Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Fia ƒe Biblia—Agbalẽsɔsrɔ̃ me Dɔwɔnu Ðedzesi Aɖee

Fia ƒe Biblia—Agbalẽsɔsrɔ̃ me Dɔwɔnu Ðedzesi Aɖee

Fia ƒe Biblia​—Agbalẽsɔsrɔ̃ me Dɔwɔnu Ðedzesi Aɖee

MELIA ho le Spain ɖo ta Italy-ƒukpoa dzi le ƒe alafa 16 lia ƒe gɔmedzedze. Agba xɔasi aɖee wòtsɔ—Komplutensia Biblia si Le Gbe Vovovowo Me siwo katã kloe wota tso ƒe 1514 vaseɖe 1517 me lae. Kasia ahom sesẽ aɖe dze tutu. Melia me dɔwɔlawo wɔ ɖesiaɖe be melia naganyrɔ o, gake woƒe agbagbadzedzewo zu dzodzro. Melia kple eƒe agba xɔasia siaa nyrɔ.

Afɔku ma na wòva hiã be woagata Biblia si Le Gbe Vovovowo Me ƒe yeye. Christophe Plantin, amesi nye agbalẽtala bibi aɖe la, lɔ̃ xɔ dɔ sesẽ sia be yeawɔ. Ehiã kesinɔtɔ gã aɖe ƒe kpekpeɖeŋu hafi wòate ŋu awɔ dɔ gã sia, eyata ebia Spain-fia Philip II, be wòada megbe na dɔ sia wɔwɔ. Hafi fia la nawɔ nyametsotso la, ebia aɖaŋuɖoɖo tso Spain gbalẽnyala geɖe gbɔ; amesiawo dometɔ ɖekae nye Biblia-nyala xɔŋkɔ Benito Arias Montano. Amesia gblɔ na Fia Philip be: “Menye ɖeko dɔ sia wɔwɔ anye dɔ wɔwɔ na Mawu eye wòaɖe vi na Katolikoha si le xexeame godoo la ko evɔ o, ke ahe ŋutikɔkɔe hã vɛ na wò fia, Amegã Bubutɔ, ahana woade bubu wò ŋkɔ ŋu.”

Komplutensia Biblia si Le Gbe Vovovowo Me ƒe yeye si me woto hegbugbɔ ta la anye ŋgɔyiyi bubu si woawɔ le agbalẽsrɔ̃nyawo me, eyata Philip tso nya me be yeado alɔ Plantin bliboe wòawɔ eƒe dɔa. Philip tsɔ dɔ gã nyadri si nye Fia ƒe Biblia alo Antwerp Polyglot la xexlẽ to eme ƒe dɔa de asi na Arias Montano be wòawɔ. *

Polyglot Biblia tata dɔa ƒe ŋgɔyiyi nɔ vevie na Philip ale gbegbe be wòbia be woaɖo Bibliaa ƒe axa ɖesiaɖe ɖe ye yeaxlẽ ato me. Ke hã Plantin medi be yealala vaseɖe esime wotsɔ Biblia tso Antwerp yi Spain na fia la wòaxlẽ ato eme ahaɖɔ wo me vodadawo ɖo ahatrɔ wo agbɔe hafi woatae o. Eyata esi wota Biblia la hafi Philip ƒe asi ka eƒe axa gbãtɔwo ƒe ɖewo. Le ɣeyiɣi siawo katã me la, Montano nɔ Biblia la xlẽm to eme kple ŋkubiã, eye agbalẽnyalagã etɔ̃ siwo tso Louvain kpakple Plantin ƒe vinyɔnuvi ƒewuivi na kpekpeɖeŋui ŋutɔ.

Mawu ƒe Nya Lɔ̃la Aɖe

Arias Montano ɖe dzi ɖi nɔ Antwerp gbalẽnyalawo dome. Alesi wòdana nu geɖe kpɔna nyuie hafi kpɔa nyawo gbɔe la na eƒe nu lé dzi na Plantin, eye wova zu xɔlɔ̃ kplikplikpliwo le woƒe agbe me ŋkeke mamlɛawo katã me. Menye ɖeko wonya Montano be enye agbalẽnyala bibi o, ke wonyae hã be elɔ̃ Mawu ƒe Nya la vevie. * Esime wònye ɖekakpui la, edi vevie be yeawu suku nu kaba ale be yeate ŋu atsɔ ye ɖokui aɖo anyi bliboe asrɔ̃ Ŋɔŋlɔawo.

Arias Montano susui be ne woɖe Biblia gɔme tso gbe aɖe me yi bubu me la, ke ele be woaɖe nya ɖesiaɖe si le gbe gbãtɔa me la gɔme pɛpɛpɛ alesi wòanya wɔ. Eyata edze agbagba ɖe nyawo gɔme wosɔ pɛpɛpɛ kple ŋɔŋlɔ gbãtɔa, eye esia awɔe be nusi ŋutɔŋutɔ le Mawu ƒe Nyaa me nasu exlẽla ɖesiaɖe si. Montano wɔ ɖe Erasmus ƒe mɔfiamenya dzi, amesi xlɔ̃ nu agbalẽnyawo be “woaɖe gbeƒã tso Kristo ŋu pɛpɛpɛ abe alesi wòle le ŋɔŋlɔ gbãtɔawo me ene.” Ƒe alafa geɖewoe nye ema va yi si amewo mete ŋu se gbe gbãtɔ siwo me Ŋɔŋlɔawo nɔ la me o, elabena Latingbe me Bibliawo gɔmesese sesẽ na wo ŋutɔ.

Alesi Woɖo Nuwo Ðe Gbe Vovovowo me Biblia sia Mee

Arias Montano xɔ blema asinuŋɔŋlɔgbalẽ siwo katã Alfonso de Zamora ƒo ƒu heɖɔ wo me vodadawo ɖo wotsɔ ta Komplutensia Biblia si Le Gbe Vovovowo Me la eye wòzã wo le Fia ƒe Biblia la tata me. *

Ðe woɖoe gbã be Fia ƒe Biblia la nanye Komplutensia Biblia si Le Gbe Vovovowo Me ƒe tata evelia ko hafi, gake eva de ŋgɔ wu ema. Komplutensia Biblia mee woɖe Hebrigbe kple Helagbe me ŋɔŋlɔ siwo le Septuagint Biblia me la tso tsɔ de Biblia yeye sia me; azɔ wotsɔ nya yeyewo kple megbenya gbogbo aɖewo kpee. Mlɔeba la, babla enyi mee wota Gbe Vovovowo me Biblia yeyea ɖo. Biblia la tata xɔ ƒe atɔ̃, wodze egɔme tso ƒe 1568 va wu enu le ƒe 1572 me—enye ɣeyiɣi kpui aɖe ŋutɔ le alesi eŋuti dɔ wɔwɔ le nyadrii ta. Mlɔeba la, wota ɖekaɖeka 1,213.

Togbɔ be wogblɔ be ƒe 1517 me Komplutensia Biblia si Le Gbe Vovovowo Me nye “agbalẽtata me nuŋɔŋlɔwo ƒe aɖaŋudɔ kple ŋɔŋlɔawo ŋutinunya ƒe ŋkuɖodzi” hã la, Antwerp Polyglot yeye si wota la nyo wu gbãtɔa le mɔ̃ɖaŋu ŋudɔwɔwɔ gome eye eme nyawo me kɔ wu. Enye ŋgɔyiyi bubu si wowɔ le agbalẽtanyawo gome, eye nusi gaɖe dzesi wue nye be eya dzi koŋ ye wokpɔna tsɔ ɖea Biblia bubuwo gɔme.

Tsitretsiɖeŋu si Tso Mawu ƒe Nya la ƒe Futɔwo Gbɔ

Mewɔ nuku o be eteƒe medidi hafi Biblia gɔmeɖeɖe nyui sia ŋuti futɔwo va dze gaglã o. Togbɔ be papa la da asi ɖe Antwerp Polyglot la dzi eye be Arias Montano nye agbalẽnyala aɖe si ŋu wodea bubui ŋutɔ hã la, wotsɔ nya ɖe eŋu le Ŋutasẽʋɔnudrɔ̃ƒea. Tsitretsiɖeŋulawo gblɔ be dɔ si wòwɔ la na wòva dze be Latin gɔmeɖeɖe yeye si Santes Pagninus ta la sɔ kple Hebrigbe kple Helagbe gɔmeɖeɖe gbãtɔawo wu Vulgate Biblia, si gɔme woɖe ƒe alafa geɖe do ŋgɔ la. Wotso Montano nu hã be ewɔ numekuku tso gbegbɔgblɔ gbãtɔ siwo wozã tsɔ ŋlɔ Biblia me kple susu be yeana Biblia gɔmeɖeɖe sia nanyo wu—evɔ wosusui be xɔsegbegbee nuwɔwɔ nenema nye.

Ŋutasẽʋɔnudrɔ̃ƒea te tɔ ɖe edzi gɔ̃ hã be “Fia la ƒe megbedada na dɔa mehe bubu gobi aɖeke vɛ nɛ o.” Wogblɔ be eve yewo be Montano medo Vulgate Biblia si dzi woda asi ɖo la ƒe ta ɖe dzi o. Togbɔ be wotso enu kple nya siawo hã la, womete ŋu kpɔ kpeɖodzi gobii aɖeke si dzi woanɔ te ɖo abu fɔ Montano alo eƒe Gbe Vovovowo me Biblia la o. Mlɔeba la, Fia ƒe Biblia va nɔ ame geɖe si eye wòva zu Biblia nyui aɖe si wozãna le yunivɛsiti geɖe.

Eva Zu Dɔwɔnu Vevi aɖe le Biblia Gɔmeɖeɖe Me

Togbɔ be menye ɖe wota Antwerp Polyglot la be amesiame nazã o hã la, eva zu dɔwɔnu nyui aɖe na Biblia gɔmeɖelawo le etata vɔ megbe ɣeyiɣi kpui aɖe ko. Abe Komplutensia Biblia si Le Gbe Vovovowo Me si do ŋgɔ nɛ ene la, Antwerp Polyglot la wɔ akpa vevi aɖe le Ŋɔŋlɔawo ƒe akpa siwo nɔ anyi ɣemaɣi la ɖɔɖɔɖo me. Ekpe ɖe gbegɔmeɖelawo ŋu hã wose gbe gbãtɔawo gɔme nyuie wu. Dɔ sia ɖe vi na amesiwo ɖe Biblia gɔme ɖe Europatɔwo ƒe gbegbɔgblɔ geɖe siwo koŋ ame geɖe dona me. Le kpɔɖeŋu me, The Cambridge History of the Bible ka nya ta be gbegɔmeɖela siwo ɖe King James Version (La Bible du roi Jacques), alo Authorized Version, si amewo nya nyuie la gɔme le ƒe 1611 me la zã Antwerp Polyglot la wònye dɔwɔnu nyui aɖe le blemagbewo gɔmeɖeɖe me. Fia ƒe Biblia la hã wɔ akpa vevi aɖe le Gbe Vovovowo me Biblia vevi eve siwo wota le ƒe alafa 17 lia me la me.—Kpɔ aɖaka si nye “Biblia Siwo Le Gbe Vovovowo Me.”

Nusiwo nyo le Antwerp Polyglot la ŋu dometɔ ɖekae nye be ena Europa gbalẽnyalawo ƒe asi va ka Hela Ŋɔŋlɔawo, si gɔme woɖe ɖe Aramgbe me, zi gbãtɔ. Wotsɔ Aramgbe me gɔmeɖeɖe ma da ɖe Latingbe me tɔ aɖe si gɔme woɖe nya ɖe nya nu la xa. Nusia si wotsɔ kpee la nye dɔwɔnu ɖevi aɖe si nɔ Biblia sia me, elabena Aramgbe nye gbe gbãtɔ siwo me woɖe Kristotɔwo ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo ɖo la dometɔ ɖeka. Ƒe alafa evelia M.Ŋ. ƒe asinuŋɔŋlɔgbalẽwo dzie wokpɔ tsɔ ɖe Aramgbe me gɔmeɖeɖe sia gɔme le alafa atɔ̃lia M.Ŋ. me. Le The International Standard Bible Encyclopedia ƒe nya nu la, “wolɔ̃ ɖe [Aramgbe me gɔmeɖeɖe xoxo si nye] Peshitta la dzi be woazãe atsɔ ado gɔmeɖeɖe yeyewo kpɔ ɖa be wosɔ hã. Enye agbalẽ xoxo kple nuŋlɔɖi vevi siwo gblɔ blematɔwo ƒe kɔnuwo ŋuti nya la dometɔ ɖeka.”

Atsiaƒu dzeagboa alo Spaintɔwo ƒe Ŋutasẽʋɔnudrɔ̃ƒea ƒe tsitretsiɖeŋua mete ŋu xe mɔ na Komplutensia Biblia si Le Gbe Vovovowo Me, si ŋu wogbugbɔ trɔ asi le wòlolo wu eye wotae le ƒe 1572 me heyɔe be Fia ƒe Biblia la o. Ke hã Gbe Vovovowo me Biblia si wota le Antwerp ƒe ŋutinya nye kpɔɖeŋu bubu si fia agbagba siwo ŋutsu dzianukwaretɔwo dze be yewoaʋli Mawu ƒe Nya la ta.

Ŋutsu ɖokuitsɔsavɔla siawo nya alo womenya o, woƒe veviedodonu na nyateƒe si le Yesaya ƒe nyagblɔɖia me la dze. Yesaya ŋlɔe anye ƒe akpe etɔ̃e nye esia be: “Gbe ƒuna, eye seƒoƒo yrɔna, ke mía Mawu ƒe nya anɔ anyi tegbee.”—Yesaya 40:8.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 4 Wova yɔe be Fia ƒe Biblia elabena Fia Philip ye da megbe na etata, kple Antwerp Polyglot, elabena wotae le Antwerp dugã si nye Spain Fiaɖuƒea ƒe akpa aɖe ɣemaɣi me.

^ mm. 7 Ebi ɖe Arabgbe, Helagbe, Hebrigbe, Latingbe kple Aramgbe, siwo nye gbe vevi atɔ̃ siwo wozã le Gbe Vovovowo me Biblia sia me la me vevie. Enya nu tso tomenukuku, atikeŋutinunya, dzɔdzɔmeŋutinunya, kple mawuŋununya hã ŋu nyuie, eye wòzã ŋutete siawo le Biblia sia ƒe megbenyawo me alesi dze.

^ mm. 10 Ne èdi numeɖeɖe tso alesi Komplutensia Biblia si Le Gbe Vovovowo Me ɖe dzesii ŋu la, ke kpɔ Gbetakpɔxɔ, April 15, 2004.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 13]

“Mía Mawu ƒe nya anɔ anyi tegbee”

[Aɖaka/Nɔnɔmetata siwo le axa 12]

BIBLIA SIWO LE GBE VOVOVOWO ME

Federico Pérez Castro, agbalẽnyala si tso Spain ɖe nu me be: “Polyglot Bibliae nye Biblia si me nyawo le gbe vovovowo me le. Gake ne míagblɔe ŋutɔŋutɔ la, enye Biblia siwo me nyawo le gbe gbãtɔ siwo me Ŋɔŋlɔawo le me. Ne alea wòle la, ke Biblia Siwo le Gbe Vovovowo me la mesɔ gbɔ o.”

1. The Complutensian Polyglot [Komplutensia Biblia si Le Gbe Vovovowo Me] (ƒe 1514-17), Papatenɔla Cisneros ye da megbe na etata le Alcalá de Henares, le Spain. Babla adee mee wota Biblia sia ɖo, eye gbegbɔgblɔ ene mee nyawo nɔ le eme: Hebrigbe, Helagbe, Aramgbe kple Latingbe. Ena Biblia gɔmeɖela siwo nɔ anyi le ƒe alafa 16 lia me ƒe asi ka Hebrigbe kple Aramgbe me Ŋɔŋlɔ siwo dzi wonɔ te ɖo ɖe Biblia gɔme yi gbe bubuwo me.

2. The Antwerp Polyglot [Antwerp Biblia si Le Gbe Vovovowo me] (ƒe 1568-72), Benito Arias Montano ye to eme eye wòtsɔ Kristotɔwo ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo me Peshitta gɔmeɖeɖea kple Hebri Ŋɔŋlɔa ƒe akpa aɖewo si gɔme Jonathan ɖe yi Aramgbe me kpe ɖe Komplutensia Biblia si Le Gbe Vovovowo Me la ŋu. Woxɔ Jacob ben Hayyim ƒe Hebrigbe me ŋɔŋlɔawo kpɔ edzi ɖɔ Hebrigbe me ŋɔŋlɔ siwo me ablɔɖegbeɖiɖi kple nyatamedzesiwo nɔ la ɖo. Eyata eva zu Hebri Ŋɔŋlɔawo ƒe tata nyuitɔ si Biblia gɔmeɖelawo zãna.

3. The Paris Polyglot [Paris Biblia si Le Gbe Vovovowo Me] (ƒe 1629-45), si Franseawo ƒe senyala Guy Michel le Jay da megbe na wota. Antwerp Polyglot la dzie wokpɔ ɖe egɔme, togbɔ be Samariatɔwo kple Arabtɔwo ƒe nya aɖewo hã le eme hã.

4. The London Polyglot [London Biblia si Le Gbe Vovovowo Me] (ƒe 1655-57), si me Brian Walton gbugbɔ to. Antwerp Polyglot dzie wokpɔ ɖe eya hã gɔme. Biblia me nya siwo gɔme woɖe ɖe Ethiopia kple Persia gbewo me xoxoxo la le Gbe Vovovowo me Biblia sia me togbɔ be gbe siawo mena Biblia la me nyawo me kɔ ɖe edzi wu o hã.

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Avɔ Kakɛ Kple Antwerp ƒe Polyglot (eve siwo le gɔmea): Biblioteca Histórica. Universidad Complutense de Madrid; Antwerp ƒe Polyglot (si le tamea): By courtesy of Museum Plantin-Moretus/Stedelijk Prentenkabinet Antwerpen; London Polyglot: From the book The Walton Polyglot Bible, Vol. III, 1655-1657

[Nɔnɔmetata si le axa 9]

Philip II, Spain-fia

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Philip II: Biblioteca Nacional, Madrid

[Nɔnɔmetata si le axa 10]

Arias Montano

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Montano: Biblioteca Histórica. Universidad Complutense de Madrid

[Nɔnɔmetata si le axa 10]

Agbalẽtamɔ̃ gbãtɔawo le Antwerp, Belgium

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Agbalẽtamɔ̃: By courtesy of Museum Plantin-Moretus/Stedelijk Prentenkabinet Antwerpen

[Nɔnɔmetata siwo le axa 11]

Miame: Christophe Plantin kple axa si dzi woŋlɔ Antwerp Polyglot la ƒe ŋkɔ ɖo

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Axa si dzi Bibliaa ƒe ŋkɔ le kple Plantin: By courtesy of Museum Plantin-Moretus/Stedelijk Prentenkabinet Antwerpen

[Nɔnɔmetata si le axa 11]

Etame: Mose ƒe Agbalẽ Evelia ta 15 lia si le akpa ene me

[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 9]

Axa si dzi Bibliaa ƒe ŋkɔ le kple Plantin: By courtesy of Museum Plantin-Moretus/Stedelijk Prentenkabinet Antwerpen

[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 13]

Biblioteca Histórica. Universidad Complutense de Madrid