Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Lɔlɔ̃ Ƒe Se Si Le Dziwo Me

Lɔlɔ̃ Ƒe Se Si Le Dziwo Me

Lɔlɔ̃ Ƒe Se Si Le Dziwo Me

“Matsɔ nye se la ade woƒe dɔ me, eye maŋlɔe ɖe woƒe dzi ŋu.”​—YEREMYA 31:33.

1, 2. (a) Nuka mee míadzro azɔ? (b) Aleke Yehowa ɖe eɖokui fiae le Sinai-toa gbɔ?

LE NYATI eve siwo do ŋgɔ me la, míesrɔ̃e be esime Mose ɖi tso Sinai-toa dzi la, eƒe mo nɔ keklẽm wònye Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe ɖeɖefia. Míedzro nusita Mose tsyɔ nu mo hã me. Azɔ mina míadzro nane si do ƒome kplii si ŋu gɔmesese le na Kristotɔwo egbea me akpɔ.

2 Esi Mose nɔ toa dzi la, exɔ mɔfiamewo tso Yehowa gbɔ. Israel-vi siwo ƒo ƒu ɖe Sinai-toa gbɔ la kpɔ Mawu ŋutɔ ƒe ŋusẽ ɖeɖefia wɔnuku aɖe. “Dzi de asi gbeɖeɖe me, eye wòle dzo kem; alilikpo dodo aɖe va tsyɔ to la dzi, eye kpẽwo le ɖiɖim sesĩe ŋutɔ. Tete dukɔ blibo, si le asaɖa me la, de asi dzodzo me nyanya. . . . Eye dzudzɔ bla Sinai-to blibo la, elabena Yehowa ɖi va edzi le dzo me; eye dzudzɔ la de dzi abe aŋɔɖaƒe dzudzɔ ene, eye to blibo la le ʋuʋum ŋutɔ.”—Mose II, 19:16-18.

3. Mɔ ka dzie Yehowa to tsɔ Se Ewoawo na Israel, eye nuka gɔmee dukɔa va se?

3 Yehowa ƒo nu na dukɔ la to mawudɔla aɖe dzi, hetsɔ nusi wova yɔna be Se Ewoawo la na wo. (Mose II, 20:1-17) Eyata wo dometɔ aɖeke mate ŋu ake ɖii o be Ŋusẽkatãtɔa gbɔe se siawo tso. Yehowa ŋlɔ se siawo ɖe kpewo dzi—kpe siwo Mose xlã ɖe anyi wogbã gudugudu esi wòkpɔ Israel-viwo nɔ ta dem agu na sikanyivi. Yehowa gbugbɔ seawo ŋlɔ ɖe kpe dzi ake. Fifia ya, Mose ƒe ŋkume nɔ keklẽm esime wòlé kpeawo ɖe asi ɖi tso toa dzi. Wo katã woanyae ɣemaɣi be gɔmesese vevi aɖe le se siawo ŋu.—Mose II, 32:15-19; 34:1, 4, 29, 30.

4. Nukatae Se Ewoawo nɔ vevie ŋutɔ?

4 Wotsɔ kpe siwo dzi woŋlɔ Se Ewoawo ɖo la da ɖe nubablaɖaka la me le avɔgbadɔa me kple emegbe le gbedoxɔa me, le Kɔkɔeƒewo ƒe Kɔkɔeƒea. Se siwo nɔ wo dzi la gblɔ gɔmeɖose vevi siwo le Mose ƒe Se ƒe nubablaa me eye woawo dzie wotu teokrasi dziɖuɖu ƒe ɖoɖo si nɔ dukɔa me la ɖo. Wonye kpeɖodzi be Yehowa le dɔ wɔm kple dukɔ tɔxɛ aɖe, dukɔ tiatia aɖe.

5. Mɔ kawo nue Mawu ƒe se siwo wòtsɔ na Israel ɖe eƒe lɔlɔ̃ fia le?

5 Se mawo ɖe nu geɖe fia tso Yehowa ŋu, vevietɔ lɔlɔ̃ si le esi na eƒe amewo ŋu. Nunana xɔasi aɖe ŋutɔe wonye na amesiwo wɔ wo dzi! Agbalẽnyala aɖe ŋlɔ be: “Amegbetɔwo ƒe agbenyuinɔnɔse aɖeke megogo nya ewo siawo, kaka ahayi sɔsɔ ge kpli wo le mɔ aɖe nu, alo anyo wu wo, do ŋgɔ na ɣemaɣi alo vaseɖe fifia o.” Yehowa gblɔ tso Mose ƒe Se bliboa ŋu be: “Ne miaɖo to nye gbe, eye mialé nye nubabla me ɖe asi la, ekema mianye tɔnye koŋ le dukɔwo katã dome, elabena anyigba blibo la tɔnyee. Eye mianye nunɔlawo ƒe fiaɖuƒe kple dukɔ kɔkɔe nam!”—Mose II, 19:5, 6.

Se aɖe si Woŋlɔ ɖe Dzi Me

6. Se ka ŋue asixɔxɔ le wu se siwo woŋlɔ ɖe kpe dzi?

6 Nyateƒee, asixɔxɔ gã aɖe nɔ Mawu ƒe se mawo ŋu. Gake ènya be nane le Kristotɔ amesiaminawo si si xɔ asi wu se siwo woŋlɔ ɖe kpe dzia? Yehowa gblɔe ɖi be yeawɔ nubabla yeye aɖe si to vovo na Se ƒe nubabla si wòwɔ kple Israel-dukɔa. “Matsɔ nye se la ade woƒe dɔ me, eye maŋlɔe ɖe woƒe dzi ŋu.” (Yeremya 31:31-34) Yesu si nye nubabla yeyea ƒe Avuléla la meŋlɔ se aɖeke tsɔ de asi na eyomedzelawo o. Ena Yehowa ƒe sea tsi susu kple dzi me na eƒe nusrɔ̃lawo to nya siwo wògblɔ kple nusiwo wòwɔ dzi.

7. Amekawoe wotsɔ “Kristo ƒe se la” na gbã, eye amekawo hãe va xɔe emegbe?

7 Woyɔ se sia be “Kristo ƒe se la.” Menye dzɔdzɔme Israel-dukɔ si dzɔ tso Yakob me ye wotsɔe na gbã o, ke boŋ wotsɔe na gbɔgbɔmedukɔ aɖe, si nye “Mawu ƒe Israel.” (Galatiatɔwo 6:2, 16; Romatɔwo 2:28, 29) Kristotɔ siwo wotsɔ gbɔgbɔ si ami na ye ƒo ƒu wɔ Mawu ƒe Israel la. Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, “ameha gã” aɖe si tso dukɔwo katã me hã va di be yewoade ta agu na Yehowa. (Nyaɖeɖefia 7:9, 10; Zaxarya 8:23) Fifia si wozu “alẽha ɖeka” le “alẽkplɔla ɖeka” te ta la, ƒuƒoƒo evea siaa xɔ “Kristo ƒe se la,” eye wolɔ̃na wòfiaa mɔ wo le nusianu si wowɔna me.—Yohanes 10:16.

8. Vovototo siwo le Mose ƒe sea kple Kristo ƒe sea dome dometɔ ɖeka ɖe?

8 Dzɔdzɔme Israel-viwo nɔa Mose ƒe Sea te tso wo dziɣi ke, gake Kristotɔwo ya ŋutɔe tianae be yewoanɔ Kristo ƒe sea te, eye ŋutigbalẽ si le ame ŋu alo afisi wodzii le mele vevie le esia gome o. Wosrɔ̃a nu tsoa Yehowa kple eƒe mɔwo ŋu eye wodina vevie be yewoawɔ eƒe lɔlɔ̃nu. Esi Mawu ƒe sea le “woƒe dɔ me” abe ɖe woŋlɔe ɖe “woƒe dzi ŋu” le kpɔɖeŋumɔ nu ta la, Kristotɔ amesiaminawo meɖoa to Mawu le esi wòate ŋu ahe to na amesiwo gbe toɖoɖoe ta ko o; eye womeɖoa toe le esi wobui be enye agba le yewo dzi ta ko hã o. Nane si le vevie wu si ŋu ŋusẽ hã le wu tae woɖoa toe ɖo, eye alẽ bubuawo hã ɖoa to nenema ke le esi Mawu ƒe sea le woƒe dzi me ta.

Se Siwo Wotu ɖe Lɔlɔ̃ Dzi

9. Aleke Yesu ɖee fia be lɔlɔ̃e nye nu vevitɔ le Yehowa ƒe seawo me?

9 Míate ŋu atsɔ nya ɖeka pɛ ko agblɔ nusita Yehowa ƒe sewo kple ɖoɖowo li ɖo: lɔlɔ̃. Esia nye tadedeagu vavãtɔ ƒe akpa vevi aɖe ɣesiaɣi eye ayi edzi akpɔtɔ anyee ɖaa. Esi wobia Yesu be se kae nye gãtɔ le Sea me hã la, eɖo eŋu be: “Lɔ̃ Aƒetɔ, wò Mawu, kple wò dzi blibo kple wò luʋɔ blibo kpakple wò tamesusu blibo.” Eveliae nye: “Lɔ̃ hawòvi abe wò ŋutɔ ɖokuiwò ene.” Azɔ egblɔ be: “Se blibo la katã kple nyagblɔɖilawo ku ɖe nenem se eve siawo ŋuti.” (Mateo 22:35-40) Yesu to nya mawo dzi ɖee fia be menye Se Ewoawo koe wotu ɖe lɔlɔ̃ dzi o, ke boŋ Hebri Ŋɔŋlɔawo katã hã.

10. Aleke míewɔ nya be lɔlɔ̃e nye nu vevitɔ le Kristo ƒe sea me?

10 Ðe Mawu kple ame havi lɔlɔ̃ nye nusi dzi wotu se si le Kristotɔwo ƒe dzi me hã ɖoa? Eya tututue dzie wotui ɖo! Kristo ƒe se la bia be woalɔ̃ Mawu tso dzi blibo me eye se yeye aɖe hã kpe ɖe eŋu—ele be Kristotɔwo nalɔ̃ wo nɔewo ale gbegbe be woatsɔ wo ɖokui asa vɔ ɖe wo ta. Ele be woalɔ̃ wo nɔewo abe alesi Yesu wɔe ene, eye elɔ̃ faa tsɔ eƒe agbe ɖo anyi ɖe exɔlɔ̃wo ta. Efia eƒe nusrɔ̃lawo be woalɔ̃ Mawu ahalɔ̃ wo nɔewo, abe alesi ko ye ŋutɔ yelɔ̃ wo ene. Lɔlɔ̃ akuaku si anɔ wo dome ye nye nu vevitɔ si ade dzesi wo be wonye Kristotɔ vavãwo. (Yohanes 13:34, 35; 15:12, 13) Yesu gblɔ na wo kura gɔ̃ hã be woalɔ̃ woƒe ketɔwo.—Mateo 5:44.

11. Aleke Yesu ɖe lɔlɔ̃ fia Mawu kple ameƒomea siaa?

11 Yesu ɖo kpɔɖeŋu deblibo ɖi le lɔlɔ̃ gome. Togbɔ be gbɔgbɔmenuwɔwɔ sẽŋu aɖe wònye nɔ dziƒo hã, elɔ̃ faa be yeado ye Fofo ƒe nusiwo le anyigba la ɖe ŋgɔ. Menye ɖeko wòtsɔ eƒe agbe na ale be ame bubuwo nate ŋu anɔ agbe tegbee ko o, efia alesi wòle be amewo nanɔ agbee hã wo. Ebɔbɔ eɖokui, eƒe dɔme nyo, eye wòbu amewo ŋu, ekpe ɖe amesiwo agba wu siwo wote ɖe anyi la ŋu. Egblɔ “agbe mavɔ nyawo” hã, eye wòtsɔ veviedodonu kpe ɖe amewo ŋu be woava nya Yehowa.—Yohanes 6:68.

12. Nukatae míate ŋu agblɔ be kadodo kplikplikpli aɖe le Mawu lɔlɔ̃ kple ame havi lɔlɔ̃ dome?

12 Ne míagblɔe ŋutɔŋutɔ la, kadodo kplikplikpli aɖe le Mawu lɔlɔ̃ kple ame havi lɔlɔ̃ dome. Apostolo Yohanes gblɔ be: “Lɔlɔ̃ la tso Mawu me . . . Ne ame aɖe gblɔ be, yelɔ̃a Mawu, eye wòléa fu nɔvia la, aʋatsokala wònye; elabena amesi melɔ̃a nɔvia, si kpɔm wòle o la, aleke wòate ŋu alɔ̃ Mawu, si kpɔm mele o mahã?” (Yohanes I, 4:7, 20) Yehowa gbɔe lɔlɔ̃ dzɔ tso eye eyae nye amesi ɖee fia koŋ. Lɔlɔ̃e ʋãnɛ wòwɔa nusianu. Esi wòwɔ mí ɖe eƒe nɔnɔme nu tae míawo hã míelɔ̃a ame ɖo. (Mose I, 1:27) Ne míelɔ̃ mía haviwo la, ekema míele eɖem fia be míelɔ̃ Mawu.

Lɔlɔ̃ Fia Toɖoɖo

13. Hafi míate ŋu alɔ̃ Mawu la, nukae wòle be míawɔ gbã?

13 Aleke míate ŋu alɔ̃ Mawu, amesi míate ŋu akpɔ o la? Afɔɖeɖe vevi gbãtɔe nye be míanya eyama. Ne míenya ame aɖe o la, míate ŋu alɔ̃e kaka ahayi kaka ge ɖe edzi o. Eyatae Mawu ƒe Nya la dea dzi ƒo na mí be míadze agbagba anya Mawu to Biblia xexlẽ, gbedodoɖa, kpakple hadede kple amesiwo nyae xoxo helɔ̃nɛ dzi. (Psalmo 1:1, 2; Filipitɔwo 4:6; Hebritɔwo 10:25) Nyanyuigbalẽ eneawo le vevie ŋutɔ le go sia me, elabena woɖea Yehowa ƒe amenyenye si dze le Yesu Kristo ƒe agbenɔnɔ kple subɔsubɔdɔa me la fia nyuie. Ne míeva nya Mawu hekpɔ ŋudzedze ɖe lɔlɔ̃ si wòɖe fia mí ŋu la, ekema didi si le mía me be míaɖo toe ahasrɔ̃e la ayi edzi anɔ sesẽm ɖe edzi wu. Nyateƒee, Mawu lɔlɔ̃ bia be míaɖo to eyama.

14. Nukatae míate ŋu agblɔ be Mawu ƒe sewo mesesẽ o?

14 Ne míelɔ̃ ame aɖe la, ekema míenyana nusiwo wòlɔ̃na kple esiwo melɔ̃na o, eye míewɔa nu ɖe nusiawo nu na amea. Míedina be míadze agɔ le amesiwo míelɔ̃na la dzi o. Apostolo Yohanes ŋlɔ be: “Lɔlɔ̃ na Mawu enye si bena, míalé eƒe seawo me ɖe asi, eye eƒe seawo mesesẽ o.” (Yohanes I, 5:3) Womesesẽ o, eye womesɔ gbɔ hã o. Lɔlɔ̃e fiaa mɔ mí. Mehiã be míalé se gbogbo aɖewo ɖe tame si afia mɔ mí le nuwɔna ɖesiaɖe me o; lɔlɔ̃ si míeɖo na Mawu ye fiana mɔ mí. Ne míelɔ̃ Mawu la, ekema dzi adzɔ mí ɖe eƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ ŋu. Esia awɔe be Mawu akpɔ ŋudzedze ɖe mía ŋu, eye aɖe vi na mía ŋutɔwo hã, elabena mía ŋutɔwo ƒe nyonyo ta koe eƒe mɔfiamewo li ɖo ɣesiaɣi.—Yesaya 48:17.

15. Nukae aʋã mí míadi be míasrɔ̃ Yehowa? Ðe eme.

15 Lɔlɔ̃ na Mawu ʋãna mí míesrɔ̃a eƒe nɔnɔmewo. Ne míelɔ̃ ame aɖe la, eƒe nɔnɔmewo nyoa mía ŋu eye míedina be míanɔ abe eyama ene. Wò ya bu ƒomedodo si le Yehowa kple Yesu dome ŋu kpɔ. Wonɔ dziƒo ɖekae ƒe biliɔn gbogbo aɖewo. Lɔlɔ̃ akuaku aɖe si de to va ɖo wo dome. Eyata Yesu srɔ̃ Fofoa si le dziƒo la pɛpɛpɛ ale gbegbe be ete ŋu gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be: “Amesi ke kpɔm la, ekpɔ Fofo la.” (Yohanes 14:9) Ne míeva nya Yehowa kple Via hekpɔ ŋudzedze ɖe wo ŋu la, ekema míadi be míanɔ abe woamawo ene. Lɔlɔ̃ si anɔ mía si na Yehowa, kple eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea ƒe kpekpeɖeŋu, ado ŋusẽ mí be ‘míaɖe amenyenye xoxoa kple eƒe nuwɔnawo ɖa, eye míado amenyenye yeye la.’—Kolosetɔwo 3:9, 10; Galatiatɔwo 5:22, 23.

Lɔlɔ̃ Ðeɖe Afia

16. Aleke míaƒe gbeƒãɖeɖe kple nufiafia dɔa ɖenɛ fiana be míelɔ̃ Mawu kple mía havi?

16 Esi míenye Kristotɔwo ta la, míeɖea mɔ lɔlɔ̃ si le mía si na Mawu kple na mía haviwo ʋãna mí míekpɔa gome le Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖe kple nusrɔ̃lawo wɔwɔ dɔa me. Míaƒe nuwɔwɔ alea dzea Yehowa Mawu ŋu, elabena ‘eƒe lɔlɔ̃nue nye be woaxɔ ame ƒomeviwo katã ɖe agbe eye woava nyateƒe ƒe sidzedze vavãtɔ la me.’ (Timoteo I, 2:3, 4) Eyata dzi ate ŋu adzɔ mí ne míekpe ɖe ame bubuwo ŋu wova ŋlɔ Kristo ƒe sea ɖe woƒe dziwo me. Eye dzi dzɔa mí ne míekpɔe be wole woƒe amenyenye trɔm be wòawɔ ɖeka kple Yehowa Mawu ƒe nɔnɔmewo. (Korintotɔwo II, 3:18) Le nyateƒe me la, nu vevitɔ kekeake si míate ŋu ana amewoe nye be míakpe ɖe wo ŋu woava nya Mawu. Amesiwo lɔ̃ la ate ŋu ava zu Mawu xɔlɔ̃wo tegbee.

17. Nukatae nunya le eme be míalɔ̃ Mawu kple mía havi tsɔ wu be míalɔ̃ ŋutilãmenuwo?

17 Xexe si me wodea asixɔxɔ gã ŋutilãmenuwo ŋu le, helɔ̃a wo gɔ̃ hã, mee míele. Ke hã, ŋutilãmenuwo menɔa anyi ɖaa o. Woate ŋu afi wo alo woagblẽ. (Mateo 6:19) Biblia xlɔ̃ nu mí be: “Xexeame va yina kple eƒe nudzodzrowo; ke amesi wɔa Mawu ƒe lɔlɔ̃nu la, nɔa anyi yi ɖe mavɔmavɔ me.” (Yohanes I, 2:16, 17) Ẽ, Yehowa ya anɔ anyi tegbee, eye amesiwo lɔ̃nɛ hesubɔnɛ hã anɔ anyi tegbee. Ekema, ɖe susu mele eme be míalɔ̃ Mawu kple amewo tsɔ wu be míakplɔ xexe sia me nuwo, siwo ɖea vi ɣeyiɣi vi aɖe ko, la ɖo oa?

18. Aleke dutanyanyuigblɔla aɖe ɖe ɖokuitsɔtsɔsavɔ ƒe lɔlɔ̃ fiae?

18 Amesiwo lɔ̃a ame la hea ŋutikɔkɔe vanɛ na Yehowa. Bu Sonia si nye dutanyanyuigblɔla le Senegal ŋu kpɔ. Esrɔ̃ Biblia kple nyɔnu aɖe si ŋkɔe nye Heidi, si xɔ AIDS alo SIDA dɔlékuia le srɔ̃a ŋu. Esi Heidi srɔ̃ ku megbe la, exɔ nyɔnyrɔ, gake eteƒe medidi o, eƒe lãme va gblẽ, eye wova xɔe ɖe kɔdzi le dɔlélea ta. Sonia gblɔ be: “Atikewɔlawo wɔ wo tɔ sinua, gake ɖekoe womesɔ gbɔ o. Wobia be amesiwo lɔ̃ faa la natso hamea me ava kpɔ eƒe nuhiahiãwo gbɔ nɛ. Le ŋkeke evelia ƒe zã me la, menɔ aba dzi le exa henɔ egbɔ kpɔm vaseɖe esime wòku. Ðɔkta si nɔ atike wɔm nɛ gblɔ be: ‘Kuxi si koŋ míedoa goe nye be ne ƒometɔwo va nya be AIDS ye le yewoƒe dɔnɔawo ŋu ko la, woawo kura gɔ̃ hã dzona le wo gbɔ zi geɖe. Nukatae wò, amesi menye eƒe ƒometɔ o, mia kplii mietso dukɔ ɖeka me o, eye ŋutigbalẽ ɖeka gɔ̃ hã mele mia ŋu o, nèlɔ̃ be yeatsɔ ye ɖokui ade afɔku me ɖe eta?’ Meɖe eme nɛ be Heidi nye nɔvinyenyɔnu ŋutɔŋutɔ, abe alesi ko woadzi nye kplii tso dɔ ɖeka me ene. Esi meva nya nɔvinyenyɔnu sia ta la, edzɔ dzi nam be makpɔ eƒe nuhiahiãwo gbɔ nɛ.” Evɔ kpekpeɖeŋu si Sonia na lɔlɔ̃tɔe le Heidi ƒe nuhiahiãwo gbɔ kpɔkpɔ me la megblẽ naneke le eŋu o.

19. Esi Mawu ŋlɔ eƒe sea ɖe míaƒe dziwo me ta la, mɔnukpɔkpɔ ka ŋudɔe wòle be míawɔ?

19 Ðokuitsɔtsɔsavɔ ƒe lɔlɔ̃ ƒe kpɔɖeŋu geɖe le Yehowa subɔlawo dome. Womeŋlɔ se aɖeke tsɔ na Mawu ƒe amewo egbea si wotsɔna dea dzesi wo o. Míekpɔa nusi woŋlɔ ɖe Hebritɔwo 8:10 la teƒe boŋ, be: “Esia nye nu, si mabla kple Israel ƒe aƒe la le ŋkeke siawo megbe, Yehowa ye gblɔe: Matsɔ nye seawo ade woƒe ta me, eye maŋlɔ wo ɖe woƒe dziwo me, eye manye Mawu na wo, eye woawo nanye nye dukɔ.” Mina míayi edzi ade asixɔxɔ lɔlɔ̃ ƒe se si Yehowa ŋlɔ ɖe míaƒe dziwo me la ŋu, eye míawɔ mɔnukpɔkpɔ ɖesiaɖe ŋudɔ aɖe lɔlɔ̃ afia.

20. Nukatae Kristo ƒe se la nye kesinɔnu gã aɖe?

20 Dzidzɔ gã aɖe ŋutɔe wònye be míasubɔ Mawu kple mía nɔvi siwo hã si lɔlɔ̃ sia le, le xexeame godoo! Kesinɔnu gã aɖe ŋutɔe le amesiwo ƒe dzi me woŋlɔ Kristo ƒe sea ɖo la si le xexe sia si me lɔlɔ̃ mele o me. Menye ɖeko Yehowa lɔ̃a wo ko o, ke wokpɔa dzidzɔ le lɔlɔ̃ ƒe nublanu sẽŋu si le woƒe nɔviwo ƒe habɔbɔa me hã ŋu. “Kpɔ ɖa, aleke mehenyo, eye wòvivinae, ne nɔviwo le afi ɖeka!” Togbɔ be Yehowa Ðasefowo ma ɖe dukɔ geɖe me, wodoa gbe vovovowo, eye dekɔnu vovovowoe le wo si hã, ɖekawɔwɔ si le wo dome le mawusubɔsubɔ gome ya tɔgbe megale xexeame ƒe afi aɖeke o. Yehowa kpɔa ŋudzedze ɖe ɖekawɔwɔ sia ŋu. Hakpala la ŋlɔ be: “Gama [le amesiwo wɔ ɖeka le lɔlɔ̃ me dome ye] Yehowa ɖo yayra kple agbe tegbee.”—Psalmo 133:1-3.

Àte Ŋu Aɖo Wo Ŋua?

• Vevienyenye kae nɔ Se Ewoawo ŋu?

• Nukae nye se si woŋlɔ ɖe dziwo me?

• Akpa kae lɔlɔ̃ wɔna le “Kristo ƒe se la” me?

• Mɔ kawo dzie míate ŋu aɖee afia le be míelɔ̃ Mawu kple mía havi?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 25]

Se nɔ Israel-viwo si siwo woŋlɔ ɖe kpe dzi

[Nɔnɔmetata siwo le axa 26]

Mawu ƒe sea le Kristotɔwo ƒe dzi me

[Nɔnɔmetata si le axa 28]

Sonia kple Senegal nyɔnuvi aɖe le ƒe 2004 nutome gã takpekpe me