Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Àɖe Mawu Ƒe Ŋutikɔkɔe Afiaa?

Àɖe Mawu Ƒe Ŋutikɔkɔe Afiaa?

Àɖe Mawu Ƒe Ŋutikɔkɔe Afiaa?

‘Míeɖea Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe fiana abe ahuhɔ̃ewo ene.’​KORINTOTƆWO II, 3:18.

1. Nukae Mose kpɔ, eye nukae dzɔ le ema megbe?

ŊUTEGA wɔdɔɖeamedzi kekeake siwo amewo kpɔ kpɔ dometɔ ɖekae wònye. Esi Mose ɖeka nɔ Sinai-toa tame la, wowɔ didi aɖe si mebɔ o la dzi nɛ. Woɖe mɔ nɛ wòkpɔ nusi amegbetɔ aɖeke mekpɔ kpɔ o—si nye Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe. Nyateƒee, Mose mekpɔ Yehowa ŋutɔŋutɔ ya o. Mawu ƒe nɔnɔme wɔ nuku ale gbegbe be ame aɖeke mate ŋu akpɔe aganɔ agbe o. Nusi Yehowa wɔ boŋue nye be etsɔ eƒe “asi” tsyɔ Mose dzi tsɔ kpɔ eta vaseɖe esime Wòto afima va yi, eye edze ƒã be mawudɔla aɖee wòzã tsɔ wɔ esia. Azɔ Yehowa ɖe mɔ na Mose wòkpɔ Mawu ƒe ŋutikɔkɔe ɖeɖefia sia me tsonu. Yehowa to mawudɔla aɖe dzi ƒo nu hã kple Mose. Biblia gblɔ nusi dzɔ kplɔe ɖo ale: “Esi Mose ɖi tso Sinai-toa dzi la, menyae bena, esi [Yehowa ƒo] nu kple ye la, yeƒe mo de asi keklẽ me o.”—Mose II, 33:18–34:7, 29.

2. Nya kae apostolo Paulo ŋlɔ tso ŋutikɔkɔe si Kristotɔwo ɖena fiana ŋu?

2 Tsɔe be ènɔ to ma dzi kple Mose. Dzi adzɔ wò ale gbegbe be yekpɔ Ŋusẽkatãtɔ la ƒe atsyɔ̃ wɔnuku la hese eƒe gbe! Bubu gã ka gbegbee nye esi wòanye be woaɖi tso Sinai-toa dzi kple Mose, amesi nye Se ƒe nubabla la ƒe avuléla! Gake ènya be le mɔ aɖewo nu la, Kristotɔwo ɖea Mawu ƒe ŋutikɔkɔe fiana le mɔ aɖe si de ŋgɔ boo wu Mose tɔ kura gɔ̃ hã nua? Nyateƒenya ma si ana míabu tame la dze le lɛta aɖe si apostolo Paulo ŋlɔ me. Eŋlɔe be Kristotɔ amesiaminawo ‘ɖea Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe fiana abe ahuhɔ̃ewo ene.’ (Korintotɔwo II, 3:7, 8, 18) Le mɔ aɖe nu la, Kristotɔ siwo si anyigba dzi nɔnɔ ƒe mɔkpɔkpɔ le hã ɖea Mawu ƒe ŋutikɔkɔe fiana.

Alesi Kristo Ðea Mawu ƒe Ŋutikɔkɔe Fianae

3. Aleke míewɔ va nya Yehowa le mɔ siwo nu Mose menyae le o?

3 Aleke míate ŋu aɖe Mawu ƒe ŋutikɔkɔe afiae? Míekpɔ Yehowa alo se nya le enu abe Mose ene kpɔ o. Gake míeva nya Yehowa le mɔ si nu Mose mete ŋu nyae le o nu. Mose ku ƒe 1,500 kloe megbe hafi Yesu do va zu Mesia. Eyata Mose mate ŋu anya alesi Sea ava eme le Yesu, amesi ku heɖe ameƒomea tso nuvɔ̃ kple ku ƒe ameteteɖeanyi wɔnublanuia me la o. (Romatɔwo 5:20, 21; Galatiatɔwo 3:19) Gawu la, Yehowa ƒe tameɖoɖo, si ku ɖe Mesia Fiaɖuƒea ŋu, kple anyigba dzi Paradiso si wòahe vɛ, ƒe ŋutikɔkɔe ƒe akpa sue aɖe koe Mose te ŋu kpɔ. Eyata menye ŋku ŋutɔŋutɔe míetsɔ kpɔa Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe o, ke boŋ xɔse si míetu ɖe Biblia ƒe nufiafiawo dzie míetsɔ kpɔnɛ. Gawu la, menye mawudɔla aɖe dzie míawo míeto se Yehowa ƒe gbe o, ke boŋ to Biblia, vevietɔ Nyanyuigbalẽawo, siwo ƒo nu tso Yesu ƒe nufiafiawo kple subɔsubɔdɔa ŋu nyuie ale gbegbe, la dzie.

4. (a) Aleke Kristotɔ amesiaminawo ɖea Mawu ƒe ŋutikɔkɔe fianae? (b) Mɔ kawo nue amesiwo si anyigba dzi mɔkpɔkpɔ le ate ŋu aɖe Mawu ƒe ŋutikɔkɔe afia le?

4 Togbɔ be Kristotɔwo meɖea Mawu ƒe ŋutikɔkɔe fiana to woƒe mo si nɔa keklẽm dzi o hã la, woƒe mo klẽna ne wole Yehowa ƒe amenyenye kple tameɖoɖo kɔkɔeawo ŋu nya gblɔm na amewo. Nyagblɔɖila Yesaya gblɔe ɖi tso míaƒe ŋkekea ŋu be Mawu ƒe amewo ‘aɖe gbeƒã Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe le dukɔwo dome.’ (Yesaya. 66:19) Gawu la, míexlẽ le Korintotɔwo II, 4:1, 2 be: “Esi subɔsubɔdɔ sia le mía si [ta la,] . . . míegbea ŋukpenanu ɣaɣlawo boŋ, eye míezɔna le aɖaŋu vɔ̃ me o, eye míebaɖa mawunya hã o, hafi boŋ míetsɔa nyateƒe ƒe ɖeɖefia ɖea mía ɖokui fiaa amewo katã ƒe dzitsinya le Mawu ƒe ŋku me.” Kristotɔ amesiaminawo, amesiwo nye “nubabla yeye ƒe subɔlawo” ŋu koŋue Paulo nɔ nu ƒom tsoe. (Korintotɔwo II, 3:6) Gake woƒe subɔsubɔdɔa ɖea vi na ame gbogbo aɖewo siwo mele xexlẽ me o, siwo si agbe mavɔ nɔnɔ le anyigba dzi ƒe mɔkpɔkpɔ va su la. Subɔsubɔdɔ si ƒuƒoƒo evea siaa wɔna bia be woaɖe Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe afia, menye le nusi wofiana me ko o, ke le alesi wonɔa agbee hã gome. Agbanɔamedzi kple mɔnukpɔkpɔ siaa wònye na mí be míaɖe Mawu Dziƒoʋĩtɔ la ƒe ŋutikɔkɔe afia!

5. Nuka ƒe kpeɖodzie gbɔgbɔmedzidzedze si kpɔm míele la nye?

5 Abe alesi Yesu gblɔe ɖi ene la, wole gbeƒã ɖem Mawufiaɖuƒea ƒe ŋutikɔkɔe nyanyuia le anyigba katã dzi. (Mateo 24:14) Amewo tso dukɔwo, towo, ameƒomeviwo, kple gbegbɔgblɔwo katã me xɔ nyanyuia hetrɔ woƒe agbenɔnɔ wòwɔ ɖeka kple Mawu ƒe lɔlɔ̃nu faa. (Romatɔwo 12:2; Nyaɖeɖefia 7:9) Abe Kristotɔ gbãtɔwo ene la, womate ŋu adzudzɔ nuƒoƒo le nusiwo wokpɔ kple nusiwo wose la ŋu o. (Dɔwɔwɔwo 4:20) Ame miliɔn ade kple edzivɔ, si nye agbɔsɔsɔ gbogbotɔ kekeake le amegbetɔ ƒe ŋutinya me, ye le Mawu ƒe ŋutikɔkɔe ɖem fia egbea. Èle wo domea? Dzidzedze si kpɔm Mawu ƒe amewo le le gbɔgbɔ me la nye kpeɖodzi be Yehowa le wo yram hele wo ta kpɔm. Kpeɖodzi bubu si gali be Yehowa ƒe gbɔgbɔ le mía dzi lae nye alesi wotsi tre ɖe mía ŋu ŋusẽtɔe. Azɔ mina míakpɔ nusitae wòle alea ɖo ɖa.

Womamia Nu na Mawu ƒe Amewo O

6. Nukatae xɔse kple dzideƒo hiã hafi míate ŋu anɔ Yehowa ƒe akpa dzi?

6 Tsɔe be woyɔ wò be nàva ɖi ɖase tso hlɔ̃dola makpɔnublanui aɖe ŋu le ʋɔnu. Ènyae be habɔbɔ sẽŋu aɖe le hlɔ̃dolaa si eye be ato mɔ sia mɔ dzi be yeaxe mɔ na wò be nàgaɖe ye gɔme o. Abia dzideƒo kple dziɖuɖumegãwo ƒe kaka ɖe edzi na wò be yewoakpɔ tawò hafi nàlɔ̃ ava ɖi ɖase le hlɔ̃dola sia tɔgbe ŋu. Nɔnɔme ma tɔgbe ke mee míele. To ɖase ɖiɖi le Yehowa kple eƒe tameɖoɖowo ŋu dzi la, míele tsitre tsim ɖe Satana Abosam ŋu, hele nu klom le eŋu be enye amewula kple aʋatsokala si le xexeame katã blem. (Yohanes 8:44; Nyaɖeɖefia 12:9) Be nànɔ Yehowa ƒe akpa dzi ahatsi tre ɖe Abosam ŋu bia xɔse kple dzideƒo.

7. Ŋusẽ ka gbegbee le Satana si, eye nukae wòdzena agbagba be yeawɔ?

7 Le nyateƒe me la, Yehowae nye Nuwokatãtaƒola. Eƒe ŋusẽ ƒo Satana tɔ ta sasasã. Míate ŋu aka ɖe edzi be menye ɖeko Yehowa ate ŋu akpɔ mía ta ne míesubɔnɛ nuteƒewɔwɔtɔe o, ke be edi vevie be yeawɔe hã. (Kronika II, 16:9) Ke hã, Satanae nye gbɔgbɔ vɔ̃wo kple ameƒomea ƒe xexe sia si te ɖa tso Mawu ŋu la siaa ƒe dziɖula. (Mateo 12:24, 26; Yohanes 14:30) Esi wonya Satana ɖo ɖe anyigba ƒe nutowo me eye “dzi le ekum ŋutɔ” ta la, etsia tre ɖe Yehowa subɔlawo ŋu kaɖikaɖi eye wòzãna xexeame si dzi wòkpɔ ŋusẽ ɖo la tsɔna dzea agbagba be yeamia nu na amesiwo le gbeƒã ɖem nyanyuia. (Nyaɖeɖefia 12:7-9, 12, 17) Aleke wòwɔa esiae? Mɔ etɔ̃ ya teti le esi.

8, 9. Aleke Satana zãna lɔlɔ̃ si mesɔ o lae, eye nukatae wòle be míatia amesiwo míade ha kplii la le nunya me?

8 Mɔ gbãtɔ si ŋu Satana dina be yeatrɔ míaƒe susu ɖoe nye agbemenuwo. Le ŋkeke mamlɛ siawo me la, amewo nye galɔ̃lawo, ɖokuilɔ̃lawo, kple viviseselɔ̃lawo. Womenye Mawu lɔ̃lawo ya o. (Timoteo II, 3:1-4) Esi ame akpa gãtɔ tsi dzi ɖe gbesiagbegbenɔnɔ ŋu ta la, ‘wometsɔa ɖeke le’ nyanyui si míetsɔna yina na wo la me o. Womedi kura be yewoasrɔ̃ Biblia me nyateƒea o. (Mateo 24:37-39) Nɔnɔme sia ate ŋu ava nɔ míawo hã mía si, si awɔe be míagava tsɔ ɖeke le gbɔgbɔmenuwo me o. Ne míeɖe mɔ le mía ɖokui ŋu va zu ŋutilãmenuwo kple agbemevivisesewo lɔ̃lawo la, ekema míaƒe lɔlɔ̃ na Mawu nu afa.—Mateo 24:12.

9 Le susu sia ta la, Kristotɔwo tiana amesiwo woade ha kplii la nunyatɔe. Fia Salomo ŋlɔ be: “Ne èzɔ kple nunyalawo la, àdze nunya; ke ne ède ha kple bometsilawo la, àzu ame gbegblẽ.” (Lododowo 13:20) Mina ‘míazɔ’ kple amesiwo ɖea Mawu ƒe ŋutikɔkɔe fiana. Esia wɔwɔ vivina lo! Ne míeva ƒo ƒu ɖekae kple míaƒe gbɔgbɔ me nɔviŋutsuwo kple nɔvinyɔnuwo le kpekpeawo me kple le ɣeyiɣi bubuwo dzi la, míekpɔa dzideƒo tsoa woƒe lɔlɔ̃, woƒe xɔse, woƒe dzidzɔ, kple woƒe nunya me. Hadede nyui siawo doa ŋusẽ míaƒe tameɖoɖo kplikpaa be míado dzi le subɔsubɔdɔa me.

10. Mɔ kawo dzie Satana tona ɖua fewu le amesiwo ɖea Mawu ƒe ŋutikɔkɔe fiana ŋu?

10 Mɔ evelia si dzi Satana dzea agbagba tona be yeatɔ te Kristotɔwo be woagaɖe Mawu ƒe ŋutikɔkɔe afia o lae nye fewuɖuɖu. Mele be eƒe ayemɔ sia nawɔ nuku na mí o. Esi Yesu Kristo nɔ eƒe subɔsubɔdɔa wɔm le anyigba dzi la, woɖu fewu le eŋu—wokoe, woɖi gbɔe, wodo vloe, wowɔ nu ɖe eŋu amemabumabutɔe, eye woɖe ta ɖe eŋu kura gɔ̃ hã. (Marko 5:40; Luka 16:14; 18:32) Woɖu fewu le Kristotɔ gbãtɔwo hã ŋu. (Dɔwɔwɔwo 2:13; 17:32) Yehowa subɔla siwo li egbea hã doa go nusia tɔgbe. Apostolo Petro gblɔ be woayɔ wo le mɔ aɖe nu be “aʋatsonyagblɔɖilawo.” Petro gblɔe ɖi be: “Le ŋkeke mamlɛawo dzi la fewuɖulawo lava kple fewuɖuɖu, amesiwo zɔna le woawo ŋutɔwo ƒe nudzodzrowo nu, eye woagblɔ bena: Afika eƒe vava la ƒe ŋugbedodo la le? Elabena . . . nuwo katã nɔ anyi nenema tso nuwɔwɔ ƒe gɔmedzedze la me.” (Petro II, 3:3, 4) Wokoa Mawu ƒe amewo be womele naneke nyam o. Wobua Biblia ƒe agbenyuinɔnɔ ƒe dzidzenuwo be wonye tsigãdzinu. Ame geɖewo bua gbedasi si míele gbeƒã ɖemee la be enye bometsinya. (Korintotɔwo I, 1:18, 19) Esi míenye Kristotɔwo ta la, ɖewohĩ woaɖu fewu le mía ŋu le suku, le dɔme, eye ɣeaɖewoɣi hã, le ƒomea me kura gɔ̃ hã. Dzi meɖena le mía ƒo o, ke boŋ míeyia edzi ɖea Mawu ƒe ŋutikɔkɔe fiana to míaƒe gbeƒãɖeɖedɔa wɔwɔ me, elabena míenyae abe Yesu ene be Mawu ƒe Nya la nye nyateƒe.—Yohanes 17:17.

11. Aleke Satana zãna yometiti be yeatsɔ amia nu na Kristotɔwoe?

11 Mɔ etɔ̃lia si Abosam zãna be yeatsɔ amia nu na míe nye tsitretsiɖeŋu alo yometiti. Yesu gblɔ na eyomedzelawo be: “Woade mi asi na fukpekpe, eye woawu mi, eye dukɔwo katã woalé fu mi le nye ŋkɔ ŋuti.” (Mateo 24:9) Nyateƒee, esi míenye Yehowa Ðasefowo ta la, míedoa go yometiti sesẽwo le anyigbaa ƒe teƒe geɖe. Míenyae be Yehowa gblɔe ɖi ɣeyiɣi didi aɖe do ŋgɔ be fuléle anɔ amesiwo le Mawu subɔm kple amesiwo le Satana Abosam subɔm dome. (Mose I, 3:15) Míenyae hã be ne míelé nuteƒewɔwɔ me ɖe asi le dodokpɔwo me la, ekema míele ɖase ɖim be Yehowa dze anye xexeame katã ƒe Dziɖulagã. Nusia nyanya ate ŋu ado ŋusẽ mí le nɔnɔme sesẽtɔwo kekeake gɔ̃ hã me. Yometiti aɖeke mamia nu na mí gbeɖe o, ne míeɖoe kplikpaa be míaɖe Mawu ƒe ŋutikɔkɔe afia ko.

12. Nukatae wòle be míakpɔ dzidzɔ ne míewɔ nuteƒe le Satana ƒe tsitretsiɖeŋu te?

12 Ðe nètsia tre ɖe xexeame ƒe ameflunuwo ŋu hewɔa nuteƒe le fewuɖuɖu kple tsitretsiɖeŋu tea? Ekema susu li si ta nàkpɔ dzidzɔ ɖo. Yesu ka ɖe edzi na amesiwo adze eyome la be: “Woayra mi, ne woadzu mi, eye woati mia yome, eye woaka aʋatso agblɔ nya vɔ̃ bubu ƒomeviwo katã ɖe mia ŋuti le tanye. Dzi nadzɔ mi, eye mitso aseye; elabena miaƒe fetu sɔ gbɔ le dziƒo; elabena nenema ke woti nyagblɔɖila, siwo dze mia ŋgɔ la yomee.” (Mateo 5:11, 12) Wò dzidodo nyea kpeɖodzi be Yehowa ƒe gbɔgbɔ kɔkɔe sẽŋua le dziwò, be edoa ŋusẽ wò be nàɖe eƒe ŋutikɔkɔe afia.—Korintotɔwo II, 12:9.

Yehowae Kpena Ðe Mía Ŋu Míedoa Dzi

13. Susu vevi ka tae míedoa dzi le Kristotɔwo ƒe subɔsubɔdɔa me ɖo?

13 Susu vevi aɖe si ta míedoa dzi le subɔsubɔdɔa mee nye be míelɔ̃ Yehowa eye edzɔa dzi na mí be míaɖe eƒe ŋutikɔkɔe afia. Zi geɖe la, amegbetɔwo srɔ̃a amesiwo wolɔ̃, siwo ŋu wodea bubui la ƒe nɔnɔme, evɔ Yehowa Mawue nye ame vevitɔ kekeake si dze be míasrɔ̃. Le lɔlɔ̃ gã si le esi ta la, edɔ Via ɖo ɖe anyigba dzi be wòaɖi ɖase le nyateƒea ŋu ahaɖe ameƒomea me tɔ toɖolawo. (Yohanes 3:16; 18:37) Abe Mawu ene la, míawo hã míedi be ameƒomevi ɖesiaɖe natrɔ dzime ahakpɔ xɔxɔ; ema tae míeɖea gbeƒã na wo ɖo. (Petro II, 3:9) Didi si le mía me, kple tame si míeɖo kplikpaa be míasrɔ̃ Mawu, ʋãna mí míeyia edzi ɖea Mawu ƒe ŋutikɔkɔe fiana le míaƒe subɔsubɔdɔa me.

14. Aleke Yehowa doa ŋusẽ mí be míado dzi le subɔsubɔdɔa me?

14 Ke hã, Yehowa koŋue nana ŋusẽ mí míedoa dzi le Kristotɔwo ƒe subɔsubɔdɔa me. Etoa eƒe gbɔgbɔa, eƒe habɔbɔa, kple eƒe Nya, Biblia, dzi léa mí ɖe te hedoa ŋusẽ mí. Yehowa ‘nana dzidodo’ ƒe ŋutete amesiwo lɔ̃ faa be yewoaɖe eƒe ŋutikɔkɔe afia. Eɖoa míaƒe gbedodoɖawo ŋu eye wònana nunya mí be míatsɔ anɔ te ɖe dodokpɔwo nu. (Romatɔwo 15:5; Yakobo 1:5) Gawu la, Yehowa meɖea mɔ wodoa mí kpɔna wu alesi míate ŋui o. Ne míeɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu la, akpe ɖe mía ŋu míado le eme ale be míayi edzi anɔ eƒe ŋutikɔkɔe ɖem fia.—Korintotɔwo I, 10:13.

15. Nukae kpena ɖe mía ŋu míedoa dzi?

15 Míaƒe dzidodo le subɔsubɔdɔa me nyea kpeɖodzi be Mawu ƒe gbɔgbɔa le mía dzi. Na míawɔ eƒe kpɔɖeŋu: Tsɔe be ame aɖe bia tso asiwò be nàma abolo aɖe tso ʋɔtru nu yi ʋɔtru nu femaxee. Wogblɔ na wò be wò ŋutɔe axe wò gazazãwo ŋu fewo eye be nàtsɔ wò ŋutɔ wò ɣeyiɣi awɔe. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, èva kpɔe be ame ʋɛ aɖewo koe le yeƒe aboloa dim ŋutɔŋutɔ; ame aɖewo atsi tre ɖe agbagba si dzem nèle be yeamae ŋu kura gɔ̃ hã. Èsusu be àyi edzi anɔ dɔ ma wɔm tso ɣleti yi ɣleti kple tso ƒe yi ƒea? Ðewohĩ màyi edzi o. Gake anye be èle wò ŋutɔ wò ɣeyiɣi zãm le agbagba dzem le nyanyuia gbɔgblɔ me ƒe aɖewo, ɖewohĩ ƒe gbogbo aɖewo kura gɔ̃ hãe nye esia. Nukatae? Ðe menye esi nèlɔ̃ Yehowa eye esi wònye eto eƒe gbɔgbɔa dzi yrana agbagba siwo dzem nèle be nàdo dzi tae oa? Eya tututu tae!

Dɔ aɖe si Dzi Woaɖo Ŋkui

16. Nukae míaƒe dzidodo le subɔsubɔdɔa me ate ŋu ahe vɛ na mía kple amesiwo ɖoa to mí la siaa?

16 Nunana si ɖeke mesɔ kpli o ye nubabla yeye ƒe subɔsubɔdɔa nye. (Korintotɔwo II, 4:7) Nenema kee Kristotɔwo ƒe subɔsubɔdɔ si wɔm alẽ bubuawo le le xexeame godoo la nye kesinɔnu aɖe. Ne èyi edzi do dzi le wò subɔsubɔdɔa me la, ekema abe alesi Paulo ŋlɔe ɖo ɖe Timoteo ene la, “àxɔ ɖokuiwò kple amesiwo ɖoa to wò la, ɖe agbe.” (Timoteo I, 4:16) Bu nusi nu ma fia ŋu kpɔ. Nyanyui si nèle gbeƒã ɖemee la na mɔnukpɔkpɔ ame bubuwo be woakpɔ agbe mavɔ. Xɔlɔ̃wɔwɔ kplikplikpli aɖe ate ŋu ava nɔ amesiwo ŋu nèkpe ɖo le gbɔgbɔ me la dome. Wò ya bu alesi gbegbe dzi adzɔ wòe be nànɔ agbe tegbee le Paradiso me kple amesiwo ŋu nèkpe ɖo wova srɔ̃ nu tso Mawu ŋui la ŋu kpɔ! Kakaɖedzitɔe la, womaŋlɔ agbagba siwo nèdze kpe ɖe wo ŋu la be gbeɖe o. Nya sia ana ame ƒe dzi nadze eme lo!

17. Nukatae ɣeyiɣi si me míele la le etɔxɛ le amegbetɔ ƒe ŋutinya me?

17 Amegbetɔ ƒe ŋutinya ƒe ɣeyiɣi tɔxɛ aɖe mee nèle fifia. Womagaɖe gbeƒã nyanyuia le xexe si ɖe eɖokui ɖa tso Mawu ŋu me akpɔ gbeɖegbeɖe o. Xexe ma tɔgbe mee Noa nɔ, eye ekpɔ eteƒe enu va yi. Dzi anya dzɔe ŋutɔ be yewɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu nuteƒewɔwɔtɔe hekpa aɖakaʋu, si na eya kple eƒe ƒomea tsi agbe! (Hebritɔwo 11:7) Wò hã àte ŋu akpɔ dzidzɔ sia tɔgbe. Wò ya bu alesi nàse le ɖokuiwò me ne èva ɖo xexe yeyea me hetrɔ kpɔ dɔ siwo nèwɔ le ŋkeke mamlɛ siawo me ɖa, hekpɔe be yewɔ yeƒe ŋutete ɖesiaɖe tsɔ do Fiaɖuƒea ƒe nuwo ɖe ŋgɔe, ŋu kpɔ.

18. Kakaɖedzi kple dzideƒo kae Yehowa nana esubɔlawo?

18 Ekema mina míayi edzi aɖe Mawu ƒe ŋutikɔkɔe afia. Esia wɔwɔ anye nane si dzi míaɖo ŋkui tegbee. Yehowa hã ɖoa ŋku míaƒe dɔwɔwɔwo dzi. Biblia de dzi ƒo na mí be: “Mawu menye madzɔmadzɔtɔ be, wòaŋlɔ miaƒe dɔwɔwɔ kple lɔlɔ̃, si mieɖe fia le eƒe ŋkɔ ta, le esime miesubɔ ame kɔkɔewo, eye miegale edzi le wo subɔm la be o. Ke míele didim vevie bena, mia dome amesiame naɖe veviedodo ma ke afia le mɔkpɔkpɔ ƒe kakaɖedzi blibo vaseɖe nuwuwu la ŋuti, bene miagazu kuviatɔwo o; ke boŋ mizu amesiwo toa xɔse kple dzigbɔgbɔ blewu me nyia ŋugbedodowo ƒe dome la, srɔ̃lawo.”—Hebritɔwo 6:10-12.

Àte Ŋu Aɖe Wo Mea?

• Aleke Kristotɔwo ɖea Mawu ƒe ŋutikɔkɔe fianae?

• Ayemɔ kawoe Satana zãna tsɔ dzea agbagba be yeamia nu na Mawu ƒe amewo?

• Kpeɖodzi kae li be Mawu ƒe gbɔgbɔa le mía dzi?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 15]

Mose ƒe mo nɔ keklẽm

[Nɔnɔmetata siwo le axa 16, 17]

Míeɖea Mawu ƒe ŋutikɔkɔe fiana le míaƒe subɔsubɔdɔa me