ mɔɖeɖedɔa eye mɔnukpɔkpɔ bubu geɖewo su asinye hã la, wo dometɔ aɖeke mete ŋu na meka ɖe edzi be medze anye Ðasefo o.” Keith hã ɖe nya siawo tɔgbe gblɔ. Egblɔ be: “Mesee le ɖokuinye me ɣeaɖewoɣi be nyemedze o, elabena nu geɖewo li si tae Yehowa subɔlawo kpɔa dzidzɔ ɖo, ke nye ya nyemenɔ ekpɔm o. Esia wɔe be meva nɔ fɔ bum ɖokuinye, si na nuwo gagblẽ ɖe edzi kura wu.”

2 Seselelãme siawo tɔgbe wɔ fu Yehowa subɔla wɔnuteƒe geɖe, siwo nɔ anyi va yi kple esiwo li fifia siaa. Ðe nèsena le ɖokuiwò me nenema ɣeaɖewoɣia? Ðewohĩ kuxi gbogbo aɖewo le fu ɖem na wò, evɔ edze abe nu le edzi dzem na nɔvi haxɔsetɔwo, woli bɔkɔɔ hele dzidzɔ kpɔm, ene. Le esia ta la, èsusui be Yehowa mele ŋudzedze kpɔm ɖe ye ŋu o loo alo metsɔ ɖeke le eme na ye o. Mègaƒo nya ta enumake be nenemae o. Biblia ka ɖe edzi na mí be: “[Yehowa] medo vlo, eye menyɔ ŋu hiãtɔ ƒe hiã o, meɣla ŋku me ɖee o, eye esi wòdo ɣli nɛ la, eɖo to.” (Psalmo 22:25) Mesia ŋuti nyagblɔɖi mawo fia be menye ɖeko Yehowa ɖoa to amesiwo wɔa nuteƒe nɛ la ko evɔ o, ke eɖoa eteƒe na wo hã.

3. Nukatae míeto le nuɖoanyi sia ƒe nyaƒoɖeamenuwo me o?

3 Ame aɖeke—Yehowa ƒe amewo gɔ̃ hã—meto le nuɖoanyi sia ƒe amemiamiawo me o. Míele xexe aɖe si dzi ɖum Yehowa ƒe futɔ gãtɔ kekeake, Satana Abosam, le la me. (Korintotɔwo II, 4:4; Yohanes I, 5:19) Le esi teƒe be woakpɔ Yehowa subɔlawo ta le nukumɔ aɖe nu la, woawo boŋue Satana tɔ ŋkui wu. (Hiob 1:7-12; Nyaɖeɖefia 2:10) Eyata halase esime Mawu ƒe ɣeyiɣi nade la, ehiã be “[míado] dzi le xaxa me” eye ‘míaku kutri le gbedodoɖa me,’ ahaka ɖe edzi be Yehowa tsɔa ɖe le eme na mí. (Romatɔwo 12:12) Mele be míanɔ esusum be mía Mawu, Yehowa, melɔ̃ mí o!

Amesiwo Do Dzi le Blema

4. Gblɔ Yehowa subɔla wɔnuteƒe siwo do dzi le nɔnɔme sesẽwo me la dometɔ aɖewo ƒe kpɔɖeŋu.

4 Eva hiã be blema Yehowa subɔla geɖewo nado dzi le fukpekpewo me. Le kpɔɖeŋu me, Xana ‘xa nu vevie’ elabena konɔ—si nye nɔnɔme aɖe si wòbu be efia be Mawu ŋlɔ ye be—ye wònye. (Samuel I, 1:9-11) Esi Fianyɔnu amewula Izebel nɔ Eliya yome tim la, vɔvɔ̃ ɖo Eliya ŋutɔ eye wòdo gbe ɖa na Yehowa be: “Esɔ gbɔ! Azɔ, Yehowa, xɔ nye luʋɔ, elabena nyemenyo wu fofonyewo o.” (Fiawo I, 19:4) Apostolo Paulo hã ƒe blibomademade anya zu agba nɔ ekpem esime wòlɔ̃ ɖe edzi be: “Esime melɔ̃na bena, mawɔ nu nyui la, nuvɔ̃ la lé ɖe ŋutinye.” Egblɔ kpee be: “O, nye nublanuitɔ!”—Romatɔwo 7:21-24.

5. (a) Aleke woɖo eteƒee na Xana, Eliya, kple Paulo? (b) Akɔfafa kae míate ŋu akpɔ tso Mawu ƒe Nya me ne dziɖeleameƒo ƒe seselelãmewo le fu wɔm mí?

5 Ele eme baa be míenyae be Xana, Eliya, kple Paulo do dzi le Yehowa subɔsubɔ me, eye Wòɖo eteƒe na wo geɖe. (Samuel I, 1:20; 2:21; Fiawo I, 19:5-18; Timoteo II, 4:8) Ke hã, amegbetɔ ƒe seselelãme ƒomevi vovovo siwo nye nuxaxa, dziɖeleameƒo, kple vɔvɔ̃, ye wɔ fu wo. Eyata ne dziɖeleameƒo ƒe seselelãmewo ɖoa mía me ɣeaɖewoɣi la, megawɔ nuku na mí kura o. Gake nukae nàte ŋu awɔ ne agbemenyawo wɔe be mènya ne Yehowa lɔ̃ ye tututu o? Àte ŋu akpɔ akɔfafa tso Mawu ƒe Nya me. Le kpɔɖeŋu me, le nyati si do ŋgɔ me la, míedzro Yesu ƒe nya si wògblɔ be Yehowa xlẽ “miaƒe taɖawo katã” la me. (Mateo 10:30) Nya dedziƒoname mawo fia be Yehowa tsɔa ɖe le eme na esubɔlawo dometɔ ɖesiaɖe vevie. Ðo ŋku kpɔɖeŋu si Yesu wɔ ku ɖe atsutsurɔewo ŋu hã dzi. Ne xevi sue mawo dometɔ aɖeke medzena ɖe anyigba le Yehowa ƒe manyamanya me o la, ke nukatae wòaŋe aɖaba aƒu wò fukpekpewo dzi ɖo?

6. Aleke Biblia ate ŋu anye akɔfafatsoƒe na amesiwo dziɖeleameƒo ƒe seselelãmewo le fu wɔmee?

6 Ðe wòanya wɔ be mí amegbetɔ madeblibowo míaxɔ asi le Wɔla ŋusẽkatãtɔ, Yehowa Mawu, ŋkumea? Ẽ! Le nyateƒe me la, Biblia me nya geɖewo li siwo ka ɖe esia dzi na mí. Ne míede ŋugble le wo ŋu la, míate ŋu agblɔ hakpala la ƒe nya siawo ke be: “Esi nye tamesusu gbogboawo gbe akɔ dzedze anyi le menye la, wò akɔfaname do dzidzɔ na nye luʋɔ.” (Psalmo 94:19, NW) Mina míade ŋugble le nya fakɔname siawo dometɔ aɖewo ŋu tso Mawu ƒe Nya la me, siwo akpe ɖe mía ŋu míase egɔme ɖe edzi be Mawu dea asixɔxɔ mía ŋu eye be aɖo eteƒe na mí ne míeyi edzi le eƒe lɔlɔ̃nu wɔm.

Yehowa ƒe “Nunɔamesi Tɔxɛ”

7. Nya dedziƒoname kae Yehowa to Maleaxi dzi gblɔ ɖi na dukɔ gblẽku la?

7 Nɔnɔme wɔnublanui aɖe nɔ Yuda le ƒe alafa atɔ̃lia D.M.Ŋ. me. Nunɔlawo nɔ lã makɔmakɔwo xɔm tsɔ nɔ vɔ samee na Yehowa le Eƒe vɔsamlekpui dzi. Ʋɔnudrɔ̃lawo nɔ ame aɖewo dzi dem. Dzosasa, alakpadada, ametafatafa, kple ahasiwɔwɔ bɔ ɖe afisiafi. (Maleaxi 1:8; 2:9; 3:5) Maleaxi gblɔ nya wɔnuku aɖe ɖi na dukɔ gblẽku sia. Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, Yehowa awɔe be eƒe amewo ƒe nu nagava dze eŋu ake. Míexlẽ be: “Woawoe azu tɔnye le ŋkeke, si [mawɔ nunɔamesi tɔxɛ aɖe] la dzi, Yehowa Zebaot ye gblɔe, eye makpɔ wo ta, abe alesi ŋutsu kpɔa via, si subɔnɛ ta ene.”—Maleaxi 3:17.

8. Nukatae Maleaxi 3:17 me gɔmeɖosewo ate ŋu ayi na ameha gã la hã?

8 Le egbeŋkekea me la, Maleaxi ƒe nyagblɔɖia va eme ɖe Kristotɔ amesiamina, siwo nye gbɔgbɔmedukɔ si me ame 144,000, le la dzi. Dukɔ ma nye Yehowa ƒe “nunɔamesi tɔxɛ,” alo ‘eya ŋutɔ ƒe dukɔ’ nyateƒe. (Petro I, 2:9) Maleaxi ƒe nyagblɔɖia ate ŋu ade dzi ƒo na “ameha gã,” siwo ‘le tsitre ɖe fiazikpui la ŋgɔ kple alẽvi la ƒe ŋku me eye wodo awu ʋlaya ɣiwo’ la hã. (Nyaɖeɖefia 7:4, 9) Amesiawo kpe ɖe amesiaminawo ŋu wozu alẽha ɖeka, le Alẽkplɔla ɖeka, Yesu Kristo, ƒe kpɔkplɔ te.—Yohanes 10:16.

9. Nukatae Yehowa ƒe amewo nye “nunɔamesi tɔxɛ” nɛ ɖo?

9 Aleke Yehowa bua amesiwo tiae be yewoasubɔ ye lae? Abe alesi wogblɔe ɖe Maleaxi 3:17 ene la, ebua wo abe alesi vifofo lɔ̃ame bua viae ene. Eye se vividoɖeameŋunya si wòtsɔ ɖɔ eƒe ameawoe ɖa—ebe wonye “nunɔamesi tɔxɛ aɖe.” Biblia bubuwo ɖe nyagbe ma gɔme be “nye ŋutɔ tɔnye,” “nye nu xɔasitɔ kekeake,” kple “nye kpe xɔasiwo.” Nukatae Yehowa abu amesiwo subɔnɛ la be wole etɔxɛ? Nusiwo tae la dometɔ ɖekae nye be enye Mawu si kpɔa ŋudzedze ɖe nu ŋu. (Hebritɔwo 6:10) Etena ɖe amesiwo subɔnɛ tso dzi me la ŋu eye wòbua wo ame tɔxɛwoe.

10. Aleke Yehowa kpɔa eƒe amewo tae?

10 Àte ŋu aɖo ŋku wò nunɔamesi xɔasi aɖe si nèbuna nunɔamesi tɔxɛe la dzia? Ðe mèdzea agbagba kpɔa eta oa? Yehowa wɔa nenema ke na eƒe “nunɔamesi tɔxɛ” la. Ele eme baa be meɖea eƒe amewo tso agbeme tetekpɔwo kple afɔkuwo katã si me ya o. (Nyagblɔla 9:11) Gake Yehowa ate ŋu akpɔ eƒe subɔla wɔnuteƒewo ta le gbɔgbɔ me eye awɔe hã. Enaa ŋusẽ si wohiã be woatsɔ ado dzi le tetekpɔ ɖesiaɖe me la wo. (Korintotɔwo I, 10:13) Eyata Mose gblɔ na Mawu ƒe ame siwo nɔ anyi le blema, siwo nye Israel-viwo, be: “Milé dzi ɖe ƒo, eye misẽ ŋu, . . . Yehowa, wò Mawu ŋutɔ le yiyim le mia dome, maɖe asi le ŋuwò o, eye magblẽ wò ɖi o.” (Mose V, 31:6) Yehowa ɖoa eteƒe na eƒe amewo. Wonye “nunɔamesi tɔxɛ aɖe” nɛ.

Yehowa, “Teƒeɖola” La

11, 12. Aleke ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe akpa si wɔm Yehowa le abe Teƒeɖola ene ŋu akpe ɖe mía ŋu míaɖu ɖikeke ƒe seselelãmewo dzii?

11 Kpeɖodzi bubu si li be Yehowa dea asixɔxɔ esubɔlawo ŋue nye be eɖoa eteƒe na wo. Egblɔ na Israel-viwo bena: “[Midom] kpɔ be nyemaʋu dziƒo nu, eye nyemadudu yayra aƒo ɖe mia dzi wòagbɔ eme o hã?” (Maleaxi 3:10) Nyateƒee wònye be Yehowa ava tsɔ agbe mavɔ aɖo eteƒee na esubɔlawo mlɔeba. (Yohanes 5:24; Nyaɖeɖefia 21:4) Teƒeɖoɖo sia si ga mate ŋu aƒle o la ɖe alesi gbegbe Yehowa ƒe lɔlɔ̃ kple dɔmenyonyo de toe la fia. Eɖee fia hã be edea asixɔxɔ amesiwo tiae be yewoasubɔe la ŋu vavã. Enyanya be Yehowa nye Teƒeɖola dɔmenyotɔ ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míaɖu ɖikeke ɖesiaɖe si anɔ mía me ɖe mía kple Mawu dome ƒomedodo ŋu la dzi. Le nyateƒe me la, Yehowa de dzi ƒo na mí be míabu ye be yenye Teƒeɖola! Paulo ŋlɔ bena: “Amesi ke tena va Mawu gbɔ la, naxɔ ase be, Mawu li, eye wònye teƒeɖola na amesiwo dinɛ vevie.”—Hebritɔwo 11:6.

12 Ele eme baa be lɔlɔ̃ si le mía si na Yehowa tae míesubɔnɛ ɖo—menye le esi wòdo ŋugbe be yeaɖo eteƒe na mí ta koe o. Ke hã, mɔ si míanɔ kpɔkpɔm vevie be woava ɖo eteƒe na mí la menye nu gbegblẽ alo ɖokuitɔdidi o. (Kolosetɔwo 3:23, 24) Le lɔlɔ̃ si le Yehowa si na amesiwo wɔa nuteƒe nɛ kple asixɔxɔ gã si wòdea wo ŋu ta la, eya ŋutɔ tsona le eɖokui si ɖoa eteƒe na wo.

13. Nukatae tafea xexe nye kpeɖodzi gãtɔ kekeake be Yehowa lɔ̃ mí ɖo?

13 Nu gãtɔ kekeake si ɖee fia be ameƒomea xɔ asi na Yehowa ye nye tafe si wòxe la. Apostolo Yohanes ŋlɔ bena: “Ale gbegbe Mawu lɔ̃a xexeame bena, wòtsɔ ye ŋutɔ ƒe Tenuvi hena, bena amesiame, si xɔa edzi sena la, mele tsɔtsrɔ̃ ge o, ke boŋ wòakpɔ agbe mavɔ.” (Yohanes 3:16) Yesu Kristo ƒe tafevɔsa la mewɔ ɖeka kple susu si nye be míeɖi naneke le Yehowa gbɔ loo alo be melɔ̃ mí o la o. Le nyateƒe me la, ne Yehowa—tsɔ eƒe Tenuvi—xe fe gbogbo ma ɖe mía ta la, ke ɖikeke mele eme o be elɔ̃ mí ŋutɔ.

14. Nukae ɖe alesi Paulo bu tafeae fiae?

14 Eyata ne edzɔ be dziɖeleameƒo ƒe seselelãmewo aɖo mewò la, ke de ŋugble le tafea ŋu. Ẽ, bu nunana sia be Yehowae tsɔe na ye. Nusiae apostolo Paulo wɔ. Ðo ŋku edzi be egblɔ be: “O, nye nublanuitɔ!” Gake Paulo yi edzi gblɔ be: “Meda akpe na Mawu to Yesu Kristo, mía Aƒetɔ, la dzi,” amesi ‘lɔ̃m, eye wòtsɔ ye ŋutɔ ɖokui na ɖe tanye.’ (Romatɔwo 7:24, 25; Galatiatɔwo 2:20) Menye ɖe Paulo gblɔ nya sia tsɔ do eɖokui ɖe dzi o. Ðeko wòka ɖe edzi be Yehowa dea asixɔxɔ ye ŋu. Abe Paulo ene la, ele be wò hã nàdze agbagba abu tafea be enye nunana tso Mawu gbɔ. Yehowa menye Xɔla triakɔ aɖe ko evɔ o, ke enye Teƒeɖola lɔ̃ame hã.

Nɔ Ŋudzɔ Ðe Satana ƒe ‘Ayemenuwɔnawo’ Ŋu

15-17. (a) Aleke Abosam zãa dziɖeleameƒo ƒe seselelãmewo tsɔ gblẽa nu le ame ŋui? (b) Dzideƒoname kae míate ŋu akpɔ tso nusiwo dzɔ ɖe Hiob dzi me?

15 Ðewohĩ asesẽ na wò kokoko be nàxɔe ase be akɔfanamenya siwo le Mawu ƒe Nya la me la ku ɖe ye ŋu ŋutɔŋutɔ. Ðewohĩ awɔ na wò be teƒeɖoɖo si nye agbenɔnɔ tegbee le Mawu ƒe xexe yeyea me nye nusi ate ŋu asu amewo si, gake ye ya yemedze nɛ o. Ne alea wòwɔna na wò la, nukae nàte ŋu awɔ?

16 Ðikeke mele eme o be ènya aɖaŋu si Paulo ɖo na Efesotɔwo la nyuie: “Mido Mawu ƒe aʋawɔnu blibo la katã, bene miate ŋu anɔ te ɖe Abosam ƒe aɖaŋu vɔ̃wo [“ayemenuwɔnawo,” NW ƒe etenuŋɔŋlɔ] nu.” (Efesotɔwo 6:11) Ne míebe Satana ƒe ayemɔwo la, nuwo abe ŋutilãmenudidi kple agbegbegblẽnɔnɔe vaa susu me na mí enumake, eye esɔ nenema hã. Tetekpɔ siawo zu mɔ̃ ɖe Mawu ƒe ame geɖewo le blema kple le míaƒe ŋkekeawo me siaa. Gake, mele be míaŋe aɖaba aƒu Satana ƒe ayemenuwɔna bubu aɖe hã dzi o—eyae nye agbagba si wòdzena be yeana amewo nasusui be Yehowa Mawu melɔ̃ yewo o.

17 Abosam bi ɖe seselelãme mawo zazã, be yeatsɔ aɖe amewo ɖa le Mawu ŋu, me ŋutɔ. Ðo ŋku nya si Bildad gblɔ na Hiob dzi: “Aleke amegbetɔ ƒe nya adzɔ le Mawu gbɔ, eye nyɔnu tɔ dzidzia adza? Kpɔ ɖa, ɣleti ke hã meɖina, eye ɣletiwo me mekɔna le eƒe ŋku me o, ʋuu kekeke wòahayi amegbetɔ, si nye nyẽ, kpakple ame, si nye ŋɔ la, nye ge!” (Hiob 25:4-6; Yohanes 8:44) Àte ŋu akpɔ alesi gbegbee nya siawo aɖe dzi le ame ƒoe la le susumea? Eyata mègana Satana naɖe dzi le ƒowò o. Ke boŋ na Satana ƒe ayemenuwɔnawo nanɔ nyanya na wò ale be dzi nanɔ ƒowò eye ŋusẽ nanɔ ŋuwò nàtsɔ aʋli sesĩe wu tsã be nàwɔ nusi le eteƒe. (Korintotɔwo II, 2:11) Le Hiob gome la, togbɔ be eva hiã be Yehowa naɖɔ eyama ɖo hã la, Eɖo eƒe dzidodoa teƒe nɛ to nusiwo katã wòbu la ƒe teƒe eve nanae me.—Hiob 42:10.

Yehowa ‘Nye Gã Wu Míaƒe Dzi’

18, 19. Aleke ‘Mawu nye gã wu míaƒe dziwoe’ eye mɔ ka nue “wònya nuwo katã” le?

18 Ele eme baa be mele bɔbɔe be míaɖu dziɖeleameƒo ƒe seselelãme siwo ƒo ke ɖo to ɖe mía me ŋutɔ la dzi ya o. Gake Yehowa ƒe gbɔgbɔa ate ŋu anɔ kpekpem ɖe ŋuwò vivivi bene nàva ɖu ‘nusiwo ɖi ɖe to sesĩe eye wotso ɖe sidzedze Mawu ŋu la’ dzi. (Korintotɔwo II, 10:4, 5) Ne tame gbegblẽwo bubu di be yeakpe dziwò la, de ŋugble le apostolo Yohanes ƒe nya siawo ŋu: “Esia me míadze sii le bena, míetso nyateƒe la me, eye míana kakaɖedzi míaƒe dziwo le eƒe ŋku me; elabena ne míaƒe dzi bu fɔ mí hã la, Mawu enye gã wu míaƒe dzi, eye wònya nuwo katã.”—Yohanes I, 3:19, 20.

19 Nukae nyagbɔgblɔ si nye “Mawu enye gã wu míaƒe dzi” la fia? Ɣeaɖewoɣi la, míaƒe dzi abu fɔ mí, vevietɔ ne míeva nya míaƒe blibomademadewo kple gbɔdzɔgbɔdzɔwo nyuie hele veve sem ɖe wo ta. Alo ɖewohĩ le nusiwo me míeto le ɖevime me ta la, míebua mía ɖokui numaɖinui ɣeawokatãɣi, abe ɖe míaƒe nuwɔna aɖeke madze Yehowa ŋu o ene. Apostolo Yohanes ƒe nyawo ka ɖe edzi na mí be Yehowa nye gã wu ema! Ekpɔa nu toa míaƒe vodadawo ta eye wòdea dzesi nusi tututu míate ŋu awɔ. Enya míaƒe tamesusuwo kple didiwo. Dawid ŋlɔ bena: “Elabena enya míaƒe wɔwɔme, eɖoa ŋui be, kewɔ míenye.” (Psalmo 103:14) Ẽ, Yehowa nya mí wu alesi míenya mía ɖokuii!

“Atsyɔ̃ Fiakuku” Kple “Fia ƒe Tablanu”

20. Nukae Yesaya ƒe gbugbɔgaɖoanyi ŋuti nyagblɔɖia ɖe fia ku ɖe alesi Yehowa bua esubɔlawoe ŋu?

20 Yehowa to nyagblɔɖila Yesaya dzi na mɔkpɔkpɔ eƒe ame siwo nɔ anyi le blema be yeana be woatrɔ ayi wo denyigba dzi. Togbɔ be wonɔ aboyo me le Babilon hã la, akɔfanamenya kple kakaɖedzinamenya siawo tututue amesiawo ƒo dzi ɖe le la ahiã! Le mɔkpɔkpɔ na ɣeyiɣi si woatrɔ ava nɔ wo denyigba dzi me la, Yehowa gblɔ be: “Ànye atsyɔ̃ fiakuku le Yehowa si me kple fia ƒe tablanu le wò Mawu si me.” (Yesaya 62:3) Yehowa to nya siawo dzi de bubu eƒe amewo ŋu heɖo atsyɔ̃ na wo. Ewɔ nenema ke na eƒe gbɔgbɔ me Israel dukɔ la hã egbea. Ðeko wòle abe ɖe wòdo wo ɖe dzi bene woƒe nu nadze amesiame ŋu ene.

21. Aleke nàte ŋu awɔ aka ɖe edzi be Yehowa aɖo yeƒe dzidodo nuteƒewɔwɔtɔe la teƒe na ye?

21 Togbɔ be amesiaminawoe nyagblɔɖi sia va eme na koŋ hã la, eɖe bubu si Yehowa dena amesiwo katã subɔnɛ ŋu la fia. Le esia ta, ne èkea ɖi le esia ŋu la, ɖo ŋku edzi be togbɔ be ame madebliboe yenye hã la, yexɔ asi ŋutɔ, abe “atsyɔ̃ fiakuku” kple “fia ƒe tablanu” ene, na Yehowa. Eyata yi edzi nànɔ dzidzɔ dom na eƒe dzi to agbagbadzedze vevie be yeanɔ eƒe lɔlɔ̃nu wɔm dzi. (Lododowo 27:11) To ema wɔwɔ me la, àte ŋu aka ɖe edzi be Yehowa aɖo yeƒe dzidodo nuteƒewɔwɔtɔe la teƒe na ye!

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 1 Míetrɔ ŋkɔ aɖewo.

Èɖo Ŋku Wo Dzia?

• Aleke míenye ‘nunɔamesi tɔxɛ’ na Yehowae?

• Nukata wòle vevie be míabu Yehowa be enye Teƒeɖola?

• Satana ƒe ‘ayemenuwɔna’ kawo ŋue wòle be míanɔ ŋudzɔ ɖo?

• Mɔ ka nue Mawu ‘nye gã wu míaƒe dziwo’ le?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 26]

Paulo

[Nɔnɔmetata si le axa 26]

Eliya

[Nɔnɔmetata si le axa 26]

Xana

[Nɔnɔmetata si le axa 28]

Akɔfanamenya gbogbo aɖewo le Mawu ƒe Nya la me