Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Kristotɔwo Ðea Yehowa Ƒe Ŋutikɔkɔe Fiana

Kristotɔwo Ðea Yehowa Ƒe Ŋutikɔkɔe Fiana

Kristotɔwo Ðea Yehowa Ƒe Ŋutikɔkɔe Fiana

“Woayra miaƒe ŋkuwo, elabena wokpɔa nu, kple miaƒe towo hã, elabena wosea nu.”​—MATEO 13:16.

1. Nyabiase kae vaa susu me na ame le alesi Israel-viwo wɔ nu ɖe Mose ŋui le Sinai-toa gbɔ ŋu?

SUSU geɖe nɔ Israel-vi siwo ƒo ƒu ɖe Sinai-toa gbɔ la si si tae woate ɖe Yehowa ŋu ɖo. Gbãa, etsɔ asi sesẽ ɖe wo tso Egiptetɔwo si me. Ekpɔ woƒe nuhiahiãwo gbɔ na wo, hena nuɖuɖu kple tsi wo le gbeadzi. Azɔ ena woɖu Amalekitɔwo ƒe aʋakɔ siwo ho aʋa ɖe wo ŋu la dzi. (Mose II, 14:26-31; 16:2–17:13) Esi dukɔa ƒu asaɖa anyi ɖe gbeadzi le Sinai-toa ŋkume la, dziɖegbewo kple dzikedzowo na vɔvɔ̃ ɖo wo ale gbegbe be wonɔ ƒoƒom tititi. Emegbe esi wokpɔ Mose ɖi tso Sinai-toa dzi gbɔna la, eƒe mo nɔ Mawu ƒe ŋutikɔkɔe ɖem fia. Gake le esi teƒe be wòawɔ nuku na wo le mɔ si ana woakpɔ ŋudzedze ɖe eŋu teƒe la, wote yi megbe boŋ. “Wole vɔvɔ̃m na tete ɖe [Mose ŋu].” (Mose II, 19:10-19; 34:30) Nukatae wonɔ Yehowa, amesi wɔ nyui ma gbegbe na wo, ƒe ŋutikɔkɔe ƒe ɖeɖefia kpɔkpɔ vɔ̃m?

2. Anye nukatae Israel-viwo nɔ vɔvɔ̃m na Mawu ƒe ŋutikɔkɔe si Mose ɖe fia la kpɔkpɔ?

2 Ðewohĩ nusi dzɔ do ŋgɔ na ema koŋ tae Israel-viwo nɔ vɔvɔ̃m ɖo. Esi wogbe toɖoɖo Yehowa heɖoe koŋ wɔ sikanyivi aɖe ta la, ehe to na wo. (Mose II, 32:4, 35) Ðe wosrɔ̃ nu tso to si Yehowa he na wo me hekpɔ ŋudzedze ɖe eŋua? Ao, wo dometɔ akpa gãtɔ mewɔ nu alea o. Do ŋgɔ vie hafi Mose naku la, eɖo ŋku sikanyivi ƒe nya la kple tomaɖomaɖo ƒe nɔnɔme bubu siwo Israel-viwo ɖe fia la dzi na wo. Egblɔ na dukɔa be: “Miesẽ to ɖe Yehowa, mia Mawu, ƒe nya ŋu, míeɖo ŋu ɖe eŋu o, eye miese eƒe gbe o. Tso esime menya mi la, to kokoko sẽm miele ɖe Yehowa ŋu.”—Mose V, 9:15-24.

3. Ɣekaɣie Mose tsyɔa nu ŋku me?

3 De ŋugble le alesi Mose wɔ nu ɖe Israel-viwo ƒe vɔvɔ̃a ŋui ŋu kpɔ. Nuŋlɔɖia xlẽ be: “Esi Mose ƒo nu kpli wo vɔ la, etsɔ nu tsyɔ ŋku me. Eye ne Mose yi Yehowa ƒe ŋku me [le avɔgbadɔa me], be wòaƒo nu kplii la, eɖea nu la le ŋku me, vaseɖe esime wòdoa go; eye ne edo go la, egblɔa se, siwo wode nɛ la, na Israel-viwo. Ke ne Israel-viwo kpɔ Mose ƒe mo wòle keklẽm la, Mose gatsyɔa nu ŋku me, vaseɖe esime wòagayi nu ƒo ge [kple Yehowa].” (Mose II, 34:33-35) Nukatae Mose tsyɔa nu ŋku me ɣeaɖewoɣi? Nukae míate ŋu asrɔ̃ tso esia me? Nya siawo ƒe ŋuɖoɖo ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míalé ŋku ɖe mía kple Yehowa dome ƒomedodo ƒe nyonyome ŋu akpɔ ɖa be aleke wòle hã.

Wona Mɔnukpɔkpɔwo To Wo Ŋu

4. Gɔmesese kae Paulo na ku ɖe Mose ƒe nu tsyɔtsyɔ mo ŋu?

4 Apostolo Paulo ɖe eme be susu kple dzi ƒe nɔnɔme si nɔ Israel-viawo ŋutɔ si tae Mose tsyɔ nu ŋku me ɖo. Paulo ŋlɔ be: ‘Israel-viwo mete ŋu lé ŋku ɖe Mose ƒe ŋku me le eƒe ŋku me ŋutikɔkɔe, ta. Wona woƒe tamesusuwo sẽ.’ (Korintotɔwo II, 3:7, 14) Woƒe nɔnɔmea wɔ nublanui lo! Yehowa ŋutɔe tia Israel-viwo be woanye dukɔ na ye, eye edi be woate ɖe ye ŋu hafi. (Mose II, 19:4-6) Ke hã, womedi be yewoakpɔ Mawu ƒe ŋutikɔkɔe ƒe ɖeɖefia la o. Le esi teƒe be woatrɔ woƒe dzi kple susu ɖe Yehowa ŋu atsɔ wo ɖokui anae bliboe lɔlɔ̃tɔe la, ɖe wotrɔ megbe dee boŋ le mɔ aɖe nu.

5, 6. (a) Nɔnɔme kae nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me si sɔ kple Israel-vi siwo nɔ anyi le Mose ƒe ŋkekea me tɔ? (b) Vovototo kae nɔ amesiwo ɖo to Yesu kple amesiwo meɖo toe o dome?

5 Míekpɔ nusia ƒe kpɔɖeŋu aɖe le ƒe alafa gbãtɔ M.Ŋ. me. Hafi Paulo nava zu Kristotɔ la, wotsɔ nubabla yeyea ɖɔ li Se ƒe nubabla la xoxo, eye Yesu Kristo, amesi nye Mose Gãtɔ, ye va nye eƒe avuléla. Yesu ɖe Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe fia le nya kple nuwɔna siaa me. Paulo ŋlɔ tso Yesu si wofɔ ɖe tsitre ŋu be: “[Enye Mawu ƒe] ŋutikɔkɔe ƒe keklẽ kple eƒe mawunyenye ƒe nɔnɔme.” (Hebritɔwo 1:3) Mɔnukpɔkpɔ gã aɖee nye ema su Yudatɔwo si hafi lo! Woate ŋu ase agbe mavɔ nyawo tso Mawu ƒe Vi la ŋutɔŋutɔ nu hafi! Nublanuitɔea, amesiwo Yesu ɖe gbeƒã na la dometɔ akpa gãtɔ meɖo to o. Yesu yɔ nya aɖe si Yehowa gblɔ ɖi to Yesaya dzi ku ɖe wo ŋu be: “Dukɔ sia ƒe dzi ku atri, eye woƒe towo sẽ, eye womiã woƒe ŋkuwo, bena woagakpɔ nu kple ŋkuwo o, eye woagase nu kple towo o, eye woagase nu gɔme kple dzi, ne woatrɔ, eye mada gbe le wo ŋu o.”—Mateo 13:15; Yesaya 6:9, 10.

6 Vovototo gã aɖe dze le Yudatɔwo kple Yesu ƒe nusrɔ̃lawo dome. Yesu gblɔ tso eƒe nusrɔ̃laawo ya ŋu be: “Woayra miaƒe ŋkuwo, elabena wokpɔa nu, kple miaƒe towo hã, elabena wosea nu.” (Mateo 13:16) Kristotɔ vavãwo di vevie be yewoanya Yehowa ahasubɔe. Edzɔa dzi na wo be yewoawɔ eƒe lɔlɔ̃nu si dze le Biblia me. Esia wɔe be Kristotɔ amesiaminawo ɖea Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe fiana le woƒe nubabla yeye ƒe subɔsubɔdɔa me, eye alẽ bubuawo hã wɔnɛ nenema ke.—Korintotɔwo II, 3:6, 18.

Nusita Wotsyɔa Nu Nyanyuia Dzi Ðo

7. Nukatae mewɔa nuku na mí be ame akpa gãtɔ gbea nyanyuia o?

7 Abe alesi míekpɔe ene la, le Yesu ƒe ŋkekea kple Mose ƒe ŋkekea siaa me la, Israel-vi akpa gãtɔ gbe mɔnukpɔkpɔ tɔxɛ si nɔ ʋuʋu ɖi na wo la. Nenema tɔgbe kee wòle egbea hã. Ame akpa gãtɔ gbe nyanyui si míele gbeƒã ɖemee la. Esia mewɔa mo yaa na mí o. Paulo ŋlɔ be: “Ke ne wotsyɔ nu míaƒe nyanyuia dzi la, ekema amesiwo tsrɔ̃ la ƒe ŋku me wotsyɔ nui le, amesiwo dome xexe sia me mawu gbã ŋku na dzimaxɔsetɔwo ƒe tamesusu le la, bene Kristo, si nye Mawu ƒe nɔnɔme la, ƒe ŋutikɔkɔe nyanyuie la ƒe kekeli nagaklẽ na wo o.” (Korintotɔwo II, 4:3, 4) Tsɔ kpe ɖe agbagba siwo dzem Satana le be yeatsyɔ nu nyanyuia dzi ŋu la, ame geɖe tsyɔ nu ŋku me na woa ŋutɔ ɖokui elabena womedi be yewoakpɔ nu o.

8. Aleke ame geɖe ƒe ŋku gbã le numanyamanya tae, eye aleke míawɔ be nɔnɔme sia nagagblẽ nu le míawo hã mía ŋu o?

8 Ame geɖe ƒe kpɔɖeŋuŋku gbã le esi womenya Mawu o ta. Biblia gblɔ tso dukɔwo ŋu be woƒe “nyasã do viviti, eye wonye amedzrowo le Mawu ƒe agbe la gome le numanyamanya, si le wo me la ŋuti.” (Efesotɔwo 4:18) Hafi Paulo, amesi nya Sea nyuie, nava zu Kristotɔ la, numanyamanya na eƒe ŋku gbã ale be wòti Mawu ƒe hame la yome. (Korintotɔwo I, 15:9) Ke hã, Yehowa ɖe nyateƒea fiae. Paulo ɖe eme be: “Esia ŋuti wokpɔ nublanui nam, bena Yesu Kristo naɖe eƒe dzigbɔgbɔɖi blewu katã afia le menye gbã, bene wòanye kpɔɖeŋu na amesiwo katã le edzi xɔ ge ase hena agbe mavɔ la.” (Timoteo I, 1:16) Abe Paulo ene la, amesiwo tsi tre ɖe Mawu ƒe nyateƒea ŋu tsã dometɔ geɖe va le Esubɔm fifia. Ema nye susu nyui aɖe si ta wòle be míayi edzi aɖi ɖase na amesiwo tsia tre ɖe mía ŋu gɔ̃ hã. Esi míele edzi yim alea la, míesrɔ̃a Mawu ƒe Nya la hesea egɔme, si wɔnɛ be ekpɔa mía ta be míagawɔ nusi ana Yehowa makpɔ ŋudzedze ɖe mía ŋu o la o.

9, 10. (a) Aleke Yudatɔ siwo nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me ɖee fia be yewomelɔ̃na be woafia nu yewo o eye be yewoléa yewoƒe nukpɔsusu me ɖe asi kpaɖii? (b) Ðe nane ɖi ema egbea le Kristodukɔa mea? Ðe eme.

9 Ame geɖe mete ŋu sea gbɔgbɔmenuwo gɔme o elabena womelɔ̃na be woafia nu yewo o eye woléa woƒe nukpɔsusu me ɖe asi kpaɖii. Yudatɔ geɖe gbe Yesu kple eƒe nufiafiawo elabena woku ɖe Mose ƒe Sea ŋu goŋgoŋ. Ke hã, ame aɖewo ya to vovo. Le kpɔɖeŋu me, esi Yesu fɔ megbe la, “nunɔlawo ƒe ha gã aɖe hã na ta xɔse la.” (Dɔwɔwɔwo 6:7) Ke hã, Paulo ŋlɔ tso Yudatɔ akpa gãtɔ ŋu be: “Vaseɖe egbegbe sia la ɣesiaɣi, si ke woxlẽa Mose la, nutsyɔnu tsyɔa woƒe dziwo dzi.” (Korintotɔwo II, 3:15) Anɔ eme be Paulo nya nusi Yesu gblɔ na Yudatɔ subɔsubɔhakplɔlawo do ŋgɔ, be: “Miele ŋɔŋlɔawo me dzrom tsitotsito; elabena miesusu bena, miekpɔa agbe mavɔ le wo me, eye woamawo nye nusiwo le ɖase ɖim le ŋutinye.” (Yohanes 5:39) Ðe wòle be Ŋɔŋlɔawo, siwo me wodzrona vevie la nakpe ɖe wo ŋu woanyae be Yesue nye Mesia la hafi. Gake susu bubu nɔ Yudatɔwo ŋutɔ si, eye nukunu siwo Mawu ƒe Via wɔ gɔ̃ hã mete ŋu na wotrɔ woƒe susu o.

10 Nenema kee wòle le Kristodukɔa me tɔ geɖewo gome egbea. Abe ƒe alafa gbãtɔ me Yudatɔwo ene la, “wole ŋu ʋãm ɖe Mawu ŋu, gake menye kple sidzedze [vavãtɔ] o.” (Romatɔwo 10:2) Togbɔ be wo dometɔ aɖewo srɔ̃a Biblia hã la, womexɔa nusi wògblɔ la dzi sena o. Womelɔ̃ ɖe edzi be Kristotɔ amesiaminawo ƒe dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela ƒe ha si le Yehowa si la dzie wòtona fiaa nu eƒe amewo o. (Mateo 24:45) Gake míawo ya míenyae be Yehowa le nu fiam eƒe amewo eye be ɖe Mawu ƒe nyateƒea me nɔa kɔkɔm vivivi ɣesiaɣi. (Lododowo 4:18) Esi míelɔ̃ Yehowa fia nu mí ta la, ena eƒe lɔlɔ̃nu kple tameɖoɖo ŋuti sidzedze su mía si wònye yayra na mí.

11. Aleke didi si le ame aɖewo me na nyateƒea ɣla ɖe woe?

11 Ame aɖewo ƒe didi si le wo mee gbã ŋku na woawo ya. Wogblɔe ɖi be ame aɖewo aɖu fewu le Mawu ƒe amewo kple gbedasi si wole gbeƒã ɖemee tso Yesu ƒe anyinɔnɔ ŋu la ŋuti. Apostolo Petro ŋlɔ be: “Ðe woɣlae ɖe wo, esi wole edim nenema” ta; eye nusi woɣla ɖe woe nye be Mawu he tsiɖɔɖɔ vɛ le Noa ƒe ɣeyiɣia me. (Petro II, 3:3-6) Nenema kee amesiwo yɔa wo ɖokui be Kristotɔwo la lɔ̃na ɖe edzi be Yehowa kpɔa nublanui, enyoa dɔme, eye wòtsɔa nuvɔ̃ kena; gake wogbea nyateƒenya si nye be Yehowa hea to ya. (Mose II, 34:6, 7) Kristotɔ vavãwo kpɔa egbɔ be yewose nusi tututu Biblia fia la gɔme nyuie.

12. Aleke kɔnuwo gbã ŋku na ame geɖewoe?

12 Kɔnuwo gbã ŋku na sɔlemedela geɖe hã. Yesu gblɔ na subɔsubɔhakplɔla siwo nɔ anyi le eƒe ŋkekea me be: “Miegabua Mawu ƒe se la o le miaƒe kɔa ŋuti.” (Mateo 15:6) Yudatɔwo tsɔ dzonɔameme gbugbɔ tadedeagu vavãtɔ ɖo anyi esi wotrɔ gbɔ tso aboyo me le Babilon, gake nunɔlawo va do wo ɖokui ɖe dzi hebu wo ɖokui ame dzɔdzɔewoe. Subɔsubɔzãwo va zu kɔnu dzro aɖe ko, si me mawuvɔvɔ̃ ŋutɔŋutɔ aɖeke medzena le o. (Maleaxi 1:6-8) Kaka Yesu nava anyigba dzi la, agbalẽfialawo kple Farisitɔwo va tsɔ kɔnyinyi gbogbo aɖewo va kpe Mose ƒe Sea. Yesu klo nu le amesiawo dzi be wonye alakpanuwɔlawo elabena womegava nya gɔmeɖose dzɔdzɔe siwo dzi Sea nɔ te ɖo o. (Mateo 23:23, 24) Ele be Kristotɔ vavãwo nakpɔ wo ɖokui dzi nyuie be woagaɖe mɔ subɔsubɔha me kɔnu siwo amegbetɔwo ɖo la natrɔ wo ɖa le tadedeagu vavãtɔa gbɔ o.

‘Amesi Womekpɔna O la Kpɔkpɔ’

13. Mɔ eve kawo dzie Mose kpɔ Mawu ƒe ŋutikɔkɔe le?

13 Esi Mose nɔ toa tame la, ebia be yeakpɔ Mawu ƒe ŋutikɔkɔe, eye ekpɔ Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe me tsonu hã vavã. Esi wòyi avɔgbadɔa me la, metsyɔ nu mo o. Mose nye amesi ƒe xɔse sesẽ, si di be yeawɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu. Togbɔ be woyrae be ekpɔ Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe ƒe akpa aɖe le ŋutega me hã, le mɔ aɖe nu la, etsɔ xɔseŋku kpɔ Mawu do ŋgɔ. Biblia gblɔ le Mose ŋu be “edo dzi, abe ɖe wòle amesi womekpɔna o la kpɔm ene.” (Hebritɔwo 11:27; Mose II, 34:5-7) Eye menye keklẽ si nɔ eƒe mo hena ɣeyiɣi aɖe dzi koe wòɖe Mawu ƒe ŋutikɔkɔe fia to o, ke to agbagba siwo wòdze be yeakpe ɖe Israel-viwo ŋu woava nya Yehowa ahasubɔe hã dzi.

14. Aleke Yesu kpɔ Mawu ƒe ŋutikɔkɔe, eye nuka ŋue wòkpɔ dzidzɔ le?

14 Yesu kpɔ Mawu ƒe ŋutikɔkɔe ŋutɔŋutɔ le dziƒo hena ƒe gbogbo siwo mele xexlẽ me o, tso keke esime wowɔ xexeame. (Lododowo 8:22, 30) Le ɣeyiɣi mawo katã me la, lɔlɔ̃ kple numalɔ̃leamegbɔ ƒe ƒomedodo sẽŋu aɖe va ɖo wo dome. Yehowa lɔ̃ eƒe nuwɔwɔ gbãtɔ sia wu amesiame. Yesu hã lɔ̃ Mawu, eƒe Agbenala la, vevie nenema ke. (Yohanes 14:31; 17:24) Lɔlɔ̃ si nɔ wo dome la nye Fofo kple Vi dome tɔ si de blibo. Abe Mose ene la, Yesu kpɔ dzidzɔ ɖe Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe ɖeɖe fia le eƒe nufiafia me ŋu.

15. Mɔ ka nue Kristotɔwo kpɔa Mawu ƒe ŋutikɔkɔe le?

15 Abe Mose kple Yesu ene la, Mawu ƒe Ðasefo siwo le anyigba dzi egbea dina vevie be yewoakpɔ Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe. Wometrɔ ɖa le ŋutikɔkɔe nyanyui la yome o. Apostolo Paulo ŋlɔ be: “Ɣesiɣi woatrɔ le woƒe dzi me ava Aƒetɔ la gbɔ [be yewoawɔ eƒe lɔlɔ̃nu] la, woaɖe nutsyɔnu la ɖa.” (Korintotɔwo II, 3:16) Esi míedi be míawɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu tae míesrɔ̃a Ŋɔŋlɔawo ɖo. Míekpɔa ŋudzedze ɖe ŋutikɔkɔe si dze le Yehowa ƒe Vi si wosi ami na wònye Fia, si nye Yesu Kristo ƒe mo la ŋu, eye míesrɔ̃a eƒe kpɔɖeŋu. Abe Mose kple Yesu ene la, wotsɔ subɔsubɔdɔ aɖe yra mí, si nye be míafia nu ame bubuwo tso ŋutikɔkɔe Mawu si míesubɔna la ŋu.

16. Nukatae yayrae wònye na mí be míenya nyateƒea?

16 Yesu do gbe ɖa be: “Fofo, . . . mekafu wò, elabena ètsɔ nusiawo ɣla ɖe nunyalawo kple nugɔmeselawo, eye nèɖe woawo fia vidzĩwo” (Mateo 11:25) Yehowa ɖea eƒe tameɖoɖowo kple amenyenye fiana amesiwo bɔbɔa wo ɖokui le dzi me ŋutɔŋutɔ la. (Korintotɔwo I, 1:26-28) Míeva le eƒe bélename ƒe takpɔkpɔ te, eye efiaa nu mí be wòaɖe vi na mía ŋutɔwo—be míakpɔ viɖe gãtɔ kekeake le agbe me. Mina míawɔ mɔnukpɔkpɔ ɖesiaɖe ŋudɔ ate ɖe Yehowa ŋu kplikplikpli, eye míakpɔ ŋudzedze ɖe ɖoɖo geɖe siwo wòwɔ be míadze si eyama nyuie wu la ŋu.

17. Aleke míewɔ va nya Yehowa ƒe nɔnɔmewo geɖe wu?

17 Paulo ŋlɔ na Kristotɔ amesiaminawo be: “Míetsɔ ŋku, si wometsyɔ nui o la, kpɔ Aƒetɔ la ƒe ŋutikɔkɔe abe ahuhɔ̃e me ene, eye wotrɔa míaƒe nɔnɔme ɖe nɔnɔme ma ke me tso ŋutikɔkɔe me yi ɖe ŋutikɔkɔe me.” (Korintotɔwo II, 3:18) Eɖanye dziƒo alo anyigba dzi nɔnɔ ƒe mɔkpɔkpɔe le mía si o, ne míeva nya Yehowa ɖe edzi geɖe wu—ne míenya eƒe nɔnɔmewo kple eƒe amenyenye abe alesi wòɖee fia le Biblia me ene—la, ekema míate ŋu asrɔ̃e nyuie wu. Ne míetsɔ ŋudzedzekpɔkpɔ de ŋugble tso Yesu Kristo ƒe agbenɔnɔ, eƒe subɔsubɔdɔ, kple nufiafiawo ŋu la, ekema míaɖe Yehowa ƒe nɔnɔmewo afia nyuie wu. Dzidzɔ gã aɖe ŋutɔe wònye be míanyae be míele kafukafu hem vɛ na mía Mawu, amesi ƒe ŋutikɔkɔe míedina be míaɖe afia!

Èɖo Ŋku Wo Dzia?

• Nukatae Israel-viwo nɔ vɔvɔ̃m na Mawu ƒe ŋutikɔkɔe si nɔ keklẽm le Mose ƒe mo la kpɔkpɔ?

• Aleke “wotsyɔ nu” nyanyuia dzi le ƒe alafa gbãtɔ me? le míaƒe ŋkekea me?

• Aleke míeɖea Mawu ƒe ŋutikɔkɔe fianae?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 19]

Israel-viwo mete ŋu kpɔ Mose ƒe mo o

[Nɔnɔmetata siwo le axa 21]

Abe Paulo ene la, ame geɖe siwo tsi tre ɖe Mawu ƒe nyateƒea ŋu tsã la le Esubɔm fifia

[Nɔnɔmetata siwo le axa 23]

Edzɔa dzi na Yehowa subɔlawo be yewoaɖe Mawu ƒe ŋutikɔkɔe afia